Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 MEGBENYAWO

Fofo la, Vi la, Kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Ŋuti Nyateƒea Ŋutɔŋutɔ

Fofo la, Vi la, Kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Ŋuti Nyateƒea Ŋutɔŋutɔ

AMESIWO xɔ Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la dzi se gblɔna be ame etɔ̃e le Mawu me—Fofo la, Vi la, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Wogblɔna be ame etɔ̃ siawo katã le tasɔsɔ me, wo katã wonye ŋusẽkatãtɔ, eye be gɔmedzedze meli na wo o. Eyata le Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa nu la, Fofo la nye Mawu, Vi la nye Mawu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye Mawu, gake be Mawu ɖeka koe li.

 Ame gbogbo siwo xɔ Mawuɖekaetɔ̃ dzi se la lɔ̃na ɖe edzi be yewomate ŋu aɖe nufiafia sia me o. Ke hã, ɖewohĩ woxɔnɛ sena kokoko be Biblia ƒe nufiafiae. Enyo be míade dzesii be nya “Mawuɖekaetɔ̃” medze le Biblia me zi ɖeka pɛ gɔ̃ hã o. Gake ɖe nya aɖe le Biblia me si ku ɖe Mawuɖekaetɔ̃ ŋua? Be míaɖo nya sia ŋu la, na míadzro mawunyakpukpui aɖe si Mawuɖekaetɔ̃ dzidelawo lɔ̃a yɔyɔ be yewoatsɔ aɖo kpe edzii la me.

“NYA LAE NYE MAWU”

Yohanes 1:1 gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu.” Apostolo Yohanes ɖee fia kɔte emegbe le ta ma ke me be “Nya lae” nye Yesu. (Yohanes 1:14) Gake esi woyɔ Nya la be Mawu ta la, ame aɖewo gblɔna be ke Vi la kple Fofo la nye Mawu ɖeka ƒe akpa aɖe.

Nenɔ susu me na wò be Helagbe mee woŋlɔ Biblia ƒe akpa sia ɖo gbã. Emegbe hafi gbegɔmeɖelawo va ɖe Helagbe me ŋɔŋlɔa me yi gbe bubuwo me. Gake Biblia gɔmeɖela aɖewo mezã nyagbɔgblɔ “Nya lae nye Mawu” o. Nukatae womezãe o? Esi gbegɔmeɖela mawo nya Helagbe si me woŋlɔ Biblia ɖo ta la, wokpɔe be ele be woaɖe nyagbɔgblɔ “Nya lae nye Mawu” gɔme bubui. Alekee woaɖe emee? Alesi woɖe eme ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewoe nye esi: “Logos [Nya] la nɔ Mawu ƒe nɔnɔme me.” (A New Translation of the Bible) “Nya la nye mawu aɖe.” (The New Testament in an Improved Version) “Nya la nɔ anyi kple Mawu eye eƒe nɔnɔme nɔ esi.” (The Translator’s New Testament) Biblia gɔmeɖeɖe siawo fia be menye Mawu ŋutɔe nye Nya la o. * Ke boŋ le ɖoƒe kɔkɔ si le Nya la si le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo dome ta la, woyɔe be “mawu aɖe.” Le afisia la, nya “mawu” fia “ŋusẽtɔ.”

