Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 16

‘Wɔ Nu Dzɔdzɔe’ Le Zɔzɔ Kple Mawu Me

‘Wɔ Nu Dzɔdzɔe’ Le Zɔzɔ Kple Mawu Me

1-3. (a) Nu ka ta míenyi fe le Yehowa ŋu? (b) Nu ka dim míaƒe Agbeɖela lɔ̃ame la le tso mía si?

 TSƆE be nèle tɔdziʋu aɖe si le nyɔnyrɔm me. Le ɣeyiɣi si me tututu nèsusui be afi si wòɖo fifia ya mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o la, kasia ameɖela aɖe va do eye wòɖe wò yi dedienɔƒee. Aleke gbegbe wò dzi adze emee nye esi esime ɖewòla la ɖe wò tso afɔkua me eye wògblɔ na wò azɔ be: “Fifia èle dedie”! Ðe màse le ɖokuiwò me be yenyi fe le amea ŋu oa? Ne míagblɔe tututu la, ènyi wò agbe ƒe fe le eŋu.

2 Le mɔ aɖewo nu la, esia nye kpɔɖeŋu na nu si Yehowa wɔ na mí. Nyateƒee, míenyi fe le eŋu. Eyae wɔ tafe ƒe ɖoɖoa si ʋu mɔ na mí be woaɖe mí atso nu vɔ̃ kple ku ƒe fuwɔame si me. Míesenɛ le mía ɖokui me be míele dedie elabena míenyae be zi ale si míeyi edzi tsɔ vɔsa xɔasi ma dzixɔse de dɔwɔwɔ me ko la, wotsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí, eye kakaɖedzi li be etsɔme mavɔ aɖe li na mí. (1 Yohanes 1:7; 4:9) Abe ale si míekpɔe le Ta 14 lia me ene la, tafea nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ƒe kpeɖodzi gã aɖe. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe eŋui?

3 Esɔ be míabu nu si míaƒe Agbeɖela ŋutɔ di tso mía si ŋu. Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Mika dzi be: “Oo amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na wò. Eye nu ka dim Yehowa le tso asiwò? Eya koe nye be nàwɔ nu dzɔdzɔe, nàlɔ̃ nu si le eteƒe la wɔwɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ kple wò Mawu!” (Mika 6:8) De dzesii be nu siwo dim Yehowa le tso mía si dometɔ ɖekae nye be ‘míawɔ nu dzɔdzɔe.’ Aleke míate ŋu awɔe?

“Dzɔdzɔenyenye Vavãtɔ” Yome Titi

4. Aleke míewɔ nya be Yehowa di be míanɔ agbe ɖe yeƒe dzidzenu dzɔdzɔewo nu?

4 Yehowa di tso mía si be míanɔ agbe ɖe yeƒe dzidzenuwo le nyui kple vɔ̃ ŋu la nu. Esi eƒe dzidzenuwo le dzɔdzɔe eye wonyo ta la, ne míenɔ agbe ɖe wo nu la, ekema míele dzɔdzɔenyenye yome tim. Yesaya 1:17 gblɔ be: “Misrɔ̃ nu nyui wɔwɔ; midi dzɔdzɔenyenye yome mɔ.” Mawu ƒe Nyaa xlɔ̃ nu mí be ‘míadi dzɔdzɔenyenye.’ (Zefaniya 2:3) Egade dzi ƒo na mí hã be “miado amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye” me. (Efesotɔwo 4:24) Dzɔdzɔenyenye vavãtɔ—si fia nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋutɔŋutɔ—nana wotsria ŋutasesẽ, makɔmakɔnyenye kple agbe gbegblẽ nɔnɔ, elabena wotsi tre ɖe nu si le kɔkɔe ŋu.—Psalmo 11:5; Efesotɔwo 5:3-5.

