Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 18

Nunya Si Le “Mawu Ƒe Nya” La Me

Nunya Si Le “Mawu Ƒe Nya” La Me

1, 2. Lɛta kae Yehowa ŋlɔ na mí, eye nu ka tae wòŋlɔe?

 ÈÐO ŋku zi mamlɛtɔ si nèxɔ lɛta tso wò ame vevi aɖe gbɔ, ame si le didiƒe, la dzia? Dzidzɔ si míekpɔna ne míexɔ lɛta wɔdɔɖeamedzi aɖe tso míaƒe ame vevi aɖe gbɔ la wua gbɔgblɔ. Edzɔa dzi na mí be míase amea ŋkɔ anya ale si wòle, ase eƒe nuteƒekpɔkpɔwo, ahanya ɖoɖo siwo wɔm wòle. Kadodo siawo tea lɔlɔ̃tɔwo ƒoa ƒui, ne eganye didiƒee wole tso wo nɔewo gbɔ gɔ̃ hã.

2 Ekema nu bubu kae agate ŋu ahe dzidzɔ geɖe vɛ na mí wu be mía Mawu lɔlɔ̃a ƒe nya siwo woŋlɔ nasu mía si? Ne míagblɔe la, Yehowa ŋlɔ lɛta na mí—si nye eƒe Nya, Biblia la. Egblɔ ame si wònye, nu siwo wòwɔ va yi, nu siwo wòɖo be yeagawɔ, kple nu bubu geɖewo ɖe eme na mí. Yehowa tsɔ eƒe Nya la na mí elabena edi be míate ɖe ye ŋu. Mɔnu si nye nyuitɔ kekeakee mía Mawu si ƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta la tia tsɔ ƒo nu na míi. Ale si woŋlɔ Bibliae kple nu siwo le eme la ɖe eƒe nunya si bubu aɖeke mede enu o la fia.

Nu Ka Tae Woŋlɔ Eƒe Nya La?

3. Mɔ ka dzie Yehowa to tsɔ Sea na Mose?

3 Ame aɖewo abia be, ‘Nu ka tae Yehowa metia mɔnu si awɔ dɔ ɖe ame dzi wu—abe eƒe gbe naɖi tso dziƒo tẽe ene—tsɔ ƒo nu na amewoe o?’ Le nyateƒe me la, Yehowa to eƒe dɔlawo dzi ƒo nu tso dziƒo tẽe le ɣeyiɣi aɖewo me. Le kpɔɖeŋu me, eƒo nu tẽe esime wòtsɔ Sea na Israel-viwo. (Galatiatɔwo 3:19) Gbe si ɖi tso dziƒo la ɖi vɔvɔ̃—vɔvɔ̃ ɖo Israel-viwo ale gbegbe be wobia be Yehowa nagaƒo nu na yewo le mɔ ma nu o, ke boŋ wòaƒo nu na yewo to Mose dzi. (2 Mose 20:18-20) Eya ta Mose ye woƒo nu gblɔ Sea, si me sedede siwo ade 600 nɔ, la me nya sia nya na tẽe.

4. Ðe nu si ta nyawo gbɔgblɔ kple nu na dzidzimewo manye mɔnu si dzi woate ŋu aka ɖo le Mawu ƒe seawo tsɔtsɔ na me o la me.

4 Gake ne ɖe womeŋlɔ Sea ɖi kura o ɖe? Anye ne ɖe Mose ate ŋu aɖo ŋku seawo me nya sia nya dzi pɛpɛpɛ agblɔe na dukɔa tsitotsito vodada mawɔmawɔea? Ke megbeviwo hã ɖe? Ðe wòle be woaɖo ŋu ɖe nya siwo wogblɔ kple nu ko ŋua? Ema manye mɔnu si dzi woaka ɖo si dzi woato atsɔ Mawu ƒe sewo ana amewo o. Bu nu si adzɔ ŋu kpɔ ne wòanye be nègblɔ nya ɖe tome na ame siwo ɖo fli legbee la dometɔ gbãtɔ be eya hã nagblɔe na ame evelia eye woanɔ egblɔm na wo nɔewo va se ɖe flia ƒe nuwuwu. Anɔ eme be nya si ame si le flia ƒe nuwuwu ase la ato vovo kura na nya si nègblɔ na ame gbãtɔ. Nya siwo Mawu gblɔ le eƒe Sea me la meɖo afɔku sia me o.

