Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 21

Yesu Ðe ‘Nunya si Tso Mawu Gbɔ’ Fia

Yesu Ðe ‘Nunya si Tso Mawu Gbɔ’ Fia

1-3. Aleke ame siwo nɔ anyi kple Yesu tsã la wɔ nu ɖe eƒe nufiafia ŋui, eye nu kae womede dzesii le eyama ŋu o?

 NYASELAWO ƒe nu ku ale gbegbe. Ðekakpui Yesue nye ema tsi tre ɖe wo ŋgɔ le ƒuƒoƒea le nu fiam wo. Menye amedzroe wònye na wo o—woƒe du ma mee wònɔ tsi, eye ewɔ atikpadɔ le wo dome ƒe geɖe. Anɔ eme be wo dometɔ aɖewo le aƒe siwo Yesu kpe asi ɖe eŋu wotu la me, alo ɖewohĩ wozãa anyigbadzobonu kple kɔkuti siwo eya ŋutɔ tsɔ eƒe asi wɔ la le woƒe agblewo me. a Gake aleke woawɔ nu ɖe ame sia si nye atikpala tsã la ƒe nufiafia ŋui?

2 Eƒe nufiafia wɔ nuku na ame siwo nɔ to ɖomee la dometɔ geɖe wobia be: “Afi kae ame sia kpɔ nunya sia . . . tsoe?” Gake wogagblɔ hã be: “Maria ƒe vi, si nye atikpala lae nye esia.” (Mateo 13:54-58; Marko 6:1-3) Nublanuitɔe la, ame siwo nɔ anyi kple Yesu ɣemaɣi la susui be, ‘Mía kple atikpala sia koe nɔ afi sia eye ɖeko míesɔ.’ Togbɔ be nunya le eƒe nyawo me hã la, wogbee. Womenya kura be menye eya ŋutɔ gbɔe nya siwo gblɔm wònɔ na yewo siwo me nunya le la tso o.

3 Afi ka koŋue Yesu kpɔ eƒe nunya tsoe? Egblɔ be: “Nu si mefiana la menye tɔnye o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la tɔe.” (Yohanes 7:16) Apostolo Paulo ɖe eme be Yesu zu “nunya si tso Mawu gbɔ na mí.” (1 Korintotɔwo 1:30) Yehowa ɖe eya ŋutɔ ƒe nunya fia to Via Yesu dzi. Vavãe, esia nye nyateƒe matrɔmatrɔ ale gbegbe be Yesu te ŋu gblɔ be: “Nye kple Fofo la míele ɖeka.” (Yohanes 10:30) Mina míadzro mɔ etɔ̃ siwo dzi Yesu ɖe “nunya si tso Mawu gbɔ” fia le la me kpɔ.

Eƒe Nufiafiawo

4. (a) Gbedeasi vevi kae Yesu ɖe gbeƒãe, eye nu ka tae esia le vevie ŋutɔ? (b) Nu ka ta Yesu ƒe nuxlɔ̃amewo sɔna ɣesiaɣi eye woɖea vi gbogbotɔ kekeake na eƒe nyaselawo?

4 Gbã, mina míabu nu si Yesu fia ŋu kpɔ. Nu si koŋ ŋu wòƒo nu tsoe ye nye “Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la.” (Luka 4:43) Ema le vevie ŋutɔ le akpa si Fiaɖuƒea awɔ le Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli kple yayra mavɔ siwo wòahe vɛ na ameƒomea ta. Yesu ɖo aɖaŋu siwo me nunya le, si sɔ hã na gbe sia gbe gbenɔnɔ le eƒe nufiafiawo me. Eɖee fia nyateƒe be yenye “Aɖaŋuɖola Bibi” si ƒe nya wogblɔ ɖi. (Yesaya 9:6) Nyateƒee, nu ka ta eƒe aɖaŋuɖoɖowo mawɔ nuku o? Mawu ƒe Nya la kple eƒe lɔlɔ̃nu ƒe gɔmesese deto le esi, ese amegbetɔwo ƒe nɔnɔme gɔme nyuie ale gbegbe, eye lɔlɔ̃ deto le eme na ameƒomea. Le esia ta eƒe nuxlɔ̃amewo sɔna ɣesiaɣi eye wo dzi wɔwɔ aɖe vi gbogbotɔ kekeake na eƒe nyaselawo. Nya siwo Yesu gblɔ la nye “agbe mavɔ nyawo.” Nyateƒee, ne míewɔ ɖe eƒe nuxlɔ̃amewo dzi la, ana míakpɔ xɔxɔ.—Yohanes 6:68.

