Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 8

Mawu Lɔ̃a Ame Siwo Le Dzadzɛ

Mawu Lɔ̃a Ame Siwo Le Dzadzɛ

“Èdza na ame si dza.”—PSALMO 18:26.

1-3. (a) Nu ka tae vidada kpɔa egbɔ be ye vi le dzadzɛ? (b) Nu ka tae Yehowa di be ye subɔlawo nanɔ dzadzɛ, eye nu kae aʋã mí míadi be míanɔ dzadzɛ?

VIDADA aɖe dzra ɖo na via. Ekpɔ egbɔ be yele tsi nɛ hedo awu siwo le dzadzɛ nɛ hafi wòdo go le aƒea me. Enya be ne ɖevia le dzadzɛ la, ana wòanɔ lãmesẽ me. Enya hã be ɖevia ƒe dzedzeme ana amewo naƒo nu nyui tso edzilawo ŋu loo alo woaƒo nu gbegblẽ tso wo ŋu.

2 Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la, di be ye subɔlawo nanɔ dzadzɛ. Eƒe Nya la gblɔ be: “Èdza na ame si dza.” * (Psalmo 18:26) Yehowa lɔ̃ mí; enya be ne míele dzadzɛ la, aɖe vi na mí. Edi hã be yeƒe Ðasefowo nana amewo naƒo nu nyui tso ye ŋu. Ɛ̃, ne míaƒe dzedzeme kple agbenɔnɔ le dzadzɛ la, ahe ŋutikɔkɔe ava Yehowa kple eƒe ŋkɔ kɔkɔe la dzi, ke menye vlodoame o.—Ezekiel 36:22; xlẽ 1 Petro 2:12.

3 Esi míenya be Mawu lɔ̃a ame siwo le dzadzɛ ta la, esia ʋãa mí be míanɔ dzadzɛ. Míedi be míaƒe agbenɔnɔ nahe kafukafu vɛ na eyama, elabena míelɔ̃e. Míedi hã be míato esia dzi anɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa. Eya ta mina míadzro nu si tae wòle vevie be míanɔ dzadzɛ, nu si wòfia be míanɔ dzadzɛ, kple ale si míawɔ anɔ dzadzɛ la me. Numedzodzro sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔe ɖa be go kawo mee wòahiã be míawɔ asitɔtrɔwo le hã.

NU KA TA WÒLE BE MÍANƆ DZADZƐ?

4, 5. (a) Susu vevi ka koŋ tae wòle be míanɔ dzadzɛ? (b) Aleke Yehowa ƒe dzadzɛnyenye dzena le eƒe nuwɔwɔ siwo míekpɔna me?

4 Mɔ siwo dzi Yehowa tona fiaa mɔ mí la dometɔ ɖekae nye kpɔɖeŋu si eya ŋutɔ ɖona na mí. Eƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be míazu “Mawu srɔ̃lawo.” (Efesotɔwo 5:1) Eya ta susu vevi si koŋ ta wòle be míanɔ dzadzɛ ɖoe nye be Yehowa, Mawu si subɔm míele la, le dzadzɛ hele kɔkɔe le go sia go me.—Xlẽ 3 Mose 11:44, 45.

5 Yehowa ƒe dzadzɛnyenye kple eƒe amenyenye ƒe akpa bubuwo dzena le eƒe nuwɔwɔ siwo míekpɔna me. (Romatɔwo 1:20) Etrɔ asi le anyigbaa ŋu be wòanye nɔƒe dzadzɛ aɖe na mí. Yehowa wɔ dzɔdzɔmeɖoɖo ɖe tsi kple ya ƒe tɔtrɔwo ŋu bene woayi edzi anɔ dzadzɛ. Nugbagbevi sue aɖewo wɔa dɔ abe dzadzɛnyenyegbɔkpɔlawo ene esi wotrɔa ɖinuwo wozua nu dzadzɛwo. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo zãa nugbagbevi sue siawo siwo nɔa dɔ dzi ɖaa la dometɔ aɖewo tsɔ ɖɔa teƒe siwo mɔ̃memi kɔ ɖo kple teƒe siwo amegbetɔ ɖokuitɔdilawo kple ŋuklẽlawo kɔ ɖinuwo ɖo wòle nu gblẽm le la ɖo. Eme kɔ ƒãa be dzadzɛnyenye le vevie na ‘anyigba Wɔla la.’ (Yeremiya 10:12) Ele be wòanɔ vevie na míawo hã.

