Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 29

‘Dze Si Kristo La Ƒe Lɔlɔ̃’

‘Dze Si Kristo La Ƒe Lɔlɔ̃’

1-3. (a) Nu kae ʋã Yesu wòdi be yeanɔ abe ye Fofo ene? (b)Yesu ƒe lɔlɔ̃ ƒe akpa kawo mee míadzro?

 ÈKPƆ ŋutsuvi sue aɖe si le agbagba dzem be yeanɔ abe ye fofo ene kpɔa? Ðewohĩ ŋutsuvia asrɔ̃ ale si fofoa zɔnae, ale si wòƒoa nui, alo ale si wòwɔa nui. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, anɔ eme be fofoa ƒe agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me dzidzenuwo gɔ̃ hã ava tsi ɖevia si. Ɛ̃, lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ si le ɖevia me na fofoa si lɔ̃a ame lae ʋãnɛ wòdina be yeanɔ abe ye fofo ene.

2 Ke ƒomedodo si le Yesu kple Fofoa si le dziƒo dome ya ɖe? Yesu gblɔ kpɔ ɣeaɖeɣi be: “Melɔ̃ Fofo la.” (Yohanes 14:31) Ame aɖeke megali si ate ŋu alɔ̃ Yehowa wu Vi sia, ame si nɔ Fofoa gbɔ ɣeyiɣi didi aɖe hafi wova wɔ nuwɔwɔ bubu ɖe sia ɖe o. Lɔlɔ̃ mae ʋã Vi sia si tsɔ eɖokui nae bliboe wòdi be yeanɔ abe ye Fofo ene.—Yohanes 14:9.

3 Le agbalẽ sia ƒe ta siwo do ŋgɔ me la, míedzro ale si Yesu srɔ̃ Yehowa ƒe ŋusẽ, eƒe dzɔdzɔenyenye, kple eƒe nunya bliboe me. Gake aleke Yesu ɖe Fofoa ƒe lɔlɔ̃ fiae? Mina míadzro Yesu ƒe lɔlɔ̃ ƒe akpa etɔ̃ aɖewo me akpɔ—eƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ, eƒe dɔmetɔtrɔ si me nublanuikpɔkpɔ le, kple eƒe lɔlɔ̃ faa be yeatsɔ ake.

‘Lɔlɔ̃ Gã Wu Esia Megale Ame Aɖeke Si O’

4. Aleke Yesu ɖo ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si amegbetɔ aɖe ɖo kpɔ ƒe kpɔɖeŋu?

4 Yesu ɖo ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi. Ðokuitsɔtsɔsavɔ fia be woatsɔ ame bubuwo ƒe hiahiãwo kple didiwo aɖo ŋgɔ na ame ŋutɔ tɔ. Aleke Yesu ɖe lɔlɔ̃ ƒe akpa sia fiae? Eya ŋutɔ ɖe eme be: “Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si, be ame natsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.” (Yohanes 15:13) Yesu lɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe deblibo na ɖe mía ta. Enye lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si amegbetɔ aɖe ɖe fia kpɔ. Gake Yesu gaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ fia le mɔ bubuwo hã nu.

5. Nu ka ta asiɖeɖe le dziƒogbenɔnɔ ŋu fia be Mawu ƒe Tenuvi la tsɔ nuwo sa vɔe lɔlɔ̃tɔe?

5 Le Mawu ƒe Tenuvi la ƒe agbenɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu me la, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kple ɖoƒe kɔkɔ aɖee nɔ esi le dziƒo. Hadede kplikplikpli nɔ woa kple Yehowa kpakple gbɔgbɔ me nuwɔwɔ akpeakpe bubuawo dome. Togbɔ be nuwo sɔ nyuie na Vi lɔlɔ̃tɔ sia alea hã la, “eɖi gbɔlo eɖokui, eye wòtsɔ kluvi ƒe nɔnɔme heva zu amegbetɔ.” (Filipitɔwo 2:7) Elɔ̃ faa va nɔ agbe le amegbetɔ nu vɔ̃ mewo dome le xexe si “le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te” me. (1 Yohanes 5:19) Ðe esia mefia be Mawu ƒe Vi la tsɔ nuwo sa vɔe lɔlɔ̃tɔe oa?

