Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA ENELIA

Amekae Nye Yesu Kristo?

Amekae Nye Yesu Kristo?
  • Ðoƒe tɔxɛ kae le Yesu si?

  • Afikae wòtso va?

  • Ameka ƒomevie wònye?

1, 2. (a) Nukata ame xɔŋkɔ aɖe nyanya mefia be ènya amea nyuie o? (b) Aleke amewo tɔtɔ le amesi Yesu nye ŋui?

AME geɖe li siwo nye ame xɔŋkɔwo le xexeame. Ame aɖewo ƒe ŋkɔ ɖi le woƒe nutoa me, le woƒe dugãa me, alo le woƒe dukɔa me. Ame aɖewo hã li siwo ƒe ŋkɔ ɖi le xexeame katã. Gake ame xɔŋkɔ aɖe ƒe ŋkɔ nyanya ɖeɖe mefia be ènya amea nyuie o. Mefia be ènya nusianu tso amea ŋu tsitotsito o.

2 Togbɔ be anɔ ƒe 2,000 sɔŋ enye si va yi si Yesu Kristo nɔ anyigba dzi hã la, amewo se nu tso eŋu le xexeame godoo. Ke hã ame geɖe menya amesi tututu Yesu nye o. Ame aɖewo gblɔna be ame nyui aɖe ko wònye. Ame bubuwo gblɔna be nyagblɔɖila aɖe ko wònye. Ame aɖewo hã xɔe se be Yesue nye Mawu, eyata ele be woade ta agu nɛ. Ðe wòle be woade ta agu nɛa?

3. Nukatae wòle vevie be nànya nyateƒe si ku ɖe Yesu ŋu?

3 Ele vevie ŋutɔ be nànya nyateƒe si ku ɖe Yesu ŋu. Nukatae? Elabena Biblia gblɔ be: ‘Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.’ (Yohanes 17:3) Ẽ, Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ŋuti nyateƒea nyanya ate ŋu ana nàkpɔ agbe mavɔ le paradiso me le anyigba dzi. (Yohanes 14:6) Gawu la, Yesue nye amesi ɖo alesi míanɔ agbee kple alesi míawɔ nu ɖe amewo ŋui la ƒe kpɔɖeŋui nyuitɔ kekeake ɖi na mí. (Yohanes 13: 34, 35) Míedzro amesi tututu Mawu nye me le agbalẽ sia ƒe ta gbãtɔ me. Azɔ na míadzro nusi tututu Biblia fia ku ɖe Yesu Kristo ŋu la me.

MESIA SI ŊUGBE WODO

4. Dzesideŋkɔ siwo nye “Mesia” kple “Kristo” gɔme ɖe?

4 Biblia gblɔe ɖi ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ hafi wova dzi Yesu be Mawu adɔ ame aɖe ɖa, wòava nye Mesia, alo Kristo. Dzesideŋkɔ siwo nye “Mesia” (si nye Hebrigbe me nya) kple “Kristo” (si nye Helagbe me nya) siaa gɔmee nye “Amesiamina.” Amesi ŋugbe wodo la anye amesi woasi ami na, si fia amesi Mawu atia na  ɖoƒe tɔxɛ aɖe. Míava srɔ̃ nu geɖe le agbalẽ sia me tso dɔ vevi si Mesia la awɔ le Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava me ŋu le ta aɖewo siwo le ŋgɔ me. Míagava srɔ̃ nu geɖe hã tso yayra siwo Yesu ate ŋu ahe vɛ na mí fifia gɔ̃ hã ŋu. Gake hafi wova dzi Yesu la, ɖikeke mele eme o be ame geɖe nɔ nya sia ŋu bum be, ‘Amekae ava nye Mesia la?’

5. Amekae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ka ɖe edzi bliboe be Yesu nye?

5 Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Yesu si tso Nazaret ƒe nusrɔ̃lawo ka ɖe edzi bliboe be eyae nye Mesia si ŋugbe wodo. (Yohanes 1:41) Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Simon Petro gblɔ na Yesu tẽ be: “Wòe nye Kristo.” (Mateo 16:16) Gake aleke nusrɔ̃la mawo wɔ ka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo la, eye aleke míawo hã míawɔ aka ɖe edzi?