6, 7. Aleke Mose ƒe Sea na wòdze ƒãa be Yehowa di be ye subɔlawo nanɔ dzadzɛ?

6 Susu bubu si ta wòle be míanɔ dzadzɛ ɖoe nye be Yehowa, míaƒe Dziɖulagã la, di be ye subɔlawo nanɔ dzadzɛ. Le Se si Yehowa tsɔ na Israel-viwo me la, kadodo kplikplikpli aɖe nɔ dzadzɛnyenye kple tadedeagu dome. Sea gblɔ tẽe be le Avuléŋkekea dzi la, ele be nunɔlagã la nale tsi, menye zi ɖeka o, ke boŋ zi eve. (3 Mose 16:4, 23, 24) Wobia tso nunɔla bubuawo hã si be woaklɔ asi kple afɔ hafi asa vɔ na Yehowa. (2 Mose 30:17-21; 2 Kronika 4:6) Sea yɔ nu vovovo 70 siwo aƒo ɖi ame ƒe ŋutilã alo ana ame ŋu makɔ o. Ne Israel-vi aɖe ŋu mekɔ o la, makpɔ gome le tadedeagu wɔna aɖeke me o—le go aɖewo me la, aku nenye be etri to. (3 Mose 15:31) Ne ame aɖe mewɔ nu siwo wòle be wòawɔ ne eŋu nakɔ, abe tsiléle kple eƒe nuwo nyanyã ene o la, “woatsrɔ̃ ame ma ɖa le ha la dome.”—4 Mose 19:17-20.

7 Togbɔ be míele Mose ƒe Sea te egbea o hã la, ena míekpɔ Mawu ƒe susu le nyawo ŋu dze sii keŋ. Sea na wòdze ƒãa be Mawu di be ye subɔlawo nanɔ dzadzɛ. Yehowa metrɔ o. (Malaki 3:6) Ne míaƒe tadedeagu menye esi “le dzadzɛ, si ŋu ɖiƒoƒo mele o” la, mate ŋu adze Yehowa ŋu o. (Yakobo 1:27) Eya ta ele vevie be míanya nu si wòdi tso mía si le go sia me.

NU SI WÒFIA BE MÍANƆ DZADZƐ LE MAWU ŊKUME

8. Go kawo mee Yehowa di be míanɔ dzadzɛ le?

8 Ne Biblia ƒo nu tso dzadzɛnyenye ŋu la, menye ŋutilãmedzadzɛnyenye koe wòwɔnɛ o. Be míanɔ dzadzɛ le Mawu ŋkume lɔ míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ɖe eme. Yehowa kpɔa mɔ be míanɔ dzadzɛ le go ene aɖewo me—le gbɔgbɔ me, le agbenɔnɔ me, le susu me, kple ŋutilã me. Mina míadzro nu si wo dometɔ ɖe sia ɖe fia la me.

9, 10. Nu kae wòfia be míanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me, eye nu kawoe Kristotɔ vavãwo ƒoa asa na?

