Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 MEGBENYAWO

Nusita Kristotɔ Vavãwo Mezãa Atitsoga le Tadedeagu me O

Nusita Kristotɔ Vavãwo Mezãa Atitsoga le Tadedeagu me O

AME miliɔn geɖe bua atitsoga nu vevii eye wodea bubu eŋu. Numekugbalẽ si nye The Encyclopædia Britannica yɔ atitsoga be “Kristotɔwo ƒe subɔsubɔ me dzesidenu vevitɔ.” Ke hã, Kristotɔ vavãwo ya mezãna atitsoga le tadedeagu me o. Nukatae?

Susu vevi ɖekae nye be menye atitsoga ŋue Yesu Kristo ku ɖo o. Helagbe me nya si gɔme wolɔ̃a ɖeɖe be “atitsoga” lae nye stau·ros′. Nusi wòfia koŋ enye “kpɔtɔti alo ati dzɔdzɔe.” The Companion Bible gblɔ be: “[Stau·ros′] mefia ati eve siwo wotsɔ tso ga wo nɔewo me kpɔ gbeɖe o . . . Naneke mele [Nubabla  Yeye me] Helagbea me si ana ame ƒe susu nayi ati eve dzi kura gɔ̃ hã o.”

Biblia-ŋlɔla geɖe zã nya bubu tsɔ ƒo nu tso nusi ŋuti Yesu ku ɖo ŋu. Eyae nye Helagbe me nya xy′lon. (Dɔwɔwɔwo 5:30; 10:39; 13:29; Galatiatɔwo 3:13; Petro I, 2:24) Nusi nya sia fia koe nye “xɔtuti” alo “ati lɛ aɖe, kpo, alo ati.”

Esi agbalẽ si nye Das Kreuz und die Kreuzigung (Atitsoga Kple Ame Kaklã ɖe Atitsoga Ŋu), si Hermann Fulda ŋlɔ, nɔ nu me ɖem tso nusitae wolɔ̃a amewo kaklã ɖe ati ɖeka ko ŋu la, egblɔ be: “Atiwo mebɔ ɖe teƒe siwo wotia be woanɔ amewo wum le o. Eyata ati ɖeka koe woɖina ɖe tome. Esia ŋue woblana alo tsɔa gatagbadzɛ klãna sedzimawɔlawo ƒe asi siwo wohe ɖo ɖe dzi, kple zi geɖe woƒe afɔwo hã, ɖo.”

Gake Mawu ƒe Nya la mee míakpɔ nya sia ŋuti kpeɖodzi gãtɔ kekeake le. Apostolo Paulo gblɔ be: “Kristo xe fe ɖe mía ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la.’” (Galatiatɔwo 3:13) Mose V, 21:22, 23 me nyawoe Paulo yɔ le afisia, eye ati ŋue woƒo nu tsoe le afima, menye atitsoga o. Esi wònye ku sia ƒomevi naa amea nyea ‘fiƒodeme’ ta la, masɔ be Kristotɔwo natsɔ Kristo si woklã ɖe ati ŋu la ƒe nɔnɔmetatawo aɖo atsyɔ̃ na woƒe xɔwo me o.

Kpeɖodzi aɖeke meli si fia be amesiwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye la dometɔ aɖe zã atitsoga le tadedeagu me le ƒe 300 siwo kplɔ Kristo ƒe ku ɖo me o. Gake le ƒe alafa enelia me la, Fiagã trɔ̃subɔla Konstantino va wɔ ɖeka kple Kristotɔ xɔsegbelawo, eye wòde dzi ƒo na amewo be woazã atitsoga la abe dzesi ene. Susu ka kee ɖanɔ Konstantino si o, atitsoga la menye Yesu Kristo ƒe ŋutinya ƒe akpa aɖeke o. Le nyateƒe me la, trɔ̃subɔlawo gbɔe atitsoga dzɔ tso. Numekugbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia lɔ̃ ɖe edzi be: “Amesiwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia kple amesiwo menye Kristotɔwo o ƒe kɔnuwo mee wokpɔ atitsoga zazã le.” Agbalẽnyala geɖe hã ɖee fia be tadedeagu na dzɔdzɔmenuwo kple trɔ̃subɔsubɔ me gbɔdɔdɔnuwɔnawo mee wozã atitsoga le.

 Ekema nukatae wova do vivi ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe dzesidenu sia ŋu? Edze ƒã be wowɔe kple susu be ana wòanɔ bɔbɔe na trɔ̃subɔlawo be woava zu “Kristotɔwo.” Ke hã, Biblia tsi tre ɖe ame ɖokui tsɔtsɔ na trɔ̃subɔsubɔ me dzesidenu ɖesiaɖe ŋu vevie. (Korintotɔwo II, 6:14-18) Ŋɔŋlɔawo tsi tre ɖe trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi ɖesiaɖe ŋu hã. (Mose II, 20:4, 5; Korintotɔwo I, 10:14) Eyata susu nyuiwo tae Kristotɔ vavãwo mezãna atitsoga le tadedeagu me o. *

^ mm. 1 Ne èdi numeɖeɖe geɖe wu tso atitsoga ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Reasoning From the Scriptures, axa 89-93 (Comment raisonner à partir des Écritures, axa 77-81) si Yehowa Ðasefowo ta.