5, 6. (a) Nu ka ta menye agbae wònye be míawɔ nu wòasɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu o? (b) Aleke Biblia ɖee fiae be nu dzɔdzɔe wɔwɔ yome titi nye nu si míayi edzi anɔ wɔwɔm ɖaa?

5 Agbae wònye be míanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo nua? Kura o. Dzi si te ɖe Yehowa ŋu megbea eƒe didiwo dzi wɔwɔ o. Esi míelɔ̃ mía Mawu kple eƒe nɔnɔme nyuiawo katã ta la, míedi be míanɔ agbe le mɔ si dzea eŋu nu. (1 Yohanes 5:3) Ðo ŋku edzi be Yehowa ‘lɔ̃a nu dzɔdzɔe.’ (Psalmo 11:7) Ne míedi be míasrɔ̃ Mawu ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋutɔŋutɔ la, ke ele be míalɔ̃ nu siwo Yehowa lɔ̃na eye míalé fu nu siwo wòléa fui.—Psalmo 97:10.

6 Mele bɔbɔe be amegbetɔ madeblibowo nati dzɔdzɔenyenye alo nu dzɔdzɔe wɔwɔ yome o. Ehiã be míaɖe amenyenye xoxoa kple eƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ɖa eye míado yeyea. Biblia gblɔ be amenyenye yeyea nye ‘esi wɔm wole yeyee’ to sidzedze vavãtɔ me. (Kolosetɔwo 3:9, 10) Nya siwo nye “wɔm wole yeyee” la fia be amenyenye yeyea dodo nye nuwɔna si anɔ edzi yim ɖaa, esi bia veviedodonu. Aleke kee míedzea agbagba be míawɔ nu nyui o, ete ŋu dzɔna ɣeaɖewoɣi be míaƒe nu vɔ̃ me nyenye nawɔe be míawɔ vodada le míaƒe tamesusu, nyagbɔgblɔ, alo nuwɔna me.—Romatɔwo 7:14-20; Yakobo 3:2.

7. Aleke wòle be míabu kplamatsɛdonuwo le míaƒe agbagbadzedze be míati nu dzɔdzɔe wɔwɔ yomee?

7 Aleke wòle be míabu nu siwo ado kplamatsɛ mí le míaƒe agbagbadzedze be míati nu dzɔdzɔe wɔwɔ yome lae? Nyateƒee wònye be míadi be míabu nu vɔ̃ gã siwo míewɔ la nu tsɛe o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, mele be míana ta gbeɖe, ahabui be míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na be míegadze asubɔ Yehowa o. Mía Mawu amenuvela la wɔ ɖoɖo be yeagbugbɔ axɔ nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me. Bu apostolo Yohanes ƒe nya siawo siwo naa kakaɖedzi ame la ŋu kpɔ: “Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi, ale be miagawɔ nu vɔ̃ o.” Gake eyome egblɔ kpee wòsɔ be: “Gake ne edzɔ be ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, kpeɖeŋutɔ le mía si le Fofo la gbɔ, si nye Yesu Kristo.” (1 Yohanes 2:1) Ɛ̃, Yehowa tsɔ Yesu ƒe tafevɔsa na ale be míate ŋu asubɔ Eyama wòadze eŋu togbɔ be míenye nu vɔ̃ mewo hã. Ðe esia meʋã mí míedi be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe adze Yehowa ŋu oa?

Nya Nyui La Kple Mawu Ƒe Ʋɔnu Dzɔdzɔe Dɔdrɔ̃

8, 9. Aleke gbeƒãɖeɖe nya nyuia ɖea Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ fianae?

8 Míate ŋu awɔ nu dzɔdzɔe—le nyateƒe me la, míate ŋu asrɔ̃ Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃—to gomekpɔkpɔ bliboe le Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gbɔgblɔ me. Ðekawɔwɔ kae le Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kpakple nya nyuia dome?

