Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA ETƆ̃LIA

Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba La?

Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba La?
  • Nukae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na ameƒomea?

  • Aleke futɔ aɖe tsi tre ɖe Mawu ŋui?

  • Aleke agbenɔnɔ anɔ le anyigba dzi le etsɔme?

1. Nukae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba?

TAMEÐOÐO nyui ŋutɔ aɖee le Mawu si na anyigba la. Yehowa di be amewo nayɔ anyigba dzi anɔ dzidzɔ kpɔm ahanɔ lãmesẽ me. Biblia gblɔ be “Mawu tso abɔ ɖe Eden” eye wòna “ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetse nyo na ɖuɖu la, mie.” Esi Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ, Adam kple Xawa vɔ la, eda wo ɖe abɔ dzeani si nye woƒe aƒe me eye wògblɔ na wo be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.” (Mose I, 1:28; 2:8, 9, 15) Eyata Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be amegbetɔwo nadzi vi, woakeke woƒe paradisoƒea ɖe enu wòaxɔ anyigba bliboa dzi, eye woakpɔ lãwo dzi.

2. (a) Aleke míewɔ nya be Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba ava eme? (b) Nukae Biblia gblɔ tso agbe tegbee nɔnɔ ŋu?

2 Èbu be Yehowa Mawu ƒe tameɖoɖo be amewo nanɔ paradiso me le anyigba dzi la ava eme gbaɖegbea? Mawu gblɔ be: “Megblɔ nya . . . eye mawɔe hã.” (Yesaya 46:9-11; 55:11) Vavãe, Mawu awɔ nusi ƒe tame wòɖo la godoo! Egblɔ hã be ‘menye ɖe yewɔ anyigba la be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe yewɔe be woanɔ edzi.’ (Yesaya 45:18) Amekawo ƒomevie Mawu di be woanɔ anyigba la dzi? Eye ɣeyiɣi didi kae wòdi be woanɔ afisia ase ɖo? Biblia ɖo eŋu be: ‘Ame dzɔdzɔewo  anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.’Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

3. Nɔnɔme wɔnublanui kawoe le anyigba dzi egbea, eye biabia kawoe esia fɔ ɖe te?

3 Edze ƒã be tameɖoɖo sia meva eme haɖe o. Egbea amewo dzea dɔ eye wokuna; amewo wɔa aʋa gɔ̃ hã hewua wo nɔewo. Nane meva yi edzi nyuie o. Gake menye nusiwo kpɔm míele egbeae nye alesi Mawu ɖoe be anyigba la nanɔ kura o! Ke nukae dzɔ? Nukata Mawu ƒe tameɖoɖo meva eme o? Amegbetɔwo ƒe ŋutinyagbalẽ aɖeke mate ŋu agblɔe na mí o elabena dziƒoe kuxia dze egɔme tso.

ALESI AME AÐE WƆ VA ZU FUTƆ

4, 5. (a) Amekae to da dzi ƒo nu na Xawa? (b) Aleke wòate ŋu adzɔe be ame nyui aɖe si nye anukwareɖila tsã nava zu fiafitɔ?

4 Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ gblɔ na mí be ame aɖe si tsi tre ɖe Mawu ŋu la va do ɖe Eden-bɔ me. Woyɔe be “da,” gake menye lã aɖe koe tsitretsiɖeŋula sia nye o. Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ ɖee fia be eyae nye amesi “woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela.” Wogayɔe hã be ‘da xoxo la.’ (Mose I, 3:1; Nyaɖeɖefia 12:9) Mawudɔla alo gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu sia si míate ŋu akpɔ kple ŋku o la to da aɖe dzi ƒo nu na Xawa, abe alesi ko aɖaŋuwɔla aɖe ate ŋu atrɔ eƒe gbe anɔ nu ƒom wòadze abe fefenu alo nu maƒonu aɖee le nua ƒom ene. Ðikeke mele eme o be gbɔgbɔmenuwɔwɔ ma kpɔ eteƒe esime Mawu dzra anyigba la dzi ɖo be amegbetɔwo nanɔ edzi.—Hiob 38:4, 7.