5. Nu vovovo siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe le Todzimawunya la me ƒe ɖewo ɖe?

5 Nunya si ƒo ɖe sia ɖe ta si dze le Yesu ƒe nufiafiawo me la ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi ɖekae nye eƒe Todzimawunya la. Mawunya sia gbɔgblɔ, abe ale si woŋlɔe ɖe Mateo 5:3–7:27 ene, axɔ abe miniti 20 pɛ ko ene. Gake nuxlɔ̃ame siwo le eme la nye esiwo nu mayi akpɔ gbeɖe o—esɔ na agbenɔnɔ egbea abe ale si wònɔ le egblɔɣi ene. Yesu ƒo nu tso nu vovovowo ŋu, siwo dometɔ aɖewoe nye ale si woana amewo dome ƒomedodo nanyo ɖe edzi (5:23-26, 38-42; 7:1-5, 12), ale si woanɔ agbe dzadzɛ (5:27-32), kple ale si woanɔ agbe si ŋu taɖodzinu nyui le (6:19-24; 7:24-27). Gake menye ɖeko Yesu gblɔ nu si wɔwɔ me nunya le na eƒe nyaselawo ko wòse ɖe afi ma o; efia ale si woawɔe hã wo, to numeɖeɖe, ŋugbledede, kple eƒe kpeɖodziwo nana le eŋu me.

6-8. (a) Susu vevi kawoe Yesu gblɔ si ta wòle be woadzudzɔ dzimaɖitsitsi? (b) Nu kae fia be nunya si tso dziƒo le Yesu ƒe nuxlɔ̃amewo me?

6 Le kpɔɖeŋu me, bu Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si me nunya le ku ɖe ale si woawɔ anɔ te ɖe dzimaɖitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo nu ŋu, abe ale si woŋlɔe ɖe Mateo ta 6 ene ŋu kpɔ. Yesu xlɔ̃ nu be: “Midzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe miaƒe agbewo ŋu le nu si miaɖu alo nu si miano ŋuti, alo le miaƒe ŋutilãwo ŋu le nu si miado ŋuti.” (Kpukpui 25) Nuɖuɖu kple nudodo nye agbemenuhiahiã veviwo, eya ta ɖikekemanɔmee la, esɔ le dzɔdzɔme nu be woabu ale si woawɔ akpɔ nu siawo ŋu. Gake Yesu le gbɔgblɔm na mí be ‘míadzudzɔ dzimaɖitsitsi’ ɖe nu siawo ŋu. b Nu ka tae?

7 Ðo to nàse Yesu ƒe numeɖeɖe si me susu le. Esi Yehowa na agbe kple ŋutilã mí ɖe, ɖe mate ŋu ana nuɖuɖu si alé agbe ma ɖe te kple nudodo si atsyɔ ŋutilã ma ŋu oa? (Kpukpui 25) Ne Mawu nyia dziƒoxewo eye wòɖoa atsyɔ̃ na seƒoƒowo la, ke aleke gbegbe wòalé be na amegbetɔ siwo dea ta agu nɛ geɖe wue nye esi! (Kpukpui 26, 28-30) Nyateƒee, susu aɖeke meli si ta míatsi dzimaɖi dzodzro ɖo o. Mate ŋu adidi míaƒe agbe ɖe edzi ɣeyiɣi sue aɖe ŋutɔ gɔ̃ hã o. c (Kpukpui 27) Aleke míawɔ aƒo asa na dzimaɖitsitsi? Yesu xlɔ̃ nu mí be: Miyi edzi miatsɔ tadedeagu na Mawu aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Ame siwo wɔa esia ate ŋu aka ɖe edzi be yewoƒe Dziƒofofo la atsɔ yewoƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo katã “akpe ɖe eŋuti” na yewo. (Kpukpui 33) Mlɔeba la, Yesu ɖo aɖaŋu aɖe si sɔ nyuie ale gbegbe—tsɔ ŋkekeawo ɖekaɖeka. Nu ka ta wòle be nàtsɔ etsɔ si gbɔna ƒe dzimaɖitsitsiwo akpe ɖe egbe tɔwo ŋu? (Kpukpui 34) Azɔ hã, nu ka ta nàtsi dzi dzodzro ɖe nu siwo ɖewohĩ womadzɔ gbeɖe o ŋu? Nuxlɔ̃ame siawo siwo me nunya le la dzi wɔwɔ ate ŋu ana míavo tso dzigbagbã si bɔ ɖe egbexexe sia si yɔ fũu kple nuteɖeamedziwo la me.

