Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA WUIADE

Ðoe Kplikpaa Nànɔ Subɔsubɔha Vavãtɔ Me

Ðoe Kplikpaa Nànɔ Subɔsubɔha Vavãtɔ Me
  • Nukae nye Biblia ƒe nufiafia ku ɖe legbawo ŋu?

  • Aleke Kristotɔwo bua subɔsubɔhawo ƒe ŋkekenyuiwoe?

  • Aleke nàwɔ aɖe wò dzixɔsewo me na amewo nyuie be woagado dziku o?

1, 2. Nya kawoe wòle be nàbia ɖokuiwò ne èdo le alakpasubɔsubɔ me vɔ megbe, eye nukatae nèbu be nya sia le vevie?

TSƆE BE èva de dzesii be aɖi xɔ yame katã le nuto si me nèle. Ame aɖe tsɔa dɔwɔƒewo ƒe gbeɖuɖɔ si zu aɖi wuame va nɔa kɔkɔm ɖe nutoa me le bebeme, ale be amewo ƒe agbe va ɖo afɔku me azɔ. Nukae nàwɔ? Ðikeke mele eme o be àwɔ kaba alesi nàte ŋui adzo le nutoa me. Gake le dzodzo vɔ megbe la, àganɔ ɖokuiwò biam se kokoko be, ‘Ðe megbɔ aɖiya sia xoxoa?’

2 Nɔnɔme ma tɔgbe kee do mo ɖa ku ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu. Biblia fia nu be wotsɔ nufiafia kple nuwɔna makɔmakɔwo ƒo ɖi subɔsubɔ mawo. (Korintotɔwo II, 6:17) Ema tae wòle vevie be nàdo le “Babilon gã,” si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe, la me ɖo. (Nyaɖeɖefia 18:2, 4) Èdo le eme xoxoa? Ne èwɔ afɔɖeɖe sia vɔ la, ke èdze na kafukafu. Gake nu geɖe gahiã wu dodo le alakpasubɔsubɔha me alo ŋkɔwò ɖeɖeɖa le eme ko. Le ema wɔwɔ vɔ megbe la, egahiã be nàbia ɖokuiwò be, ‘Ðe megakpɔa gome le alakpasubɔsubɔhawo ƒe nuwɔna aɖewo me kokokoa?’ Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

 LEGBAWO KPLE TƆGBUI KUKUWO SUBƆSUBƆ

3. (a) Nukae Biblia gblɔ tso legbawo ŋu, eye nukata wòasesẽ na ame aɖewo be woaxɔ Mawu ƒe nukpɔsusu le nya sia ŋu? (b) Nukae wòle be nàwɔ tso nusianu si wozãna le alakpasubɔsubɔ me si anɔ asiwò ŋu?

3 Legbawo kple trɔ̃xɔwo le ame aɖewo si le wo ƒeme ƒe gbogbo aɖewoe nye sia. Wole wò hã asiwòa? Ke ɖewohĩ ema ana nàse le ɖokuiwò me be manya wɔ be woado gbe ɖa na Mawu nu mawo siwo wokpɔna la manɔmee o. Ðewohĩ wò dzi ku ɖe nu mawo dometɔ aɖewo ŋu vevie gɔ̃ hã. Gake Mawue agblɔ mɔ si dzi wòle be míato asubɔe, eye Biblia fia nu be medi be míazã aklama kpakpɛwo alo legbawo kura o. (Mose II, 20:4, 5; Psalmo 115:4-8; Yesaya 42:8; Yohanes I, 5:21) Eyata àte ŋu ava nɔ subɔsubɔha vavãtɔ me ne èɖe asi le nusianu si wozãna le alakpasubɔsubɔ me si anɔ asiwò ŋu. Ehiã godoo be nàbu wo abe alesi Yehowa bua woe ene—be wonye “ŋunyɔnu.”—Mose V, 27:15.