5, 6. Nu kae Yehowa bia tso Mose si be wòawɔ le yeƒe nyawo ŋu, eye nu ka tae wònyo be Yehowa ƒe Nya si su mía si la nye nuŋlɔɖi?

5 Yehowa tiae nunyatɔe be yeana woaŋlɔ yeƒe nyawo ɖi. Ede se na Mose be: “Ŋlɔ nya siawo ɖi, elabena nya siawo dzie nu, si blam mele kpli wò kpakple Israel la, nɔ te ɖo.” (2 Mose 34:27) Aleae Biblia la ŋɔŋlɔ dze egɔmee, le ƒe 1513 D.Y. me. Le ƒe siwo wu 1,610 siwo kplɔe ɖo tso ɣemaɣi me la, Yehowa “ƒo nu zi geɖe . . . le mɔ vovovowo nu” na amegbetɔ siwo ade 40 ale be woŋlɔ Biblia la. (Hebritɔwo 1:1) Le ɣeyiɣi mawo me la, nugbugbɔŋlɔla dovevienuwo tsɔ beléle tɔxɛ kpɔ gbãtɔwo dzi gbugbɔ ŋlɔe ɖi pɛpɛpɛ be woakpɔ Ŋɔŋlɔawo ta.—Ezra 7:6; Psalmo 45:1.

6 Yehowa ve mía nu ŋutɔ be wòto nuŋlɔɖiwo dzi ƒo nu na mí. Èxɔ lɛta aɖe si ŋu nède asixɔxɔe vevie—ɖewohĩ le esi akɔfanamenya siwo tututu nèhiã lae le eme ta—ale be nèdzrae ɖo xlẽe gaxlẽe zi geɖe kpɔa? Aleae Yehowa ƒe lɛta si wòŋlɔ na mí la le. Esi Yehowa na woŋlɔ eƒe nyawo ɖi ta la, míete ŋu xlẽnɛ ɣesiaɣi eye míedea ŋugble le emenyawo ŋu. (Psalmo 1:2) Míate ŋu akpɔ ‘akɔfafa si tso Ŋɔŋlɔawo me’ ɣesiaɣi si míehiãe.—Romatɔwo 15:4.

Nu Ka Tae Wònye Amegbetɔwoe Wozã Le Eŋɔŋlɔ Me?

7. Aleke Yehowa ɖe eƒe nunya fia le amegbetɔwo zazã be woaŋlɔ eƒe nyawoe me?

7 Yehowa ɖe eƒe nunya fia be wòna amegbetɔwo ŋlɔ eƒe Nya la ɖi. Bu esia ŋu kpɔ: Ne mawudɔlawoe Yehowa zã woŋlɔ Biblia la, anye ne ɖe nyawo awɔ dɔ ɖe ame dzi abe ale si wòle enea? Nyateƒee, mawudɔlawo ate ŋu azã woƒe susu deŋgɔa atsɔ aƒo nu tso Yehowa ŋui, woate ŋu agblɔ ale si woa ŋutɔwo wotsɔ wo ɖokui ɖo anyi na esubɔsubɔe, eye woate ŋu aka nya ta tso Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi va yi hã ŋu ya. Gake ɖe míate ŋu ase gbɔgbɔmenuwɔwɔ deblibowo, ame siwo ƒe sidzedze, nuteƒekpɔkpɔ, kple ŋusẽ de ŋgɔ boo wu mía tɔ la ƒe nuwo gɔmea?—Hebritɔwo 2:6, 7.

