Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA EVELIA

Biblia La—Agbalẽ si Tso Mawu Gbɔ

Biblia La—Agbalẽ si Tso Mawu Gbɔ
  • Aleke Biblia la to vovo tso agbalẽ bubu ɖesiaɖe gbɔe?

  • Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxi siwo nèdoa goe gbɔe?

  • Nukata nàte ŋu aka ɖe ŋugbedodo siwo le Biblia me dzi?

1, 2. Aleke Biblia la nye nunana dodzidzɔname aɖe tso Mawu gbɔe?

ÀTE ŊU aɖo ŋku ɣeyiɣi aɖe si nèxɔ nunana tɔxɛ aɖe tso xɔ̃wò vevi aɖe gbɔ dzia? Anɔ eme be èkpɔ ŋudzedze ɖe nunanaa xɔxɔ ŋu eye wòlé dzi na wò hã. Nyateƒee, ne ame aɖe na nu wò la, efia be edea asixɔxɔ mia kplii dome xɔlɔ̃dzedzea ŋu. Ðikeke mele eme o be àda akpe na xɔ̃wòa be eɖo ŋku ye dzi hena nu ye.

2 Biblia la nye nunana tso Mawu gbɔ, eye enye nunana si ta wòle be míada akpe ɖo. Agbalẽ tɔxɛ sia gblɔ nusiwo anye ne míate ŋu anya wo gbeɖe o la na mí. Le kpɔɖeŋu me, eƒo nu tso ɣletivi gbogboawo, anyigba la, kple ŋutsu kpakple nyɔnu gbãtɔwo wɔwɔ ŋu. Gɔmeɖose siwo ŋu kakaɖedzi le siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe agbemekuxiwo kple dzimaɖitsitsiwo nu la le Biblia me. Egblɔ alesi Mawu ana eƒe tameɖoɖo nava eme ahana nɔnɔmeawo nanyo wu le anyigba dzi. Nunana dodzidzɔname ka gbegbee nye si Biblia la nye!

3. Nukae Biblia si Yehowa tsɔ na mí la ɖe fia tso eyama ŋu, eye nukatae wònye nunana lédziname?

3 Biblia la nye nunana lédziname hã, elabena eɖe nane fia  mí tso Enala Yehowa Mawu ŋu. Alesi wòtsɔ agbalẽ sia na mí ɖeɖe kura nye kpeɖodzi be edi be míadze si ye nyuie. Nyateƒee, Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Yehowa ŋu.

4. Nukae wɔ dɔ ɖe dziwò ku ɖe Biblia ƒe agbɔsɔsɔ si woma ŋu?

4 Ne Biblia le wò ŋutɔ asiwò la, ke nyae be menye wò ɖeka ko sie wòle o. Wota Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 2,300 me, eye esia wɔe be wòle anyigbadzinɔla siwo wu 90 le alafa me la si. Le mama dedie nu la, womaa Biblia miliɔn ɖeka kple edzivɔ kwasiɖa ɖesiaɖe! Wota Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe ɖekaɖeka biliɔn geɖe. Nyateƒee, agbalẽ bubu aɖeke megali si de Biblia nu o.

“New World Translation of the Holy Scriptures” Biblia la le gbegbɔgblɔ geɖe me

5. Mɔ ka nue Biblia la “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me” le?

5 Gawu la, Biblia la nye agbalẽ si “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” (Timoteo II, 3:16) Le mɔ ka nu? Biblia la ŋutɔ ɖo eŋu be: “Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.” (Petro II, 1:21) Eƒe kpɔɖeŋu enye si: Dɔtɔ aɖe ate ŋu ana eƒe agbalẽŋlɔla naŋlɔ lɛta aɖe nɛ. Dɔtɔa ƒe susuwo kple mɔfiamewoe le lɛtaa me. Eyata eya ƒe lɛtae wònye, ke menye agbalẽŋlɔlaa tɔe o. Nenema ke Mawu ƒe nyawoe le Biblia la me, ke menye amesiwo wòzã woŋlɔe la ƒe nyawoe o.  Eyata nyateƒee wònye be Biblia bliboa nye “Mawu ƒe nya.”—Tesalonikatɔwo I, 2:13.

