Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 1

“Nu Si Lɔlɔ̃ Na Mawu Fiae Nye Esi”

“Nu Si Lɔlɔ̃ Na Mawu Fiae Nye Esi”

“Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi, be míalé eƒe seawo me ɖe asi; eye eƒe seawo menye agba o.”—1 YOHANES 5:3.

1, 2. Nu kae ʋã wò nèva lɔ̃ Yehowa Mawu?

ÈLƆ̃ Mawua? Ne ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu xoxo la, ke ɖikeke mele eme o be àɖo biabia sia ŋu kakaɖedzitɔe be, ɛ̃! Esɔ le dzɔdzɔme nu be míalɔ̃ Yehowa. Le nyateƒe me la, esi Mawu lɔ̃ mí tae míawo hã míelɔ̃e ɖo. Biblia gblɔ be: ‘Míelɔ̃a Yehowa, elabena etre mí lɔlɔ̃.’—1 Yohanes 4:19.

2 Yehowa ye tre mí lɔlɔ̃. Etsɔ anyigba dzeani sia na mí wònye mía nɔƒe. Enaa míaƒe ŋutilãme nuhiahiãwo mí. (Mateo 5:43-48) Vevietɔ wu la, enaa nu siwo míehiã be míate ŋu asubɔe la mí. Etsɔ eƒe Nya Biblia na mí. Ekpe mí be míado gbe ɖa na ye, eye wòna kakaɖedzi mí be yeaɖo to mí ahana yeƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí be wòakpe ɖe mía ŋu. (Psalmo 65:2; Luka 11:13) Ƒo wo katã ta la, edɔ Via si gbɔ melɔ̃a nu le o la ɖa wòva nye míaƒe Tafexela bene wòaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku me. Lɔlɔ̃ gã ka gbegbee nye esi Yehowa ɖe fia mí!—Xlẽ Yohanes 3:16; Romatɔwo 5:8.

3. (a) Nu kae wòle be míawɔ be míakpɔtɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me? (b) Nya vevi kae wòle be míabia mía ɖokui, eye afi kae nya ma ƒe ŋuɖoɖo dze le?

3 Yehowa di be yeƒe lɔlɔ̃ naɖe vi na mí tegbee. Ne esia ava eme na mí alo mava eme o la, ekpo ɖe mía ŋutɔ gbɔ. Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be: “Minɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa . . . hena agbe mavɔ kpɔkpɔ.” (Yuda 21) Nyagbɔgblɔ “minɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa” fia be hafi míakpɔtɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me la, míawo ŋutɔwoe wòle be míaɖe afɔa. Ele be míaɖee afia le nuwɔna ŋutɔŋutɔ me be míelɔ̃ Mawu le esi wòlɔ̃ mí ta. Eya ta ele be míabia nya vevi sia mía ɖokui be: ‘Aleke mate ŋu aɖe nye lɔlɔ̃ na Mawu afiae?’ Nya sia ƒe ŋuɖoɖo dze le nya siwo gbɔgbɔ ʋã apostolo Yohanes wòŋlɔ la me be: “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi, be míalé eƒe seawo me ɖe asi; eye eƒe seawo menye agba o.” (1 Yohanes 5:3) Esi míedi be míaɖee afia Mawu be míelɔ̃e vevie ta la, anyo be míadzro nu si nya siawo fia la me tsitotsito.

“NU SI LƆLƆ̃ NA MAWU FIAE NYE ESI”

4, 5. Aleke wòdzɔe be nèva te Yehowa lɔlɔ̃?

4 “Lɔlɔ̃ na Mawu”—nu kae nɔ susu me na apostolo Yohanes esi wòŋlɔ nya siawo? Lɔlɔ̃ si wòle be míaɖo na Mawu ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Èɖo ŋku ɣeyiɣi si me nèva nɔ sesem le ɖokuiwò me be yelɔ̃ Yehowa dzia?

Adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ nye ale si míelɔ̃ faa be míaɖo to Yehowa le míaƒe agbe me la ƒe gɔmedzedze ko

5 Gade ŋugble tso ɣeyiɣi si me nèsrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu zi gbãtɔ eye nèxɔ edzi se la ŋu vie kpɔ. Èva se egɔme be togbɔ be nènyi nu vɔ̃ dome eye ƒomedodo aɖeke menɔ mia kple Mawu dome o hã la, Yehowa to Kristo dzi ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wò be blibodede si Adam bu la nava su asiwò eye nànyi agbe mavɔ dome. (Mateo 20:28; Romatɔwo 5:12, 18) Èva se nu si gbegbe Yehowa tsɔ sa vɔe esi wòdɔ Via malɔ̃nugbɔa ɖa wòva ku ɖe tawò la gɔme. Esiawo katã ʋã dzi na wò nèva lɔ̃ Mawu, ame si ɖe lɔlɔ̃ gã sia gbegbe fia wò.—Xlẽ 1 Yohanes 4:9, 10.

6. Aleke míeɖea lɔlɔ̃ vavãtɔ fianae, eye nu kae lɔlɔ̃ na Mawu ʋã wò nèwɔ?

6 Gake seselelãme sia nye lɔlɔ̃ vavã si nàɖo na Yehowa la ƒe gɔmedzedze ko. Lɔlɔ̃ mefia seselelãme alo numenya dzro ko o. Be woalɔ̃ Mawu ŋutɔŋutɔ la, ebia nu geɖe wu gbɔgblɔ ko be, “Melɔ̃ Yehowa.” Abe ale si wòle le xɔse gome ene la, nuwɔna mee lɔlɔ̃ vavãtɔ dzena le. (Yakobo 2:26) Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, míeɖea lɔlɔ̃ fiana to nu si adze ame si míelɔ̃ ŋu la wɔwɔ me. Eya ta esi nèva lɔ̃ Yehowa la, lɔlɔ̃ ma ʋã wò nèdi vevie be yeanɔ agbe le mɔ si adze Fofowò si le dziƒo ŋu la nu. Ðasefo xɔnyɔnyrɔe nènyea? Ke efia be lɔlɔ̃ deto sia kple didi be yeasubɔe ye ʋã wò nèwɔ nyametsotso vevitɔ kekeake sia le wò agbe me. Ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eye nètsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖo kpe adzɔgbeɖeɖe ma dzi. (Xlẽ Romatɔwo 14:7, 8.) Ale si nàwɔ anɔ agbe ɖe adzɔgbe si nèɖe na Yehowa nu ŋue apostolo Yohanes yi edzi ƒo nu tsoe.

“MÍALÉ EƑE SEAWO ME ÐE ASI”

7. Mawu ƒe sewo dometɔ aɖewoe nye kawo, eye nu kae wo meléle ɖe asi fia?

Yohanes ɖe nu si lɔlɔ̃ na Mawu fia me esi wògblɔ be: “Míalé eƒe seawo me ɖe asi.” Nu kae nye Mawu ƒe seawo? Yehowa de se tso nanewo ŋu tẽe le eƒe Nya Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, ede se ɖe ahamumu, gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, trɔ̃subɔsubɔ, fififi, kple aʋatsokaka nu. (1 Korintotɔwo 5:11; 6:18; 10:14; Efesotɔwo 4:28; Kolosetɔwo 3:9) Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ fia be míanɔ agbe ɖe Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu siwo me kɔ nyuie la nu.

8, 9. Aleke míawɔ anya nu si adze Yehowa ŋu le nɔnɔme siwo ŋu Biblia ƒe se aɖeke meku ɖo tẽe o gɔ̃ hã me? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