4. (a) Aleke míewɔ nya be tɔgbui kukuwo subɔsubɔ nye nu dzodzro? (b) Nukatae Yehowa de se na eƒe amewo be woagakpɔ gome le gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔna aɖeke me o?

4 Tɔgbui kukuwo subɔsubɔ hã bɔ ɖe alakpasubɔsubɔ  vovovowo me. Hafi ame aɖewo nava srɔ̃ Biblia me nyateƒea la, woxɔe se be kukuawo gale agbe le gbɔgbɔmenutowo me eye be woate ŋu akpe ɖe agbagbeawo ŋu loo alo awɔ nuvevi wo. Ðewohĩ èdzea agbagba vevie tsã be yeawɔ nusiwo afa dzi na tɔgbui kukuwo. Gake abe alesi nèsrɔ̃e le agbalẽ sia ƒe Ta 6 lia me ene la, kukuawo megale agbe le afi aɖeke o. Le esia ta, agbagba ɖesiaɖe si woadze be woaƒo nu kpli wo la nye nu dzodzro. Le nyateƒe me la, gbɔgbɔ vɔ̃woe gblɔa nya ɖesiaɖe si adze abe míaƒe ame vevi siwo ku gbɔe wotso ene la. Esia tae Yehowa de se na Israel-viwo be woagate kpɔ be yewoaƒo nu kple kukuawo alo be yewoakpɔ gome le gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔna ƒomevi aɖeke me o.—Mose V, 18:10-12.

5. Ne èsubɔa legbawo alo tɔgbui kukuwo tsã la, nukae nàte ŋu awɔ?

5 Nukae nàte ŋu awɔ ne èsubɔa legbawo alo tɔgbui kukuwo tsã? Ele be nàxlẽ Biblia ƒe kpukpui siwo fia alesi Mawu bua nusiawoe, eye nàde ŋugble le wo ŋu. Ele be nàtsɔ alesi nèɖoe kplikpaa be yeanɔ subɔsubɔha vavãtɔ me la ade gbedodoɖa me na Yehowa gbesiagbe, eye nàbiae be wòakpe ɖe ye ŋu eƒe nukpɔsusu le nuwo ŋu nanɔ ye hã ye si.—Yesaya 55:9.

KRISTOTƆ GBÃTƆWO MEÐU KRISTMAS O

6, 7. (a) Nuka ƒe azãe amewo gblɔna be Kristmas nye, eye ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ɖuia? (b) Le Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo ŋɔli la, amekawoe ɖua dzigbezãwo?

6 Alakpasubɔsubɔhawo ƒe azã nyanyɛwo ɖuɖu ate ŋu aƒo ɖi ame ƒe subɔsubɔ. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye Kristmas ɖuɖu. Wogblɔna be Kristmas nye azã si woɖuna tsɔ ɖoa ŋku Yesu Kristo ƒe dzigbe dzi, eye subɔsubɔha siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la katã kloe ɖunɛ. Gake kpeɖodzi aɖeke meli be Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ɖu azã ma o. Agbalẽ si nye Sacred Origins of Profound Things (Nu Vevi Kɔkɔewo Dzɔtsoƒe) gblɔ be: “Ƒe alafa eve le Kristo dzidzi megbe la, ame aɖeke menya eƒe dzigbeŋkeke o, eye ame akpa gãtɔ metsɔ ɖeke le esia nyanya me hã o.”

 7 Ne ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nya ŋkeke si dzi wodzii gɔ̃ hã la, womaɖu eƒe dzigbezã o. Nukatae? Elabena numekugbalẽ si nye The World Book Encyclopedia gblɔ be Kristotɔ gbãtɔwo “bua dzigbezã ɖuɖu be enye trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu.” Fia eve siwo menye Yehowa subɔlawo o ƒe dzigbezãɖuɖu ŋu koe Biblia ƒo nu tsoe. (Mose I, 40:20; Marko 6:21) Trɔ̃subɔlawo ɖua woƒe mawuwo ƒe dzigbezãwo hã. Le kpɔɖeŋu me, Romatɔwo ɖua woƒe mawunɔ Diana ƒe dzigbezã le May 24 lia dzi. Eye le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, woɖua ɣemawu Apollo ƒe dzigbezã. Eyata trɔ̃subɔsubɔ mee dzigbezãɖuɖu dzɔ tso, ke menye Kristotɔwo gbɔe wòdzɔ tso o.

