Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA WUIENE

Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me

Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me
  • Nukae wòfia be woanye srɔ̃ŋutsu nyui?

  • Aleke woawɔ anye srɔ̃nyɔnu nyui?

  • Nukae wòbia be woanye dzila nyui?

  • Aleke ɖeviwo hã ate ŋu ana dzidzɔ nanɔ ƒomea mee?

1. Nu vevi kae nana dzidzɔ nɔa ƒomea me?

YEHOWA MAWU di be dzidzɔ nanɔ wò ƒomea me. Eƒe Nya, Biblia, na mɔfiamewo ƒomea me tɔ ɖesiaɖe, eye wògblɔ akpa si Mawu di be amesiame nawɔ. Ne ƒomea me tɔwo wɔ woƒe akpa dzi abe alesi Mawu ɖo aɖaŋui ene la, ehea dzidzeme geɖe vanɛ. Yesu gblɔ be: “Woayra amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm.”—Luka 11:28.

2. Nuka nyanya dzie ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ nɔa te ɖo?

2 Nusi koŋ naa dzidzɔ nɔa ƒomea mee nye nu vevi aɖe nyanya, be Yehowa, amesi Yesu yɔ be “Mía Fofo,” gbɔe ƒomea dzɔ tso. (Mateo 6:9) Mía Fofo si le dziƒo ye na ƒome sia ƒome si le anyigba dzi la li—eye eyae nya nusi naa ƒomewo kpɔa dzidzɔ. (Efesotɔwo 3:14, 15) Ke nukae nye Biblia ƒe nufiafia ku ɖe akpa si wòle be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nawɔ ŋu?

MAWUE ÐO ƑOMEA ANYI

3. Aleke Biblia ƒo nu tso ameƒomea ƒe gɔmedzedze ŋu, eye aleke míewɔ nya be nya si wògblɔ nye nyateƒe?

3 Yehowa wɔ ame eve gbãtɔ siwo nye Adam kple Xawa be woanɔ anyi ɖekae anye srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu. Eda wo ɖe paradisoƒe dzeani aɖe—si nye Eden-bɔ—me le anyigba dzi  eye wògblɔ na wo be woadzi vi. Yehowa gblɔ be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi.” (Mose I, 1:26-28; 2:18, 21-24) Menye ŋutinya dzro alo nyakpakpa aɖe koe nya sia nye o, elabena Yesu ɖee fia be nya si wogblɔ le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me ku ɖe amegbetɔƒomea ƒe gɔmedzedze ŋu la nye nyateƒe. (Mateo 19:4, 5) Togbɔ be egbea míele kuxi geɖe me tom eye menye aleae Mawu ɖoe be agbea nanɔ o hã la, mina míakpɔ nusita wòanya wɔ be dzidzɔ nanɔ ƒomea me ɖa.

4. (a) Aleke ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ate ŋu ana dzidzɔ nanɔ ƒomea mee? (b) Nukatae nu sɔsrɔ̃ tso Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu hiã vevie be dzidzɔ nanɔ ƒomea me?

4 Ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ate ŋu ana dzidzɔ nanɔ ƒomea me nenye be esrɔ̃ Mawu le lɔlɔ̃ ɖeɖefia me. (Efesotɔwo 5:1, 2) Gake aleke míawɔ asrɔ̃ Mawu, esi wònye míate ŋu akpɔe o? Míate ŋu asrɔ̃ nu tso alesi Yehowa wɔa nui ŋu ne míekpɔ alesi eƒe Ŋgɔgbevi si wòdɔ tso dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi la va wɔ nui. (Yohanes 1:14, 18) Esime Vi sia, si nye Yesu Kristo, nɔ anyigba dzi la, eɖe Fofoa si le dziƒo ƒe nɔnɔme fia nyuie ale gbegbe be Yesu kpɔkpɔ kple toɖoɖoe nɔ ko abe Yehowa gbɔ nɔnɔ kple toɖoɖo Eyama ene. (Yohanes 14:9) Eyata ne mía dometɔ ɖesiaɖe srɔ̃ nu tso lɔlɔ̃ si Yesu ɖe fia ŋu eye míedze eƒe kpɔɖeŋu yome la, míana dzidzɔ geɖe wu nanɔ míaƒe ƒomea me.

