Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA ADELIA

Afikae Ame Kukuwo Le?

Afikae Ame Kukuwo Le?
  • Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le?

  • Nukatae amegbetɔwo kuna?

  • Ðe nɔnɔme si me kukuawo le ŋuti nyateƒea nyanya afa akɔ na amea?

1-3. Nya kawoe amewo biana le ku ŋu, eye ŋuɖoɖo vovovo kawoe subɔsubɔhawo nana?

BIABIA siawo nye nya siwo ŋu amewo de ŋugble le vevie ƒe akpe geɖe. Biabia veviwoe wonye. Amekawo ke míeɖanye alo afika ke míeɖale o, biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo ka mía dometɔ ɖesiaɖe.

2 Míedzro alesi Yesu Kristo ƒe tafevɔsa la ʋu agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔ ɖi na mí me le ta si do ŋgɔ me. Míesrɔ̃e hã be Biblia gblɔe ɖi be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si “ku maganɔ anyi akpɔ o.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Gake fifia ya mí katã míate ŋu aku. Fia nyanu Salomo gblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge.” (Nyagblɔla 9:5) Míedzea agbagba ɖesiaɖe be míanɔ agbe didi. Ke hã, míedea ŋugble le nɔnɔme si me míava nɔ ne míeku ŋu.

3 Míexaa nu vevie ŋutɔ ne míaƒe ame veviwo ku. Ðewohĩ míabia be: ‘Nɔnɔme ka mee wole? Ðe wole fu kpema? Ðe wole mía kpɔma? Ðe míate ŋu akpe ɖe wo ŋua? Ðe míagakpɔ wo ake gbaɖegbea?’ Alesi subɔsubɔha siwo le xexeame ɖoa nya siawo ŋui la to vovo tso wo nɔewo gbɔ. Wo dometɔ aɖewo fiaa nu be ne ènɔ agbe nyui la, àyi dziƒo, gake ne ènɔ agbe baɖa la, woawɔ funyafunya wò le dzomavɔ me. Subɔsubɔha bubuwo fiaa nu be ne ame ku la, eyia tɔgbuiawo gbɔ le gbɔgbɔmenutome. Eye bubu aɖewo hã fiaa nu be ne ame ku  la, eyia kukuawo de be woadrɔ̃ ʋɔnui eye emegbe agadzɔ ake, alo woagbugbɔe adzi le nɔnɔme bubu aɖe me.

4. Nukpɔsusu ɖeka kae dze le subɔsubɔha geɖewo ƒe nufiafia le ku ŋu me?

4 Nukpɔsusu ɖeka aɖe dze le subɔsubɔhawo ƒe nufiafia mawo katã me—si nye be míaƒe akpa aɖe yia edzi nɔa agbe le ku megbe. Subɔsubɔha siwo nɔ anyi tso blema ke vaseɖe egbea dometɔ akpa gãtɔ fiaa nu be kukuawo yia edzi nɔa agbe tegbee le nɔnɔme aɖe me eye be woate ŋu akpɔ nu, ase nu, ahabu tame. Gake aleke ema ate ŋu adzɔe? Míaƒe ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔe nana míete ŋu dzea si nu hebua tame. Ne ame ku la, eƒe ahɔhɔ̃ megawɔa dɔ o. Míaƒe susuwo, seselelãmewo, kple sidzenuwo meyia edzi nɔa dɔ wɔm le wo ɖokui si le mɔ wɔnuku aɖe nu o. Nusiawo ƒe ɖeke megawɔa dɔ ne míaƒe ahɔhɔ̃a dzudzɔ dɔwɔwɔ o.

NUKA TUTUTUE DZƆNA ÐE AME DZI NE EKU?

5, 6. Nukae Biblia fia le nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu?