8. Ðe ɖekawɔwɔ si le dzigbezãwo ɖuɖu kple aʋatsodzixɔse dome la me.

8 Susu bubu aɖe hã gali si ta Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me maɖu Yesu ƒe dzigbezã o. Ðewohĩ eƒe nusrɔ̃lawo nya be dzigbezãwo ɖuɖu do ƒome kple aʋatsodzixɔse. Le kpɔɖeŋu me, Hela kple Romatɔ geɖe siwo nɔ anyi le blema xɔe se be gbɔgbɔ aɖe vana le amegbetɔ ɖesiaɖe dziɣi eye wòkpɔa amea ta le eƒe agbenɔŋkekewo katã me. Agbalẽ si The Lore of Birthdays (Dzigbezãɖuɖu Dzixɔsewo) gblɔ be: “Ƒomedodo wɔnuku aɖe va nɔa gbɔgbɔ sia kple mawu si ƒe dzigbeŋkeke dzi wodzi amea le la dome.” Míenya nyuie be Yehowa makpɔ ŋudzedze ɖe azã ɖesiaɖe si ana kadodo aɖe nanɔ aʋatsodzixɔse kple Yesu dome ŋu kura o. (Yesaya 65:11, 12) Ke aleke wòdzɔe be ame akpa gãtɔ va le Kristmas ɖum?

AFISI KRISTMAS DZƆ TSO

9. Aleke wòdzɔe be wova tsɔ December 25 lia be wòanye ŋkeke si dzi woaɖu Yesu ƒe dzigbezã?

9 Ƒe alafa geɖe le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ megbe hafi amewo va dze eƒe dzigbezã ɖuɖu gɔme le December 25 lia dzi. Evɔ menye ŋkeke ma dzie wodzi Yesu o, anye October me boŋue. * Ke nukatae wotia December 25 lia? Anye be esi ame aɖewo siwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye la “di be ŋkekea  nadze Romatɔ trɔ̃subɔlawo ƒe azã si nye ‘ɣe si dzi womeɖuna o ƒe dzigbezã’ dzi” tae. (The New Encyclopædia Britannica) Le vuvɔŋɔli esime wòdzena abe ɖe ɣea gbɔdzɔ ene la, trɔ̃subɔlawo wɔa kɔnuwo be woatsɔ ana ɣe si naa dzoxɔxɔ kple kekeli natrɔ agbɔ tso eƒe mɔ legbea zɔzɔ me. Wobui be December 25 lia dzie ɣea gadzea mɔ. Esi subɔsubɔhakplɔlawo nɔ didim be yewoana trɔ̃subɔlawo natrɔ dzime ta la, wova xɔ woƒe azã sia eye wodze agbagba be yewoana wòadze abe “Kristotɔwo” ƒe azãe wònye ene. *

10. Nukatae ame aɖewo meɖua Kristmas tso ɣeaɖeɣi ke vaseɖe fifia o?

10 Amewo nya ɣeyiɣi didi aɖee nye sia be trɔ̃subɔsubɔ mee Kristmas dzɔ tso. Esi azã sia mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o ta la, wode se ɖe eɖuɖu nu le England kple le nuto aɖewo siwo dzi ɖum wonɔ me le Amerika le ƒe alafa 17 lia me. Wodoa fe na amesiame si agbe dɔmeyiyi le Kristmas-ŋkeke dzi gɔ̃ hã. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, amewo gatrɔ ɖe azãa ɖuɖu me kɔnu xoxoawo ŋu eye wotsɔ kɔnu yeyewo kpee gɔ̃ hã. Kristmas gava zu ŋkeke vevi aɖe, eye wòkpɔtɔ nye ŋkeke vevi le dukɔ geɖe me vaseɖe egbegbe. Gake esi wònye be alakpasubɔsubɔ mee Kristmas dzɔ tso ta la, amesiwo dina be yewoadze Mawu ŋu meɖunɛ alo ɖua azã bubu ɖesiaɖe si dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me o. *

 ÐE AFISI AZÃWO DZƆ TSO LE VEVIEA?