ÐEKAWƆWƆ LE EMENYAWO ME EYE WODE PƐPƐPƐ

6, 7. Nukatae wòɖe dzesi koŋ be ɖekawɔwɔ le Biblia me nyawo me?

6 Biblia la ŋɔŋlɔ xɔ ƒe 1,600 kple edzivɔ. Eŋlɔlawo nɔ agbe le ɣeyiɣi vovovowo me eye wonye dɔ vovovo wɔlawo. Wo dometɔ aɖewo nye agbledelawo, lãɖelawo, kple alẽkplɔlawo. Bubuwo nye nyagblɔɖilawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, kple fiawo. Nyanyuiŋlɔla Luka nye ɖɔkta. Togbɔ be Biblia la ŋlɔlawo tso teƒe vovovo eye wonye dɔ vovovo wɔlawo hã la, ɖekawɔwɔ le emenyawo me tso eƒe gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu. *

7 Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ gblɔ alesi amegbetɔƒomea ƒe kuxiwo dze egɔmee la na mí. Agbalẽ mamlɛtɔ ɖee fia be woatrɔ anyigba bliboa wòazu paradiso, alo abɔ dzeani aɖe. Nya siwo katã le Biblia me la ku ɖe nusiwo dzɔ le ameƒomea ƒe ŋutinya si xɔ ƒe akpe geɖe me ŋu eye woku ɖe alesi Mawu ƒe tameɖoɖo le eme vamee hã ŋu. Alesi gbegbe ɖekawɔwɔ le Biblia ƒe agbalẽwo me la wɔa dɔ ɖe ame dzi, eye alea tututue míakpɔ mɔ be agbalẽ si tso Mawu gbɔ nanɔ.

8. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖewo siwo fia be Biblia me nyawo sɔ pɛpɛpɛ le dzɔdzɔmeŋutinunya gome hã.

8 Biblia me nyawo de pɛpɛpɛ le dzɔdzɔmeŋutinunya gome hã. Nya siwo wògblɔ la de ŋgɔ sasasã na nunya si nɔ amewo si ɣemaɣi. Le kpɔɖeŋu me, wode sewo le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me na blema Israel-viwo ku ɖe ame ɖeɖeɖeaga le dɔléle ta kple le dzadzɛnyenye ŋu evɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo ya menya naneke tso lãmesẽnya mawo ŋu o. Le ɣeyiɣi si me nukpɔsusu masɔmasɔ nɔ amewo si ku ɖe nɔnɔme si me anyigba le ŋu la, Biblia ya ƒo nu tso eŋu be ele godoo, alo nogoo. (Yesaya 40:22) Biblia gblɔe wòsɔ pɛpɛpɛ be ‘womeku anyigba ɖe  naneke ŋu o.’ (Hiob 26:7) Ele eme baa be menye dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nusrɔ̃gbalẽe Biblia nye o. Gake ne eƒo nu tso nusiwo ku ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu la, esɔna pɛpɛpɛ. Ðe menye aleae míakpɔ mɔ be agbalẽ si tso Mawu gbɔ nanɔ oa?

9. (a) Aleke wòdze ƒã be Biblia me nyawo de pɛpɛpɛ le ŋutinya me nudzɔdzɔwo me eye be woate ŋu aka ɖe wo dzii? (b) Nukae Biblia-ŋlɔlawo ƒe nyateƒetoto fia wò tso agbalẽa ŋu?

