Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA ENYILIA

Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?

Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?
  • Nukae Biblia gblɔ na mí tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu?

  • Nukae Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ?

  • Ɣekaɣie Fiaɖuƒea ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi?

1. Gbedodoɖa xɔŋkɔ ka mee míadzro fifia?

AME miliɔn geɖe siwo le xexeame nya gbedodoɖa si ame geɖe yɔna be Mía Fofo si Le Dziƒo, alo Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa, la nyuie. Enye gbedodoɖa xɔŋkɔ aɖe si Yesu Kristo ŋutɔ fia be wòanye kpɔɖeŋu na mí. Gɔmesese nyui aɖee le gbedodoɖa ma ŋu, eye eme nubiabia etɔ̃ gbãtɔawo me dzodzro akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu geɖe le nusi tututu Biblia fia ŋu.

2. Nusiwo Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia dometɔ etɔ̃ enye kawo?

2 Le kpɔɖeŋugbedodoɖa sia ƒe gɔmedzedze la, Yesu fia eƒe nyaselawo be: “Miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:9-13) Gɔmesese kae le nubiabia etɔ̃ mawo ŋu?

3. Nukawoe wòle be míanya ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu?

3 Míesrɔ̃ nu geɖe ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa ŋu xoxo. Eye míedzro Mawu ƒe lɔlɔ̃nu—nusiwo wòwɔ kple nusiwo wòava wɔ na ameƒomea—ƒe akpa aɖewo hã me. Gake nukae Yesu wɔnɛ esi wòfia mí be míado gbe ɖa abia be: “Wò fiaɖuƒe nava”? Nukae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe la? Aleke eƒe vava  akɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋu, alo awɔe kɔkɔe? Eye aleke Fiaɖuƒea ƒe vava do ƒome kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe?

NUSI MAWU ƑE FIAÐUƑEA NYE

4. Nukae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe la, eye amekae nye eƒe Fia?

4 Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si Yehowa Mawu ɖo anyi eye wòtia amesi nye eƒe Fia. Ke amekae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia? Eyae nye Yesu Kristo. Yesu nye Fia si de ŋgɔ kura wu amegbetɔ dziɖula ɖesiaɖe, eye eyae woyɔ be “fiawo dzi fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ.” (Timoteo I, 6:15) Eya sie ŋusẽ le be wòawɔ nu nyuiwo na ameƒomea wòayi ŋgɔ kura wu nusi amegbetɔwo ƒe dziɖula ɖesiaɖe, woƒe dziɖula nyuitɔ kekeake gɔ̃ hã, ate ŋu awɔ.

5. Afikae Mawu ƒe Fiaɖuƒea anɔ hafi aɖu dzi, eye nuka dzie wòaɖu?

5 Afikae Mawu ƒe Fiaɖuƒea anɔ hafi aɖu dzi? Enyo, afikae Yesu le? Àɖo ŋku edzi be míesrɔ̃e va yi be wowui le fuwɔameti ŋuti, eye wofɔe ɖe tsitre emegbe. Le ema megbe kpuie la, elia yi dziƒo. (Dɔwɔwɔwo 2:33) Eyata afimae Mawu ƒe Fiaɖuƒea le—le dziƒo. Esia tae Biblia la yɔe be “dziƒofiaɖuƒe” ɖo. (Timoteo II, 4:18) Togbɔ be dziƒoe Mawu ƒe Fiaɖuƒea le hã la, aɖu anyigba bliboa dzi.—Nyaɖeɖefia 11:15.

6, 7. Nukae na Yesu nye Fia si to vovo kura?

6 Nukae na Yesu nye Fia si to vovo kura? Susu ɖekae nye be maku akpɔ gbeɖe o. To vovo na amegbetɔ siwo nye fiawo la, Biblia la yɔ Yesu be “amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me.” (Timoteo I, 6:16) Esia fia be nu nyui siwo katã Yesu wɔna la anɔ anyi ɣesiaɣi. Eye míenya nyuie be nu gã wɔnukuwoe wòawɔ na amewo.

7 De ŋugble le Biblia ƒe nyagblɔɖi sia si ku ɖe Yesu ŋu kpɔ, esi gblɔ be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋudede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze  kple Yehowa vɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi. Yehowa vɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu, madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nusi eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu o, eye matso afia ɖe nusi eƒe to le sesem la nu o. Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe.” (Yesaya 11:2-4) Nya mawo na kakaɖedzi mí be Yesu anye Fia dzɔdzɔe kple nublanuikpɔla si aɖu amewo dzi le anyigba dzi. Àdi be yeanɔ dziɖula nyui sia ƒe fiaɖuɖu tea?