8. Mɔ ka nue wona Biblia ŋlɔlawo zã woa ŋutɔwo ƒe tamesusu le? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

8 To amegbetɔwo zazã be woaŋlɔ eƒe nyawo ɖi me la, Yehowa na nu si tututu míehiã la su mía si—nuŋlɔɖi si “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me” evɔ wògasɔ pɛpɛpɛ ɖe amegbetɔwo ƒe nɔnɔme nu hã. (2 Timoteo 3:16) Aleke wòwɔ esiae? Le go geɖe me la, edze abe ɖe wòɖe mɔ na nuŋlɔlawo be woazã woa ŋutɔwo ƒe tamesusu le ale si woatia “nya viviwo” kple “nyateƒenya siwo de pɛpɛpɛ” aŋlɔ ɖii me ene. (Nyagblɔla 12:10, 11) Esia na míese nu si ta nyawo gbɔgblɔ mɔnu ƒe atsyã vovovowo le Biblia me ɖo la gɔme; afi si eŋlɔlawo tso kple woƒe nɔnɔmewo kpakple woƒe amenyenye dze le woƒe nuŋɔŋlɔwo me. a Ke hã “gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.” (2 Petro 1:21) Eya ta enye nyateƒe be nu siwo woŋlɔ ɖi wòva su mía si la nye “Mawu ƒe nya.”—1 Tesalonikatɔwo 2:13.

“Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me”

9, 10. Nu ka tae amegbetɔwo zazã le Biblia ŋɔŋlɔ me na be wòléa dzi na ame heʋãa ame?

9 Amegbetɔwo zazã woaŋlɔ Biblia la na be emenyawo léa dzi na ame heʋãa ame. Eŋlɔlawo nye ame siwo si seselelãme siwo ɖi mía tɔ le. Esi woawo hã wonye ame madeblibowo ta la, wodo go tetekpɔ kple nuteɖeamedzi siwo ɖi esiwo vaa míawo hã dzi. Le go aɖewo me la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã wo woŋlɔ nu tso woa ŋutɔwo ƒe seselelãmewo kple fukpekpewo ŋu. (2 Korintotɔwo 12:7-10) Eya ta wozã nya siwo ku ɖe woa ŋutɔwo tututu ŋu, nya siwo mawudɔla aɖeke mate ŋu agblɔ tso eɖokui ŋu o.

10 Le kpɔɖeŋu me, bu Israel-fia David ŋu kpɔ. Esi David wɔ nu vɔ̃ gã aɖewo megbe la, ekpa ha si me wòɖe eƒe dzimenyawo gblɔ le, si me wònɔ Mawu ƒe tsɔtsɔke biam le. Eŋlɔ bena: “Nàklɔ ŋunye tso nye nu vɔ̃ me. Elabena nye dzidadawo la, medze si wo keŋ, eye nye nu vɔ̃ le ŋkunyeme ɖaa. Kpɔ ɖa! Vodada mee wodzim ɖo, eye nu vɔ̃ mee danye fɔ nye fu ɖo. Mègatsɔm ƒu gbe le ŋkuwòme o; eye mègaxɔ wò gbɔgbɔ kɔkɔe la hã le asinye o. Vɔsa siwo dzea Mawu ŋue nye gbɔgbɔ si gbã; Oo Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o.” (Psalmo 51:2, 3, 5, 11, 17) Ðe mèse ale si gbegbe eŋlɔla nɔ nu xamee la le ɖokuiwò me oa? Ðe menye amegbetɔ madeblibo koe ate ŋu aɖe eƒe dzimenya siawo agblɔ oa?

Nu Ka Tae Wònye Agbalẽ Si Ku Ðe Amewo Ŋu?

11. Agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu kawo ƒomeviwoe wode Biblia me “be woatsɔ afia nu mí”?

11 Nu bubu aɖe hã gali si na be Biblia la wɔa dɔ ɖe ame dzi. Agbalẽa me nyawo ƒe akpa gã aɖe ku ɖe amewo ŋu—ame siwo nɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔ—ame siwo subɔ Mawu kple ame siwo mesubɔe o. Míexlẽa nu tso woƒe nuteƒekpɔkpɔwo, nɔnɔme sesẽwo, kple dzidzɔwo ŋu. Míekpɔa nu siwo do go tso tiatia siwo wowɔ le agbe me la me. Wode nudzɔdzɔ siawo katã eme “be woatsɔ afia nu mí.” (Romatɔwo 15:4) Yehowa toa agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu siawo dzi fiaa nu mí le mɔ si wɔa dɔ ɖe míaƒe dzi dzi la nu. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

