Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 31

‘Te Ðe Mawu Ŋu, Eye Ate Ðe Ŋuwò’

‘Te Ðe Mawu Ŋu, Eye Ate Ðe Ŋuwò’

1-3. (a) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso amegbetɔ ƒe nɔnɔme ŋu ne míelé ŋku ɖe ale si kadodo yia edzi le dzilawo kple wo vi fẽwo dome ŋu? (b) Nu kae dona tsoa eme le dzɔdzɔme nu ne woɖe lɔlɔ̃ fia mí, eye biabia vevi kae míate ŋu abia mía ɖokui?

 EDZƆA dzi na dzilawo be woakpɔ wo vi vidzĩ ƒe alɔgbɔnukoko. Zi geɖe wotea mo ɖe vidzĩa ƒe mo tututu, eye wofena kplii koa alɔgbɔnu nɛ dzidzɔtɔe. Wodina vevie be yewoakpɔ vidzĩa hã nako nu. Eye eteƒe medidina o, eya hã konɛ—vidzĩa ƒe alɔgoe nye ema nyé ɖe eme, eƒe nuyie nye ema ke, eye alɔgbɔnukoko dzeania ye nye ema. To nuwɔna tsɛ sia dzi la, alɔgbɔnukoko ma le vidzĩa ƒe seselelãme ɖem fia, si nye eƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe fia ƒe gɔmedzedze, le esi dzilawo ɖe lɔlɔ̃ fiae ta.

2 Vidzĩ ƒe alɔgbɔnukoko ɖoa ŋku nu vevi aɖe dzi na mí ku ɖe amegbetɔ ƒe dzɔdzɔmenɔnɔme ŋu. Enye míaƒe nɔnɔme be míaɖe lɔlɔ̃ afia ne woɖe lɔlɔ̃ fia mí. Aleae wowɔ míi. (Psalmo 22:9) Ne míele tsitsim la, míaƒe ŋutete be míalɔ̃ ame ne wolɔ̃ mí la tsina ɖe edzi. Ðewohĩ àte ŋu aɖo ŋku ale si dziwòlawo, ƒowòmetɔwo, alo xɔ̃wòwo ɖe lɔlɔ̃ fia wòe tso ɖevime ke la dzi. Vividodoɖeameŋu ɖo mewò, etsi ɖe edzi, eye wòyɔ mewò fũu be nètsɔe de dɔwɔwɔ me. Wò hã nèɖe lɔlɔ̃ fia wo ɖe woƒe lɔlɔ̃ ta. Ðe nu sia tɔgbi le dzɔdzɔm le mia kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo mea?

3 Biblia gblɔ be: “Míelɔ̃a ame, elabena Mawu tre mí lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:19) Le agbalẽ sia ƒe Akpa 1 va se ɖe 3 lia la, woɖo ŋku edzi na wò be Yehowa Mawu zãa eƒe ŋusẽ, eƒe dzɔdzɔenyenye, kple eƒe nunya le mɔ siwo me lɔlɔ̃ le nu ɖe tawò. Eye le Akpa 4 lia la, èkpɔe be eɖe lɔlɔ̃ fia ameƒomea tẽe—eɖee fia wò ŋutɔ hã—le mɔ siwo ɖe dzesi ŋutɔŋutɔ nu. Fifia biabia aɖe fɔ ɖe te. Le mɔ aɖe nu la, enye biabia vevitɔ kekeake si nàte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Aleke mawɔ nu wòasɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si wòɖe fiam la nui?’

