Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 23

‘Etre Mí Lɔlɔ̃’

‘Etre Mí Lɔlɔ̃’

1-3. Nu siwo na Yesu ƒe ku to vovo na bubuawo katã le ŋutinya me ƒe ɖewo ɖe?

 LE ADAME ƒe ŋkeke aɖe dzi, anɔ ƒe 2,000 kloe enye si va yi la, wodrɔ̃ ʋɔnu ame maɖifɔ aɖe, wobu fɔe togbɔ be mewɔ nu vlo aɖeke o hã, eye eyome wowɔ funyafunyae ʋuu wòku. Menye emae nye ŋutasẽnu kple amewuwu manɔsenu gbãtɔ le ŋutinya me o; eye nublanuitɔe la, menye emae nye mamlɛtɔ hã o. Ke hã ku ma to vovo kura na bubuawo katã.

2 Esi ŋutsu ma nɔ fu kpem henɔ veve sem helĩhelĩ le eƒe gaƒoƒo mamlɛwo me la, dziƒo ŋutɔŋutɔ gɔ̃ hã ɖee fia be nudzɔdzɔ vevi aɖee wònye. Viviti do ɖe anyigba la dzi enumake, togbɔ be ŋdɔkutsu mee wònye hã. Abe ale si ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔe ene la, “ɣe ƒe keklẽ nu tsi.” (Luka 23:44, 45) Eye do ŋgɔ teti hafi ŋutsua nagbɔ eƒe gbɔgbɔ mamlɛ la, egblɔ nya siawo siwo womaŋlɔ be akpɔ o be: “Wowu enu!” Nyateƒee, to eƒe agbe tsɔtsɔ ɖo anyi me la, ewu nu vevi aɖe nu. Eƒe vɔsa lae nye lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si amegbetɔ aɖe ɖe fia kpɔ.—Yohanes 15:13; 19:30.

3 Ðikekemanɔmee la, ŋutsu mae nye Yesu Kristo. Eƒe fukpekpe kple ku le ŋkeke dziŋɔ ma, Nisan 14, ƒe 33 K.Ŋ. dzi, nye nu si ŋu wonya nu le nyuie. Gake zi geɖe woŋea aɖaba ƒua nyateƒenya vevi aɖe ya dzi. Togbɔ be Yesu kpe fu ŋutɔ hã la, ame bubu aɖe kpe fu wu kura. Le nyateƒe me la, ame bubu aɖe sa vɔ si lolo wu le ŋkeke ma dzi—enye lɔlɔ̃ɖeɖefia gãtɔ kekeake si woɖe fia kpɔ le xexea me katã. Eyae nye ka? Ŋuɖoɖoa sɔ nyuie be wòakplɔ mí ayi nyati vevitɔ kekeake dzi: Yehowa ƒe lɔlɔ̃.

Lɔlɔ̃ɖeɖefia Gãtɔ Kekeake

4. Aleke wòdzɔe be Roma-srafo aɖe va kpɔe dze sii be menye ame gbɔloe Yesu nye o, eye aleke asrafoa ƒo nya tae?

4 Viviti si do ɖe anyigba dzi do ŋgɔ teti na Yesu ƒe ku kple anyigbaʋuʋu gã si teƒe wokpɔ le eƒe ku megbe teti la nye nu siwo wɔ nuku na Roma-srafomegã si kpɔ egbɔ be wowu Yesu. Egblɔ be: “Mawu ƒe Vie ame sia nye vavã.” (Mateo 27:54) Edze ƒãa be menye ame gbɔlo aɖee Yesu nye o. Asrafo ma kpe asi ɖe eŋu wowu Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Tenuvi! Aleke tututue Fofo la lɔ̃ Vi siae?