12. Mɔ ka nue Biblia ƒe nuŋlɔɖi siwo ku ɖe ame siwo mewɔ nuteƒe o ŋu kpena ɖe mía ŋu le?

12 Biblia ƒo nu tso amegbetɔ siwo mewɔ nuteƒe o, esiwo vɔ̃ɖi gɔ̃ hã, kple nu siwo dzɔ ɖe wo dzi ŋu. Le nudzɔdzɔ mawo me la, míekpɔa nɔnɔme manyomanyo siwo dze le woƒe nuwɔna me, eye ena míesea wo gɔme bɔbɔe. Le kpɔɖeŋu me, nuteƒemawɔmawɔ ƒe se kae ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi wu nuwɔna sia ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ si woŋlɔ ɖi na mí tso Yuda ŋu, esime wòɖo nugbe vɔɖivɔ̃ɖi ɖe Yesu ŋu hefia eyome mɔ? (Mateo 26:14-16, 46-50; 27:3-10) Nuŋlɔɖiwo abe esia ene dea dzi gbɔ na mí wu, eye wòkpena ɖe mía ŋu míedea dzesi nɔnɔme gbegblẽwo hetsria wo.

13. Mɔ ka nue Biblia kpena ɖe mía ŋu be nɔnɔme nyuiwo gɔmesese nanɔ bɔbɔe na mí le?

13 Biblia ƒo nu tso Mawu subɔla wɔnuteƒe geɖewo hã ŋu. Míexlẽa nu tso woƒe ɖokuitsɔtsɔna kple nuteƒewɔwɔ ŋu. Míekpɔa nɔnɔme siwo wòhiã be míatu ɖo be míate ŋu adze Mawu ŋu la ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔwo le wo me. Le kpɔɖeŋu me, bu xɔse ŋu kpɔ. Biblia ɖe nu si xɔse nye la me eye wògblɔ ale si wòhiã vevie be míaƒe nu nadze Mawu ŋu na mí. (Hebritɔwo 11:1, 6) Gake xɔse ɖeɖe fia ŋutɔŋutɔ ƒe kpɔɖeŋuwo hã gale Biblia me na mí. Bu xɔse si Abraham ɖe fia esime wòlɔ̃ be yeatsɔ Isak asa vɔe ŋu kpɔ. (1 Mose, ta 22; Hebritɔwo 11:17-19) To nuŋlɔɖi siawo dzi la, gɔmesese si le nya “xɔse” ŋu la me kɔna ɖe edzi na mí wu eye míesea egɔme hã bɔbɔe wu. Aleke gbegbe Yehowa ɖe nunya fiae nye esi be menye ɖeko wòxlɔ̃ nu mí be míatu nɔnɔme nyuiwo ɖo ko o, ke ena ale si amewo ɖee fiae ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔwo hã mí!

14, 15. Nu kae Biblia gblɔ na mí tso nyɔnu aɖe si va gbedoxɔa me ŋu, eye nu kae míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu le nuŋlɔɖi sia me?

14 Zi geɖe amewo ƒe agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ siwo le Biblia me la fiaa nane mí tso ame si ƒomevi Yehowa nye ŋu. Bu nu si míexlẽ tso nyɔnu aɖe si Yesu kpɔ le gbedoxɔa me ŋu kpɔ. Esi Yesu bɔbɔ nɔ afi si te ɖe nudzɔɖakawo ŋu la, enɔ ŋku lém ɖe ame siwo nɔ ga dam ɖe wo me ŋu. Kesinɔtɔ geɖe va, eye woda “woƒe nu gbogboawo ƒe ɖe ko” ɖe eme. Gake Yesu ƒe ŋku va nɔ ahosi dahe aɖe ŋu. Nu si wòda ɖe emee nye “gaku sue eve siwo ƒe home le sue ŋutɔ.” b Esiae nye ga mamlɛ si susɔ ɖe esi. Yesu, ame si ɖe Yehowa ƒe susu fia bliboe le nyawo ŋu la, gblɔ be: “Ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu ame bubu siwo katã va de nu nudzɔɖakaawo me.” Nu si nya mawo fia ye nye be nu si wòda ɖe eme la wu nu si ame bubuawo katã da ɖe eme ne wotsɔ wo ƒo ƒui.—Marko 12:41-44; Luka 21:1-4; Yohanes 8:28.

