Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 14

Yehowa Na ‘Tafe Ðe Ame Geɖewo Ta’

Yehowa Na ‘Tafe Ðe Ame Geɖewo Ta’

1, 2. Aleke Biblia ɖɔ nɔnɔme si me ameƒomea le, eye mɔ ɖeka ka ko dzie woato ado le eme?

 “NUWƆWƆ blibo la katã le ŋeŋem, eye wòle veve sem va se ɖe fifi.” (Romatɔwo 8:22) Nya mawoe apostolo Paulo gblɔ tsɔ ɖɔ nɔnɔme wɔnublanui si me míele lae. Le amegbetɔwo ƒe susu nu la, edze abe ɖe mɔ aɖeke meli si dzi woato ado le fukpekpe, nu vɔ̃, kple ku si me o ene. Gake Yehowa menye wɔnamanɔŋutɔ abe amegbetɔwo ene o. (4 Mose 23:19) Dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu la wɔ ale si míawɔ ado le fukpekpea me ƒe ɖoɖo na mí. Woyɔa ɖoɖo sia be tafe.

2 Tafeae nye Yehowa ƒe nunana gãtɔ kekeake si wòna amegbetɔwo. Eʋu mɔ na mí be míakpɔ ɖeɖe tso nu vɔ̃ kple ku me. (Efesotɔwo 1:7) Eya dzie wotu agbe mavɔ nɔnɔ, eɖanye le dziƒo loo alo le paradisonyigba dzi o, la ƒe mɔkpɔkpɔ ɖo. (Luka 23:43; Yohanes 3:16; 1 Petro 1:4) Gake nu ka koŋue nye tafe la? Nu kae wòfia mí tso Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye si ƒo ɖe sia ɖe ta ŋu?

Ale Si Wòdzɔe Be Tafe Va Hiã

3. (a) Nu ka ta tafea va hiã? (b) Nu ka ta Mawu mate ŋu ate fli ɖe kufiatsotso na Adam ƒe dzidzimeviwo me ko o?

3 Adam ƒe nu vɔ̃ tae tafea va hiã ɖo. To Adam ƒe tomaɖomaɖo Mawu me la, egblẽ domenyinu si nye dɔléle, konyifafa, vevesese, kple ku ɖi na eƒe dzidzimeviwo. (1 Mose 2:17; Romatɔwo 8:20) Mawu mate ŋu anɔ te ɖe seselelãme dzi ko ate fli ɖe kufiatsotsoa me o. Ema wɔwɔ anye aɖabaŋeŋe ƒu eya ŋutɔ ƒe se dzi, esi gblɔ be: “Nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku.” (Romatɔwo 6:23) Eye ne ɖe Yehowa gbe eya ŋutɔ ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ƒe dzidzenuwo dzi wɔwɔ la, ke tɔtɔ kple sedzimawɔmawɔ ye ava xɔ anyi nɔ ɖe xexea me godoo!

4, 5. (a) Aleke Satana gblẽ Mawu ŋui, eye nu ka ta wòle kokoko be Yehowa naɖo nutsotso mawo ŋu? (b) Nya kae Satana tsɔ ɖe Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ŋu?

4 Abe ale si míekpɔe le Ta 12 lia me ene la, aglãdzedze le Eden-bɔa me fɔ nya siwo galolo wu aglãdzedzea ŋutɔ gɔ̃ hã ɖe te. Satana ƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ nyui la. Nu si wòwɔe nye be etso Yehowa nu be enye alakpatɔ kple ŋutasẽla, amedzizila si gbe ablɔɖe nana eƒe nuwɔwɔwo. (1 Mose 3:1-5) Esi wòdze abe ɖe Satana gblẽ Mawu ƒe tameɖoɖo be yeana ame dzɔdzɔewo nayɔ anyigba la dzi me ene ta la, eto eƒe nuwɔna sia me tso Mawu nu be enye ame si do kpo nu. (1 Mose 1:28; Yesaya 55:10, 11) Ne ɖe Yehowa mena wokpɔ ŋuɖoɖo na nya siawo siwo wotsɔ ɖe eŋu o la, anye ne eƒe nuwɔwɔ siwo si nunya le dometɔ geɖe magaka ɖe eƒe dziɖulanyenye dzi le nu geɖe me o.

