Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 22

Ðe Nèzãa “Nunya Si Tso Dziƒo” Le Wò Agbenɔnɔ Mea?

Ðe Nèzãa “Nunya Si Tso Dziƒo” Le Wò Agbenɔnɔ Mea?

1-3. (a) Aleke Salomo ɖe nunya si tɔgbi mebɔ o fia le ale si wòkpɔ nyaʋiʋli si ku ɖe ame si nye vidzĩ aɖe dada ŋu ƒe nya gbɔe me? (b) Nu kae Yehowa do ŋugbe be yeana mí, eye biabia kawoe fɔ ɖe te?

 NYA sesẽ aɖee dzɔ—nyɔnu eve nɔ dzre wɔm ɖe vidzĩ aɖe ta. Nyɔnuawo nɔ aƒe ɖeka me, wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi ŋutsuvi, eye ŋkeke ʋɛ aɖe koe tso wo dome. Vidzĩawo dometɔ ɖeka ku, eye fifia nyɔnuawo dometɔ ɖe sia ɖe le gbɔgblɔm be yee nye vidzĩ gbagbea dada. a Ðasefo aɖeke meli si kpɔ nu si dzɔ la teƒe o. Anɔ eme be wotsɔ nyaa yi ʋɔnudrɔ̃ƒe sue gake womete ŋu kpɔ ta nɛ o. Mlɔeba la, wotsɔ nyaʋiʋlia yi Salomo, si nye Israel-fia gbɔe. Ðe wòate ŋu aʋu go nyateƒea?

2 Esi Salomo ɖo to nyɔnuawo ƒe nyahehea sẽe la, ebia be woatsɔ yi vɛ. Eye esi wòdze abe ɖe wòɖoe kplikpaa ene la, eɖe gbe be woafe ɖevia me ɖe eve, eye woatsɔ afã afã ana nyɔnuawo dometɔ ɖe sia ɖe. Enumake vidadaa ŋutɔ ɖe kuku na fia la be wòatsɔ vidzĩa—via si wòlɔ̃ vevie la—ana nyɔnu kemɛa. Gake nyɔnu evelia yi edzi nɔ tɔ tem ɖe edzi be woafe ɖevia me. Azɔ Salomo kpɔ nyateƒea. Enya ale si vidada ƒe dɔme trɔna ɖe eƒe dɔmevi ŋui, eye wòzã sidzedze ma tsɔ kpɔ nyaʋiʋlia gbɔe. Bu ale si vidadaa ƒe dzi adze emee, esi Salomo tsɔ vidzĩa nɛ eye wògblɔ be, “eyae nye dadaa” ŋu kpɔ.—1 Fiawo 3:16-27.

3 Ðe menye nunya si tɔgbi mebɔ o ye nye ema oa? Esi ameawo se ale si Salomo kpɔ nyaa gbɔe la, ewɔ nuku na wo eye vɔvɔ̃ ɖo wo, “elabena wokpɔe be, Mawu ƒe nunya le eya amea me.” Ɛ̃, Salomo ƒe nunya la nye nu si wòxɔ tso Mawu gbɔ. Yehowa tsɔ “dzi nyanu si sea nu gɔme” nɛ. (1 Fiawo 3:12, 28) Ke míawo hã ɖe? Ðe míawo hã míate ŋu axɔ nunya si tso Mawu gbɔa? Ɛ̃, míate ŋui, elabena gbɔgbɔ ʋã Salomo wòŋlɔ be: “Yehowae naa nunya.” (Lododowo 2:6) Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ nunya—ŋutete be woatsɔ sidzedze, nugɔmesese, kple vovototodedenume ade dɔwɔwɔ si ɖea vi me—ana ame siwo dinɛ tso dzi dzadzɛ me. Gake aleke míawɔ be nunya sia si tso dziƒo nava su mía si? Eye aleke míate ŋu azãe le míaƒe agbe mee?

“Dze Nunya”—Aleke?

4-7. Nudidi ene kawoe hiã be nunya nasu mía si?