8 Ke hã, be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la, ele be míawɔ nu si de ŋgɔ wu eƒe se siwo le tẽe la ko dzi wɔwɔ. Yehowa meli kɔ se gbogbo aɖewo ɖe mía dzi ku ɖe míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ŋu o. Eya ta gbe sia gbe la, míate ŋu ado go nɔnɔme geɖe siwo ŋu Biblia ƒe se aɖeke meku ɖo tẽe o. Aleke míawɔ anya nu si adze Yehowa ŋu le nɔnɔme mawo me? Nu geɖewo le Biblia me siwo akpe ɖe mía ŋu míanya nu si nye Mawu ƒe susu le nyawo ŋu. Biblia sɔsrɔ̃ kpena ɖe mía ŋu míedzea si nu siwo Yehowa lɔ̃ kple nu siwo wòlé fui. (Xlẽ Psalmo 97:10; Lododowo 6:16-19) Enana míenyaa nɔnɔme kple nuwɔna siwo dzea eŋu hã. Zi ale si míeyi edzi le nu srɔ̃m tso Yehowa ƒe amenyenye kple eƒe mɔwo ŋui la, zi nenemae eƒe nukpɔsusu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nyametsotso kple nuwɔnawo dzii. Esia awɔe be le nɔnɔme siwo ŋu Biblia ƒe se aɖeke meku ɖo tẽe o gɔ̃ hã me la, míate ŋu akpɔ “nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu” adze sii.—Efesotɔwo 5:17.

9 Le kpɔɖeŋu me, se aɖeke mele Biblia me si gblɔ tẽe be míagakpɔ video alo television dzi wɔna siwo me woɖea ŋutasesẽ kple gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ fiana le o. Gake ɖe wòle be woade nu siawo kpɔkpɔ ŋuti se na mí tẽe kokokoa? Míenya ale si Yehowa bua nu siawoe. Eƒe Nya la gblɔ na mí eme kɔ ƒãa be: “[Yehowa] léa fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.” (Psalmo 11:5) Egagblɔ hã be ‘Mawu adrɔ̃ ʋɔnu gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔlawo.’ (Hebritɔwo 13:4) Ne míede ŋugble le nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me ŋu la, míate ŋu akpɔ nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu adze sii keŋ. Eya ta mele be míatsɔ wɔna siwo me woɖea nu siwo Mawu lé fui fiana le gaglã la aɖe modzakae o. Míenyae be edzea Yehowa ŋu ne míetsri xexe sia ƒe modzakaɖeɖe siwo me woɖea agbe ƒaƒã nɔnɔ fiana le abe nu si me afɔku aɖeke mele o ene. *

10, 11. Nu ka tae míetiae be míaɖo to Yehowa, eye toɖoɖo ka ƒomevie míeɖena fiana?

10 Susu ka koŋ tae míeléa Mawu ƒe sewo me ɖe asi ɖo? Nu ka tae míedina be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu gbe sia gbe? Menye vɔvɔ̃ na tohehe alo be míaƒo asa na nu gbegblẽ siwo dona tso eme na ame siwo mewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o tae míedina be míawɔ Mawu ƒe sewo dzi ɖo o. (Galatiatɔwo 6:7) Ke boŋ míebua toɖoɖo Yehowa be enye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na mí be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ afiae. Abe ale si ko ɖevi dina be yeawɔ nu si ana ye fofo nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu ene la, nenema kee míawo hã míedina be míawɔ nu si ana Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. (Psalmo 5:12) Eyae nye mía Fofo, eye míelɔ̃e. Ne míenya be míele agbe nɔm le mɔ si ana míanye ame siwo “ƒe nu dzea Yehowa ŋu” nu la, enana míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme geɖe.—Lododowo 12:2.

11 Eya ta mele be wòawɔ abe ɖe wozi toɖoɖo ɖe mía dzi ene loo, alo ne edzro mí alo nyo na mí ko hafi míaɖo to o. * Mele be míatiae be míaɖo to le nanewo me ahagbe toɖoɖo le nu bubuwo me o; eye menye ne míekpɔe be aɖe vi na mí alo mana míato fukpekpe aɖeke me o ko hafi míaɖo to o. Ke boŋ míenye ‘ame siwo ɖoa to tso dzi me.’ (Romatɔwo 6:17) Míesena le mía ɖokui me abe hakpala la ene, ame si gblɔ be: “Melɔ̃ wò sededewo vevie, ɛ̃, melɔ̃ wo.” (Psalmo 119:47) Nyateƒee, míelɔ̃a Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ. Míenyae be edi tso mía si be míaɖo to ye bliboe tso dzi me, eye edze na esia hã. (5 Mose 12:32) Míedi be Yehowa nagblɔ tso mía ŋu abe ale si eƒe Nya la gblɔ tso Noa ŋu ene. Biblia gblɔ tso blemafofo nuteƒewɔla ma si ɖo to Mawu ƒe geɖe le esi wòlɔ̃e ta la ŋu be: “Noa wɔ nu siwo katã ƒe se Mawu de nɛ la. Ewɔ wo pɛpɛpɛ.”—1 Mose 6:22.