11. Nukatae ame aɖewo ɖua ŋkekenyuiwo, gake nukae wòle be míadi vevie be míawɔ?

11 Ame aɖewo lɔ̃ ɖe edzi be trɔ̃subɔsubɔ mee ŋkekenyuiwo abe Kristmas ene dzɔ tso, gake wosusuna be wo ɖuɖu megblẽ o. Woƒe susu enye be menye trɔ̃subɔsubɔ ŋue amewo buna ne wole azã mawo ɖum o. Wogblɔna be ŋkekenyui mawo naa mɔnukpɔkpɔ ƒometɔwo be woagava wɔ ɖeka. Aleae wò hã nèbunɛa? Ne aleae la, ekema menye esi nèlɔ̃ trɔ̃subɔsubɔ tae o ke boŋ anye be lɔlɔ̃ si le mewò na ƒowòmetɔwoe na wòle sesẽm na wò be nàva nɔ subɔsubɔ vavãtɔ ƒe akpa dzi. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa, amesi gbɔ ƒomewo dzɔ tso la, di godoo be ƒomedodo nyui nanɔ mia kple wò ƒometɔwo dome. (Efesotɔwo 3:14, 15) Gake àte ŋu ato nuwɔna siwo dzi Mawu da asi ɖo dzi ana miaƒe ƒomedodoa me nasẽ ɖe edzi. Apostolo Paulo ŋlɔ tso nusi wòle be míadi vevie be míawɔ ɣesiaɣi ŋu be: “Mido nusi nyoa Aƒetɔ la ŋu la kpɔ.”—Efesotɔwo 5:10.

Ðe nàɖu kpetike aɖe si woɖe tso gɔta mea?

12. Wɔ nusita wòle be míatsri kɔnu kple ŋkekenyui siwo dzɔ tso wɔna makɔmakɔwo me ƒe kpɔɖeŋu.

12 Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me be susu siwo ta woɖua ŋkekenyuiwo egbea meku ɖe afisi wodzɔ tso ŋu boo o. Ðe afisi azãwo dzɔ tso le veviea? Wole vevie ŋutɔ! Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe: Tsɔe be èkpɔ kpetike aɖe si vivina le gɔta me. Ðe nàɖe kpetike ma le gɔta me aɖua? Kura o! Kpetikea ŋuti mekɔ o. Abe kpetike ma ene la, awɔ abe ɖe azãɖuɖuwo vivina ene ya, gake teƒe makɔmakɔwoe woɖe wo tsoe. Be míaɖoe kplikpaa anɔ subɔsubɔ vavãtɔ ƒe akpa dzi la, ehiã be nukpɔsusu si nɔ nyagblɔɖila Yesaya si nanɔ míawo hã si, amesi gblɔ na tadeagula vavãwo be: “Migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o!”—Yesaya 52:11.

ÐƆ ŊU ÐO LE NUWƆWƆ KPLE AMEWO ME

13. Kuxi kawoe nàte ŋu adze ŋgɔe ne mèkpɔa gome le azãɖuɖuwo me o?

13 Àte ŋu adze ŋgɔ kuxi aɖewo ne wòdzɔ be ètso nya me  be yemagakpɔ gome le azãɖuɖuwo me o. Le kpɔɖeŋu me, dɔwɔhatiwo mase nusita mèkpɔa gome le azã aɖewo siwo woawo ɖuna me o la gɔme o. Nukae nàwɔ ne ame aɖe na Kristmas nunana wò? Ðe wòanyo be nàxɔea? Ke ne mia kple srɔ̃wò ƒe dzixɔsewo mesɔ o ɖe? Aleke nàwɔ akpɔ egbɔ be viwòwo mase le wo ɖokui me be nane le yewo ŋu tom le esi yewomekpɔa gome le azã mawo ɖuɖu me o ta o?

