Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 28

“Wò Ðeɖe Koe Nye Nuteƒewɔla!”

“Wò Ðeɖe Koe Nye Nuteƒewɔla!”

1, 2. Nu ka tae woate ŋu agblɔ be nuteƒemawɔmawɔ teƒe kpɔkpɔ menye nu yeye na Fia David o?

 NUTEƑEMAWƆMAWƆ teƒe kpɔkpɔ menye nu yeye na Fia David o. Ɣeaɖeɣi eƒe dziɖuɖu va ɖo nɔnɔme sesẽ aɖe me esi woɖo tame vɔ̃ ɖe eŋu, eye eya ŋutɔ ƒe dukɔmeviwoe ɖo nugbe ɖe eŋu. Esi gavɔ̃ɖi wu la, David ŋutɔ ƒe ame siwo wònɔ mɔ kpɔm be woanɔ ye ŋu kplikplikpli la dometɔ aɖewoe va gbugbɔ le eyome. Bu David srɔ̃ gbãtɔ Mikal ŋu kpɔ. Le gɔmedzedzea la, enye ame si “lɔ̃ David,” eye ɖikeke mele eme o be ekpe asi ɖe eŋu le eƒe fiadɔwo wɔwɔ me. Gake emegbe la, eva ‘do vlo David le eƒe dzi me,’ eye wòbui abe ‘ŋutsu tagbɔkukutɔ’ ene gɔ̃ hã.—1 Samuel 18:20; 2 Samuel 6:16, 20.

2 Ame bubu hã ye nye David ŋutɔ ƒe aɖaŋuɖola, Ahitofel. Wobua eƒe aɖaŋuɖoɖo abe Yehowa ŋutɔ gbɔe eƒe nyawo tso tẽe ene. (2 Samuel 16:23) Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ame sia si ŋu woɖoa ŋu ɖo eye woka ɖe edzi vevie la va gbugbɔ le David yome, eye wòva wɔ ɖeka kple aglãdzela siwo ho ɖe eŋu. Eye ame kae le megbe na nugbeɖoɖo sia? David ŋutɔ ƒe vi Absalom ye! Nugbeɖola nu gã dila sia “fi Israel ŋutsuwo ƒe dzi,” eye wòɖo eɖokui fia si le zikpui ʋlim kplii. Absalom ƒe aglãdzedzea va kpɔ ŋusẽ ale gbegbe be eva hiã be Fia David nasi aɖe eƒe agbe.—2 Samuel 15:1-6, 12-17.

3. Kakaɖedzi kae nɔ David si?

3 Ðe ame aɖeke meli si yi edzi wɔ nuteƒe na David oa? Le David ƒe xaxawo katã me la, enyae nyuie be nuteƒewɔla aɖe li. Ame kae? Menye ame bubu aɖeke tsɔ wu Yehowa Mawu o. David gblɔ le Yehowa ŋu be: “Èwɔa nuteƒe na ame si wɔa nuteƒe.” (2 Samuel 22:26) Nu kae nye nuteƒewɔwɔ, eye aleke Yehowa ɖo nɔnɔme sia ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi?

Nu Kae Nye Nuteƒewɔwɔ?

4, 5. (a) Nu kae nye “nuteƒewɔwɔ”? (b) Aleke nuteƒewɔwɔ to vovo na nyateƒetɔnyenyee?

4 Ale si wozã nya “nuteƒewɔwɔ” le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la fia dɔmenyonyo ƒe kukuɖeameŋu lɔlɔ̃tɔe si me womana ta le o va se ɖe esime taɖodzinu si le eŋu la va eme. Esia de ŋgɔ wu anukwareɖiɖi alo nyateƒetɔnyenye ko. Nya lae nye be ame aɖe ate ŋu ato nyateƒe le esi wobiae tso esi ta ko. Gake lɔlɔ̃ dzi koŋue nuteƒewɔwɔ ya nɔ te ɖo. a Azɔ hã woate ŋu azã nya “nyateƒetɔ” ɖe nu siwo me agbe mele o ŋu. Le kpɔɖeŋu me, hakpala la yɔ dzinu be enye “ɖasefo nyateƒetɔ si le dziŋgɔli me,” le esi wòdona edziedzi le zã me ta. (Psalmo 89:37) Gake womate ŋu agblɔ le dzinu ŋu be enye nuteƒewɔla o. Nu ka tae? Elabena nuteƒewɔwɔ nye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia—enye nɔnɔme si nu siwo me agbe mele o mate ŋu aɖe afia o.