15 Ðe meɖe dzesi be le ame siwo katã va gbedoxɔa me gbe ma gbe dome la, ahosi sia koe woyɔ ƒo nu tso eŋu le Biblia me oa? To kpɔɖeŋu sia dzi la, Yehowa le mía fiam be Mawu si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu ye yenye. Edzɔa dzi nɛ be yeaxɔ míaƒe nunana siwo tso luʋɔ blibo me, aleke kee woɖale ne wotsɔe sɔ kple nu si ame bubuwo te ŋu na o. Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi Yehowa ate ŋu ato aɖe nyateƒenya sia si léa dzi na ame afia míe nye ema!

Nu Siwo Womeŋlɔ Ðe Biblia Me O

16, 17. Aleke Yehowa ɖe eƒe nunya fia le nu siwo wòɖo be yemade yeƒe Nya la me o la gɔ̃ hã mee?

16 Ne èle lɛta ŋlɔm na wò lɔlɔ̃tɔ aɖe la, nyawo ƒe agbɔsɔsɔme aɖe koe nàte ŋu aŋlɔ. Eya ta èbua nuwo ŋu nyuie hetiaa esiwo nàŋlɔ. Nenema kee Yehowa hã ɖoe be yeaƒo nu tso ame aɖewo kple nudzɔdzɔ aɖewo ko ŋu le yeƒe Nya la me. Gake le nuŋlɔɖi mawo me la, menye ɣesiaɣie Biblia gblɔa nyawo ƒe akpa sia akpa tsitotsito o. (Yohanes 21:25) Le kpɔɖeŋu me, ne Biblia le nu ƒom tso Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu la, anɔ eme be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo katã ava susu me na mí le nya sia ŋu o. Míekpɔa Yehowa ƒe nunya le nu siwo wòɖo be yemaƒo nu tso wo ŋu le yeƒe Nya la me o gɔ̃ hã me. Le mɔ ka nu?

17 Ale si woŋlɔ Bibliae la nye míaƒe dzi ƒe nɔnɔme dodo kpɔ. Hebritɔwo 4:12 gblɔ be: “Mawu ƒe nya [alo, gbedeasi] la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yi ɖamaa keke luʋɔ kple gbɔgbɔ me . . . eye wòtea ŋu dzea si tamesusuwo kple dzimedidiwo.” Biblia ƒe gbedeasia ƒona ɖe ame yina ɖe ememe, heɖea tamesusu kple taɖodzinu si tututu le mía si la fiana. Ame siwo xlẽa Biblia kple dzimedidi be yewoakpɔ vodada le eme la kpɔa nuɖiaɖia le nuŋlɔɖi siwo ŋu nya womegblɔ tsitotsito ale si dze wo ŋu o la me. Ame siawo ate ŋu ahe nya gɔ̃ hã nenye be vavãe wònye be Yehowa lɔ̃a mí, be enye nunyala gã, kple dzɔdzɔetɔ.

18, 19. (a) Ne Biblia ƒe nuŋlɔɖi aɖe fɔ biabia aɖewo ɖe te siwo míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na enumake o la, nu ka tae mele be wòaɖe fu na mí o? (b) Nu kae hiã be míate ŋu ase Mawu ƒe Nya la gɔme, eye aleke esia ɖo kpe Yehowa ƒe nunya gã la dzii?

