Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 25

“Mía Mawu Ƒe Dɔmetɔtrɔ Gã La”

“Mía Mawu Ƒe Dɔmetɔtrɔ Gã La”

1, 2. (a) Aleke vidada wɔa nu ɖe via fẽ ƒe avifafa ŋui zi geɖe? (b) Seselelãme kae li si gade to wu vidada ƒe dɔmetɔtrɔ?

 VIDZĨ aɖe le avi fam le zã titina. Dadaa nyɔ enumake. Mete ŋu gadɔa alɔ̃ tututu fifia abe tsã ene o—tso esime wònya dzi via teti ko. Esrɔ̃ ale si wòanya nu si tututu via ƒe avifafa vovovoawo fia. Eya ta zi geɖe ate ŋu anya ne ɖe wòhiã be yeana noe, be yeafe kplii, alo be yeawɔ nu bubu aɖe nɛ. Gake susu ka ke tae vidzĩa le avi fam ɖo o, vidadaa tsona kpla ɖe eŋu. Eƒe seselelãme deto si me lɔlɔ̃ le maɖe mɔ nɛ be wòaŋe aɖaba aƒu vidzĩa ƒe hiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ dzi o.

2 Ale si vidada ƒe dɔme trɔna ɖe eƒe dɔmevi ŋui la nye seselelãme deto siwo ŋu amegbetɔwo nya nu le la dometɔ vevitɔ ɖeka. Gake seselelãme deto manyagblɔ aɖe li si nu sẽ kura wu ema—eyae nye mía Mawu, Yehowa, ƒe dɔmetɔtrɔ gã la. Nɔnɔme nyoameŋu sia me dzodzro ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu. Eya ta mina míadzro nu si dɔmetɔtrɔ nye kple ale si mía Mawu ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋui me.

Nu Kae Nye Dɔmetɔtrɔ?

3. Gɔmesese kae le Hebrigbe me dɔwɔnya si gɔme woɖena be “woakpɔ nublanui” alo “ame ƒe nu nawɔ nublanui na ame” ŋu?

3 Le Biblia me la, ƒomedodo kplikplikpli aɖe le dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ dome. Hebri kple Hela gbe me nya geɖe li siwo wozãna tsɔ ƒoa nu tso dɔmetɔtrɔ lɔlɔ̃tɔe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu Hebrigbe me dɔwɔnya ra·chamʹ, si gɔme woɖena zi geɖe be “woakpɔ nublanui” alo “ame ƒe nu nawɔ nublanui na ame” ŋu kpɔ. Numekugbalẽ aɖe ɖe nu me be dɔwɔnya ra·chamʹ “fiaa dɔmetɔtrɔ ƒe seselelãme deto si me lɔlɔ̃ le, abe esi ɖoa mía me ne míekpɔ míaƒe ame vevi aɖe alo ame si hiã míaƒe kpekpeɖeŋu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ alo eƒe fukpekpe teƒe ene.” Hebrigbe me nya sia si Yehowa zã na eɖokui la do ƒome kple nya si wozãna na “vidzidɔ” eye woate ŋu agblɔ be enye “vidada ƒe dɔmetɔtrɔ.” a2 Mose 33:19; Yeremiya 33:26.

‘Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe dɔmevi bea?’

4, 5. Aleke Biblia zã seselelãme siwo le vidada me na via fẽ tsɔ fia nu mí tso Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ ŋui?

4 Biblia zã seselelãme siwo le vidada me ɖe via ŋu tsɔ fia nu mí tso gɔmesese si le Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ ŋu. Míexlẽ le Yesaya 49:15 be: “Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩ be, alo wòagbe nublanuikpɔkpɔ [ra·chamʹ] na eƒe dɔmevia? Ne nyɔnu siawo aŋlɔ be hã la, nye ya nyemaŋlɔ wò be gbeɖe o.” Nuɖɔɖɔ wɔdɔɖeamedzi sia ɖe ale si gbegbe Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ ɖe eƒe amewo ŋu de toe la fia. Le mɔ ka nu?