14, 15. Nukae nàte ŋu awɔ ne wodo ŋkekenyui ƒe gbedoname aɖe na wò alo ne ame aɖe di be yeana nunana aɖe wò?

14 Ele be nàɖɔ ŋu ɖo awɔ nyametsotso si sɔ le nɔnɔmeawo dometɔ ɖesiaɖe gbɔ kpɔkpɔ me. Ne ame aɖe gblɔ ŋkekenyui ƒe gbedoname na wò la, àte ŋu ada akpe na amea ko. Gake tsɔe be ame nyanyɛ aɖe alo dɔwɔhati aɖee amea nye. Le go ma me la, àte ŋu atiae be yeaɖe nu me nɛ ayi ŋgɔe. Ele be nàwɔ nu kple amewo tufafatɔe le nɔnɔmeawo katã me. Biblia ɖo aɖaŋu na mí be: “Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.” (Kolosetɔwo 4:6) Mègawɔ nu bubumadeameŋutɔe o. Ke boŋ ɖe tiatia si nèwɔ la me na wo tufafatɔe. Na eme nakɔ na wo be menye ɖe yemeda asi ɖe nunana ame kple kplɔ̃ɖoɖowo dzi o, ke boŋ be yedina be yeawɔ esiawo le ɣeyiɣi bubuwo dzi.

15 Ke ne ame aɖe tsɔ nunana aɖe vɛ na wò ɖe? Alesi nɔnɔmeawo le ye afia nusi nàwɔ. Nunalaa ate ŋu agblɔ be: “Menya be mèɖua azã sia o. Gake medi be nàxɔ nusia.” Ate ŋu adzɔ be nàtso nya me be nunanaa xɔxɔ le nɔnɔme mawo me mefia be yele gome kpɔm le azãa ɖuɖu me o. Ne nunalaa menya wò dzixɔsewo o la, ke àte ŋu aɖe eme nɛ be yemekpɔa gome le azã ma ɖuɖu me o. Numeɖeɖe sia ana wòase nusita àte ŋu atiae be yeaxɔ nunana aɖe gake wò ya màna nu amewo le ŋkeke ma dzi o la gɔme. Gake nunya anɔ eme be nàgbe nunana aɖe xɔxɔ nenye be edze ƒã be ɖe nunalaa di be nàxɔe wòafia be mète ŋu léa wò dzixɔsewo me ɖe  asi o alo be àte ŋu aɖe asi le wò dzixɔsewo ŋu ɖe nunana aɖe xɔxɔ ta.

ALEKE NÀWƆ NU KPLE WÒ ƑOMETƆWOE?

16. Aleke nàwɔ nu kple amewo tufafatɔe le azãɖuɖu ŋu nyawo me?

16 Ke ne wò ƒomea me tɔwo ƒe dzixɔse mesɔ kple tɔwò o ɖe? Le go sia me hã, ele be nàwɔ nu kpli wo tufafatɔe. Mehiã be nàhe nya kple wò ƒometɔwo ɖe kɔnu ɖesiaɖe alo azã ɖesiaɖe si wotia be yewoakpɔ gome le ta o. Ke boŋ ele be nàde bubu woƒe nukpɔsusuwo ŋu, abe alesi ko nàdi be woade bubu tɔwòwo ŋui ene. (Mateo 7:12) Tsri nuwɔna ɖesiaɖe si afia be èle gome kpɔm kpli wo le azãa ɖuɖu me. Ke hã, ele be nàda asɔ le nusiwo mefia gomekpɔkpɔ le azãa ɖuɖu ŋutɔŋutɔ me o la me. Godoo la, ele be alesi nàwɔ nui ɣesiaɣi nana dzitsinya nyui nanɔ asiwò.—Timoteo I, 1:18, 19.

