Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 27

“Aleke Eƒe Nyuiwɔwɔ Keke Tae” Nye Esi!

“Aleke Eƒe Nyuiwɔwɔ Keke Tae” Nye Esi!

1, 2. Aleke Mawu ƒe nyuiwɔwɔ keke tae, eye aleke Biblia te gbe ɖe nɔnɔme sia dzii?

 XƆLƆ̃ xoxo aɖewo va kpe ta ɖe fiẽya fafɛ nu le gota esime ɣea gba amigo eye woɖo kplɔ̃ le nu ɖum, le nu kom, le dze viviwo ɖom hele ale si nuto si ƒo xlã wo la nya kpɔe kafum. Agbledela aɖe tsi tre ɖe teƒe bubu aɖe ɖaa le eƒe agble ta kpɔm hele alɔgbɔnu kom esime tsi gã aɖe ɖo eye wòte dzadza ɖe eƒe nuku siwo hiã tsi vevie la dzi. Le teƒe aɖe hã la, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu aɖe ƒe dzi yɔ fũu kple dzidzɔ esi wokpɔ wo vi suea tso, ɖo agbagba, hete afɔɖeɖe zi gbãtɔ.

2 Ame siawo ɖanya alo womeɖanya o, nu ɖeka aɖe teƒe kpɔm wo katã wole dzidzɔtɔe—Yehowa Mawu ƒe nyuiwɔwɔ. Zi geɖe ame siwo doa vivi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu la gblɔa nya sia be, “Mawu nyo loo!” Gake ŋusẽ le nya siwo Biblia gblɔ la ŋu wu. Egblɔ be: “Aleke eƒe nyuiwɔwɔ keke tae!” (Zakariya 9:17) Gake edze abe ame ʋɛ aɖewo koe nya gɔmesese si tututu le nya mawo ŋu egbea ene. Nu kawo tututu ŋue Yehowa Mawu ƒe nyuiwɔwɔ ku ɖo, eye aleke Mawu ƒe nɔnɔme sia kpɔa ŋusẽ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzii?

Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Ƒe Akpa Ðedzesi Aɖee Wònye

3, 4. Nu kae nye nyuiwɔwɔ, eye nu ka tae woate ŋu agblɔ le Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ŋu be enye eƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia?

3 Le gbegbɔgblɔ geɖe me egbea la, “nyuiwɔwɔ” nye nya aɖe si ƒe gɔmesese le gbadzaa ko. Gake abe ale si woɖee fia le Biblia me ene la, nyuiwɔwɔ menye nya si le gbadzaa o. Nu si wòfia koŋ ye nye amewɔwɔ kple agbe nyui nɔnɔ deŋgɔ. Eya ta le susu aɖe nu la, míate ŋu agblɔ be Yehowa yɔ fũu kple nyuiwɔwɔ. Eƒe nɔnɔme vevitɔwo katã—siwo dome eƒe ŋusẽ, eƒe dzɔdzɔenyenye, kple eƒe nunya le—nyo heganyo ale gbegbe le go sia go me. Ke hã míagate ŋu agblɔ le nyuiwɔwɔ ŋu wòasɔ wu be enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia. Nu ka tae?

4 Nɔnɔme si dzena le nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu mee nyuiwɔwɔ nye. Apostolo Paulo ɖee fia be le amegbetɔwo gome la, nɔnɔme sia nyoa ame ŋu gɔ̃ hã wu nu dzɔdzɔe wɔwɔ. (Romatɔwo 5:7) Woate ŋu aɖo ŋu ɖe ame dzɔdzɔe ŋu be awɔ ɖe nu siwo wobia tso esi le se nu dzi pɛpɛpɛ nuteƒewɔwɔtɔe, gake ame nyui ya wɔa nu si yi ŋgɔ wu ema. Etsona le eɖokui si dia mɔ siwo dzi wòato awɔ nu si aɖe vi na ame bubuwo hã. Abe ale si míava kpɔe ene la, Yehowa nyo ŋutɔŋutɔ le gɔmesese ma nu. Edze ƒãa be Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si seɖoƒe meli na o mee nyuiwɔwɔ sia tsona.