12. Toɖoɖo ka ƒomevie doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi?

12 Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne míeɖo toe tso dzi me? Eƒe Nya la gblɔ be míaƒe toɖoɖo alea ‘doa dzidzɔ na eƒe dzi.’ (Lododowo 27:11) Ðe míaƒe toɖoɖo doa dzidzɔ na míaƒe Aƒetɔ xexea me katã ƒe Dziɖulagã la vavã? Ɛ̃, edoa dzidzɔ nɛ, eye gɔmesese le esia ŋu. Yehowae wɔ mí, eye wòna tiatiawɔblɔɖe mí. Esia fia be míate ŋu atiae be míaɖo to Mawu loo alo atiae be míagbe toɖoɖoe. (5 Mose 30:15, 16, 19, 20) Ne míetiae be míaɖo to Yehowa tso dzi me, eye wònye lɔlɔ̃ si le mía si na eyama koŋ ye ʋã mí míewɔ tiatia ma la, edoa dzidzɔ na mía Fofo si le dziƒo la ale gbegbe. (Lododowo 11:20) Esiae nye mɔ nyuitɔ kekeake si nu míanɔ agbe ɖo.

“EƑE SEAWO MENYE AGBA O”

13, 14. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Mawu ƒe “seawo menye agba o,” eye aleke míate ŋu awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui?

13 Apostolo Yohanes gblɔ nya dedziƒoname sia tso Yehowa ƒe nudidiwo ŋu be: “Eƒe seawo menye agba o.” Helagbe me nya si gɔme woɖe le 1 Yohanes 5:3 be “agba” la fia “nu si le kpekpem.” * Biblia gɔmeɖeɖe bubu aɖe ɖe kpukpui sia gɔme be: “Eƒe sewo metea mí ɖe anyi o.” (New English Translation) Yehowa ƒe nudidiwo mesesẽ akpa alo tea mí ɖe anyi o. Eƒe sewo dzi wɔwɔ menye nu si gbɔ amegbetɔ madeblibowo ƒe ŋutete ŋu o.

14 Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale. Tsɔe be xɔ̃wò vevi aɖe bia be nàfɔ agba aɖewo kpe ye esi wòle ʋuʋum yina aƒe bubu me. Ede agbaawo aɖaka vovovowo me. Aɖakaawo dometɔ aɖewo kɔkɔ anɔ bɔbɔe na wò, bubuwo hã le kpekpem, si ahiã be ame eve nakɔe. Ðe xɔ̃wòa abia tso asiwò be nàkɔ aɖaka siwo wònya nyuie be màte ŋu akɔ oa? Gbeɖe. Madi be nàvu ɖe agba siwo màte ŋu akɔ o la kɔkɔ ŋu nuvevi nawɔ wò o. Nenema kee mía Mawu dɔmenyotɔ lɔ̃ame la made se siwo sesẽ akpa la na mí o. (5 Mose 30:11-14) Madi gbeɖe be míatsɔ agba si kpe wu mí o. Yehowa nya míaƒe ŋutetewo ƒe seɖoƒe, elabena “enya míaƒe wɔwɔme nyuie, eɖoa ŋui be kewɔe míenye.”—Psalmo 103:14.

15. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be míaƒe nyonyo tae Yehowa ƒe sewo li ɖo?