YESU ÐO KPƆÐEŊU NA SRƆ̃ŊUTSUWO

5, 6. (a) Aleke alesi Yesu wɔa nu ɖe hamea ŋui la nye kpɔɖeŋu na srɔ̃ŋutsuwo? (b) Nukae wòle be ame nawɔ be woatsɔ eƒe nuvɔ̃wo akee?

5 Biblia la gblɔ be ele be srɔ̃ŋutsuwo nawɔ nu ɖe wo srɔ̃wo ŋu abe alesi Yesu wɔ nu ɖe eƒe apostolowo ŋui ene. Bu Biblia ƒe mɔfiame sia ŋu kpɔ: ‘Mi ŋutsuwo la, miyi edzi mialɔ̃ mia ŋutɔ mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene. Nenema ke wòle na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. Amesi lɔ̃a ye ŋutɔ srɔ̃ la, elɔ̃a eɖokui; elabena ame aɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòkpɔa  edzi, abe alesi Kristo hã wɔna na hame la ene.’Efesotɔwo 5:23, 25-29.

6 Alesi Yesu lɔ̃ eƒe nusrɔ̃la siwo ƒo ƒu wɔ hame la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na srɔ̃ŋutsuwo. Yesu ‘lɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu,’ eye wòtsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe wo ta togbɔ be wonye ame madeblibowo hã. (Yohanes 13:1; 15:13) Nenema ke woxlɔ̃ nu srɔ̃ŋutsuwo be: ‘Miyi edzi mialɔ̃ mia srɔ̃wo, eye migawɔ dɔmevevi le wo ŋu o.’ (Kolosetɔwo 3:19) Nukae akpe ɖe srɔ̃ŋutsu ŋu be wòawɔ ɖe nuxlɔ̃ame ma dzi, vevietɔ ne srɔ̃a mewɔa nu le nuŋububu nyuie me ɣeaɖewoɣi o? Ele be wòaɖo ŋku edzi be ye ŋutɔ hã yewɔa vodada, eye wòaɖo ŋku nusi wòle be wòawɔ be Mawu natsɔe akee dzi. Nukae wòle be wòawɔ? Ele be wòatsɔ amesiwo wɔ nuvɔ̃ ɖe eŋu la ƒe nuvɔ̃wo ake wo, srɔ̃a tɔwo hã le eme. Eye ele be srɔ̃nyɔnua hã nawɔ nenema ke. (Mateo 6:12, 14, 15) Èkpɔ nusita ame aɖewo gblɔna be srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ le ye nye esi me ame evea lɔ̃na faa tsɔ kea wo nɔewoa?

7. Aleke Yesu bu eƒe nusrɔ̃lawo ŋui, eye kpɔɖeŋu kae wòɖo na srɔ̃ŋutsuwo?

7 Anyo be srɔ̃ŋutsuwo nade dzesii hã be Yesu bua eƒe nusrɔ̃lawo ŋu ɣesiaɣi. Ebu woƒe ŋutetewo ƒe seɖoƒe kple woƒe nuhiahiãwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi ɖeɖi te wo ŋu la, egblɔ na wo be: “Miva, ne míawo ɖeɖe míayi gbedzi, ne míadzudzɔ mía ɖokui ʋɛ.” (Marko 6:30-32) Nenema ke wòle be woabu srɔ̃nyɔnuwo hã ŋui. Biblia gblɔ tso wo ŋu be wonye “gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo,” eye wòde se na srɔ̃ŋutsuwo be ‘woatsɔ bubu ana wo.’ Nukatae? Elabena srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo siaa nye “agbe ƒe amenuveve hadomenyilawo.” (Petro I, 3:7) Srɔ̃ŋutsuwo naɖo ŋku edzi be nusi xɔ asi le Mawu ŋkumee nye nuteƒewɔwɔ, ke menye ame ƒe ŋutsu alo nyɔnu nyenyee o.—Psalmo 101:6.

8. (a) Mɔ ka nue srɔ̃ŋutsu si “lɔ̃a ye ŋutɔ srɔ̃ la, elɔ̃a eɖokui” le? (b) Nukae wòfia ne wogblɔ be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a wonye “ŋutilã ɖeka”?