6, 7. (a) Mɔ kawo nue Yesu ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ fia le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔwɔ me le? (b) Ðokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi kae woŋlɔ ɖe Yohanes 19:25-27?

6 Yesu ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ fia le mɔ vovovowo nu le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia akpa wɔwɔ me. Enye ame si medi eɖokui tɔ le naneke me o. Eƒe subɔsubɔdɔa xɔ eya amea me ale gbegbe be etsɔ nu vevi aɖewo siwo hiã amegbetɔ be wòakpɔ dzidzeme gɔ̃ hã sa vɔe. Egblɔ be: “Do le abeiwo si, eye atɔ le dziƒoxewo si, ke teƒe aɖeke mele Amegbetɔvi la ya si wòaziɔ ta ɖo o.” (Mateo 8:20) Esi Yesu nye atikpala bibi ta la, anye ne ate ŋu azã ɣeyiɣi aɖe atsɔ atu xɔ nyui aɖe na eɖokui alo awɔ zikpui dzeaniwo adzra akpɔ ga geɖe hafi. Gake mezã eƒe dɔnyanya tsɔ di ŋutilãmenuwo na eɖokui o.

7 Woŋlɔ Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi ŋutɔ aɖe ɖe Yohanes 19:25-27. Bu nu geɖe siwo axɔ susu kple dzi me na Yesu le ŋdɔ si do ŋgɔ na eƒe ku me la ŋu kpɔ. Esi wònɔ fu kpem le fuwɔametia ŋu la, eƒe nusrɔ̃lawo, gbeƒãɖeɖedɔa, kple vevietɔ eƒe nuteƒewɔwɔ kpakple dɔ si esia awɔ ɖe Fofoa ƒe ŋkɔ dzi nye nu siwo ŋu wòtsi dzi ɖo. Nyateƒee, ameƒomea ƒe etsɔme bliboa katã nɔ te ɖe eya amea dzi! Ke hã ɣeyiɣi kpui aɖe hafi Yesu naku la, eɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na ye dada, Maria, ame si anya zu ahosi ɣemaɣi. Yesu bia tso apostolo Yohanes si be wòakpɔ Maria dzi abe eya Yohanes ŋutɔ dada ene, eye ema megbe apostoloa kplɔ Maria yi eƒe mee. Yesu to esia me wɔ ɖoɖo ɖe dadaa ƒe ŋutilã me kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Ðokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ ka gbegbee nye esi wòɖe fia!

“Woƒe Nu Wɔ Nublanui Nɛ”

8. Gɔmesese kae le Helagbe me nya si Biblia zã tsɔ ƒo nu tso Yesu ƒe nublanuikpɔkpɔ na ame ŋu?

8 Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe amewo ŋu abe Fofoa ke ene. Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso Yesu ŋu be enye ame si lɔ̃ faa na kpekpeɖeŋu ame siwo nɔ fu kpem le esi woƒe nu wɔ nublanui nɛ vevie ta. Biblia zã Helagbe me nya aɖe si gɔme woɖe be “wɔ nublanui nɛ” tsɔ ƒo nu tso ale si Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe amewo ŋui la ŋu. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be: “Nya ma fia . . . seselelãme aɖe si ʋãa ame yina ememe ʋĩi ke. Eyae nye nya sẽŋu kekeake le Helagbe me si wozãna tsɔ ƒoa nu tso ame ƒe nu ƒe nublanuiwɔwɔ na ame ŋu.” Bu nɔnɔme aɖewo siwo me dɔmetɔtrɔ ɖe ame ŋu vevie ʋã Yesu wòwɔ afɔɖeɖe aɖewo ŋu kpɔ.