5-7. Nu ka ta Yesu gbe be woagayɔ ye be “Nufiala Nyui” o, eye nyateƒenya vevi ka dzie wòto ema me ɖo kpee?

5 Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ hã nye esi le etɔxɛ si ɖeke mede enu o. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, ŋutsu aɖe te ɖe eŋu be yeabia nyae, eye wòyɔe be “Nufiala Nyui.” Yesu gblɔ nɛ be: “Nu ka tae nèle yɔyem be ame nyui? Ame aɖeke menye ame nyui o, negbe ame ɖeka ko, eyae nye Mawu.” (Marko 10:17, 18) Ðewohĩ eƒe ŋuɖoɖo ma awɔ mo yaa na wò. Nu ka ta wòle be Yesu naɖɔ ŋutsu ma ɖo? Le nyateƒe me la, ɖe Yesu menye “Nufiala Nyui” oa?

6 Edze ƒãa be ɖe ŋutsua nɔ nya siwo nye “Nufiala Nyui” zãm abe kafukafuŋkɔ si ana yeadze eŋu ene. Yesu he eƒe susu yi edzi ɖokuibɔbɔtɔe be kafukafu ma nye ye Fofo si le dziƒo tɔ, ame si ƒe nyonyo ƒo ɖe sia ɖe ta. (Lododowo 11:2) Gake Yesu nɔ kpe ɖom nyateƒenya vevi aɖe hã dzi. Yehowa ɖeka koe nye ame si ɖoa nu si nyo ƒe dzidzenu. Eya ɖeka hɔ̃ ko sie gome si ƒo ɖe sia ɖe ta le be wòafia nu si nyo kple nu si menyo o. Adam kple Xawa di be gome ma nasu yewo ŋutɔ si esi woto aglãdzedze me ɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia. Gake Yesu ya mele abe woawo ene o, elɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be ye Fofo koe dze aɖo dzidzenuwo.

7 Gawu la, Yesu nya be Yehowa gbɔe nu sia nu si nye nu nyuitɔ kekeake la tso. Eyae nye “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” Nala. (Yakobo 1:17) Mina míadzro ale si Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ dze le eƒe dɔmenyonyo mee la me.

Yehowa Ƒe Nyuiwɔwɔ Gbogboawo Ƒe Kpeɖodzi

8. Aleke Yehowa wɔa nyui na ameƒomea katãe?

8 Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ɖe vi na ame sia ame si nɔ anyi kpɔ. Psalmo 145:9 gblɔ be: “Yehowa wɔa nyui na amewo katã.” Eƒe nyuiwɔwɔ na amewo katã ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖe? Biblia gblɔ be: “Medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eɖokui ŋu hafi o, elabena ewɔa nyui na mi, enaa tsidzadza mi tso dziƒo eye wònaa nukuwo wɔna le wo wɔɣi, eye wòtsɔa nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔa miaƒe dziwo me fũu.” (Dɔwɔwɔwo 14:17) Nu vivi aɖe ɖuɖu na be dzidzɔ yɔ wò dzi me fũu kpɔa? Ne ɖe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ mena be wòwɔ anyigba sia ale be tsidzadza ƒe ɖoɖo wɔe be míekpɔa tsi nyui ɣesiaɣi eye “nukuwo wɔna le wo wɔɣi” ale be míakpɔ nuɖuɖu vovovowo o la, anye ne nu manɔ anyi míakpɔ aɖu o. Menye ame siwo lɔ̃a Yehowa koe wòwɔa nyui sia na o, ke boŋ ewɔnɛ na ame sia ame. Yesu gblɔ be: “Enana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Mateo 5:45.