8 Biblia gblɔ be srɔ̃ŋutsu si “lɔ̃a ye ŋutɔ srɔ̃ la, elɔ̃a eɖokui.”  Nusitae nye be Yesu ɖee fia be ŋutsu kple srɔ̃a ‘meganye ame eve azɔ o, negbe ŋutilã ɖeka ko.’ (Mateo 19:6) Le esia ta mele be wo dometɔ aɖeke nadɔ kple ame bubu aɖeke o. (Lododowo 5:15-21; Hebritɔwo 13:4) Nusi akpe ɖe wo ŋu le esia mee nye be woatsɔ ɖe le wo nɔewo ƒe nuhiahiãwo me, ke menye wo ɖokui tɔ ko me o. (Korintotɔwo I, 7:3-5) Ŋkuɖodzinya sia sɔ nyuie be: ‘Ame aɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòkpɔa edzi.’ Ehiã be srɔ̃ŋutsu nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene, eye wòaɖo ŋku edzi be yeabu esia ŋuti kɔnta na amesi te yele, si nye Yesu Kristo.—Efesotɔwo 5:29; Korintotɔwo I, 11:3.

9. Yesu ƒe nɔnɔme ka ŋue woƒo nu tsoe le Filipitɔwo 1:8, eye nukata wòle be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu nenema ɖe srɔ̃a ŋu?

9 Apostolo Paulo ƒo nu tso alesi ‘Yesu Kristo ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋui’ ŋu. (Filipitɔwo 1:8) Alesi Yesu wɔa nu ɖe ame ŋu tufafatɔe la naa dzidzeme ame, eye eƒe nɔnɔme sia lé dzi na nyɔnu siwo va zu eƒe nusrɔ̃lawo. (Yohanes 20:1, 11-13, 16) Nenemae srɔ̃nyɔnu dina vevie be ye srɔ̃ nawɔ nu ɖe ye ŋui le dɔmetɔtrɔ kple tufafa me.

KPƆÐEŊU NA SRƆ̃NYƆNUWO

10. Aleke Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na srɔ̃nyɔnuwoe?

10 Habɔbɔe ƒomea nye, eyata be wòawɔ dɔ nyuie la, ehiã be ta nanɔ esi. Yesu gɔ̃ hã bɔbɔna ɖe Ame aɖe si nye eƒe Ta te. “Kristo ƒe ta enye Mawu” abe alesi ko “nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu” ene. (Korintotɔwo I, 11:3) Esi ame aɖe li si ƒe tanyenye te mí katã míele, si nye amesi te wòle be míabɔbɔ ɖo ta la, alesi Yesu bɔbɔ eɖokui ɖe Mawu ƒe tanyenye tee la zu kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí.

11. Nɔnɔme kae wòle be srɔ̃nyɔnu naɖe afia srɔ̃a, eye ŋusẽ kae eƒe agbenɔnɔ ate ŋu akpɔ ɖe ŋutsua dzi?

11 Ame madeblibowo wɔa vodada, eyata zi geɖe ŋutsuwo mete ŋu wɔa woƒe tanyenye ŋudɔ le mɔ nyuitɔ kekeake nu o. Ke nukae wòle be srɔ̃nyɔnu nawɔ? Mele be wòabui be nusi wɔm ye srɔ̃ le mele ɖeke me o alo ate kpɔ be yeaxɔ tanyenyea  le esi o. Anyo be srɔ̃nyɔnu naɖo ŋku edzi be gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo xɔ asi ŋutɔ le Mawu ŋkume. (Petro I, 3:4) Ne srɔ̃nyɔnu ɖea nɔnɔme sia fiana le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me la, anɔ bɔbɔe nɛ be wòabɔbɔ eɖokui abe alesi Mawu ɖoe ene. Gawu la, Biblia gblɔ be: ‘Ele be srɔ̃nyɔnu natsɔ bubu deto ana srɔ̃a.’ (Efesotɔwo 5:33) Gake ne edzɔ be ŋutsua ya mebɔbɔ ɖe Kristo, si nye eƒe Ta, te o ɖe? Biblia xlɔ̃ nu srɔ̃nyɔnuwo be: “Mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne ame aɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔ la naɖe wo, esi wokpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ [kple bubu deto] ɖa la.”—Petro I, 3:1, 2.