8 Eme kɔ ƒãa be Yesu ƒe nuxlɔ̃amea sɔ na agbenɔnɔ egbea abe ale si wònɔ esime wòna nuxlɔ̃ame ma anye ƒe 2,000 ye nye esi va yi ene. Ðe esia menye nunya si tso dziƒo ƒe kpeɖodzi oa? Amegbetɔ aɖaŋuɖolawo ƒe aɖaŋuɖoɖo nyuitɔwo kekeake gɔ̃ hã va zua tsigãdzinu eye wogbugbɔ trɔa asi le wo ŋu alo ɖɔa li wo kura le ɣeyiɣi aɖe megbe. Evɔ Yesu ƒe nufiafiawo ya nu mayi akpɔ o, wosɔ pɛpɛpɛ ɖe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe nu. Gake mele be ema nawɔ nuku na mí o, elabena ‘Mawu ƒe nyawoe’ Aɖaŋuɖola Bibi sia gblɔ.—Yohanes 3:34.

Ale Si Wòfiaa Nui

9. Nya kae asrafo aɖewo gblɔ tso Yesu ƒe nufiafia ŋu, eye nu ka ta esia menye amiɖeɖeɖenya o?

9 Mɔ evelia si dzi Yesu ɖe Mawu ƒe nunya fia lee nye ale si wòfiaa nui. Ɣeaɖeɣi la, asrafo siwo wodɔ be woava lé Yesu la trɔ gbɔ asi ƒuƒlu, hegblɔ be: “Ame aɖeke meƒo nu alea kpɔ o.” (Yohanes 7:45, 46) Menye ɖe woɖe ami ɖe nyaa o. Le amegbetɔ siwo katã nɔ anyi kpɔ dome la, Yesu, ame si ‘tso dziƒo,’ sie nunya kple nuteƒekpɔkpɔ gbogbotɔ le si wòate ŋu azã. (Yohanes 8:23) Vavãe, efia nu le mɔ si ame bubu aɖeke mate ŋui o la nu. Bu Nufiala nyanu sia ƒe nufiafiamɔnuwo dometɔ eve ko ŋu kpɔ.

“Amehawo ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta”

10, 11. (a) Nu ka tae ale si Yesu zã kpɔɖeŋuwoe la wɔa nuku na mí? (b) Nu kawoe nye lododowo, eye kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be Yesu ƒe lododowo sɔ nyuie na nufiafia?

10 Kpɔɖeŋuwo zazã nyuie. Biblia gblɔ be: ‘Yesu gblɔ nya siawo katã na ameha la le kpɔɖeŋuwo me. Le nyateƒe me la, meƒoa nu na wo ne menye le kpɔɖeŋuwo me o.’ (Mateo 13:34) Ŋutete si le esi, si ame bubu aɖeke tɔ mede enu o, be wòtoa nu siwo amewo wɔna gbe sia gbe dzi fiaa nyateƒenya goglowo la wɔ nuku ale gbegbe. Agbledela siwo le nukuwo ƒãm, nyɔnu siwo le amɔwɔ blum, ɖevi siwo le fefem le asi me, tɔƒodela siwo le woƒe ɖɔ hem, alẽkplɔla siwo le woƒe alẽ si bu dim—nu siawo katã nye nu siwo teƒe eƒe nyaselawo kpɔ zi gbɔ zi geɖe. Ne wogblɔ nyateƒenya veviwo tɔ ɖe nu siwo amewo nya nyuie ŋu la, enaa nyateƒe mawo tsia woƒe susu kple dzi me nyuie wu.—Mateo 11:16-19; 13:3-8, 33, 47-50; 18:12-14.