9. Aleke Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ dze le ale si wòwɔ atɔtɔŋuti mee?

9 Dɔmenyonyo gã si wòwɔna na mí amegbetɔwo esi wònaa ɣe ƒe keklẽ, tsidzadza, kple nuƒãɣi nyuiwo mí ɣesiaɣi la nye nu siwo ŋu ame geɖe mebuna o. Le kpɔɖeŋu me, bu atɔtɔŋuti (apple, alo pomme) ŋu kpɔ. Enye atikutsetse si bɔ ŋutɔ ɖe xexea ƒe akpa siwo katã dzoxɔxɔ mele fũu o. Ke hã edze ani, evivina, eye tsi vivi kple nunyiame veviwo le eme fũu. Ènya be le xexea me godoo la, atɔtɔŋuti ƒomevi vovovo siwo ade 7,500 ye li, eye be woƒe amadedewo le vovovo, tso dzĩtɔwo dzi yi sikatsi kple aŋutiɖiɖitɔwo dzi va se ɖe gbemu tɔwo dzi, eye woƒe lolome hã le vovovo, ɖewo le abe aŋuti ene eye bubuwo lolo wuia? Ne èlé atɔtɔŋuti ƒe ku suea ɖe asiƒome la, màbui o. Gake eyae miena zua ati siwo dze ani wu la dometɔ ɖeka. (Hawo ƒe Ha 2:3) Atɔtɔŋutiti ƒoa se siwo dze ani le adame ɖe sia ɖe; etsea ku le kele ɖe sia ɖe me. Ƒe sia ƒe le mama dedie nu—va se ɖe ƒe 75 sɔŋ—la, atɔtɔŋutiti ɖeka tsea ku siwo ayɔ nugo gã 20 siwo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme ade kilogram 19!

Yehowa naa “tsidzadza mi tso dziƒo eye wònaa nukuwo wɔna le wo wɔɣi”

Ku sue sia miena zua ati si ƒe tsetse naa nuɖuɖu ƒe geɖe eye wòdoa dzidzɔ na ame

10, 11. Aleke míaƒe sidzenuwo ɖe Mawu ƒe nyuiwɔwɔ fiae?

10 Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ gbogbo si ŋu seɖoƒe mele o na wòwɔ míaƒe ŋutilã “wòwɔ nuku,” eye wòna sidzenuwo mí be wòakpe ɖe mía ŋu míanya nu le eƒe asinudɔwo ŋu eye míakpɔ dzidzɔ ɖe wo ŋu. (Psalmo 139:14) Gaɖo ŋku nukpɔkpɔ siwo ŋu míeƒo nu le le ta sia ƒe gɔmedzedze dzi. Nukpɔkpɔ kawoe naa dzi dzɔa ame le ɣeyiɣi mawo me? Ðevi sue si dzi le dzɔdzɔm ƒe alɔgbɔnukoko. Tsi si le dzadzam ɖe agblewo dzi. Ɣe ƒe amigogbagba me amadede dzĩawo, sikatsiawo, kpakple blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe tsakatsakawo. Wowɔ amegbetɔ ƒe ŋku be wòate ŋu akpɔ amadede vovovo akpe alafa geɖewo alo miliɔn geɖewo gɔ̃ hã! Míaƒe nusese te ŋu dea vovototo gbeɖiɖi ƒe tɔtrɔ vovovowo me, si ƒe ɖewoe nye ame si míelɔ̃ vevie ƒe gbe, yaƒoƒo ƒe ɖiɖi to atiwo me, kple ɖevi sue ƒe nukoko dodzidzɔname. Nu ka tae nukpɔkpɔ kple nusese siawo te ŋu doa dzidzɔ na mí? Biblia gblɔ be: “To senu kple ŋku kpɔnu la, Yehowae wɔ wo kple evea siaa.” (Lododowo 20:12) Gake míaƒe sidzenuwo dometɔ eve koe nye ema.