8. Amekawoe aɖu fia kple Yesu?

8 Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒenya bubu aɖe hãe nye si: Menye Yesu ɖeka koe aɖu fia o. Hatidziɖulawo anɔ esi. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo gblɔ na Timoteo be: “Ne míedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii.” (Timoteo II, 2:12) Ẽ, Paulo, Timoteo, kple nuteƒewɔla bubu siwo Mawu tia la aɖu fia kple Yesu le Dziƒofiaɖuƒea me. Ame neni sie mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ ma asu?

9. Ame nenie aɖu fia kple Yesu, eye ɣekaɣie Mawu dze wo tiatia gɔme?

9 Abe alesi míekpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta 7 lia me ene la, woɖe ŋutega aɖe fia apostolo Yohanes si me wòkpɔ “alẽvi la [Yesu Kristo] le tsitre ɖe Zion-to la dzi [eƒe ŋutikɔkɔe nɔƒe le dziƒo], eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu.” Amekawoe nye ame 144,000 mawo? Yohanes ŋutɔ yi edzi ɖe amesiwo wonye la fia mí esi wògblɔ be: “Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la, woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.” (Nyaɖeɖefia 14:1, 4) Ẽ, woawoe nye Yesu Kristo yomedzela wɔnuteƒe siwo wotia etɔxɛe be woayi ava ɖu fia kplii le dziƒo. Ne wofɔ wo ɖe tsitre tso ku me yi dziƒo la, woa kple Yesu “woaɖu fia [ɖe] anyigba la dzi.” (Nyaɖeɖefia 5:10) Tso apostoloawo ƒe ŋkekeawo me kee Mawu dze Kristotɔ wɔnuteƒewo tiatia gɔme be woƒe xexlẽme nade ame 144,000.

10. Nukatae ɖoɖo si wowɔ be Yesu kple ame 144,000 la naɖu ameƒomea dzi nye ɖoɖo si me lɔlɔ̃ le?

 10 Ðoɖo si wowɔ be Yesu kple ame 144,000 la naɖu ameƒomea dzi nye ɖoɖo si me lɔlɔ̃ le ŋutɔ. Susu siwo tae dometɔ ɖekae nye be Yesu ŋutɔ nye amegbetɔ kpɔ hekpe fu hã kpɔ. Paulo gblɔ le Yesu ŋu be menye amesi “mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.” (Hebritɔwo 4:15; 5:8) Amesiwo aɖu fia kplii hã nye amegbetɔ siwo do dzi to fukpekpewo me. Hekpe ɖe eŋu la, blibomademade ƒe nɔnɔmewo ɖe fu na wo eye wokpe dɔléle ƒomevi vovovowo ƒe fu. Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be woase kuxi siwo katã me tom amegbetɔwo le la gɔme godoo!

NUKAE MAWU ƑE FIAÐUƑEA AWƆ?

11. Nukatae Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu bliboe le dziƒo?

11 Esime Yesu nɔ nu fiam eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava la, egblɔ hã be woado gbe ɖa abia be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu “le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” Dziƒoe Mawu le, eye eƒe dɔla wɔnuteƒewo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu ɣesiaɣi le afima. Gake le agbalẽ sia ƒe Ta 3 lia me la, míesrɔ̃e be dɔla vɔ̃ɖi aɖe dzudzɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ eye wòna Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃. Le Ta 10 lia me la, míava srɔ̃ nu geɖe le nusi Biblia fia ku ɖe dɔla vɔ̃ɖi ma, si woyɔna be Satana Abosam, ŋu. Woɖe mɔ na Satana kple mawudɔla bubu siwo tiae be yewoadze eyome—siwo woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃wo—be woanɔ dziƒo vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Eyata menye nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoe nɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm ɣemaɣi o. Gake nɔnɔmea ava trɔ ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme. Yesu Kristo, si nye Fia yeye si woɖo zi dzi, awɔ aʋa kple Satana.—Nyaɖeɖefia 12:7-9.

12. Nudzɔdzɔ vevi eve kawo ŋue woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 12:10?

 12 Nyagblɔɖinya siwo gbɔna la ɖɔ nusi adzɔ, be: “Mese gbe gã aɖe le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Azɔ xɔname kple ŋusẽ kpakple fiaɖuƒe la zu mía Mawu la tɔ, eye ŋusẽ la zu eƒe Kristo la tɔ; elabena wotsɔ mía nɔviwo nutsola [Satana], si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli la, ƒu gbe.” (Nyaɖeɖefia 12:10) Ède dzesi nudzɔdzɔ vevi eve aɖewo le mawunyakpukpui ma mea? Gbã, Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me la dze dziɖuɖu gɔme. Evelia, wonyã Satana ɖa le dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi.

