Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 20

“Dzi Nyanu Le Esi”—Ke Hã Ebɔbɔa Eɖokui

“Dzi Nyanu Le Esi”—Ke Hã Ebɔbɔa Eɖokui

1-3. Nu ka ta míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa nye ɖokuibɔbɔla?

 VIFOFO aɖe di be yeafia nu vevi aɖe ye vi sue. Edi vevie be nyaa naɖo ɖevia ƒe dzi gbɔ. Mɔ ka dzie wòato? Ðe wòle be wòatsi tre ka ɖe ɖevia ŋkume ŋɔdzitɔe eye wòagblɔ nyaa kple dzikua? Alo ɖe wòle be wòabɔbɔ anɔ tasɔsɔ me kple ɖevia eye wòatsɔ tufafa kple vividoɖeameŋu aƒo nuia? Godoo la, vifofo nyanu ɖokuibɔbɔla atia mɔnu si me tufafa le.

2 Vifofo ka ƒomevie Yehowa nye—ɖokuidoɖedzila alo ɖokuibɔbɔla, dzikudola alo tufala? Yehowae nye nuwokatãnyala, eƒe nunya de ŋgɔ wu ame sia ame tɔ. Gake ède dzesii be sidzedze kple nunyanya mewɔa amewo ɖokuibɔbɔlawoe kokoko oa? Abe ale si Biblia gblɔe ene la, “sidzedze nana ame doa eɖokui ɖe dzi.” (1 Korintotɔwo 3:19; 8:1) Gake Yehowa, ame si ‘si dzi nyanu le,’ la nye ɖokuibɔbɔla hã. (Hiob 9:4) Menye ɖe eƒe ɖoƒe le tsɛ le mɔ aɖeke nu alo be gãnyenyee medze le eŋu le mɔ aɖe nu o, ke boŋ ɖokuidodoɖedzi ye mele eme kura o. Nu ka ta wòle alea?

3 Yehowa le kɔkɔe. Eya ta ɖokuidodoɖedzi, si nye nɔnɔme si ƒoa ɖi ame, mele eme kura o. (Marko 7:20-22) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, de dzesi nya si nyagblɔɖila Yeremiya gblɔ na Yehowa: “Àɖo ŋku edzi kokoko abɔbɔ ave nunye.” a (Konyifahawo 3:20) Bu eŋu kpɔ ko! Yehowa, xexea katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã, lɔ̃ faa be ‘yeabɔbɔ,’ alo aɖiɖi ava nɔ sɔsɔme kple Yeremiya, ale be yeaɖo to ame madeblibo ma ahawɔ nu si wòdi la nɛ. (Psalmo 113:7) Ɛ̃, Yehowa nye ɖokuibɔbɔla. Gake nu kae Mawu ƒe ɖokuibɔbɔ lɔ ɖe eme? Aleke wòdo ƒome kple nunyae? Eye nu ka tae esia le vevie na mí?

Ale Si Yehowa Nye Ðokuibɔbɔlae

4, 5. (a) Nu kae nye ɖokuibɔbɔ, nu kawo mee wòdzena le, eye nu ka ta mele be woawɔ vodada abui be efia gbɔdzɔgbɔdzɔ alo vɔvɔ̃ o? (b) Aleke Yehowa ɖe ɖokuibɔbɔ fia le nuwɔwɔ ɖe David ŋu mee, eye aleke gbegbe Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ le vevie na míi?

4 Ðokuibɔbɔ fia tamebɔbɔɖeanyi, si nye ɖokuimadomadoɖedzi kple ameɖokuimadamada. Esi wònye be ɖokuibɔbɔ nye nɔnɔme si tso ememe le dzia me ta la, edzena le nɔnɔme siwo nye tufafa, dzigbɔɖeanyi, kple nugɔmesesename me. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Gake mele be woawɔ vodada abui be mawumenɔnɔme siawo fia gbɔdzɔgbɔdzɔ alo vɔvɔ̃ o. Nɔnɔme siawo metsi tre ɖe Yehowa ƒe dɔmedzoe dzɔdzɔe dodo alo eƒe nutsrɔ̃ŋusẽ zazã ŋu o. Ke boŋ le Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ kple tufafa me la, eɖea eƒe ŋusẽ gã, ŋusẽ si le esi be wòalé eɖokui bliboe la fiana. (Yesaya 42:14) Aleke ɖokuibɔbɔ do ƒome kple nunyae? Biblia ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Woate ŋu aɖe ɖokuibɔbɔ gɔme koŋ . . . be enye ɖokuitɔmadimadi eye enye nu vevi si dzi nunya ɖe sia ɖe nɔ te ɖo.” Eya ta nunya vavã mate ŋu anɔ ame si ɖokuibɔbɔ manɔmee o. Aleke Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ ɖea vi na míi?