Woyɔ dzinu be ɖasefo nyateƒetɔ, gake nuwɔwɔ nyanu siwo me agbe le koe ate ŋu aɖe Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ afia ŋutɔŋutɔ

5 Le Ŋɔŋlɔawo me gɔmesese nu la, nuteƒewɔwɔ ɖeɖe fia nye nu si me xɔlɔ̃wɔwɔ le. Be woawɔ nuteƒe ŋutɔ fia be ƒomedodo aɖe le ame si le nuteƒea wɔm na ame kple ame si wòle ewɔm na dome. Nuteƒewɔwɔ sia tɔgbi menye nu si trɔna o. Mele abe ƒutsotsoe si yaƒoƒo ƒe tɔtrɔ vovovowo nyamana ene o. Ke boŋ nuteƒewɔwɔ, alo nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃, lia ke sesĩe eye wòte ŋu nɔa te ɖe kplamatsɛdonu sesẽtɔ kekeake nu.

6. (a) Mɔ kawo nue nuteƒewɔwɔ mebɔ ɖe amegbetɔwo dome o le, eye aleke woɖe esia gblɔ le Biblia mee? (b) Mɔ kae nye nyuitɔ si dzi míato asrɔ̃ nu tso nu si nuteƒewɔwɔ fia ŋu, eye nu ka tae?

6 Míalɔ̃ ɖe edzi be nuteƒewɔwɔ sia ƒomevi mebɔ egbea o. Zi geɖe la, zɔhɛ kplikplikpliwo “gblẽa wo nɔewo dome.” Míesea srɔ̃tɔ siwo dzo le wo srɔ̃wo gbɔ alo megatsɔ ɖeke le eme na wo srɔ̃wo o ŋu nya zi geɖe. (Lododowo 18:24; Malaki 2:14-16) Nuteƒemawɔmawɔ nuwɔnawo va bɔ egbea ale gbegbe be anɔ eme be míegblɔa nya siwo sɔ kple nyagblɔɖila Mika tɔ, be: “Nuteƒewɔlawo nu yi le anyigba la dzi.” (Mika 7:2) Togbɔ be amegbetɔwo mete ŋu ɖea nɔnɔme vevi sia fiana zi geɖe o hã la, Yehowa ya ƒe nuteƒewɔwɔ ɖe dzesi ale gbegbe. Le nyateƒe me la, mɔ nyuitɔ si dzi míato asrɔ̃ nu si nuteƒewɔwɔ fia ye nye be míadzro ale si Yehowa ɖea eƒe lɔlɔ̃ ƒe akpa vevi sia fianae la me.

Yehowa Ƒe Nuteƒewɔwɔ Si Ðeke Mesɔ Kplii O

7, 8. Nu ka ta woate ŋu agblɔ be Yehowa ɖeɖe koe nye nuteƒewɔla?

7 Biblia gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Wò ɖeɖe koe nye nuteƒewɔla!” (Nyaɖeɖefia 15:4) Nu ka ta wònye eya koe? Ðe amegbetɔwo kple mawudɔlawo siaa mewɔ nuteƒe ɣeaɖewoɣi wòɖe dzesi ŋutɔ oa? (Hiob 1:1; Nyaɖeɖefia 4:8) Ke Yesu Kristo hã ɖe? Ðe menye eyae nye “nuteƒewɔla” gãtɔ na Mawu oa? (Psalmo 16:10) Ekema aleke woate ŋu agblɔ be Yehowa ɖeɖe koe nye nuteƒewɔla?

8 Gbã la, ɖo ŋku edzi be nuteƒewɔwɔ nye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia ƒe akpa aɖe. Esi “Mawu nye lɔlɔ̃”—si fia be nɔnɔme siae nye eƒe amenyenye bliboa—ta la, ame kae agate ŋu aɖe nuteƒewɔwɔ afia bliboe wu Yehowa? (1 Yohanes 4:8) Nyateƒee, mawudɔlawo kple amegbetɔwo ate ŋu aɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo afia ya, gake Yehowa ɖeka koe nye nuteƒewɔla deblibo le go sia go me ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake. Esi eyae nye “Ame Si Li Tso Gbe Aɖe Gbe Ʋĩi Ke” ta la, eyi edzi ɖe amenuveve si me lɔlɔ̃ le fia ɣeyiɣi didi wu nuwɔwɔ bubu ɖe sia ɖe si le dziƒo loo alo anyigba dzi. (Daniel 7:9) Eya ta nuteƒewɔwɔ nye nɔnɔme si yɔ Yehowa me fũu. Eɖea nɔnɔme sia fiana le mɔ si nu nuwɔwɔ bubu aɖeke mate ŋu agogoe kura o nu. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