12. Nukata menye nu gbegblẽ be srɔ̃nyɔnu nado eƒe susu ɖa le bubumɔ nu o?

12 Ne srɔ̃nyɔnu do susu aɖe ɖa tufafatɔe si to vovo na srɔ̃a, si nye xɔsetɔ alo dzimaxɔsetɔ ƒe susu la, ema mefia be mede bubu eŋu o. Ate ŋu anye be nyɔnua ƒe nukpɔsusua nyo, eye ate ŋu aɖe vi na ƒome bliboa ne ŋutsua ɖo toe. Togbɔ be susu aɖe si Abraham srɔ̃ Sara do ɖa be woatsɔ akpɔ ƒomekuxi aɖe gbɔ medze ŋutsua ŋu o hã la, Mawu gblɔ nɛ be: “Ðo to Sara.” (Mose I, 21:9-12) Ne srɔ̃ŋutsu wɔ nyametsotso mamlɛa le nya aɖe si metsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu o me la, enye ɖokuibɔbɔ ɖeɖefia be nyɔnua nawɔ ɖeka kplii.—Dɔwɔwɔwo 5:29; Efesotɔwo 5:24.

Kpɔɖeŋu nyui kae Sara ɖo ɖi na srɔ̃nyɔnuwo?

13. (a) Nukae Tito 2:4, 5 xlɔ̃ nu srɔ̃nyɔnuwo be woawɔ? (b) Nukae Biblia gblɔ tso kaklã kple srɔ̃gbegbe ŋu?

13 Srɔ̃nyɔnu ate ŋu awɔ nu vovovowo le beléle na ƒomea me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ na srɔ̃nyɔnuwo be ele be “woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwo, woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒeme dɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo, eye woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔ wo srɔ̃wo.” (Tito 2:4, 5) Srɔ̃nyɔnu vidada si wɔa nusiawo ƒe nu anyo eƒe ƒomea ŋu godoo eye woalɔ̃e ahade bubu eŋu ɣesiaɣi. (Lododowo 31:10, 28) Gake esi wònye be ame madeblibo evee va wɔ ɖeka le srɔ̃ɖeɖe me ta la, ate ŋu adzɔ be nɔnɔme sesẽ aɖewo nahe kaklã alo srɔ̃gbegbe vɛ. Biblia ɖe mɔ ɖe kaklã ŋu le nɔnɔme aɖewo me.  Gake kaklã ɖa tso ame nɔewo gbɔ nye ŋkubiãnya, eyata Biblia na nuxlɔ̃ame sia be: “Nyɔnu nagagbe srɔ̃a o . . . eye ŋutsu hã nagagbe srɔ̃a o.” (Korintotɔwo I, 7:10, 11) Nusi dzi Ŋɔŋlɔawo da asi ɖo si dzi woanɔ te ɖo agbe srɔ̃ koe nye ne wo dometɔ ɖeka wɔ ahasi.—Mateo 19:9.

KPƆÐEŊU DEBLIBO NA DZILAWO

14. Aleke Yesu wɔ nu ɖe ɖeviwo ŋui, eye nukae ɖeviwo hiã tso wo dzilawo gbɔ?

14 Yesu ɖo kpɔɖeŋu deblibo aɖe ɖi na dzilawo le alesi wòwɔ nu ɖe ɖeviwo ŋui me. Esi amewo nɔ mɔ xem ɖe ɖeviwo nu be woagate ɖe Yesu ŋu o la, egblɔ na wo be: “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o.” Biblia gblɔ be “esi wòlé wo ɖe eƒe akɔnu la, eyra wo, le esime wòda asi ɖe wo dzi.” (Marko 10:13-16) Esi Yesu kpɔ vovo ɖe ɖeviwo ŋu ɖe, ɖe mele be miawo hã miakpɔ vovo ɖe mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo ŋu oa? Menye miaƒe ɣeyiɣi suesue aɖewo kpɔkpɔ ɖe wo ŋue wohiã o, ke boŋ wohiã ɣeyiɣi geɖe. Ele vevie be dzilawo nazã ɣeyiɣi atsɔ afia nu wo viwo, elabena emae nye nusi Yehowa bia tso wo si be woawɔ.—Mose V, 6:4-9.