9 Gbɔgbɔmedzadzɛnyenye. Kpuie ko la, gbɔgbɔmedzadzɛnyenye fia be woagatsɔ alakpasubɔsubɔ nuwɔna aɖeke atsaka kple tadedeagu dzadzɛa o. Esime Israel-viwo nɔ ʋuʋum tso Babilon atrɔ ayi Yerusalem la, enɔ na wo be woawɔ ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Miʋu tso afi ma, migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o! . . . Miwɔ mia ɖokui kɔkɔe!” (Yesaya 52:11) Nu si koŋ tae Israel-viwo atrɔ agbɔ ɖoe nye be woagbugbɔ Yehowa ƒe tadedeagu aɖo anyi. Ele be tadedeagu ma nanɔ dzadzɛ—mele be woatsɔ Babilontɔwo ƒe alakpasubɔsubɔ ƒe nufiafia, nuwɔna, kple kɔnu siwo doa vlo Mawu la aƒo ɖii o.

10 Egbea ele be mí Kristotɔ vavãwo míanɔ ŋudzɔ be míagatsɔ alakpasubɔsubɔ nuwɔna aɖeke aƒo ɖi mía ɖokuiwo o. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 10:21.) Ele be míakpɔ nyuie, elabena alakpasubɔsubɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi xɔ aƒe ɖe afi sia afi. Alakpasubɔsubɔ ƒe nufiafiawo kpɔ ŋusẽ ɖe dekɔnu kple nuwɔna geɖewo dzi le dukɔ geɖe me. Nufiafia siawo dometɔ ɖekae nye be nane le ame me si yia edzi nɔa agbe le ku megbe. (Nyagblɔla 9:5, 6, 10) Kristotɔ vavãwo ƒoa asa na kɔnu siwo wotu ɖe alakpadzixɔsewo dzi. * Mele be míaɖe mɔ amewo ƒe nyaƒoɖeamenu nana míada le Biblia ƒe nudidi siwo ku ɖe tadedeagu dzadzɛ tsɔtsɔ na Mawu ŋu la dzi o.—Dɔwɔwɔwo 5:29.

11. Nu kae agbe dzadzɛ nɔnɔ fia, eye nu ka tae wòle vevie be míanɔ dzadzɛ le go sia me?

11 Agbe dzadzɛ nɔnɔ. Be míanɔ agbe dzadzɛ fia be míaƒo asa na gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔna ɖe sia ɖe. (Xlẽ Efesotɔwo 5:5.) Agbe dzadzɛ nɔnɔ le vevie ŋutɔ. Abe ale si míava kpɔe le ta si kplɔe ɖo me ene la, ele be ‘míasi le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ nu’ hafi ate ŋu ayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me. Gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔla matrɔdzimewo “[manyi] Mawu Fiaɖuƒe la dome o.” (1 Korintotɔwo 6:9, 10, 18) Mawu bua ame siawo de “ŋunyɔnuwɔlawo” dome. Ne wometrɔ dzi me henɔ agbe dzadzɛ o la, ‘wo tɔ gome anye ku evelia.’—Nyaɖeɖefia 21:8.

12, 13. Kadodo kae le míaƒe nuŋububu kple míaƒe nuwɔna dome, eye aleke míawɔ anɔ dzadzɛ le susu me?

12 Susumedzadzɛnyenye. Nu siwo ŋu míebuna kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔna dzi. Ne míeɖe mɔ nu gbegblẽwo ŋu bubu xɔ aƒe ɖe míaƒe susu kple dzi me la, woate ŋu akplɔ mí ade nu siwo mele dzadzɛ o wɔwɔ me. (Mateo 5:28; 15:18-20) Gake ne míena nu siwo le dzadzɛ ŋu bubu xɔ míaƒe susu me la, akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi míanɔ agbe dzadzɛ. (Xlẽ Filipitɔwo 4:8.) Aleke míawɔ anɔ dzadzɛ le susu me? Gbã la, ele be míatsri modzakaɖeɖe ɖe sia ɖe si ate ŋu agblẽ nu le míaƒe nuŋububu ŋu. * Evelia, ele be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la edziedzi bene nu siwo le dzadzɛ naxɔ míaƒe susu me.—Psalmo 19:8, 9.