13. Nukae do tso Satana nyanya ɖa le dziƒo me?

13 Nukae do tso nudzɔdzɔ eve mawo me? Ku ɖe nusi dzɔ le dziƒo ŋu la, míexlẽ be: “Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la!” (Nyaɖeɖefia 12:12) Ẽ, mawudɔla wɔnuteƒe siwo le dziƒo tso aseye elabena wonyã Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa, ale be azɔ la, amesiame si le dziƒo nye nuteƒewɔla na Yehowa Mawu. Ŋutifafa blibo si me magblẽ o kple ɖekawɔwɔ ye va xɔ afima azɔ. Wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le dziƒo azɔ.

Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanyã tso dziƒo he fukpekpe va anyigba dzi. Fukpekpe siawo nu ayi kpuie

14. Nukae dzɔ esi wonya Satana ɖo ɖe anyigba dzi?

14 Gake aleke nuwo le le anyigba dzi? Biblia gblɔ be: “Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” (Nyaɖeɖefia 12:12) Satana do dziku heliheli be wonyã ye ɖa le dziƒo eye be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye. Etsɔ eƒe dzikua he fukpekpe alo nɔnɔme siwo na wodo “baba” na anyigba la vɛ. Míava srɔ̃ nu geɖe tso “baba” si wodo na mí ŋu le ta si kplɔe ɖo me. Gake esi ema le susu me na mí la, míate ŋu abia be, Aleke Fiaɖuƒea ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzii?

15. Nukae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ku ɖe anyigba la ŋu?

15 Ðo ŋku Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na anyigba la dzi. Èsrɔ̃ nu tso esia ŋu le Ta 3 lia me. Mawu ɖee fia le Eden-bɔa me be yeƒe lɔlɔ̃nu na anyigba sia enye be wòazu paradiso si me yɔ  kple amegbetɔƒome dzɔdzɔe siwo maku akpɔ o. Satana na Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃, eye emae na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na anyigba la me vava he ɖe megbe vie, ke hã eƒe tameɖoɖo metrɔ o. Eganye Yehowa ƒe tameɖoɖo kokoko be “ame dzɔdzɔewo [nanyi] anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Mawu ƒe Fiaɖuƒeae ana ema nava eme. Aleke wòawɔe?

16, 17. Nukae Daniel 2:44 na míenya ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu?

16 De ŋugble le nyagblɔɖi si le Daniel 2:44 ŋu kpɔ. Míexlẽ le afima be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” Nukae nya siawo fia mí tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu?

17 Gbã, ena míenya be woaɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒea anyi “le fia mawo ŋɔli,” alo esime fiaɖuƒe bubuwo kpɔtɔ li. Evelia, ena míenya be eƒe Fiaɖuƒea anɔ anyi tegbee. Dziɖuɖu bubu aɖeke mamui ƒu anyi ava xɔ ɖe eteƒe gbeɖe o. Etɔ̃lia, míekpɔe be aʋa adzɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple xexe sia me fiaɖuƒewo dome. Mawu ƒe Fiaɖuƒeae aɖu dzi. Mlɔeba la, eya koe anye dziɖuɖu ɖeka kolia si aɖu ameƒomea katã dzi. Ekema amegbetɔwo ase vivi le dziɖuɖu nyuitɔ kekeake te.

18. Aleke woyɔa aʋa mamlɛtɔ si adzɔ ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple xexe sia me dziɖuɖuwo dome?

18 Biblia gblɔ nya geɖe tso aʋa mamlɛtɔ si adzɔ ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple xexe sia me dziɖuɖuwo dome ŋu. Le kpɔɖeŋu me, efia mí be ne nuwuwua le aƒe tum la, gbɔgbɔ vɔ̃wo akaka alakpanyawo ale be woable “xexeame katã ƒe fiawo.” Ðe susu ka ta? “Bena woaƒo wo [fia siawo] nu ƒu hena Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.” Woaƒo anyigba dzi fiawo nu ƒu ɖe afisi “woyɔna le Hebri-gbe me bena Harmagedon.” (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Nya si wogblɔ le mawunyakpukpui eve mawo mee na woyɔa ʋiʋli  mamlɛtɔ si ayi edzi le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo kple Mawu ƒe Fiaɖuƒea dome la be Harmagedon-ʋa.

19, 20. Nukawoe na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ mexɔ anyigba la dzi fifia o?