5 Satana gagblɔ alakpanya ɖe Yehowa subɔla wɔnuteƒewo hã ŋu, hetso wo nu be ɖokuitɔdidi ta koe wole Eyama subɔm ɖo eye be ne wona woto nɔnɔme sesẽwo me la, wo dometɔ aɖeke mayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu o. (Hiob 1:9-11) Nya siawo siwo fɔ ɖe te la le vevie kura wu nɔnɔme wɔnublanui si me amegbetɔwo ge ɖo. Eya ta esɔ be Yehowa kpɔe be ehiã be yeaɖo Satana ƒe alakpanutsotsoawo ŋu. Gake mɔ ka dzie Mawu ato akpɔ nya siawo gbɔ agaɖe ameƒomea hã tso woƒe nɔnɔme wɔnublanuia me?

Tafe—Enye Nu Si Sɔ Ðe Enu

6. Nya kawoe wozãna le Biblia me tsɔ ɖɔa nu si Mawu wɔ be yeatsɔ aɖe ameƒomea?

6 Ale si Yehowa kpɔ nyaa gbɔe la nye nu si me nublanuikpɔkpɔ gã aɖe le eye wòsɔ hã ale gbegbe—enye mɔnu si amegbetɔ aɖeke mate ŋu ato vɛ akpɔ o. Ke hã enye mɔnu si le bɔbɔe ŋutɔ hã. Woyɔnɛ le mɔ vovovowo nu be enye nuƒeƒle, avuléle, ɖeɖe, fexexeɖeta, kple avulévɔsa. (Psalmo 49:8; Daniel 9:24; Galatiatɔwo 3:13; Kolosetɔwo 1:20; Hebritɔwo 2:17) Gake ɖewohĩ nyagbɔgblɔ si ɖɔ nɔnɔmea wòsɔ wue nye esi Yesu ŋutɔ zã. Egblɔ be: “Amegbetɔvi la meva be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ eye yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe [Helagbe, lyʹtron] na ame geɖewo.”—Mateo 20:28.

7, 8. (a) Nu kae nya “tafe” fia le Ŋɔŋlɔawo me? (b) Mɔ kawo nue tafe fia sɔsɔ ɖe nu nu le?

7 Nu kae nye tafe? Woɖe Helagbe me nya si wozã le afi sia tso dɔwɔnya si gɔmee nye “woatu nu si wobla, woaɖe asi le nu si wolé ŋu” me. Wozãa nyagbɔgblɔ sia le nuƒoƒo tso ga si woxe be woaɖe asi le ame siwo wolé le aʋawɔwɔ me ŋu. Eya ta woate ŋu aɖe tafe gɔme koŋ be enye nane si woxe be woagbugbɔ nane aƒle. Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, woɖe nya si nye “tafe” (koʹpher) tso dɔwɔnya si gɔmee nye “woatsyɔ nu nu dzi” me. Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ na Noa be ele be wòatsɔ aŋɔ “atre” (nya ma ke ƒomevi aɖe) aɖakaʋua. (1 Mose 6:14) Esia kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be, be woaxe tafe fia hã be woatsyɔ nu nu vɔ̃wo dzi.Psalmo 65:3.

8 Eɖe dzesi be agbalẽ si nye Theological Dictionary of the New Testament gblɔ be nya sia (koʹpher) “fiaa nu si ƒe asixɔxɔ sɔ kple bubu tɔ ɣesiaɣi,” alo nu si sɔ ɖe enu. Eya ta be woaxe tafe, alo atsyɔ nu nu vɔ̃ dzi la, ele be woaxe fe si sɔ ɖe nu gbegblẽ si do tso nu vɔ̃ me nu, alo esi atsyɔ nu gbegblẽa dzi pɛpɛpɛ. Eya ta Mawu ƒe Se si wòtsɔ na Israel-viwo gblɔ be: “Agbe ɖe agbe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe.”—5 Mose 19:21.

9. Nu ka tae nuteƒewɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ la tsɔ lãwo sa vɔe, eye aleke Yehowa bu vɔsa mawoe?