15. Nukae dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ wo viwo tae?

 15 Esi xexe sia le vɔ̃ɖivɔ̃ɖim ɖe edzi ta la, nusi ɖeviwo hiãe nye dzila siwo akpɔ wo ta tso amesiwo dina be yewoagblẽ nu le wo ŋu, abe amesiwo tsɔa agbegbegblẽnɔnɔ ɖoa mɔ̃e na wo ene, la si me. Bu alesi Yesu kpɔ eƒe nusrɔ̃la siwo wòyɔna vividoɖeameŋutɔe be “vinyewo” tae ŋu kpɔ. Esi wolé Yesu eye wònya be woawu ye kpuie la, edi mɔnu aɖe na eƒe nusrɔ̃lawo si dzo. (Yohanes 13:33; 18:7-9) Dzilawo, ele be mianɔ ŋudzɔ ɖe Abosam ƒe agbagbadzedze be yeagblẽ nu le mia viwo ŋu la ŋu. Ehiã be miaxlɔ̃ nu wo do ŋgɔ. * (Petro I, 5:8) Ðeviwo  dze ŋgɔ ŋutilã me, mawusubusubɔ me, kple agbenyuinɔnɔ me fɔku dziŋɔwo fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe.

Nukae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yesu wɔ nu ɖe ɖeviwo ŋui me?

16. Nukae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yesu wɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ƒe blibomademade ŋui me?

16 Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, eƒe nusrɔ̃lawo ʋli nya le amesi nye gãtɔ wu le wo dome ŋu. Yesu medo dziku ɖe wo ŋu o, ke boŋ eyi edzi xlɔ̃ nu wo lɔlɔ̃tɔe to nuƒoƒo na wo kple kpɔɖeŋu ɖoɖo na wo me. (Luka 22:24-27; Yohanes 13:3-8) Dzilawo, ɖe miekpɔ alesi miate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le alesi miaɖɔ mia viwo ɖoe mea? Ele eme baa be woahiã tohehe ya, gake ele be woawɔ esia “ɖe ɖoɖo nu,” alo va ɖo afisi sɔ, eye menye le dziku me gbeɖe o. Mele be miada gbe ɖe wo “abe yitɔame ene” o. (Yeremya 30:11; Lododowo 12:18) Ele be nàna hehe viwòwo ale be woava kpɔe emegbe be mɔ si nu nèna hehe yewo le la sɔ nyuie vavã.—Efesotɔwo 6:4; Hebritɔwo 12:9-11.

KPƆÐEŊU NA ÐEVIWO

17. Mɔ kawo nue Yesu ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na ɖeviwo le?

17 Ke ɖe ɖeviwo hã ate ŋu asrɔ̃ nu tso Yesu gbɔa? Ẽ, woate ŋui! Yesu to kpɔɖeŋu si eya ŋutɔ ɖo ɖi dzi ɖe alesi wòle be ɖeviwo naɖo to wo dzilawoe fia. Egblɔ be: “Abe alesi Fofonye fiam ene la, nu mawo ke megblɔna.” Egblɔ kpee be: “Nye la mewɔa nusi dzea eŋu ɖaa.” (Yohanes 8:28, 29) Yesu ɖo to Fofoa si le dziƒo, eye Biblia gblɔ na ɖeviwo hã be woaɖo to wo dzilawo nenema ke. (Efesotɔwo 6:1-3) Togbɔ be ame debliboe Yesu nye tso ɖevime ke hã la, eɖo to dzilaa amegbetɔ madeblibo siwo nye Yosef kple Maria. Esia ana ƒome si me Yesu nɔ la me tɔ ɖesiaɖe nakpɔ dzidzɔ godoo!—Luka 2:4, 5, 51, 52.

18. Nukatae Yesu ɖo to Fofoa si le dziƒo ɣeawokatãɣi, eye amekawoe akpɔ dzidzɔ ne ɖeviwo ɖo to wo dzilawo egbea?

18 Ðeviwo, ɖe miate ŋu ade dzesi mɔ siwo dzi miato asrɔ̃ Yesu ale be miaƒe nuwɔna nado dzidzɔ na mia dzilawoa? Nyateƒee, ɣeaɖewoɣi ewɔna na sɔhɛwo be toɖoɖo yewo  dzilawo sesẽna, gake emae nye nusi Mawu bia tso viwo si be woawɔ. (Lododowo 1:8; 6:20) Yesu ɖo to Fofoa si le dziƒo ɣeawokatãɣi, le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Ɣeaɖeɣi le nu sesẽ aɖe si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si wòle be Yesu nawɔ me la, egblɔ be: “Tsɔ kplu sia [nusi wodi tso esi] yii le gbɔnye.” Ke hã Yesu wɔ nusi Mawu di tso esi, elabena enyae be ye Fofoe nye amesi nya nusi nye nyuitɔ. (Luka 22:42) Ne ɖeviwo hã srɔ̃ toɖoɖo la, woana wo dzilawo kple wo Fofo si le dziƒo nakpɔ dzidzɔ geɖe. *Lododowo 23:22-25.