4 Ðe wòle be míanye susuɖaɖɛtɔwo alo be míanye agbalẽnyalagãwo hafi Mawu ƒe nunya nasu mía sia? Ao. Yehowa lɔ̃ faa be yeana yeƒe nunya mí metsɔ le eme nɔnɔme si me míele le agbe me alo afi si míede suku ɖoe o. (1 Korintotɔwo 1:26-29) Gake míawoe wòle be míawɔ afɔɖeɖea, elabena Biblia de dzi ƒo na mí be ‘míadze nunya.’ (Lododowo 4:7) Aleke míate ŋu awɔ esiae?

5 Gbã la, ehiã be míavɔ̃ Mawu. Lododowo 9:10 gblɔ be: “Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze.” Mawu vɔvɔ̃e nye nunya vavã ƒe gɔmeɖoanyi. Nu ka tae? Ðo ŋku edzi be nunyae nye ŋutete be woatsɔ sidzedze ade dɔwɔwɔ si ɖea vi me. Be woavɔ̃ Mawu mefia be woahe ɖa le egbɔ le ŋɔdziléame ta o, ke boŋ be woade ta agu nɛ le sisiɖa, bubu deto, kple kakaɖeamedzi me. Vɔvɔ̃ siae nye vɔvɔ̃ nyuitɔ eye ekpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi vevie. Eʋãa mí be míatrɔ míaƒe agbenɔnɔ wòasɔ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe mɔwo ƒe sidzedze si su mía si. Nuwɔna aɖeke megali si me nunya le wu esia o, elabena Yehowa ƒe dzidzenuwo hea viɖe gbogbotɔ kekeake vɛ na ame siwo wɔa wo dzi.

6 Evelia, ele be míanye ɖokuibɔbɔlawo eye míanya míaƒe ŋutetewo ƒe seɖoƒe. Mawu ƒe nunya mate ŋu asu mía si ne míenye ɖokuibɔbɔlawo o. (Lododowo 11:2) Nu ka tae wòle nenema? Ne míenye ɖokuibɔbɔlawo la, míalɔ̃ ɖe edzi bɔbɔe be menye nu sia nue míenya o, be menye ɣesiaɣie míaƒe susuwo sɔna o, eye be ehiã be míanya nu si nye Yehowa ƒe susu le nyawo ŋu. Yehowa “tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu,” ke edzɔa dzi nɛ be yeana nunya ame siwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le dzi me.—Yakobo 4:6.

7 Nu etɔ̃lia si le vevie ye nye Mawu ƒe Nya si woŋlɔ la sɔsrɔ̃. Yehowa ɖe eƒe nunya fia le eƒe Nya la me. Be eƒe nunya ma nasu mía si la, ele be míadze agbagba aku nu me adii. (Lododowo 2:1-5) Nudidi eneliae nye gbedodoɖa. Ne míebia tso dzi me be Mawu nana nunya mí la, ana mí faa dɔmenyotɔe. (Yakobo 1:5) Magbe gbe siwo míedona ɖa be wòana eƒe gbɔgbɔa nakpe ɖe mía ŋu la ŋuɖoɖo o. Eye eƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míake ɖe kesinɔnu siwo le eƒe Nya la me ŋu, si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ kuxiwo gbɔ, míaƒo asa na afɔkuwo, eye míawɔ tiatia siwo me nunya le.—Luka 11:13.

Be Mawu ƒe nunya nasu mía si la, ele be míadze agbagba aku nu me atsɔ adii

8. Ne Mawu ƒe nunya su mía si vavã la, nu kawo mee wòadze le?

8 Abe ale si míede dzesii le Ta 17 lia me ene la, Yehowa ƒe nunya sɔna ɣesiaɣi na agbenɔnɔ. Eya ta ne Mawu ƒe nunya su mía si vavã la, adze le ale si míewɔa nui me. Nusrɔ̃la Yakobo ɖɔ mawumenunya ƒe kutsetsewo esi wòŋlɔ be: “Nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛ, azɔ hã, ewɔa ŋutifafa, esea nu gɔme, elɔ̃na faa ɖoa to, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũu, medea vovototo amewo me o, alakpanuwɔwɔ mele eme o.” (Yakobo 3:17) Esi míele Mawu ƒe nunya ƒe akpa siawo dometɔ ɖe sia ɖe me dzrom la, asɔ be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe mezãa nunya si tso dziƒo le nye agbenɔnɔ mea?’

