Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 MEGBENYAWO

“Luʋɔ” Kple “Gbɔgbɔ”—Nukae Nya Siawo Fia Ŋutɔŋutɔ?

“Luʋɔ” Kple “Gbɔgbɔ”—Nukae Nya Siawo Fia Ŋutɔŋutɔ?

NE ÈSE nya siwo nye “luʋɔ” kple “gbɔgbɔ” la, nuka dzie wò susu yina? Ame geɖe xɔe se be nya siawo fia nane si le mía me si womekpɔna o, eye womekuna hã o. Wosusuna be ne ame ku la, eƒe akpa makpɔmakpɔ sia dona le ŋutilãa me heyia edzi nɔa agbe. Esi wònye dzixɔse sia kaka ɖe teƒe geɖe ta la, ewɔa nuku na ame geɖe ne wova srɔ̃e be Biblia mefia nu nenema kura o. Ekema nukae nye luʋɔ, eye nukae Mawu ƒe Nya la fia tso gbɔgbɔ ŋu?

NUSI “LUƲƆ” SI WOZÃ LE BIBLIA ME LA NYE

De ŋugble tso luʋɔ ŋu gbã. Ðewohĩ àɖo ŋku edzi be Hebri kple Hela gbewo mee woŋlɔ Biblia ƒe akpa gãtɔ ɖo gbã. Esi  Biblia-ŋlɔlawo nɔ nu ŋlɔm tso luʋɔ ŋu la, wozã Hebrigbe me nya ne′phesh alo Helagbe me nya psy·khe′. Nya eve siawo dze le Ŋɔŋlɔawo me wu zi 800 sɔŋ, eye Biblia gɔmeɖeɖe si nye New World Translation (Traduction du monde nouveau) ɖe wo katã gɔme be “luʋɔ.” Ne èlé ŋku ɖe alesi wozã nya “luʋɔ” alo “luʋɔwo” le Biblia me ŋu la, àkpɔe dze sii nyuie be nusi koŋ nya sia fiae nye (1) amewo, (2) lãwo, alo (3) agbe si ame alo lã aɖe le. Na míadzro mawunyakpukpui aɖewo siwo ɖe gɔmesese vovovo etɔ̃ siawo fia me akpɔ.

Amewo. “Le Noa ƒe ŋkekeawo me . . . woɖe ame ʋɛ, siwo le luʋɔ enyi la [tso] tsi me.” (Petro I, 3:20) Eme kɔ nyuie le afisia be nya “luʋɔ” fia amewo—Noa, srɔ̃a, viaŋutsu etɔ̃awo, kple wo srɔ̃wo. Biblia gblɔ hã be: “Ame gbãtɔ, Adam la, zu luʋɔ gbagbe.” (Korintotɔwo I, 15:45) Nya “luʋɔ” si wozã le afisia la tsi tre ɖi na ame aɖe koŋ—si nye Adam. Biblia me kpɔɖeŋu bubu aɖewo siwo me wozã “luʋɔ” alo “luʋɔwo” le tsɔ fia ame ɖeka alo amewo la dze le Psalmo 119:28; Konyifahawo 3:25; kple Dɔwɔwɔwo 27:37.

Lãwo. Míexlẽ le Biblia ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe nuwo wɔwɔ ŋu me be: “Tete Mawu gblɔ bena: Nu [luʋɔ, NW] gbagbewo neƒu tsi le tsia me, eye xe dzodzoewo nedzo le ya me le dziƒolilia ƒe ŋku me. Eye Mawu gblɔ bena: Nu [luʋɔ, NW] gbagbewo nedo tso anyigba me hamehame, aƒemelãwo kple nu tatawo kple gbemelãwo hamehame!” (Mose I, 1:20, 24) Le mawunyakpukpui sia me la, woyɔ tɔmelãwo, aƒemelãwo, kple gbemelãwo siaa be ‘luʋɔ.’ Biblia gɔmeɖeɖe geɖe zã nya “luʋɔ” hã na dziƒoxewo kple lã bubuwo le Mose I, 9:10; Mose III, 11:46; kple Mose IV, 31:28.

Ame ƒe agbe. Ɣeaɖewoɣi la, nya “luʋɔ” fiana agbe si ame le. Yesu bia be: “Viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã?” (Mateo 16:26) Nukae amea abu? Eƒe agbee. Bu nya si apostolo Paulo gblɔ na nɔvia Kristotɔwo ŋu kpɔ: “Mana woagblẽ nye ŋutɔ le miaƒe luʋɔwo ta.” (Korintotɔwo II, 12:15) Paulo lɔ̃ faa be yeatsɔ ye ɖokui aɖo anyi ɖe nɔviawo ƒe agbe ta. Le Biblia ƒe teƒe siawo la, eme kɔ be nya  “luʋɔ” la fia agbe si amea le. Àkpɔ gɔmesese sia si le nya “luʋɔ” ŋu la ƒe kpɔɖeŋu bubuwo le Fiawo I, 17:17-23; Psalmo 26:9; Dɔwɔwɔwo 20:10; kple Romatɔwo 16:4.

Ne èsrɔ̃ Mawu ƒe Nya la yi ŋgɔe la, àva kpɔe be womezã nya “luʋɔ” le Biblia ƒe teƒe aɖeke tsɔ fia nu “makumaku” alo “mavɔmavɔ” kpɔ o. Ðe Ŋɔŋlɔawo gblɔ boŋ be luʋɔ la ate ŋu aku, si fia be ekuna. (Xezekiel 18:4, 20) Le esia ta Biblia yɔa amesi ku la kpuie ko be ‘luʋɔ kuku.’—Mose III, 21:11.

