Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA EWO

Gbɔgbɔmenuwɔwɔwo—Alesi Wokpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzii

Gbɔgbɔmenuwɔwɔwo—Alesi Wokpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzii
  • Ðe mawudɔlawo kpena ɖe ame ŋua?

  • Aleke gbɔgbɔ vɔ̃wo gblẽa nu le ame ŋui?

  • Ðe wòle be míavɔ̃ gbɔgbɔ vɔ̃woa?

1. Nukata wòle be míadi be míasrɔ̃ nu tso mawudɔlawo ŋu?

NE MÍEDI be míadze si ame aɖe nyuie la, zi geɖe ehiãna be míanya nu tso ƒome si me wòtso ŋu. Nenema ke Yehowa Mawu nyanya nyuie bia be míanya nu geɖe wu tso eƒe dɔlawo ƒe ƒomea ŋu. Biblia yɔ mawudɔlawo be “Mawu ƒe viwo.” (Hiob 38:7) Ekema akpa kae wowɔna le Mawu ƒe tameɖoɖo me vava me? Ðe wowɔ akpa aɖe le amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya me kpɔa? Ðe mawudɔlawo kpɔa ŋusẽ ɖe wò agbenɔnɔ dzia? Ne wokpɔa ŋusẽ ɖe edzi la, ke le mɔ kawo nu?

2. Aleke mawudɔlawo wɔ hafi va dzɔ, eye wo ame nenie li?

2 Woƒo nu tso mawudɔlawo ŋu zi geɖe le Biblia me. Na míadzro nya siwo wogblɔ tso mawudɔlawo ŋu la dometɔ ʋɛ aɖewo me ne míasrɔ̃ nu geɖe tso wo ŋu. Aleke mawudɔlawo wɔ hafi dzɔ? Kolosetɔwo 1:16 gblɔ be: “Wowɔ nuwo katã le [Yesu Kristo] me, nusiwo le dziƒowo kple nusiwo le anyigba dzi.” Eyata Yehowa Mawue wɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo nye mawudɔlawo dometɔ ɖesiaɖe to eƒe Ŋgɔgbevi la dzi. Mawudɔla nenie li? Biblia ɖee fia be wowɔ mawudɔla miliɔn alafa geɖe, eye ŋusẽ le wo katã ŋu.—Psalmo 103:20. *

3. Nya kae Hiob 38:4-7 gblɔ na mí tso mawudɔlawo ŋu?

 3 Mawu ƒe Nya Biblia la gblɔ na mí be esi wowɔ anyigba la, ‘Mawu ƒe viwo katã gli kple dzidzɔ.’ (Hiob 38:4-7) Esia fia be mawudɔlawo nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi wowɔ amegbetɔwo, hafi wova wɔ anyigba la ŋutɔ gɔ̃ hã. Mawunyakpukpui sia ɖee fia hã be seselelãme le mawudɔlawo si, elabena egblɔ be ‘wo katã wogli kple dzidzɔ.’ De dzesii be ‘Mawu ƒe viwo katã’ tso aseye ɖekae. Ɣemaɣi mawudɔlawo katã nye ƒome wɔɖeka si subɔa Yehowa Mawu.

ALESI MAWUDƆLAWO KPENA ÐE MÍA ŊU HEKPƆA MÍA TAE

4. Aleke Biblia ɖee fiae be mawudɔla wɔnuteƒewo tsɔ ɖe le amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo me?

4 Tso esime gbɔgbɔmenuwɔwɔ wɔnuteƒewo kpɔe wowɔ ame gbãtɔwo ko la, wova tsɔ ɖe le ameƒomea si le dzidzim ɖe edzi kple alesi Mawu ƒe tameɖoɖo le eme vamee la me vevie. (Lododowo 8:30, 31; Petro I, 1:11, 12) Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, mawudɔlawo va kpɔe be ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ megava nɔ wo Wɔla lɔlɔ̃a subɔm o. Ðikeke mele eme o be esia wɔ nublanui na mawudɔla wɔnuteƒewo. Gake ɣesiaɣi si ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã gbugbɔ trɔ ɖe Yehowa ŋu la, ‘mawudɔlawo kpɔa dzidzɔ.’ (Luka 15:10) Esi mawudɔlawo tsɔ ɖe le amesiwo subɔa Mawu ƒe nyonyo me vevie ta la, mewɔ nuku o be Yehowa zã mawudɔlawo zi geɖe tsɔ do ŋusẽ esubɔla wɔnuteƒe siwo le anyigba dzi hekpɔ wo tae. (Hebritɔwo 1:7, 14) Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