9, 10. (a) Nɔnɔme kawoe na be Yesu kple eƒe apostolowo va di teƒe si ɖoɖoezizi le? (b)Esi ameha aɖewo va gblẽ Yesu ƒe ɖiɖiɖeme me la, aleke wòwɔ nui, eye nu ka tae?

9 Eʋãe wòkpɔ amewo ƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ. Nuŋlɔɖi si le Marko 6:30-34 na míekpɔ nu si koŋ ʋã Yesu wòkpɔ nublanui na amewo. Kpɔ ale si nuwo nɔ ɖa le susu me. Dzi nɔ apostoloawo dzɔm elabena ɖeko wowu gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔ de didiƒe ke la nu teti koe enye ma. Wotrɔ gbɔ va Yesu gbɔ eye wotsɔ dzidzɔ ka nu siwo katã wokpɔ kple nu siwo wose la ta nɛ. Gake ameha gã aɖe va ƒo ƒu, eye esia na be Yesu kple eƒe apostoloawo mekpɔ asinu aɖu nu teti hã o. Esi Yesu léa ŋku ɖe nuwo ŋu ɣesiaɣi ta la, ekpɔe be ɖeɖi te yeƒe apostoloawo ŋu. Egblɔ na wo be: “Miva, ne míawo ɖeɖe míayi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o, ne miaɖi ɖe eme vie.” Esi woɖo tɔdziʋu la, wotso Galilea-ƒua yi teƒe aɖe si ɖoɖoezizi le. Gake amehaawo kpɔ wo esi wodzo yina. Wo dometɔ aɖewo hã se nya si wògblɔ. Ale wo katã woƒu du to ƒua ta to dziehe gome heva ɖo ƒuta kemɛ do ŋgɔ na tɔdziʋua!

10 Ðe dzi ku Yesu be wole yeƒe vovoɣi me gblẽm na yea? Kura o! Esi wòkpɔ ameha sia siwo anye ame akpe geɖe, siwo nɔ elalam la, ewɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Marko ŋlɔ bena: “Ekpɔ ameha gbogbo aɖewo, eye woƒe nu wɔ nublanui nɛ, elabena wole abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene. Eye wòde asi nu geɖewo fiafia me wo.” Yesu bu ame siawo be wonye ame siwo gbɔgbɔmenuwo hiã. Ðeko wole abe alẽ siwo tra, eye kplɔla mele wo nu akplɔ wo alo akpɔ wo ta o ene. Yesu nya be subɔsubɔhakplɔla vevemaseɖeamenula siwo wòle be woalé be na alẽawo hafi la doa vlo ame tsɛwo eye woŋea aɖaba ƒu woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo dzi. (Yohanes 7:47-49) Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ eye wòte nufiafia wo “tso Mawu Fiaɖuƒe la ŋu.” (Luka 9:11) De dzesii be Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe ameawo ŋu do ŋgɔ hafi wòava kpɔ ale si woawɔ ɖe nu si wòafia wo ŋu gɔ̃ hã. Ne míagblɔe bubui la, eƒe dɔme trɔ ɖe amewo ŋu nublanuikpɔkpɔtɔe, menye le eƒe nufiafia amehawo me tsonu ta o, ke boŋ le nu si ʋãe ɖe esia wɔwɔ ŋu tae.

‘Edo asi ɖa ka asi eŋu’

11, 12. (a) Aleke wobua anyidzelawoe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me, gake aleke Yesu wɔ nui esi ŋutsu aɖe “si ŋu yɔ fũu kple anyi” la te ɖe eŋu? (b) Anɔ eme be dɔ kae asi si Yesu ka anyidzelaa ŋu awɔ ɖe edzi, eye aleke ɖɔkta aɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔ kɔ nu sia mee?