Nu Si Wòfia Be Woalɔ̃ Mawu

4. Mɔ ka nue amewo tɔtɔ le le nu si wòfia be woalɔ̃ Mawu me?

4 Yehowa, Ame si gbɔ lɔlɔ̃ tso, nya nyuie be ŋusẽ geɖe le lɔlɔ̃ ŋu be wòana amewo nawɔ nu nyuitɔ kekeake. Eya ta togbɔ be amegbetɔƒomea me tɔ mawɔnuteƒewo kpɔtɔ yi edzi le aglã dzem hã la, Mawu kpɔtɔ ka ɖe edzi be amegbetɔ aɖewo axɔ yeƒe lɔlɔ̃ si yeɖe fia. Eva eme hã vavã, ame miliɔn geɖe xɔe. Gake ewɔ nublanui be xexe gblẽku sia me subɔsubɔhawo na amewo tɔtɔ kura le nu si wòfia be woalɔ̃ Mawu ŋu. Ame gbogbo aɖewo gblɔna be yewolɔ̃ Mawu, gake edze abe ɖeko wobu be lɔlɔ̃ sia nye seselelãme si woake nu agblɔ ko ene. Lɔlɔ̃ na Mawu ate ŋu adze egɔme le mɔ ma nu ya, abe ale si vidzĩ ƒe lɔlɔ̃ na edzilawo ate ŋu adze le eƒe alɔgbɔnukoko me ene. Gake le ame tsitsiwo gome la, lɔlɔ̃ bia nu geɖe wu ema ko.

5. Aleke Biblia ɖe lɔlɔ̃ na Mawu mee, eye nu ka tae wòle be numeɖeɖe ma nana dzi nadzɔ mí?

5 Yehowa ɖe nu si wòfia be woalɔ̃ eya amea la me. Eƒe Nya la gblɔ be: “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi, be míalé eƒe seawo me ɖe asi.” Eya ta ehiã be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu afia le nuwɔna ŋutɔŋutɔ me. Ele eme baa be medzea ame geɖe ŋu be woabia tso wo si be woanye toɖolawo o. Gake kpukpui ma ke gblɔ yi edzi dɔmenyotɔe be: “Eye [Mawu ƒe] seawo menye agba o.” (1 Yohanes 5:3) Yehowa ƒe sewo kple gɔmeɖosewo li na míaƒe viɖe, menye na mía tete ɖe anyi o. (Yesaya 48:17, 18) Gɔmeɖosewo bɔ ɖe Mawu ƒe Nya la me fũu siwo kpena ɖe mía ŋu míetena ɖe eŋu. Le mɔ ka nu? Mina míadzro akpa etɔ̃ aɖewo siwo me ƒomedodo nɔa mía kple Mawu dome le la me akpɔ. Woawoe nye nuƒoƒo, tadedeagu, kple eƒe nɔnɔme sɔsrɔ̃.

Nuƒoƒo Kple Yehowa

6-8. (a) Mɔ ka dzie míate ŋu ato aɖo to Yehowa le? (b) Aleke míate ŋu ana Ŋɔŋlɔawo me nudzɔdzɔwo nanye nu ŋutɔŋutɔ na mí ne míele wo xlẽm?

6 Wotsɔ biabia sia ʋu agbalẽ sia ƒe Ta 1 nui be: “Àte ŋu akpɔ ale si wòanɔ ɖa le susu me be yele dze ɖom kple Mawua?” Míekpɔe be esia menye nuŋububu dzro aɖe ko si manya wɔ o. Mose ɖo dze kple Mawu alea ŋutɔŋutɔ. Ke míawo ya ɖe? Menye fifiae nye ɣeyiɣi na Yehowa be wòadɔ mawudɔlawo be woava ƒo nu kple amegbetɔwo o. Gake mɔnu nyui aɖe le Yehowa si si dzi tom wòle le nu ƒom na mí egbea. Aleke míawɔ ase nya si gblɔm Yehowa le?

7 Esi “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me” ta la, míesea nya si gblɔm Yehowa le to eƒe Nya Biblia la xexlẽ me. (2 Timoteo 3:16) Esia tae hakpala la de dzi ƒo na Yehowa subɔlawo be woaxlẽe “zã kple keli” ɖo. (Psalmo 1:1, 2) Esia wɔwɔ bia be míaku kutri geɖe. Gake agbagba ɖe sia ɖe si míadze ɖe esia ta manye dzodzro o. Abe ale si míekpɔe le Ta 18 lia me ene la, Biblia la le abe lɛta vevi aɖe si mía Fofo si le dziƒo ŋlɔ na mí ene. Eya ta mele be exexlẽ nati mí o. Ele be míana Ŋɔŋlɔawo me nudzɔdzɔwo nanye nu ŋutɔŋutɔ na mí ne míele wo xlẽm. Aleke míate ŋu awɔ esiae?