Vifofo nyanu wɔa nu ɖe viawo ŋu le ɖokuibɔbɔ kple tufafa me

5 Fia David dzi ha na Yehowa be: “Ètsɔ wò xɔxɔ ƒe akpoxɔnu nam, wò nuɖusi léam ɖe te, eye wò ɖokuibɔbɔ doa gãm.” (Psalmo 18:35) Ne míagblɔe la, efia be Yehowa bɔbɔ eɖokui be wòaxɔ na ame tsɛ madeblibo sia, eye wòkpɔ eta helée ɖe te ŋkeke sia ŋkeke. David kpɔe dze sii be hafi yeakpɔ xɔxɔ—eye hafi gãnyenye nasu ye si mlɔeba abe fia ene gɔ̃ hã—la, ke ale si Yehowa lɔ̃ faa be yeabɔbɔ Ye ɖokui alea tae. Le nyateƒe me, mía dometɔ kae akpɔ mɔ be yeakpɔ xɔxɔ ne menye ɖe Yehowa nye ɖokuibɔbɔla, ame si lɔ̃na faa be yeabɔbɔ ava anyi le nuwɔwɔ ɖe mía ŋu me, le esi wònye Fofo fatu si lɔ̃a mí ta o?

6, 7. (a) Gɔmesese ka nue Yehowa nye ɖokuibɔbɔla le? (b) Ƒomedodo kae le tufafa kple nunya dome, eye ame kae ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ?

6 Ame ɖokui bɔbɔ ɖe anyi nye nɔnɔme nyui aɖe si wòle be amegbetɔ wɔnuteƒewo natu ɖo. Edo ƒome kple nunya. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 11:2 gblɔ be: “Ame siwo nyaa afi si woƒe ŋutete se ɖo la si mee nunya le.” Gake Biblia meƒo nu tso Yehowa ŋu kpɔ be enye ame si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi le gɔmesese si le abe ale si wòle le amegbetɔwo gome ene nu o. Nu ka tae? Menye ɖe eya menye ɖokuibɔbɔla o. Gake ale si wozã nya ɖokuibɔbɔɖeanyi le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe amegbetɔwo ŋu la fia be woanya ame ŋutɔ ƒe ŋutetewo ƒe seɖoƒe si sɔ. Seɖoƒe meli na Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋutetewo o, negbe afi siwo eya ŋutɔ ɖoe eɖokui dzi be yeawɔ nane ase ɖo le eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo ta ko. (Marko 10:27; Tito 1:2) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi eyae nye Dziƒoʋĩtɔ ta la, mele ame aɖeke te o. Eya ta gɔmesesea ƒe akpa ma si le ɖokuibɔbɔɖeanyi ŋu la meku ɖe Yehowa ŋu kura o.

7 Gake Yehowa nye ɖokuibɔbɔla le gɔmesese sia nu be elɔ̃na faa be yeawɔ nu kple amegbetɔ siwo nye ame tsɛwo. Yehowa nye ame si fa tu hã. Efiaa esubɔlawo be tufafa hiã vevie be nunya vavã nasu ame si. Le esia ta Biblia ƒo nu tso “tufafa si tso nunya me” ŋu. b (Yakobo 3:13) Yehowa ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi. Mina míakpɔe ɖa.

Yehowa Dea Dɔ Asi Eye Wòɖoa To Ame Ðokuibɔbɔtɔe

8-10. (a) Nu ka tae wònye nu si ɖe dzesi be Yehowa lɔ̃na faa be yeade dɔ asi na ame ahaɖo to ame? (b) Aleke Ŋusẽkatãtɔ la wɔ nu ɖe eƒe dɔlawo ŋu ɖokuibɔbɔtɔe?