17. Aleke nàwɔ akpe ɖe viwòwo ŋu ale be woagasee le wo ɖokui me be nane le yewo ŋu tom ne wokpɔ amewo wole azã ɖum o?

17 Nukae nàte ŋu awɔ ale be viwòwo mase le wo ɖokui me be nane le yewo ŋu tom esi yewomeɖua ŋkekenyui siwo dzi Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖo o ta o? Akpa gãtɔ aku ɖe nusiwo miewɔna le ƒea ƒe ɣeyiɣi bubuwo me ŋu. Dzila aɖewo wɔa ɖoɖo naa nunana wo viwo ɣeyiɣi vovovowo. Nunana nyuitɔ siwo nàte ŋu ana viwòwo dometɔ ɖekae nye ɣeyiɣi kpɔkpɔ ɖe wo ŋu kple nuwɔwɔ kpli wo le lɔlɔ̃ me.

NƆ AGBE ÐE SUBƆSUBƆ VAVÃTƆ NU

Subɔsubɔha vavãtɔ me nɔnɔ na wokpɔa dzidzɔ vavãtɔ

18. Aleke Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ subɔsubɔha vavãtɔ mee?

18 Hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò la, ele be nàtsri alakpasubɔsubɔ eye nànɔ subɔsubɔha vavãtɔ me. Nukae esia wɔwɔ bia? Biblia gblɔ be: “[Mina] míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo,  eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede nye ɣeyiɣi dodzidzɔname siwo ʋu ɖi na wò be nàsubɔ Mawu le mɔ si dzea eŋu nu. (Psalmo 22:23; 122:1) Kristotɔ wɔnuteƒewo ‘dea dzi ƒo na wo nɔewo’ le kpekpe mawo me.—Romatɔwo 1:12.

19. Nukatae wòle vevie be nàgblɔ nusiwo srɔ̃m nèle le Biblia me ŋu nya na amewo?

19 Nu bubu si ana nànɔ subɔsubɔ vavãtɔ ƒe akpa dzi enye be nàgblɔ nusiwo srɔ̃m Yehowa Ðasefowo le kpli wò tso Biblia me la ŋu nya na ame bubuwo. Enye nyateƒe be ame geɖe “le hũ ɖem, eye wole nu xam” ɖe vɔ̃ɖinyenye si xɔ aƒe ɖe xexeame egbea ta. (Xezekiel 9:4) Ðewohĩ ènya ame aɖewo siwo dzi wòle tetem ɖo. Nukata màgblɔ mɔkpɔkpɔ si su asiwò na etsɔ si gbɔna, si nèsrɔ̃ le Biblia me ŋu nya na wo o? Ne èyi edzi de ha kple Kristotɔ vavãwo hele Biblia me nyateƒe dodzidzɔname siwo srɔ̃m nèle ŋu nya gblɔm na amewo la, àva kpɔe be alakpasubɔsubɔ ƒe azã ɖesiaɖe si kpɔtɔ le dzi me na wò la nu ava yi kura. Ka ɖe edzi be àkpɔ dzidzɔ eye àxɔ yayra geɖe ne èɖoe kplikpaa heva le subɔsubɔha vavãtɔ me.—Maleaxi 3:10.

^ mm. 9 Azã si nye Saturnalia hã kpɔ ŋusẽ ɖe nusitae wotia December 25 lia dzi. Woɖua azã ma tsɔ dea bubu Romatɔwo ƒe agbledede mawu ŋu le December 17-24. Nuɖuɖu kple nunono, aglotutu, kple nunana amewo yia edzi le Saturnalia ƒe azã la ɖuɖu me.

^ mm. 10 Àkpɔ alesi Kristotɔ vavãwo bua ŋkekenyui bubu siwo amewo ɖuna ŋuti numedzodzro le Megbenyawo me, le axa 222-3.