9 Yehowa mahe xexe vɔ̃ɖi sia ava nuwuwui nenye be mena woxlɔ̃ nu amewo do ŋgɔ o. Le Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe nu siwo adzɔ le nuwuɣia ŋu me la, egblɔ be: “Ele be woaɖe gbeƒã nya nyui la le dukɔwo katã me gbã.” (Marko 13:10; Mateo 24:3) Nya “gbã” si wòzã fia be nudzɔdzɔ bubuwo akplɔ xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖo. Nudzɔdzɔ siawo ƒe ɖee nye xaxa gã si wogblɔ ɖi, si ahe tsɔtsrɔ̃ ava ame vɔ̃ɖiwo dzi eye wòata mɔ na dzɔdzɔenyenye xexe yeyea. (Mateo 24:14, 21, 22) Le nyateƒe me, ame aɖeke tɔ madzɔ kura be wòatsɔ nya ɖe Yehowa ŋu be ewɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o. Esi wòna wole nu xlɔ̃m amewo ta la, ele mɔnukpɔkpɔ geɖe nam ame siawo be woatrɔ tso woƒe mɔwo dzi be woagatsrɔ̃ o.—Yona 3:1-10.

10, 11. Mɔ ka nue míesrɔ̃a Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ le le nya nyuia gbɔgblɔ me?

10 Mɔ ka nue míesrɔ̃a Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ le le nya nyuia gbɔgblɔ me? Gbã la, ɖeko wòsɔ be míawɔ nu si míate ŋui atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woakpɔ xɔxɔ. Gabu kpɔɖeŋu si nye be woɖe wò tso tɔdziʋu si le nyɔnyrɔm me ŋu kpɔ. Fifia esi nèle dedie le ameɖeʋua me la, àdi be yeakpe ɖe ame bubu siwo gale nyɔnyrɔm le tsia me ŋu godoo. Nenema kee agba le mía dzi be míakpe ɖe ame siwo kpɔtɔ le ʋiʋlim le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe “tsiwo” me ŋu. Ele eme baa be ame geɖe gbea míaƒe gbedeasia ya. Gake zi ale si Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu la nu meyi o ko la, enye agba le mía dzi be míana mɔnukpɔkpɔ wo be “woatrɔ dzi me” ne woadze na xɔxɔ.—2 Petro 3:9.

11 To nya nyuia gbɔgblɔ na ame siwo katã míedoa goe me la, míesrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ le mɔ vevi bubu aɖe hã nu: Eyae nye ameŋkumemakpɔmakpɔ. Ðo ŋku edzi be “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Ne míedi be míasrɔ̃ Eƒe dzɔdzɔenyenye la, ke mele be míado ŋgɔ abu susu aɖe ɖe amewo ŋu o. Ke boŋ míagblɔ nya nyuia na ameƒomeviwo katã, metsɔ le eme teƒe si wotso, ɖoƒe si wole, alo aleke kee woƒe ganyawo le o. Míetoa esia me naa mɔnukpɔkpɔ ame siwo katã adi be yewoaɖo to la be woase nya nyuia ahawɔ ɖe edzi.—Romatɔwo 10:11-13.

Ale Si Míewɔa Nu Ðe Amewo Ŋui

12, 13. (a) Nu ka tae mele be míayɔ ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo ŋu o? (b) Gɔmesese kae le Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si nye “midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃” kple “midzudzɔ fɔbubu” ŋu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

12 Míagate ŋu aɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ afia ne míewɔa nu ɖe amewo ŋu abe ale si Yehowa wɔa nu ɖe mía ŋutɔwo mía ŋui ene. Ele bɔbɔe ŋutɔ be míanɔ ʋɔnu drɔ̃m amewo, eye anɔ ɖeklemi ɖem woƒe vodadawo ahanɔ nya tsɔm ɖe woƒe tamesusuwo ŋu. Gake mía dometɔ kae adi be Yehowa nake ŋku ɖe yeƒe tamesusuwo kple vodadawo me nublanuimakpɔmakpɔtɔe? Menye aleae Yehowa wɔa nu ɖe mía ŋui o. Hakpala la de dzesii be: “Oo Yah, ne vodadawo ŋue nèléa ŋku ɖo la, Oo Yehowa, anye ne ame kae ate ŋu anɔ te?” (Psalmo 130:3) Ðe medzɔa dzi na mí be mía Mawu dɔmenyotɔ la meɖoe be yeake ŋku ɖe míaƒe vodada suesuewo me oa? (Psalmo 103:8-10) Ekema aleke wòle be míawɔ nu ɖe amewo ŋui?