9 Biblia me ŋutinyawo de pɛpɛpɛ eye kakaɖedzi le wo ŋu hã. Eƒo nu tso nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo ŋu tẽ. Menye amewo ƒe ŋkɔwo koe wòyɔ o, ke eyɔ woƒe dzidzime siwo do ŋgɔ hã. * To vovo na xexeme ŋutinyaŋlɔla siwo meƒoa nu tsoa wo detɔwo ƒe kpododonu ŋu zi geɖe o la, Biblia ŋlɔlawo ya to nyateƒe, eye woŋlɔ woa ŋutɔwo ƒe vodadawo kple woƒe dukɔa tɔwo siaa ɖi. Le kpɔɖeŋu me, le Biblia-gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Enelia me la, Mose lɔ̃ faa ŋlɔ eya ŋutɔ ƒe vodada gã si wòwɔ si ta wòxɔ tohehe sesẽ aɖe ɖo la ɖi. (Mose IV, 20:2-12) Nyateƒetoto alea mebɔ kura le ŋutinya me nuŋlɔɖiwo me o, gake Biblia ya to nyateƒe elabena enye agbalẽ si tso Mawu gbɔ.

AGBALẼ SI ƑE NUNYA SƆ NA AGBENƆNƆ

10. Nukata mewɔ nuku o be Biblia me nyawo ɖea vi na ame?

10 Esi wònye Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia la tso ta la, “enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo.” (Timoteo II, 3:16) Ẽ, Biblia nye agbalẽ si me nyawo ɖea vi na ame. Ena míese amegbetɔwo ƒe nɔnɔme gɔme nyuie. Esia mewɔ nuku o elabena Eŋlɔla, Yehowa Mawu, ye nye Wɔla la! Esea míaƒe tamebubu kple seselelãmewo gɔme wu mía ŋutɔwo gɔ̃ hã. Gawu la, Yehowa nya nusiwo míehiã be míakpɔ dzidzɔ. Enya nuwɔna siwo wòle be míaƒo asa na hã.

11, 12. (a) Nukawo ŋue Yesu ƒo nu tsoe le eƒe Todzimawunya la me? (b) Nya bubu siwo ɖea vi na ame kawoe le Biblia me, eye nukatae eƒe nuxlɔ̃amewo sɔ na ɣeyiɣi ɖesiaɖe?

11 Wò ya de ŋugble le Yesu ƒe nufiafia xɔŋkɔ si woyɔna be  Todzimawunya, si woŋlɔ ɖe Mateo ta 5 vaseɖe ta 7, ŋu kpɔ. Le Yesu ƒe nufiafia tɔxɛ sia me la, eƒo nu tso nya vovovowo ŋu, siwo dometɔ aɖewoe nye alesi míawɔ akpɔ dzidzɔ vavã, alesi míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ, alesi míado gbe ɖa, kple alesi míana nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ mía si ku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu. Ŋusẽ kpɔtɔ le Yesu ƒe nyawo ŋu eye wogaɖea vi egbea abe alesi ko wònɔ le ɣeyiɣi si me wògblɔ nya mawo ene.

 12 Gɔmeɖose aɖewo le Biblia me ku ɖe ƒomegbenɔnɔ, dɔwɔwɔ, kple mía kple amewo dome ƒomedodowo ŋu. Biblia ƒe gɔmeɖosewo sɔ na amewo katã, eye eƒe nuxlɔ̃amewo dzi wɔwɔ ɖea vi ɣesiaɣi. Mawu ƒe nya si wògblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi la ɖe nunya si le Biblia la me gblɔ kpokploe be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò.”—Yesaya 48:17.