11 Yesu zã lododowo, si nye ŋutinya kpui siwo me wokpɔa agbenɔnɔ alo gbɔgbɔ me nyateƒenyawo tsonɛ, enuenu. Esi wònye be wote ŋu sea ŋutinyawo gɔme heɖoa ŋku wo dzi bɔbɔe wu nyawo gbɔgblɔ gbadzaa ko ta la, lododoawo na wònɔ bɔbɔe be Yesu ƒe nufiafia tsi susu me na amewo. Le Yesu ƒe lododoawo dometɔ geɖe me la, ewɔ kpɔɖeŋu siwo tsia susu me na ame, siwo womate ŋu aŋlɔ be bɔbɔe o, tsɔ ƒo nu tso Fofoa ŋui. Le kpɔɖeŋu me, ame kae mate ŋu ase nufiame si le vi nudomegblẽla ƒe lododoa me—be ne ame si tra mɔ la ɖe dzimetɔtrɔ vavã fia la, Yehowa akpɔ nublanui nɛ eye wòagaxɔe atuu—la gɔme o?—Luka 15:11-32.

12. (a) Aleke Yesu zã nyabiasewo le eƒe nufiafia mee? (b) Aleke Yesu de ga nu na ame siwo tɔ gbe afi si wòkpɔ eƒe ŋusẽ tsoe?

12 Ezã nyabiasewo aɖaŋutɔe. Yesu zã nyabiasewo be wòana eƒe nyaselawo ŋutɔ naƒo nya ta na wo ɖokui, be wòatsɔ ado woƒe dzimesusuwo akpɔ, alo be wòana woawɔ nyametsotso. (Mateo 12:24-30; 17:24-27; 22:41-46) Esi subɔsubɔhakplɔlawo tɔ gbe Yesu be Mawu gbɔe wòkpɔ eƒe ŋusẽa tsoe hã la, eya hã bia wo be: “Dziƒoe Yohanes ƒe amenyɔnyrɔ ɖe tsi me la tso loo alo amegbetɔwo gbɔe wòtso?” Esi biabia ma na wotɔtɔ la, wodzro eme le wo nɔewo dome be: “Ne míegblɔ be, ‘Dziƒoe wòtso’ la, abia be, ‘Ekema nu ka tae miexɔ edzi se o?’ Evɔ atse meble mí míagblɔ be, ‘Amegbetɔwo gbɔe wòtso’ o. Wole vɔvɔ̃m na ameha la, elabena wo katã wobua Yohanes be enye nyagblɔɖila ŋutɔŋutɔ.” Mlɔeba la, woɖo eŋu be: “Míenya o.” (Marko 11:27-33; Mateo 21:23-27) Yesu to biabia bɔbɔe aɖe dzi de ga nu na wo eye esia ɖe vɔɖivɔ̃ɖi si le dzi me na wo la fia.

13-15. Aleke Samariatɔ havilɔ̃la la ƒe lododoa ɖe Yesu ƒe nunya fiae?

13 Ɣeaɖewoɣi la, Yesu toa mɔnu vovovowo dzi tsɔa biabia siwo na wobua tame la dea eƒe kpɔɖeŋuwo me. Esi Yudatɔ senyala aɖe bia Yesu nu si wòle be wòawɔ be wòakpɔ agbe mavɔ la, Yesu he eƒe susu yi Mose ƒe Sea dzi, si bia be woalɔ̃ Mawu kple ame havi. Esi ŋutsua di be yeaɖee afia be yele dzɔdzɔe ta la, ebia be: “Ame ka tututue nye hanyevi?” Yesu gblɔ ŋutinya aɖe tsɔ ɖo eŋu nɛ. Yudatɔ aɖe nɔ mɔ zɔm esi wòva dze adzodalawo si me, woƒoe eye wogblẽe ɖi wòku afã kple afã. Yudatɔ eve to mɔ ma va yina, ame gbãtɔ nye nunɔla eye evelia nye Lewi vi. Wo katã wogblẽe ɖi heto eŋu yi. Gake Samariatɔ aɖe hã va do goe. Eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu, eye wòtsɔ beléle bla ŋutsua ƒe abiwo eye wòtsɔe yi amedzrodzeƒe lɔlɔ̃tɔe be woakpɔ edzi wòahaya. Le ŋutinyaa nu wuwu la, Yesu bia ame si bia nyae la be: “Ame etɔ̃ siawo dometɔ kae nèsusu be ewɔ eɖokui havi na ame si dze adzodalawo si me?” Ezu dzizizi na ŋutsua be wòaɖo eŋu be: “Ame si kpɔ nublanui nɛ lae.”—Luka 10:25-37.