“Nye Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòde ga nu na dzatawo.”—Daniel 6:23

5. Kpɔɖeŋu kawoe le Biblia me siwo fia alesi mawudɔlawo kpena ɖe ame ŋui?

5 Mawudɔla eve kpe ɖe ame dzɔdzɔe Lot kple vianyɔnuviwo ŋu wotsi agbe le tsɔtsrɔ̃ si va Sodom kple Gomora dzi la me esi wokplɔ wo do goe le dua me dedie. (Mose I, 19:15, 16) Ƒe alafa geɖewo megbe la, wotsɔ nyagblɔɖila Daniel ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me, gake dzatawo mewɔ nuvevii o, eye wògblɔ be: “Nye Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòde ga nu na dzatawo.”  (Daniel 6:23) Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, mawudɔla aɖe ʋu gaxɔ ƒe agbowo na apostolo Petro wòdo go. (Dɔwɔwɔwo 12:6-11) Azɔ hã mawudɔlawo de dzi ƒo na Yesu le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze. (Marko 1:13) Eye do ŋgɔ teti hafi Yesu naku la, mawudɔla aɖe ɖi va Yesu gbɔ eye ‘wòva do ŋusẽe.’ (Luka 22:43) Aleke gbegbee ema anya fa akɔ na Yesu enye si le eƒe agbe me ɣeyiɣi vevi mawo me!

6. (a) Aleke mawudɔlawo kpɔa Mawu ƒe amewo ta egbeae? (b) Biabia kawo mee míadzro azɔ?

6 Egbea mawudɔlawo megaɖea wo ɖokui fiana Mawu ƒe amewo le anyigba dzi wokpɔna o. Togbɔ be míate ŋu akpɔ Mawu ƒe dɔla sẽŋuawo kple ŋku o hã la, wogakpɔa Mawu ƒe amewo ta kokoko, vevietɔ tso nusianu si ate ŋu anye afɔku na wo le mawusubɔsubɔ me la me. Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.” (Psalmo 34:8) Nukatae wòle be nya mawo nanye akɔfafa gã aɖe na mí? Elabena gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo hã li siwo di be yewoagblẽ nu le mía ŋu! Amekawoe wonye? Aleke wowɔ va dzɔ? Aleke wodina be yewoagblẽ nu le mía ŋui? Be míakpɔ ŋuɖoɖoawo la, na míatrɔ susu ɖe nane si dzɔ le amegbetɔ wɔwɔ vɔ megbe teti ŋu kpuie.

GBƆGBƆMENUWƆWƆ SIWO NYE MÍAƑE FUTƆWO

7. Aleke gbegbee Satana kpɔ dzidzedze le amewo tɔtrɔ ɖa tso Mawu ŋu mee?

7 Míesrɔ̃e le agbalẽ sia ƒe Ta 3 lia me be dzodzro vɔ̃ nyɔ ɖe mawudɔlawo dometɔ ɖeka me be yeaɖu amewo dzi eye esia na wòva tsi tre ɖe Mawu ŋu. Emegbe wova tsɔ ŋkɔ na mawudɔla sia be Satana Abosam. (Nyaɖeɖefia 12:9) Le ƒe 1,600 megbe tso esime Satana ble Xawa la, ekpɔ dzidzedze le amewo katã kloe tɔtrɔ ɖa tso Mawu ŋu me, negbe ame ʋɛ aɖewo koe kpɔtɔ lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi, abe Abel, Henox, kple Noa ene.—Hebritɔwo 11:4, 5, 7.

8. (a) Aleke wòdzɔe be mawudɔla aɖewo va zu gbɔgbɔ vɔ̃wo? (b) Nukae wòva hiã be gbɔgbɔ vɔ̃wo nawɔ hafi ate ŋu atsi agbe le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa me?

 8 Mawudɔla bubu aɖewo hã dze aglã ɖe Yehowa ŋu le Noa ƒe ŋkekea me. Wogblẽ Mawu ƒe ƒome si le dziƒo si me wonɔ la ɖi, ɖi va anyigba dzi, hedo amegbetɔ ŋutilã. Nukata? Mose I, 6:2 gblɔ na mí be: “Mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.” Gake Yehowa Mawu meɖe mɔ mawudɔla siawo ƒe nuwɔna kple emetsonu si nɔ nu gblẽm le ameƒomea ŋu la yi edzi ɖaa o. Ena xexeame katã ƒe tsiɖɔɖɔ aɖe va kplɔ ame vɔ̃ɖi mawo katã dzoe eye wòkpɔtɔ esubɔla wɔnuteƒewo ɖeɖe.  (Mose I, 7:17, 23) Esia na wòva hiã be mawudɔla dzeaglãwo, alo gbɔgbɔ vɔ̃wo, nagblẽ woƒe amegbetɔ ŋutilã ɖi atrɔ ayi dziƒo abe gbɔgbɔmemewo ene. Wova wɔ ɖeka kple Abosam, amesi va zu “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia.”—Mateo 9:34.