8 Kpɔ Biblia me nudzɔdzɔwo le susu me ne èle wo xlẽm. Dze agbagba nàkpɔ ame siwo woyɔ le Biblia me la le susu me be wonye amewo ŋutɔŋutɔ. Dze agbagba nàse teƒe si wole, nɔnɔme si me wole, kple nu si na wowɔ nu siwo wowɔ la gɔme. Eyome de ŋugble le nu si nèxlẽ ŋu vevie, nàbia nya siawo tɔgbi ɖokuiwò: ‘Nu kae nuŋlɔɖi sia fiam tso Yehowa ŋu? Eƒe nɔnɔme kawoe ɖe dzesi le afi sia? Gɔmeɖose kawoe Yehowa di be masrɔ̃ tso eme, eye aleke mate ŋu atsɔe ade dɔwɔwɔ me le nye agbe mee?’ Xlẽe, de ŋugble le eŋu, nàdee dɔwɔwɔ me—ne èle esia wɔm la, Mawu ƒe Nya la me nudzɔdzɔwo adze nu ŋutɔŋutɔe le susu me na wò.—Psalmo 77:12; Yakobo 1:23-25.

9. Ame kae nye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la, eye nu ka tae wòle vevie be míaɖo to “kluvi” ma nyuie?

9 Yehowa ƒoa nu na mí to “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la hã dzi. Abe ale si Yesu gblɔe ɖi ene la, woɖo nɔviŋutsu Kristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe be woana gbɔgbɔ me ‘nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi’ le ŋkeke mamlɛ vɔ̃ɖi siawo me. (Mateo 24:45-47) Ne míexlẽa agbalẽ siwo wota be woakpe ɖe mía ŋu Biblia me sidzedze vavãtɔ nasu mía si, hedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpewo la, ke kluvi ma le mía nyim le gbɔgbɔ me. Esi Kristo ƒe kluvie wònye ta la, míewɔna ɖe Yesu ƒe nya siawo dzi nunyatɔe be: “Milé ŋku ɖe ale si mieɖoa toe ŋu nyuie.” (Luka 8:18) Míeɖoa to nyuie elabena míenyae be mɔ siwo dzi tom Yehowa le le nu ƒom na mí dometɔ ɖekae nye to kluvi nuteƒewɔla sia dzi.

10-12. (a) Nu ka tae gbedodoɖa nye nunana wɔnuku si tso Yehowa gbɔ? (b) Aleke míado gbe ɖa wòadze Yehowa ŋui, eye nu ka tae wòle be míaka ɖe edzi be edea asixɔxɔ míaƒe gbedodoɖawo ŋu?

10 Ke nuƒoƒo kple Mawu ya ɖe? Ðe míate ŋu aƒo nu kple Yehowa? Esia ŋu bubu naa vɔvɔ̃ kple bubu deto yɔa mía me. Ne èdze agbagba be yeate ɖe dziɖula si nye ŋusẽtɔ gãtɔ le miaƒe dukɔa me ŋu be yeagblɔ wò dzimaɖitsitsi aɖewo nɛ la, ɖe wòanɔ bɔbɔe be woaɖe mɔ na wò nàyi egbɔa? Le go aɖewo me la, afɔku ate ŋu anɔ afɔ ma si nàɖe me gɔ̃ hã! Le Esta kple Mordekai ƒe ŋkekeawo me la, wote ŋu wua ame si do ɖe Persia-fiagã ŋkume ne menye fia la ŋutɔe yɔe be wòava hafi o. (Esta 4:10, 11) Ke bu dodo ɖe xexea me katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã la ŋkume, ame si ne míetsɔ amegbetɔ ŋusẽtɔ gãtɔwo kekeake sɔ kplii la, ɖeko amegbetɔwo le abe “ʋetsuviwo ene” le eŋkume la ŋu kpɔ. (Yesaya 40:22) Ðe wòle be vɔvɔ̃ naɖo mí vevie be míate ɖe eŋua? Kura o!