5. Aleke woate ŋu awɔ ɣeyiɣi gbogbo si Yehowa kple Via tsɔ nɔ anyi ɖekae le dziƒo ƒe kpɔɖeŋui?

5 Biblia yɔ Yesu be enye “nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ.” (Kolosetɔwo 1:15) Bu eŋu kpɔ ko—Yehowa ƒe Vi la nɔ anyi xoxoxo do ŋgɔ hafi wowɔ xexea me godoo si míekpɔna la. Ekema ɣeyiɣi didi ka koŋue Fofo la kple Vi la nɔ anyi ɖekae? Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo bui be xexea me godoo xɔ ƒe biliɔn 13. Ðe nàte ŋu akpɔ ɣeyiɣi ma ƒe didime gɔ̃ hã le susu mea? Be woakpe ɖe amewo ŋu woakpɔ ƒe si xexea me godoo xɔ le susu me le ale si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo susui be exɔ nu la, ɣletinyigbawo ŋuti nusrɔ̃ƒe aɖe wɔ fli legbee aɖe si didi meta 110 ɖe gli ŋu tsɔ tsi tre ɖi na ɣeyiɣiwo. Ne wokplɔ tsaɖilawo wole flia ŋu tom le glia ŋu la, afɔ ɖeka ɖe sia ɖe si woaɖe la tsia tre ɖi na ƒe siwo ade miliɔn 75 le xexea ƒe anyinɔnɔ me. Le ɣeyiɣiflia ƒe nuwuwu la, wote fli lɛ aɖe tsɔ tso eme, si ƒe titrime le abe amegbetɔ ƒe ɖakui ɖeka ƒe titrime ko ene, eye fli lɛ mae le tsitre ɖi na ƒe siwo katã ameƒomea ƒe ŋutinya xɔ! Ne akɔntabubu ma de gɔ̃ hã la, ɣeyiɣi ƒe fli blibo ma katã medidi de Yehowa ƒe Vi la ƒe agbenɔƒe nu o! Nu kawo wɔm wònɔ le ƒe gbogbo manyaxlẽ mawo me?

6. (a) Nu ka wɔmee Yehowa ƒe Vi la nɔ le eƒe agbenɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu me? (b) Ðekawɔwɔ ka ƒomevie le Yehowa kple Via dome?

6 Enye dzidzɔ na Via be yeanye ye Fofo ƒe “dɔwɔla bibi.” (Lododowo 8:30) Biblia gblɔ be: “Eya [Vi la] manɔmee la, womewɔ nu ɖeka pɛ hã o.” (Yohanes 1:3) Eya ta Yehowa kple Via wɔ dɔ ɖekae le nu bubuwo katã wɔwɔ me. Ɣeyiɣi dodzidzɔname kawo gbegbee nye esi wotsɔ nɔ anyi ɖekae! Ame geɖe alɔ̃ ɖe edzi be lɔlɔ̃ si nɔa dzila kple via dome la me sẽna ŋutɔ nukutɔe. Esia nye nyateƒe, elabena lɔlɔ̃ ‘nye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.’ (Kolosetɔwo 3:14) Ekema mía dometɔ kae ate ŋu ase ɖekawɔwɔ si gbegbe le wo dome ɣeyiɣi gbogbo mawo la gɔme vie gɔ̃ hã? Eme kɔ ƒãa be lɔlɔ̃ ƒe nublanu sesẽtɔ kekeake si ƒo ɖe sia ɖe ta ye le Yehowa Mawu kple Via dome.

7. Esi Yesu xɔ nyɔnyrɔ la, aleke Yehowa ɖe eƒe seselelãme ɖe Via ŋu gblɔe?

7 Togbɔ be ele nenema hã la, Yehowa dɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi be woadzii vidzĩi si nye amegbetɔ. Esia wɔwɔ fia be Yehowa nana hadede kplikplikpli kple Via lɔlɔ̃a le dziƒo nato eŋu ƒe bla nanewo. Etsɔ ɖetsɔleme vevie nɔ ekpɔm tso dziƒo esime Yesu nɔ tsitsim ʋuu va zu ŋutsu deblibo. Esi Yesu xɔ anɔ ƒe 30 la, exɔ nyɔnyrɔ. Mehiã be míasusu ale si Yehowa se le eɖokui me tso eŋu agblɔ o. Fofo la ŋutɔ ƒo nu tẽe tso dziƒo tsɔ ɖee gblɔ be: “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.” (Mateo 3:17) Esi Fofoa kpɔe be Yesu wɔ nu siwo katã ƒe nya wogblɔ ɖi le eŋu, be wòwɔ nu siwo katã wobia tso esi nuteƒewɔwɔtɔe la, anye dzidzɔ nɛ ale gbegbe!—Yohanes 5:36; 17:4.

8, 9. (a) Nu kawo mee Yesu to le Nisan 14, ƒe 33 K.Ŋ. me, eye dɔ kae wòwɔ ɖe Fofoa si le dziƒo dzi? (b) Nu ka tae Yehowa ɖe mɔ be Via nakpe fu ahaku?

