Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA GBÃTƆ

Ameka Tututue Mawu Nye?

Ameka Tututue Mawu Nye?
  •  Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme na wò vavã?

  • Aleke Mawu le? Ŋkɔ le esia?

  • Ðe wòanya wɔ be nàte ɖe Mawu ŋua?

1, 2. Nukatae wònyo zi geɖe be woabia nya?

ÈDE dzesii be ɖeviwo lɔ̃a nyawo biabia ŋutɔa? Wo dometɔ geɖe dzea nyawo biabia gɔme ne wonya te nuƒoƒo teti ko. Woake ŋku ɖi afɔ ta dzi anɔ kpɔwòm, ahabia wò be: Nukatae dziŋgɔlia ƒe amadede nye blɔ? Nukae naa ɣletiviwo nɔa keklẽm? Amekae fia xeviwo be woaxlɔ̃ wòanya se alea? Ðewohĩ àdze agbagba be yeaɖo eŋu na wo, gake ŋuɖoɖoa kpɔkpɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ne èdze agbagba kpɔ ŋuɖoɖo nyui aɖe na wo hã la, ɖeko woagabia ake be: Ke nukatae?

2 Menye ɖeviwo koe lɔ̃a nya biabia o. Ne míele tsitsim la, míeva nɔa nya geɖe biam. Míewɔa esia be míanya mɔ si dzi wòle be míato, be míanya afɔku siwo wòle be míaƒo asa na, alo be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo le susu me na mí. Gake ewɔ abe ɖe ame geɖe dzudzɔ nyawo biabia ene, vevietɔ nya siwo hiã vevie wu. Míagblɔe ko be wodzudzɔ biabiawo ƒe ŋuɖoɖowo didi.

3. Nukatae ame geɖe dzudzɔ ŋuɖoɖo didi na biabia siwo hiã vevie wu?

3 De ŋugble le biabia si le agbalẽ sia ƒe akpaa dzi, esiwo le ŋgɔdonyaa me, alo  esiwo le ta sia  ƒe gɔmedzedze ŋu kpɔ. Esiawoe nye biabia vevitɔ siwo nàte ŋu abia la dometɔ aɖewo. Ke hã, ame geɖe megadzea agbagba aɖeke be yewoakpɔ ŋuɖoɖoawo o. Nukatae? Ðe ŋuɖoɖoawo le Biblia mea? Ame aɖewo susui be eƒe ŋuɖoɖowo gɔmesese sesẽ akpa. Ame bubuwo hã senɛ le wo ɖokui me be anye ŋukpe na yewo be yewoabia nya. Eye ame aɖewo hã tsɔe be subɔsubɔhakplɔlawoe wòle be woadi biabia mawo ƒe ŋuɖoɖo. Ke wò ya ɖe?

4, 5. Nya vevitɔ kekeake siwo míabia le agbe me dometɔ aɖewo ɖe, eye nukata wòle be míadi ŋuɖoɖoawo?

4 Ðewohĩ adzɔ dzi na wò be yeakpɔ ŋuɖoɖo na agbe me biabia vevitɔwo. Ðikeke mele eme o be ɣeaɖewoɣi èbiaa ɖokuiwò be: ‘Tameɖoɖo ka kurae le agbe ŋu ya? Agbea katã koe nye esia? Aleke tututue Mawu le?’ Enyo ŋutɔ be nàbia nya siawo, eye ehiã vevie be nàgana ta o vaseɖe esime nèkpɔ ŋuɖoɖo fakɔname siwo ŋu kakaɖedzi le. Yesu Kristo si bi ŋutɔ le nufiafia me gblɔ be: ‘Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔ ƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi.’—Mateo 7:7.

5 Ne ‘èyi edzi di’ ŋuɖoɖo na biabia vevitɔwo la, àva kpɔe be wò agbagbadzedzewo ate ŋu ahe viɖe geɖe vɛ na wò. (Lododowo 2:1-5) Nuka kee ame bubuwo ɖagblɔ na wò o, ka ɖe edzi be ŋuɖoɖoawo li, eye àte ŋu ake ɖe wo ŋu—le Biblia me. Ŋuɖoɖoawo gɔmesese mesesẽ akpa o. Nusi ganyo wu enye be woana mɔkpɔkpɔ wò eye woahe dzidzɔ geɖe vɛ na wò. Eye woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe si me dzidzeme le fifia kura gɔ̃ hã. Gbã la, na míadzro biabia aɖe si ɖea fu na ame geɖe me.