“Ele Dzadzɛ, Azɔ Hã, Ewɔa Ŋutifafa”

9. Nu kae wòfia be woanɔ dzadzɛ, eye nu ka tae wòsɔ be dzadzɛnyenyee nye nɔnɔme gbãtɔ si woyɔ be ehiã hena nunya ƒe ame si susu?

9 “Gbã la, ele dzadzɛ.” Be woanɔ dzadzɛ fia be woanɔ kɔkɔe ɖimaƒomaƒoe, menye le gotagome ko o ke le ememe hã. Biblia yɔ nunya tɔ ɖe dzi ŋu, gake dziƒonunya mate ŋu age ɖe dzi si tamesusu, dzodzro, kple taɖodzinu vɔ̃wo ƒo ɖii la me o. (Lododowo 2:10; Mateo 15:19, 20) Gake ne míaƒe dzi me le dzadzɛ—si nye va se ɖe afi si wòanya wɔ na amegbetɔ madeblibowo ase ɖo—la, ‘míate ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ eye míawɔ nu nyui.’ (Psalmo 37:27; Lododowo 3:7) Ðe mesɔ ŋutɔ be dzadzɛnyenyee nye nɔnɔme gbãtɔ si woyɔ be ehiã hena nunya ƒe ame si susu oa? Nya lae nye be ne míele dzadzɛ le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me o la, aleke míate ŋu aɖe nunya si tso dziƒo ƒe nɔnɔme bubuawo afia ŋutɔŋutɔe?

10, 11. (a) Nu ka tae wòle vevie be míanye ŋutifafamewo? (b) Ne èkpɔ be yedze agɔ le hati tadeagula aɖe dzi la, aleke nàte ŋu aɖee afiae be yenye ŋutifafalɔ̃la? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

10 “Ewɔa ŋutifafa.” Dziƒonunya ʋãa mí be míati ŋutifafa, si nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa aɖe, la yome. (Galatiatɔwo 5:22) Míeʋlina be míatsri mamadede “ŋutifafa ƒe nublanu” si bla Yehowa ƒe amewo ɖekae la me. (Efesotɔwo 4:3) Míewɔa nu sia nu si míate ŋui hã be míakpɔ ŋutifafa si le mía kple amewo dome la ta ne nugɔmemasemase aɖe do mo ɖa. Nu ka ta esia le vevie? Biblia gblɔ be: ‘Miyi edzi mianɔ anyi le ŋutifafa me, eye lɔlɔ̃ kple ŋutifafa ƒe Mawu la anɔ anyi kpli mi.’ (2 Korintotɔwo 13:11) Eya ta zi ale si míeyi edzi nɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me la, ŋutifafa Mawu la anɔ anyi kpli mí. Ale si míewɔa nu ɖe mía hati tadeagulawo ŋui la wɔa akpa vevi aɖe le mía kple Yehowa dome ƒomedodo me. Aleke míate ŋu aɖee afia be míenye ŋutifafalɔ̃lawo? Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ.

11 Nu kae nàwɔ ne èkpɔe be yedze agɔ le hati tadeagula aɖe dzi? Yesu gblɔ be: “Ne ètsɔ wò nunana va vɔsamlekpuia gbɔ, eye nèɖo ŋku edzi le afi ma be nya aɖe le nɔviwò si ɖe ŋuwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afi ma le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nàdzo ayi. Wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana.” (Mateo 5:23, 24) Àte ŋu awɔ ɖe nuxlɔ̃ame ma dzi ne èxɔ ŋgɔ ɖe afɔ heyi nɔviwòa gbɔ. Kple taɖodzinu ka? Be ‘nàwɔ ŋutifafa.’ b Be nàte ŋu awɔ ema la, ahiã be nàlɔ̃ ɖe edzi be yewɔ nu si vee, menye be nàgbe lɔlɔ̃ ɖe edzi o. Ne ète ɖe eŋu kple taɖodzinu be miadzra mia nɔewo dome ɖo ne ŋutifafa naganɔ anyi eye mètrɔ taɖodzinu ma o la, anɔ bɔbɔe be miate ŋu aɖe nugɔmemasemase ɖe sia ɖe ɖa, aɖe kuku, ahatsɔ ake mia nɔewo. Ne èxɔ ŋgɔ wɔ ŋutifafa la, ekema èle eɖem fia be Mawu ƒe nunyae le ye kplɔm.