6. Wɔ alesi Yehowa kpe ɖe nuteƒewɔlawo ŋu be woakpɔ Mesia la adze sii ƒe kpɔɖeŋu.

6 Mawu ƒe nyagblɔɖila siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Yesu ƒe vava gblɔ nya geɖe ɖi ku ɖe Mesia la ŋu. Nyagblɔɖi mawo akpe ɖe amewo ŋu woakpɔ eyama adze sii. Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be wobe nàyi ʋutɔɖoƒe alo ketekedzeƒe alo yameʋudzeƒe aɖe, afisi amewo sɔna gbɔ le, be nàva kpe ame aɖe si mènya o. Ðe manɔ bɔbɔe na wò be nàkpɔ amea adze sii kaba ne ame aɖe ɖɔ eƒe nɔnɔme na wò oa? Nenema ke Yehowa to nyagblɔɖilawo dzi ƒo nu tso nusiwo Mesia la ava wɔ kple nusiwo adzɔ ɖe edzi la ŋu tsitotsito le Biblia me. Nyagblɔɖi gbogbo mawo me vava akpe ɖe amesiwo nye nuteƒewɔlawo ŋu be woakpɔe adze sii bɔbɔe.

7. Nyagblɔɖi siwo va eme ku ɖe Yesu ŋu la dometɔ eve aɖewoe nye kawo?

7 Bu kpɔɖeŋu eve ko ŋu kpɔ. Gbã, nyagblɔɖila Mixa gblɔe ɖi ƒe 700 kple edzivɔ do ŋgɔ be woadzi Ŋugbedodovi la le Betlexem, si nye du sue aɖe le Yuda. (Mixa 5:1) Afikae wodzi Yesu le? Ẽ, du ma tututu mee! (Mateo 2:1, 3-9)  Evelia, ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la, nyagblɔɖi si le Daniel 9:25 fia asi ƒe si me tututu Mesia la ado—ƒe 29 M.Ŋ. * Nyagblɔɖi siawo kple bubu siwo va eme la ɖo kpe edzi be Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo.

Yesu va zu Mesia, alo Kristo, esime wòxɔ nyɔnyrɔ

8, 9. Kpeɖodzi kae na eme va kɔ le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ me be eyae nye Mesia la?

8 Kpeɖodzi bubu aɖe si fia be Yesue nye Mesia la va dze ƒã le ƒe 29 M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo. Ƒe ma mee Yesu yi Yohanes Amenyrɔɖetsimela gbɔ be wòanyrɔ ye ɖe Yordan-tɔsisia me. Yehowa do ŋugbe na Yohanes be yeana wòakpɔ dzesi aɖe si ana wòanya amesi Mesia la nye. Yohanes kpɔ dzesi ma le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ me. Biblia gblɔ nusi dzɔ la na mí be: ‘Ke esi wona nyɔnyrɔ Yesu vɔ la, edo go tso tɔa me enumake; eye kpɔ ɖa, dziƒowo ʋu nɛ, eye wòkpɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ la le ɖiɖim abe akpakpa ene va edzi; eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!’ (Mateo 3:16, 17) Esi Yohanes kpɔ nusi dzɔ hese nya siawo vɔ la, ɖikeke aɖeke menɔ eyama me o be Yesue nye amesi Mawu dɔ ɖo ɖa. (Yohanes 1:32-34) Gbemagbe esi Mawu kɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe alo dɔwɔŋusẽ ɖe Yesu dzi la, eva zu Mesia, alo Kristo, amesi wotia be wòanye Kplɔla kple Fia.—Yesaya 55:4.

9 Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo va eme kple Yehowa Mawu ŋutɔ ƒe ɖaseɖiɖi tẽ na wòdze ƒã be Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo la. Gake Biblia gaɖo biabia vevi eve aɖewo ŋu ku ɖe Yesu Kristo ŋuti: Afikae wòtso va, eye ameka ƒomevie wònye?

AFIKAE YESU TSO VA?

10. Nukae Biblia fia le Yesu ƒe agbenɔnɔ hafi wòva anyigba dzi ŋu?

10 Biblia fia mí be Yesu nɔ agbe le dziƒo kpɔ hafi va anyigba  dzi. Mixa gblɔe ɖi be woadzi Mesia la le Betlexem eye wògblɔ hã be enye amesi dzɔɣi “tso tititi.” (Mixa 5:1) Yesu ŋutɔ ɖee gblɔ zi geɖe be yenɔ dziƒo hafi wova dzi ye ɖe anyigba dzi. (Yohanes 3:13; 6:38, 62; 17:4, 5) Ƒomedodo nyui tɔxɛ aɖee nɔ Yesu kple Yehowa dome esi wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔ nɔ dziƒo.