9. Mɔ ka nue Yehowa ƒe “nuwɔnawo katã le eteƒe” le?

9 Yehowa ƒe “nuwɔnawo katã le eteƒe.” (Psalmo 145:17) Le mɔ ka nu? Míakpɔ esia ƒe ŋuɖoɖo le Psalmo 136 lia me. Woyɔ Yehowa ƒe ɖeɖedɔ aɖewo le teƒe ma, siwo dome Israel-viwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ nukutɔe le Ƒudzĩa me hã le. Eɖe dzesi be wotsɔ nyagbɔgblɔ aɖe wu kpukpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe nu, be: “Eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.” Míetsɔ psalmo sia de “ Biabiawo Hena Ŋugbledede” me le axa 289. Ne èle kpukpui mawo xlẽm la, àkpɔe be mɔ vovovo siwo nu Yehowa ɖe lɔlɔ̃ si nu metsina o fia eƒe amewo le la awɔ dɔ ɖe dziwò godoo. Ɛ̃, Yehowa vea esubɔla wɔnuteƒewo nu le ale si wòsea woƒe gbedodoɖa heɖoa wo ŋu le ɣeyiɣi si sɔ me la me. (Psalmo 34:6) Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ si le eme na esubɔlawo la nu metsina o zi ale si woawo hã yi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi nɛ ko.

10. Aleke Yehowa wɔa nuteƒe na esubɔlawo le eƒe dzidzenuwo mee?

10 Hekpe ɖe eŋu la, Yehowa wɔa nuteƒe na esubɔlawo le ale si wòléa eƒe dzidzenuwo me ɖe asi nyateƒetɔe me. Yehowa ƒe susu le nyui kple vɔ̃ ŋu metrɔna abe ale si wòle le ame aɖewo siwo nɔa te ɖe woƒe seselelãme kple susu dzi trɔa woƒe nuŋububu ɣesiaɣi la ene o. Le ƒe akpewo katã me la, ale si wòbua nuwo abe gbɔgbɔyɔyɔ, trɔ̃subɔsubɔ, kple amewuwu ene la metrɔ o. Egblɔ to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Ame ma ke manye va se ɖe esime miaku amegã.” (Yesaya 46:4) Eya ta kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be ne míezɔ ɖe Mawu ƒe Nya la ƒe mɔfiame siwo me kɔ ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu dzi la, viɖe geɖe ye wòahe vɛ na mí.—Yesaya 48:17-19.

11. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖewo siwo fia be Yehowa naa eƒe ŋugbedodowo vaa eme pɛpɛpɛ.

11 Yehowa gawɔa nuteƒe le eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ anukwaretɔe me. Ne egblɔ nya ɖi la, evaa eme pɛpɛpɛ. Le esia ta Yehowa gblɔ be: “Nye nya si do tso nye nu me la . . . magbugbɔ ava gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nu si medi, eye wòawɔ nu si gbe meɖoe ɖo la ade goe hafi.” (Yesaya 55:11) Yehowa wɔa nuteƒe na eƒe amewo le eƒe nya dzi wɔwɔ me pɛpɛpɛ nyateƒetɔe. Mena wonɔa mɔ kpɔm na nane vevie evɔ mana wòava eme o. Ale si wòle nyanya nyuie be Yehowa medoa kpo nu le esia me o tae esubɔla Yosua te ŋu gblɔ be: “Ŋugbe nyui siwo katã Yehowa do na Israel ƒe aƒe la dometɔ ɖeka hɔ̃ hã medo kpo emevava o; wo katã va eme.” (Yosua 21:45) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be míaƒe mɔkpɔkpɔwo magbe emevava na mí gbeɖe le esi wòanye Yehowa gbɔe wòatso be mete ŋu wɔ eƒe ŋugbedodowo dzi o ta o.—Yesaya 49:23; Romatɔwo 5:5.

12, 13. Mɔ kawo nue Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o li tegbee le?