13 Be míanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa la, ele vevie be míanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me, le agbenɔnɔ me, kple susu me. Wodzro ale si míawɔ anɔ dzadzɛ le go etɔ̃ siawo me la me tsitotsito le agbalẽ sia ƒe ta bubuwo me. Eya ta mina míadzro go enelia, si nye ŋutilãmedzadzɛnyenye, me ayi ŋgɔe azɔ.

ALEKE MÍAWƆ ANƆ DZADZƐ LE ŊUTILÃ ME?

14. Nu ka tae ŋutilãmedzadzɛnyenye menye ame ŋutɔ ƒe nya dzro ko o?

14 Ŋutilãmedzadzɛnyenye bia be míana míaƒe ametia kple míaƒe nuwo nanɔ dzadzɛ. Ðe míagblɔ be esia nye ame ŋutɔ ƒe nya si meka ame bubuwo oa? Yehowa subɔlawo mebunɛ nenema gbeɖe o. Abe ale si míekpɔe va yi ene la, míaƒe ŋutilãmedzadzɛnyenye le vevie na Yehowa, menye le esi wòaɖe vi na mía ŋutɔwo ta ko o, ke le esi wòana woaƒo nu nyui tso eŋu hã tae. Gade ŋugble tso kpɔɖeŋu si míetsɔ dze ta sia gɔmee ŋu kpɔ. Ne èkpɔnɛ be ɖevi aɖe ƒoa ɖi trikpatrikpa ɣesiaɣi la, ɖe ema mana nàƒo nya ta be edzilawo metsɔa ɖeke le dzadzɛnyenye me oa? Mía dometɔ aɖeke madi be yeana yeƒe dzedzeme alo agbenɔnɔ nahe vlododo ava mía Fofo si le dziƒo la dzi loo alo ana amewo nagbe nya nyui si ƒe gbeƒã ɖem míele la o. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Míewɔa naneke si azu nuɖiaɖia le mɔ aɖeke nu o, ale be woagakpɔ vodada aɖeke le míaƒe subɔsubɔdɔ la ŋu o; ke boŋ míeɖea mía ɖokui fiana le mɔ sia mɔ nu be míenye Mawu ƒe subɔlawo.” (2 Korintotɔwo 6:3, 4) Ekema aleke míawɔ anɔ dzadzɛ le ŋutilã me?

15, 16. Nu kae wòfia be míaƒe ametia nanɔ dzadzɛ, eye aleke wòle be míaƒe awudodo nanɔ?

15 Míaƒe ametia kple míaƒe nudodowo. Togbɔ be dekɔnu kple ganyawo le vovovo le dukɔ ɖe sia ɖe me hã la, zi geɖe la, míate ŋu akpɔ adzalẽ kple tsi ale edziedzi ahakpɔ egbɔ be mía kple mía viwo le dzadzɛ. Be míaƒe ametia nanɔ dzadzɛ bia hã be míatsɔ adzalẽ kple tsi aklɔ asi hafi aɖu nu alo aka asi nuɖuɖu ŋu, eye ne míede nugodo alo dzra ɖo na ɖevi si de nugodo vɔ hã la, ele be míatsɔ adzalẽ aklɔ asi. Adzalẽ kple tsi tsɔtsɔ klɔ asii ana míaƒo asa na dɔléle eye wòakpɔ mía ŋutɔwo kple ame bubuwo ƒe agbe ta. Esia awɔe be míakaka dɔlékui siwo ana ame bubuwo nadze dɔ o, abe mitsinyenyedɔwo ene. Le teƒe siwo nugododeƒe nyuiwo mele o la, ɣesiaɣi si woade afɔdzi la, ele be woaɖe do axe ke ɖe edzi abe ale si wowɔnɛ le blema Israel ene.—5 Mose 23:12, 13.

