Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 17

‘Oo, Mawu Ƒe Nunya Me Goglo Loo!’

‘Oo, Mawu Ƒe Nunya Me Goglo Loo!’

1, 2. Nu kae nye Yehowa ƒe tameɖoɖo na ŋkeke adrelia, eye aleke Mawu ƒe nunya ɖeɖe fia va ge ɖe nyaa me le ŋkeke ma ƒe gɔmedzedze?

 EDOME gblẽ! Amegbetɔ, atsyɔ̃nu si wotsɔ ƒo nuwɔwɔwo ƒe ŋkeke adelia tae, la ge kpata tso nɔnɔme nyuitɔ kekeake me va dze nɔnɔme ɖigbɔ ŋutɔ aɖe me. Yehowa gblɔ le “nu siwo katã wò wɔ,” si me amegbetɔwo hã le ŋu be, “wonyo ŋutɔ.” (1 Mose 1:31) Gake le ŋkeke adrelia ƒe gɔmedzedze la, Adam kple Xawa ɖoe be yewoawɔ ɖeka kple Satana le aglãdzedze me. Wova ge dze nu vɔ̃, blibomademade, kple ku me.

2 Adze abe ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo na ŋkeke adrelia me gblẽ keŋkeŋ mɔkpɔkpɔmanɔŋui ene. Ŋkeke ma axɔ ƒe akpe geɖe, abe ale si ŋkeke ade siwo do ŋgɔ nɛ nɔ ene. Yehowa gblɔ be ele kɔkɔe, eye xexe bliboa ava zu paradiso mlɔeba le ŋkeke ma me; eme ayɔ fũu kple amegbetɔƒome deblibo. (1 Mose 1:28; 2:3) Gake le aglãdzedze si he afɔku gã vɛ megbe la, aleke esia ate ŋu ava emee? Nu kae Mawu awɔ? Afi siae míakpɔ Yehowa ƒe nunya ɖeɖe fia wɔdɔɖeamedzi aɖe le—ɖewohĩ eyae nye nunya ɖeɖe fia gãtɔ kekeake.

3, 4. (a) Nu ka ta ale si Yehowa tso ɖe aglãdzedze ŋu le Eden la nye eƒe nunya wɔnukua ƒe kpɔɖeŋu? (b) Esi míele nu srɔ̃m tso Yehowa ƒe nunya ŋu la, nyateƒenya kae wòle be ɖokuibɔbɔ nawɔe be míalé ɖe susu me?

3 Yehowa tso ɖe nyaa ŋu enumake. Ebu fɔ aglãdzelawo le Eden, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, eɖe nu wɔnuku si wòava wɔ la ƒe akpa sue aɖe fia do ŋgɔ: eyae nye eƒe tameɖoɖo be yeakpɔ kuxi siwo dze egɔme teti la gbɔ. (1 Mose 3:15) Yehowa ƒe tameɖoɖo si de didiƒe ʋĩi la keke ɖe enu tso Eden, to amegbetɔ ƒe ƒe akpe geɖe ƒe ŋutinya ŋu, yi ɖe keke etsɔme ʋĩi ke. Nu bɔbɔe aɖe koe tame sia ɖoɖo nye nɛ, ke hã eme goglo ale gbegbe be ame si xlẽa Biblia ate ŋu azã eƒe agbenɔɣi katã atsɔ anɔ nu srɔ̃m tso eŋu ahanɔ ŋugble dem tso eŋu wòaɖe vi nɛ. Gawu la, kakaɖedzi blibo li be Yehowa ƒe tameɖoɖowo ava eme. Aɖe ŋutasesẽ ƒomevi ɖe sia ɖe, nu vɔ̃ kple ku ɖa. Akplɔ ameƒomea me tɔ wɔnuteƒewo aɖo blibodede gbɔ. Esiawo katã ava eme hafi ŋkeke adrelia nawu enu, ale be nu ka kee wòɖalɔ ɖe eme o, Yehowa ana eƒe tameɖoɖo na anyigba kple amegbetɔwo nava eme ɖe game dzi tututu!