“Esea Nu Gɔme, Elɔ̃na Faa Ðoa To”

12, 13. (a) Nu kae nya si gɔme woɖe be “esea nu gɔme” le Yakobo 3:17 la fia? (b) Aleke míate ŋu aɖee afia be míenye nugɔmeselawo?

12 “Esea nu gɔme.” Nu kae wòfia be woanye nugɔmesela? Agbalẽnyalawo gblɔ be Helagbe me nya si gɔme woɖe le Yakobo 3:17 be “esea nu gɔme” nye nya si gɔmeɖeɖe sesẽ. Susu si be ɖe nya ma mee nye “eɖea asi le nya ŋu.” Gbegɔmeɖelawo zã nyawo abe “efaa tu,” “eléa eɖokui,” kple “ebua ame ŋu.” Aleke míate ŋu aɖee afia be míezãa nunya si tso dziƒo le go sia mee?

13 Filipitɔwo 4:5 gblɔ be: “Amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye. Aƒetɔ la gogo.” Biblia gɔmeɖeɖe bubu xlẽ be: “Mina woadze si mi be mienye nugɔmesenamelawo.” (The New Testament in Modern English, si gɔme J. B. Phillips ɖe) De dzesii be menye nya lae nye ale si míawo míebua mía ɖokui o; ale si ame bubuwo bua míi, ale si wodze si míi, koŋ dzie wònɔ te ɖo. Nugɔmesela metea tɔ ɖe sea dzi kpaɖii ɣesiaɣi o, alo metea tɔ ɖe edzi be woawɔ nuwo ale si yedii kokoko o. Ke boŋ elɔ̃na faa be yeaɖo to ame bubuwo, eye le afi si wòasɔ le la, be yeaɖe asi le nya ŋu awɔ ɖe woƒe didiwo dzi. Enye ame si fa tu hã le eƒe nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu me, ke menye ame si ƒe nya me sẽ o. Togbɔ be esia le vevie na Kristotɔwo katã hã la, egahiã vevietɔ na ame siwo nye hamemetsitsiwo. Tufafa hea amewo ɖe ame ŋu, enaa wote ŋu tena ɖe hamemetsitsiwo ŋu bɔbɔe. (1 Tesalonikatɔwo 2:7, 8) Asɔ be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe wodze sim be menye ame si bua ame ŋu, ame si ɖea asi le nya ŋu bɔbɔe, kple ame si fa tua?’

14. Aleke míate ŋu aɖee afia be míenye ame siwo ‘lɔ̃na faa ɖoa to’?

14 “Elɔ̃na faa ɖoa to.” Helagbe me nya si gɔme woɖe be “elɔ̃na faa ɖoa to” megadze le teƒe bubu aɖeke le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me o. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be “asrafowo ƒe hehexɔxɔ mee wolɔ̃a [nya sia] zazã le.” Gɔmesese si dze le emee nye “be woaxɔ nya ade eme bɔbɔe” kple “be woabɔbɔ ɖe ame te.” Ame si nunya si tso dziƒo fiaa mɔe la lɔ̃na faa be yeabɔbɔ ɖe nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ la te. Womenyanɛ le eŋu be enye ame si wɔa eƒe nyametsotso eye wògbea nya sia nya si tsi tre ɖe etɔ ŋu la xɔxɔ o. Ke boŋ ne wofia Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi si me kɔ ƒãae be akpa si wòle mesɔ o alo be nyametsotso si wòwɔ mesɔ o la, elɔ̃na faa be yeawɔ tɔtrɔ kaba. Ame sia tɔgbie wonya wò be nènyea?

