Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA WUIETƆ̃

Bu Agbe abe Alesi Mawu Bunɛ Ene

Bu Agbe abe Alesi Mawu Bunɛ Ene
  • Aleke Mawu bua agbee?

  • Aleke Mawu bua fuɖeɖee?

  • Aleke míawɔ ade bubu agbe ŋui?

1. Amekae wɔ nusianu si le agbe?

NYAGBLƆÐILA Yeremya gblɔ be: “Yehowa enye Mawu vavã; eyae nye Mawu gbagbe [la].” (Yeremya 10:10) Gawu la, Yehowa Mawue nye nusianu si le agbe la Wɔla. Nuwɔwɔ nyanu siwo le dziƒo gblɔ nɛ be: “Wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” (Nyaɖeɖefia 4:11) Fia Dawid hã gblɔ le ha aɖe si wòdzi tsɔ kafu Mawui me be: “Gbɔwò agbedzɔƒe le.” (Psalmo 36:10) Eyata eme kɔ ƒã be agbe nye nunana tso Mawu gbɔ.

2. Nukawoe Mawu wɔ tsɔ léa míaƒe agbe ɖe te?

2 Yehowa léa míaƒe agbe ɖe te hã. (Dɔwɔwɔwo 17:28) Eyae wɔ nusiwo míeɖuna, tsi si míenona, ya si míegbɔna, kple anyigba si dzi míele. (Dɔwɔwɔwo 14:15-17) Alesi Yehowa trɔ asi le nusiawo ŋui la ana míesea vivi le agbe me. Gake hafi míate ŋu ase vivi le agbe me bliboe la, ehiã be míasrɔ̃ Mawu ƒe sewo ahawɔ wo dzi.—Yesaya 48:17, 18.

BUBUDEDE AGBE ŊU

3. Aleke Mawu bu tso Habel wuwu ŋu?

3 Mawu di be míade bubu agbe ŋu—mía ŋutɔwo tɔ kple ame bubuwo tɔ siaa. Le kpɔɖeŋu me, le Adam kple Xawa ƒe agbenɔɣi la, wo vi Kain va do dziku ɖe nɔvia Habel ŋu vevie. Yehowa xlɔ̃ nu Kain be eƒe dzikua ate ŋu akplɔe ayi nuvɔ̃ gã wɔwɔ me. Gake Kain mewɔ ɖe nuxlɔ̃amea  dzi o. Eva “tso ɖe nɔvia Habel ŋuti, eye wòwui.” (Mose I, 4:3-8) Yehowa he to na Kain ɖe nɔvia wuwu ta.—Mose I, 4:9-11.

4. Aleke Mawu te gbe ɖe alesi wòle be woabu agbee dzi le Mose ƒe Sea me?

4 Ƒe akpe geɖe megbe la, Yehowa tsɔ sewo na Israel-viwo be wòakpe ɖe wo ŋu woasubɔ ye le mɔ si sɔ nu. Esi wònye Mose dzie wòto tsɔ seawo na dukɔa ta la, woyɔnɛ ɣeaɖewoɣi be Mose ƒe Se La. Mose ƒe Sea ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Megawu ame o.” (Mose V, 5:17) Se sia fia Israel-viwo be Mawu dea asixɔxɔ amegbetɔ ƒe agbe ŋu eye le esia ta ele be woawo hã woade asixɔxɔ agbe ŋu.

5. Aleke wòle be míabu fuɖeɖee?

5 Ke ɖevi si womedzi haɖe o ƒe agbe ya ɖe? Mose ƒe Sea gblɔ be enye nuvɔ̃ be woawu vidzĩ si le dadaa ƒe dɔme. Ẽ, ɖevi si le dadaa ƒe dɔme hã ƒe agbe xɔ asi le Yehowa ŋkume. (Mose II, 21:22, 23; Psalmo 127:3) Esia fia be fuɖeɖe nye nuvɔ̃.