12 Abe ale si míekpɔe va yi ene la, Biblia gblɔ na mí be Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la “li tegbee.” (Psalmo 136:1) Le mɔ ka nu? Susu siwo tae dometɔ ɖekae nye be Yehowa tsɔa nu vɔ̃wo kena keŋkeŋ tegbee. Abe ale si míedzro emee le Ta 26 lia me ene la, Yehowa megahea susu yia nu vɔ̃ si wowɔ va yi si wòtsɔ ke xoxo la dzi ake o. Esi wònye nyateƒe be “[amewo] katã wɔ nu vɔ̃, eye wometea ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o” ta la, ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nada akpe be Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.—Romatɔwo 3:23.

13 Gake Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee le susu bubu aɖe hã nu. Eƒe Nyaa gblɔ be ame dzɔdzɔe la “anɔ abe ati si wodo ɖe tɔʋu to ene, ati si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o. Nu sia nu si wòwɔna la adze edzi.” (Psalmo 1:3) Bu ati dama si ƒe aŋgbawo melũa xe gbeɖe o ŋu kpɔ! Nenema ke míawo hã ne míena Mawu ƒe Nya la doa dzidzɔ na mí vavã la, míanɔ agbe didi, le tomefafa me, eye nuwo adze edzi na mí. Yehowa ayi edzi adudu eƒe yayra akɔ ɖe esubɔla wɔnuteƒewo dzi tegbee, nuteƒewɔwɔtɔe. Vavãe, le dzɔdzɔenyenye xexe yeye si Yehowa ahe vɛ me la, eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o aɖe vi na ameƒomea me tɔ toɖolawo yi ɖe mavɔmavɔ me.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Yehowa “Magblẽ Ame Siwo Wɔa Nuteƒe Nɛ La Ði O”

14. Aleke Yehowa ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe esubɔlawo ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu?

14 Yehowa ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ fia zi geɖe. Esi Yehowa metrɔna ɣeaɖekeɣi o ta la, eƒe nuteƒewɔwɔ na esubɔla anukwareɖilawo nu matsi gbeɖe o. Hakpala la ŋlɔ bena: “Menɔ ɖevime tsã, azɔ metsi, ke nyemekpɔ wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi loo, alo be viawo ɖo abologbe kpɔ o. Elabena Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye magblẽ ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ɖi o.” (Psalmo 37:25, 28) Nyateƒee, Yehowa, si nye Wɔla la, dze na míaƒe tadedeagu. (Nyaɖeɖefia 4:11) Ke hã esi Yehowa nye nuteƒewɔla ta la, edea asixɔxɔ míaƒe nuwɔwɔ anukwaretɔe ŋu.—Malaki 3:16, 17.

15. Ðe ale si Yehowa ƒe nuwɔwɔ ɖe Israel-viwo ŋu ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ fiae la me.

15 Le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ta la, exɔna na eƒe amewo zi geɖe ne woɖo xaxa me. Hakpala la gblɔ na mí be: “Ekpɔa ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ƒe agbe ta; eɖea wo tso ame vɔ̃ɖiwo si me.” (Psalmo 97:10) Bu ale si wòwɔ nu ɖe Israel dukɔa ŋui ŋu kpɔ. Esi wòɖe Israel-viwo nukutɔe wotso Ƒudzĩa vɔ la, wogblɔ le ha si wodzi na Yehowa me be: “Èkplɔ dukɔ si nèxɔ na la le wò amenuveve me [alo, le wò lɔlɔ̃ si nu metsina o ta].” (2 Mose 15:13) Ðeɖe si wokpɔ le Ƒudzĩa me la nye nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ si Yehowa ɖe fia nyateƒe. Eya ta Mose gblɔ na Israel-viwo be: “Menye esi miesɔ gbɔ wu le dukɔwo katã dome tae Yehowa lɔ̃ mi, eye wòtia mi ɖo o, elabena miawoe le ʋɛ wu le dukɔwo katã dome. Ke boŋ esi Yehowa lɔ̃ mi, eye wòwɔ atam si wòka na mia tɔgbuiwo dzi la tae Yehowa tsɔ asi sesẽ kplɔ mi dzoe heɖe mi tso kluviƒe me, tso Egipte-fia Farao ƒe ŋusẽ te ɖo.”—5 Mose 7:7, 8.

16, 17. (a) Aleke Israel-viwo gbe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia nukutɔe, ke hã aleke Yehowa ɖe nublanuikpɔkpɔ fia woe? (b) Aleke Israel-vi akpa gãtɔ ɖee fia be ‘gbedada aɖeke meganɔ yewo ŋu o,’ eye nuxlɔ̃ame kpɔɖeŋu kae esia nye na mí?