“Nublanuikpɔkpɔ Kple Kutsetse Nyuiwo Yɔe Fũu”

15. Nu kae nye nublanuikpɔkpɔ, eye nu ka tae wòsɔ be woyɔ “nublanuikpɔkpɔ” kple “kutsetse nyuiwo” ɖekae le Yakobo 3:17?

15 “Nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũu.” c Nublanuikpɔkpɔ nye nunya si tso dziƒo ƒe akpa vevi aɖe, elabena wogblɔ le nunya sia ŋu be “nublanuikpɔkpɔ . . . yɔe fũu.” De dzesii be woyɔ “nublanuikpɔkpɔ” kple “kutsetse nyuiwo” siaa ɖekae. Esia sɔ, elabena le Biblia me la, zi geɖe nublanuikpɔkpɔ fia ɖetsɔtsɔ le eme na amewo vevie, enye dɔmetɔtrɔ ɖe ame ŋu si tsea nyuiwɔwɔ ƒe ku geɖe. Numekugbalẽ aɖe ɖe nublanuikpɔkpɔ gɔme be enye “vevesese ɖe nɔnɔme manyomanyo si me ame aɖe ge ɖo la nu kple agbagbadzedze be woawɔ nane tso eŋu.” Eya ta mawumenunya menye esi me vevemasemaseɖeamenu alo ɖekematsɔleme le o, eye menye nunyanya ɖe susu me eŋudɔmawɔmawɔe hãe wònye o. Ke boŋ enye esi sea veve ɖe ame nu lɔlɔ̃tɔe, etsoa dzi me na ame, eye etsɔa ɖe le amewo ƒe nɔnɔmewo me. Aleke míate ŋu aɖee afiae be nublanuikpɔkpɔ yɔ mí fũu?

16, 17. (a) Hekpe ɖe lɔlɔ̃ na Mawu ŋu la, nu ka hãe gaʋãa mí míeƒoa mía ɖokui ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me, eye nu ka tae? (b) Mɔ kawo nue míate ŋu aɖee afia le be nublanuikpɔkpɔ yɔ mí fũu?

16 Mɔnu vevi ɖekae nye to Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gbɔgblɔ na amewo me. Nu kae ʋãa mí míeƒoa mía ɖokui ɖe dɔ sia wɔwɔ me? Lɔlɔ̃ na Mawu koŋ ye. Gake nublanuikpɔkpɔ, alo dɔmetɔtrɔ ɖe amewo ŋu, hã ʋãa mí. (Mateo 22:37-39) Egbea “wowɔ fu [ame geɖe], eye wotsi yame abe alẽ siwo nu kplɔla mele o la ene.” (Mateo 9:36) Subɔsubɔhakplɔla alakpatɔwo metsɔ ɖeke le eme na wo o eye wogbã ŋku na wo le gbɔgbɔ me. Le esia ta womenya nu tso mɔfiame siwo me nunya le si dze le Mawu ƒe Nya la me ŋu o eye womenya yayra siwo Fiaɖuƒea ahe va anyigba sia dzi kpuie o. Eya ta ne míede ŋugble le ame siwo dome míele ƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo ŋu la, dɔmetɔtrɔ si tso dzi me ʋãa mí be míawɔ nu sia nu si míate ŋui agblɔ Yehowa ƒe tameɖoɖo si me lɔlɔ̃ le la na wo.