ÐE MAWU METSƆA ÐEKE LE EME NA MÍ O EYE MESEA VEVE ÐE MÍA NU OA?

6. Nukatae ame geɖe susui be Mawu metsɔa ɖeke le fu siwo kpem ameƒomea le me o?

6 Ame geɖe susui be biabia ma ƒe ŋuɖoɖo enye, ẽ nenemae wòle. Woagblɔ be: ‘Ne ɖe Mawu tsɔa ɖe le eme na mí la, ne xexeame menyo kura wu oa?’ Afisiafi si míatrɔ ɖo la,  míekpɔnɛ be xexeame yɔ fũ kple aʋawɔwɔ, fuléle, kple nuxaxa. Eye mía dometɔ ɖesiaɖe dzea dɔ, kpea fu, eye míaƒe ame veviwo kuna. Eyata ame geɖe gblɔna be, ‘Ne ɖe Mawu tsɔa ɖe le mía me hedea nu míaƒe kuxiwo me la, anye ne mexe mɔ ɖe nusiawo nu oa?’

7. (a) Aleke subɔsubɔhakplɔlawo naa ame geɖe susunɛ be Mawu mesea veve ɖe mía nu o? (b) Nuka tututue nye Biblia ƒe nufiafia le fu siwo míekpena ŋu?

7 Nusi gagblẽ nyaa ɖe edzi enye be ɣeaɖewoɣi la, subɔsubɔhakplɔlawo naa amewo susunɛ be Mawu mesea veve ɖe mía nu o. Le mɔ ka nu? Ne afɔku aɖe dzɔ la, wogblɔna be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue. Ne míagblɔe tututu la, nufiala siawo bua fɔ Mawu be eyae na afɔkuawo dzɔ. Alea tututue wòle be míabu Mawua? Nuka tututue nye Biblia ƒe nufiafia? Yakobo 1:13 ɖo eŋu na mí be: “Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” Eyata menye Mawu gbɔe vɔ̃ɖinyenye siwo teƒe kpɔm nèle le xexeame egbea la tso gbeɖe o. (Hiob 34:10-12) Ele eme be eɖea mɔ afɔkuwo dzɔna ya. Gake vovototo gã aɖe le ame ƒe mɔɖeɖe be nane nadzɔ kple egbɔ tsotso be wòadzɔ dome.

8, 9. (a) Kpɔɖeŋu kae nàwɔ atsɔ aɖe vovototo si le ame aɖe ƒe mɔɖeɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu kple egbɔ tsotso dome la mee? (b) Nukata masɔ be míabu fɔ Mawu be wòɖe mɔ amegbetɔwo lé woa ŋutɔwo ƒe mɔ gbegblẽ tsɔ o?

8 Le kpɔɖeŋu me, bu vifofo nyanu lɔ̃ame aɖe kpakple viaŋutsu tsitsi si kpɔtɔ le egbɔ le aƒeme ŋu kpɔ. Ne ŋutsuvia dze aglã eye wòɖoe be yeadzo le aƒea me la, fofoa maxe mɔ nɛ o. Tsɔe be via dzo yi va le agbe masɔmasɔ aɖe nɔm eye wòva ɖo nɔnɔme sesẽ aɖe me. Ðe míagblɔ be fofoa gbɔe wòtso be via ɖo nɔnɔme sesẽ mea? Kura o. (Luka 15:11-13) Nenema ke Mawu mexea mɔ na amegbetɔwo ne wotiae be yewoaɖe afɔ gbegblẽ o, gake mefia be egbɔe wòtso be kuxiwo do tso woƒe nuwɔnawo me o. Eyata masɔ kura be woabu fɔ Mawu ɖe kuxi siwo katã me tom ameƒomea le la ta o.