8 Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ kple ale si wòlɔ̃na faa be yeade dɔ asi ahaɖo to ame ƒe kpeɖodzi lédzinamewo li. Be wòwɔa esia gɔ̃ hã la nye nu si wɔ nuku; Yehowa mehiã ame aɖeke ƒe kpekpeɖeŋu alo aɖaŋuɖoɖo hafi o. (Yesaya 40:13, 14; Romatɔwo 11:34, 35) Ke hã Biblia ɖee fia mí enuenu be Yehowa bɔbɔa eɖokui le mɔ siawo nu.

9 Le kpɔɖeŋu me, bu nu ɖedzesi aɖe si dzɔ le Abraham ƒe agbe me ŋu kpɔ. Abraham xɔ amedzro etɔ̃, siwo dometɔ ɖeka wòyɔ be “Yehowa.” Le nyateƒe me la, mawudɔlawoe amedzroawo nye, gake wo dometɔ ɖeka va le Yehowa ƒe ŋkɔ me eye wòwɔ nu le Eya ƒe ŋkɔ me. Esi mawudɔla ma ƒo nu eye wòwɔ nu la, ɖeko wòle abe Yehowae nye ma le nu ƒom hele nu wɔm ene. To mɔnu sia dzi la, Yehowa gblɔ na Abraham be “konyifaɣli si le ɖiɖim ɖe Sodom kple Gomora ta” va ɖo to me na ye. Yehowa gblɔ be: “Maɖi ayi be makpɔe ɖa be ɣli si le ɖiɖim le wo ta la le eme hã, eye ne mele nenema o la, ne manya.” (1 Mose 18:3, 20, 21) Ele eme baa be Yehowa ƒe gbedeasia mefia be ele kokoko be Ŋusẽkatãtɔ la ŋutɔŋutɔ ‘naɖi ayi’ o. Ke boŋ dɔlawoe wòdɔ ɖa be woanɔ ye teƒe. (1 Mose 19:1) Nu ka tae? Ðe Yehowa ƒe ŋku si kpɔa nuwo katã la “manya” nu siwo tututu nɔ dzɔdzɔm le nuto ma me le eɖokui si oa? Anya godoo. Togbɔ be le alea hã Yehowa gatsɔ dɔa de asi na mawudɔla mawo be woayi aɖaku nu me le nyaa ŋu eye woasrã Lot kple eƒe ƒomea akpɔ le Sodom.

10 Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa ɖoa to. Ɣeaɖeɣi ebia eƒe dɔlawo be woado susu vovovowo ɖa le ale si woawɔ ahe Fia vɔ̃ɖi Ahab ƒe nuwuwu vɛ ŋu. Yehowa mehiã kpekpeɖeŋu ma hafi o. Ke hã elɔ̃ ɖe eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka ƒe susu dzi eye wòdɔe be wòayi aɖawɔe nenema. (1 Fiawo 22:19-22) Ðe menye ɖokuibɔbɔe nye ema oa?

11, 12. Aleke Abraham wɔ va kpɔ Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ dze sii?

11 Yehowa lɔ̃na faa be yeaɖo to amegbetɔ madeblibo siwo di be yewoagblɔ yewoƒe dzimaɖitsitsiwo nɛ la gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, esi Yehowa gblɔ na Abraham be yeɖoe be yeatsrɔ̃ Sodom kple Gomora la, nuteƒewɔla ma tɔtɔ ale gbegbe. Abraham gblɔ be: “Màwɔ esia akpɔ o. Ðe anyigba blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?” Ebia nenye be Yehowa aɖe asi le duawo tsɔtsrɔ̃ ŋu nenye be woate ŋu akpɔ ame dzɔdzɔe 50 le wo me. Yehowa ka ɖe edzi nɛ be yematsrɔ̃ wo o. Gake Abraham gabia ake, eye wòɖiɖi xexlẽmea va 45, emegbe 40, eye wòyi edzi nɔ xexlẽmea ɖiɖim ɖe edzi. Togbɔ be Yehowa ka ɖe edzi nɛ be yematsrɔ̃ wo o hã la, Abraham yi ebiabia dzi va se ɖe esime xexlẽmea va ɖo ewo pɛ ko. Anɔ eme be Abraham mekpɔ ale si gbegbe Yehowa nye nublanuikpɔlae dze sii nyuie haɖe o. Eɖanye susu ka tae wòbia o, Yehowa ɖe mɔ dzigbɔɖitɔe kple ɖokuibɔbɔtɔe na Abraham si nye exɔlɔ̃ kple esubɔla be wòaɖe eƒe dzitsitsi agblɔ faa.—1 Mose 18:23-33.