18 Gake ne míetsɔ dzi ƒe nɔnɔme nyui srɔ̃ Biblia nyuie la, míeva kpɔa Yehowa le gɔmesese si nu Biblia bliboa ɖe eyama fia le la nu. Eya ta ne nuŋlɔɖi aɖe fɔ biabia aɖewo ɖe te siwo míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na enumake o la, meɖea fu na mí o. Le kpɔɖeŋu me: Ne míele nɔnɔmetata si wofli kakɛkakɛe fɔm kpe la, ɖewohĩ gbã la míakpɔ kakɛ aɖe adze sii o alo míanya afi si míadee wòasɔ ɖe enu o. Ke hã anɔ eme be míefɔ geɖe kpe siwo ate ŋu ana míakpɔ ale si nɔnɔmetata bliboa anɔ. Nenema kee ne míele Biblia srɔ̃m la, ʋɛʋɛʋɛ la, míeva kpɔa Mawu si ƒomevi Yehowa nye, eye nuwo me va kɔna na mí nyuie wu. Ne gbã míete ŋu le nuŋlɔɖi aɖe gɔme sem tututu o alo míekpɔ ale si wòsɔ ɖe Mawu ƒe amenyenye nu o la, nu siwo míesrɔ̃ tso Biblia me xoxo la fiaa nu geɖe mí tso Yehowa ŋu si akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be enye Mawu si lɔ̃a mí ɣesiaɣi, ame si wɔa nu si sɔ, eye wònye dzɔdzɔetɔ le nu sia nu me.

19 Eya ta ne míedi be míase Mawu ƒe Nya la gɔme la, ahiã be míaxlẽe eye míatsɔ dzi ƒe nɔnɔme nyui kple susu nyui asrɔ̃e. Ðe esia meɖo kpe Yehowa ƒe nunya gã dzi oa? Amegbetɔ siwo nye nunyalawo ate ŋu aŋlɔ agbalẽ si gɔme “nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo” ko ate ŋu ase. Gake be woaŋlɔ agbalẽ aɖe si bia be dzi ƒe nɔnɔme nyui nanɔ ame si hafi woate ŋu ase egɔme ya la—ke Mawu ƒe nunya koe ate ŋui!—Mateo 11:25.

Agbalẽ Si Me “Nunya Vavãtɔ” Le

20. Nu ka tae Yehowa ɖeka koe ate ŋu afia mɔ nyuitɔ kekeake si nu míanɔ agbe ɖo la mí, eye nu kae le Biblia me si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

20 Yehowa fiaa mɔ nyuitɔ kekeake si nu míanɔ agbe ɖo la mí le eƒe Nya la me. Eya si nye mía Wɔla la nya míaƒe nuhiahiãwo wu mía ŋutɔwo. Eye amegbetɔwo ƒe nuhiahiã vevitɔwo—siwo dometɔ aɖewoe nye didi be woalɔ̃ mí, be míakpɔ dzidzɔ, kple be mía kple amewo dome nanɔ nyuie—metrɔ o. “Nunya vavãtɔ” bɔ ɖe Biblia me fũu siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be agbe nadze edzi na mí. (Lododowo 2:7) Le nusrɔ̃gbalẽ sia ƒe akpa vovovoawo la, ta ɖeka le akpawo dometɔ ɖe sia ɖe me si fia ale si míate ŋu awɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le ŋu dɔe le mía ŋutɔwo míaƒe agbenɔnɔ me, gake mina míagakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka aɖe ko ɖa.

21-23. Nuxlɔ̃ame si me nunya le kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsri nyaléleɖedɔme kple dɔmedzoedodo?

21 Ède dzesii kpɔ be ame siwo léa nya ɖe dɔme eye woléa dɔmedzoe ɖi la gblẽa nu le woa ŋutɔwo ɖokui ŋu zi geɖea? Agba gã aɖe tsɔtsɔ le agbe mee nyaléleɖedɔme nye. Ne míelé nya ɖe dɔme la, exɔa míaƒe susu me, enaa míete ŋu ɖea dzi ɖi o, eye wògblẽa míaƒe dzidzɔ me na mí. Atikewɔwɔ me nunya ɖee fia be dziku léle ɖi ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be woadze dzidɔ kple dɔlémafɔe bubu geɖewo. Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ hafi woava ke ɖe atikewɔwɔ me nunya sia ŋu la, Biblia ya gblɔ nya siawo siwo me nunya le be: “Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nàdzudzɔ dzikudodo.” (Psalmo 37:8) Gake aleke míate ŋu awɔ esiae?