11 Eʋãe wòɖe amewo ƒe fukpekpe ɖa. Ame siwo ŋu dɔléle vovovowo nɔ la kpɔe be Yesu ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu, eya ta wote ŋu te ɖe eŋu faa. Esia ɖe dzesi vevietɔ esi ŋutsu aɖe “si anyidɔ xɔ ŋuti katã na” la te ɖe Yesu ŋu esime amehawo nɔ Yesu yome. (Luka 5:12) Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, woɖea anyidzelawo ɖe aga be ame bubuwo nagaxɔ dɔ le wo ŋu o. (4 Mose 5:1-4) Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, kplɔla siwo nye rabiwo ƒã vevemasemase ɖe anyidzelawo nu ɖe amewo me eye wode woa ŋutɔwo ƒe se sesẽwo tsɔ te wo ɖe anyi. a Gake de dzesi ale si Yesu wɔ nu ɖe anyidzela la ŋui: “Anyidɔléla aɖe hã va egbɔ, eye wòdze klo hele kuku ɖem nɛ vevie be: ‘Ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.’ Ale eƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye wòdo asi ɖa ka asi eŋu gblɔ nɛ be: ‘Melɔ̃! Ŋutiwò nekɔ.’ Enumake anyidɔ la vɔ nɛ.” (Marko 1:40-42) Yesu nya be se meɖe mɔ na anyidzela ma be wòava afi ma gɔ̃ hã o. Gake le esi Yesu nanyae ɖa teƒe la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ale gbegbe be wòwɔ nu si meva susu me na ame kura o. Yesu ka asi eŋu!

12 Àte ŋu abu dɔ si gbegbe asikaka ame ŋu ma awɔ ɖe anyidzela ma dzi ŋua? Be míawɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe la, bu nuteƒekpɔkpɔ sia ŋu kpɔ. Ðɔkta Paul Brand, ame si nye anyidɔŋutinunyala, gblɔ anyidzela aɖe si wòwɔ atike na le India ŋu nya. Esi ɖɔktaa nɔ anyidzelaa dom kpɔ la, eda asi ɖe eƒe abɔta henɔ atike si wɔ ge wògbɔna la me ɖem nɛ to gbegɔmeɖela aɖe dzi. Kasia, ɖeko anyidzela la lé avi me. Ðɔktaa bia be: “Ðe megblɔ nya aɖe si te ɖe dziwòa?” Gbegɔmeɖela la bia ɖekakpuia le wo degbe me eye wòɖo eŋu be: “Ao, ɖɔkta. Ebe esi nèda asi ɖe kɔme na ye tae yele avi fam ɖo. Va se ɖe esime wòva afi sia la, ƒe gbogbo aɖee nye esi va yi si ame aɖeke meka asi eŋu kpɔ o.” Le anyidzela si va Yesu gbɔ gome la, gɔmesese geɖe wu ye nɔ asi si woka eŋu la ŋu nɛ. Le asikaka eŋu alea megbe la, dɔléle ma si na wonyae de gbe la bu kura!

13, 14. (a) Ameha kawoe Yesu do goe le Nain gbɔto, eye nu kae na nɔnɔmea wɔ nublanui ale gbegbe? (b) Nu kae Yesu ƒe dɔmetɔtrɔ ʋãe be wòwɔ na ahosi si nɔ Nain?

13 Eʋãe wòɖe amewo ƒe nuxaxa ɖa. Amewo ƒe fukpekpe wɔ dɔ ɖe Yesu dzi ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, bu nuŋlɔɖi si le Luka 7:11-15 ŋu kpɔ. Esia dzɔ le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ƒe domedome lɔƒo esime wògogo Galilea du si nye Nain gbɔto. Esi Yesu nɔ dua ƒe agbonu gogom la, edo go ameha siwo yina ameɖiƒe. Nɔnɔmea wɔ nublanui ale gbegbe. Ahosi aɖe viŋutsu si nye eƒe tenuvi ɖeka kolia ye ku. Ɣeaɖeɣi do ŋgɔ la, anɔ eme be nyɔnu sia nɔ amehawo dome alea wozɔ yi ameɖibɔ me—esi wova ɖi srɔ̃aŋutsu. Fifia ya viaŋutsuvi, ame si ŋu wòle agbe ɖo la ɖiƒee woyina. Anɔ eme be ameha siwo le eyome la nye konyifala siwo nɔ konyifahawo dzim kpakple haƒola siwo nɔ kuhawo ƒom. (Yeremiya 9:17, 18; Mateo 9:23) Gake vidada si nɔ konyi fam vevie la koŋ ŋue Yesu ƒe ŋku nɔ, ame si ɖikeke mele eme o be enɔ nu si dzi wotsɔ via ɖo la xa tututu.