5 Gake esi Yehowa ƒe nuwɔwɔwo katã de blibo ɖe, ke amekae wɔ “Abosam,” si nye “Satana” sia? Kpuie ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔmevi sẽŋuawo dometɔ ɖekae trɔ eɖokui zu Abosam. Aleke wòwɔ esiae? Míenya be egbea ame aɖe si nye ame nyui kple anukwareɖila ate ŋu atrɔ azu fiafitɔ. Aleke wòdzɔnae? Amea ate ŋu ana dzodzro vɔ̃wo nava ɖo eƒe  dzi me. Ne eyi edzi le eŋu bum la, dzodzro vɔ̃a nu ate ŋu ava sẽ ɖe eme. Ekema ne mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi nɛ la, awɔ ɖe dzodzro vɔ̃ si ŋu bum wònɔ la dzi.—Yakobo 1:13-15.

6. Aleke wòdzɔe be Mawu ƒe gbɔgbɔmevi sẽŋuawo dometɔ ɖeka va zu Satana Abosam?

6 Esiae nye nusi dzɔ le Satana Abosam gome. Anya see esi Mawu gblɔ na Adam kple Xawa be woadzi vi eye woƒe dzidzimeviwo nayɔ anyigba la dzi. (Mose I, 1:27, 28) Edze ƒã be Satana bu eŋu be: ‘Anyo be amegbetɔwo katã natsɔ subɔsubɔ si wòle be woatsɔ ana Mawu la anam!’ Eyata dzodzro vɔ̃ ɖo eƒe dzi me. Mlɔeba eyi va ble Xawa to alakpanyawo gbɔgblɔ nɛ tso Mawu ŋu me. (Mose I, 3:1-5) Esia na wòva zu “Abosam,” si gɔmee nye “Amegɔmezɔla.” Egava zu “Satana” hã, si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula.”

7. (a) Nukae na Adam kple Xawa ku? (b) Nukatae Adam ƒe dzidzimeviwo katã tsina kua amegã hekuna?

7 Satana Abosam gblɔ alakpanyawo tsɔ ble Adam kple Xawa heflu wo wogbe toɖoɖo Mawu. (Mose I, 2:17; 3:6) Nusi do tso emee nye be wova ku mlɔeba, abe alesi tututu Mawu gblɔ do ŋgɔ be adzɔ ne wogbe toɖoɖo ene. (Mose I, 3:17-19) Esi Adam va zu ame madeblibo le esi wòwɔ nuvɔ̃ ta la, vi siwo katã wòdzi la hã nyi nuvɔ̃ dome tso egbɔ. (Romatɔwo 5:12) Míate ŋu azã abolomegba atsɔ awɔ alesi nɔnɔmea le la ƒe kpɔɖeŋui. Ne abolomegba ƒe akpa aɖe nyè ɖe eme la, nukae adzɔ ɖe abolo siwo katã woame le agba ma me dzi? Aboloawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe akpa aɖe anyè ɖe eme wòanye dzesi anɔ eŋu, si fia be mesɔ blibo o. Nenema ke amegbetɔ ɖesiaɖe xɔ blibomademade ƒe “dzesi” tso Adam gbɔe. Esia tae amegbetɔ ɖesiaɖe tsina kua amegã hekuna ɖo.—Romatɔwo 3:23.

8, 9. (a) Edze ƒã be nya kawoe Satana fɔ ɖe te? (b) Nukatae Mawu metsrɔ̃ aglãdzelaawo enumake o?

