Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 MEGBENYAWO

Mawu ƒe Ŋkɔ—Alesi Woazãe Kple Gɔmesese si Le Eŋu

Mawu ƒe Ŋkɔ—Alesi Woazãe Kple Gɔmesese si Le Eŋu

ALEKE woɖe Psalmo 83:18 (kpukpui 19 le Eʋegbe Biblia me) gɔmee le wò Biblia me? Biblia gɔmeɖeɖe si nye New World Translation of the Holy Scriptures (Les Saintes Écritures— Traduction du monde nouveau) ɖe kpukpui sia gɔme ale: “Ne amewo nanyae be wò, amesi ŋkɔe nye Yehowa, wò ɖeɖekoe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba la katã dzi.” Biblia aɖewo hã ɖe kpukpui sia gɔme alea tɔgbe. Ke hã, Biblia geɖe mezã ŋkɔ Yehowa o, eye wotsɔ dzesideŋkɔ siwo nye “Aƒetɔ” alo “Mavɔmavɔtɔ” ɖo eteƒe. Nukae wòle be woazã le kpukpui sia me? Dzesideŋkɔ loo alo ŋkɔ Yehowa?

Mawu ƒe ŋkɔa le Hebrigbe me

Ŋkɔ aɖe ŋue kpukpui sia le nu ƒom tsoe. Le Hebrigbe gbãtɔ si me woŋlɔ Biblia ƒe akpa gãtɔ ɖo me la, ŋkɔ ŋutɔŋutɔ aɖee dze le kpukpui sia me. Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi יהוה (YHWH) ye wotsɔ ŋlɔe. Le Eʋegbe me la, woɖea ŋkɔ ma gɔme edziedzi be “Yehowa.” Biblia ƒe kpukpui ɖeka aɖe pɛ ko mee ŋkɔ ma dze lea? Ao. Edze le Hebri Ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me zi 7,000 kloe!

Ðe Mawu ƒe ŋkɔa le veviea? De ŋugble le kpɔɖeŋugbedodoɖa si Yesu Kristo fia ŋu kpɔ. Edze egɔme ale: “Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!” (Mateo 6:9) Yesu do gbe ɖa na Mawu emegbe be: “Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋuti.” Mawu ɖo gbedodoɖa ma ŋu esi wòƒo nu tso dziƒo gblɔ bena: “Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.” (Yohanes 12:28) Eyata eme kɔ ƒã be Mawu ƒe ŋkɔae nye nu vevitɔ kekeake. Gake nukatae Biblia gɔmeɖela aɖewo mezã ŋkɔ sia le woƒe gɔmeɖeɖewo me o eye wotsɔ dzesideŋkɔwo ɖɔ lii?

Ewɔ abe susu eve koŋ tae ene. Gbã, ame geɖe gblɔna be mele be woazã ŋkɔa o le esi míenya alesi tututu woyɔ ŋkɔae le gɔmedzedzea me o ta. Ablɔɖegbeɖiɖiwo menɔ Hebrigbe si woŋlɔna tsã me o. Eyata egbea ame aɖeke mate ŋu atsɔ kakaɖedzi agblɔ alesi tututu amesiwo nɔ anyi le Biblia la ŋlɔɣi yɔa ŋɔŋlɔdzesi  siwo nye YHWH lae o. Gake ɖe wòle be esia nana míagbe Mawu ƒe ŋkɔa zazã? Ðewohĩ Yeshua alo Yehoshua ye nye alesi woyɔa Yesu le Biblia la ŋlɔɣi—ame aɖeke mate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi o. Ke hã le xexeame godoo egbea la, amewo yɔa ŋkɔ Yesu le mɔ vovovowo nu, woyɔnɛ abe alesi ame geɖe yɔnɛ le wo degbe me ene. Womegbea ŋkɔa yɔyɔ le esi womenya alesi tututu woyɔe le ƒe alafa gbãtɔ me o ta o. Nenema kee ne èzɔ mɔ yi dukɔ bubu aɖe me la, ɖewohĩ àde dzesii be alesi woyɔa ŋkɔwòe le gbe bubu me la to vovo kura na alesi wò ŋutɔ èyɔnɛ. Eyata mele be míagbe Mawu ƒe ŋkɔa zazã le esi míeka ɖe alesi tututu woyɔnɛ le blema dzi o ta o.

Susu evelia si ta ame geɖe ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa le Biblia me la wɔ ɖeka kple Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi aɖe si nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe. Wo dometɔ geɖe bui be mele be woayɔ Mawu ƒe ŋkɔa gbeɖe o. Biblia ƒe se aɖe gɔmemasemase nyuie ye na dzixɔse sia va nɔ wo si. Se ma gblɔ be: “Megayɔ Yehowa, wò Mawu, ƒe ŋkɔ yakayaka o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.”—Mose II, 20:7.