14 Vidada si ƒe vi ku la ƒe “nu wɔ nublanui” na Yesu vevie. Egblɔ nɛ kple gbe si me kakaɖedzi dze le be: “Dzudzɔ avifafa!” Yesu ŋutɔ te ɖe wo ŋu togbɔ be womebia tso esi o hã eye wòka asi nu si dzi wotsɔe ɖo la ŋu. Etsɔlawo—kple ɖewohĩ ameha blibo la—tɔ. Yesu gblɔ na ame kukua kple gbe si me ŋusẽ le be: “Ðekakpui, mele egblɔm na wò be, fɔ!” Nu kae dzɔ ɖe esia yome? “Ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi, hede asi nuƒoƒo me,” abe alɔ̃ me ʋĩe wofɔe tsoe ene! Esia yome wogblɔ nya wɔdɔɖeamedzi sia be: “Eye Yesu tsɔe na dadaa.”

15. (a) Nu kae Biblia me nudzɔdzɔ siwo fia be Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe amewo ŋu ɖe fia le ɖekawɔwɔ si le dɔmetɔtrɔ kple afɔɖeɖe awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu dome? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu le esia mee?

15 Nu kae míesrɔ̃ tso ŋutinya siawo me? Le wo dometɔ ɖe sia ɖe me la, de dzesi ɖekawɔwɔ si le dɔmetɔtrɔ kple nane wɔwɔ tso nɔnɔmea ŋu dome. Yesu makpɔ amewo ƒe vevesese teƒe eƒe dɔme nagbe tɔtrɔ ɖe wo ŋu o, eye eƒe dɔme matrɔ ɖe ame ŋu eye wòagbe nane wɔwɔ tso eŋu o. Aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋuae? Agba le mí Kristotɔwo dzi be míaɖe gbeƒã nya nyuia ahawɔ nusrɔ̃lawo. Nu si ʋãa mí koŋ ye nye lɔlɔ̃ na Mawu. Gake mina wòanɔ susu me na mí hã be dɔ sia hã bia dɔmetɔtrɔ ɖe amewo ŋu. Ne míesea veve ɖe amewo nu abe Yesu ene la, míaƒe dzi aʋã mí be míawɔ nu sia nu si míate ŋui agblɔ nya nyuia na wo. (Mateo 22:37-39) Ke dɔmetɔtrɔ ɖe mía nɔvi xɔsetɔ siwo le fu kpem alo le nu xam ŋu hã ɖe? Míawo míate ŋu aɖe ŋutilã me vevesesewo ɖa alo afɔ ame kukuwo ɖe tsitre nukutɔe o. Gake míate ŋu aɖe dɔmetɔtrɔ afia, to ale si míatso le mía ɖokui si aɖee afia be míetsɔ ɖe le eme na wo alo ana kpekpeɖeŋu si hiã wo me.—Efesotɔwo 4:32.

“Fofo, Tsɔe Ke Wo”

16. Aleke ale si Yesu lɔ̃na faa be yeatsɔ ake la dzee esime wònɔ fuwɔametia ŋu gɔ̃ hã?

16 Yesu ɖe Fofoa ƒe lɔlɔ̃ fia le mɔ vevi bubu aɖe hã nu—‘elɔ̃a tsɔtsɔke.’ (Psalmo 86:5) Esia dze ƒãa esime wònɔ fuwɔametia ŋu gɔ̃ hã. Esime wodi be Yesu naku ŋukpedoameku, eye woƒo gatagbadzɛwo ɖe eƒe asi kple afɔ wònɔ veve sem la, nya kae wògblɔ? Ðe wòdo ɣli yɔ Yehowa be wòahe to na ye wulawoa? Kura o, ke boŋ Yesu ƒe nya mamlɛtɔwo dometɔ aɖewoe nye: “Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole o.”—Luka 23:34. b

17-19. Mɔ kawo dzie Yesu to ɖee fia apostolo Petro be yetsɔ kee esi wògbe nu le egbɔ zi etɔ̃ vɔ megbe?