11 Yehowa ʋu mɔnu aɖe ɖi, si le bɔbɔe, si dzi míato ate ɖe eŋu—eyae nye gbedodoɖa. Ðevi sue gɔ̃ hã ate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa le xɔse me, eye wòadoe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me. (Yohanes 14:6; Hebritɔwo 11:6) Evɔ wònye gbedodoɖa na míete ŋu gblɔa míaƒe dzimesusuwo kple seselelãme detowo bɔbɔe—esiwo nye vevesese na mí siwo míenya ale si míaɖe wo agblɔe o gɔ̃ hã—hafi. (Romatɔwo 8:26) Meɖea vi aɖeke be míadze agbagba be míazã nya gã nya gãwo, nya ŋanɛwo alo nya geɖe fũu atsɔ ado gbe legbeewo ɖa be wòadze Yehowa ŋu o. (Mateo 6:7, 8) Gake Yehowa meɖo seɖoƒe na ɣeyiɣi didi si míatsɔ ado gbe ɖa alo zi gbɔ zi ale si míadoe ɖa o. Eƒe Nya la kpe mí gɔ̃ hã be míanɔ “gbedodoɖa dzi ɣeawokatãɣi.”—1 Tesalonikatɔwo 5:17.

12 Ðo ŋku edzi be Yehowa ɖeka koe woyɔ be “Gbedodoɖasela,” eye etsɔa veveseseɖeamenu ŋutɔŋutɔ ɖoa to míi. (Psalmo 65:2) Ðe wòsea esubɔla wɔnuteƒewo ƒe gbedodoɖa dzro koa? Ao, wodoa dzidzɔ nɛ ŋutɔŋutɔ boŋ. Eƒe Nya la tsɔ gbedodoɖa mawo sɔ kple atike ʋeʋĩ, si ne wodoe la, eƒe dzudzɔ tuna wòʋẽna lilili yia dzi. (Psalmo 141:2; Nyaɖeɖefia 5:8; 8:4) Ðe mefaa akɔ na mí be míabu eŋu be míaƒe gbedodoɖa siwo tso dzi anukwaretɔ me la yina ɖe Aƒetɔ Dziɖulagã la gbɔ eye wodzea eŋu oa? Eya ta ne èdi be yeate ɖe Yehowa ŋu la, do gbe ɖa nɛ ɖokuibɔbɔtɔe zi geɖe, gbe sia gbe. Trɔ wò dzimenyawo ƒo ɖe eŋkume; mègaɣla naneke ɖee o. (Psalmo 62:8) Gblɔ wò dzimaɖitsitsiwo, wò dzidzɔwo, wò akpedadawo, kple wò kafukafunyawo na Fofowò si le dziƒo. Esia ana ƒomedodo si le mia kplii dome nanɔ tsitsim ɖe edzi eye wòanɔ ŋu sẽm ɖe edzi.

Tadedeagu Na Yehowa

13, 14. Nu kae wòfia be woade ta agu na Yehowa, eye nu ka tae wòsɔ be míade ta agu nɛ?

13 Ne míele dze ɖom kple Yehowa Mawu la, menye ɖeko míeɖoa to heƒoa nu abe ale si míewɔnɛ kple xɔlɔ̃ alo ƒometɔ aɖe ene o. Nu si tututu wɔm míele ye nye be míele Yehowa subɔm, míetsɔ subɔsubɔ ƒe bubu si wòdze na ale gbegbe la le enam. Míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa nɔ te ɖe nyateƒe tadedeagu dzi. Enye ale si míetsɔa míaƒe lɔlɔ̃ kple subɔsubɔ blibo naa Yehowae, eye enye nu si naa Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnuteƒewo katã wɔa ɖeka, eɖanye le dziƒo loo alo le anyigba dzi o. Le ŋutega aɖe me la, apostolo Yohanes se mawudɔla aɖe wòde se sia be: “Mide ta agu na Ame si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsidzɔƒewo.”—Nyaɖeɖefia 14:7.

14 Nu ka tae wòle be míade ta agu na Yehowa? Bu nɔnɔme siwo me míedzro le agbalẽ sia me, abe kɔkɔenyenye, ŋusẽ, ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye, dzideƒo, nublanuikpɔkpɔ, nunya, ɖokuibɔbɔ, lɔlɔ̃, veveseseɖeamenu, nuteƒewɔwɔ, kple nyuiwɔwɔ ene ŋu kpɔ. Míekpɔe be Yehowa sie nɔnɔme xɔasi ɖe sia ɖe, woƒe dzidzenu gãtɔ kekeake, kple woƒe gbogbotɔ kekeake la le. Ne míedze agbagba be míase eƒe nɔnɔme siawo katã gɔme la, míekpɔnɛ be enye Ame si de ŋgɔ boo wu bubume gãtɔ kekeake ko. Enye ame si ƒe ŋutikɔkɔe de ŋgɔ ale gbegbe, eye wòkɔkɔ boo wu mí ale gbegbe be gbɔgblɔ mele eŋu o. (Yesaya 55:9) Ðikeke aɖeke mele eŋu o be Yehowae nye míaƒe Dziɖulagã si dze, eye eyae dze ŋutɔŋutɔ be míade ta agu na. Gake aleke wòle be míade ta agu na Yehowae?