8 Gake aleke Yehowa se le eɖokui me le Nisan 14, ƒe 33 K.Ŋ. me? Aleke wòse le eɖokui me esi wofia Yesu yomemɔ eye ameha nu vlo wɔlawo va lée le zã me? Esi Yesu xɔlɔ̃wo gblẽe ɖi eye wòto ʋɔnudɔdrɔ̃ manɔsenu aɖe me? Esi woɖu fewu le eŋu, woɖe ta ɖe eŋu, eye woƒoe kple kɔ? Esi woƒoe kple atam eye eƒe dzime vuvu ʋayaʋaya? Esi woƒo gatagbadzɛwo ɖe eƒe asi kple afɔ hehee ɖe ati ŋu, eye amewo nɔ fewu ɖum le eŋu? Aleke Fofoa se le eɖokui me esi Via lɔlɔ̃a do ɣli yɔe le vevesese helĩhelĩ me? Aleke Yehowa se le eɖokui me esi Yesu gbɔ eƒe gbɔgbɔ mamlɛtɔ, eye zi gbãtɔ tso nuwɔwɔwo katã ƒe gɔmedzedze la, Via lɔlɔ̃a megava li o?—Mateo 26:14-16, 46, 47, 56, 59, 67; 27:38-44, 46; Yohanes 19:1.

9 Manya gblɔ na mí o. Esi seselelãme le Yehowa si ta la, veve si gbegbe wòase ɖe Via ƒe fukpekpe kple ku ta la nye esi míate ŋu akpɔ nya siwo míatsɔ agblɔe o. Gake esi míate ŋu agblɔe nye susu si ta Yehowa ɖe mɔ nu ma dzɔ. Nu ka ta Fofo la tsɔ eɖokui de vevesese ma gbegbe me ɖo? Yehowa ɖe nu wɔnuku aɖe fia mí le Yohanes 3:16—Biblia ƒe kpukpui sia le vevie ale gbegbe be woyɔnɛ be Nya Nyui sue. Wogblɔ le afi ma be: “Elabena Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” Eya ta nu si ʋã Yehowa ye nye esi: lɔlɔ̃. Yehowa ƒe nunana—Via dɔdɔ ɖa be wòava kpe fu ahaku ɖe mía ta—nye lɔlɔ̃ɖeɖefia gãtɔ kekeake.

‘Mawu tsɔ eƒe Tenuvi la na’

Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Gɔmeɖeɖe

10. Nu kae amegbetɔwo hiã, eye nu kae dzɔ ɖe gɔmesese si le nya “lɔlɔ̃” ŋu dzi?

10 Nya sia si nye “lɔlɔ̃” la gɔme ɖe? Woɖɔ lɔlɔ̃ be eyae nye nuhiahiã vevitɔ kekeake na amegbetɔwo. Tso vidzĩme va se ɖe ku me la, amewo ʋlina vevie tia lɔlɔ̃ yome, agbe dzea edzi na wo ne wokpɔe hese eƒe vivi, eye amewo ɖia ku hekuna gɔ̃ hã le esi womekpɔe o ta. Ke hã ewɔ nuku be enye nu si gɔmeɖeɖe sesẽna. Ele eme baa be amewo ƒoa nu geɖe tso lɔlɔ̃ ŋu ya. Woŋlɔ agbalẽ gbogbo aɖewo, hadzidziwo kple hakpanyawo tso eŋu fũu. Ke hã zi geɖe womeɖea gɔmesese si le lɔlɔ̃ ŋu la me le wo me o. Nu si wowɔ boŋ ye nye be wozã nyaa wògbɔ eme ale gbegbe be gɔmesese si tututu le eŋu la zu dze bu ɖe ama me.

11, 12. (a) Afi kae míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso lɔlɔ̃ ŋu le, eye nu ka tae wònye afi mae? (b) Lɔlɔ̃ kawo ƒomevie woyɔ le blema Helagbe me, eye nya kae wozã na “lɔlɔ̃” zi geɖe wu le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.) (d) Gɔmesese kae nɔa nya a·gaʹpe ŋu zi geɖe le Ŋɔŋlɔawo me?