WNe míeɖe nublanuikpɔkpɔ, alo dɔmetɔtrɔ, fia amewo la, ke míele “nunya si tso dziƒo” ɖem fia

17 Mɔ bubu kawo hã nue míate ŋu aɖee afia le be nublanuikpɔkpɔ yɔ mí fũu? Ðo ŋku Samariatɔ si kpɔ mɔzɔla si woda adzoe eye woƒoe wòmlɔ anyi ɖe mɔ to si ƒe kpɔɖeŋu Yesu gblɔ dzi. Esi Samariatɔ la ƒe dɔme trɔ ɖe ŋutsua ŋu ta la, ‘ekpɔ nublanui nɛ,’ ebla eƒe abiwo eye wòkpɔ edzi. (Luka 10:29-37) Ðe esia mefia be nublanuikpɔkpɔ bia be míawɔ nu ŋutɔŋutɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo ɖo xaxa me ŋu oa? Biblia gblɔ na mí be “míawɔ nyui na amewo katã, ke vevietɔ na ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me.” (Galatiatɔwo 6:10) Bu go aɖewo siwo me míate ŋu awɔ esia le ŋu kpɔ. Ðewohĩ haxɔsetɔ tsitsi aɖe hiã kpekpeɖeŋu be wòate ŋu aɖo ʋu ava Kristotɔwo ƒe kpekpeawo agatrɔ ayi aƒe me. Ðewohĩ ahosi aɖe si le hamea me hiã kpekpeɖeŋu le nanewo siwo gblẽ le eƒe aƒe me dzadzraɖo me. (Yakobo 1:27) Ðewohĩ ame si ƒo dzi ɖe le la hiã “nya nyui” aɖe si afa akɔ nɛ. (Lododowo 12:25) Ne míeɖe nublanuikpɔkpɔ fia le mɔ siawo tɔgbi nu la, míeɖenɛ fiana be míewɔa nunya si tso dziƒo ŋu dɔ le míaƒe agbe me.

“Medea Vovototo Amewo Me O, Alakpanuwɔwɔ Mele Eme O”

18. Ne nunya si tso dziƒo le mía kplɔm la, nu kae wòle be míadze agbagba aɖe ɖa le míaƒe dzi me, eye nu ka tae?

18 “Medea vovototo amewo me o.” Mawu ƒe nunya ɖua ame ƒomeviwo dome nazãbubu kple dukɔmevinyenye ƒe dada ɖe sia ɖe dzi. Ne nunya sia le mía kplɔm la, enaa míedzea agbagba be míaɖe ameŋkumekpɔkpɔ ƒe nɔnɔme ɖe sia ɖe ɖa le míaƒe dzi me. (Yakobo 2:9) Míenɔa te ɖe amewo ƒe sukudede, gakpɔkpɔ, alo agbanɔamedzi si le ame si le hamea me dzi wɔa nu ɖe wo ŋu ameŋkumekpɔkpɔtɔe o; eye míedoa vlo mía hati tadeagula aɖeke hã o, eɖanye ɖoƒe tsɛ ka kee wole o. Ne Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia ame siawo la, ke godoo la ele be míabu wo be wodze be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ afia wo.

19, 20. (a) Afi kae Helagbe me nya si wozã na “alakpanuwɔla” dzɔ tso? (b) Aleke míawɔ aɖe “nɔvilɔlɔ̃ si me alakpa mele o” afia, eye nu ka tae esia le vevie?

19 “Alakpanuwɔwɔ mele eme o.” Helagbe me nya si gɔme woɖe be “alakpanuwɔla” ate ŋu aku ɖe “fefewɔla si trɔ eɖokui ɖe nɔnɔme aɖe me” ŋu. Le blemaɣeyiɣiwo me la, Hela kple Roma fefewɔlawo ɖɔa amemo gãwo le woƒe fefewo wɔwɔ me. Eya ta Helagbe me nya si wozã na “alakpanuwɔla” va ku ɖe ayemenuwɔwɔ, alo alakpanuwɔwɔ ŋu. Menye ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋu dzi koe wòle be mawumenunya ƒe akpa sia nakpɔ ŋusẽ ɖo o, ke ele be wòakpɔe ɖe ale si míebua woe hã dzi.