 9 Susu nyui aɖe tae Mawu ɖe mɔ amegbetɔwo lé woa ŋutɔwo ƒe mɔ gbegblẽ tsɔ ɖo. Esi wònye eyae nye mía Wɔla nunyala kple ŋusẽkatãtɔ ta la, menye dzizizie wònye nɛ be wòaɖe nusitae wòwɔ nane ɖo la gɔme na mí o. Gake lɔlɔ̃tɔe la, Mawu ɖe eme na mí. Àsrɔ̃ nu geɖe tso susu siawo ŋu le Ta 11 lia me. Gake kakaɖedzi nenɔ asiwò be menye Mawu gbɔe kuxi siwo me tom míele la tso o. Ðe wòna mɔkpɔkpɔ vavã mí boŋ be yeaɖe kuxiawo ɖa!—Yesaya 33:2.

10. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu aɖɔ ŋutasẽnuwɔna me tsonu ɖesiaɖe ɖo?

10 Azɔ hã, Mawu le kɔkɔe. (Yesaya 6:3) Esia fia be ele dzadzɛ. Nɔnɔme vɔ̃ɖi ƒe susu aɖeke kura mele eyama me o. Eyata míate ŋu aka ɖe eyama dzi blibo. Gake mele alea le amegbetɔwo ya gome o, elabena ɣeaɖewoɣi nɔnɔme gbegblẽwo va sua mía si. Amegbetɔ ŋusẽtɔ si nye anukwareɖila wu ame bubu ɖesiaɖe gɔ̃ hã mate ŋu aɖɔ nu gbegblẽ siwo amewo wɔ la ɖo o. Gake ŋusẽkatãtɔe Mawu ya nye. Ate ŋu aɖɔ ŋutasẽnuwɔna me tsonu ɖesiaɖe si ƒe fu kpem amegbetɔƒomea le la ɖo eye awɔe hã. Ne Mawu tso be yeaɖɔ nuwo ɖo la, akpɔ egbɔ be vɔ̃ɖinyenye nu yi tegbee!—Psalmo 37:9-11.

ALEKE MAWU SENA LE EÐOKUI ME ÐE NUMADZƆMADZƆWƆWƆ SIWO LI ŊU?

11. (a) Aleke Mawu sena le eɖokui me ɖe numadzɔmadzɔwɔwɔ ŋu? (b) Aleke Mawu sena le eɖokui me le fu siwo kpem nèle ŋu?

11 Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, aleke Mawu sena le eɖokui me le nusiwo le dzɔdzɔm le xexeame kple le wò ŋutɔ wò agbe me ŋu? Biblia fia mí be Mawu “lɔ̃a nya dzɔdzɔe.” (Psalmo 37:28) Eyata etsɔ ɖe le nusi nye nyui kple nusi nye vɔ̃ me vevie. Elé fu numadzɔmadzɔwɔwɔ ƒomevi ɖesiaɖe. Biblia gblɔ be esi vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ ɖe anyigba dzi le blema la, ‘eɖu dzi na’ Mawu vevie. (Mose I, 6:5, 6) Mawu metrɔ o. (Maleaxi 3:6) Egakpɔtɔ lé fu nuwɔna siwo le fukpekpe hem va xexeame kokoko. Eye Mawu medi kura be yeakpɔ amewo woanɔ fu kpem o. Biblia gblɔ be: ‘Eyama tsɔa ɖe le eme na mi.’—Petro I, 5:7.

Biblia fia mí be Yehowae nye Wɔla lɔ̃ame si wɔ xexeame godoo

12, 13. (a) Nukatae nɔnɔme nyuiwo, abe lɔlɔ̃ ene, le mía me ɖo, eye aleke lɔlɔ̃ naa nusiwo kpɔm míele le xexeame la tena ɖe mía dzii? (b) Nukata nàte ŋu aka ɖe edzi be Mawu awɔ nane tso fukpekpe siwo le xexeame ŋu godoo?