15. Aleke míawɔ ade ta agu na Yehowa “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me,” eye mɔnukpɔkpɔ kawoe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ʋuna ɖi na mí?

15 Yesu gblɔ be: “Mawu nye Gbɔgbɔ, eye ele be ame siwo le ta dem agu nɛ la nade ta agu le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:24) Be míasubɔ Mawu ‘le gbɔgbɔ me’ la, ele be eƒe gbɔgbɔa nanɔ mía dzi eye wòafia mɔ mí. Ele hã be míade ta agu na Yehowa le nyateƒe me, wòawɔ ɖeka kple sidzedze vavãtɔ si le Mawu ƒe Nya la me. Mɔnukpɔkpɔ xɔasi aɖe sua mía si be míade ta agu na Yehowa “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me” ɣesiaɣi si míeva kpe ta kple haxɔsetɔwo. (Hebritɔwo 10:24, 25) Ne míele kafukafuhawo dzim na Yehowa, ne míewɔ ɖeka le gbedodoɖa me, eye ne míeɖo to hekpɔ gome le eƒe Nya la me dzodzro me la, míele míaƒe lɔlɔ̃ ɖem fia eya amea le tadedeagu dzadzɛtɔ me.

Kristotɔwo ƒe kpekpewo nyea dzidzɔ ɣeyiɣi siwo wotsɔ subɔa Yehowa

16. Se vevitɔ siwo wode na Kristotɔ vavãwo dometɔ ɖekae nye ka, eye nu kae na didia le mía me be míawɔ ɖe edzi?

16 Enyea míaƒe tadedeagu na Yehowa hã ne míeƒo nu tso eŋu na amewo, hekafui le gaglãgbe. (Hebritɔwo 13:15) Nyateƒee wònye be gbeƒãɖeɖe Yehowa ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia nye se vevitɔ siwo wode na Kristotɔ vavãwo dometɔ ɖeka. (Mateo 24:14) Míetsɔa didi vevie wɔna ɖe edzi le esi míelɔ̃ Yehowa ta. Ne míebu ale si “nuɖoanyi sia ƒe mawu,” Satana Abosam, ‘gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu,’ eye wòle alakpanya vɔ̃ɖivɔ̃ɖiwo kakam le Yehowa ŋui la, ɖe medzroa mí vevie be míasubɔ abe Ðasefo siwo le Mawu ƒe akpa dzi ene, ahakɔ eŋu tso ameŋugblẽnya mawo me oa? (2 Korintotɔwo 4:4; Yesaya 43:10-12) Eye ne míede ŋugble le Yehowa ƒe nɔnɔme wɔnukuawo ŋu la, ɖe didi meɖoa mía me be míagblɔ eŋu nya na amewo oa? Nyateƒee, mɔnukpɔkpɔ gã bubu aɖeke megali wu be míakpe ɖe amewo ŋu woava dze si mía Fofo si le dziƒo eye woalɔ̃e abe ale si míedze sii helɔ̃e ene o.

17. Nu kawo ŋue míaƒe tadedeagu na Yehowa ku ɖo, eye nu ka tae wòle be míade ta agu nɛ le nuteƒewɔwɔ me?

17 Míaƒe tadedeagu na Yehowa gaku ɖe nu geɖe wu ŋu. Eku ɖe míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa hã ŋu. (Kolosetɔwo 3:23) Ne míexɔ Yehowa be enye míaƒe Aƒetɔ Dziɖulagã vavã la, ekema míadi be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me—le míaƒe ƒomegbenɔnɔ me, le míaƒe dɔwɔƒewo, le míaƒe nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu me, kple le ale si míezãa míaƒe vovoɣiwoe hã me. Míadi be míasubɔ Yehowa “kple dzi blibo,” le nuteƒewɔwɔ me. (1 Kronika 28:9) Tadedeagu sia meɖea mɔ ɖe dzi afãafã ƒe nuwɔna alo ɖe agbevenɔnɔ ŋu o—si anye alakpanuwɔwɔ be míadze abe ame siwo le Yehowa subɔm ene evɔ ahanɔ nu vɔ̃ gãwo wɔm le adzame. Nuteƒewɔwɔ maɖe mɔ na mí be míawɔ alakpanu sia o; lɔlɔ̃ ana míanyɔ ŋu nuwɔna ma. Mawuvɔvɔ̃ hã akpe ɖe mía ŋu. Biblia fia be mawusosroɖa alea ku ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ ɖaa ŋu.—Psalmo 25:14.