9. (a) Nukae dzɔ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃awo dzi esi wotrɔ yi dziƒo? (b) Nuka mee míadzro ku ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu?

9 Womegaxɔ mawudɔla tosẽla mawo ɖe mawudɔla dzɔdzɔewo ƒe ha me esi wotrɔ yi dziƒo o, ke boŋ wonyã wo abe woƒe dziɖula, Satana, ke ene. (Petro II, 2:4) Togbɔ be fifia womagate ŋu ado amegbetɔ ŋutilã o hã la, wogale ŋusẽ gbegblẽ kpɔm ɖe amewo dzi kokoko. Le nyateƒe me la, Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃ siawoe le ‘xexeame katã blem.’ (Nyaɖeɖefia 12:9; Yohanes I, 5:19) Le mɔ ka nu? Gbɔgbɔ vɔ̃wo zãa mɔnu aɖewo koŋ tsɔ blea amewoe. (Korintotɔwo II, 2:11) Na míadzro woƒe mɔnu aɖewo me akpɔ.

ALESI GBƆGBƆ VƆ̃WO BLEA AMEWOE

10. Nukae nye gbɔgbɔyɔyɔ?

10 Gbɔgbɔ vɔ̃wo zãa gbɔgbɔyɔyɔ tsɔ blea amee. Gbɔgbɔyɔyɔ nye kadodo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo tẽ alo to amegbetɔ si nye gbɔgbɔyɔla dzi. Biblia tsi tre ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu eye wòxlɔ̃ nu mí be míate mía ɖokui ɖa tso nuwɔna ɖesiaɖe si do ƒome kplii gbɔ. (Galatiatɔwo 5:19-21) Gbɔgbɔ vɔ̃wo zãa gbɔgbɔyɔyɔ tsɔ ɖoa mɔ̃e abe alesi lãɖelawo hã ɖoa mɔ̃ na lãwoe ene. Lãɖelawo zãa nu hamehame tsɔ ɖoa mɔ̃e be woatsɔ aɖe lã ƒomevi vovovowo. Nenema ke gbɔgbɔ vɔ̃wo zãa gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi vovovowo tsɔ hea ameƒomevi vovovowo vaa woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te.

11. Nukae nye afakaka, eye nukata wòle be míatsrii?

11 Mɔnu siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo zãna dometɔ ɖekae nye afakaka. Nukae nye afakaka? Enye agbagbadzedze be woanya etsɔme alo anya nane si le ɣaɣla. Afakaka ƒomevi aɖewoe nye ɣletivimefakaka, gumaga zazã atsɔ aka nui, ahuhɔ̃emefakaka, asiƒomefakaka, kple drɔ̃ewo gɔmeɖeɖe. Togbɔ be ame geɖe bua afakaka be enye nuwɔna dzro aɖe si ŋu naneke megblẽ  le o hã la, Biblia na míenya be gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi tee afakalawo le. Le kpɔɖeŋu me, Dɔwɔwɔwo 16:16-18 gblɔ be “afakakagbɔgbɔ” nɔ nyɔnuvi aɖe me si na wòte ŋu ‘kaa nu na amewo.’ Gake esi wonyã gbɔgbɔ vɔ̃a do goe le eme la, megate ŋu kaa nu o.