5 Asesẽ be míabui be vidada aŋlɔ nonana kple beléle na via fẽ be. Ne èbu eŋu kpɔ la, vidzĩ nye wɔnamanɔŋutɔ; ehiã dadaa ƒe belélename kple lɔlɔ̃ eɖanye le ŋkeke me loo alo zã me o. Gake ewɔ nublanui be míagblɔ be menye numadzɔkpɔ be vidadawo nagblẽ wo vi fẽwo ɖi o, vevietɔ le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo siwo “ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o” va bɔ ɖo la me. (2 Timoteo 3:1, 3 ) Ke hã Yehowa ya gblɔ be: “Nye ya nyemaŋlɔ wò be gbeɖe o.” Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ deto ɖe esubɔlawo ŋu nu meyina o. Enu sẽ boo wu seselelãme deto si me lɔlɔ̃ le wu ɖe sia ɖe si ava susu me na mí—si nye vidada ƒe dɔmetɔtrɔ ɖe via fẽ ŋu. Eya ta mewɔ nuku o be numeɖela aɖe gblɔ le Yesaya 49:15 ŋu be: “Esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia ŋu nya siwo me goglo wu la dometɔ ɖeka, ne menye eyae nye esi me goglo wu bubu ɖe sia ɖe si woɖe gblɔ le Nubabla Xoxoa me o.”

6. Aleke amegbetɔ madeblibowo dometɔ geɖe bua dɔmetɔtrɔe, gake kakaɖedzi kae Yehowa na mí?

6 Gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesie wònye be ame ƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu lɔlɔ̃tɔea? Susu sia le amegbetɔ madeblibowo dometɔ geɖe si. Le kpɔɖeŋu me, Romatɔ xexemenunyala Seneca, ame si nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekeawo me eye wònye nunyalagãwo dometɔ ɖeka le Roma, fia nu be “gbɔdzɔgbɔdzɔ le susu mee wònye be ame ƒe nu nawɔ nublanui na ame.” Seneca nye ame siwo ʋli Stoatɔwo ƒe nufiafia ta vevie dometɔ ɖeka. Nufiafia sia te gbe ɖe anyinɔnɔ kpoo seselelãme maɖemaɖe fiae dzi. Seneca gblɔ be nunyala ate ŋu akpe ɖe ame siwo le fu kpem ŋu, gake mele be wòaɖe mɔ le eɖokui ŋu ame ƒe nu nawɔ nublanui nɛ o, elabena seselelãme ma agblẽ eƒe dziɖeɖi me. Ðokuiŋububu ƒe susu ma si le amewo si ku ɖe agbe ŋu meɖea mɔ na wo be woana woƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu tso dzi blibo me o. Gake menye nenemae Yehowa ya le kura o! Yehowa ka ɖe edzi na mí le eƒe Nya la me be yenye ame si “ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe, eye [yekpɔa] nublanui na ame.” (Yakobo 5:11) Abe ale si míava kpɔe ene la, dɔmetɔtrɔ menye gbɔdzɔgbɔdzɔ kura o, ke boŋ nɔnɔme sẽŋu vevi aɖee wònye. Mina míadzro ale si Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋui me, abe dzila lɔ̃ame ene.

Esime Yehowa Ƒe Dɔme Trɔ Ðe Dukɔ Aɖe Ŋu

7, 8. Mɔ kawo nue Israel-viwo kpe fu le blema Egipte le, eye aleke Yehowa wɔ nu ɖe woƒe fukpekpewo ŋui?

7 Míekpɔa Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ nyuie le ale si wòwɔ nu ɖe Israel dukɔa ŋui me. Va ɖo ƒe alafa 16 lia D.Y. ƒe nuwuwu lɔƒo la, wowɔ Israel-vi miliɔn geɖe kluviwoe le Egipte, afi si wote wo ɖe anyi ŋutasesẽtɔe le. Egiptetɔwo na “agbenɔnɔ sesẽ na wo to kluvidɔ sesẽ ɖoɖo na wo me, wona wonya anyi mè anyikpe, eye wowɔ kluvidɔ ɖe sia ɖe ƒomevi le agble me. Ɛ̃, wona wokpe fu le nɔnɔme sesẽwo me le kluvidɔ ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ me.” (2 Mose 1:11, 14) Israel-viwo do ɣli yɔ Yehowa le woƒe xaxaɣiwo be wòakpe ɖe yewo ŋu le yewoƒe fukpekpewo me. Aleke Mawu si yɔ fũu kple dɔmetɔtrɔ si me lɔlɔ̃ le la wɔ nui?