13 Ne míese ale si nublanuikpɔkpɔ dze le Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ mee gɔme la, awɔe be míayɔ ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo ŋu le nya siwo meka mí alo le nya suesuewo me o. Le Yesu ƒe Todzimawunya la me la, exlɔ̃ nu be: “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.” (Mateo 7:1) Le Luka ƒe nuŋlɔɖia me la, Yesu gblɔ kpee be: “Midzudzɔ fɔbubu ame, ekema womabu fɔ mi o.” a (Luka 6:37) Yesu ɖee fia be yenya be amegbetɔ madeblibowo dina be yewoadrɔ̃ ʋɔnu amewo. Ele be eƒe nyaselawo dometɔ ɖe sia ɖe si ƒe nɔnɔmee nye be yeadrɔ̃ ʋɔnu sesẽ amewo la nadzudzɔ.

Míesrɔ̃a Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ne míegblɔa nya nyuia na amewo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe

14. Susu kawo tae wòle be ‘míadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃’ amewo?

14 Nu ka ta wòle be ‘míadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃’ amewo? Nu siwo tae dometɔ ɖekae nye be ŋusẽ si wona mí la se ɖe afi aɖe ko. Nusrɔ̃la Yakobo ɖo ŋku edzi na mí be: “Senala kple Ʋɔnudrɔ̃la ɖeka koe li”—eyae nye Yehowa. Eya ta Yakobo bia nya sia tẽe be: “Ame kae nènye be nèle ʋɔnu drɔ̃m hawòvi?” (Yakobo 4:12; Romatɔwo 14:1-4) Gakpe ɖe eŋu la, míaƒe nu vɔ̃ me nyenye ate ŋu awɔe be míadrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ bɔbɔe. Míaƒe nɔnɔme kple tamesusu geɖe—siwo dometɔ aɖewoe nye nazãbubu, bubumademade ame ŋu, ŋuʋaʋã kple mía ɖokui bubu ame dzɔdzɔewoe—ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua mía haviwoe dzi. Gbɔdzɔgbɔdzɔ bubu geɖewo le mía ŋu, eye ele be ŋugbledede le esiawo ŋu nawɔe be míatsri vodada didi le amewo ŋu kabakaba. Míate ŋu anya nu si le amewo ƒe dzi me o; eye míate ŋu anya nɔnɔme bubu siwo katã kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi o. Ekema ame kawoe míenye be míanɔ susu vɔ̃ bum ɖe mía haxɔsetɔwo ŋu alo aƒo nu atsi tre ɖe agbagba si dzem wole le Mawu subɔsubɔ me ŋu? Aleke gbegbe wòanyo wue nye esi be míasrɔ̃ Yehowa ƒe nɔnɔme to nɔnɔme nyui siwo le mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu kpɔkpɔ tsɔ wu ŋkukeke ɖe woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me!