 12 Aleke míewɔ ka ɖe edzi be Mawu medi kura be yeakpɔ amewo woanɔ fu kpem o? Kpeɖodzi bubu enye si. Biblia fia mí be Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔ ame ɖo. (Mose I, 1:26) Esi nɔnɔme nyuiwo le Mawu si tae nɔnɔme nyuiwo le míawo hã mía si ɖo. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòtena ɖe dziwò ne èkpɔ ame maɖifɔwo le fu kpema? Ne numadzɔmadzɔ siwo wowɔna ɖe amewo ŋu tena ɖe dziwò la, ke ele be kakaɖedzi nanɔ asiwò be etena ɖe Mawu dzi vevie wu.

13 Amegbetɔwo ƒe nɔnɔme nyuitɔwo dometɔ ɖekae nye lɔlɔ̃. Mawu ƒe nɔnɔme kee nye ema dze le wo ŋu. Biblia fia be “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Esi Mawu lɔ̃a mí tae míelɔ̃a ame ɖo. Ðe lɔlɔ̃ aʋã wò be nàɖe numadzɔmadzɔwɔwɔ siwo teƒe kpɔm nèle le xexeame ɖa? Ne ɖe ŋusẽ le asiwò be nàɖe wo ɖa la, anye ne àwɔea? Àwɔe godoo! Ekema àte ŋu aka ɖe edzi be Mawu ava ɖe fukpekpe kple numadzɔmadzɔwɔwɔ ɖa godoo. Ŋugbedodo siwo ƒe nya míegblɔ le agbalẽ sia ƒe ŋgɔdonya me la menye drɔ̃e alo mɔkpɔkpɔ dzro aɖe ko o. Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme godoo! Gake be nàxɔ ŋugbedodo mawo dzi ase la, ehiã be nànya nu geɖe wu tso Mawu si do ŋugbe mawo ŋu.

MAWU DI BE NÀDZE SI YE

Ne èdi be yeadze xɔlɔ̃ ame aɖe la, ɖe màna wòanya ŋkɔwò oa? Mawu ɖe eƒe ŋkɔ fia mí le Biblia me

14. Mawu ƒe ŋkɔ ɖe, eye nukatae wòle be míazã ŋkɔa?

14 Ne èdi be yeadze xɔlɔ̃ ame aɖe la, nukae nàwɔ? Ðe màna amea nanya  ŋkɔwò oa? Ke ɖe ŋkɔ le Mawu sia? Subɔsubɔhakplɔla geɖe gblɔna be eƒe ŋkɔe nye “Mawu” alo “Aƒetɔ,” gake menye eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔe nye mawo o. Dzesideŋkɔwo koe wonye, abe alesi “fia” kple “dukplɔla” nye dzesideŋkɔwo ene. Biblia fia mí be dzesideŋkɔ gbogbo aɖewo le Mawu si. Esiawo dometɔ aɖewoe “Mawu” kple “Aƒetɔ” nye. Gake Biblia gafia mí hã be ŋkɔ ŋutɔŋutɔ le Mawu si, si nye: Yehowa. Psalmo 83:19 gblɔ be: “Ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” Ne Biblia gɔmeɖeɖe aɖe le asiwò si me ŋkɔ ma medze le o la, ke àdi be yeanya nusitae, eye àkpɔ ŋuɖoɖoa le agbalẽ sia ƒe Megbenyawo me, le axa 195-7. Nyateƒea enye be  Mawu ƒe ŋkɔ dze zi akpe geɖe le blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo dzi woŋlɔ Biblia ɖo zi gbãtɔ me. Eyata Yehowa di be nànya yeƒe ŋkɔ ahazã ŋkɔa. Míagblɔ be eto Biblia dzi le nanam be nàdze xɔlɔ̃ ye.

15. Nukae nye gɔmesese si le ŋkɔ Yehowa ŋu?

15 Mawu tsɔ ŋkɔ si ŋu gɔmesese geɖe le la na eɖokui. Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, fia be ate ŋu ana eƒe ŋugbedodo ɖesiaɖe nava eme eye ate ŋu awɔ nusianu si wòɖo be yeawɔ. * Mawu ƒe ŋkɔ le etɔxɛ, etɔgbe aɖeke megali o. Eya ɖeɖe koe tɔ ŋkɔ ma. Yehowa nye amesi le etɔxɛ le mɔ vovovowo nu. Mɔ kawo nue?