11 Nuʋeʋẽse hã nye Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ŋuti kpeɖodzi bubu. Amegbetɔ ƒe ŋɔti ate ŋu ade vovototo ʋeʋẽ vovovowo dome—numekulawo gblɔ be anɔ akpewo kple miliɔn teƒe miliɔnwo dome. Bu eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ: nuɖuɖu si dzɔa dzi na wò wu si ɖam wole ƒe ʋeʋẽ, seƒoƒowo ƒe ʋeʋẽ, aŋgba siwo dudu kɔ ɖe anyi ƒe ʋeʋẽ, kple dzo sue si le dzudzɔ tum ƒe ʋeʋẽ. Eye wò asikakanuŋu ƒe sidzenu hã naa nète ŋu sea ya si le ƒoƒom ɖe mo na wò, wò lɔlɔ̃tɔ ƒe asikplakɔname vividoɖeameŋutɔe, atikutsetse si le wò asiƒome ƒe zɔzrɔ̃ nyuie. Ne èka ɖe de nu me la, wò nuɖɔɖɔkpɔ ƒe sidzenu tea dɔwɔwɔ. Wò aɖe sea nu ƒe vivi alo veve vovovo siwo le atikutsetsea me tsi si me nu hamehamewo le. Ɛ̃, esɔ le go sia go me be míagblɔ le Yehowa ŋu be: “Wò nyuiwɔwɔ sɔ gbɔ loo! Èdzrae ɖo ɖi na ame siwo vɔ̃a wò la.” (Psalmo 31:19) Gake aleke Yehowa dzra nyuiwɔwɔ ɖo na ame siwo me mawuvɔvɔ̃ le?

Nyuiwɔwɔ Si Me Viɖe Mavɔwo Le

12. Yehowa ƒe nunana kawoe nye vevitɔwo, eye nu ka tae?

12 Yesu gblɔ be: “Woŋlɔ ɖi be: ‘Menye abolo ɖeɖe ko nu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me la hã nu.’” (Mateo 4:4) Vavãe, Yehowa ƒe gbɔgbɔ me nunanawo ate ŋu aɖe vi geɖe na mí wu ŋutilãmenuwo, elabena woawo kplɔa ame yia agbe mavɔ mee. Míede dzesii le agbalẽ sia ƒe Ta 8 lia me be Yehowa zã eƒe ɖɔɖɔɖoŋusẽ le ŋkeke mamlɛ siawo me tsɔ ɖo gbɔgbɔmeparadiso si le ta kekem la anyi. Paradiso ma ƒe akpa vevi aɖee nye gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo siwo nam wòle mí.

13, 14. (a) Nu kae nyagblɔɖila Ezekiel kpɔ le ŋutega me, eye gɔmesese kae le eŋu na mí egbea? (b) Gbɔgbɔmenu siwo naa agbe ƒe ɖoɖo kawoe Yehowa wɔna na esubɔla wɔnuteƒewo?

13 Le Biblia ƒe gbugbɔɖoanyi ƒe dɔ gãwo ŋuti nyagblɔɖiwo dometɔ ɖeka me la, wona nyagblɔɖila Ezekiel kpɔ gbedoxɔ si wogbugbɔ ɖo anyi eye wokɔ eŋu la ƒe ŋutega. Tɔ aɖe nɔ sisim tso gbedoxɔ ma me, si nɔ kekem ɖe enu eye eme nɔ goglom ɖe edzi va se ɖe esime wòtrɔ zu tɔsisi si womate ŋu atso kple afɔ o. Afi sia afi si tɔa si toe la, nu nyuiwoe wòhena vɛ. Ati tsekuwo mie ɖe tɔsisia ƒe goawo dzi siwo nyo na ɖuɖu kple na dɔyɔyɔ. Eye tɔsisia ƒe tsiwo gbɔ agbe Ƒu Kukua ƒe dzetsi gɔ̃ hã ale be lãɖedɔwo gafɔ ɖe te! (Ezekiel 47:1-12) Gake nu kae nu siawo katã fia?