8 Woƒe nɔnɔmea wɔ nublanui na Yehowa. Egblɔ be: “Mekpɔ nye dukɔ si le Egipte la ƒe fukpekpe la keŋ, eye mese ɣli si dom wole le ame siwo zia wo dzi be woawɔ dɔ la ta; menya fu siwo kpem wole la nyuie.” (2 Mose 3:7) Yehowa mate ŋu akpɔ eƒe amewo ƒe fukpekpe teƒe alo ase woƒe ɣlidodo eye wòagbe vevesese ɖe wo nu o. Abe ale si míekpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta 24 lia me ene la, Yehowa nye Mawu veveseɖeamenula. Eye veveseseɖeamenu do ƒome kplikplikpli kple dɔmetɔtrɔ. Gake menye ɖeko Yehowa se veve ɖe eƒe amewo nu ko evɔ o; eʋãe wòwɔ nu tsɔ kpe ɖe wo ŋu ŋutɔŋutɔ hã. Yesaya 63:9 gblɔ be: “Eya ŋutɔ gbugbɔ wo ƒle le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe dɔmetɔtrɔ me.” Yehowa tsɔ “asi sesẽ” kplɔ Israel-viwo tso Egipte. (5 Mose 4:34) Emegbe ena nuɖuɖu wo nukutɔe eye wòkplɔ wo yi anyigba wɔnu dzi be wòanye wo tɔ.

9, 10. (a) Esi Israel-viwo va nɔ Ŋugbedodonyigba dzi megbe la, nu ka tae Yehowa ɖe wo zi gbɔ zi geɖe? (b) Le Yefta ƒe ŋkekeawo me la, ameteteɖeanyi ka mee Yehowa ɖe Israel-viwo tsoe, eye nu kae ʋãe wòwɔ esia?

9 Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ mese ɖe afi ma ko o. Esi Israel va xɔ anyi nɔ ɖe Ŋugbedodonyigba dzi megbe la, wogbe nuteƒewɔwɔ zi geɖe eye wokpea fu ɖe esia ta. Gake emegbe dukɔa va nyɔna le wo ɖokui me eye wodoa ɣli yɔa Yehowa. Yehowa yi edzi xɔ na wo zi gbɔ zi geɖe. Nu ka tae? “Elabena eƒe dɔme trɔ ɖe eƒe dukɔ la . . . ŋu.”—2 Kronika 36:15; Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:11-16.

10 Bu nu si dzɔ le Yefta ƒe ŋkekeawo me ŋu kpɔ. Esi Israel-viwo trɔ ɖe alakpamawuwo subɔsubɔ ŋu ta la, Yehowa ɖe mɔ Amonitɔwo te wo ɖe anyi ƒe 18 sɔŋ. Mlɔeba la, Israel-viwo trɔ dzi me. Biblia gblɔ na mí be: “Woɖe dutamawuwo ɖa le wo dome hesubɔ Yehowa, ale be megate ŋu do dzi tsɔ Israel-viwo ƒe fukpekpewo o.” b (Ʋɔnudrɔ̃lawo 10:6-16) Zi ale si Yehowa ƒe amewo nya ɖe dzimetɔtrɔ vavã fia ko la, manya wɔ nɛ be wòaŋe aɖaba aƒu woƒe fukpekpewo dzi o. Eya ta Mawu si yɔ fũu kple dɔmetɔtrɔ do ŋusẽ Yefta be wòaɖe Israel-viwo tso woƒe futɔwo si me.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30-33.

11. Nu kae míesrɔ̃ tso Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ ŋu le eƒe nuwɔwɔ ɖe Israel-viwo ŋu me?

11 Nu kae Yehowa ƒe nuwɔwɔ ɖe Israel dukɔa ŋu fia mí le eƒe dɔmetɔtrɔ lɔlɔ̃tɔe ŋu? Ðekae nye be míekpɔe be dɔmetɔtrɔ mefia fukpekpe si me tom amewo le la nyanya kple eƒe nublanuiwɔwɔ na ame ko o. Ðo ŋku vidada si ƒe dɔmetɔtrɔ ʋãe be wòatso kaba akpɔ eƒe vi fẽ si le avi fam gbɔ ƒe kpɔɖeŋua dzi. Nenema kee Yehowa medoa toku eƒe amewo ƒe ɣlidodo o. Eƒe dɔmetɔtrɔ lɔlɔ̃tɔe ʋãnɛ be wòaɖe woƒe fukpekpewo ɖa. Hekpe ɖe eŋu la, ale si Yehowa wɔ nu ɖe Israel-viwo ŋui na míekpɔe be dɔmetɔtrɔ menye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi kura o, elabena belélename lɔlɔ̃tɔe ƒe nɔnɔme siae ʋãe be wòwɔ afɔɖeɖe ŋusẽtɔe tsɔ ɖe eƒe amewo. Gake Yehowa subɔlawo ƒe ƒuƒoƒo ko ŋue eƒe dɔme trɔna ɖoa?