16, 17. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ŋu le dzesideŋkɔ siwo gbɔna me: (a) “Ŋusẽkatãtɔ”? (b) “Fia mavɔmavɔtɔ”? (d) “Wɔla”?

16 Míekpɔe va yi be Psalmo 83:19 gblɔ le Yehowa ŋu be:  ‘Wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe nusianu dzi.’ Nenema ke Yehowa ɖeɖe koe woyɔ be “Ŋusẽkatãtɔ.” Nyaɖeɖefia 15:3 gblɔ be: ‘Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò Fia mavɔmavɔtɔ la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo.’ Dzesideŋkɔ si nye “Ŋusẽkatãtɔ” fia mí be Yehowae nye amesi si ŋusẽ gãtɔ kekeake le. Ŋusẽ si gbegbe le esi la tɔgbe aɖeke megali o; eƒo ɖesiaɖe ta. Eye dzesideŋkɔ si nye “Fia mavɔmavɔtɔ” ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa gaɖe dzesi le mɔ bubu aɖe nu. Eya ɖeka koe nɔ anyi ɣeawokatãɣi tso mavɔmavɔ me. Psalmo 90:2 gblɔ be: “Wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.” Ðe nya mawo menaa vɔvɔ̃ kple bubu deto yɔa mía me oa?

17 Yehowa gaɖe dzesi le mɔ bubu nu si nye be eya ɖeka koe nye Wɔla la. Míexlẽ le Nyaɖeɖefia 4:11 be: “Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” Nusianu si ŋu nàte ŋu abu—tso gbɔgbɔmenuwɔwɔ makpɔmakpɔ siwo le dziƒo dzi yi ɣletivi gbogbo siwo míekpɔna ne zã do dzi yi atikutsetse vovovo siwo li dzi vaseɖe tɔmelã hamehame siwo le atsiaƒu kple tɔsisiwo me dzi—la katã va li le esi Yehowae nye Wɔla ta!

ÀTE ŊU ATE ÐE YEHOWA ŊUA?

18. Nukatae ame aɖewo sena le wo ɖokui me be yewomate ŋu ate ɖe Mawu ŋu gbeɖe o, gake nukae Biblia fia?

18 Nuxexlẽ tso Yehowa ƒe nɔnɔme wɔnukuwo ŋu naa vɔvɔ̃ ɖoa ame aɖewo. Ewɔna na wo be Mawu kɔkɔ akpa eyata yewomate ŋu ate ɖe eŋu gbeɖe o, alo be yewomeɖi naneke gɔ̃ hã le Mawu gã sia ŋkume o. Gake ɖe nukpɔsusu sia sɔa? Nusi Biblia fia to vovo kura na esia. Egblɔ le Yehowa ŋu be: “Mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ . . . o.” (Dɔwɔwɔwo 17:27) Biblia de dzi ƒo na mí gɔ̃ hã be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8.

19. (a) Nuka wɔwɔe ana míanɔ tetem ɖe Mawu ŋu, eye viɖe kae míakpɔ tso eme? (b) Mawu ƒe nɔnɔmeawo dometɔ kawoe lé dzi na wò wu?

 19 Aleke nàte ŋu ate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli? Gbã la, ele be nàyi nusi gɔme nèdze fifia la dzi—si nye nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu. Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Ẽ, nusi Biblia fia enye be nusɔsrɔ̃ tso Yehowa kple Yesu ŋu akplɔ wò ayi “agbe mavɔ” me! Míekpɔe va yi xoxo be “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:16) Nɔnɔme nyoameŋu lédziname bubu geɖewo gale Yehowa si. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ le Yehowa ŋu be enye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.” (Mose II, 34:6) ‘Eƒe dɔme nyo eye wòlɔ̃a tsɔtsɔke.’ (Psalmo 86:5) Mawu gbɔa dzi ɖi blewu. (Petro II, 3:9) Ewɔa nuteƒe. (Korintotɔwo I, 1:9) Ne èyi edzi le nu geɖe xlẽm le Biblia me la, àva kpɔ alesi Yehowa ɖee fiae be nɔnɔme lédziname siawo kple bubu geɖewo le ye sii.