4 Ðe eƒe nunya sia medea vɔvɔ̃ kple bubu deto mía me oa? Esia wɔ dɔ ɖe Apostolo Paulo dzi wòŋlɔ be: ‘Oo, Mawu ƒe nunya me goglo loo!’ (Romatɔwo 11:33) Esi míele nu srɔ̃m tso Mawu ƒe nɔnɔme sia ƒe akpa vovovoawo ŋu la, ele be ɖokuibɔbɔ naʋã mí míalé nyateƒenya vevi aɖe ɖe susu me—si nye be ne míewɔ ɖe sia ɖe hã la, Yehowa ƒe nunya gogloa ƒe sue aɖe ko míate ŋu aka fee vie. (Hiob 26:14) Gbã la, mina míaɖe nɔnɔme wɔnuku sia me.

Nu Kae Nye Mawu Ƒe Nunya?

5, 6. Ƒomedodo kae le sidzedze kple nunya dome, eye aleke gbegbe Yehowa ƒe sidzedze keke tae?

5 Nunya to vovo na sidzedze. Kɔmpiutawo ate ŋu adzra sidzedze gbogbo aɖewo ɖo, gake asesẽ be woabui be ame aɖe nayɔ mɔ̃ siawo be wodze nunya. Ke hã nunya kple sidzedze do ƒome kple wo nɔewo. (Lododowo 10:14) Le kpɔɖeŋu me, ne èhiã aɖaŋuɖoɖo aɖe si me nunya le ku ɖe ale si nàwɔ akpɔ dɔyɔyɔ na dɔléle sesẽ aɖe ŋu la, ɖe nàyi ame si menya nu tso atikewɔwɔ ŋu boo o alo ame si menya naneke kura tso eŋu o la gbɔa? Kura o! Eya ta sidzedze vavãtɔ hiã vevie be nunya vavã nasu ame si.

6 Sidzedze gbogbo si mele gbɔgblɔ me o lae le Yehowa si. Esi wònye “Fia mavɔmavɔtɔ” ta la, eya ɖeka koe li tegbetegbee. (Nyaɖeɖefia 15:3) Eye le ƒe gbogbo manyaxlẽ mawo katã me la, nu sia nu le nyanya nɛ. Biblia gblɔ be: “Nuwɔwɔ aɖeke mele ɣaɣla ɖee o, ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi eye wotsi ƒeƒle le ame si míabu akɔnta na la ŋkume.” (Hebritɔwo 4:13; Lododowo 15:3) Yehowa si nye Wɔla la se nu siwo katã wòwɔ la gɔme bliboe, eye wòlé ŋku ɖe amegbetɔwo ƒe nuwɔna ɖe sia ɖe ŋu tsitotsito tso gɔmedzedzea me ke. Edzroa ame ɖe sia ɖe ƒe dzi me kpɔna, eye naneke mele ɣaɣla ɖee o. (1 Kronika 28:9) Esi wòwɔ mí hena tiatiawɔblɔɖe mí faa ta la, edoa dzidzɔ nɛ ŋutɔ ne ekpɔe be míele tiatia siwo me nunya le la wɔm le agbe me. Eya si nye “Gbedodoɖasela” la sea gbedodoɖa gbogbo manyaxlẽ siwo míedona ɖa le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me! (Psalmo 65:2) Eye nunya deblibo si le Yehowa si ya la, mehiã be míaƒo nu tso eŋu kura o.

7, 8. Aleke Yehowa ɖea nugɔmesese, nuwo kpɔkpɔ dze si nyuie ade vovototo wo me, kple nunya fianae?