9 Nuteƒewɔla siwo nɔ anyi tso Abel dzi la tsɔ lãwo sa vɔe na Mawu. Le esia wɔwɔ me la, woɖee fia be yewonya be nu vɔ̃ li eye be ehiã be yewoakpɔ ɖeɖe, eye yewoxɔ ŋugbe si Mawu do be yeana ablɔɖe yewo to eƒe “dzidzimevi” dzi la dzi se. (1 Mose 3:15; 4:1-4; 3 Mose 17:11; Hebritɔwo 11:4) Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe vɔsa mawo ŋu eye wòna ame siwo subɔnɛ la kpɔ tenɔnɔ nyui le egbɔ. Ke hã ne lãwo tsɔtsɔ sa vɔe xɔ asi ƒãa hã la, kpɔɖeŋu nuwɔna aɖe koe wònye. Lãwo mate ŋu atsyɔ amegbetɔwo ƒe nu vɔ̃ dzi ŋutɔŋutɔ o, elabena womexɔ asi de amegbetɔwo nu o. (Psalmo 8:4-8) Esia tae Biblia gblɔ be: “Nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu mate ŋu aɖe nu vɔ̃wo ɖa o.” (Hebritɔwo 10:1-4) Kpɔɖeŋunuwo koe vɔsa mawo nye, alo wotsi tre ɖi na tafevɔsa vavã si nɔ ŋgɔ gbɔna.

“Tafe Si Sɔ Ðe Enu”

10. (a) Ame kae wòle be tafexelaa nasɔ kple, eye nu ka tae? (b) Nu ka ta ame ɖeka ƒe vɔsa koe hiã?

10 Apostolo Paulo gblɔ be: “Amewo katã kuna le Adam me.” (1 Korintotɔwo 15:22) Eya ta ele be tafexelaa nanye ame si sɔ pɛpɛpɛ kple Adam—amegbetɔ deblibo—ƒe ku. (Romatɔwo 5:14) Nuwɔwɔ ƒomevi bubu aɖeke meli si ate ŋu ada asɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe nudanu dzi o. Amegbetɔ deblibo, ame aɖe si ŋu Adam ƒe nu vɔ̃ mele o, koe ate ŋu axe “tafe si sɔ ɖe enu ɖe amewo katã ta”—ame si sɔ tututu kple Adam. (1 Timoteo 2:6) Mahiã be woatsɔ ame miliɔn geɖe asa vɔe ɖe Adam ƒe dzidzimevi dometɔ ɖe sia ɖe ta o. Apostolo Paulo ɖe eme be: “To ame ɖeka [Adam] dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va.” (Romatɔwo 5:12) Eye “esi wònye ame dzie ku to va ta la,” Mawu wɔ ɖoɖo be ameƒomea nakpɔ ɖeɖe ‘to ame dzi.’ (1 Korintotɔwo 15:21) Le mɔ ka nu?

“Tafe si sɔ ɖe enu ɖe amewo katã ta”

11. (a) Aleke tafexelaa ‘aɖɔ ku kpɔ ɖe amewo katã ta’? (b) Nu ka tae tafea mate ŋu aɖe vi na Adam kple Xawa o? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

11 Yehowa wɔ ɖoɖo be yeana amegbetɔ deblibo si lɔ̃ faa la natsɔ eƒe agbe asa vɔe. Romatɔwo 6:23 gblɔ be: “Nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku.” Ne tafexelaa tsɔ eƒe agbe sa vɔe la, ekema ‘aɖɔ ku kpɔ ɖe amewo katã ta.’ Ne míagblɔe bubui la, axe fe ɖe Adam ƒe nu vɔ̃a ta. (Hebritɔwo 2:9; 2 Korintotɔwo 5:21; 1 Petro 2:24) Esia anye afɔɖeɖe vevi si me susu le le senyawo me. To flitete ɖe kufɔbubu si le Adam ƒe dzidzimevi siwo nye toɖolawo dzi me la, tafea aɖe nu vɔ̃ ƒe nugblẽŋusẽ ɖa le etsoƒe, alo eƒe agunu, tututu. aRomatɔwo 5:16.

12. Wɔ ale si fexexeɖeta ɖeka aɖe ate ŋu ahe viɖe vɛ na ame geɖe la ƒe kpɔɖeŋu.

12 Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be nèle du aɖe si me woxɔ ame akpa gãtɔ be woawɔ dɔ le adzɔnuwɔƒe gã aɖe me. Woxea fe na mia kple wò dɔwɔhatiwo nyuie ɖe miaƒe dɔwo ta eye agbe dze edzi na mi. Aleae wònɔ va se ɖe ŋkeke si dzi wotu dɔwɔƒea. Ðe susu ka ta? Amegã si le dɔa dzi kpɔm fi ga, ale be dɔwɔƒea ɖu agba. Esi dɔ ge le mia kple wò dɔwɔhatiwo si kpata ta la, miete ŋu gale miaƒe nugblẽfewo xem o. Mia srɔ̃wo, mia viwo, kple ame siwo do nugbana na mi siaa va le fu kpem le ame ɖeka aɖe ƒe fififi ta. Ðe mɔ aɖe li si dzi woato ado le nɔnɔme sia mea? Ɛ̃! Kesinɔtɔ dɔmenyotɔ aɖe ɖo be yeaxɔ na mi. Enya ale si gbegbe dɔwɔƒea le vevie. Egase veve hã ɖe dɔwɔla gbogboawo kple woƒe ƒomewo nu. Eya ta ewɔ ɖoɖo be yeaxe fe si dɔwɔƒea nyi ale be woate ŋu agaʋui. Fexexeɖeta ɖeka ma na be dɔwɔla geɖe kple woƒe ƒomewo kpakple nugbanadonamelawo kpɔ gbɔdzɔe. Nenema kee fe si Adam nyi la xexe he viɖe gbogbowo vɛ na ame miliɔn geɖewo.