NYAGBLƆÐIGBALẼ

Biblia-ŋlɔla Yesaya gblɔ Babilon ƒe anyidzedze ŋu nya ɖi

13. Nya kawoe Yehowa to nyagblɔɖila Yesaya dzi gblɔ ɖi tsitotsito ku ɖe Babilon ŋu?

13 Nyagblɔɖi gbogbo aɖewo le Biblia me, eye wo dometɔ geɖe va eme xoxo. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Yehowa to nyagblɔɖila Yesaya si nɔ anyi le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me dzi gblɔe ɖi be woatsrɔ̃ Babilon-dugã la. (Yesaya 13:19; 14:22, 23) Wogblɔ alesi tututu woatsrɔ̃ du lae ɖi tsitotsito. Wogblɔ be asrafo siwo ava dze wo dzi la ana Babilon tɔsisiwo namie eye woazɔ age ɖe dua me aʋa mawɔmawɔe. Mevɔ o. Yesaya ƒe nyagblɔɖia yɔ fia si aɖu Babilon dzi la ŋkɔ gɔ̃ hã—si nye Kores.—Yesaya 44:27–45:2.

14, 15. Aleke Yesaya ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Babilon ŋu ƒe akpa vevi aɖewo va emee?

14 Anɔ ƒe 200 megbe—le October 5/6, 539 D.M.Ŋ. ƒe zã kple fɔŋli dome—la, asrafowo va ƒu asaɖa anyi le afisi gogo Babilon. Amekae nye woƒe aʋafia? Persia-fia Kores ye. Alea wòdzɔe be nɔnɔmeawo sɔ keŋ na nyagblɔɖi wɔnuku aɖe me vava. Gake ɖe Kores ƒe aʋakɔa adze Babilon dzi aʋa mawɔmawɔe, abe alesi wogblɔe ɖi enea?

15 Babilontɔwo nɔ azã ɖum le zã ma me eye wosusui be gli kɔkɔ nyadri si wotu ƒo xlã dua na yewole dedie. Ɣemaɣi la, Kores trɔ mɔ na tɔsisi si sina to dua me la ƒe tsiwo. Eteƒe medidi o, tsia mie va ɖo afisi eƒe amewo ate ŋu azɔ to tɔʋua me aɖo dugã la ƒe gliwo gbɔ. Gake aleke Kores ƒe aʋakɔa awɔ alia gli si woɖo ƒo xlã Babilon? Nukae dzɔ alo nukae meɖadzɔ o,  wogblẽ dugã la ƒe agbowo ɖi ŋumaɖɔɖotɔe wonɔ ʋuʋu ɖi le zã ma me!

16. (a) Nukae Yesaya gblɔ ɖi be adzɔ ɖe Babilon dzi mlɔeba? (b) Aleke Yesaya ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Babilon ƒe aƒedozuzu ŋu la va emee?

16 Wogblɔ ɖi le Babilon ŋu be: “Womatso aƒe ɖe afima akpɔ o tegbee, eye wòatsi anyi aƒedoe tso dzidzime yi dzidzime, Arabiatɔwo matu agbadɔ ɖe afima o, eye lãkplɔviwo mana lãwo natsyɔ akɔ ɖe afima o.” (Yesaya 13:20) Menye dugã aɖe ƒe anyidzedze ko gblɔmee nyagblɔɖi sia le o. Eɖee fia be Babilon azu aƒedo tegbee. Àte ŋu akpɔ nya siawo me vava ƒe kpeɖodzi egbea. Afisi blema Babilon nɔ tsã—si didi tso Baghdad ƒe anyiehe, le Iraq abe kilometa 80 ene—si amewo megatso aƒe ɖo o la nye kpeɖodzi be nya si Yehowa gblɔ ɖi to Yesaya dzi la va eme, esi wògblɔ be: “Matsɔ tsɔtsrɔ̃ ƒe abaya akplɔe.”—Yesaya 14:22, 23. *

Babilon ƒe glikpowo

17. Aleke Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava doa ŋusẽ ame ƒe xɔsee?

17 Ðe alesi Biblia nye nyagblɔɖigbalẽ si ŋu kakaɖedzi le  la medoa ŋusẽ ame ƒe xɔse ŋutɔ oa? Nyateƒee, ne Yehowa Mawu na eƒe ŋugbedodowo va eme le blema la, ke míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be ana ŋugbe si wòdo be anyigba azu paradiso la hã nava eme. (Mose IV, 23:19) Vavãe, ‘agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋugbe Mawu, amesi mate ŋu aka aʋatso o, do hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze egɔme la le mía si.’—Tito 1:2. *