11. Aleke Biblia ɖee fiae be Yesu nye Yehowa ƒe Vi si gbɔ melɔ̃a nu le kura o?

11 Yesu nye Yehowa ƒe Vi tɔxɛ si gbɔ melɔ̃a nu le kura o—eye esɔ hã nenema. Woyɔe be “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi” le esi eyae nye Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ ta. * (Kolosetɔwo 1:15) Susu bubu aɖe hã li si ta Vi sia nye ame tɔxɛ ɖo. Eyae nye “Tenuvi” la. (Yohanes 3:16) Esia fia be Yesue nye amesi ko Mawu ɖeɖe wɔ. Yesu ganye amesi ko Mawu zã le Eƒe nuwɔwɔ bubuawo katã wɔwɔ me. (Kolosetɔwo 1:16) Azɔ hã wogayɔa Yesu be “Nya la.” (Yohanes 1:14) Esia fia mí be enye Mawu ƒe nyanuɖela, eye ɖikeke mele eme o be exɔa gbedasi kple mɔfiame siwo tso Fofoa gbɔ na Mawu ƒe vi bubu siwo nye mawudɔlawo kple amegbetɔwo siaa.

12. Aleke míewɔ nya be Tenuvi la mele tasɔsɔ me kple Mawu o?

12 Ðe Ŋgɔgbevi la sɔ kple Mawu, abe alesi ame aɖewo xɔe se enea? Menye emae nye nusi Biblia fia o. Abe alesi míede dzesii le memama si do ŋgɔ me ene la, ɖe wowɔ Vi la. Ekema eme kɔ be gɔmedzedze li nɛ, evɔ gɔmedzedze alo nuwuwu meli na Yehowa Mawu ya o. (Psalmo 90:2) Tenuvi la mebui kura gɔ̃ hã kpɔ gbeɖe be yeadze agbagba anɔ tasɔsɔ me kple ye Fofo o. Biblia fia mí eme kɔ ƒã be Fofo la lolo wu Vi la. (Yohanes 14:28; Korintotɔwo I, 11:3) Yehowa  ɖeka koe nye “Mawu ŋusẽkatãtɔ” la. (Mose I, 17:1) Eyata ame bubu aɖeke mele tasɔsɔ me kplii o. *

13. Biblia ƒe nya si wògblɔ be Vi la nye “Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme” gɔme ɖe?

13 Ƒomedodo kplikplikpli aɖee le Yehowa kple eƒe Ŋgɔgbevia dome esi wonɔ anyi ɖekae ƒe biliɔn geɖe—si nye ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ hafi wova wɔ ɣletivi gbogboawo kpakple anyigba la. Aleke gbegbe woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo ade toe nye si! (Yohanes 3:35; 14:31) Vi vevi sia le abe Fofoa ene pɛpɛpɛ. Esia tae Biblia ƒo nu tso Vi la ŋu be enye “Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme” ɖo. (Kolosetɔwo 1:15) Ẽ, abe alesi ko ame aɖe ƒe vi ate ŋu aɖii le nu vovovowo me ene la, nenemae Vi sia si le dziƒo la ƒe nɔnɔmewo kple amenyenye sɔ pɛpɛpɛ kple Fofoa tɔe.

14. Aleke wòdzɔe be wova dzi Yehowa ƒe Tenuvi la wònye amegbetɔ?

14 Yehowa ƒe Tenuvi la lɔ̃ faa ɖi tso dziƒo va nɔ agbe le anyigba dzi. Gake ɖewohĩ àbia be, ‘Aleke wòte ŋu dzɔe be wodzi gbɔgbɔmenuwɔwɔ wònye amegbetɔe?’ Nukunue wònye Yehowa wɔ. Etrɔ eƒe Ŋgɔgbevi si le dziƒo ƒe agbe va de Yuda-ɖetugbi nɔaƒe Maria ƒe vidzidɔ me. Menye amegbetɔ aɖekee na wofɔ eƒe fu o. Aleae wòdzɔe be Maria va dzi vi si nye ame deblibo si wòtsɔ ŋkɔ na be Yesu.—Luka 1:30-35.

AMEKA ƑOMEVIE YESU NYE?