Yehowa Ƒe Dɔme Trɔna Ðe Ame Ðekaɖekawo Ŋu

12. Aleke Sea ɖe Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ ɖe ame ɖekaɖekawo ŋu fiae?

12 Se si Yehowa tsɔ na Israel dukɔa ɖee fia be eƒe dɔme trɔna ɖe ame ɖekaɖekawo hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si wòtsɔ ɖe le eme na ame dahewo ŋu kpɔ. Yehowa nya be nuɖiɖeamewo ate ŋu awɔe be Israel-vi aɖe nava zu ahedala. Aleke wòle be woawɔ nu ɖe ame dahewo ŋui? Yehowa de se na Israel-viwo vevie be: “Mègasẽ wò dzi me alo amia asi me ɖe nɔviwò dahe la o. Ele be nàna nui faa, eye mègafa konyi tso eŋu o, elabena esia tae Yehowa wò Mawu ayra wò le nu sia nu si nàwɔ kple dɔ sia dɔ si nàwɔ me ɖo.” (5 Mose 15:7, 10) Yehowa gayi edzi de se na Israel-viwo be woagaŋe woƒe nukuwo katã va se ɖe boto ke o, eye womegafɔ nuku siwo dudu ɖe anyi hã o. Esiwo susɔ la nanye ame dahewo tɔ. (3 Mose 23:22; Rut 2:2-7) Ne dukɔa wɔ ɖe se sia si me ameŋububu le si wode le ame dahe siwo le wo dome ta dzi la, mahiã be Israel-vi dahewo nabia nu hafi akpɔ nu aɖu o. Ðe esia mefia ale si Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu lɔlɔ̃tɔe oa?

13, 14. (a) Aleke David ƒe nyawo ka ɖe edzi na mí be Yehowa tsɔ ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe vevie? (b) Kpɔɖeŋu kae ɖee fia be Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe “dzi gbã gudugudu” alo “ame siwo ƒe gbɔgbɔ ŋu nu te” la gbɔ?

13 Egbea hã mía Mawu si lɔ̃ mí la tsɔ ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe vevie. Míate ŋu aka ɖe edzi be enya fu ɖe sia ɖe si kpem míele nyuie. Hakpala David ŋlɔ be: “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodowo ŋu. Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ; exɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ ŋu nu te la.” (Psalmo 34:15, 18) Biblia me ɖela aɖe gblɔ le ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le kpukpui siawo me ŋu be: “Wonye ame siwo ƒe dzi gbã eye wole nu xam, si fia be nu vɔ̃ bɔbɔ wo ɖe anyi, eye wòna womegabua wo ɖokui ɖe ɖeke me o; wonye ame tsɛwo le woa ŋutɔwo ŋkume, eye kakaɖedzi aɖeke mele wo si be asixɔxɔ le yewo ŋu o.” Ame siawo ate ŋu abui be Yehowa le adzɔge ʋĩi tso yewo gbɔ eye be yewonye ame siwo mele ɖeke me o ale gbegbe be mate ŋu atsɔ ɖe le eme na yewo o. Gake menye aleae nyaa le o. David ƒe nyawo ka ɖe edzi na mí be Yehowa megblẽa ame siwo nye “ame tsɛwo le woa ŋutɔwo ŋkume” la ɖi o. Míaƒe dɔmetɔtrɔ Mawu la nya be ɣemaɣiwoe míehiã ye wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe, eye mele adzɔge tso mía gbɔ o.