5 Nusi dzɔna ɖe ame dzi le ku me nyanya menye nu sesẽ aɖeke na Yehowa, amesi nye ahɔhɔ̃a Wɔla o. Eyae nya nyateƒea, eye eɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le la me na mí le eƒe Nya Biblia la me. Nusi wòfia si me kɔ nyuie enye si: Ne ame ku la, megali o. Ku enye agbemanɔmanɔ. Kukuawo mate ŋu akpɔ nu alo ase nu alo abu tame o. Míaƒe akpa aɖeke kura meli si yia edzi nɔa agbe le ku megbe o. Luʋɔ alo gbɔgbɔ makumaku aɖeke mele mía me o. *

Afikae dzoƒaɖea yi?

6 Salomo de dzesii be agbagbeawo nyae be yewogbɔna kuku ge, eye wòyi edzi ŋlɔ bena: ‘Ke kukuawo menya naneke o.’ Eyi edzi kɔ nyateƒenya sia me be kukuawo mate ŋu alɔ̃ mí alo alé fu mí o, eye be “nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsiẽƒe [yɔdo me] o.” (Nyagblɔla 9:5, 6, 10) Nenema ke Psalmo 146:4 hã gblɔ be ne ame ku la, ‘eƒe tamesusuwo  nu yina’ alo gblẽna. Ne ame ku ko eku, eƒe akpa aɖeke meyia edzi nɔa agbe le ku megbe o. Míate ŋu atsɔ agbe si míele la asɔ kple dzoƒaɖe. Ne wotsi dzoa la, dzoƒaɖea meyia afi aɖeke o. Etsi, megali o.

NUSI YESU GBLƆ TSO KU ŊU

7. Aleke Yesu ɖe alesi ku le la mee?

7 Yesu Kristo ƒo nu tso nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu. Ekɔ nu me esime Lazaro, si nye ŋutsu aɖe si wònya nyuie la, ku. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm.” Nusrɔ̃lawo bu be ɖe Yesu le gbɔgblɔm be Lazaro ƒe lãme gblẽ vie wòmlɔ anyi le ɖiɖim ɖe eme. Gake menye nenemae o. Yesu ɖe eme na wo be: “Lazaro ku.” (Yohanes 11:11-14) De dzesii be Yesu tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ kple ɖiɖiɖeme. Lazaro meyi dziƒo loo alo nɔ fu kpem le dzomavɔ me o. Meyi va le mawudɔlawo gbɔ loo alo le tɔgbuiawo gbɔ o. Menye ɖe wogbugbɔ Lazaro le dzidzim ake be wòagadzɔ ame bubui o. Ke boŋ ɖe wòle ɖiɖim ɖe eme le ku me, abe alesi woadɔ alɔ̃ ayi eme ʋĩ drɔ̃emakumakui ene. Mawunyakpukpui bubuwo hã tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi woƒu kpe nusrɔ̃la Stefano wòku la, Biblia gblɔ be “eto me dɔ alɔ̃.” (Dɔwɔwɔwo 7:59) Nenema ke apostolo Paulo hã ŋlɔ nu tso eƒe ŋkekea me tɔ aɖewo siwo “dɔ alɔ̃” le ku me ŋu.—Korintotɔwo I, 15:6.

Yehowa wɔ amegbetɔwo be woanɔ anyigba dzi tegbee

8. Aleke míewɔ nya be menye Mawu ƒe tameɖoɖoe wònye be amegbetɔwo naku o?

8 Ðe wònye Mawu ƒe tameɖoɖo tso gɔmedzedzea me be amegbetɔwo nakua? Kura o! Yehowa wɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Míesrɔ̃e do ŋgɔ le agbalẽ sia me be Mawu da atsu kple asi gbãtɔawo ɖe paradisoƒe  dodzidzɔname aɖe me. Ena wonɔ lãmesẽ deblibo me. Nu nyuiwo sɔŋ koe Yehowa di na wo. Ðe dzila lɔ̃ame aɖe adi be ye viwo natsi aku amegã akpe fu ahakua? Gbeɖe! Yehowa lɔ̃ viawo ale gbegbe eye wòdi be woanɔ dzidzɔ kpɔm le anyigba dzi tegbee. Biblia gblɔ le amegbetɔwo ŋu be Yehowa de “mavɔmavɔ dzi me na wo.” (Nyagblɔla 3:11) Mawu wɔ mí hetsɔ didia de mía me be míanɔ agbe tegbee. Eye ewɔ ɖoɖo na mí hã be míaƒe dzimedidi sia nava eme na mí.