14 Gbedoxɔ si dze le ŋutega me la fia be Yehowa agbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi, eye wòana amewo nasubɔe ake le mɔ si dzea eŋu la nu. Abe ŋutega me tɔsisi ma ene la, Mawu ƒe nunanawo na agbekpɔkpɔ atsa ade eƒe amewo gbɔ le agbɔsɔsɔ si anɔ dzidzim ɖe edzi me. Tso esime wogbugbɔ tadedeagu dzadzɛtɔ ɖo anyi le ƒe 1919 me la, Yehowa yi edzi tsɔ nunana siwo naa agbe la le eƒe amewo yramee. Le mɔ ka nu? Eyae nye be eto Bibliawo, Biblia-srɔ̃gbalẽwo, kpekpewo, kple takpekpewo dzi tsɔ nyateƒenya xɔasiwo le ame miliɔn geɖe gbɔ ɖom. Yehowa to mɔnu siawo dzi le nu fiam amewo tso eƒe nunana vevitɔ kekeake si ƒe ɖoɖo wòwɔ na agbekpɔkpɔ ŋu—Kristo ƒe tafevɔsa si hea tenɔnɔ dzadzɛ le Yehowa ŋkume kple agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ vɛ na ame siwo katã lɔ̃a Mawu hevɔ̃nɛ la. a Le esia ta esime gbɔgbɔmedɔ le amewo wum le xexea me le ŋkeke mamlɛ siawo me la, Yehowa ƒe amewo ya yi edzi le gbɔgbɔmenuɖuɖu damiwo ɖum.—Yesaya 65:13.

15. Aleke Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ayi edzi aɖe vi na ameƒomea me tɔ wɔnuteƒewo le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me?

15 Gake Ezekiel ƒe ŋutega me tɔa madzudzɔ sisi ne nuɖoanyi xoxo sia wu enu o. Ðe wòayi edzi anɔ sisim geɖe wu le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me boŋ. Ekema Yehowa ato Mesia Fiaɖuƒea dzi awɔ Yesu ƒe tafevɔsa la ƒe asixɔxɔ ŋu dɔ atsɔ akplɔ ameƒomea me tɔ wɔnuteƒewo aɖo blibodede gbɔe. Aleke gbegbe míatso aseye ɖe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ tae nye esi!

Yehowa Ƒe Nyuiwɔwɔ Ƒe Akpa Bubuwo

16. Aleke Biblia ɖee fia be Yehowa ƒe nɔnɔme nyui bubuwo dze le eƒe nyuiwɔwɔ me, eye wo dometɔ aɖewoe nye kawo?

16 Menye dɔmenyowɔwɔ ko dzie Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ se ɖo o. Mawu gblɔ na Mose be: “Mana nàkpɔ nye nyuiwɔwɔ katã teƒe, eye maɖe gbeƒã nye ŋkɔ Yehowa le ŋgɔwò.” Emegbe nuŋlɔɖia gblɔ kpee be: “Eye Yehowa va to eŋu yi hele gbeƒã ɖem be: ‘Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple ameŋubula, ame si medoa dzikukabakaba o, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.’” (2 Mose 33:19; 34:6, etenuŋɔŋlɔ) Eya ta Yehowa ƒe nɔnɔme nyui bubu geɖewo le eƒe nyuiwɔwɔ la me. Mina míade ŋugble le wo dometɔ eve ko ŋu.