16 Nyateƒee wònye be abe dukɔ ene la, Israel gbe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe amenuveve si wòɖe fia wo lɔlɔ̃tɔe la ŋu, elabena le woƒe ɖeɖekpɔkpɔ megbe la, “woyi edzi gawɔ nu vɔ̃ ɖe [Yehowa ŋu] kokoko, esi wodze aglã ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu.” (Psalmo 78:17) Le ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo me la, woyi edzi dze aglã zi geɖe, wogbugbɔ le Yehowa yome va de ta agu na alakpamawuwo eye woƒo wo ɖokui ɖe trɔ̃subɔsubɔ si he gbɔɖiɖi va wo dzii me. Ke hã Yehowa metu eƒe nu si wòbla kpli wo o. Yehowa to nyagblɔɖila Yeremiya dzi ɖe kuku boŋ na eƒe amewo be: “Oo, Israel dzego, trɔ va. . . . Nyemaɖo adã ɖe mia ŋu o, elabena nuteƒewɔlae menye.” (Yeremiya 3:12) Gake abe ale si míede dzesii le Ta 25 lia me ene la, nya siawo meʋã dzi na Israel-vi akpa gãtɔ o. Nyateƒee, “woɖea alɔme le Mawu vavã la ƒe dɔlawo ŋu, wodoa vlo eƒe nyawo, eye woɖua fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu.” Nu kae va do tso eme? Mlɔeba la, “Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ la ŋu, va se ɖe esime gbedada aɖeke megale wo ŋu o.”—2 Kronika 36:15, 16.

17 Nu kae míesrɔ̃ tso nu sia me? Eyae nye be Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ mefia be etsɔa nu sia nu ko alo be woate ŋu aflui o. Nyateƒee wònye be Yehowa ƒe “lɔlɔ̃ si nu metsina o . . . sɔ gbɔ,” eye wòdzɔa dzi nɛ be yeakpɔ nublanui ne nane li si dzi wòanɔ te ɖo akpɔe ya. Gake nu kae dzɔna ne nu vɔ̃ wɔla aɖe va nye ame vɔ̃ɖi si gbe tɔtrɔ wɔwɔ kura? Le nɔnɔme mawo me la, Yehowa léa eya ŋutɔ ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi drɔ̃a toheʋɔnu amea. Abe ale si wògblɔe na Mose ene la, Yehowa “megbea tohehe na fɔɖila o.”—2 Mose 34:6, 7.

18, 19. (a) Aleke Yehowa ƒe tohehe na ame vɔ̃ɖiwo la ŋutɔ hã nye eƒe nuteƒewɔwɔe? (b) Mɔ ka nue Yehowa awɔ nuteƒe na esubɔla siwo yome woti va se ɖe ku me ke le?

18 Mawu ƒe tohehe si vaa ame vɔ̃ɖiwo dzi la ŋutɔ hã nye eƒe nuteƒewɔwɔ. Le mɔ ka nu? Míekpɔ esia ƒe kpeɖodzi le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me le se si Yehowa de na mawudɔla adreawo me, be: “Miyi ne miatrɔ nu siwo le Mawu ƒe dɔmedzoekplu adreawo me la kɔ ɖe anyigba dzi.” Esi mawudɔla etɔ̃lia trɔ eƒe kplua ‘kɔ ɖe tɔsisiwo kple tsidzɔƒewo’ me la, wotrɔ zu ʋu. Eye mawudɔla la gblɔ na Yehowa be: “Wò, Ame si li, eye nènɔ anyi, wò, Nuteƒewɔla la, èle dzɔdzɔe, le esi nèdrɔ̃ ʋɔnu alea ta, esi wokɔ ame kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo ƒe ʋu ɖe anyi ta la, ètsɔ ʋu na wo be woano; eye wodze nɛ hã.”—Nyaɖeɖefia 16:1-6.