7 Menye ɖeko sidzedze le Yehowa si ko evɔ o. Ekpɔa ale si nyawo de nu wo nɔewo me, eye nyaawo ƒe akpa sue gbogbo vovovoawo katã dometɔ ɖe sia ɖe nana wòkpɔa nɔnɔme bliboa dzea sii keŋ. Edaa nɔnɔmeawo kpɔna eye wòtsoa nya me hedea vovototo nyui kple vɔ̃, nu si le vevie kple nu si mele vevie o, dome. Gawu la, ekpɔa nu yia ŋgɔ wu gotagomedzedzeme ko eye wòdzroa keke ame ƒe dzi me ke. (1 Samuel 16:7) Eya ta nugɔmesese kple nuwo kpɔkpɔ dze sii keŋ ƒe ŋutete le Yehowa si, eye wonye nɔnɔme siwo de ŋgɔ wu sidzedze ko. Gake nu si gade ŋgɔ boo wu esiawo katãe nye nunya.

8 Nunya naa sidzedze, nuwo kpɔkpɔ dze sii nyuie, kple nugɔmesese siaa sua ame si eye wotsɔnɛ dea dɔwɔwɔ me. Le nyateƒe me, gbegbɔgblɔ gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me nya siwo gɔme woɖe be “nunya” le nyaa ŋutɔŋutɔ nu fia “dɔwɔwɔ ade goe” alo “nunya tsɔtsɔ wɔ dɔe.” Eya ta menye ɖeko nunya le Yehowa si ko o. Etsɔnɛ dea dɔwɔwɔ me eye wòwɔa dɔ wòdzea edzi pɛpɛpɛ. Le Yehowa ƒe sidzedze gbogbo kple eƒe nugɔmesese deto ŋu dɔ wɔwɔ me la, ewɔa nyametsotso nyuitɔ kekeake, eye wòtoa mɔ nyuitɔ kekeake dzi nana wòvaa eme. Emae nye nunya ŋutɔŋutɔ! Yehowa ɖenɛ fiana be Yesu ƒe nya siawo nye nyateƒe be, “nunya ƒe dɔwɔwɔwo tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.” (Mateo 11:19) Dɔ siwo katã Yehowa wɔ le xexea me godoo nye kpeɖodzi sẽŋu be nunya le esi.

Mawu Ƒe Nunya Ƒe Kpeɖodziwo

9, 10. (a) Nunya ka ƒomevie le Yehowa si, eye aleke wòɖee fiae? (b) Aleke lãmenugbagbevi sue ɖo kpe Yehowa ƒe nunya dzii?

9 Ðe asinudɔwɔla aɖe si ƒe dɔwo nya kpɔna eye eƒe nuwɔwɔwo wɔa dɔ pɛpɛpɛ la ƒe dɔnyanya wɔ nuku na wò kpɔa? Ema nye nunya ɖeɖe fia si ƒomevi wɔa dɔ ɖe ame dzi. (2 Mose 31:1-3) Yehowa ŋutɔ gbɔe nunya sia tso eye eya sie eƒe gbogbotɔ kekeake le. Fia David gblɔ le Yehowa ŋu be: “Mekafu wò, elabena ale si nèwɔm la dzi ŋɔ eye wòwɔ nuku. Wò dɔwɔwɔwo wɔ nuku, eye menya esia nyuie.” (Psalmo 139:14) Nyateƒee, zi ale si míele nu srɔ̃m tso amegbetɔ ƒe ametia ŋu la, zi nenemae Yehowa ƒe nunya wɔa nuku na míi.