20 Apostolo Petro de dzesii be ele be míaƒe “toɖoɖo nyateƒea” nawɔe be míaɖe “nɔvilɔlɔ̃ si me alakpa mele o” afia. (1 Petro 1:22) Nyateƒee, mele be nɔvilɔlɔ̃ si míaɖe afia la nanye ameŋkumenuwɔwɔ o. Mele be míaɖɔ amemo alo atrɔ ɖe nɔnɔme aɖe me be míatsɔ aflu amewoe o. Ele be míaƒe nɔvilɔlɔ̃ nanye vavãtɔ, wòatso dzi me. Ne míewɔe alea la, ana míaƒe haxɔsetɔwo naka ɖe mía dzi, elabena woanyae be ame si ƒomevi míele ɖeɖem fia be míenye lae míenye vavã. Nuwɔwɔ anukwaretɔe alea ʋua mɔ na ƒomedodo nyuiwo le Kristotɔwo dome eye wòwɔnɛ be míekana ɖe mía nɔewo dzi le hamea me.

“Lé Nunya Vavãtɔ Me Ðe Asi”

21, 22. (a) Aleke Salomo mete ŋu lé nunya me ɖe asi hekpɔ etae o? (b) Aleke míate ŋu alé nunya me ɖe asi ahakpɔ etae, eye viɖe kawoe esia wɔwɔ ahe vɛ na mí?

21 Mawumenunya nye nunana tso Yehowa gbɔ, eye ehiã be míakpɔ eta. Salomo gblɔ be: “Vinye, . . . lé nunya vavãtɔ me ɖe asi eye nàdzɔ tamebubuŋutete ŋu.” (Lododowo 3:21) Nublanuitɔe la, Salomo ŋutɔ mete ŋu wɔ esia de goe o. Le ɣeyiɣi siwo katã me dzi ɖoto nɔ esi la, nunya hã nɔ esi. Gake le nuwuwu la, dutanyɔnu geɖe siwo wòɖe la trɔ eƒe dzi ɖa tso Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛtɔ ŋu. (1 Fiawo 11:1-8) Nu si va dzɔ ɖe Salomo dzi ɖee fia be sidzedze meɖea vi aɖeke nenye be wometsɔe de dɔwɔwɔ me nyuie o.

22 Aleke míate ŋu alé nunya vavã me ɖe asi ahakpɔ etae? Menye be míaxlẽ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ta edziedzi ko o, ke ele be míadze agbagba ɖe sia ɖe atsɔ nu siwo srɔ̃m míele ade dɔwɔwɔ me hã. (Mateo 24:45) Esɔ le go sia go me be míawɔ mawumenunya ŋu dɔ le míaƒe agbe me. Ana míanɔ agbe si nyo wu fifia. Ana míaƒe “asi nasu agbe vavã la dzi”—si nye agbenɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me. (1 Timoteo 6:19) Eye vevietɔ, nana be nunya sia si tso dziƒo nasu mía si ate mí ɖe Yehowa Mawu, ame si gbɔ nunyawo katã dzɔ tso, ŋu kplikplikpli.   

a Fiawo Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ 3:16 gblɔ be gbolowoe nyɔnu eveawo nye. Insight on the Scriptures (Étude perspicace des Écritures) si Yehowa Ðasefowo ta la ɖe eme be: “Anɔ eme be nyɔnu siawo nye gbolowo, gake menye be wotsɔe ɖo dɔe ya o, ke boŋ wonye nyɔnu siwo wɔ matre, ɖewohĩ Yuda-nyɔnuwoe wonye loo alo ate ŋu anye be dutanyɔnuwoe wonye.”

b Helagbe me nyagbɔgblɔ si gɔme woɖe be “wɔ ŋutifafa” fia be “futɔwo natrɔ ava zu xɔlɔ̃wo; woawɔ ɖeka; nɔnɔmeawo naɖɔ ɖo keŋkeŋ alo awɔ nuwo ɖekae.” Eya ta wò taɖodzinue nye be yeana nuwo natrɔ, ne anya wɔ la, miaɖe vevesese ɖe sia ɖe si le dzi me na ame si dzi wodze agɔ le la ɖa.—Romatɔwo 12:18.

c Biblia gɔmeɖeɖe bubu gblɔ be “dɔmetɔtrɔ kple nuwɔna nyuiwo yɔe fũu.”—A Translation in the Language of the People, si gɔme Charles B. Williams ɖe.