19 De dzesii be le ʋɔnudrɔ̃gbedeasi mawo gbɔgblɔ me la, mawudɔla la yɔ Yehowa be enye “Nuteƒewɔla.” Nu ka tae? Elabena to ame vɔ̃ɖiwo tsɔtsrɔ̃ me la, Yehowa le nuteƒe wɔm na esubɔlawo, ame siwo dometɔ geɖe yome woti va se ɖe ku me ke. Nuteƒewɔwɔtɔe la, ame siawo kpɔtɔ le agbe ŋutɔŋutɔ le Yehowa ƒe susu me. Ele edzrom vevie be yeakpɔ nuteƒewɔla siawo siwo ku la ake, eye Biblia ɖo kpe edzi be eƒe tameɖoɖoe nye be yeaɖo eteƒe na wo to wo fɔfɔ ɖe tsitre me. (Hiob 14:14, 15) Yehowa meŋlɔa esubɔla wɔnuteƒewo be le esi woku ta ko o. Ke boŋ “wo katã wole agbe nɛ.” (Luka 20:37, 38) Yehowa ƒe tameɖoɖo be yeagagbɔ agbe ame siwo le yeƒe susu me la nye eƒe nuteƒewɔwɔ ƒe kpeɖodzi sẽŋu aɖe.

Yehowa aɖo ŋku ame siwo wɔ nuteƒe nɛ va se ɖe ku me ke gɔ̃ hã dzi afɔ wo ɖe tsitre nuteƒewɔwɔtɔe

Nazitɔwo wu Bernard Luimes (etame) kple Wolfgang Kusserow (titina)

Dunyaheha aɖe me tɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe tɔ akplɔ Moses Nyamussua wòku

Yehowa Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃ Ʋua Mɔ Na Ðeɖekpɔkpɔ

20. Ame kawoe nye “nublanuikpɔkpɔ ƒe ze” la, eye aleke Yehowa wɔ nuteƒe na woe?

20 Le ŋutinyawo katã me la, Yehowa wɔ nuteƒe na amegbetɔ wɔnuteƒewo wòɖe dzesi ale gbegbe. Le nyateƒe me la, Yehowa “[gbɔ] dzi ɖi heɖe mɔ ɖe dziku ƒe ze siwo wodzra ɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃ la ŋu” ƒe akpe geɖe ye nye esia. Nu ka tae? “Ewɔ esia be yeana woanya ŋutikɔkɔe ƒe agbɔsɔsɔ si le ye si ɖe nublanuikpɔkpɔ ƒe ze siwo wòdzra ɖo ɖi do ŋgɔ hena ŋutikɔkɔe la ŋu.” (Romatɔwo 9:22, 23) “Nublanuikpɔkpɔ ƒe ze” siawoe nye ame siwo si nɔnɔme si dzè le, siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na be woanye Kristo ƒe hatidziɖulawo le eƒe Fiaɖuƒea me. (Mateo 19:28) Ale si Yehowa ʋu ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ ɖi na nublanuikpɔkpɔ ƒe ze siawo la ɖee fia be ewɔ nuteƒe na Abraham, ame si wòdo ŋugbe sia na le nubabla me be: “Anyigbadziƒomewo katã axɔ yayra to wò dzidzimevi la dzi, elabena èɖo to nye gbe.”—1 Mose 22:18.

Le Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ ta la, etsɔmemɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la le esubɔla wɔnuteƒewo katã si

21. (a) Aleke Yehowa wɔa nuteƒe na “ameha gã” la me tɔ siwo le mɔ kpɔm be yewoatso “xaxa gã” lae? (b) Nu kae Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ ʋã wò be nàwɔ?

21 Yehowa wɔa nuteƒe alea na “ameha gã” la me tɔwo hã, ame siwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoatso “xaxa gã” la ahanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 14) Togbɔ be Yehowa subɔlawo nye ame madeblibowo hã la, ena mɔnukpɔkpɔ wo nuteƒewɔwɔtɔe be woanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi. To mɔ ka dzi? To tafevɔsa la dzi—si nye Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ ɖeɖe fia gãtɔ kekeake. (Yohanes 3:16; Romatɔwo 5:8) Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ hea ame siwo ɖee fia le woƒe dzi me be dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ le yewo wum la ɖe eyama ŋu. (Yeremiya 31:3) Ðe nèsee le ɖokuiwò me be nuteƒewɔwɔ deto si Yehowa ɖe fia eye wòayi edzi aɖee afia la na nète ɖe eŋu kplikplikpli wua? Esi wònye míaƒe didi be míate ɖe Mawu ŋu ta la, neva eme be míawɔ nu ale si dze ɖe eƒe lɔlɔ̃ si wòɖe fia mí la nu, to ale si míado ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe me.

a Enyo be míade dzesii be nya si gɔme woɖe le 2 Samuel 22:26 be “nuteƒe” la ke gɔmee woɖe le teƒe bubuwo be “amenuveve” alo “nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃.”