15. Nyagbɔgblɔ kple nuwɔna kawo ŋue womeɖe mɔ ɖo le Mawu subɔlawo dome o, eye nu ka tae?

15 Ke míaƒe ƒomea me tɔwo hã ɖe? Nublanuitɔe la, le egbexexea me la, teƒe si wòle be wòanye ŋutifafa kple dedienɔƒe boŋue va zu afi si wodrɔ̃a ŋutasẽʋɔnuwo le—eyae nye le aƒe me. Míesea nu tso ŋutasẽla siwo nye srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, alo dzilawo, ame siwo bua fɔ woƒe ƒomea me tɔwo to wo dzudzu kple wo ƒoƒo me ɣesiaɣi la ŋu. Gake womeɖe mɔ ɖe nya tɔamewo gbɔgblɔ, dzugbewo kple ŋutasẽnuwo wɔwɔ ŋu le Mawu ƒe amewo dome o. (Efesotɔwo 4:29, 31; 5:33; 6:4) Yesu ƒe nuxlɔ̃ame be “midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃” kple “midzudzɔ fɔbubu” kpɔtɔ wɔa dɔ ne aƒe mee míele gɔ̃ hã. Ðo ŋku edzi be nu dzɔdzɔe wɔwɔ bia be míawɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si Yehowa wɔnɛ ɖe mía ŋutɔwo mía ŋu ene. Eye mía Mawu mewɔa nu ɖe mía ŋu dzikutɔe alo ŋutasesẽtɔe gbeɖe o. Ke boŋ eyama “ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe,” ɖe ame siwo lɔ̃nɛ ŋu. (Yakobo 5:11) Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi wòle be míasrɔ̃!

Hamemetsitsiwo Subɔna “Hena Ʋɔnu Dzɔdzɔe Dɔdrɔ̃”

16, 17. (a) Nu kae Yehowa bia tso hamemetsitsiwo si? (b) Nu kae wòle be woawɔ ne nu vɔ̃ wɔla gbe dzimetɔtrɔ ŋutɔŋutɔ, eye nu ka tae?

16 Agba le mí katã mía dzi be míawɔ nu dzɔdzɔe, gake le Kristo hamea me la, hamemetsitsiwo koŋ dzie agba le wu le go sia me. De dzesi nya si wogblɔ le “amegãwo,” alo hamemetsitsiwo, ŋu le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me: “Kpɔ ɖa! Fia aɖu fia le dzɔdzɔenyenye me; eye amegãwo aɖu dzi hena ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃.” (Yesaya 32:1) Ɛ̃, Yehowa kpɔa mɔ be hamemetsitsiwo nasubɔ hena ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃. Aleke woate ŋu awɔ esiae?

17 Ŋutsu siawo siwo dze le gbɔgbɔ me la nya nyuie be ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, alo nu dzɔdzɔe wɔwɔ, bia be woana hamea nanɔ dzadzɛ. Ɣeaɖewoɣi la, eva hiãna be hamemetsitsiwo nadrɔ̃ ʋɔnu le nu gbegblẽ wɔwɔ siwo nye ŋkubiãnya ŋu. Le esia wɔwɔ me la, woɖoa ŋku edzi be Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ bia be woakpɔ nublanui ne susu aɖe li si ta woakpɔe ɖo. Le esia ta wodzea agbagba be yewoana nu vɔ̃ wɔla la natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ. Gake ne nu vɔ̃ wɔla la gbe dzimetɔtrɔ vavã ɖeɖe fia, togbɔ be wodze agbagba be yewoakpe ɖe eŋu hã ɖe? Le ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ si de blibo me la, Yehowa ƒe Nyaa bia be woawɔ afɔɖeɖe sẽŋu aɖe: “Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le miawo ŋutɔwo mia dome.” Esia fia be woaɖee le hamea me. (1 Korintotɔwo 5:11-13; 2 Yohanes 9-11) Etena ɖe hamemetsitsiwo dzi be wòva hiãna be woawɔ afɔɖeɖe ma, gake wonya be ema wɔwɔ le vevie be woakpɔ hamea ƒe dzadzɛnyenye le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me gome ta. Le ema me gɔ̃ hã la, wokpɔa mɔ be nu vɔ̃ wɔla la ava nyɔ le eɖokui me eye wòagbugbɔ atrɔ ava hamea me.—Luka 15:17, 18.