15. Nukatae míate ŋu agblɔ be Yesu dzie míeto va nya Yehowa nyuie wu?

15 Nya siwo Yesu gblɔ kple nusiwo wòwɔ esime wònɔ anyigba dzi la kpena ɖe mía ŋu míenyaa amesi ƒomevi wònye nyuie. Gawu la, Yesu dzie míeto va nya Yehowa nyuie wu. Nukatae? Ðo ŋku edzi be Vi siae nye amesi ɖe Fofoa ƒe nɔnɔme fia pɛpɛpɛ. Susu sia tae Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo  dometɔ ɖeka be: “Amesi ke kpɔm la, ekpɔ Fofo la.” (Yohanes 14:9) Biblia ƒe agbalẽ ene siwo woyɔna be Nyanyuiawo—Mateo, Marko, Luka, kple Yohanes—gblɔ nya geɖe na mí le Yesu Kristo ƒe agbenɔnɔ, eƒe dɔwɔwɔ, kple eƒe nɔnɔmewo ŋu.

16. Nukae nye Yesu ƒe gbedasi vevitɔ, eye ameka gbɔe eƒe nufiafiawo tso?

16 Wonya Yesu nyuie be enye “Nufiala.” (Yohanes 1:38; 13:13) Nukae wòfia? Eƒe gbedasia koŋue nye ‘fiaɖuƒe ŋuti nyanyui la’—eyae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe, si nye dziɖuɖu si le dziƒo si aɖu anyigba bliboa dzi eye wòahe yayra mavɔwo vɛ na ameƒomea me tɔ toɖolawo. (Mateo 4:23) Amekae de gbe sia asi nɛ? Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Nye nufiafia la menye tɔnye o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la tɔe,” eye ame mae nye Yehowa. (Yohanes 7:16) Yesu nya be enye ye Fofo ƒe didi be amewo nase Fiaɖuƒea ŋuti nyanyui sia. Míasrɔ̃ nu geɖe tso nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye kple nusi wòava wɔ ŋu le Ta 8 lia me.

17. Teƒe kawoe Yesu fia nu le, eye nukatae wòku kutri nenema gbegbe be yeafia nu amewo?

17 Afikae Yesu fia nu le? Le afisiafi si wòakpɔ amewo le—le duviwo kple dugãwo me, le kɔƒewo kple asiwo me, kpakple le amewo ƒe aƒewo me. Yesu menɔ mɔ kpɔm be ameawo nava ye gbɔ o. Eya ŋutɔe yi wo gbɔ. (Marko 6:56; Luka 19:5, 6) Nukatae Yesu do vevie nu alea gbegbe hezã eƒe ɣeyiɣi geɖe tsɔ nɔ gbeƒã ɖem nɔ nu fiam amewo? Elabena nenemae Mawu di be wòawɔ. Yesu wɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu ɣeawokatãɣi. (Yohanes 8:28, 29) Gake susu bubu aɖe hã li si tae wòɖe gbeƒã ɖo. Ameha siwo do go va egbɔ la ƒe nu wɔ nublanui nɛ. (Mateo 9:35, 36) Subɔsubɔhakplɔla siwo wòle be woanɔ Mawu kple eƒe tameɖoɖo ŋuti nyateƒea fiam wo hafi la gblẽ wo ɖi. Yesu nya alesi gbegbe wòhiã be ameawo nase Fiaɖuƒegbedasiae.

18. Yesu ƒe nɔnɔme kawoe nyo ŋuwò vevie?

 18 Yesu tsɔa ɖe le eme na ame eye nu wɔa dɔ ɖe edzi vevie hã. Esia na amewo te ŋu tena ɖe eŋu faa eye wokpɔe be eƒe dɔme nyo. Egbɔ nɔnɔ dzɔa dzi na ɖeviwo gɔ̃ hã. (Marko 10:13-16) Yesu medea vovototo amewo me o. Elé fu ametafatafa kple numadzɔmadzɔwɔwɔ. (Mateo 21:12, 13) Le ɣeyiɣi si me amewo medea bubu nyɔnuwo ŋu boo o la, eya wɔ nu ɖe wo ŋu bubutɔe. (Yohanes 4:9, 27) Yesu bɔbɔ eɖokui anukwaretɔe. Ɣeaɖeɣi la, eklɔ afɔ na eƒe apostolowo, si nye dɔ si subɔvi tsɛwo wɔna zi geɖe.