16 Ele be míanyã míaƒe awuwo hã edziedzi be woanɔ dzadzɛ. Menye awu xɔasiwo alo awu siwo le tsia dzi kokokoe wòahiã be Kristotɔwo nado o, ke boŋ awu siwo le dzadzɛ, siwo metɔa ŋku o. (Xlẽ 1 Timoteo 2:9, 10.) Afi ka kee míeɖale o, míadi vevie be míaƒe dzedzeme naɖo “atsyɔ̃ na Mawu, mía Xɔla, ƒe nufiafia la.”—Tito 2:10.

17. Nu ka tae wòle be míaƒe aƒe kple nunɔamesi bubuwo nanɔ dzadzɛ?

17 Míaƒe aƒe kple nunɔamesi bubuwo. Togbɔ be mahiã kokoko be míaƒe aƒe nanye esi woɖo atsyɔ na kpeɖi o hã la, ele be míana wòanɔ dzadzɛ ahanɔ nɔnɔme nyui me ale si dze. Nenema kee ne ʋu le mía si míetsɔ yia kpekpewo kple gbeadzi la, ele be míadze agbagba ɖe sia ɖe ana ʋua ŋuti kple eme siaa nanɔ dzadzɛ. Ele be míaɖo ŋku edzi be ne míaƒe aƒe kple nunɔamesi bubuwo le dzadzɛ la, enyea ɖaseɖiɖi nyui. Míefiaa nu amewo be Mawu dzadzɛ ye Yehowa nye, be ava tsrɔ̃ “ame siwo le anyigba la gblẽm,” eye be eteƒe madidi o, eƒe Fiaɖuƒea atrɔ míaƒe anyigba la wòazu paradiso. (Nyaɖeɖefia 11:18; Luka 23:43) Eya ta ele be míana míaƒe aƒe kple nunɔamesi bubuwo ƒe dzedzeme nana amewo nakpɔe be míele nɔnɔme dzadzɛ siwo wodi tso ame siwo anɔ xexe yeyea me si la tum ɖo.

Ŋutilãmedzadzɛnyenye bia be míana míaƒe ametia kple míaƒe nuwo nanɔ dzadzɛ

18. Aleke míaɖee afia be míedea bubu míaƒe Fiaɖuƒe Akpata ŋu?

18 Míaƒe tadeaguƒewo. Lɔlɔ̃ na Yehowa ʋãa mí míedea bubu míaƒe Fiaɖuƒe Akpata, si nye afi si koŋ tadedeagu vavãtɔ yia edzi le le nutoa me la ŋu. Ne ɖetsɔlemetɔwo va akpataa me la, míadi be woaƒo nu nyui tso míaƒe kpekpewɔƒea ŋu. Ne míedzraa akpataa me kple egodo ɖo heɖɔa nu siwo gblẽ le eŋu la hã ɖo edziedzi ko hafi wòanya kpɔ ahadze ame ŋu. Míedea bubu Fiaɖuƒe Akpataa ŋu ne míewɔa nu sia nu si míate ŋui be wòanɔ nɔnɔme nyui me. Mɔnukpɔkpɔ wònye be míatsɔ mía ɖokui ana faa le míaƒe tadeaguƒewo ‘ɖɔɖɔɖo kple wo dzadzraɖo’ me. (2 Kronika 34:10) Nenema kee wòle le míaƒe Takpexɔwo kple takpekpewɔƒe bubuwo hã gome.