22 Mawu ƒe Nya la ɖo aɖaŋu sia si me nunya le be: “Ame si sea nu gɔme nyuie la, medoa dziku kabakaba o, eye atsyɔ̃ wònye nɛ be wòaŋe aɖaba aƒu agɔdzedze dzi.” (Lododowo 19:11) Nugɔmesese nye ŋutete be woakpɔ nu ayi ŋgɔe wu nu si le dzedzem ko, be woakpɔ nu si medzena gaglãa o adze sii nyuie. Nugɔmesese yi eme ʋĩi nana wozua nugɔmesela, elabena ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nu si ta ame aɖe ƒo nu alo wɔ nu le mɔ aɖe nu. Agbagbadzedze be míase nu si ta amea wɔ nane, eƒe seselelãmewo, kple eƒe nɔnɔmewo gɔme ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe susu kple seselelãme manyomanyo siwo anɔ mía si ɖe eŋu la ɖa.

23 Nuxlɔ̃ame bubu sia gale Biblia me na mí be: “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa.” (Kolosetɔwo 3:13) Nyagbɔgblɔ “miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo” fia be míagbɔ dzi ɖi na amewo, eye míaɖe mɔ ɖe woƒe nɔnɔme siwo anye ne ado dziku na mí hafi la ŋu. Mɔɖeɖeɖenuŋu alea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaganɔ nya suesuewo lém ɖe dɔme o. ‘Miatsɔ ake’ fia be míadzudzɔ dzikudodo. Mía Mawu nunyala la nyae be ehiã be míatsɔ ake mía nɔewo ne susu nyui aɖe li na tsɔtsɔke. Esia menye na woawo ko ƒe viɖe o ke ana be mía ŋutɔwo hã míavo le susu kple dzi me. (Luka 17:3, 4) Nunya ka gbegbee nye esi le Mawu ƒe Nya la me!

24. Nu kae dona tsoa eme ne míetrɔ míaƒe agbenɔnɔ wòsɔ ɖe Mawu ƒe nunya nu?

24 Lɔlɔ̃ gã si le Yehowa si lae ʋãe be wòdi be yeaɖo dze kpli mí. Etia mɔnu nyuitɔ kekeake—si nye lɛta si wòŋlɔ to amegbetɔwo dzi le eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia te. Esia na be Yehowa ŋutɔ ƒe nunya dze le agbalẽ bliboa me. Eƒe nunya sia “le eteƒe tututu.” (Psalmo 93:5) Esi míeyi edzi le míaƒe agbenɔnɔ trɔm be wòasɔ ɖe enu eye míeyi edzi le efiam ame bubuwo hã la, ewɔnɛ be míetena ɖe mía Mawu, nuwo katã nyala la ŋu. Le ta si kplɔe ɖo me la, míadzro Yehowa ƒe nunya gogloa ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi bubu aɖe hã me: eƒe ŋutete be wòagblɔ nu siwo adzɔ le etsɔme ɖi eye be wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme.

a Le kpɔɖeŋu me, David si nye alẽkplɔla la zã kpɔɖeŋu siwo ku ɖe alẽkpɔkplɔ ŋu. (Psalmo 23) Mateo si nye adzɔxɔla gblɔ nya geɖe tso nuwo ƒe xexlẽme kple woƒe home ŋu. (Mateo 17:27; 26:15; 27:3) Luka si nye atikewɔla zã nya siwo ɖe eƒe nunya le dɔlélewo ŋu fia.—Luka 4:38; 14:2; 16:20.

b Gaku si nye lepta la nye Yudatɔwo ƒe gaku suetɔ kekeake si wozãna ɣemaɣi. Lepta eve ƒe homee nye ŋkeke ɖeka ƒe dɔwɔfetu mama ɖe akpa 64 me ƒe akpa ɖeka. Gaku eve siawo mate ŋu aƒle atsutsrɔe ɖeka, si nye xevi si ƒe asi bɔbɔ wu ɖe sia ɖe, si ame dahewo tsɔ ɖaa nui, la gɔ̃ hã o.