Yesu ɖe gbeƒã le afisiafi si wòkpɔ amewo le

19. Kpɔɖeŋu kae fia be Yesu tsɔ ɖe le amewo ƒe nuhiahiãwo me?

19 Yesu tsɔa ɖe le amewo ƒe nuhiahiãwo me vevie. Esia dze ƒã esime wòto Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe ŋusẽ dzi da dɔ na amewo nukutɔe. (Mateo 14:14) Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu aɖe si ŋu anyidɔ le la va Yesu gbɔ va gblɔ nɛ be: “Ne èlɔ̃ ko, àte ŋu aklɔ ŋutinye.” Yesu se veve ɖe amea nu ŋutɔŋutɔ. Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe eŋu eye wòdo abɔ ɖa ka asi ŋutsua ŋu gblɔ  be: “Melɔ̃ ŋutiwò nakɔ!” Eye ŋutsua kpɔ dɔyɔyɔ! (Marko 1:40-42) Àte ŋu akpɔ alesi gbegbe ŋutsua ase le eɖokui me la le susu mea?

EWƆ NUTEƑE VASEÐE NUWUWU

20, 21. Aleke Yesu ɖo kpɔɖeŋu le toɖoɖo Mawu nuteƒewɔwɔtɔe me?

20 Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake na mí le toɖoɖo Mawu bliboe me. Ewɔ nuteƒe na Fofoa si le dziƒo le nɔnɔme ɖesiaɖe me kpakple le tsitretsiɖeŋu kple fukpekpe ƒomevi vovovowo me. Yesu nɔ te sesĩe ɖe Satana ƒe tetekpɔwo nu dzidzedzetɔe. (Mateo 4:1-11) Ɣeaɖeɣi Yesu ŋutɔ ƒe ƒometɔ aɖewo mexɔ edzi se o, eye wogblɔ tso eŋu gɔ̃ hã be “eƒe tame da.” (Marko 3:21) Gake Yesu mena woƒe nuwɔna kpɔ ŋusẽ ɖe edzi o; eyi Mawu ƒe dɔ si wòde esi la wɔwɔ dzi. Togbɔ be wodzu Yesu eye wowɔ nuvevii hã la, eɖu eɖokui dzi; mete kpɔ gbeɖe be yeawɔ nuvevi amesiwo tsi tre ɖe eŋu atsɔ aɖo eteƒe na wo o.—Petro I, 2:21-23.

 21 Yesu lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi vaseɖe ku me—esime eƒe futɔwo sẽ ŋuta le eŋu wɔ fui wòse veve ʋuu tsɔ kui. (Filipitɔwo 2:8) De ŋugble le nusiwo me wòto le eƒe agbenɔŋkeke mamlɛtɔ me ŋu kpɔ. Wolée, aʋatso ɖasefowo tso enu, ʋɔnudrɔ̃la maɖianukwarewo bu fɔe, amehawo ɖu fewu le eŋu, eye asrafowo wɔ fui. Woklãe ɖe ati ŋu, eye le eƒe gbɔgbɔ mamlɛa me la, edo ɣli gblɔ be: “Wowu nu vɔ!” (Yohanes 19:30) Gake le Yesu ƒe ku ƒe ŋkeke etɔ̃agbe la, Fofoa si le dziƒo fɔe ɖe tsitre wòzu gbɔgbɔmeme. (Petro I, 3:18) Kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, etrɔ yi dziƒo. Le afima la, “ebɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me” eye wònɔ lalam vaseɖe esime wotsɔ fiaɖuŋusẽ de asi nɛ.—Hebritɔwo 10:12, 13.

22. Viɖe kae do tso Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ vaseɖe ku me me na mí?

22 Viɖe kae do tso Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ vaseɖe ku me me na mí? Le nyateƒe me la, Yesu ƒe kua ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí be míakpɔ agbe mavɔ le paradiso me le anyigba dzi, abe alesi Yehowa ɖo tamee tso gɔmedzedzea me ene. Míadzro alesi Yesu ƒe ku na esia ava emee la me le ta si kplɔe ɖo me.

^ mm. 7 Àte ŋu akpɔ Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Yesu ŋu me vava ŋuti numeɖeɖe le Megbenyawo me le axa 197-9.

^ mm. 11 Woyɔa Yehowa be Fofo elabena eyae nye Wɔla la. (Yesaya 64:7) Esi Mawue wɔ Yesu ta la, woyɔe be Mawu ƒe Vi. Susu sia tɔgbe ke tae woyɔa gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubuwo, kple ame Adam gɔ̃ hã, be Mawu ƒe viwo ɖo.—Hiob 1:6; Luka 3:38.

^ mm. 12 Àte ŋu akpɔ kpeɖodzi bubu siwo fia be Tenuvi la mele tasɔsɔ me kple Mawu o le Megbenyawo me le axa 201-4.