DI KPEÐODZI BUBUWO

Ame akpa gãtɔ mese Helagbe si me woŋlɔ Biblia ɖo o.  Ekema aleke nàwɔ anya nusi tututu apostolo Yohanes di be yeagblɔ? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Nufiala aɖe ɖe nane me na eƒe sukuviwo. Emegbe nusrɔ̃viawo ƒe susu va ma le alesi woase numeɖeɖea gɔmee ŋu. Aleke sukuviawo awɔ akpɔ nyaa gbɔ? Woate ŋu abia nufialaa be wòagaɖe nu geɖe me na yewo. Ne wogava srɔ̃ nu bubu geɖewo kpee la, akpe ɖe wo ŋu godoo be woase nyaa gɔme ɖe edzi nyuie wu. Nenema kee hafi nàse Yohanes 1:1 gɔme la, àte ŋu adzro Yohanes ƒe Nyanyuia me hena numeɖeɖe geɖe le ɖoƒe si le Yesu si ŋu. Ne èva srɔ̃ nu geɖe tso nya sia ŋu la, ana nàke ɖe nyataƒoƒo si sɔ ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, bu nusi Yohanes ŋlɔ emegbe le ta 1, kpukpui 18 me ŋu kpɔ: “Ame aɖeke mekpɔ Mawu [Ŋusẽkatãtɔ la] ɣeaɖekeɣi kpɔ o.” Gake amewo kpɔ Yesu, Vi la, elabena Yohanes gblɔ be: “Nya la [Yesu] trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mía dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe.” (Yohanes 1:14) Ekema aleke Vi la ate ŋu anye Mawu Ŋusẽkatãtɔ ƒe akpa aɖee? Yohanes gagblɔ hã be Nya la nɔ anyi ‘kple Mawu.’ Azɔ aleke ame aɖe ate ŋu anɔ anyi kple ame bubu evɔ wòaganye ame ma ke? Gawu la, abe alesi wòdze le Yohanes 17:3 ene la, Yesu na vovototo si le eya kple Fofoa si le dziƒo dome la me kɔ ƒã. Eyɔ Fofoa be “Mawu vavã ɖeka la.” Eye Yohanes gblɔ nyawo katã kpokploe le eƒe Nyanyuia ƒe nuwuwu lɔƒo be: “Ke woŋlɔ esiawo ɖi, bena miaxɔ ase bena, Yesu enye Kristo, Mawuvi la.” (Yohanes 20:31) De dzesii be meyɔ Yesu be Mawu o, ke boŋ be Mawu ƒe Vi. Nya bubu siawo siwo wogagblɔ le Yohanes ƒe Nyanyuia me la na míenya alesi wòle be míase Yohanes 1:1 gɔmee. Yesu, Nya la, nye “mawu” le gɔmesese sia nu be ɖoƒe kɔkɔ aɖee le esi, gake menye eya kee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o.

KA ÐE KPEÐODZIAWO DZI

Gade ŋugble le kpɔɖeŋu si míewɔ ku ɖe nufiala kple sukuviwo ŋu ŋuti. Tsɔe be sukuviawo dometɔ aɖewo gale ɖi kem kokoko, togbɔ be nufialaa ɖe nu geɖe me na wo kpee hã. Nukae woate ŋu awɔ? Woate ŋu abia nufiala bubu aɖe be wòagaɖe nu geɖe me na yewo tso nyati ma ke ŋu. Ne nufiala evelia hã gblɔ nya siwo tututu nufiala gbãtɔa gblɔ la, ekema sukuvi  akpa gãtɔ magake ɖi azɔ o. Nenema kee ne mèka ɖe ƒomedodo si tututu Biblia-ŋlɔla Yohanes gblɔ be ele Yesu kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la dome dzi o la, àte ŋu atrɔ ɖe Biblia-ŋlɔla bubu ŋu hena numekɔkɔ bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nusi Mateo ŋlɔ ŋu kpɔ. Eyɔ nya siwo Yesu gblɔ tso nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ŋu gblɔ be: “Ke le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o; mawudɔla, siwo le dziƒowo, kple Vi la hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka ko.” (Mateo 24:36) Aleke nya siawo ɖee fia be Yesu menye Mawu Ŋusẽkatãtɔ o?

Yesu gblɔ be Fofo la nya nu geɖe wu Vi la. Gake ne Mawu Ŋusẽkatãtɔ ƒe akpa aɖee Yesu nye la, ekema anya nusiwo katã Fofoa nya. Eyata eme kɔ ƒã be Vi la kple Fofo la mate ŋu asɔ o. Gake ame aɖewo agblɔ be: ‘Nɔnɔme eve mee Yesu nɔ. Esi wònɔ anyigba dzi ŋu nya gblɔmee wòle le afisia.’ Ne míetsɔe be nenemae hã la, ke gbɔgbɔ kɔkɔea ya ɖe? Ne Mawu si Fofo la nye ƒe akpa aɖee eya hã nye ɖe, ke nukatae Yesu megblɔ be eya nya nusiwo Fofo la nya o?

Ne èyi wò Biblia sɔsrɔ̃a dzi la, àva nya Biblia ƒe akpa bubu geɖe siwo ƒo nu tso nya sia ŋu. Wona míenya Fofo la, Vi la, kple gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋuti nyateƒea ŋutɔŋutɔ.—Psalmo 90:2; Dɔwɔwɔwo 7:55a; Kolosetɔwo 1:15.

^ mm. 3 Ne èdi be yeadzro Helagbe me gbeŋutise si ŋudɔ wowɔ le Yohanes 1:1 me la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea? si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 26-9.