20-22. (a) Ðe alesi míate ŋu akpɔ Mawu o la wɔe be manya wɔ be míate ɖe eŋu oa? Ðe eme. (b) Nukae ame aɖewo siwo bua ŋuwò aƒo nya ɖe nuwò be nàwɔ, gake nukae wòle be nàwɔ?

20 Enye nyateƒe be màte ŋu akpɔ Mawu o elabena enye gbɔgbɔ eye ŋku mate ŋu akpɔe o. (Yohanes 1:18; 4:24; Timoteo I, 1:17) Gake ne èyi edzi srɔ̃ nu tso eŋu le Biblia me la, àva dze sii ŋutɔŋutɔ. Abe alesi hakpala la gblɔe ene la, àte ŋu ‘akpɔ Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo katã.’ (Psalmo 27:4; Romatɔwo 1:20) Zi alesi nèyi edzi le nu srɔ̃m tso Yehowa ŋui la, zi nenemae nàkpɔe be enye amesi li ŋutɔŋutɔ eye àkpɔ susu geɖe siwo ta wòle be nàlɔ̃ eyama ahate ɖe eŋu kplikplikpli ɖo.

Alesi vifofo nyui lɔ̃a viawoe la nye kpɔɖeŋu na alesi mía Fofo si le dziƒo lɔ̃a míi vevie

21 Vivivi la, àva se susu si tae Biblia fia mí be míabu Yehowa be eyae nye mía Fofo la gɔme. (Mateo 6:9) Menye ɖeko míaƒe agbe dzɔ tso egbɔ ko evɔ o, ke edi be agbea nadze edzi na mí hã—abe alesi ko vifofo lɔ̃ame ɖesiaɖe adii na viawo ene. (Psalmo 36:10) Biblia fia mí hã be amegbetɔ ate ŋu ava zu  Yehowa xɔlɔ̃. (Yakobo 2:23) Wò ya bu eŋu kpɔ ko—àte ŋu ava zu xexeame katã Wɔla xɔlɔ̃!

22 Esi nèyi edzi le nu srɔ̃m tso Biblia me la, àva kpɔe be ame aɖewo siwo bua ŋuwò atsɔ susu nyui aƒoe ɖe nuwò be nàdzudzɔ nusiawo sɔsrɔ̃. Ðewohĩ woatsi dzi be wò dzixɔsewo ava trɔ. Gake mègana ame aɖeke nana nàdzudzɔ afɔɖeɖe si nàwɔ be nàdze xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake la o.

23, 24. (a) Nukatae wòle be nàyi edzi anɔ nya biam tso nusiwo srɔ̃m nèle ŋu? (b) Nyati ka mee míadzro le ta si kplɔe ɖo me?

23 Nyateƒee wònye be nanewo li siwo gɔme màse tso gɔmedzedzea o. Ate ŋu ahiã ɖokuibɔbɔ vie be nàbia be woakpe ɖe ye ŋu, gake mègana wòakpe ŋu na wò nàgbe esia wɔwɔ o. Yesu gblɔ be nu nyui wònye be míabɔbɔ mía ɖokui, abe ɖevi sue ene. (Mateo 18:2-4) Eye míenya nyuie be ɖeviwo lɔ̃a nya geɖe biabia ɣesiaɣi. Mawu di be nàkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabiawo. Biblia kafu ame aɖewo siwo di vevie be yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu. Wotsɔ dzigbɔɖeanyi dzro Ŋɔŋlɔawo me tsitotsito be yewoaka ɖe edzi be nusi srɔ̃m yewole lae nye nyateƒea hã.—Dɔwɔwɔwo 17:11.

24 Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi nàto asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋue nye be nàdzro Biblia la me. Eto vovo tso agbalẽ bubu ɖesiaɖe gbɔ. Le mɔ ka nu? Ta si kplɔ esia ɖo adzro nyati ma me.

^ mm. 15 Àkpɔ nya bubu geɖe ku ɖe gɔmesese si le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu kple alesi woazãe le Megbenyawo me le axa 195-7.