11 Gake Biblia ya fia nu tso lɔlɔ̃ ŋu eme kɔ ƒãa. Vine ƒe Expository Dictionary of New Testament Words gblɔ be: “Nu si lɔlɔ̃ ʋãa amewo wowɔna me koe míekpɔnɛ lena.” Biblia ƒe nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yehowa ƒe nuwɔnawo ŋu fiaa nu geɖe mí tso eƒe lɔlɔ̃ ŋu—si nye numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ ƒe seselelãme nyui si le esi na eƒe nuwɔwɔwo. Le kpɔɖeŋu me, nu kae agate ŋu aɖe nɔnɔme sia afia nyuie wu Yehowa ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia gãtɔ kekeake si ŋu míeƒo nu tsoe va yi? Le ta siwo kplɔe ɖo me la, míakpɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ bubu geɖewo. Hekpe ɖe eŋu la, míagase nuwo gɔme nyuie wu ne míenya nu tso nya siwo wozã na “lɔlɔ̃” le gbe siwo me woŋlɔ Biblia ɖo gbã la ŋu. Le blema Helagbe me la, nya vovovo enee li wozãna na “lɔlɔ̃.” a Wo dometɔ si wozã zi geɖe wu le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo mee nye a·gaʹpe. Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe yɔe be enye “nya si ava susu me na ame, si me ŋusẽ le wu bubu ɖe sia ɖe si wozã na lɔlɔ̃.” Nu ka tae?

12 Le Biblia me la, gɔmesese si nɔa a·gaʹpe ŋu zi geɖee nye lɔlɔ̃ si gɔmeɖose fiaa mɔe. Eya ta ede ŋgɔ wu seselelãme si anɔ ame me na ame bubu aɖe ko. Enye esi keke ta wu, esi me wozãa ameŋububu geɖe le wu, eye etsoa lɔlɔ̃nu faa me. Ƒo wo katã ta la, ɖokuitɔdidi aɖeke kura mele Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ me o. Le kpɔɖeŋu me, gaxlẽ Yohanes 3:16 ake. Nu kae nye “xexea” si Mawu lɔ̃ ale gbegbe be wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi na ɖe eta? Eyae nye ameƒomea me tɔ siwo ate ŋu akpɔ ɖeɖe ƒe xexea. Ame geɖe siwo le nu vɔ̃ gbe nɔm hã le eme. Ðe Yehowa lɔ̃ ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe wònye exɔlɔ̃ kplikplikpli, abe ale si wòlɔ̃ nuteƒewɔla Abraham enea? (Yakobo 2:23) Ao, gake Yehowa keke eƒe dɔmenyo la ɖe enu na amewo katã, togbɔ be esia bia tso esi be wòatsɔ nu vevi aɖe asa vɔe hã. Edi be amewo katã natrɔ dzi me eye woatrɔ tso woƒe mɔwo dzi. (2 Petro 3:9) Ame geɖe le esia wɔm. Ame siawoe wòxɔna dzidzɔtɔe be woanye ye xɔlɔ̃wo.

13, 14. Nu kae fia be numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ nɔa Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ me zi geɖe?

13 Gake susu masɔmasɔ le ame aɖewo si ku ɖe ale si Biblia zã nya a·gaʹpe ŋu. Wobu be efia vivimadomadoɖeameŋu, agbalẽmenunya ƒe lɔlɔ̃ ƒomevi aɖe. Nyateƒeae nye be vividodoɖeameŋu ƒe numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ nɔa Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ me zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, Yohanes zã a·gaʹpe ƒomevi aɖe esi wòŋlɔ be, “Fofo la lɔ̃ Vi la.” Ðe numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ mele lɔlɔ̃ ma me oa? De dzesii be Yesu zã phi·leʹo ƒomevi aɖe esi wògblɔ be, “Fofo la lɔ̃a Vi la.” (Yohanes 3:35; 5:20) Yehowa ƒe lɔlɔ̃ nye esi me numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ nɔna zi geɖe. Gake seselelãme dzro ko mekpɔa ŋusẽ ɖe eƒe lɔlɔ̃ dzi o. Enɔa te ɖe eƒe gɔmeɖose siwo me nunya le eye wole dzɔdzɔe dzi ɣesiaɣi.

14 Abe ale si míekpɔe ene la, Yehowa ƒe nɔnɔmewo katã nyo ale gbegbe, wode blibo, eye woléa dzi na ame vevie. Gake eƒe lɔlɔ̃ ye nye esi wɔa dɔ ɖe ame dzi wu. Nu bubu aɖeke megahea mí ɖe Yehowa ŋu vevie nenema de enu o. Edzɔa dzi na mí be lɔlɔ̃ hãe nye eƒe nɔnɔme vevitɔ. Aleke míewɔ nya?