Ame Kae Tsɔ Tafea Na?

13, 14. (a) Aleke Yehowa na tafe ɖe ameƒomea tae? (b) Ame kae woxe tafea na, eye nu ka tae fexexeɖeta sia hiã?

13 Yehowa ɖeka koe ate ŋu ana “Alẽvi si le xexea ƒe nu vɔ̃ ɖem ɖa.” (Yohanes 1:29) Gake Mawu meɖo mawudɔla ɖe sia ɖe ko ɖa be wòava xɔ na ameƒomea o. Ke boŋ ame si ate ŋu ana nu si hiã bliboe, eye wòaɖo nya si Satana tsɔ ɖe Yehowa subɔlawo ŋu la ŋu keŋkeŋ lae wòɖo ɖa. Ɛ̃, Yehowa tsɔ vɔsa gãtɔ kekeake na to eƒe Tenuvi, ame si ‘wòlɔ̃ vevie’ ɖoɖoɖa me. (Lododowo 8:30) Mawu ƒe Vi la lɔ̃ faa ‘ɖi gbɔlo eɖokui’ esi wògblẽ ɖoƒe si nɔ esi le dziƒo ɖi. (Filipitɔwo 2:7) Yehowa wɔ nukunu aɖe esi wòtrɔ eƒe ŋgɔgbevi si le dziƒo la ƒe agbe de Yuda ɖetugbui leaƒe Maria ƒe vidzidɔ me. (Luka 1:27, 35) Ne wodzii amegbetɔe la, woayɔe be Yesu. Gake le senyawo me la, woate ŋu ayɔe be Adam evelia, elabena esɔ bliboe pɛpɛpɛ kple Adam. (1 Korintotɔwo 15:45, 47) Eya ta Yesu ate ŋu atsɔ eɖokui asa vɔe wòanye tafe ɖe ameƒome nu vɔ̃ mewo ta.

14 Ame kae woaxe tafea na? Psalmo 49:7 gblɔe tẽe be woxe tafea “na Mawu.” Gake ɖe menye Yehowa ŋutɔe nye ame si wɔ tafe ƒe ɖoɖoa oa? Ɛ̃, eyae, gake esia mena tafea zu nu ɖɔliɖɔli si ŋu gɔmesese mele o, si wowɔ abe kɔnu ko ene o—abe gaɖeɖe le kotoku ɖeka me atsɔ ade bubu me ene o. Ele be míase egɔme be tafea menye ŋutilãmenu ŋutɔŋutɔ aɖe ɖɔliɖɔli o, ke boŋ enye nu si wobia le senyawo me la tsɔtsɔna. Esi Yehowa na woxe tafea, togbɔ be esia bia nu gã aɖe tso eya ŋutɔ si hã la, eɖo kpe ale si wòwɔna ɖe eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye deblibo dzi ɣesiaɣi nuwo matrɔmatrɔe la dzi.—1 Mose 22:7, 8, 11-13; Hebritɔwo 11:17; Yakobo 1:17.