Gbɔgbɔ vɔ̃wo toa mɔ vovovowo dzi blea amewo

12. Nukatae agbagbadzedze be míaƒo nu kple ame kukuwo nye nusi me afɔku le?

12 Mɔ bubu si dzi gbɔgbɔ vɔ̃wo tona blea amewoe nye be wonana wova biaa nu ta sena le ame kukuwo gbɔ. Zi geɖe woblea amesiwo le woƒe ame vevi aɖe si ku fam ale be nukpɔsusu masɔmasɔwo va sua wo si ku ɖe amesi ku ŋu. Gbɔgbɔyɔla aɖe ate ŋu ana nyatakaka tɔxɛ aɖewo alo aƒo nu eye eƒe gbe aɖi amesi ku la tɔ. Esia na ame geɖe va xɔe se be kukuawo gale agbe ŋutɔŋutɔ eye be kadodo kpli wo ate ŋu akpe ɖe agbagbeawo ŋu woakpɔ gbɔdzɔe. Gake “akɔfafa” ɖesiaɖe si esia ahe vɛ la nye alakpa eye wòganye nusi me afɔku le hã. Nukata? Elabena gbɔgbɔ vɔ̃wo ate ŋu aƒo nu wòaɖi amesi ku la ƒe gbe eye woana nyatakaka aɖewo gbɔgbɔyɔla la  ku ɖe amesi ku ŋu. (Samuel I, 28:3-19) Gake abe alesi míesrɔ̃e le Ta 6 lia me ene la, kukuawo megali o. (Psalmo 115:17) Le esia ta ‘amesiame si bia nu ta se le ŋɔliyɔla gbɔ’ la ge ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe mɔ̃ me eye wòle nusi tsi tre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu wɔm. (Mose V, 18:10, 11; Yesaya 8:19) Eyata kpɔ nyuie be nàƒo asa na mɔ̃ vɔ̃ɖi sia si zãm gbɔgbɔ vɔ̃wo le.

13. Nukae ame geɖe siwo vɔ̃na na gbɔgbɔ vɔ̃wo tsã la te ŋu wɔ?

13 Menye ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo blea amewo ko o, ke wodoa vɔvɔ̃ na amewo hã. Egbea Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nyae be “vovoɣi vi aɖe” koe gali na yewo hafi woaxɔ ŋusẽ le yewo si, eyata fifia wogale nu vɔ̃ɖiwo wɔm ɖe edzi wu. (Nyaɖeɖefia 12:12, 17) Ke hã, ame akpe geɖe siwo vɔ̃na na gbɔgbɔ vɔ̃wo gbesiagbe tsã la vo tso vɔvɔ̃ ma me. To mɔ ka nu? Nukae ame ate ŋu awɔ ne eƒo eɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me va yi?

ALESI MÍATSI TRE ÐE GBƆGBƆ VƆ̃WO ŊUI

14. Abe alesi ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Efeso wɔ nui ene la, aleke míawɔ avo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me?

14 Biblia gblɔ alesi míawɔ atsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu kple alesi míawɔ ado le woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te la na mí. Bu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ du si nye Efeso me ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Wo dometɔ aɖewo ƒo wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me hafi va zu Kristotɔwo. Esi wotso nya me be yewoadzudzɔ gbɔgbɔyɔnuwo wɔwɔ la, nukae wowɔ? Biblia gblɔ be: “Ame geɖe, siwo ka afa la, [tsɔ] woƒe agbalẽwo va ƒo ƒu, eye wotɔ dzo wo le wo katã ƒe ŋku me.” (Dɔwɔwɔwo 19:19) Kristotɔ yeye mawo siwo tɔ dzo woƒe akunyawɔgbalẽwo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na amesiwo di be yewoatsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu egbea. Ehiã be amesiwo di be yewoasubɔ Yehowa naɖe asi le nusianu si ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu keŋkeŋ. Nusiawo dometɔ aɖewoe nye agbalẽwo, magazinewo, videowo, fotowo, kple haƒoƒo siwo dea gbɔgbɔyɔnuwɔnawo ƒe dzi ƒo alo nana wòdzena abe modzakaɖenu aɖe ene. Nusiwo ŋu wòle be woaɖe asi le dometɔ aɖewo hãe nye bokɛwo alo nu bubu siwo wodona ɖe ŋuti be  woatsɔ akpɔ ame ɖokui ta tso dzɔgbevɔ̃e me.—Korintotɔwo I, 10:21.

15. Nukae wòle be míawɔ hafi míate ŋu atsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu?

15 Esi Kristotɔ siwo nɔ Efeso tsrɔ̃ woƒe akunyawɔgbalẽwo vɔ megbe la, apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe wo le ƒe aɖewo megbe be: ‘Mía kple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔwo ye le kame tem.’ (Efesotɔwo 6:12) Gbɔgbɔ vɔ̃wo mena ta o. Wogakpɔtɔ nɔ didim be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi kokoko. Eyata nukae gahiã be Kristotɔ mawo nawɔ? Paulo gblɔ na wo be: “Hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la milé xɔse ƒe akpoxɔnu, si miate ŋu atsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ [Satana] ƒe atsurɔ bibiawo la me ɖe asi.” (Efesotɔwo 6:16) Ne míaƒe xɔse ƒe akpoxɔnu la sesẽ la, ekema míaƒe tsitretsitsi ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu hã me asẽ.—Mateo 17:20.