“Mawu Nye Lɔlɔ̃”

15. Nya kae Biblia gblɔ tso Yehowa ƒe nɔnɔme si nye lɔlɔ̃ ŋu, eye mɔ ka nue nya ma to vovo na bubuwo le? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

15 Biblia ƒo nu tso lɔlɔ̃ ŋu le mɔ aɖe si megblɔ nenema tso Yehowa ƒe nɔnɔme vevitɔ bubuawo ŋu gbeɖe o la nu. Ŋɔŋlɔawo megblɔ be Mawu nye ŋusẽ alo Mawu nye dzɔdzɔenyenye alo be Mawu nye nunya gɔ̃ hã kpɔ o. Nɔnɔme mawo katã le esi, egbɔe woƒe gãtɔ kekeake dzɔ tso, eye ame aɖeke megogoe kura le nɔnɔme etɔ̃ mawo katã me o. Gake ku ɖe eƒe nɔnɔme enelia ya ŋu la, wogblɔ nya si de to wu tso eŋu, be: “Mawu nye lɔlɔ̃.” b (1 Yohanes 4:8) Nu kae ema fia?

16-18. (a) Nu ka tae Biblia gblɔ be “Mawu nye lɔlɔ̃”? (b) Le nuwɔwɔ siwo katã le anyigba dzi dome la, nu ka tae wòsɔ be amegbetɔe wotsɔ wɔ Yehowa ƒe nɔnɔme vevitɔ si nye lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu?

16 Ne wogblɔ be “Mawu nye lɔlɔ̃” la, menye ɖe wòfia be esɔ kple nu bubu aɖe, abe woagblɔ be “Mawu sɔ kple lɔlɔ̃” ene o. Masɔ be míatrɔ nya ma agblɔ be “lɔlɔ̃ nye Mawu,” o. Yehowa de ŋgɔ boo wu nu si nye nɔnɔme aɖe ko. Enye Ame si si seselelãme vovovowo kple nɔnɔme vovovowo le, hekpe ɖe lɔlɔ̃ ŋu. Gake lɔlɔ̃ deto yɔ Yehowa fũu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ tso kpukpui sia ŋu be: “Mawu ƒe amenyenye, alo eƒe nɔnɔme bliboa nye lɔlɔ̃.” Ne míagblɔe gbadzaa la, míate ŋu abu eŋu ale: Yehowa ƒe ŋusẽ ye nana wòwɔa nu. Eƒe dzɔdzɔenyenye kple eƒe nunya ye fiaa mɔ ale si wòwɔa nui. Gake Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ye ʋãnɛ wòwɔa nu. Eye eƒe lɔlɔ̃ dzena ɣesiaɣi le ale si wòzãa eƒe nɔnɔme bubuawoe me.

17 Wona míenya zi geɖe be Yehowa ƒe amenyenye blibo lae nye lɔlɔ̃. Eya ta ne míedi be míasrɔ̃ nu tso lɔlɔ̃ si gɔmeɖose fiaa mɔe ŋu la, ke Yehowa ŋue wòle be míasrɔ̃ nu tsoe. Nyateƒee, míekpɔa nɔnɔme nyoameŋu sia le amegbetɔwo hã me. Gake nu ka tae wòle wo me? Le nuwo wɔɣi la, Yehowa gblɔ nya siawo siwo edze ƒãa be Viae wònɔ egblɔm na, be: “Na míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme nu wòaɖi mí.” (1 Mose 1:26) Le nuwɔwɔ siwo katã le anyigba sia dzi dome la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo koe ate ŋu atiae be yewoaɖe lɔlɔ̃ afia, eye wotoa esia me srɔ̃a wo Fofo si le dziƒo. Ðo ŋku edzi be Yehowa zã lã vovovowo tsɔ wɔ eƒe nɔnɔme vevitɔwo ƒe kpɔɖeŋui. Gake amegbetɔ, si nye nuwɔwɔ si de ŋgɔ wu ɖe sia ɖe le anyigba dzi, ye Yehowa tia wònye Eƒe nɔnɔme vevitɔ kekeake, si nye lɔlɔ̃, ƒe kpɔɖeŋu.—Ezekiel 1:10.