14 Aleke lododoa ɖe nunya si le Yesu si fiae? Le Yesu ƒe ŋkekea me la, Yudatɔwo bua ame siwo wɔna ɖe woƒe kɔnyinyiwo dzi la be woawo koe nye ‘yewo havi’—ke menye Samariatɔwo kura o. (Yohanes 4:9) Ne ɖe Yesu gblɔ ŋutinyaa wònye Samariatɔe dze adzodalawo si me eye Yudatɔe nye kpekpeɖeŋunala la, anye ne ɖe ema atrɔ woƒe nazãbubua? Nunyatɔe la, Yesu trɔ asi le ŋutinyaa ŋu ale be Samariatɔe tsɔ beléle tɔxɛ na Yudatɔ. Gade dzesi nya si Yesu bia le ŋutinyaa ƒe nuwuwu hã. Etrɔ eƒe susu ɖa tso ame si woabu ‘ame havii’ la dzi. Ne woagblɔe la, nya si tututu biam senyala la lee nye: ‘Ame kae wòle be maɖe nye havilɔlɔ̃ afia?’ Gake Yesu bia be: “Ame etɔ̃ siawo dometɔ kae nèsusu be ewɔ eɖokui havi?” Menye ame si wonyo dɔme na, si nye ame si dzi nya dzɔ ɖo, dzie Yesu he susu yi o ke boŋ ame si nyo dɔme na ame, si nye Samariatɔ la dzie. Ame si nye havi nyui ŋutɔŋutɔ tsona le eɖokui si ɖea lɔlɔ̃ fiaa amewo eɖanye afi kae wotso o. Mɔnu nyuitɔ kekeake aɖeke megali si dzi Yesu ato aɖe nufiame sia afia wu ema o.

15 Eya ta ɖe wòwɔ nuku be ‘ale si Yesu fiaa nui’ la na amehawo ƒe nu ku eye wote ɖe eŋua? (Mateo 7:28, 29) Ɣeaɖeɣi la, “ameha gã aɖe” nɔ eŋu anɔ ŋkeke etɔ̃ sɔŋ, eye womeɖu nu gɔ̃ hã o!—Marko 8:1, 2.

Ale Si Wònɔ Agbee

16. Mɔ ka nue Yesu ‘ɖee fia ŋutɔŋutɔ’ le be Mawu ƒe nunyae nɔ ye kplɔm?

16 Mɔ etɔ̃lia si dzi Yesu ɖe Yehowa ƒe nunya fia lee nye eƒe agbenɔnɔ. Nunya nye nu si wotsɔ dea dɔwɔwɔ me; ewɔa dɔ. Nusrɔ̃la Yakobo bia be: “Ame kae nye nunyala . . . le mia dome?” Eyome eɖo eya ŋutɔ ƒe biabiaa ŋu be: “Netsɔ agbenɔnɔ nyui ɖe eƒe dɔwɔwɔwo fia.” (Yakobo 3:13) Ale si Yesu wɔ nui la ‘ɖee fia ŋutɔŋutɔ’ be Mawu ƒe nunyae nɔ ekplɔm. Mina míadzro ale si wòzã nuŋububu nyuie le ale si wònɔ agbee kple le ale si wòwɔ nu ɖe amewo ŋui me.