Mawu ƒe ŋkɔa zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu ŋue se sia tsi tre ɖo. Gake ɖe wògblɔ be mele be woazã eƒe ŋkɔa le bubumɔ nu hã oa? Kpao. Amesiwo ŋlɔ Hebrigbe me Biblia (“Nubabla Xoxoa”) la katã nye nuteƒewɔla siwo wɔ ɖe Se si Mawu de na blema Israel-viwo dzi. Evɔ wozã Mawu ƒe ŋkɔa zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, wozãe le psalmo gbogbo siwo nye ha siwo tadeagula geɖe dzina sesĩe la me. Yehowa Mawu de se na esubɔlawo gɔ̃ hã be woayɔ yeƒe ŋkɔa, eye nuteƒewɔlawo wɔ ɖe sedede ma dzi. (Yoel 3:5; Dɔwɔwɔwo 2:21) Eyata Kristotɔ siwo li egbea zãna Mawu ƒe ŋkɔa bubutɔe, abe alesi míeka ɖe edzi be Yesu zãe ene.—Yohanes 17:26.

Vodada gã aɖee wònye Biblia gɔmeɖelawo wɔ be wotsɔ dzesideŋkɔwo ɖɔ li Mawu ƒe ŋkɔae. Wona amewo va bunɛ be Mawu le adzɔge ʋĩ tso wo gbɔ, eye be menye ame ŋutɔŋutɔ si li o, evɔ Biblia de dzi ƒo na amegbetɔwo be woana ‘ƒomedodo kplikplikpli nanɔ woa kple Yehowa dome’ hafi. (Psalmo 25:14) Bu xɔwò aɖe si mia kplii dome le kplikplikpli ŋu kpɔ. Ðe miaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me ate ŋu asẽ ne mènya eŋkɔ gɔ̃ hã oa? Nenema kee ne womena amewo nya Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa o ɖe, ɖe woa kple Mawu dome  ate ŋu anɔ kplikplikplia? Gawu la, ne amewo mezãa Mawu ƒe ŋkɔa o la, womenyaa gɔmesese tɔxɛ si le eŋu o. Gɔmesese kae le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu?

Mawu ŋutɔ ɖe gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu me na esubɔla wɔnuteƒe Mose. Esi Mose bia Mawu be yeanya eƒe ŋkɔ la, Yehowa ɖo eŋu nɛ be: ‘Mava nye amesi mava nye.’ (Mose II, 3:14) Rotherham ƒe gɔmeɖeɖea xlẽ ale: “Mava Nye nusianu si dze ŋunye.” Eyata Yehowa ate ŋu ava nye nusianu si hiã ale be wòawɔ eƒe tameɖoɖowo dzi.

Tsɔe be àte ŋu ava nye amesi nèdi be yeanye ale be nàwɔ nusianu si nèdi. Nukae nàwɔ na xɔ̃wòwo? Ne wo dometɔ aɖe dze dɔ vevie la, àte ŋu anye ɖɔkta bibi aɖe ahada dɔa nɛ. Ne gakuxiwo le fu ɖem na ame bubu la, àte ŋu anye kesinɔtɔ dɔmenyola aɖe ahakpɔ eƒe kuxia gbɔ. Gake le nyateƒe me la, màte ŋu ava nye nusianu wɔla o. Mía dometɔ aɖeke mate ŋui o. Ne èle Biblia srɔ̃m la, awɔ nuku na wò be nàde dzesi alesi Yehowa ya te ŋu va nyea nusianu si hiã be wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme. Eye edzɔa dzi nɛ be yeazã yeƒe ŋusẽ atsɔ akpe ɖe amesiwo lɔ̃nɛ ŋu. (Kronika II, 16:9) Amesiwo menya Yehowa ƒe ŋkɔ o ya menya naneke tso eƒe amenyenye ƒe akpa nyui siawo ŋu o.

Eyata eme kɔ ƒã be ele be woazã ŋkɔ Yehowa le Biblia me. Gɔmesese si le ŋkɔa ŋu nyanya kple ezazã faa le míaƒe subɔsubɔ me la kpena ɖe mía ŋu míetena ɖe Yehowa, mía Fofo si le dziƒo, ŋu. *

^ mm. 3 Ne èdi be yeakpɔ numeɖeɖe bubuwo tso Mawu ƒe ŋkɔa, gɔmesese si le eŋu, kple susu siwo ta wòle be míazãe le tadedeagu me ŋu la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye The Divine Name That Will Endure Forever (Le nom divin qui demeure à jamais) si Yehowa Ðasefowo ta.