Yehowa Sɔsrɔ̃

18, 19. Nu ka tae wòle be míakpɔ mɔ be anya wɔ na amegbetɔ madeblibowo ŋutɔŋutɔ be woasrɔ̃ Yehowa Mawu?

18 Agbalẽ sia ƒe akpa ɖe sia ɖe wu enu kple ta aɖe si ku ɖe ale si míazu “Mawu srɔ̃lawo abe via lɔlɔ̃awo ene” ŋu. (Efesotɔwo 5:1) Ele vevie be míaɖo ŋku edzi be togbɔ be míenye ame madeblibowo hã la, míate ŋu asrɔ̃ mɔ deblibo siwo nu Yehowa zãa eƒe ŋusẽ le, wɔa nu le dzɔdzɔenyenye me, zãa eƒe nunya, eye wòɖea lɔlɔ̃ fiana le. Aleke míewɔ nya be anya wɔ na mí ŋutɔŋutɔ be míasrɔ̃ Ŋusẽkatãtɔ la? Ðo ŋku edzi be Yehowa ƒe ŋkɔa gɔmesese fia mí be eya amea ate ŋu azu nu sia nu si wòlɔ̃ be yeana yeƒe tameɖoɖowo nava eme. Esɔ be eƒe ŋutete ma naa vɔvɔ̃ kple bubu deto yɔa mía me, gake ɖe wònye ame si míate ŋu asrɔ̃ kura oa? Ao.

19 Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔ mí ɖo. (1 Mose 1:26) Le esia ta amegbetɔwo to vovo na nuwɔwɔ bubu siwo katã le anyigba dzi sãsãsã. Menye lãmenusese, agbedomenyiŋusẽ, alo nɔnɔme siwo ƒo xlã mí koe ʋãa mí míewɔa nu o. Yehowa na nunana xɔasi aɖe mí—tiatiawɔwɔblɔɖe. Togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le mía ŋu eye míede blibo o hã la, míekpɔ mɔ faa atia nu si míedi be míava zu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖo ŋku edzi be Mawu ƒe ŋkɔa fia hã be ate ŋu ana esubɔlawo nazu nu sia nu si wòdi be woazu. Ðe nèdi be yeanye ame si lɔ̃a ame, ame si dze nunya, kple ame dzɔdzɔe si zãa ŋusẽ ɖe mɔ nyuitɔ nua? Dzidzɔtɔe la, àte ŋu ava zu ame sia ƒomevi tututu le Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu me! Bu nu nyui siwo esia ana nàte ŋu awɔ ŋu kpɔ.

20. Nu nyui kawoe ado go tso eme ne míesrɔ̃ Yehowa?

20 Wò nu adze Fofowò si le dziƒo ŋu, eye esia ado dzidzɔ na eƒe dzi. (Lododowo 27:11) Àte ŋu ‘adze eŋu bliboe’ gɔ̃ hã, elabena esea wò ŋutetewo ƒe seɖoƒe gɔme. (Kolosetɔwo 1:9, 10) Eye ne èyi edzi le nɔnɔme nyuiwo tum ɖo le Fofowò lɔlɔ̃a sɔsrɔ̃ me la, atsɔ mɔnukpɔkpɔ gãwo ayra wòe. Àzu kekelitsoƒe le xexe doblukɔ sia si tsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe futɔe me. (Mateo 5:1, 2, 14) Àkpe asi ɖe eŋu be woana Yehowa ƒe amenyenye kɔkɔe la ƒe akpa sue aɖe naklẽ ɖe anyigba bliboa dzi. Bubu gã kae nye esi!