14 Bu nudzɔdzɔ sia ŋu kpɔ. Vidada aɖe si le Amerika tsɔ du kɔ viaŋutsuvi si xɔ ƒe eve la yi kɔdzii, esi ɖevia ƒe veme xe si na gbɔgbɔ zu dɔ nɛ. Esi ɖɔktawo do ɖevia kpɔ vɔ la, wogblɔ na dadaa be yewoaxɔe ɖe kɔa dzi va se ɖe ŋufɔke. Afi kae vidadaa tsi dɔ gbe ma gbe ƒe zã? Zikpui mee, le kɔa dzi le ɖevia ƒe abati xa tututu! Viaŋutsuvie dze dɔ, mate ŋu adzo le egbɔ o. Kakaɖedzitɔe la, míate ŋu akpɔ mɔ na nu si yi ŋgɔ wu esia gɔ̃ hã tso mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo gbɔ! Ne woagblɔe la, eƒe nɔnɔme nue wòwɔ mí ɖo. (1 Mose 1:26) Nya wɔdɔɖeamedzi siwo le Psalmo 34:18 le mía fiam be ne míaƒe “dzi gbã gudugudu” alo ne ‘nu te míaƒe gbɔgbɔ ŋu’ la, Yehowa, si le abe dzila lɔ̃ame ene la, ‘tsɔ ɖe mía gbɔ’—eƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu ɣesiaɣi eye wòle klalo be yeakpe ɖe mía ŋu.

15. Mɔ kawo nue Yehowa kpena ɖe mí ame ɖekaɖekawo ŋu le?

15 Ekema aleke Yehowa kpena ɖe mí ame ɖekaɖekawo ŋui? Menye ɖe wòɖea nu si ƒe fu kpem míele la ɖa kokoko o. Gake Yehowa wɔ nu geɖe ƒe ɖoɖo na ame siwo biaa eƒe kpekpeɖeŋu. Aɖaŋuɖoɖo siwo sɔ na agbenɔnɔ le eƒe Nya Biblia me si ate ŋu ana nɔnɔmeawo natrɔ. Le hamea me la, Yehowa na dzikpɔla siwo dze le gbɔgbɔ me, ame siwo dzea agbagba be yewoasrɔ̃ eƒe dɔmetɔtrɔ ɖe ame ŋu le kpekpe ɖe wo hati tadeagulawo ŋu me. (Yakobo 5:14, 15) Esi wònye “Gbedodoɖasela” ta la, enaa “gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ.” (Psalmo 65:2; Luka 11:13) Gbɔgbɔ ma ate ŋu ado “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la mí ale be míado dzi va se ɖe esime Mawu Fiaɖuƒea naɖe kuxi siwo katã doa nuxaxa na ame la ɖa keŋkeŋ. (2 Korintotɔwo 4:7) Ðe míedaa akpe ɖe nunana siawo katã ta oa? Migana míaŋlɔ be o be wonye Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ ɖeɖe fia.

16. Nu kae nye Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake, eye aleke wòku ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋui?

16 Nyateƒee, Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeakee nye Ame si wòlɔ̃ vevie ŋutɔ la tsɔtsɔ na tafee ɖe mía ta. Enye vɔsa si ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ fia, si ʋu mɔ na míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Ðo ŋku edzi be tafevɔsa ma nye nu si wotsɔ na ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ta. Esɔ ŋutɔ be Zakariya, si nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela fofo, gblɔe ɖi be nunana sia ana “mía Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ gã la” nagadze kɔtɛ wu.—Luka 1:78.

Ɣeyiɣi Siwo Me Yehowa Mekpɔ Nublanui O

17-19. (a) Aleke Biblia ɖee fia be seɖoƒe le Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ ŋu? (b) Nu kae na Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ ɖe eƒe amewo ŋu va ɖo eƒe seɖoƒe?

17 Ðe wòle be míatsɔe be seɖoƒe mele Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ ŋu oa? Mele nenema o, elabena Biblia ɖee fia eme kɔ ƒãa be le ame siwo ɖoe koŋ tsi tre ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo ŋu gome la, esɔ be mekpɔa nublanui na wo o. (Hebritɔwo 10:28) Be míakpɔ nu si ta wòle alea la, mina míagatrɔ susu ɖe Israel dukɔa ƒe kpɔɖeŋu ŋu.

18 Togbɔ be Yehowa ɖe Israel-viwo zi gbɔ zi geɖe tso woƒe futɔwo si me hã la, seɖoƒe va nɔ eƒe dɔmetɔtrɔ ŋu mlɔeba. Dzimesesẽtɔ siawo ƒo wo ɖokui ɖe trɔ̃subɔsubɔ me, eye wotsɔ woƒe legba nyɔŋuawo va Yehowa ƒe gbedoxɔ me ke gɔ̃ hã! (Ezekiel 5:11; 8:17, 18) Gakpe ɖe eŋu la, wogblɔ na mí be: “Woɖea alɔme le Mawu vavã la ƒe dɔlawo ŋu, wodoa vlo eƒe nyawo, eye woɖua fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, va se ɖe esime Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ la ŋu, va se ɖe esime gbedada aɖeke megale wo ŋu o.” (2 Kronika 36:16) Israel-viwo ƒe nuwɔna va ɖo afi si naneke meli si dzi woaganɔ te ɖo akpɔ nublanui na wo o, eye wona Yehowa do dɔmedzoe dzɔdzɔe ɖe wo ŋu. Nu kae do tso eme?