12 Amegbetɔ siwo nye nunyalagãwo dometɔ nenie aɖo to ame si ƒe nunya meɖo afi aɖeke kura o la ƒe nyawo dzigbɔɖitɔe nenema? c Gake nenema gbegbee mía Mawu la ya bɔbɔa eɖokuii. Le dzeɖoɖo ma ke me la, Abraham va kpɔe dze sii hã be Yehowa “medoa dziku kabakaba o.” (2 Mose 34:6) Ðewohĩ esi Abraham kpɔe dze sii be yemekpɔ mɔ anɔ gbe biam Dziƒoʋĩtɔ la alea o ta la, eɖe kuku zi eve be: “Yehowa, meɖe kuku mègabi dzi o.” (1 Mose 18:30, 32) Eye Yehowa mebi dzi hã o. Nyateƒee, “tufafa si tso nunya me” yɔ eyama fũu.

Yehowa Nye Nugɔmesela

13. Le Biblia me la, gɔmesese kae le nya “nugɔmesese” ŋu, eye nu ka tae nya sia ɖɔ Yehowa ƒe nɔnɔme wòsɔ pɛpɛpɛ?

13 Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ gadzena le eƒe nɔnɔme nyui bubu aɖe hã me—eƒe nugɔmesese. Nublanuitɔe la, nɔnɔme sia medzena le amegbetɔ madeblibowo me o. Menye ɖe Yehowa lɔ̃na faa be yeaɖo to yeƒe nuwɔwɔ nyanuwo ko evɔ o, ke elɔ̃na faa be yeaɖe asi le nya ŋu nenye be matsi tre ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo ŋu o ko. Le Biblia me la, ale si wozã nya “nugɔmesese” le nyaa ŋutɔŋutɔ nu fia “asiɖeɖelenyaŋu alɔ̃ faa be woawɔ ame bubu ƒe didi dzi.” Nɔnɔme sia hã nye mawumenunya ƒe akpa vevi aɖe. Yakobo 3:17 gblɔ be: “Nunya si tso dziƒo la, . . . esea nu gɔme.” Susu ka nue Yehowa si nye nusianunyala la nye nugɔmesela le? Wo dometɔ ɖekae nye be etrɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu. Ðo ŋku edzi be Yehowa ƒe ŋkɔa ŋutɔ fia mí be etrɔa eɖokui va zua nu sia nu si hiã be eƒe tameɖoɖowo nava eme. (2 Mose 3:14) Ðe ema mefia tɔtrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu kple nugɔmesese ƒe nɔnɔme oa?

14, 15. Nu kae Yehowa ƒe tasiaɖam si Ezekiel kpɔ le ŋutega me fia mí tso Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo ŋu, eye aleke wòto vovo na xexe me habɔbɔwoe?

14 Biblia ƒe kpukpui ɖedzesi aɖe li si kpena ɖe mía ŋu be míase ale si Yehowa trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋui la gɔme va se ɖe afi aɖe. Woɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo, si me gbɔgbɔ me nuwɔwɔwo le la, fia nyagblɔɖila Ezekiel le ŋutega me. Ekpɔ tasiaɖam si ƒe lolome dzi ŋɔ ale gbegbe, si nye Yehowa ŋutɔ ƒe “ʋu” si Wòfiaa mɔe ɣesiaɣi. Ale si wòzɔna koŋ ye nya kpɔna wu. Eƒe afɔti gãawo trɔ ɖe go ene me eye ŋkuwo yɔ wo ŋu fũu kpe ɖo, ale be woate ŋu akpɔ afi sia afi eye woate ŋu aɖo ta mɔ bubu dzi enumake, esime womatɔ alo atrɔ hafi o. Eye mehiã be tasiaɖam gã sia nanɔ tetem ɖɔɖɔɖɔ abe ʋu gã siwo amegbetɔwo wɔ la ene o. Ate ŋu aƒu du abe ale si dzikedzo ɖea ablae ene, eye wòate ŋu atrɔ le dzogoe kura gɔ̃ hã dzi! (Ezekiel 1:1, 14-28) Ɛ̃, Yehowa ƒe habɔbɔ, si le ŋusẽkatãtɔ Dziɖulagã la ƒe mɔfiafia te, trɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu wòƒo ɖe sia ɖe ta, eye wòtsona ɖe nɔnɔme kple hiahiã siwo trɔna ɖaa la gbɔ kpɔkpɔ ŋu ɣesiaɣi.