10 Le kpɔɖeŋu me: Lãmenugbagbevi sue ɖeka mee wò agbe dze egɔme tsoe—si nye dawò ƒe azi sue si me fofowò ƒe tsinyenye de vii. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, lãmenugbagbevi ma me va ma eye wova le agbɔ sɔm ɖe edzi. Wòe nye nu si va do tso eme mlɔeba, eye lãmenugbagbevi siwo ade miliɔn teƒe miliɔn 100 ye le mewò. Wole sue wluiwluiwlui ale gbegbe. Ne wotsɔ esiwo ƒe lolome le vedomesi ƒe agbɔsɔsɔ si ade 10,000 ƒo ƒui la, agbɔsɔsɔ gbogbo ma ate ŋu anye abui ƒe ta ko. Togbɔ be wole sue ŋutɔ hã la, wo dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe nye nuwɔwɔ si ƒe nɔnɔme gɔmesese ɖu ta. Lãmenugbagbevi sue ƒe dɔwɔwɔ wɔ nuku wu mɔ̃ ɖe sia ɖe si amegbetɔwo wɔ alo mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe gã ɖe sia ɖe si woɖo kpɔ. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be lãmenugbagbevi sue le abe du si woɖo gli ƒo xlãe ene—du si me ɖoɖo le be agbonudzɔlawo nakpɔ ame siwo dze age ɖe eme agado gbɔ, ɖoɖo li na mɔzɔnyawo gbɔ kpɔkpɔ, nyatakakaxɔxɔ ƒe ɖoɖo li, elektrikŋusẽ tsoƒe li, dɔwɔƒewo li, gbeɖuɖɔ ɖeɖe ɖa kple wo gbugbɔɖɔɖo dɔwɔƒewo li, dua takpɔkpɔ ƒe ɖoɖo li, eye dziɖuŋusẽtsoƒe ƒomevi aɖe gɔ̃ hã li le etome ɖaa. Hekpe ɖe eŋu la, lãmenugbagbevi ate ŋu ama agawɔ eƒomevi pɛpɛpɛ le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me!

11, 12. (a) Nu kae va dea vovototo fugboe ƒe lãmenugbagbeviwo me ne wole tsitsim, eye aleke esia wɔ ɖeka kple Psalmo 139:16 me nyawoe? (b) Aleke amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ ɖee fia be ale si ‘wowɔ mí la wɔ nuku’?

11 Gake lãmenugbagbeviawo katã ƒe nɔnɔme mele ɖeka o. Ne fugboe ƒe lãmenugbagbeviwo le mamam hele agbɔ sɔm ɖe edzi la, vovototo gã aɖe va ɖoa woƒe dɔwɔwɔ me. Woƒe ɖewo aƒo ƒu awɔ ahɔhɔ̃mekawo; bubuwo awɔ ƒuwo, lãmekawo, ʋu, alo ŋku. Wowɔ vovototo siawo katã ƒe ɖoɖo de lãmenugbagbevia ƒe “agbalẽdzraɖoƒe,” si nye eƒe domenyiŋusẽfianu, alo DNA la me. Esɔ be gbɔgbɔ ʋã David wògblɔ na Yehowa be: “Wò ŋkuwo kpɔm esime menye ʋukɔe; eye woŋlɔ eŋu nuwo katã ɖe wò agbalẽ me.”—Psalmo 139:16.

12 Ametia ƒe akpa aɖewo wɔ nuku ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, bu amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ ŋu kpɔ. Ame aɖewo gblɔ be eyae nye nu si wɔ nuku wu ɖe sia ɖe le xexea me godoo, enye nu si gɔmesese ŋu womeke ɖo haɖe o. Ahɔhɔ̃meka suesuesue siwo ade miliɔn teƒe miliɔn geɖewo ye le eme—ɖewohĩ wode sɔsɔ ge kple ɣletiviwo ƒe agbɔsɔsɔ si le míaƒe ɣletivihatsotsoa me. Eme lãmenugbagbeviawo dometɔ ɖe sia ɖe tsiã ɖe lãmenugbagbevi bubuwo nu le teƒe akpe geɖe. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be nyatakaka siwo katã le agbalẽdzraɖoƒe siwo le xexea me katã la ate ŋu anɔ amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ me, eye le nyateƒe me la, eƒe nyatakaka dzadzraɖo ɖi ƒe ŋutetea mele gbɔgblɔ me o. Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo tsɔ ƒe gbogbo aɖewo srɔ̃ nu tso lãmenu sia, si ‘wowɔ wòwɔ nuku’ ŋu hã la, wolɔ̃ ɖe edzi be yewomate ŋu ase ale si wòwɔa dɔe la gɔme bliboe akpɔ gbeɖe o.