16. Aleke míawɔ ana míaƒe xɔse nasẽ ŋu?

16 Ekema aleke míawɔ ana míaƒe xɔse nasẽ ŋui? To Biblia sɔsrɔ̃ dzi. Alesi gbegbe gli aɖe asesẽe la nɔa te ɖe eƒe gɔmeɖoanyi ƒe sesẽme dzi zi geɖee. Nenema ke xɔse sẽŋu si anɔ mía si la anɔ te ɖe nusi dzi wotui ɖo koŋ, si nye Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒe sidzedze vavãtɔ si asu mía si dzi. Ne míexlẽa Biblia hesrɔ̃a emenyawo gbesiagbe la, míaƒe xɔse asẽ ŋu. Abe gli sesẽ aɖe ene la, xɔse si sẽ ŋu goŋgoŋ akpɔ mía ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me.—Yohanes I, 5:5.

17. Nukawo wɔwɔe hiã be míatsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu?

17 Afɔ bubu kawoe wògahiã be Kristotɔ siwo nɔ Efeso naɖe? Wogahiã ametakpɔkpɔ le mɔ bubu aɖe nu le esi du si me wonɔ la yɔ fũ kple gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo ta. Eyata Paulo gblɔ na wo be: “Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le gbɔgbɔ me.” (Efesotɔwo 6:18) Esi wònye xexe si me yɔ fũ kple gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo mee míawo hã míele ta la, ehiã vevie ŋutɔ be míayi edzi atso dzi blibo me anɔ gbe dom ɖa na Yehowa be wòakpɔ mía ta le tsitretsitsi ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu me. Ẽ, ehiã be míayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le míaƒe gbedodoɖawo me. (Lododowo 18:10) Eye ele be míayi edzi anɔ gbe dom ɖa na Mawu be ‘wòaɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la  si me,’ si nye tso Satana Abosam si me. (Mateo 6:13) Yehowa aɖo gbedodoɖa mawo siwo tso dzi me la ŋu.—Psalmo 145:19.

18, 19. (a) Nukatae kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be míaɖu dzi le tsitretsitsi ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu me? (b) Biabia ka ŋue míaɖo le ta si kplɔ esia ɖo me?

18 Gbɔgbɔ vɔ̃wo nye ŋutasẽlawo, gake mele be míavɔ̃ wo o nenye be míetsi tre ɖe Abosam ŋu eye míete ɖe Mawu ŋu to Eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi. (Yakobo 4:7, 8) Ŋusẽ si le gbɔgbɔ vɔ̃wo si la se ɖe afi aɖe ko. Wohe to na wo le Noa ƒe ŋkekea me, eye woƒe toheʋɔnu mamlɛa le ŋgɔ gbɔna. (Yuda 6) Ðo ŋku edzi hã be Yehowa ƒe dɔla sesẽwo li le mía ta kpɔm. (Fiawo II, 6:15-17) Enye mawudɔla siawo ƒe didi vevie be míakpɔ dzidzedze le tsitretsitsi ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu me. Ne míagblɔe la, mawudɔla dzɔdzɔewo le dzi dem ƒo na mí be míagana ta o. Eyata mina míayi edzi anɔ Yehowa kple eƒe dɔla wɔnuteƒewo ƒe ƒomea ƒe akpa dzi. Neva eme be míatsri gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna ƒomevi ɖesiaɖe eye míayi edzi awɔ ɖe nuxlɔ̃ame siwo le Mawu ƒe Nya la me dzi ɣesiaɣi. (Petro I, 5:6, 7; Petro II, 2:9) Ekema kakaɖedzi asu mía si be míaɖu dzi le míaƒe tsitretsitsi ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu me.

19 Gake nukatae Mawu ɖe mɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo li eye ŋutasẽnuwɔnawo kpɔtɔ le edzi yim si na amewo le fu kpem alea gbegbe? Míakpɔ biabia sia ƒe ŋuɖoɖo le ta si kplɔ esia ɖo me.

^ mm. 2 Nyaɖeɖefia 5:11 gblɔ tso mawudɔla dzɔdzɔewo ŋu be: “Woƒe xexlẽme nu anɔ akpe ewo teƒe akpe ewo.” Eyata Biblia ɖee fia be wowɔ mawudɔla miliɔn alafa geɖe.