18 Ne míeɖe lɔlɔ̃ si me ɖokuitɔdidi mele o, si nɔ te ɖe gɔmeɖose dzi fia la, ke Yehowa ƒe nɔnɔme vevitɔe nye ema míele ɖeɖem fia. Ðeko wòle abe ale si apostolo Yohanes ŋlɔe ene be: “Míelɔ̃a ame, elabena Mawu tre mí lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:19) Gake mɔ kawo nue Yehowa tre mí lɔlɔ̃ le?

Yehowa Wɔ Afɔɖeɖea Le Eɖokui Si

19. Nu ka tae woate ŋu agblɔ be lɔlɔ̃ ye wɔ akpa vevitɔ le Yehowa ƒe nuwo wɔwɔ me?

19 Menye nu yeyee lɔlɔ̃ nye o. Ne míagblɔe la, nu kae ʋã Yehowa hafi wòdze nuwo wɔwɔ gɔme? Menye ɖe wòtsi akogo eye wòhiã zɔhɛ tae o. Yehowa de bliboe le nu sia nu me, eye naneke meli si wòahiã si ame bubu aɖe gbɔe wòate ŋu akpɔe le o. Gake eƒe lɔlɔ̃, si nye nɔnɔme si ʋãnɛ wòwɔa nu, ye ʋãe wòdi be nuwɔwɔ nyanu bubu siwo akpɔ ŋudzedze ɖe nunana sia ŋu hã nase vivi le anyinɔnɔ me kpli ye. “Ame si nye Mawu ƒe nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze” lae nye eƒe Tenuvi la. (Nyaɖeɖefia 3:14) Le eya yome Yehowa zã eƒe Dɔwɔla Bibi sia le nu bubuawo katã wɔwɔ me, si gɔme wodze tso mawudɔlawo dzi. (Hiob 38:4, 7; Kolosetɔwo 1:16) Esi wona ablɔɖe, nunya, kple seselelãme gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu siawo ta la, mɔnukpɔkpɔ li na wo be woa ŋutɔwo hã woaɖe kukuɖeameŋu lɔlɔ̃tɔe afia—wòanɔ wo nɔewo dome, eye ƒo wo katã ta la, woana wòanɔ woa kple Yehowa Mawu dome. (2 Korintotɔwo 3:17) Eya ta ele be woawo hã woalɔ̃e, elabena etre wo lɔlɔ̃.

20, 21. Nɔnɔme ka mee Adam kple Xawa nɔ wònye kpeɖodzi be Yehowa lɔ̃ wo, gake aleke wowɔ nui?

20 Aleae wòle le amegbetɔwo hã gome. Lɔlɔ̃ sɔŋ ye ƒo xlã Adam kple Xawa tso gɔmedzedzea me. Afi sia afi si woakpɔ le woƒe Paradisoƒea me le Eden la, wokpɔa wo Fofo ƒe lɔlɔ̃ na wo ƒe kpeɖodziwo fũu. De dzesi nya si Biblia gblɔ: “Yehowa Mawu tso abɔ ɖe Eden, le ɣedzeƒe gome; eye wòtsɔ ame si wòmè la ɖo afi ma.” (1 Mose 2:8) Èyi modzakaɖebɔ aɖe si dze ani ŋutɔŋutɔ ale gbegbe me kpɔa? Nu kae do dzidzɔ na wò wu? Kekeli dzeani si le keklẽm to ati siwo ƒe aŋgba do vɔvɔli me yea? Seƒoƒowo ƒe amadede dzeani vovovoawoea? Kpetometsi aɖe ƒe sisi si nya sena, xeviwo ƒe xɔxlɔ̃, kple nu dzodzoewo ƒe xɔxlɔ̃ siwo katã tsaka le ɖiɖim abe hadzidzi vivi aɖe ene yea? Ke atiawo, atikutsetseawo kple seƒoƒoawo ƒe ʋeʋẽ lilili hã ɖe? Aleke kee wòɖale o, abɔ aɖeke meli egbea si gogo Eden-bɔa kura o. Nu ka tae?