NUSI “GBƆGBƆ” LA NYE

Na míadzro nusi “gbɔgbɔ” si wozã le Biblia me la nye me azɔ. Ame aɖewo susuna be “luʋɔ” koe wogayɔna be “gbɔgbɔ.” Gake menye nenemae nyaa le o. Biblia na eme kɔ nyuie be “gbɔgbɔ” kple “luʋɔ” fia nu vovovo eve. Vovototo kae le wo dome?

Biblia-ŋlɔlawo zã Hebrigbe me nya ru′ach alo Helagbe me nya pneu′ma esime wonɔ nu ŋlɔm tso “gbɔgbɔ” ŋu. Ŋɔŋlɔawo ŋutɔ ɖe gɔmesese si le nya mawo ŋu me. Le kpɔɖeŋu me, Psalmo 104:29 gblɔ be: “Ne [wò Yehowa] èɖe woƒe gbɔgbɔ [ru′ach] ɖa la, wokuna, eye wogbugbɔna yia woƒe ke me.” Eye Yakobo 2:26 gblɔ be “ŋutilã gbɔgbɔ [pneu′ma] manɔmee nye nu kuku.” Eyata le kpukpui siawo me la, “gbɔgbɔ” la fia nusi naa ŋutilã nɔa agbe. Ne gbɔgbɔ mele ŋutilã la me o la, ke eku. Eyata menye nya “gbɔgbɔ” koe wozã tsɔ ɖe nya ru′ach gɔmee le Biblia me o, wozã nya “ŋusẽ,” alo agbegbɔgbɔ hã. Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa ŋu be: “Mana tsi naɖe anyigba la, bena ŋutilã, siwo katã le dziƒoa te, esiwo me agbegbɔgbɔ [ru′ach] le la, natsrɔ̃.” (Mose I, 6:17; 7:15, 22) Eyata “gbɔgbɔ” fia ŋusẽ makpɔmakpɔ aɖe (agbeŋusẽ) si le nu gbagbewo katã me.

Menye nu ɖekae luʋɔ kple gbɔgbɔ la nye o. Ŋutilã hiã gbɔgbɔ abe alesi radio hiã elektrikŋusẽ ene—ale be wòawɔ dɔ. Be míagawɔ kpɔɖeŋua yi ŋgɔe la, bu radio sue si woate ŋu atsɔ ɖe asi ŋu kpɔ. Ne ède kpe radioa me eye nèʋui la, ɖeko wòle abe elektrikŋusẽ si le kpeawo me na radioa gbɔ agbe ene. Gake ne kpe mele radioa me o la, míagblɔ be radioa ku. Aleae míagblɔ  le radio ƒomevi bubu ɖesiaɖe si woɖe eƒe elektrikŋusẽ ɖa la ŋu. Nenema kee gbɔgbɔ nye ŋusẽ si naa míaƒe ŋutilã nɔa agbe. Eye abe elektrikŋusẽ ene la, seselelãme mele gbɔgbɔa si o, eye mate ŋu abu tame hã o. Ŋusẽ aɖe ko wònye. Gake ne gbɔgbɔ, alo agbeŋusẽ, ma meli o la, míaƒe ŋutilãwo ‘kuna, eye wogbugbɔna yia woƒe ke me,’ abe alesi hakpala la gblɔe ene.

Nyagblɔla 12:7 gblɔ tso amegbetɔ ƒe ku ŋu be: “[Eƒe ŋutilã ƒe] kewɔ nagatrɔ yi anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ ayi Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ.” Ne gbɔgbɔ, alo agbeŋusẽ la, megale ŋutilãa me o la, ŋutilã la kuna hegbugbɔna yia afisi wòtso—anyigba. Agbeŋusẽ la hã gbugbɔna yia afisi wòtso—Mawu gbɔ. (Hiob 34:14, 15; Psalmo 36:10) Esia mefia be agbeŋusẽa zɔa mɔ yia dziƒo ŋutɔŋutɔ o. Nusi wòfia boŋ enye be Yehowa Mawu koe ate ŋu ana amesi ku la nagava nɔ agbe le etsɔme. Ne míagblɔe la, eƒe agbea va le Mawu ƒe asi me. Mawu ƒe ŋusẽ koe ana gbɔgbɔ, alo agbeŋusẽ, nagaɖo ame me ake ale be wòaganɔ agbe.

Aleke gbegbee wòdoa dzidzɔ na mí enye si be míanyae be nusia tututue Mawu awɔ na amesiwo katã le ɖiɖim ɖe eme le ‘ŋkuɖodziyɔdowo’ me! (Yohanes 5:28, 29) Ne tsitretsitsi ƒe ɣeyiɣia de la, Yehowa awɔ ŋutilã yeye na amesi le alɔ̃ dɔm le ku me la, eye wòagatsɔ gbɔgbɔ, alo agbeŋusẽ ade eme be wòaganɔ agbe ake. Dzidzɔŋkeke gã aɖe ŋutɔe ema anye!

Ne èdi be yeagasrɔ̃ nu geɖe wu tso nya “luʋɔ” kple “gbɔgbɔ” siwo Biblia zã ŋu la, nyatakaka nyui aɖewo le agbalẽ gbadza si nye Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku? kple agbalẽ si nye Reasoning From the Scriptures, axa 375-84 (Comment raisonner à partir des Écritures, axa 27-32 kple axa 136-140) me. Yehowa Ðasefowoe ta agbalẽ eveawo siaa.