17. Nu kawoe ɖee fia be Yesu da sɔ bliboe le eƒe agbe me?

17 Ède dzesii be ame siwo mebua nuwo ŋu nyuie o la wɔa nu wògbɔa eme zi geɖea? Ɛ̃, ebia be woadze nunya be woada asɔ. Yesu da sɔ bliboe le Mawu ƒe nunya ɖeɖe fia me. Ƒo wo katã ta la, etsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me. Eƒo eɖokui ɖe nya nyui gbɔgblɔ dɔa me vevie. Egblɔ be: “Esia tae meva ɖo.” (Marko 1:38) Menye ŋutilãmenuwoe nye nu vevitɔwo nɛ o; edze abe ŋutilãmenu ʋɛ aɖewo koe nɔ esi ene. (Mateo 8:20) Gake menye nuteameɖokuilae wònye o. Yesu nye ame si dzi dzɔna, abe Fofoa, ame si nye “Mawu dzidzɔtɔ la” ene, eye wòwɔ nu siwo gadzi amewo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi na wo. (1 Timoteo 1:11; 6:15) Esime wòde srɔ̃kpekpe aɖe—wɔna si me haƒoƒo, hadzidzi, kple aseyetsotso nɔna zi geɖe—la, menye ɖe wòyi afi ma be yeagblẽ dzidzɔ si kpɔm wonɔ le azãɖuɖua me la me o. Esi woƒe wain vɔ la, etrɔ tsi wòzu wain nyuitɔ, si nye nunono si “doa dzidzɔ na amegbetɔ ƒe dzi.” (Psalmo 104:15; Yohanes 2:1-11) Yesu xɔ amekpekpe geɖe yi nuɖuƒewo, eye zi geɖe la, ezãa ɣeyiɣi mawo tsɔ fiaa nui.—Luka 10:38-42; 14:1-6.

18. Aleke Yesu bu susu nyui ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le nuwɔwɔ ɖe wo ŋu mee?

18 Yesu bu susu nyui ɖe amewo ŋu le eƒe nuwɔwɔ kpli wo me. Nugɔmesese si su esi tso amegbetɔ ƒe nɔnɔme ŋu la na wòbu susu nyui ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu. Enya nyuie be womede blibo o. Ke hã ekpɔ woƒe nɔnɔme nyuiwo dze sii keŋ. Ekpɔ ŋutete si le ŋutsu siawo siwo Yehowa he vɛ la si. (Yohanes 6:44) Yesu ɖee fia be yelɔ̃ faa be yeaka ɖe wo dzi togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo nɔ wo ŋu hã. Etsɔ agbanɔamedzi gã aɖe de eƒe nusrɔ̃lawo si tsɔ ɖe kakaɖedzi ma fiae. Ede dɔ asi na wo be woaɖe gbeƒã nya nyuia, eye eka ɖe ŋutete si le wo si be woawɔ dɔ ma ade goe la dzi. (Mateo 28:19, 20) Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ɖo kpe edzi be woyi edzi wɔ dɔ si wode asi na wo be woawɔ la pɛpɛpɛ nuteƒewɔwɔtɔe. (Dɔwɔwɔwo 2:41, 42; 4:33; 5:27-32) Eya ta edze ƒãa be Yesu ɖe nunya fia be wòka ɖe wo dzi.

19. Aleke Yesu ɖee fiae be ‘yefa tu, eye yebɔbɔ ye ɖokui ɖe anyi le dzi me’?

19 Abe ale si míede dzesii le Ta 20 lia me ene la, Biblia yɔ ɖokuibɔbɔ kple tufafa tɔ ɖe nunya ŋu. Ele eme baa be Yehowae nye ame si ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake le go sia me. Ke Yesu hã ɖe? Ðokuibɔbɔ si Yesu ɖe fia le nuwɔwɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu me kpɔkpɔ dze sii léa dzi na ame ale gbegbe. Esi wònye ame deblibo ta la, ede ŋgɔ wu wo. Ke hã medo vlo eƒe nusrɔ̃lawo o. Mete kpɔ gbeɖe be yeana woase le wo ɖokui me be wole tsɛ alo be ŋutete boo mele wo ŋu o. Ke boŋ ebu afi si woƒe ŋutetewo se ɖo ŋu eye wògbɔ dzi ɖi na wo le woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me. (Marko 14:34-38; Yohanes 16:12) Ðe meɖe dzesi ŋutɔ be ɖeviwo gɔ̃ hã ɖe dzi ɖi faa le Yesu gbɔ oa? Wodi godoo be yewoate ɖe eŋu elabena wosee le wo ɖokui me be enye ame si ‘fa tu, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me.’—Mateo 11:29; Marko 10:13-16.