‘Te Ðe Mawu Ŋu, Eye Ate Ðe Ŋuwò’

Neva eme be nàyi edzi anɔ tetem ɖe Yehowa ŋu ɖaa

21, 22. Mɔzɔzɔ si ŋu seɖoƒe mele o kae le ame siwo katã lɔ̃ Yehowa ŋgɔ?

21 Nuxlɔ̃ame bɔbɔe sia si woŋlɔ ɖe Yakobo 4:8 bia nu geɖe wu taɖodzinu aɖe si woaminya ko. Enye mɔzɔzɔ. Zi ale si míeyi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ko la, mɔzɔzɔ ma mawu enu akpɔ o. Míawu tete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli nu gbeɖe o. Ne míagblɔe tututu la, nu geɖe anɔ anyi míasrɔ̃ tso eŋu ɣesiaɣi. Mele be míatsɔe be agbalẽ sia fia nu siwo katã wòle be míanya tso Yehowa ŋu la mí o. Nya lae nye be nu siwo katã Biblia gblɔ tso mía Mawu ŋu me dzodzro ƒe akpa sue aɖe koe nye esia gɔme míedze! Eye Biblia la ŋutɔ gɔ̃ hã megblɔ nu siwo katã li míanya tso Yehowa ŋu la na mí o. Apostolo Yohanes gblɔ be ne ɖe woaŋlɔ nu siwo katã Yesu wɔ le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa me ɖe agbalẽ me la, anye ne “xexe bliboa gɔ̃ hã mate ŋu akpɔ teƒe na agbalẽ siwo woaŋlɔ la o.” (Yohanes 21:25) Ne woate ŋu agblɔe alea tso Via ŋu la, ke aleke gbegbe esi woate ŋu agblɔ tso Fofoa ŋu asɔ gbɔ wu kura enye esi!

22 Agbe tegbee nɔnɔ gɔ̃ hã mana míaɖo nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu ƒe seɖoƒe o. (Nyagblɔla 3:11) Eya ta bu mɔnukpɔkpɔ gã si le ŋgɔ na mí la ŋu kpɔ ko. Kaka míanɔ agbe wòaɖo ƒe alafa geɖe, ƒe akpe geɖe, ƒe miliɔn geɖe, ƒe biliɔn geɖe gɔ̃ hã la, nu siwo míava nya tso Yehowa Mawu ŋu la asɔ gbɔ kura wu esi míenya fifia. Gake ɣemaɣi gɔ̃ hã míasee le mía ɖokui me be nu gbogbo aɖewo siwo mele xexlẽ me o gakpɔtɔ li wòle be míasrɔ̃. Didia anɔ mía me be míayi edzi asrɔ̃ nu geɖe, elabena susu geɖe anɔ mía si si ta wòle be míase le mía ɖokui me abe hakpala la ene, ame si gblɔ be: “Enyo nam be mate ɖe Mawu ŋu.” (Psalmo 73:28) Agbe tegbee nɔnɔ ayɔ fũu kple gɔmesese kple nu vovovo siwo ŋu míate ŋu abu fifia o—eye tete ɖe Yehowa ŋu geɖe wu anye eƒe akpa si ado dzidzɔ na ame ɣesiaɣi wu.

23. Nu kae wole dzi dem ƒo na wò be nàwɔ?

23 Neva eme be nàwɔ nu wòasɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si wòɖe fia wò fifia la nu, to ale si nàlɔ̃e tso dzi blibo, luʋɔ blibo, tamesusu blibo, kple ŋusẽ blibo mee la me. (Marko 12:29, 30) Neva eme be wò lɔlɔ̃ nɛ nayi edzi le nuteƒewɔwɔ me eye wòali ke sesĩe. Neva eme be nyametsotso siwo nàwɔ gbe sia gbe, tso suetɔwo dzi va se ɖe gãtɔwo dzi, katã naɖee fia be gɔmeɖose ɖeka ma kee le kplɔwòm—be mɔ si akplɔ wò ayi mia kple Fofowò si le dziƒo dome ƒomedodo si me asẽ wu gbɔ la ko nàtia ɣesiaɣi. Ƒo wo katã ta la, neva eme be nàte ɖe Yehowa ŋu geɖe wu, eye wòava eme be eya hã nate ɖe ŋuwò—tso fifia tsɔ yi ɖe mavɔmavɔ me!