6. Nukata mele be míalé fu mía haviwo o?

6 Bubudede agbe ŋu fia hã be nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ mía si ɖe mía haviwo ŋu. Biblia gblɔ be: “Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o.” (Yohanes I, 3:15) Ne míedi be míanɔ agbe mavɔ la, ke ele be míaɖe fuléle ɖesiaɖe si anɔ mía me ɖe mía haviwo ŋu la ɖa, elabena fuléle koŋue hea ŋutasẽnuwɔwɔ vanɛ zi geɖe. (Yohanes I, 3:11, 12) Ehiã vevie be míasrɔ̃ alesi míalɔ̃ mía nɔewoe.

7. Nuwɔna kawoe mefia bubudede agbe ŋu o?

7 Ke aleke míade bubu mía ŋutɔwo míaƒe agbe ŋui? Ame aɖeke medina be yeaku o, ke hã ame aɖewo tsɔa woƒe agbe dea afɔku me ɖe dzidzɔkpɔkpɔ ta. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe noa atama, noa gbekui, alo zãa atike vɔ̃ɖi bubuwo ɖe dzidzɔdodonameɖokui ta. Atike mawo gblẽa nu le  ŋutilãa ŋu eye wokplɔa ezãlawo yia ku mee zi geɖe. Amesiwo zãa nusiawo mele bubu dem agbe si nye nu kɔkɔe ŋu o. Nuwɔna mawo nye nu makɔmakɔwo le Mawu ŋkume. (Romatɔwo 6:19; 12:1; Korintotɔwo II, 7:1) Be míasubɔ Mawu wòadze eŋu la, ele be míatsri nuwɔna mawo. Togbɔ be ema wɔwɔ ate ŋu anye nu sesẽ hã la, Yehowa ate ŋu ana kpekpeɖeŋu si míehiã la mí. Eye edea asixɔxɔ nusianu si míawɔ abu míaƒe agbe be enye nunana xɔasi si tso egbɔ ŋu.

8. Nukata wòle be wòanɔ susu me na mí ɣesiaɣi be míawɔ nusi ana mía kple ame bubuwo nanɔ dedie?

8 Ne míedea bubu agbe ŋu la, anɔ susu me na mí ɣesiaɣi be míawɔ nusi ana míanɔ dedie. Míawɔ nu ɖekematsɔlemetɔe o, eye míade míaƒe agbe afɔku me ɖe dzidzɔdoname alo vivisese ta hã o. Míatsri ʋukuku ŋumaɖɔɖotɔe kple modzakaɖefefe siwo me ŋutasẽnuwɔwɔ le alo esiwo ate ŋu ahe afɔku vɛ. (Psalmo 11:5) Mawu ƒe se si wòde na blema Israel-viwo gblɔ be: “Ne ètu xɔ yeye [si tame le gbadzaa] la, ekema tɔ kpɔ ɖe xɔ la ta, bena ame aɖeke magage le edzi, eye nana wò aƒe naɖe hlɔ̃fe o.” (Mose V, 22:8) Be nàwɔ ɖe gɔmeɖose si le se ma me dzi la, ele be nàkpɔ egbɔ be nuwo, abe atrakpuiwo ene, le dedie le wò aƒeme ale be ame aɖeke nagaɖiɖi le edzi adze anyi nuvevi nawɔe o. Ne ʋu le asiwò la, kpɔ egbɔ be ele dedie hafi nàkui. Mègana wò aƒe alo wò ʋu nahe afɔku vɛ na wò ŋutɔ alo ame bubuwo o.