17. Nu kae ameŋububu fia, eye aleke Yehowa ɖee fia amegbetɔ tsɛ madeblibowo?

17 “Ameŋubula.” Nɔnɔme sia, si woɖe tso nya si gɔme wogaɖena be “veveseɖeamenula” me fia nu geɖe mí tso ale si Yehowa wɔa nu ɖe eƒe nuwɔwɔwo ŋui la ŋu. Le esi Yehowa nanye gbedaɖeamegbɔla, vivimadoɖeameŋula, alo ŋutasẽla abe ale si wòle le amegbetɔ ŋusẽtɔwo gome ene teƒe la, ame fatu kple dɔmenyotɔ boŋue wònye. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ na Abram be: “Meɖe kuku, fɔ mo dzi nàtsa ŋku tso afi si nèle, eye nàkpɔ dziehe, anyiehe, ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe gome.” (1 Mose 13:14) Biblia gɔmeɖeɖe geɖe ɖe nya siwo nye “meɖe kuku” ɖa le teƒe ma. Gake Biblia me kulawo de dzesii be wozã nya aɖe le Hebrigbe gbãtɔ si me woŋlɔe ɖo me si fia be nyagbɔgblɔa menye gbeɖeɖe na ame o, ke boŋ enye nubiabia tso ame si tufafatɔe. Esia ƒe kpɔɖeŋu bubuwo hã gali. (1 Mose 31:12; Ezekiel 8:5) Bu eŋu kpɔ ko be xexea me katã ƒe Dziɖulagã nagblɔ na amegbetɔ tsɛwo be “meɖe kuku”! Le xexe sia si me gbedadaɖeamegbɔ, amedzizizi, kple nya madzetowo gbɔgblɔ bɔ ɖo me la, ɖe meléa dzi na mí ne míede ŋugble le ale si mía Mawu Yehowa bua ame ŋui ŋu oa?

18. Gɔmesese ka nue Yehowa ƒe “nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ” le, eye nu ka ta nya mawo naa kakaɖedzi ame?

18 “Eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.” Anukwaremaɖimaɖi va xɔ aƒe ɖe xexea me egbea. Gake Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Mawu menye amegbetɔ, ne wòaka aʋatso . . . o.” (4 Mose 23:19) Le nyateƒe me la, Tito 1:2 gblɔ be ‘Mawu mate ŋu aka aʋatso o.’ Eƒe nyonyo de ŋgɔ ale gbegbe be mate ŋu aka aʋatso o. Eya ta míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu bliboe; eƒe nyawo ava eme godoo. Wogayɔ Yehowa be “nyateƒe Mawu.” (Psalmo 31:5) Menye ɖeko mekaa aʋatso ko o, ke egbɔ hãe nyateƒenya gbogbo aɖewo tsona. Menye ame si tsyɔa nu eƒe nyawo dzi, gbea wo ɖeɖe ɖe go, alo ɣlaa wo o; ke boŋ enaa eƒe nunya gogloa me kɔna na esubɔla wɔnuteƒewo dɔmenyotɔe. b Efiaa ale si woawɔ anɔ agbe ɖe nyateƒe siwo ɖem wòle ɖe go la nu gɔ̃ hã wo, ale be ‘woayi edzi azɔ le nyateƒe la me.’ (3 Yohanes 3) Le mía gome la, aleke wòle be Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ nawɔ dɔ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzii?

‘Kpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ƒe Nyuiwɔwɔ Ŋu’

19, 20. (a) Mɔ ka dzie Satana to be wòatsɔ agblẽ Xawa ƒe kaka ɖe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ dzi dome, eye nu kae do tso eme? (b) Dɔ nyui kae wòsɔ be Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ nawɔ ɖe mía dzi, eye nu ka tae?

19 Esime Satana te Xawa kpɔ le Eden-bɔa me la, etsɔ ayedzedze dze egɔme kple nya siwo ana magaka ɖe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ dzi o. Yehowa gblɔ na Adam be: “Àte ŋu aɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa.” Le ati akpe geɖe siwo Yehowa tsɔ ɖo atsyɔ̃ na abɔa dome la, ɖeka ko ɖuɖu nue wòde se ɖo. Gake de dzesi ale si Satana dze nya gbãtɔ si wòbia Xawae la gɔme, be: “Vavãe Mawu gblɔ be migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke oa?” (1 Mose 2:9, 16; 3:1) Satana tro Yehowa ƒe nyawo be wòana Xawa nasusui be ɖe Yehowa le nu nyui aɖe tem wo. Nublanuitɔe la, eƒe ayemenuwɔwɔa dze edzi nɛ. Xawa te ɖikeke le Mawu, ame si gbɔ nu sia nu si le esi tso, ƒe nyuiwɔwɔ ŋu, abe ale si ŋutsu kple nyɔnu geɖe siwo va dzɔ emegbe hã wɔna ene.