21 Yehowa ŋutɔe tso abɔ ma! Anye abɔ si dze ani ale gbegbe be míate ŋu aɖɔe wòade edeƒe tututu o. Ati ɖe sia ɖe si hiã be abɔa nadze ani alo be woakpɔ atikutsetse viviwo la nɔ anyi. Tsi nɔ sisim to abɔa me nyuie, abɔa lolo nyuie, eye eme yɔ fũu kple lã dodzidzɔname vovovowo. Nu sia nu si hiã, hekpe ɖe dɔwɔwɔ si me dzidzeme le kpakple hadede deblibo ŋu, nɔ anyi na Adam kple Xawa ale be woƒe agbenɔnɔ nayɔ fũu kple dzidzɔ blibo. Yehowa ye tre wo lɔlɔ̃, eye gɔmesese ɖe sia ɖe li si ta wòle be woawo hã nalɔ̃e ɖo. Gake wodo kpo esia wɔwɔ. Le esi woatso lɔlɔ̃ blibo me aɖo to wo Fofo si le dziƒo teƒe la, wotsɔ ɖokuitɔdidi dze aglã ɖe eŋu boŋ.—2 Mose, ta 2.

22. Aleke ale si Yehowa kpɔ aglãdzedzea gbɔe le Eden la ɖee fia be nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ ye le eme?

22 Aleke gbegbe ema ave Yehowae nye esi! Gake ɖe aglãdzedze ma na be lɔlɔ̃ bu ɖa le eƒe dzi si me lɔlɔ̃ yɔ fũu la me eye dziku va xɔ ɖe eteƒea? Kura o! “Eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.” (Psalmo 136:1) Le esia ta eɖo tame enumake be yeawɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe aɖe Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖe sia ɖe si si dzi ƒe nɔnɔme nyui le. Abe ale si míekpɔe ene la, ɖoɖo mawo ƒe akpa aɖee nye Via lɔlɔ̃a ƒe tafevɔsa la, si bia nu geɖe ŋutɔ tso Fofo la si.—1 Yohanes 4:10.

23. Susu siwo ta Yehowa nye “Mawu dzidzɔtɔ la” dometɔ ɖeka ɖe, eye biabia vevi ka ŋue woaɖo le ta si kplɔe ɖo me?

23 Ɛ̃, Yehowa tso le eɖokui si faa ɖe lɔlɔ̃ fia ameƒomea tso gɔmedzedzea me ke. “Mawu tre mí lɔlɔ̃” le mɔ vovovo siwo míate ŋu axlẽ o nu. Lɔlɔ̃ hea nuwɔwɔ aduadu kple dzidzɔ vɛ, eya ta mewɔ nuku be woyɔ Yehowa be enye “Mawu dzidzɔtɔ la” o. (1 Timoteo 1:11 ) Gake biabia vevi aɖe fɔ ɖe te. Ðe Yehowa lɔ̃ mí ame ɖekaɖekawo ŋutɔŋutɔa? Ta si kplɔe ɖo aɖo nya sia ŋu.

a Wozã dɔwɔnya si nye phi·leʹo zi geɖe le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me, eye egɔmee nye “numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ, vividodoɖeameŋu, alo be ame ƒe nu nadzɔ dzi na ame (abe ale si woase le ame ɖokui me na xɔlɔ̃ kplikplikpli alo ame nɔvi ene).” Wozã nya si nye stor·geʹ, alo lɔlɔ̃ si nɔa ƒometɔ kplikplikpliwo dome, ƒomevi aɖe le 2 Timoteo 3:3 tsɔ ɖee fia be lɔlɔ̃ sia ƒomevi mabɔ kura le ŋkeke mamlɛawo me o. Womezã eʹros, alo gbɔdɔdɔ ƒe lɔlɔ̃ si nɔa ŋutsu kple nyɔnu dome, le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me o, gake woƒo nu tso lɔlɔ̃ ma ƒomevi ŋu le Biblia me.—Lododowo 5:15-20.

b Wogblɔ nya bubu aɖewo le Ŋɔŋlɔawo me le mɔ sia tɔgbi nu. Le kpɔɖeŋu me, “Mawu nye kekeli” kple “Mawu . . . nye dzo si fiãa nu.” (1 Yohanes 1:5; Hebritɔwo 12:29) Gake ele be míase nya siawo gɔme be wonye nane tsɔtsɔ aɖɔ nu bubu aɖee ko, elabena ɖe wotsɔ Yehowa le sɔsɔm kple nu siwo míate ŋu akpɔ. Yehowa le abe kekeli ene, le susua nu be ele kɔkɔe eye wòle dzɔdzɔe. “Viviti,” alo makɔmakɔnyenye aɖeke kura mele eyama me o. Eye woagate ŋu atsɔe asɔ kple dzo le eƒe tsɔtsrɔ̃ŋusẽ zazã me.