19 Viɖe kae Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe vɛ to Harmagedon-ʋa la wɔwɔ me? Gade ŋugble le nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na anyigba sia ŋu ake. Yehowa Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be anyigba dzi nayɔ kple ameƒomea me tɔ dzɔdzɔe siwo de blibo, siwo subɔa ye le Paradiso me. Nukae na tameɖoɖo ma meva eme fifia o? Gbã la, míenye nuvɔ̃mewo, eye míedzea dɔ hekuna. Gake míesrɔ̃e le Ta 5 lia me be Yesu va ku ɖe mía ta ale be míate ŋu anɔ agbe tegbee. Ðewohĩ èɖo ŋku Yohanes ƒe Nyanyuia me nya siawo si wòŋlɔ la dzi, be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

20 Kuxi bubu si li enye be ame geɖe le ŋutasẽnu vɔ̃ɖiwo wɔm. Wodaa alakpa, tafaa ame, henɔa agbegbegblẽ. Womedi be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o. Woatsrɔ̃ amesiwo katã wɔa nu vɔ̃ɖiwo le Harmagedon-ʋa si Mawu awɔ la me. (Psalmo 37:10) Azɔ hã susu bubu si ta Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ mexɔ anyigba la dzi o enye be dziɖuɖu siwo li la mele kpekpem ɖe amewo ŋu be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o. Ŋusẽ mele dziɖuɖu geɖe ŋu o, wowɔa ŋutasẽnu, alo nufitifiti. Biblia la gblɔ nyateƒea tẽ, be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”—Nyagblɔla 8:9.

21. Aleke Fiaɖuƒea ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzii?

21 Le Harmagedon megbe la, dziɖuɖu ɖeka, si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe la, ko tee ameƒomea anɔ. Fiaɖuƒe mae ana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ naxɔ aƒe ɖi eye wòahe yayra manyagblɔwo vɛ. Le kpɔɖeŋu me, aɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa. (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Woawɔ ŋusẽ si le Yesu ƒe vɔsaa ŋu la ŋudɔ ale be amegbetɔ wɔnuteƒewo magalé dɔ alo aku akpɔ o. Ke boŋ woanɔ agbe tegbee le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu  te. (Nyaɖeɖefia 22:1-3) Woatrɔ anyigba la wòazu paradiso. Eyata Fiaɖuƒea ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi eye wòakɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti. Nukae esia fia? Efia be mlɔeba le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te la, amesiame si le agbe ade bubu Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu.

ƔEKAƔIE MAWU ƑE FIAÐUƑEA ANA EƑE LƆLƆ̃NU NAVA EME?

22. Nukae na míenya be Mawu ƒe Fiaɖuƒea meva esime Yesu nɔ anyigba dzi alo esime wofɔe ɖe tsitre megbe teti o?

22 Esi Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia be “Wò fiaɖuƒe nava” la, edze ƒã be Fiaɖuƒea meva ɣemaɣi o. Ðe Fiaɖuƒea va esime Yesu lia yi dziƒoa? Ao, elabena Petro kple Paulo siaa gblɔ be esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe la, nyagblɔɖi si le Psalmo 110:1 va eme ɖe eyama dzi, si gblɔ be: “Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui!” (Dɔwɔwɔwo 2:32-35; Hebritɔwo 10:12, 13) Ele be wòalala vaseɖe ɣeyiɣi aɖe.

Le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wòle le dziƒo ene

23. (a) Ɣekaɣie Mawu ƒe Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme? (b) Nuka mee míadzro le ta si kplɔ esia ɖo me?

23 Ɣeyiɣi didi kae wòalala ase ɖo? Le ƒe alafa 19 lia kple 20 lia me la, Biblia nusrɔ̃vi ɖianukwarewo bu akɔnta kpɔe be ɣeyiɣi si wònɔ lalam la awu enu le ƒe 1914 me. (Kpɔ Megbenyawo le axa 215-18 hena numeɖeɖe ku ɖe ƒe sia ŋu.) Nusiwo te  dzɔdzɔ le xexeame tso ƒe 1914 me la ɖo kpe edzi be gɔmesese si nɔ Biblia nusrɔ̃vi ɖianukware siawo si la sɔ ɖe enu pɛpɛpɛ. Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava ɖee fia be le ƒe 1914 me la, wotsɔ Kristo ɖo Fiae le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me eye wòdze dziɖuɖu gɔme. Eyata “vovoɣi vi” si susɔ na Satana la mee míele tso ɣemaɣi. (Nyaɖeɖefia 12:12; Psalmo 110:2) Míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi hã be eteƒe madidi kura o, Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ afɔɖeɖe siwo hiã bene woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi. Ðe nya siawo medo dzidzɔ na wò oa? Èxɔe se be wonye nyateƒea? Ta si kplɔ esia ɖo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be esiawoe nye nusi tututu Biblia la fia.