13, 14. (a) Aleke anyidiwo kple nuwɔwɔ bubuwo ɖee fia be “dzɔdzɔmenunya” le yewo si, eye nu kae esia fia mí tso wo Wɔla ŋu? (b) Nu ka ta míate ŋu agblɔ be wowɔ nuwo abe yiyiɖɔ ene “le nunya me”?

13 Gake nunya si Yehowa ɖe fia le nuwo wɔwɔ me la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka koe amegbetɔwo nye. Psalmo 104:24 gblɔ be: “Oo Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya me. Anyigba yɔ fũu kple wò nuwɔwɔwo.” Yehowa ƒe nunya dze le nuwɔwɔ ɖe sia ɖe si ƒo xlã mí me. Le kpɔɖeŋu me, “dzɔdzɔmenunya” le anyidiwo si. (Lododowo 30:24) Le nyateƒe me, anyidiwo ƒe hawo wɔa nu le ɖoɖo wɔnuku aɖe nu. Anyidiwo ƒe ha aɖewo nyia nudzodzoe ƒomevi aɖewo le wo nɔƒewo, eye wonoa nunyiame tsoa wo me abe ale si ko míenyia lã woɖea vi na mí ene. Anyidi bubuwo wɔa dɔ si sɔ kple agbledede, eye wodea hlo ƒomevi aɖewo ene ƒe agble. Wode dzɔdzɔmeŋutete nuwɔwɔ bubu ƒomevi geɖewo hã me be woawɔ nu wɔnukuwo le wo ɖokui si. Tagbatsu te ŋu dzona atsyãtɔe le yame si amegbetɔwo ƒe yameʋu deŋgɔtɔ kekeake mate ŋui o. Xevi siwo ʋuna tsoa teƒe aɖewo yia teƒe bubuwo la zãa ɣletiviwo na mɔfiafia le woƒe mɔzɔzɔ me, wozãa anyigba ƒe nuheŋusẽ ƒe mɔfiafia, alo anyigba ƒe nɔnɔmetata ƒomevi aɖe si wode ta me na wo. Nugbagbeŋutinunyalawo zãa ƒe gbogbo aɖewo tsɔ srɔ̃a nu tso nuwɔwɔ siawo ƒe nuwɔna siwo gɔme menya sena o ŋu. Ekema aleke gbegbe Mawu, Ame si wɔ ɖoɖo siawo de wo me, dze nunyae nye esi!

14 Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo srɔ̃ nu geɖe tso nunya si Yehowa de nuwɔwɔwo me ŋu. Mɔ̃ɖaŋudɔwɔwɔ ŋuti nusɔsrɔ̃ ƒe akpa aɖe gɔ̃ hã li si woyɔna be nu gbagbewo sɔsrɔ̃, si ƒe taɖodzinue nye be woasrɔ̃ dzɔdzɔmenuwo ƒe nɔnɔme adee nutovɛwo me. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ èlé ŋku ɖe yiyiɖɔ ŋu kpɔ eye eƒe nɔnɔme dze ani na wò. Gake mɔ̃ɖaŋuŋutinunyala ya kpɔnɛ be ale si eƒe wɔwɔme le la wɔ nuku. Yiyiɖɔa ƒe ka siwo le lɛlɛ eye wòdze abe ɖe ŋusẽ aɖeke mele wo ŋu kura o ene la sesẽ wu gayibɔ ne woawɔ eya hã wòanɔ lɛ nenema ke, eye esesẽ wu ka siwo wotsɔ wɔ awu si me tukpe mete ŋu tona o. Aleke gbegbe wòsẽe? Tsɔe be wona yiyiɖɔ lolo ɖe edzi va se ɖe esime wòlolo hetri abe ɖɔkplɔlawo ƒe ɖɔ ene. Yiyiɖɔ si lolo nenema ate ŋu alé yameʋu gã si tsɔa amewo ne ele du dzi be yeato eme le yame, mate ŋu ato eme o! Vavãe, Yehowa wɔ nu siawo katã “le nunya me.”