15 Yehowa ƒe sewo menye agba na mí kura o; míaƒe nyonyo tae woli ɖo. (Xlẽ Yesaya 48:17.) Susu ma tae Mose te ŋu gblɔ na Israel-viwo be: “Yehowa de se na mí be míawɔ ɖoɖo siawo katã dzi, eye míavɔ̃ Yehowa mía Mawu la, ne eme nanyo na mí ɖaa, ne míayi edzi anɔ agbe, abe ale si wòle egbe sia ene.” (5 Mose 6:24) Míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi be míaƒe nyonyo tae Yehowa tsɔ eƒe sewo na mí ɖo—ɛ̃, edi be eme nanyo na mí tegbee. Alo menye nenema ko wòanɔ oa? Yehowa nye Mawu si seɖoƒe meli na eƒe nunya o. (Romatɔwo 11:33) Eya ta enya nu si nye nyuitɔ kekeake na mí. Yehowa nye lɔlɔ̃ ƒe Mawu hã. (1 Yohanes 4:8) Esi wònye eƒe amenyenyee nye lɔlɔ̃ ta la, lɔlɔ̃e ʋãnɛ le nu sia nu si wògblɔna hewɔna me. Lɔlɔ̃ dzie wòtu se siwo katã wòde na esubɔlawo la ɖo.

16. Togbɔ be xexe gblẽku sia kple míaƒe ŋutilã madebliboa ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo li hã la, nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi aɖo to?

16 Esia mefia be toɖoɖo Mawu nɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ele be míawɔ avu kple xexe gblẽku sia si “le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te” la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo. (1 Yohanes 5:19) Ele be míawɔ avu kple míaƒe ŋutilã madeblibo si ʋãa mí be míada Mawu ƒe sewo dzi la hã. (Romatɔwo 7:21-25) Ke hã, míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu ate ŋu ana míaɖu dzi. Yehowa yraa ame siwo ɖoa toe le esi wolɔ̃e ta. Enaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea “ame siwo ɖoa toe abe dziɖula ene.” (Dɔwɔwɔwo 5:32) Gbɔgbɔ kɔkɔea nana be nɔnɔme nyui siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi aɖo to Mawu la sua mía si.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

17, 18. (a) Nu kawo mee míadzro le agbalẽ sia me, eye nu vevi kawoe wòle be woanɔ susu me na mí le numedzodzroa me? (b) Nu ka mee míadzro le ta si kplɔe ɖo me?

17 Míadzro Yehowa ƒe gɔmeɖosewo, eƒe agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenuwo, kple nu bubu siwo ɖe eƒe lɔlɔ̃nu fia la me le agbalẽ sia me. Gake ele be nu vevi aɖewo nanɔ susu me na mí esi míele wo me dzrom. Ele be míaɖo ŋkui be Yehowa mezia mía dzi be míawɔ yeƒe sewo kple gɔmeɖosewo dzi o; edi be míaɖo to ye faa tso dzi me. Nenɔ susu me na mí hã be ale si Yehowa bia tso mía si be míanɔ agbee la ana míakpɔ yayra geɖewo fifia, eye wòana míakpɔ agbe mavɔ le etsɔme. Eye ele be míabu míaƒe toɖoɖo tso dzi blibo me be enye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe na mí be míaɖee afia Yehowa be míelɔ̃e vavã.

18 Yehowa na dzitsinya mí lɔlɔ̃tɔe be wòakpe ɖe mía ŋu míade vovototo nyui kple vɔ̃ dome. Gake hafi míaƒe dzitsinya nafia mɔ mí nyuie la, ele be míana hehee, eye ale si míawɔ esia mee míadzro le ta si kplɔe ɖo me.

^ mm. 9 Wodzro ale si míawɔ atia modzakaɖeɖe nyuiwo me le agbalẽ sia ƒe Ta 6 lia me.

^ mm. 11 Gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã ate ŋu aɖo to togbɔ be metso woƒe dzi me o hã. Esi Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃wo be woado go le ame aɖewo me la, woɖo toe dzizizitɔe le esi wonya be ŋusẽ le esi wu yewo ta, ke menye tso dzi me o.—Marko 1:27; 5:7-13.

^ mm. 13 Wozã nya ma ke le Mateo 23:4 tsɔ ƒo nu tso amegbetɔwo ƒe se kpaɖii siwo agbalẽfialawo kple Farisitɔwo tsɔ do “agba kpekpewo” na ame tsɛwoe ŋu. Nya ma ke gɔmee woɖe le Dɔwɔwɔwo 20:29, 30 be “nyanyra,” esi wogblɔ tso xɔsegbela amedzizila siwo ‘gblɔa nya totrowo’ tsɔ blea amewoe ŋu be wonye amegãxi nyanyrawo.