“MAWU ƑE NYA LA LE AGBE”

18. Nya vevi kae Kristotɔ apostolo Paulo gblɔ le “Mawu ƒe nya” la ŋu?

18 Nusiwo me míedzro le ta sia me na eme kɔ ƒã be Biblia nye agbalẽ tɔxɛ vavã. Ke hã menye alesi ɖekawɔwɔ le emenyawo me, alesi wòde pɛpɛpɛ le dzɔdzɔmeŋutinunya kple ŋutinya gome, alesi eƒe nunya sɔ na agbenɔnɔ, kple alesi  wònye nyagblɔɖigbalẽ si ŋu kakaɖedzi le la ko tae asixɔxɔ le eŋu ɖo o. Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔe ɖi be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.”—Hebritɔwo 4:12.

19, 20. (a) Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdzro ɖokuiwò mee? (b) Aleke nàwɔ aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Mawu ƒe nunana tɔxɛ si nye Biblia ŋu?

19 Mawu ƒe “nya,” alo eƒe gbedasi, xexlẽ le Biblia me ate ŋu atrɔ míaƒe agbenɔnɔ. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzro mía ɖokui me nyuie fifia wu. Ðewohĩ míagblɔ be míelɔ̃ Mawu, gake alesi míewɔa nu ɖe eƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me la ƒe nufiamewo ŋue aɖe alesi tututu míaƒe tamesusu, kple míaƒe dzimedidi ŋutɔŋutɔwo gɔ̃ hã, le la afia.

20 Biblia nye agbalẽ si tso Mawu gbɔ vavã. Enye agbalẽ si wòle be míaxlẽ, asrɔ̃, ahade asixɔxɔ eŋu. Ðe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nunana sia si tso Mawu gbɔ ŋu to alesi nàyi edzi adzro emenyawo mee dzi. Ne èyi esia wɔwɔ dzi la, àva se Mawu ƒe tameɖoɖo na ameƒomea gɔme nyuie. Míadzro nusi tututu tameɖoɖo ma nye kple alesi wòava emee la me le ta si kplɔ esia ɖo me.

^ mm. 6 Togbɔ be ame aɖewo gblɔna be Biblia ƒe akpa aɖewo tsi tre ɖe emenya bubu aɖewo ŋu hã la, kpeɖodzi mele woƒe nyawo ŋu o. Kpɔ agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? (La Bible: Parole de Dieu ou des hommes?) si Yehowa Ðasefowo ta ƒe ta 7 lia.

^ mm. 9 Le kpɔɖeŋu me, de dzesi dzidzime si me Yesu dzɔ tso si ŋu nya wogblɔ tsitotsito le Luka 3:23-38.

^ mm. 16 Hena nyatakaka bubu geɖe ku ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ŋu la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 27-9.

^ mm. 17 Babilon ƒe tsɔtsrɔ̃ nye Biblia ƒe nyagblɔɖi geɖe siwo va eme la dometɔ ɖeka ko. Kpɔɖeŋu bubuwoe nye Tiro kple Niniwe ƒe tsɔtsrɔ̃. (Xezekiel 26:1-5; Zefanya 2:13-15) Azɔ hã Daniel ƒe nyagblɔɖia ƒo nu tso xexemeŋusẽ siwo ava ɖe wo nɔewo yome aɖu dzi le Babilon ƒe anyidzedze megbe ŋu. Wo dometɔ aɖewoe nye Medo-Persia kple Hela fiaɖuƒewo. (Daniel 8:5-7, 20-22) Kpɔ Megbenyawo, le axa 199-201 hena Mesia la ŋuti nyagblɔɖi geɖe siwo va eme ɖe Yesu Kristo dzi la ƒe numeɖeɖewo.