Ame kae de “dzɔdzɔmenunya” anyigba dzi nu gbagbewo me?

Nunya Si Dze Le Dziƒonutowo Me

15, 16. (a) Nu kae dziƒoɣletiviwo ɖe fia tso Yehowa ƒe nunya ŋu? (b) Aleke Yehowa ƒe ɖoƒe abe eƒe dɔla gbogboawo ƒe Gbeɖela Gãtɔ ene la ɖo kpe Dɔdzikpɔla Gã sia ƒe nunya dzii?

15 Yehowa ƒe nunya dze le eƒe asinudɔwo me le xexea me godoo. Dziƒoɣletiviwo, si me míedzro yi ŋgɔe le Ta 5 lia me, la mekaka ɖe yamenutowo me nyamaa o. Le nunya si Yehowa tsɔ wɔ ‘dziƒo ƒe sewo’ ta la, woɖo dziƒoɣletiviawo ɖe hatsotso dzeaniwo me ale be ɖoɖo nyui le ɣletivihatsotsowo me, eye emegbe wogaƒo wo nu ƒu ake nyuie ɖe ɣletivihatsotsowo ƒe ƒuƒoƒo me, eye woawo hã gaƒo ƒu ɖe ɣletivihatsotso gã nyadriwo ƒe ƒuƒoƒo gãwo me. (Hiob 38:33) Mewɔ nuku o be Yehowa yɔ dziƒonuwo be “aʋakɔ”! (Yesaya 40:26) Gake aʋakɔ bubu aɖe hã li, si gaɖe Yehowa ƒe nunya fia nyuie wu.

16 Abe ale si míede dzesii le Ta 4 lia me ene la, dzesideŋkɔ si nye “Aʋakɔwo ƒe Yehowa” le Mawu si, le ɖoƒe si wòle abe Gbeɖela Gãtɔ si le eƒe aʋakɔ gã siwo nye gbɔgbɔ me nuwɔwɔ miliɔn alafa geɖe kplɔm la ta. Esia le kpe ɖom Yehowa ƒe ŋusẽ dzi. Gake aleke nunya va ge ɖe nya sia mee? Bu nya sia ŋu kpɔ: Yehowa kple Yesu medzudzɔ dɔwɔwɔ kpɔ o. (Yohanes 5:17) Ekema susu le eme be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe dɔla siwo le esubɔm la hã le dɔ dzi ɣesiaɣi. Eye gaɖo ŋku edzi be wonye nuwɔwɔ siwo kɔ wu amegbetɔwo, woƒe nunya de ŋgɔ eye wosẽ ŋu ale gbegbe wu amegbetɔwo. (Hebritɔwo 1:7; 2:7) Ke hã Yehowa kpɔ egbɔ be mawudɔla siawo katã le dɔ dzi ɣesiaɣi, wole dɔ si ŋu viɖe le wɔm dzidzɔtɔe—woyi edzi “wɔa eƒe nya dzi” eye wowɔa “eƒe lɔlɔ̃nu”—hena ƒe miliɔn teƒe miliɔn geɖe. (Psalmo 103:20, 21) Aleke gbegbe Dɔdzikpɔla Gã sia ƒe nunya me agogloe nye esi!

Yehowae Nye “Nunyala Ðeka Hɔ̃ La”

17, 18. Nu ka ta Biblia gblɔ be Yehowa koe nye “nunyala ɖeka hɔ̃ la,” eye nu ka ta wòle be eƒe nunya nawɔ nuku na mí vevie?