8 Aglãdzedze ye Satana to vɛ koŋ esi wòna Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃ ɖe Mawu ŋu. Enɔ tsitre tsim ɖe alesi Yehowa  ɖua dzii ŋu. Míagblɔ be nya si gblɔm Satana nɔ enye: ‘Dziɖula vɔ̃ɖie Mawu nye. Eblea ame eye wògbea nu nyuiwo nana eteviwo. Amegbetɔwo mehiã Mawu ƒe dziɖuɖu o. Woate ŋu atso nya me na wo ɖokui le nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋu. Eye eme anyo na wo wu ne nyee le wo dzi ɖum.’ Aleke Mawu awɔ akpɔ vlodoame sia gbɔe? Ame aɖewo susui  be ɖe wòle be Mawu nawu aglãdzela mawo enumake hafi. Gake ɖe ema wɔwɔ akpɔ nya si Satana fɔ ɖe te gbɔa? Ðe ema wɔwɔ aɖo kpe edzi be alesi Mawu ɖua dzii ye nye nyuitɔa?

9 Esi Yehowa wɔa nu le dzɔdzɔenyenye deblibo me ta la, mewu aglãdzelaawo enumake o. Etso nya me be ehiã ɣeyiɣi be woatsɔ akpɔ ŋuɖoɖo na Satana ƒe gbetɔamea le mɔ si sɔ nyuie nu ahaɖo kpe edzi be aʋatsokalae Abosam nye. Eyata Mawu tiae be yeaɖe mɔ na amegbetɔwo woaɖu wo ɖokui dzi hena ɣeyiɣi aɖe le Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Míadzro susu si ta Yehowa wɔ esia kple nusita wòɖe mɔ ɣeyiɣi didi alea gbegbe be wòatsɔ akpɔ nya siawo gbɔe la me le agbalẽ sia ƒe Ta 11 lia me. Gake fifia anyo be nàde ŋugble le nya sia ŋu: Ðe Adam kple Xawa tɔ dzɔ be woaxɔ Satana, amesi mewɔ nu nyui aɖeke na wo kpɔ o la, dzi asea? Ðe wòsɔ be woaxɔe ase be Yehowa, amesi tsɔ nusianu si le wo si la na wo, nye ameblela tagbɔsesẽtɔa? Nenye wòe ɖe, nukae nàwɔ?

10. Aleke nàwɔ ava nɔ Yehowa ƒe akpa dzi le nya si Satana fɔ ɖe te me?

10 Anyo be míabu nya siawo ŋu elabena mía dometɔ ɖesiaɖe dze ŋgɔ nɔnɔme mawo tɔgbe egbea. Ẽ, mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nànɔ Yehowa ƒe akpa dzi akpɔ ŋuɖoɖo na Satana ƒe gbetɔamea. Àte ŋu alɔ̃ ava nɔ Yehowa ƒe dziɖuɖu te ahaɖee afia be aʋatsokalae Satana nye. (Psalmo 73:28; Lododowo 27:11) Nublanuitɔe la, ame biliɔn geɖe siwo le xexeame egbea dometɔ ʋɛ aɖewo koe lɔ̃ wɔ tiatia ma. Esia fɔ biabia vevi aɖe ɖe te be, Ðe Biblia fia ŋutɔŋutɔ be Satanae le xexe sia dzi ɖuma?

AMEKAE LE XEXE SIA DZI ÐUM?

Aleke Satana agblɔ be yeatsɔ xexe sia me fiaɖuƒewo katã ana Yesu ne menye etɔe wonye o?

11, 12. (a) Aleke tetekpɔ aɖe si me Yesu to ɖee fia be Satanae nye xexe sia dzi ɖula? (b) Kpeɖodzi bubu kawoe fia be Satanae nye xexe sia dzi ɖula?

11 Yesu meke ɖi gbeɖe be Satanae nye xexe sia dzi ɖula o.  Ɣeaɖeɣi Satana to nukumɔ aɖe dzi ɖe “xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe” fia Yesu. Satana do ŋugbe na Yesu be: “Matsɔ nusiawo katã ana wò, ne èdze klo de ta agu nam.” (Mateo 4:8, 9; Luka 4:5, 6) Wò ya bu eŋu kpɔ. Ðe nusi Satana tsɔ ɖo Yesu ŋkume anye tetekpɔ nɛ ne menye Satana ŋutɔe nye fiaɖuƒe siawo dzi ɖula oa? Yesu megblɔ be xexeme dziɖuɖu siawo katã menye Satana tɔ o. Ne ɖe menye Satanae nye ŋusẽ si le megbe na wo o la, anye ne Yesu agblɔe godoo.