20. Aleke Yesu ɖe nugɔmesesename fia le ale si wòwɔ nu ɖe nyɔnu Dukɔwo me tɔwo si ƒe vinyɔnu me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ŋu la mee?

20 Yesu gaɖe mawumeɖokuibɔbɔ fia le mɔ vevi bubu aɖe hã nu. Enye nugɔmesenamela, alo eɖea asi le nya ŋu, ne nublanuikpɔkpɔ na wòsɔ be wòawɔe nenema. Le kpɔɖeŋu me, ɖo ŋku ɣeyiɣi si me nyɔnu aɖe si nye Dukɔwo me tɔwo ɖe kuku nɛ be wòada gbe le ye vinyɔnu si gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ funyafunya wɔmee vevie ŋu la dzi. Le mɔ vovovo etɔ̃ nu la, Yesu ɖee fia do ŋgɔ be yemakpe ɖe eŋu o—gbã la, to ale si wògbe nyaŋuɖoɖo nɛ dzi; evelia, to ale si wògblɔe tẽe be womedɔ ye ɖe Dukɔwo me tɔwo gbɔ o ke boŋ ɖe Yudatɔwo gbɔ dzi; eye etɔ̃lia, to kpɔɖeŋu aɖe wɔwɔ nɛ dɔmenyotɔe si wògatsɔ te gbe ɖe nya ma ke dzii la dzi. Gake nyɔnua mena ta o, si ɖe eƒe xɔse si tɔgbi mebɔ o la fia. Aleke Yesu wɔ nui le nɔnɔme sia si tɔgbi mebɔ o la ŋu bubu me? Nu si tututu wògblɔ do ŋgɔ be yemawɔ o lae wòwɔ. Eda gbe le nyɔnua ƒe vinyɔnu ŋu. (Mateo 15:21-28) Ðe esia menye ɖokuibɔbɔ si ɖe dzesi ŋutɔ oa? Eye ɖo ŋku edzi be ɖokuibɔbɔ dzie nunya vavãtɔ nɔ te ɖo.

21. Nu ka ta wòle be míadze agbagba asrɔ̃ Yesu ƒe amenyenye, eƒe nuƒoƒo, kple eƒe nuwɔnawo?

21 Aleke gbegbe míedaa akpee nye si be ame si nye nunyala gãtɔ si nɔ anyi kpɔ la ƒe nyawo kple nuwɔnawo le Nyanyuigbalẽawo me na mí! Mina wòanɔ susu me na mí be Yesu nye ame si ɖe Fofoa ƒe nɔnɔme fia bliboe. Ne míesrɔ̃ Yesu ƒe amenyenye, eƒe nuƒoƒo, kple eƒe nuwɔnawo la, nunya si tso dziƒo va sua mía si. Le ta si kplɔe ɖo me la, míakpɔ ale si míate ŋu awɔ mawumenunya ŋu dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me.

a Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, wozãa atikpalawo le xɔtutu, xɔmenuwo, kple agbledɔwɔnuwo kpakpa me. Justin Martyr, si nɔ anyi le ƒe alafa evelia K.Ŋ. me, ŋlɔ tso Yesu ŋu be: “Wonyae nyuie be enye ame si wɔa atikpadɔ ɣesiaɣi le amewo dome eye wòkpaa anyigbadzobonuwo kple kɔkutiwo.”

b Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be “woatsi dzimaɖi” fia be “woana nu nahe ame ƒe susu ɖa.” Ale si wozãe le Mateo 6:25 la fia dzodzodzoetsitsi si xɔa ame ƒe susu alo maa susua me, eye wònaa dzidzɔ buna ɖe ame le agbe me.

c Le nyateƒe me la, atikewɔwɔ me numekuku ɖee fia be dzitsitsi kple nuteɖeamedzi fũu ate ŋu ana woaxɔ dzidɔ kple dɔ bubu geɖe siwo ate ŋu atso ame ƒe agbe dzi.