Nuka ŋue wòle be sɔhɛwo nabu ne woɖo tetekpɔ me?

19. (a) Aleke Satana tea ɖeviwo kpɔnae? (b) Dɔ kae ɖeviwo ƒe nugbegblẽwɔwɔ wɔna ɖe dzilawo dzi?

19 Esi Abosam te Yesu kpɔ ta la, míate ŋu akpɔ mɔ be ate ɖeviwo hã kpɔ be woawɔ nu gbegblẽ. (Mateo 4:1-10) Satana Abosam zãa hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu, eye tenɔnɔ ɖe nusia nu te ŋu sesẽna. Ekema aleke gbegbe wòle vevie be ɖeviwo nagade ha gbegblẽ o enye si! (Korintotɔwo I, 15:33) Yakob vinyɔnu Dina de ha kple amesiwo mesubɔa Yehowa o, eye esia kplɔe de kuxi gã aɖe me. (Mose I, 34:1, 2) Wò ya bu alesi gbegbe wòave ƒome bliboae ne ƒomea me tɔ aɖe ƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me ŋu kpɔ!—Lododowo 17:21, 25.

 NU VEVI SI NANA ƑOMEWO KPƆA DZIDZƆ

20. Nukae wòle be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nawɔ be dzidzɔ nanɔ ƒomea me?

20 Biblia ƒe nuxlɔ̃amewo dzi wɔwɔ nana wònɔa bɔbɔe be woakpɔ ƒomekuxiwo gbɔ. Le nyateƒe me la, eƒe nuxlɔ̃amewo dzi wɔwɔe nye nu vevi si nana ƒomewo kpɔa dzidzɔ. Eyata srɔ̃ŋutsu, lɔ̃ srɔ̃wò, eye nàwɔ nu ɖe eŋu abe alesi Yesu wɔ nu ɖe eƒe hamea ŋui ene. Srɔ̃nyɔnu, bɔbɔ ɖokuiwò ɖe srɔ̃wò ƒe tanyenye te, eye nàsrɔ̃ nyɔnu zãzɛ si ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo 31:10-31 ƒe kpɔɖeŋu. Dzilawo, mina hehe mia viwo. (Lododowo 22:6) Vifofowo, ‘mikpɔ miaƒe aƒe dzi nyuie.’ (Timoteo I, 3:4, 5; 5:8) Eye ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo. (Kolosetɔwo 3:20) Ƒomea me tɔ aɖeke mede blibo o, amesiame wɔa vodada. Eyata mibɔbɔ mia ɖokui na mia nɔewo, eye mibia tsɔtsɔke tso mia nɔewo gbɔ.

21. Mɔkpɔkpɔ nyui kawoe le ŋgɔ na mí, eye aleke míawɔ ana dzidzɔ nanɔ ƒomea me fifia?

21 Nyateƒee, nuxlɔ̃ame kple mɔfiame nyui gbogbo aɖewo le Biblia me ku ɖe ƒomegbenɔnɔ ŋu. Azɔ hã, egafia nu mí tso xexeme yeye si Mawu ahe vɛ kple anyigba dzi paradiso si me ameƒome kpɔdzidzɔ siwo subɔa Yehowa anɔ la ŋu. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Mɔkpɔkpɔ nyui kawo gbegbee nye si le ŋgɔ na mí! Fifia kura gɔ̃ hã, míate ŋu ana dzidzɔ nanɔ ƒomea me to Mawu ƒe nufiame siwo le eƒe Nya, Biblia, me dzi wɔwɔ me.

^ mm. 15 Àkpɔ alesi nàwɔ akpɔ viwòwo tae ŋuti mɔfiamewo le agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe ta 32 lia me.

^ mm. 18 Ne dzila aɖe bia tso via si be wòawɔ nane si nye dada le Mawu ƒe se dzi ko hafi wòasɔ be ɖevia nagbe toɖoɖoe.—Dɔwɔwɔwo 5:29.