17 Ðewohĩ Yesu ƒe tsɔtsɔke faa ƒe kpɔɖeŋu bubu si wɔ dɔ ɖe ame dzi wue nye ale si wòwɔ nu ɖe apostolo Petro ŋui. Ðikeke mele eŋu o be Petro lɔ̃ Yesu vevie. Le Nisan 14 lia ƒe zã si nye mamlɛtɔ le Yesu ƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi me la, Petro gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, mele klalo be mayi gaxɔ me kple ku me siaa kpli wò.” Gake le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, Petro gbe zi gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ be yemenya Yesu gɔ̃ hã o! Biblia gblɔ nu si dzɔ esi Petro sẽ nu zi etɔ̃lia na mí, be: “Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro.” Esi nu vɔ̃ si Petro wɔ ƒe agba te ɖe edzi vevie ta la, ‘edo go yi xexe ɖafa avi vevie.’ Emegbe esi Yesu ku le ŋkeke ma dzi la, apostoloa anya nɔ nya sia ŋu bum vevie be, ‘Ðe nye Aƒetɔ tsɔ nye vodada kema?’—Luka 22:33, 61, 62.

18 Petro melala ɣeyiɣi didi hafi kpɔ ŋuɖoɖoa o. Wofɔ Yesu ɖe tsitre le Nisan 16 lia ƒe ŋdi me, eye anye be le ŋkeke ma ke dzi la, eya ŋutɔ ɖe eɖokui fia Petro. (Luka 24:34; 1 Korintotɔwo 15:4-8) Nu ka ta Yesu ɖe ameŋububu tɔxɛ sia fia apostolo si sẽ nu sesĩe hegbe nu le egbɔ la? Anɔ eme be ɖe Yesu di be yeaka ɖe edzi na Petro si trɔ dzime la be ye ame si nye eƒe Aƒetɔ la, yekpɔtɔ lɔ̃e eye yedea asixɔxɔ eŋu. Gake Yesu gawɔ nu si yi ŋgɔ wu ema tsɔ na kakaɖedzi Petro.

19 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo le Galilea-ƒua to. Le ɣeyiɣi sia dzi la, Yesu bia gbe Petro (ame si gbe nu le eƒe Aƒetɔ gbɔ zi etɔ̃) nenye be Petro lɔ̃ ye hã. Esi wòbia nya siae zi etɔ̃lia vɔ megbe la, Petro ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, ènya nuwo katã, ènyae be nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o.” Nyateƒee, Yesu, ame si ate ŋu anya nu si le amewo ƒe dzi me, nya nyuie be Petro melɔ̃a nu le ye gbɔ o. Ke hã Yesu na mɔnukpɔkpɔ Petro be wòaɖo kpe eƒe lɔlɔ̃ na ye dzi. Gawu la, Yesu de dɔ asi na Petro be ‘wòakplɔ’ yeƒe “alẽ sueawo” eye ‘wòanyi’ wo. (Yohanes 21:15-17) Do ŋgɔ la, wode dɔ asi na Petro be wòaɖe gbeƒã. (Luka 5:10) Gake fifia la, esi Yesu ɖee fia le mɔ ɖedzesi aɖe nu be yeka ɖe edzi megbe la, egatsɔ agbanɔamedzi kpekpe aɖe de asi nɛ—be wòalé be na ame siwo ava nye Kristo yomedzelawo. Le ema megbe kpuie la, Yesu tsɔ Petro ɖo ɖoƒe vevi aɖe le dɔ si eƒe nusrɔ̃lawo awɔ me. (Dɔwɔwɔwo 2:1-41) Aleke gbegbe Petro ƒe dzi adze emee nye esi be wòanya be Yesu tsɔ ke ye eye wòkpɔtɔ ka ɖe ye dzi!