15. Nu ka ta wòhiã be Yesu nakpe fu ahaku?

15 Le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe adame la, Yesu Kristo lɔ̃ faa tsɔ eɖokui na be yeato fukpekpe si ava wu enu ɖe tafea xexe me la me. Eɖe mɔ le eɖokui ŋu faa be woalé ye ɖe alakpanutsotsowo ta, woadrɔ̃ ʋɔnu ye be yeɖi fɔ, eye woaklã ye ɖe fuwɔameti ŋu. Ðe wòhiã ŋutɔŋutɔ be Yesu nato fukpekpe siawo gbegbe mea? Ɛ̃, elabena ele be woakpɔ Mawu subɔlawo ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe nyaa gbɔ. Míade dzesii be Mawu meɖe mɔ be fia Herodes nawu Yesu le eƒe vidzĩme o. (Mateo 2:13-18) Gake esime Yesu tsi la, ete ŋu nɔ te ɖe Satana ƒe amedzidzedze dziŋɔa nu eye wòse nya siwo fɔ ɖe te la gɔme bliboe. b Esi Yesu yi edzi nye “nuteƒewɔla, ame maɖifɔ, si ŋu ɖiƒoƒo aɖeke mele o, si te ɖa tso nu vɔ̃ ŋu” togbɔ be eto fukpekpe manyagblɔwo me hã la, eɖee fia kɔtɛ be ame siwo léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le nɔnɔme sesẽwo me la le Yehowa si. (Hebritɔwo 7:26) Eya ta mewɔ nuku o be do ŋgɔ teti na Yesu ƒe ku la, egblɔ sesĩe aʋadziɖuɖutɔe be: “Wowu enu!”—Yohanes 19:30.

Eƒe Ðeɖedɔ La Nu Wuwu

16, 17. (a) Aleke Yesu yi eƒe ɖeɖedɔa dzii? (b) Nu ka ta wòhiã be Yesu ‘nado ɖe Mawu ŋkume le mía ta’?

16 Yesu mewu eƒe ɖeɖedɔ la nu haɖe o. Le Yesu ƒe ku ŋkeke etɔ̃agbe la, Yehowa fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. (Dɔwɔwɔwo 3:15; 10:40) To nu vevi sia wɔwɔ me la, menye ɖeko Yehowa ɖo eteƒe na Via ko o, ke ena mɔnukpɔkpɔ hãe be wòawu eƒe ɖeɖedɔ la nu esi wòzu Nunɔlagã si Mawu tia. (Romatɔwo 1:4; 1 Korintotɔwo 15:3-8) Apostolo Paulo ɖe eme be: “Esime Kristo va [la,] menye gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu ye wòtsɔ ge ɖe kɔkɔeƒe la zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu o, ke boŋ eya ŋutɔ ƒe ʋu ye, eye wòxɔ ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ vɛ na mí. Elabena menye kɔkɔeƒe si wotsɔ asi wɔ, si nye vavãtɔ la ƒe kpɔɖeŋu, ye Kristo yi o, ke boŋ dziƒo ŋutɔŋutɔ wòyi, ale be wòado ɖe Mawu ŋkume azɔ le mía ta.”—Hebritɔwo 9:11, 12, 24.

17 Kristo mate ŋu atsɔ eƒe ʋu ŋutɔŋutɔ ayi dziƒo o. (1 Korintotɔwo 15:50) Ke boŋ nu si eƒe ʋua tsi tre ɖi na lae wòtsɔ yii: eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo si wòtsɔ sa vɔe la ƒe asixɔxɔ le se nu. Eyome eva do ɖe Mawu ŋkume hetsɔ agbe si wòtsɔ na tafee ɖe ameƒome wɔnuvɔ̃wo ta la ƒe asixɔxɔ nɛ. Ðe Yehowa xɔ vɔsa ma? Ɛ̃, exɔe, eye esia dze le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi, esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe nusrɔ̃la siwo ade 120 dzi le Yerusalem. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4) Togbɔ be esia nye dzidzɔ gã aɖe hã la, viɖe gbogbo si tafea ahe vɛ la ƒe gɔmedzedze koe nye ema.

Tafea Ƒe Viɖewo

18, 19. (a) Amewo ƒe ƒuƒoƒo eve kawoe Mawu kple amewo dome dzadzraɖo si va eme to Kristo ƒe ʋu dzi la aɖe vi na? (b) Viɖe siwo tafea he vɛ na “ameha gã” la fifia kple esi woava kpɔ le etsɔme ƒe ɖewo ɖe?

18 Le Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe Kolosetɔwo me la, eɖe eme be edze Mawu ŋu be yeato Kristo dzi adzra ye kple nu bubuwo katã dome ɖo, esi wòwɔ ŋutifafa to Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi le fuwɔametia ŋu la dzi. Paulo gaɖe eme hã be esia lɔ amewo ƒe ƒuƒoƒo vovovo eve ɖe eme, siwo nye “nu siwo le dziƒowo” kple “nu siwo le anyigba dzi.” (Efesotɔwo 1:10; Kolosetɔwo 1:19, 20) Ƒuƒoƒo gbãtɔe nye Kristotɔ ame 144,000 siwo wona mɔkpɔkpɔe be woasubɔ le dziƒo anye nunɔlawo eye woaɖu fia kple Kristo Yesu ɖe anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 7:4; 14:1-3) To wo dzi la, woazã tafea ƒe viɖewo vivivi ɖe ameƒomea me tɔ toɖolawo ŋu ƒe akpe ɖeka be wòaɖe vi na wo.—1 Korintotɔwo 15:24-26; Nyaɖeɖefia 20:6; 21:3, 4.