19 Yehowa megate ŋu na eƒe dɔme trɔ ɖe eƒe amewo ŋu o. Egblɔ be: “Nye dɔme matrɔ ɖe wo ŋu o, nyemase veve ɖe wo nu o, eye nyemakpɔ nublanui na wo agbe wo tsɔtsrɔ̃ o.” (Yeremiya 13:14) Le esia ta wotsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa, eye wokplɔ Israel-viwo yi aboyo me le Babilon. Ne amegbetɔ nu vɔ̃ mewo dze aglã ale gbegbe be wona Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ ɖo eƒe seɖoƒe la, nublanuinya ka gbegbee nye esi wònyena!—Konyifahawo 2:21.

20, 21. (a) Nu kae adzɔ ne Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ ɖo eƒe seɖoƒe le míaƒe ŋkekea me? (b) Nunana si me Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ le ka mee míadzro le ta si kplɔe ɖo me?

20 Ke egbea ya ɖe? Yehowa metrɔ o. Le eƒe dɔmetɔtrɔ ta ede dɔ asi na eƒe Ðasefowo be woaɖe gbeƒã “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la le xexe bliboa katã me. (Mateo 24:14) Ne dzianukwaretɔwo xɔ nyaa la, Yehowa kpena ɖe wo ŋu be wosea Fiaɖuƒegbedeasia gɔme. (Dɔwɔwɔwo 16:14) Gake dɔ sia mayi edzi tegbee o. Manye dɔmetɔtrɔ ɖe ame ŋu be Yehowa naɖe mɔ xexe vɔ̃ɖi sia kple eƒe nɔnɔme donuxaxaname kple fukpekpewo katã nayi edzi tegbee o. Ne Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ ɖo eƒe seɖoƒe la, Yehowa atso ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava nuɖoanyi sia dzi. Le ɣemaɣi gɔ̃ hã la, eƒe nuwɔwɔ anye dɔmetɔtrɔ ɖe ame ŋu—dɔmetɔtrɔ ɖe eƒe “ŋkɔ kɔkɔe” la kpakple ɖe esubɔla siwo tsɔ wo ɖokui nɛ la ta. (Ezekiel 36:20-23) Yehowa aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖe sia ɖe ɖa eye wòana xexe yeye si le dzɔdzɔe nava xɔ ɖe eteƒe. Yehowa gblɔ le ame vɔ̃ɖiwo ŋu be: “Nye ŋku makpɔ nublanui o, eye nye dɔme hã matrɔ ɖe wo ŋu o. Mahe woƒe nuwɔnawo me tsonuwo ava woawo ŋutɔwo ƒe ta dzi.”—Ezekiel 9:10.

21 Va se ɖe esime ɣeyiɣi ma naɖo la, Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amewo ŋu, ɖe ame siwo ava tsrɔ̃ gɔ̃ hã ŋu. Amegbetɔ nuvɔ̃me siwo trɔ dzi me vavã ate ŋu axɔ Yehowa ƒe nunana siwo me nublanuikpɔkpɔ gãtɔ kekeake le dometɔ ɖeka—eƒe tsɔtsɔke. Le ta si kplɔe ɖo me la, míadzro kpɔɖeŋu lédziname siwo le Biblia me, siwo wotsɔ ɖɔ ale si Yehowa tsɔ kena bliboe la me.

a Gake enyo be míade dzesii be le Psalmo 103:13 la, wozã Hebrigbe me dɔwɔnya ra·chamʹ tsɔ fia ale si vifofo kpɔa nublanui alo eƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋui.

b Nyagbɔgblɔ “megate ŋu do dzi” o le nyaa ŋutɔŋutɔ nu fia be “nu ti kɔ na eƒe luʋɔ; magate ŋu agbɔ dzi ɖi o.” The New English Bible xlẽ be: “Megate ŋu le dzi dom le Israel-viwo ƒe fukpekpe teƒe kpɔkpɔ me o.” Tanakh—A New Translation of the Holy Scriptures gblɔ be: “Megate ŋu ɖe mɔ be Israel-viwo nanɔ fu kpem o.”