15 Ðeko wòle be amegbetɔwo nadze agbagba asrɔ̃ tɔtrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu pɛpɛpɛ alea. Gake zi geɖe la, amegbetɔwo kple woƒe habɔbɔwo ƒe nya me sẽna tsɔ wu be woatrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu, wonyea nugɔmemaselawo tsɔ wu be woanye ame siwo ɖea asi le nya ŋu bɔbɔe. Le kpɔɖeŋu me: Amitsɔmeli gã alo agbatsɔketeke ƒe lolome kple eƒe ŋusẽ ate ŋu awɔ nuku na mí. Gake ɖe wo dometɔ aɖe ate ŋu atrɔ ɖe nuwo ŋu ne nɔnɔmewo trɔ kpataa? Ne nane va tso keteke si le du dzi ŋgɔ la, tɔtrɔ adze to eŋu aɖeke meli o. Tɔtɔ kpata hã manya wɔ kura o. Nenye be keteke gã si tsɔ agba hele du dzi la kula tɔ ketekea la, agazɔ ayi ŋgɔ abe kilometa eve kloe ene hafi atɔ! Nenema kee ne wotsi dzo le amitsɔmeli gã me la, ate ŋu agazɔ yi ŋgɔ kilometa 8 hafi atɔ. Ne wòva eme be wodi be wòayi megbemegbe hã la, agazɔ yi ŋgɔ kilometa 3 hafi atɔ adze megbemegbea yiyi gɔme! Aleae amegbetɔwo ƒe habɔbɔ siwo ƒe nya me te ŋu sẽna eye womesea nu gɔme na ame o la le. Le dada si le amewo me ta la, zi geɖe wogbea tɔtrɔ ɖe hiahiãwo kple nɔnɔmewo ŋu. Ale si woƒe nya me sẽe la gbɔe wòtso be dɔwɔƒe aɖewo ɖu agba eye dziɖuɖu aɖewo gɔ̃ hã mu. (Lododowo 16:18) Aleke gbegbe dzi ate ŋu adzɔ míi ye nye esi be Yehowa loo alo eƒe habɔbɔa mele nenema kura o!

Ale Si Yehowa Ðea Nugɔmesesename Fianae

16. Aleke Yehowa ɖe nugɔmesesename fia le nuwɔwɔ ɖe Lot ŋu me do ŋgɔ na Sodom kple Gomora ƒe tsɔtsrɔ̃e?

16 Gabu Sodom kple Gomora ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu kpɔ. Yehowa ƒe dɔla na mɔfiame siwo me kɔ la Lot kple eƒe ƒomea be: ‘Misi yi tonuto la me.’ Gake nya sia medze Lot ŋu o. Eɖe kuku be: “Yehowa, meɖe kuku, meganye afi ma o!” Esi Lot susui be yeaku ne wòanye be towo dzie yeasi ayi ta la, edo taflatsɛ be woaɖe mɔ na ye kple yeƒe ƒomea ne yewoasi ayi du si nye Zoar, si tsɔ ɖe afi ma gbɔ me. Ðo ŋku edzi be ɖe Yehowa ɖoe be yeatsrɔ̃ du ma hã hafi. Azɔ hã susu aɖeke meli si ta wòle be Lot navɔ̃ ɖo o. Godoo la, Yehowa ate ŋu akpɔ Lot ƒe agbe ta le toawo dzi! Ke hã Yehowa lɔ̃ faa ɖe Lot ƒe biabia la dzi eye metsrɔ̃ Zoar o. Mawudɔla la gblɔ na Lot be: “Enyo! Maɖo to wò le esia hã me, be nyematsrɔ̃ du si ŋu nèƒo nu le la o.” (1 Mose 19:17-22) Ðe esia menye nugɔmesesename le Yehowa ƒe akpa dzi oa?