19 “Nu siwo le anyigba dzi” ye nye ame siwo le mɔ kpɔm be yewoase vivi le agbe deblibo nɔnɔ me le Paradisonyigba dzi. Nyaɖeɖefia 7:9-17 yɔ wo be wonye “ameha gã” si atsi agbe le “xaxa gã” si gbɔna me. Gake mehiã be woalala ɣeyiɣi ma naɖo hafi woadze vivisese na tafea ƒe viɖewo o. “Wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me” xoxo. Esi wotsɔa tafea dzixɔxɔse wɔa dɔe ta la, wole gbɔgbɔ me viɖewo kpɔm tso lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo ma me fifia gɔ̃ hã. Wonye Mawu xɔlɔ̃wo eye ebu wo ame dzɔdzɔewoe! (Yakobo 2:23) Le Yesu ƒe vɔsaa ta la, ‘dzi anɔ wo ƒo woate ɖe amenuvevezikpui la ŋu aƒo nu faa.’ (Hebritɔwo 4:14-16) Ne woda vo la, wokpɔa tsɔtsɔke ŋutɔŋutɔ. (Efesotɔwo 1:7) Togbɔ be womede blibo o hã la, dzitsinya dzadzɛ sua wo si. (Hebritɔwo 9:9; 10:22; 1 Petro 3:21) Eya ta be woadzra woa kple Mawu dome ɖo la menye mɔkpɔkpɔ dzro aɖe ko o, ke boŋ enye nu si le dɔ wɔm ŋutɔŋutɔ egbea! (2 Korintotɔwo 5:19, 20) Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, “woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me, eye wòakpɔ Mawu ƒe viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la.”—Romatɔwo 8:21.

20. Aleke ŋugbledede le tafea ŋu wɔa dɔ ɖe wò ŋutɔ dziwòe?

20 ‘Míedaa akpe na Mawu to Yesu Kristo dzi’ ɖe tafea ta! (Romatɔwo 7:25) Enye gɔmeɖose bɔbɔe aɖe, ke hã enye nu gã ale gbegbe be ŋudzedzekpɔkpɔ kple bubu deto yɔa mía me fũu ɖe eta. (Romatɔwo 11:33) Eye ne míede ŋugble le tafea ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe la, ewɔa dɔ ɖe míaƒe dzi dzi, eye wòtea mí ɖe dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu la ŋu. Abe hakpala la ene la, esɔ le go sia go me be míakafu Yehowa, Mawu si ‘lɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple nya dzɔdzɔe.’—Psalmo 33:5.

a Tafea mate ŋu aɖe vi na Adam kple Xawa o. Mose ƒe Sea gblɔ gɔmeɖose sia ku ɖe ame si ɖoe koŋ wu ame ŋu be: “Migana woaxe fe aɖeke ɖe amewula si dze na ku la ƒe agbe ta o.” (4 Mose 35:31) Eya ta eme kɔ ƒãa be Adam kple Xawa dze na ku, elabena ɖe wolɔ̃ faa hetiae be yewoagbe toɖoɖo Mawu, togbɔ be wonya hã. To esia wɔwɔ me la, woɖe asi le woƒe agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu.

b Be nuwo nada asɔ le Adam ƒe nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa me la, ele be Yesu naku abe ŋutsu deblibo ene, ke menye abe vidzĩ deblibo ene o. Ðo ŋku edzi be ɖe Adam ɖoe koŋ wɔ nu vɔ̃, eye enya ŋkubiãnya si wònye kple nu siwo ado tso eme nyuie hafi wɔe. Eya ta be Yesu nazu “Adam mamlɛtɔ” eye wòatsyɔ nu nu vɔ̃ ma dzi la, ele be wòanye ame tsitsi ƒe nyametsotso kple tiatia si wònya nyuie hafi wɔ, be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa. (1 Korintotɔwo 15:45, 47) Eya ta Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe agbenɔnɔ bliboa—si me eƒe vɔsakua hã nɔ—la nye “nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖeka.”—Romatɔwo 5:18, 19.