9. Ne míedea bubu agbe ŋu la, aleke míawɔ nu ɖe lãwo ŋui?

9 Ke lãwo ƒe agbe ya ɖe? Ema hã nye nu kɔkɔe na Wɔla la. Mawu ɖe mɔ be woawu lãwo be woakpɔ nuɖuɖu kple nudodo atso eme, alo be woawu lãwo atsɔ akpɔ ame ta tso afɔku me. (Mose I, 3:21; 9:3; Mose II, 21:28) Gake ŋutasẽse le lãwo ŋu alo wo wuwu ɖe modzakaɖefefe dzro ko ta mesɔ o eye efia bubumademade agbe ƒe nukɔkɔenyenye ŋu koŋ.—Lododowo 12:10.

 BUBUDEDE ƲU ŊU

10. Aleke Mawu ɖee fiae be ɖekawɔwɔ le lãwo ƒe agbe kple woƒe ʋu dome?

10 Esi Kain wu nɔvia Habel megbe la, Yehowa gblɔ na Kain be: “Nɔviwò ƒe ʋu, si nèkɔ ɖe anyi la ƒe gbe le ɖiɖim tso anyigba dzi mese!” (Mose I, 4:10) Habel ƒe agbee Mawu wɔnɛ esi wòƒo nu tso eƒe ʋu ŋu. Kain ɖe Habel ƒe agbe ɖa, eyata ele be woahe to nɛ ɖe eta. Ðeko wònɔ abe ɖe Habel ƒe ʋu, alo eƒe agbe, nɔ ɣli dom na Yehowa be wòadrɔ̃ ʋɔnu ene. Wogaɖe ƒomedodo si le ʋu kple agbe dome fia ake le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa megbe. Do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, atikutsetsewo, amagbewo, kple nukuwo koe amegbetɔwo ɖuna. Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Yehowa gblɔ na Noa kple viawo be: “Nu gbagbe, siwo katã ʋãna, nenem nu siawo katã metsɔ na mi, bena woanye miaƒe nuɖuɖu abe amagbewo ke ene.” Gake Mawu tsɔ se sia kpe ɖe eŋu be: “Lã, si ʋu tsi lã me na la, migaɖui o!” (Mose I, 1:29; 9:3, 4) Eme kɔ ƒã be le Yehowa gbɔ la, ɖekawɔwɔ kplikplikpli aɖe le lãwo ƒe agbe kple woƒe ʋu dome.

11. Se kae Mawu de ku ɖe ʋu ŋu tso Noa ƒe ŋkekeawo me ke?

11 Míedea bubu ʋu ŋu ne míeɖunɛ o. Yehowa gblɔ le Se si wòde na Israel-viwo me be: “[Amesiame si] da ade wu gbemelã alo xevi aɖe, si woɖuna la, [naɖuɖu] eƒe ʋu ɖe anyigba, eye wòaxe ke ɖe dzi. . . . Eyata megblɔ na Israel-viwo be: Migaɖu lã aɖeke ƒe ʋu o.” (Mose III, 17:13, 14) Mawu ƒe se si wòde na Noa gbã, anɔ ƒe 800 enye ma do ŋgɔ, si gblɔ be woagaɖu ʋu o, la metrɔ o. Yehowa ƒe nukpɔsusu dze ƒã eme kɔ: Esubɔlawo ate ŋu aɖu lã gake womaɖu ʋua o. Ele be woakɔ ʋua ɖe anyigba—si le fiafiam be le mɔ aɖe nu la, wotrɔ lãa ƒe agbe na Mawu.

12. Se kae wode to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi le ƒe alafa gbãtɔ me ku ɖe ʋu ŋu si dzi wòle be míawɔ ɖo kokoko egbea?

12 Wogagbugbɔ se ma tɔgbe de na Kristotɔwo hã. Apostoloawo kple ame bubu siwo xɔ ŋgɔ na Yesu yomedzelawo  le ƒe alafa gbãtɔ me kpe ta be yewoatso nya me le se siwo dzi wòle be amesiwo katã le Kristo-hamea me nawɔ ɖo ŋu. Nyametsotso si wowɔ enye: “Enyo Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be, míagatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o, bena, miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ.” (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29; 21:25) Eyata ehiã kokoko be ‘míayi edzi atsri ʋu.’ Mawu bua esia nu vevii abe alesi ko trɔ̃subɔsubɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ tsitsri hã le vevie ene.