17 Le kpeɖodzi siawo ŋu bubu me la, ɖe wòwɔ nuku be Biblia ɖee fia be Yehowa ƒe nunya nye esi me goglo wu ɖe sia ɖea? Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be Yehowa koe nye “nunyala ɖeka hɔ̃ la.” (Romatɔwo 16:27) Yehowa ɖeka ko sie nunya le le gɔmesese si de blibo nu. Eya gbɔe nunya vavã ɖe sia ɖe tso. (Lododowo 2:6) Esia tae togbɔ be Yesue dze nunya wu le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo dome hã la, meɖo ŋu ɖe eya ŋutɔ ƒe nunya ŋu o ke boŋ ale si Fofoa fiae la, nenemae wòƒoa nui.—Yohanes 12:48-50.

18 De dzesi ale si apostolo Paulo ƒo nu tso Yehowa ƒe nunya si le etɔxɛe ŋu be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kpakple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me o ale!” (Romatɔwo 11:33) Ale si Paulo dze kpukpuia gɔme kple ɣlidonya si nye “Oo” la fia be enɔ eƒe seselelãme deto ɖem fia—le go sia me la, enye vɔvɔ̃ kple bubu deto. Helagbe me nya si wòzã na “goglo” do ƒome kplikplikpli kple nya si wozãna na “aʋli.” Le esia ta la, eƒe nyawo ɖe nɔnɔmetata aɖe si tsia susu me na ame fia. Ne míede ŋugble le Yehowa ƒe nunya ŋu la, ele abe ɖe míebɔbɔ be míakpɔ do globo aɖe me ene, esi de to ale gbegbe be seɖoƒe meli nɛ o, eye eme keke ale gbegbe be míate ŋu ase ale si gbegbe wòloloe la gɔme gɔ̃ hã o, ʋuu keke míahayi eƒe nɔnɔme dzidze ge pɛpɛpɛ o. (Psalmo 92:5) Ðe ema ŋu bubu mena míese le mía ɖokui me be míabɔbɔ mía ɖokui oa?

19, 20. (a) Nu ka tae hɔ̃ nye kpɔɖeŋu si sɔ na Yehowa ƒe nunya? (b) Aleke Yehowa ɖe ŋutete si le esi be wòakpɔ nu ayi etsɔme ʋĩi ke la fiae?

19 Yehowa ganye “nunyala ɖeka hɔ̃” le mɔ bubu aɖe hã nu: Eya ɖeka koe ate ŋu akpɔ etsɔme ʋĩi ke. Ðo ŋku edzi be hɔ̃ si ƒe ŋku kpɔa nu dea didiƒe ʋĩi ye Yehowa zã tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na eƒe nunya. Hɔ̃ ƒomevi aɖewo ƒe kpekpeme anɔ abe kilogram atɔ̃ pɛ ko ene, gake woƒe ŋku lolo wu ame tsitsiwo ƒe ŋku. Hɔ̃ ƒe ŋku kpɔa nu dea didiƒe nukutɔe, eye esia wɔnɛ be xe sia te ŋu kpɔa lãvi suewo le anyigba meta alafa geɖe tso yame, ɖewohĩ ate ŋu akpɔe wu kilometa ɖeka tso yame gɔ̃ hã! Yehowa ŋutɔ gblɔ le hɔ̃ ŋu be: “Eƒe ŋkuwo kpɔa nu le didiƒe ʋĩi ke.” (Hiob 39:29) Le susu ma ke nu la, Yehowa ate ŋu akpɔ nu ayi “didiƒe ʋĩi ke”—yi ɖe etsɔme ʋĩi ke!