20 Míenya fukpekpe kple nu wɔnublanui siwo do tso ɖikeke mawo me. Eya ta mina míawɔ ɖe nya siwo le Yeremiya 31:12 dzi be: “Woakpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ŋu.” Nyateƒee, ele be Yehowa ƒe nyuiwɔwɔwo nana míagli kple dzidzɔ. Mele be míake ɖi le mía Mawu, ame si me nyuiwɔwɔ yɔ fũu, la ƒe susuwo ŋu gbeɖe o. Míate ŋu aka ɖe eyama dzi bliboe, elabena nyui ko wòdina na ame siwo lɔ̃nɛ.

21, 22. (a) Mɔ siwo dzi nàdi be yeato aɖee afia be yekpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ŋu la dometɔ aɖewo ɖe? (b) Nɔnɔme ka mee míadzro le ta si kplɔe ɖo me, eye aleke wòto vovo na nyuiwɔwɔe?

21 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, edzɔa dzi na mí ne mɔnukpɔkpɔ su mía si be míagblɔ Mawu ƒe nyuiwɔwɔ ŋu nyawo na amewo. Psalmo 145:7 gblɔ le Yehowa ƒe amewo ŋu be: “Woadudu wò nyuiwɔwɔ geɖeawo ŋu nya akɔ ɖi.” Ŋkeke sia ŋkeke si míele agbe la, Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ɖea vi na mí le mɔ aɖe nu. Nu ka ta màna wòazu numame na wò gbe sia gbe be nàda akpe na Yehowa ɖe eƒe nyuiwɔwɔ ta, ahayɔ eƒe nu nyui wɔwɔ aɖewo tẽe le wò gbedodoɖawo me o? Nɔnɔme sia ŋu bubu, akpedada na Yehowa ɖe eta gbe sia gbe, kple egbɔgblɔ na ame bubuwo akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ mía Mawu nyui la. Eye ne míeyi edzi le mɔ siwo dzi míato awɔ nyui dim, abe ale si Yehowa wɔnɛ ene la, ana be míanɔ tetem ɖe eyama ŋu geɖe wu. Apostolo Yohanes si ku amegã ŋlɔ be: “Lɔlɔ̃tɔ, mègasrɔ̃ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ o, ke srɔ̃ nu nyui wɔwɔ boŋ. Ame si wɔa nu nyui la, etso Mawu me.”—3 Yohanes 11.

22 Ƒomedodo le Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ kple eƒe nɔnɔme bubuwo hã dome. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe “lɔlɔ̃ si nu metsina o” la sɔ gbɔ. (2 Mose 34:6) To vovo na nyuiwɔwɔ la, ame aɖewo koŋ ye Yehowa ɖea nɔnɔme sia fiana, si nye esubɔla wɔnuteƒewo. Míasrɔ̃ ale si wòvea wo nui le ta si kplɔe ɖo me.

a Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu bubu aɖeke meli si de tafea nu o. Le Yehowa ƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔ miliɔn geɖe siwo li wòate ŋu azã dome la, eƒe Tenuvi si gbɔ melɔ̃a nu le o ye wòtia be wòava ku ɖe mía ta.

b Esɔ nyuie be Biblia na ɖekawɔwɔ si le nyateƒe kple kekeli dome dze. Hakpala la gblɔ be: “Ðo wò kekeli kple wò nyateƒe ɖa.” (Psalmo 43:3) Yehowa naa gbɔgbɔmekekeli geɖe sua ame siwo lɔ̃na faa be wòafia nu alo wòakɔ nu me na yewo la si.—2 Korintotɔwo 4:6; 1 Yohanes 1:5.