17, 18. Aleke Yehowa ɖee fia be yenye nugɔmesela le nuwɔwɔ ɖe Niniwetɔwo ŋu me?

17 Yehowa xɔa dzimetɔtrɔ si tso dzi me hã, eye ɣesiaɣi ewɔa nu ɖe amewo ŋu le nublanuikpɔkpɔ kple mɔ si dzɔ nu. Bu nu si dzɔ esime wodɔ nyagblɔɖila Yona ɖe Niniwe si nye du si me ŋutasesẽ kple nu vlo wɔwɔ bɔ ɖo ŋu kpɔ. Esi Yona zɔ to Niniwe ƒe ablɔwo dzi la, gbedeasi si tso gbɔgbɔ me si wògblɔ la nye nya tẽe aɖe be: Esusɔ ŋkeke 40 ne woatsrɔ̃ Niniwe du gã la. Gake nɔnɔmeawo va trɔ kura. Niniwetɔwo trɔ dzi me!—Yona, ta 3.

18 Nufiame geɖe le eme be míatsɔ ale si Yehowa wɔ nui asɔ kple ale si Yona wɔ nui ɖe nɔnɔme si trɔ ŋu. Le esia me la, Yehowa trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu, eye wòva zu Ame si tsɔa nu vɔ̃wo kena ɖe esi teƒe be wòanye “aʋakalẽtɔ.” d (2 Mose 15:3) Gake Yona ya menye ame si ƒe nya me bɔbɔ o eye meɖe nublanuikpɔkpɔ fia kura o. Le esi wòaɖe Yehowa ƒe nugɔmesesename afia teƒe la, ewɔ nu abe keteke alo amitsɔmeli gã si ƒe nya míegblɔ va yi la ene boŋ. Egblɔe ɖi be woatsrɔ̃ dua, eya ta ɖeko wòle be woatsrɔ̃ godoo! Gake dzigbɔɖitɔe la, Yehowa na nugɔmesesename kple nublanuikpɔkpɔ ŋuti nufiame aɖe eƒe nyagblɔɖila dzimagbɔɖila sia si maŋlɔ be akpɔ o.—Yona, ta 4.

Yehowa nye nugɔmesela si sea míaƒe ŋutetewo ƒe seɖoƒewo gɔme

19. (a) Nu ka ta míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa nye nugɔmesela le nu si wòkpɔa mɔ be míawɔ me? (b) Aleke Lododowo 19:17 ɖee fia be Yehowa nye Aƒetɔ ‘nyui kple nugɔmesela’ eye wòganye ɖokuibɔbɔla gãtɔ kekeake?

19 Mlɔeba la, Yehowa nye nugɔmesela le nu si wòkpɔa mɔ tso mía si be míawɔ me. Fia David gblɔ be: “Enya míaƒe wɔwɔme nyuie, eɖoa ŋui be kewɔe míenye.” (Psalmo 103:14) Yehowa sea míaƒe ŋutetewo ƒe seɖoƒe kple míaƒe blibomademadewo gɔme wu ale si míawo ŋutɔwo míesea egɔmee. Mekpɔa mɔ na nu geɖe tso mía si wu nu si míate ŋui gbeɖe o. Biblia ɖe vovototo si le amegbetɔ siwo nye aƒetɔ “nyuiwo kple nugɔmeselawo” kpakple esiwo “ŋu nu medzena o” dome fia. (1 Petro 2:18) Aƒetɔ ka ƒomevie Yehowa nye? De dzesi nya si Lododowo 19:17 gblɔ be: “Ame si vea ame dahe nu la le nu dom na Yehowa.” Edze ƒãa be aƒetɔ nyui kple nugɔmesela koe ade dzesi dɔmenyo ɖe sia ɖe si woawɔ na ame tsɛwo. Gawu la, ŋɔŋlɔ sia ɖee fia be le xexea me godoo Wɔla la gome la, ne woagblɔe la, ebunɛ be yenyi fe le amegbetɔ gbɔlo, siwo wɔa nu le nublanuikpɔkpɔ me alea la ŋu! Esia nye ɖokuibɔbɔ gãtɔ kekeake ɖeɖe fia.