20 Kpeɖodziwo le Biblia me fũu siwo fia be nya sia nye nyateƒe. Nyagblɔɖi alafa geɖe le eme siwo nye nu siwo ava dzɔ ŋuti nya siwo woŋlɔ ɖi do ŋgɔ. Nu si ado tso aʋawɔwɔ aɖewo me, xexemeŋusẽwo ƒe dodo kple woƒe anyidzedze, kpakple aʋawɔɖaŋu siwo aʋafia aɖewo azã gɔ̃ hã, wogblɔ esiawo katã ɖi le Biblia me—le go aɖewo me la, wogblɔe ƒe alafa geɖe do ŋgɔ.—Yesaya 44:25–45:4; Daniel 8:2-8, 20-22.

21, 22. (a) Nu ka ta kpeɖodzi aɖeke meli si ta míaƒo nya ta be Yehowa kpɔ tiatia siwo katã nàwɔ le agbe me la do ŋgɔ o? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Aleke míewɔ nya be Yehowa ƒe nunya menye nu si me ameŋububu alo veveseseɖeamenu mele o?

21 Gake ɖe esia fia be Mawu kpɔ tiatia siwo nàva wɔ le agbe me la do ŋgɔa? Ame siwo xɔ nuɖoɖiname ƒe nufiafia dzi se la ate tɔ ɖe edzi be ŋuɖoɖoae nye ɛ̃. Gake nuŋububu alea nye bubumademade Yehowa ƒe nunya ŋu boŋ, elabena ele fiafiam be mete ŋu ɖua eƒe ŋutete be wòakpɔ nu si adzɔ le etsɔme dzi o. Le kpɔɖeŋu me: Ne gbe vivi ŋutɔ aɖe le asiwò ale be ame aɖeke mede nuwò le hadzidzi me o la, ɖe wòfia be tiatia bubu aɖeke megali nàwɔ tsɔ wu be ha ko nànɔ dzidzim madzudzɔmadzudzɔea? Susu manɔ eme nenema kura o! Nenema kee ŋutete le Yehowa si be wòanya etsɔme, gake mezãa eƒe ŋutete sia ɣesiaɣi o. Ema wɔwɔ anye dada le tiatiawɔblɔɖe si le mía ŋutɔwo mía si la dzi, si nye nunana xɔasi si Yehowa magbugbɔ axɔ le mía si akpɔ gbeɖe o.—5 Mose 30:19, 20.

22 Esi gavloe wu enye be, nuɖoɖiname nufiafia la le gbɔgblɔm tso Yehowa ƒe nunya ŋu be ameŋububu mele eme o, lɔlɔ̃ mele eme o, eye veveseseɖeamenu, alo nublanuikpɔkpɔ mele eme o. Gake esia menye nyateƒe kura koŋ o! Biblia fia be “dzi nyanu” le Yehowa si. (Hiob 9:4) Mefia be dzi ŋutɔŋutɔ le esi abe amegbetɔ ƒe dzi ene o, ke boŋ Biblia zãa nyagbɔgblɔ sia zi geɖe tsɔ fiana amenyenye ememe tɔ, si me nu si ʋãa ame kple seselelãmewo le, abe lɔlɔ̃ ene. Eya ta lɔlɔ̃ mee Yehowa zãa eƒe nunya le, abe ale si wòle le eƒe nɔnɔme bubuawo katã gome ene.—1 Yohanes 4:8.

23. Nu kae wòle be ale si Yehowa ƒe nunya de ŋgɔ boo wu mía tɔ la naʋã mí míawɔ?

23 Nyateƒee, míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe nunya ŋu bliboe. Eme goglo boo wu mía ŋutɔwo míaƒe nunya ale gbegbe be Mawu ƒe Nyaa xlɔ̃ nu mí lɔlɔ̃tɔe be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, eye mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ana wò mɔwo nadzɔ.” (Lododowo 3:5, 6) Azɔ mina míadzro Yehowa ƒe nunya me ale be míate ŋu ate ɖe mía Mawu nunyala gãtɔ kekeake ŋu.