 NUSITA AMEGBETƆWO KUNA

9. Se kae Yehowa de na Adam, eye nukatae esia menye sedede si dzi wɔwɔ asesẽ o?

9 Ekema nuka koŋ tae amegbetɔwo kuna? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, ele be míade ŋugble le nusi dzɔ esime ŋutsu kple nyɔnu ɖeka koe nɔ anyigba dzi la ŋu. Biblia ɖe nu me be: “Yehowa Mawu na ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetse nyo na ɖuɖu la, mie tso anyigba me.” (Mose I, 2:9) Gake wode se aɖe na wo. Yehowa gblɔ na Adam be: “Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, megaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” (Mose I, 2:16, 17) Esia menye sedede si dzi wɔwɔ asesẽ kura o. Ati vovovowo li siwo ƒe tsetse Adam kple Xawa ate ŋu aɖu faa. Gake fifia mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe su wo si be woaɖee afia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe Amesi tsɔ nusianu, si me agbe deblibo hã le, na wo la ŋu. Woƒe toɖoɖo aɖee afia hã be wode bubu wo Fofo si le dziƒo ƒe dziɖuŋusẽ ŋu eye enye woƒe didi be yewoawɔ ɖe eƒe mɔfiame si me lɔlɔ̃ le dzi.

10, 11. (a) Aleke wòdzɔe be ame eve gbãtɔwo gbe toɖoɖo Mawu? (b) Nukatae Adam kple Xawa ƒe tomaɖomaɖo nye ŋkubiãnya?

10 Nublanuitɔe la, ame eve gbãtɔawo tiae be yewoagbe toɖoɖo Yehowa. Satana ƒo nu to da aɖe dzi bia Xawa be: “Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke o mahã?” Xawa ɖo ŋu nɛ be: “Míeɖua abɔmetiawo ƒe tsetse faa; ke Mawu gblɔ le ati, si le abɔa titina la ƒe tsetse ŋuti bena: Migaɖu eƒe ɖeke o, eye migaka asi eŋu hã o, be miagaku o!”—Mose I, 3:1-3.

11 Satana gblɔ nɛ be: “Miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” (Mose I, 3:4, 5) Satana di be Xawa naxɔe ase be atikutsetse si ŋu wode se ɖo la ɖuɖu aɖe vi nɛ. Eƒe nyaa fia be eya ŋutɔ ate ŋu atso nya me na eɖokui le nusi nye nyui kple nusi nye vɔ̃ ŋu; be ate ŋu awɔ nusianu si wòdi faa. Satana tso Yehowa nu hã  be ɖe wòble wo le nusi adzɔ ɖe wo dzi ne woɖu atikutsetsea ŋu me. Xawa xɔ Satana dzi se. Eyata egbe atikutsetsea ƒe ɖe heɖu. Eyome etsɔ ɖe yi na srɔ̃a, eye eya hã ɖui. Menye ɖe wowɔ esia le manyamanya me o. Wonya nyuie be nusi tututu Mawu gblɔ be yewomegawɔ o la wɔm yewonɔ. Woɖoe koŋ gbe sedede bɔbɔe aɖe si me susu le la dzi wɔwɔ esi woɖu atikutsetsea. Womebu wo Fofo si le dziƒo kple eƒe dziɖuŋusẽ ɖe ɖeke me o. Bubumademade wo Wɔla si lɔ̃ wo ŋu alea nye nusi mele be woatsɔ ake wo o!

12. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase alesi Yehowa ase le eɖokui me esi Adam kple Xawa wɔ nusi tsi tre ɖe eŋu la gɔme?