20. Kakaɖedzi kae li be Yehowa sea míaƒe gbedodoɖawo eye wòɖoa wo ŋu?

20 Egbea hã Yehowa gakpɔtɔ fa tu eye wònye nugɔmesela le nuwɔwɔ ɖe esubɔlawo ŋu me. Ne míedo gbe ɖa le xɔse me la, eɖoa to. Eye togbɔ be medɔa mawudɔlawo ɖa be woava ƒo nu na mí o hã la, mele be míatsɔe be meɖoa to míaƒe gbedodoɖawo o. Ðo ŋku edzi be esime apostolo Paulo bia tso haxɔsetɔwo si be ‘woanɔ gbedodoɖa dzi’ be woaɖe asi le ye ŋu le gaxɔ me la, egblɔ kpee be: “Ale be woaɖe asi le ŋunye na mi kpuie.” (Hebritɔwo 13:18, 19) Eya ta míaƒe gbedodoɖawo ate ŋu aʋã Yehowa be wòawɔ nu si meɖo be yeawɔ hafi o!—Yakobo 5:16.

21. Nu kae mele be míasusu tso Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ ŋu gbeɖe o, ɖe eteƒe la, nu kae wòle be wòalé dzi na mí le eyama ŋu?

21 Nyateƒee, Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ ɖeɖe fia—eƒe tufafa, eƒe lɔlɔ̃ faa be yeaɖo to, eƒe dzigbɔɖi, eƒe nugɔmesesename—esiawo dometɔ aɖeke mefia be Yehowa ŋea aɖaba ƒua eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo dzi o. Kristodukɔa ƒe sɔlemehakplɔlawo ate ŋu asusui be ne yewotɔ tsi Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo tsɔ lũ to me na yewoƒe hameviwo la, ke efia be yewose nu gɔme na wo. (2 Timoteo 4:3) Gake amegbetɔwo ƒe didi be yewoaŋe aɖaba aƒu nanewo dzi le esi ewɔwɔ nenema ade yewo dzi ta la menye Mawu ƒe nugɔmesesename ɖeɖe fia kura o. Yehowa le kɔkɔe; matɔ tsi eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo gbeɖe o. (3 Mose 11:44) Eya ta mina míalɔ̃ Yehowa ƒe nugɔmesesename le nu si tututu wònye la ta—eƒe ɖokuibɔbɔ ƒe kpeɖodzie wònye. Ðe melé dzi na wò vevie be nàbu eŋu be Yehowa Mawu, Ame si nye nunyala gãtɔ kekeake le xexea me godoo, la nye ɖokuibɔbɔla gã oa? Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be míate ɖe Mawu gã wɔnuku sia, si ganye tufala, dzigbɔɖitɔ kple nugɔmesela ŋu kplikplikpli!

a Blematɔ agbalẽfialawo, alo Soferimwo trɔ kpukpui sia wòxlẽ be menye Yehowae nye ame si bɔbɔ eɖokui va anyi o, ke boŋ Yeremiya ye. Anɔ eme be wobui be masɔ be woagblɔ ɖokuibɔbɔ nuwɔna sia ɖe Mawu ŋu o. Le esia ta kpukpui lédziname sia ƒe gɔmesese bu le gɔmeɖeɖe geɖewo me. Gake The New English Bible ɖe egɔme wòsɔ be Yeremiya ye gblɔ na Mawu be: “Ðo ŋui, Oo ɖo ŋui, be nàbɔbɔ ɖokuiwò ava anyi nam.”

b Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo yɔe be “ɖokuibɔbɔ si do tso nunya me” kple “tufafa si nye nunya ƒe dzesi.”

c Enyo be míade dzesii be le Biblia me la, woyɔ dzigbɔɖi kple dada wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu. (Nyagblɔla 7:8) Yehowa ƒe dzigbɔɖi ganye kpeɖodzi bubu be enye ɖokuibɔbɔla.—2 Petro 3:9.

d Le Psalmo 86:5 la, wogblɔ le Yehowa ŋu be, “wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke.” Esi wonɔ psalmo sia me ɖem ɖe Helagbe me la, woɖe nyagbɔgblɔ “nèlɔ̃a tsɔtsɔke” gɔme be e·pi·ei·kesʹ, alo “nènye nugɔmesenamela.”