Ne ɖɔkta gblɔ na wò be nàtsri aha muame nono la, ɖe nàɖe mɔ woadoe ɖe wò ʋukawo mea?

13. Wɔ nusita se si wode be míatsri ʋu la ku ɖe ʋudodo hã ŋu ƒe kpɔɖeŋu.

13 Ðe sedede be míatsri ʋu la ku ɖe ʋudodo hã ŋua? Ẽ. Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu: Tsɔe be ɖɔkta aɖe gblɔ na wò be nàtsri aha muame nono. Ðe ema afia ko be mele be nàno aha muame o gake àte ŋu ana woadoe na wò to wò ʋukawo me ya? Kura o! Nenema ke ʋu tsitsri fia be mele be míana wòage ɖe míaƒe lãme kura o. Eyata se si wode be míatsri ʋu fia be mele be míaɖe mɔ na ame aɖeke be wòado ʋu na mí o.

14, 15. Ne ɖɔktawo gblɔ be ele be woado ʋu na Kristotɔ aɖe la, nukae wòle be wòawɔ, eye nukatae?

14 Ke ne edzɔ be Kristotɔ aɖe xɔ abi vevie alo wòhiã be woawɔ dɔ nɛ ya ɖe? Tsɔe be ɖɔktawo gblɔ be ele be woado ʋu na amea, ne menye nenema o aku. Enye nyateƒe be Kristotɔ madi be yeaku o. Be wòakpɔ Mawu ƒe nunana xɔasi si nye eƒe agbe ta la, alɔ̃ be woawɔ atike bubu siwo me ʋu mele o na ye. Le esia ta adi atikewɔmɔnu bubu siwo li eye wòalɔ̃ axɔ atike bubu siwo woate ŋu azã ɖe ʋu teƒe.

15 Ðe Kristotɔ ate ŋu ada le Mawu ƒe se dzi kple susu be yeanɔ agbe wòagadidi vie wu le nuɖoanyi sia mea? Yesu gblɔ be: “Amesi ke be, yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔ̃e; ke amesi ke atsrɔ̃ eƒe agbe le tanye la, akpɔe.” (Mateo 16:25) Míedi kura be míaku o. Gake ne míete kpɔ be míaɖe míaƒe agbe fifia to Mawu ƒe se dzi dada me la, ke míaɖo afɔku me be agbe mavɔ nabu ɖe mí. Eyata nusi me nunya le si wòle be míawɔ  boŋ enye be míaɖo ŋu ɖe Mawu ƒe se dzɔdzɔea ŋu, kple kakaɖedzi blibo be ne edzɔ be míeku gɔ̃ hã la, míaƒe Agbenalaa aɖo ŋku mía dzi le tsitretsitsia me eye wòagbugbɔ eƒe nunana xɔasi si nye agbe ana mí.—Yohanes 5:28, 29; Hebritɔwo 11:6.

16. Nukae Mawu subɔlawo ɖo kplikpaa be yewoawɔ ku ɖe ʋu ŋu?

16 Egbea, Mawu subɔla wɔnuteƒewo ɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɖe mɔfiame si wòna ku ɖe ʋu ŋu la dzi. Womaɖu ʋu si ŋu wotrɔ asi le le mɔ aɖeke nu o. Eye womalɔ̃ woado ʋu na wo hã le atikewɔwɔ me o. * Woka ɖe edzi be Mawu si wɔ ʋu la nya nusi nye nyuitɔ kekeake na yewo. Wò hã èka ɖe edzi nenema?