12 Nyateƒee wònye be Yehowae nye Mawu ŋusẽkatãtɔ la, amesi nye xexeme bliboa Wɔla. (Nyaɖeɖefia 4:11) Gake Biblia megblɔ le teƒe aɖeke be Yehowa Mawu loo alo Yesu Kristo ye nye xexe sia dzi ɖula o. Le nyateƒe me la, Yesu yɔ Satana kaŋ be “xexe sia me fia.” (Yohanes 12:31; 14:30; 16:11) Biblia gayɔ Satana Abosam gɔ̃ hã be “xexe sia me mawu.” (Korintotɔwo II, 4:3, 4) Kristotɔ apostolo Yohanes ŋlɔ tso tsitretsiɖeŋula sia si nye Satana ŋu be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.”—Yohanes I, 5:19.

ALESI WOAVA TSRƆ̃ XEXE SI DZI ÐUM SATANA LE

13. Nukatae míehiã xexeme yeye?

13 Gbegblẽm koe xexeame le ɖe edzi ƒe sia ƒe. Eme yɔ fũ kple aʋawɔlawo, dunyahela maɖianukwarewo, subɔsubɔhakplɔla alakpanuwɔlawo, kple nuvlowɔla sẽŋutawo. Manya wɔ be amegbetɔwo naɖɔ xexeme bliboa ɖo o. Biblia ɖee fia be ɣeyiɣia de vɔ be Mawu nato eƒe Harmagedon-ʋa dzi aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le xexeame. Esia aʋu mɔ be xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la nava xɔ ɖe eteƒe.—Nyaɖeɖefia 16:14-16.

14. Amekae Mawu tia be wòanye Dziɖula le Eƒe Fiaɖuƒea me, eye aleke wogblɔ esia ŋu nya ɖii?

14 Yehowa Mawu tia Yesu Kristo wònye Eƒe Fiaɖuƒe, alo  dziɖuɖu, si le dziƒo la ƒe Dziɖula. Biblia gblɔe ɖi tso blema ke be: “Wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be . . . ŋutifafafia, ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa . . . o.” (Yesaya 9:5, 6) Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa le dziɖuɖu sia ŋu be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Abe alesi míava kpɔe emegbe le agbalẽ sia me ene la, eteƒe madidi o, Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖe xexe sia me dziɖuɖuwo katã ɖa, ke eya ŋutɔ ava xɔ ɖe wo teƒe. (Daniel 2:44) Eyome Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe anyigba dzi paradiso vɛ.

XEXEME YEYE TU AƑE!

15. Nukae nye “anyigba yeye” la?

15 Biblia na kakaɖedzi mí be: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.” (Petro II, 3:13; Yesaya 65:17) Ɣeaɖewoɣi ne Biblia ƒo nu tso “anyigba” ŋu la, nusi wòfia enye amegbetɔ siwo le anyigba dzi. (Mose I, 11:1) Eyata “anyigba yeye” si le dzɔdzɔe la fia amegbetɔƒome siwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo.

16. Nunana xɔasi kae Mawu ana amesiwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo, eye nukae wòle be míawɔ be míaƒe asi nasu edzi?

16 Yesu do ŋugbe be le xexe yeye si gbɔna me la, amesiwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo la axɔ “agbe mavɔ” ƒe nunana. (Marko 10:30) Taflatse ʋu Yohanes 3:16 kple 17:3 le wò Biblia me, ne nàxlẽ nya si Yesu gblɔ tso nusi wòle be míawɔ be agbe mavɔ nasu mía si ŋu. Azɔ bu yayra siwo Biblia gblɔ be amesiwo dze axɔ Mawu ƒe nunana nyui ma le anyigba dzi Paradiso si gbɔna me akpɔ la ŋu kpɔ.

17, 18. Aleke míawɔ aka ɖe edzi be ŋutifafa kple dedienɔnɔ axɔ aƒe ɖe anyigba ƒe afisiafi?