18. Nu kae nɔa susu me na hamemetsitsiwo ne wole nu xlɔ̃m amewo tso Biblia me?

18 Be woasubɔ hena ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ bia hã be woana nuxlɔ̃ame siwo wotu ɖe Biblia dzi ne ehiã. Ele eme baa be hamemetsitsiwo media vodada le ame ŋu ya o. Eye womedina be ɣesiaɣi ko yewoanɔ mɔnukpɔkpɔwo dim anɔ amewo ɖɔm ɖo hã o. Gake ate ŋu adzɔ be nɔvi aɖe ‘naɖe afɔ baɖa aɖe hafi ava nya gɔ̃ hã.’ Ŋkuɖoɖo edzi be ŋutasesẽ alo vevemasemaseɖeamenu mele Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me o la aʋã hamemetsitsiwo be ‘woadze agbagba aɖɔ amea ɖo le gbɔgbɔ fatu me.’ (Galatiatɔwo 6:1) Eyata hamemetsitsiwo manyra ɖe vodala la agblɔ nya tɔamewo ɖe eŋu o. Ke boŋ nuxlɔ̃ame si woana lɔlɔ̃tɔe la ade dzi ƒo na ame si le exɔm. Ne wole mo kam na ame tẽe—si fia be wole nu siwo ado tso eme ne amea ɖe afɔ gbegblẽ aɖe gblɔm tẽe—gɔ̃ hã la, enɔa susu me na hamemetsitsiwo be haxɔsetɔ si da vo la nye alẽ si le Yehowa ƒe alẽha la me. b (Luka 15:7) Ne edze ƒãa be lɔlɔ̃e nye nu si ʋã ame be wòaxlɔ̃ nu alo aka mo na ame aɖe eye wòwɔe lɔlɔ̃tɔe la, anɔ bɔbɔe wu be wòaɖɔ vodala la ɖo.

19. Nyametsotso kawoe wòhiãna be hamemetsitsiwo nawɔ, eye nu ka dzie wòle be woanɔ te ɖo le nyametsotso mawo wɔwɔ me?

19 Zi geɖe la, ehiãna be hamemetsitsiwo nawɔ nyametsotso siwo ku ɖe wo nɔvi haxɔsetɔwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, hamemetsitsiwo kpena enuenu ɣeaɖewoɣi be woabu nɔviŋutsu siwo le hamea me ŋu be wodze woakafu wo woanye hamemetsitsiwo alo subɔsubɔdɔwɔlawo hã. Hamemetsitsiwo nya ale si wòle vevie be woagakpɔ ame ŋkume o. Wonaa Mawu ƒe nudidi siwo dzi woanɔ te ɖo la fiaa mɔ wo le nyametsotso wɔwɔ me, ke menye woa ŋutɔwo ƒe seselelãmewo dzie wonɔa te ɖo o. Le esia me la, wowɔa nu “nazãbubu kple ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke manɔmee.”—1 Timoteo 5:21.    

20, 21. (a) Ame ka ƒomeviwoe hamemetsitsiwo dzea agbagba be yewoanye, eye nu ka tae? (b) Nu kae hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe “ame siwo lé blanui” ŋu?

20 Hamemetsitsiwo gaɖea Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ fiana le mɔ bubuwo hã nu. Esi Yesaya gblɔe ɖi be hamemetsitsiwo asubɔ “hena ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃” megbe la, eyi edzi be: “Wo dometɔ ɖe sia ɖe anɔ abe sitsoƒe tso ya nu kple bebeƒe tso tsidzadza gã nu ene, abe tɔsisiwo le kuɖiɖinyigba dzi kple agakpe gã ƒe vɔvɔli le anyigba si ƒu kplakplakpla dzi ene.” (Yesaya 32:1, 2) Eya ta hamemetsitsiwo ʋlina be yewoanye akɔfafa kple gbɔɖeme tsoƒe na woƒe haxɔsetɔwo.