MƆ ÐEKA SI KO NU WOZÃ ƲU LE WÒSƆ

17. Le blema Israel la, mɔ ɖeka si ko nu wozã ʋu le wòdze Yehowa Mawu ŋu enye ka?

17 Mose ƒe Sea te gbe ɖe mɔ ɖeka si ko nu wozã ʋu le wòsɔ dzi. Se si Yehowa de na blema Israel-viwo ku ɖe woƒe tadedeagu ŋu enye be: “Agbe le ʋu la me, eye metsɔe na mi, bena woatsɔ alé avui [le vɔsamlekpui dzi], elabena agbe le eme.” (Mose III, 17:11) Ne Israel-viwo wɔ nuvɔ̃ la, woate ŋu akpɔ tsɔtsɔke ne wotsɔ lã aɖe sa vɔe eye wokɔ eƒe ʋua ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpuia  dzi le avɔgbadɔa me, alo afisi wosaa vɔ le emegbe si nye Mawu ƒe gbedoxɔa me. Mɔ ɖeka si ko nu wozã ʋu le wòsɔ enye le vɔsasa mawo me.

18. Viɖe kple yayra kawoe míate ŋu akpɔ to Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖe anyi me?

18 Kristotɔ vavãwo megale Mose ƒe Sea te o, eyata wometsɔa lãwo saa vɔe hekɔa lãwo ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui dzi o. (Hebritɔwo 10:1) Gake ʋu zazã le vɔsamlekpui dzi le blema Israel nye kpɔɖeŋu na vɔsa xɔasi si nɔ ŋgɔ, si nye Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ƒe vɔsa. Abe alesi míesrɔ̃e le agbalẽ sia ƒe Ta 5 lia me ene la, Yesu tsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe na to eƒe ʋu kɔkɔ ɖe anyi dzi le vɔsasa me. Eyome elia yi dziƒo eye wòtsɔ eƒe ʋu si wòkɔ ɖe anyi la ƒe asixɔxɔ yi na Mawu zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu. (Hebritɔwo 9:11, 12) Eto esia wɔwɔ me ɖo nusi dzi woanɔ te ɖo atsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake  mí la anyi eye wòʋu mɔ na míaƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16) Edze ƒã be ʋu zazã nenema le vevie ale gbegbe! (Petro I, 1:18, 19) Eyata asixɔxɔ si le Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖe anyi ŋu la dzixɔxɔse me ko míate ŋu ato akpɔ xɔxɔ.

Aleke nàwɔ ade bubu agbe kple ʋu ŋu?

19. Nukae wòle be míawɔ ale be ‘mía ŋuti nakɔ tso amewo katã ƒe ʋu me’?

19 Ele be míada akpe geɖe na Yehowa Mawu ɖe nunana si nye agbe si wòtsɔ na mí lɔlɔ̃tɔe la ta! Eye ɖe mele be esia naʋã mí be míagblɔ mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi be míakpɔ agbe mavɔ to Yesu ƒe vɔsa dzixɔxɔse me la ŋu nya na ame bubuwo hã oa? Ne míetsɔa ɖe le mía haviwo ƒe agbe me abe alesi Mawu tsɔa ɖe le emee ene la, aʋã mí be míatsɔ didi vevie kple dzonɔameme agblɔ eŋu nya na wo. (Xezekiel 3:17-21) Ne míetsɔ kutrikuku wɔ dɔ sia wu enu la, ekema míate ŋu agblɔ abe alesi apostolo Paulo gblɔe ene, be: “Ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me. Elabena nyemegbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã gbɔgblɔ fia mi o.” (Dɔwɔwɔwo 20:26, 27) Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi míato aɖee afia be míedea bubu gãtɔ kekeake agbe kple ʋu ŋu enye be míafia nu amewo tso Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu.

^ mm. 16 Hena nyatakaka ku ɖe atike bubu siwo woate ŋu awɔ ɖe ʋudodo teƒe ŋu la, kpɔ Eŋlisigbe alo Fransegbe me gbalẽ gbadza si nye How Can Blood Save Your Life? (Comment le sang peut-il vous sauver la vie?), si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 13-17.