Ðe ‘Nèdze Si Kristo La ƒe Lɔlɔ̃ La’?

20, 21. Aleke míawɔ ava ‘dze si Kristo la ƒe lɔlɔ̃’ bliboe?

20 Vavãe, Yehowa ƒe Nya la ƒo nu tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ ŋu wònya se ŋutɔ. Gake aleke wòle be míawɔ nu ɖe Yesu ƒe lɔlɔ̃ ŋui? Biblia de dzi ƒo na mí be míadze si “Kristo la ƒe lɔlɔ̃ si de ŋgɔ sãsãsã wu sidzedze.” (Efesotɔwo 3:19) Abe ale si míekpɔe ene la, Nyanyuigbalẽawo me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔ ŋu la fia nu geɖe mí tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ ŋu. Gake be ‘míadze si Kristo la ƒe lɔlɔ̃’ bliboe bia nu geɖe wu nu si Biblia gblɔ tso eŋu la sɔsrɔ̃ ko.

21 Helagbe me nya si gɔme woɖe be “woadze si” fia be woanya nu “to eŋudɔwɔwɔ ŋutɔŋutɔ me, to eƒe nuteƒekpɔkpɔ me.” Ne míeɖe lɔlɔ̃ fia amewo abe Yesu ene—míetsɔ mía ɖokui ɖo anyi na amewo faa ɖokuitɔmadimaditɔe, ne míaƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, míekpɔ woƒe hiahiãwo gbɔ, eye míetsɔ ke amewo faa tso dzi me faa—la, ekema míate ŋu ase eƒe seselelãmewo gɔme ŋutɔŋutɔ. Le esia me la, míetoa nuwɔna ŋutɔŋutɔ me va ‘dzea si Kristo la ƒe lɔlɔ̃, si de ŋgɔ sãsãsã wu sidzedze.’ Eye migana míaŋlɔ be gbeɖe o be zi ale si míele Kristo ƒe nɔnɔme srɔ̃m la, zi nenemae míanɔ tetem ɖe ame si Yesu srɔ̃ bliboe, si nye mía Mawu lɔlɔ̃a, Yehowa, ŋui.

a Rabiwo ƒe se gblɔ be mele be ame aɖeke nate ɖe anyidzela ŋu abɔklugui ene (anɔ meta 1.8) o. Gake ne ya le ƒoƒom la, ele be woana anyidzela nate yi adzɔge abɔklugui 100 (anɔ meta 45) ya teti. Midrash Rabbah la ƒo nu tso rabi aɖe si nɔa bebem na anyidzelawo kple bubu aɖe si daa kpe wo tsɔ nyaa wo ɖae ŋu. Eya ta anyidzelawo nya vevesese si wònyena be woase le wo ɖokui me be wodo vlo yewo eye be womelɔ̃ yewo o.

b Woɖe Luka 23:34 me nyawo ƒe akpa gbãtɔ ɖa le blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖewo me. Gake esi wokpɔ nya mawo le blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ bubu geɖe siwo ŋu kakaɖedzi le me ta la, wodee Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia kple Biblia gɔmeɖeɖe bubu geɖe me. Anɔ eme be Roma-srafo siwo wu Yesu la ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Womenya nu si wɔm wonɔ o, elabe womenya ame si tututu Yesu nye o. Ðewohĩ Yudatɔ siwo ava xɔ Yesu dzi ase emegbe gake wolɔ̃ ɖe edzi be woawui ɣemaɣi la ƒe nu hã nɔ susu me nɛ. (Dɔwɔwɔwo 2:36-38) Gake fɔɖiɖi geɖe le subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ megbe na amewuwua ya dzi le esi woawo ya nya nu si wɔm wonɔ nyuie hafi yi edzi wɔe ŋutasesẽtɔe ta. Tsɔtsɔke aɖeke meli na wo dometɔ geɖe o.—Yohanes 11:45-53.