21 Egbea le kuxi gbogbo siwo ɖea dzi le ame ƒo ta la, ame geɖe hiã dzideƒoname. Hamemetsitsiwo, nu kae miate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe “ame siwo lé blanui” la ŋu? (1 Tesalonikatɔwo 5:14) Miɖo to wo veveseseɖeamenutɔe. (Yakobo 1:19) Ðewohĩ ehiã be woagblɔ nuxaxa si le dzi me na wo la na ame aɖe si dzi woka ɖo. (Lododowo 12:25) Mika ɖe edzi na wo be wohiã vevie, asixɔxɔ le wo ŋu, eye wonye lɔlɔ̃tɔwo—ɛ̃, na Yehowa kple na wo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo siaa. (1 Petro 1:22; 5:6, 7) Hekpe ɖe eŋu la, miate ŋu ado gbe ɖa kple ame siawo alo ayɔ wo ŋkɔ le miaƒe gbedodoɖawo me. Be woasee hamemetsitsiwo nado gbe ɖa ɖe wo ta ate ŋu afa akɔ na wo ale gbegbe. (Yakobo 5:14, 15) Dzɔdzɔenyenye Mawu la magbe dzesidede miaƒe agbagbadzedze lɔlɔ̃tɔe be miakpe ɖe blanuiléla siawo ŋu o.

Hamemetsitsiwo ɖea Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye fiana ne wodea dzi ƒo na ame siwo lé blanui

22. Mɔ kawo nue míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye le, eye nu kae ado tso eme na mí?

22 Nyateƒee, míetena ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu to eƒe dzɔdzɔenyenye sɔsrɔ̃ me! Ne míenɔa agbe ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo nu, ne míegblɔa nya nyui si naa agbexɔxɔ la na amewo, eye ne míeɖoe be míalé ŋku ɖe amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu tsɔ wu be míanɔ ŋku kem ɖe woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me la, míesrɔ̃a Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃. Hamemetsitsiwo, ne miekpɔ hamea ƒe dzadzɛnyenye ta, ne miena nuxlɔ̃ame tuameɖo siwo tso Ŋɔŋlɔawo me, ne miewɔ nyametsotsowo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe, eye ne miedea dzi ƒo na blanuilélawo la, ekema miele Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ srɔ̃m. Aleke gbegbe wòado dzidzɔ na Yehowae nye esi be wòabɔbɔ akpɔe tso dziƒo be yeƒe amewo le agbagba ɖe sia ɖe si woate ŋui dzem be ‘yewoawɔ nu dzɔdzɔe’ le zɔzɔ kple woƒe Mawu me!

a Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo gblɔ be “migadrɔ̃ ʋɔnu o” eye “migabu fɔ o.” Gɔmeɖeɖe mawo fia be “migadze egɔme mianɔ ʋɔnu drɔ̃m o” eye “migadze egɔme mianɔ fɔ bum o.” Gake le afi sia la, Biblia ŋlɔlawo zã dɔwɔnya siwo nye sedede nyagbenametɔ le fifi nuwɔɣi (si le edzi yim). Eya ta nuwɔna siwo ŋu nya gblɔm wonɔ la nye nuwɔna si kpɔtɔ nɔ edzi yim gake ele be woadzudzɔ wo.

b Biblia gblɔ le 2 Timoteo 4:2 be ɣeaɖewoɣi ele be hamemetsitsiwo ‘naka mo, woagbe nya, eye woaxlɔ̃ nu.’ Helagbe me nya si gɔme woɖe be “xlɔ̃ nu” (pa·ra·ka·leʹo) ate ŋu afia be ‘woade dzi ƒo.’ Nya aɖe si do ƒome kplii le Helagbe me, pa·raʹkle·tos, ate ŋu afia ametaʋlila le ʋɔnunyawo me. Le esia ta ne hamemetsitsiwo le mo kam vevie hã la, ele be woakpe ɖe ame siwo hiã kpekpeɖeŋu le gbɔgbɔ me ŋu.