12 Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Aleke nàse le ɖokuiwò me ne  èdzi ŋutsuvi alo nyɔnuvi aɖe eye nèkpɔ edzi nyuie gake wògbe toɖoɖo wò hewɔ nusi fia be mede bubu ŋuwò o alo be melɔ̃ wò o? Ema ate ɖe dziwò vevie. Ke bu alesi gbegbe wòate ɖe Yehowa dzii esime Adam kple Xawa siaa wɔ nusi tsi tre ɖe eyama ŋu la ŋu kpɔ.

Anyie wotsɔ wɔ Adam, eye anyie wògatrɔ zu

13. Nukae Yehowa gblɔ be adzɔ ɖe Adam dzi ne eku, eye nukae esia fia?

13 Susu aɖeke meli si ta wòle be Yehowa nana Adam kple Xawa siwo zu tomaɖolawo nayi edzi anɔ agbe tegbee o. Woku, abe alesi wògblɔe na wo do ŋgɔ ene. Adam kple Xawa megali o. Menye ɖe wotrɔ heva le agbe le gbɔgbɔmenuto aɖe me o. Míenya esia elabena nya si Yehowa gblɔ na Adam esi wònɔ gbe biamee tso eƒe tomaɖomaɖo nuwɔnaa ŋu la na wòdze kɔte. Mawu gblɔ nɛ be: “[Àgatrɔ] azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!” (Mose I, 3:19) Anyie Mawu tsɔ wɔ Adam. (Mose I, 2:7) Do ŋgɔ na ema la, Adam menɔ afi aɖeke o. Eyata esi Yehowa gblɔ na Adam be agatrɔ azu anyi la, nusi fiam wòle enye be Adam atrɔ ayi anyimanɔmanɔ me. Adam maganɔ agbe o abe alesi ko anyi si me woɖee tsoe la le ene.

14. Nukatae amegbetɔwo kuna?

14 Anye ne Adam kple Xawa anɔ agbe egbea hafi, gake woku le esi woɖoe koŋ gbe toɖoɖo Mawu hewɔ nuvɔ̃ ta. Susu si ta míekuna enye be Adam tsɔ eƒe nuvɔ̃menyenye dzi viawo katã eye wògblẽ ku ƒe domenyinyi ɖi na mí. (Romatɔwo 5:12) Nuvɔ̃ sia le abe dɔxɔleameŋu vɔ̃ɖi aɖe si nu ame aɖeke mate ŋu asi le o ene. Nuvɔ̃ sia me tsonu si nye ku la nye fiƒode na mí. Futɔ gã aɖee ku nye, menye xɔlɔ̃e o. (Korintotɔwo I, 15:26) Aleke gbegbe wòle be míada akpee nye si be Yehowa wɔ tafe ƒe ɖoɖoa be wòaɖe mí tso futɔ vɔ̃ɖi sia si me!

KU ŊUTI NYATEƑEA NYANYA ÐEA VI NA MÍ

15. Nukatae ku ŋuti nyateƒea nyanya faa akɔ na ame?

15 Nusi Biblia fia le nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu la faa akɔ na ame. Míekpɔe va yi be kukuawo mele veve sem loo  alo lé blanui o. Susu aɖeke meli si ta wòle be míavɔ̃ kukuawo o elabena womate ŋu awɔ nuvevi aɖeke mí o. Womehiã míaƒe kpekpeɖeŋu o, eye woawo hã womate ŋu akpe ɖe mía ŋu o. Míate ŋu aƒo nu kpli wo o, eye woawo hã womate ŋu aƒo nu na mí o. Subɔsubɔhakplɔla geɖe gblɔna alakpatɔe be yewoate ŋu akpe ɖe kukuawo ŋu, eye amesiwo xɔ hakplɔla mawo dzi se la naa ga gbogbo aɖe wo ɖe ema ta. Gake nyateƒea nyanya kpɔa mía ta be amesiwo fiaa aʋatsonufiafia mawo nagable mí o.