17 Ŋutasẽnuwɔwɔ, aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, kple ʋunyaʋunyawɔwɔ nu ayi tegbee. “Ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o  . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome.” (Psalmo 37:10, 11) Ŋutifafa axɔ aƒe elabena ‘Mawu atsi aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.’ (Psalmo 46:10; Yesaya 2:4) “Ekema ame dzɔdzɔe la amie le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o”—si fia be ŋutifafa anɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me!—Psalmo 72:7.

18 Yehowa subɔlawo anɔ anyi le dedienɔnɔ me. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, zi alesi Israel-viwo yi edzi ɖo to Mawu ko la, wonɔa anyi le dedienɔnɔ me. (Mose III, 25:18, 19) Avivi ame nu ŋutɔ be woanɔ anyi le dedienɔnɔ ma tɔgbe me le Paradiso me!—Yesaya 32:18; Mixa 4:4.

19. Nukae na míenya be nuɖuɖu abɔ ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me?

19 Dɔwuame maganɔ anyi o. Hakpala la dzi ha be: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.” (Psalmo 72:16) Yehowa Mawu ayra ame dzɔdzɔewo, eye ‘anyigba ŋutɔ amie eƒe nukuwo.’—Psalmo 67:7.

20. Nukata míate ŋu aka ɖe edzi be anyigba bliboa azu paradiso?

20 Anyigba bliboa azu paradiso. Woatso aƒe dzeaniwo kple abɔ dzeaniwo ɖe anyigba si ŋu amegbetɔ nuvɔ̃mewo gblẽ nu le tsã la dzi. (Yesaya 65:21-24; Nyaɖeɖefia 11:18) Ne ɣeyiɣiwo va le yiyim la, anyigba ƒe teƒe siwo wodzra ɖo nyuie xoxo la akeke ɖe enu vaseɖe esime xexeme bliboa nazu teƒe dzeani si nuwo bɔ ɖo abe Eden-bɔ ene. Eye ɣeawokatãɣi Mawu ayi edzi ‘aʋu asi me ahatsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na wo.’—Psalmo 145:16.

21. Nukae ɖee fia be ŋutifafa anɔ amegbetɔwo kple lãwo dome?

21 Ŋutifafa anɔ amegbetɔwo kple lãwo dome. Lã wɔadawo kple aƒemelãwo siaa aɖu nu ɖekae. Ðevi suewo gɔ̃ hã mavɔ̃ kura na lã siwo ŋu vɔvɔ̃ le fifia la o.—Yesaya 11:6-9; 65:25.

22. Nukae woawɔ tso dɔléle ŋu?

 22 Woaɖe dɔléle ɖa kura. Yesu, Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Dziɖula, ada dɔ na ame geɖe wu alesi wòwɔe esime wònɔ anyigba dzi. (Mateo 9:35; Marko 1:40-42; Yohanes 5:5-9) Ekema “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24; 35:5, 6.

23. Nukatae tsitretsitsia ahe dzidzɔ manyagblɔ vɛ na mí?

23 Woafɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ɖe tsitre eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be womagaku akpɔ gbeɖe o. Woagbɔ agbe amesiwo katã dɔ alɔ̃ le ku me siwo le Mawu ƒe susu me. Le nyateƒe me la, “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15; Yohanes 5:28, 29.

24. Aleke nèse le ɖokuiwò me tso agbenɔnɔ le anyigba dzi Paradiso me ŋu?

24 Etsɔme nyui ka gbegbee nye si le amesiwo katã atiae be yewoasrɔ̃ nu tso mía Wɔla Gã, Yehowa Mawu, ŋu ahasubɔe la lalam! Anyigba dzi Paradiso si gbɔna ŋue Yesu nɔ nu ƒom tso esi wòdo ŋugbe na nuvɔ̃wɔla si woklã ɖe exa bena: ‘Ànɔ Paradiso la me kplim.’ (Luka 23:43) Ehiã vevie be míasrɔ̃ nu geɖe wu tso Yesu Kristo, amesi dzi woato ahe yayra siawo katã vɛ na mí, ŋu.