16. Amekae kpɔa ŋusẽ ɖe subɔsubɔha geɖewo ƒe nufiafiawo dzi, eye aleke wòwɔa esiae?

16 Ðe subɔsubɔha si me nèle la da asi ɖe nusi Biblia fia le nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu la dzia? Subɔsubɔha geɖe meda asi ɖe edzi o. Nukatae? Elabena Satana kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nufiafiawo dzi. Satana zãa alakpasubɔsubɔ tsɔ blea amewo be woaxɔe ase be ne woƒe ŋutilã ku la, woayi edzi anɔ agbe le gbɔgbɔmenuto me. Nya sia nye alakpa, eye Satana gblɔa alakpanya bubuwo kpea esia be yeatsɔ atrɔ amewo ɖa tso Yehowa Mawu gbɔ. Le mɔ ka nu?

17. Nukatae nufiafia si nye be wowɔa fu amewo le dzomavɔ me la nye bubumademade Yehowa ŋu?

17 Míede dzesii va yi be subɔsubɔha aɖewo fiaa nu be ne ame aɖe nɔa agbe baɖa la, ayi dzomavɔ me le ku megbe eye woawɔ fui tegbee le afima. Nufiafia sia nye bubumademade Mawu ŋu. Yehowa nye lɔlɔ̃ ƒe Mawu eye mana amewo nanɔ fu kpem le mɔ ma nu gbeɖe o. (Yohanes I, 4:8) Aleke nàbu tso ŋutsu aɖe si lé via si wɔ nu gbegblẽ aɖe la ƒe asi de dzo me wòfiã tsɔ he to nɛ ŋu? Ðe nàde bubu ŋutsu ma ŋua? Le nyateƒe me la, ɖe nàdi gɔ̃ hã be yeanye amesia tɔgbe xɔlɔ̃a? Kura o! Ðewohĩ àgblɔ be ŋutsua ƒe tagbɔ sẽ loo! Ke hã, Satana di be míaxɔe ase be Yehowa wɔa fu amewo le dzomavɔ me tegbee—be eyia edzi nɔa fu wɔm wo ƒe biliɔn geɖe!

18. Subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafia kae naa amewo subɔa ame kukuwo?

18 Satana gatoa subɔsubɔha aɖewo dzi fiaa nu be ne amewo  ku la, wozua gbɔgbɔwo eyata ele be agbagbeawo nade bubu wo ŋu. Nufiafia sia le gbɔgblɔm be ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo ate ŋu ava zu agbagbeawo xɔlɔ̃ veviwo loo alo woƒe futɔ vɔ̃ɖiwo. Ame geɖe xɔ alakpanya sia dzi se. Wovɔ̃na na kukuawo eye wodea bubu tɔxɛ wo ŋu hesubɔa wo. Biblia ya fia mí be kukuawo le alɔ̃ dɔm eye be Mawu vavã Yehowa, mía Wɔla kple nuwo katã Nala, koe wòle be míasubɔ.—Nyaɖeɖefia 4:11.

19. Biblia ƒe nufiafia bubu ka mee ava kɔ na wò nyuie wu ne èse nɔnɔme si me ame kukuwo le la gɔme?

19 Nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋuti nyateƒea nyanya akpɔ tawò be woagatsɔ subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafia able wò o. Akpe ɖe ŋuwò nàse Biblia ƒe nufiafia bubuwo hã gɔme. Le kpɔɖeŋu me, ne ènyae be kukuawo meyia gbɔgbɔmenuto aɖeke me o la, ana nàse agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe ŋugbe si wodo la gɔme nyuie wu.

20. Biabia ka mee míadzro le ta si kplɔ esia ɖo me?

20 Nuteƒewɔla Hiob si nɔ anyi le blema la bia nya sia be: “Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea?” (Hiob 14:14) Ðe woate ŋu afɔ amesi megale agbe o si dɔ alɔ̃ le ku me be wòagava nɔ agbe akea? Abe alesi míava kpɔe le ta si kplɔ esia ɖo me ene la, nusi Biblia fia tso nya sia ŋu la faa akɔ na ame ale gbegbe.

^ mm. 5 Àte ŋu akpɔ numeɖeɖe ku ɖe nya siwo nye “luʋɔ” kple “gbɔgbɔ” ŋu le Megbenyawo me le axa 208-11.