MÍA ÐOKUIWO ŊU KƆKƆ TSO ÐIƑOAMENUWO ME

19. Nu kawoe wòle be míatsri be míanɔ dzadzɛ le ŋutilã me, eye aleke Biblia kpena ɖe mía ŋu le go sia me?

19 Be míanɔ dzadzɛ le ŋutilã me la, ele be míatsri numame kple nuwɔna siwo ƒoa ɖi ame, abe atamanono kple aha tsu nono ene, eye míaƒo asa na atike vɔ̃ɖi siwo kpɔa ŋusẽ ɖe susua dzi la hã zazã. Togbɔ be Biblia meyɔ numame kple nuwɔna makɔmakɔ nyɔŋu siwo bɔ egbea la katã ŋkɔ tẽe o hã la, gɔmeɖosewo le eme siwo ana míakpɔ ale si Yehowa bua nu siawoe. Ne míenya ale si Yehowa bua nu siawoe la, lɔlɔ̃ na eyama aʋã mí míawɔ nu siwo dzea eŋu. Mina míadzro Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siawo dometɔ atɔ̃ me.

20, 21. Nuwɔna kawo ŋue Yehowa di be míate mía ɖokui ɖa le, eye susu vevi ka tae wòle be míawɔe nenema?

20 “Esi ŋugbedodo siawo le mía si ta la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, eye míanɔ kɔkɔe geɖe wu le mawuvɔvɔ̃ me.” (2 Korintotɔwo 7:1) Yehowa di be míate mía ɖokui ɖa tso nuwɔna siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã hegblẽa nu le míaƒe gbɔgbɔ, si nye tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi, ŋu la gbɔ. Eya ta ele be míatsri numame ɖe sia ɖe si agblẽ nu le míaƒe ŋutilã kple susu ŋu.

21 Biblia gblɔ susu vevi si ta wòle be “míakɔ mía ɖokui ŋu tso . . . ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.” De dzesii be wodze 2 Korintotɔwo 7:1 gɔme be: “Esi ŋugbedodo siawo le mía si ta la.” Ŋugbedodo kawo? Abe ale si wòdze le kpukpui siwo do ŋgɔ me ene la, Yehowa do ŋugbe be: “Maxɔ mi. Eye manye mia fofo.” (2 Korintotɔwo 6:17, 18) Bu eŋu kpɔ: Yehowa do ŋugbe be yeakpɔ tawò, eye yealɔ̃ wò abe ale si vifofo lɔ̃a viae ene. Gake ne ètsri “ŋutilã kple gbɔgbɔ” ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo ko hafi Yehowa awɔ ɖe ŋugbedodo siawo dzi na wò. Masɔ kura be nàna numame alo nuwɔna nyɔŋu aɖeke nagblẽ mia kple Yehowa dome ƒomedodo xɔasia dome o!

22-25. Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawoe akpe ɖe mía ŋu míatsri numame kple nuwɔna makɔmakɔwo?

22 “Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37) Yesu tɔ asi se sia dzi be eyae nye sedede gãtɔ. (Mateo 22:38) Yehowa dze na míaƒe lɔlɔ̃ blibo. Hafi míalɔ̃ Mawu kple míaƒe dzi, luʋɔ, kple susu blibo la, ele be míaƒo asa na nuwɔna siwo ate ŋu atso míaƒe agbe dzi alo agblẽ nu le nuŋububu ŋutete si wòna mí la ŋu.

23 “[Yehowa] naa agbe kple agbegbɔgbɔ kpakple nuwo katã ame sia ame.” (Dɔwɔwɔwo 17:24, 25) Nunanae agbe nye tso Mawu gbɔ. Esi míelɔ̃ Agbenala la ta la, míedi be míade bubu nunana sia ŋu. Míekpɔa gome le numame alo nuwɔna siwo agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu me o, elabena míenyae be nuwɔna mawo nye bubumademade agbe si Mawu na mí ŋu.—Psalmo 36:9.

24 “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:39) Menye ame si ƒo eɖokui ɖe numame kple nuwɔna makɔmakɔwo me ŋu koe esia gblẽa nu le o, ke egblẽa nu le ame siwo dome wòle hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne ame si menoa atama o la le teƒe si wole atama nom le eye wòle dzudzɔa gbɔm la, esia ate ŋu agblẽ nu le eŋu. Ame si gblẽa nu le ame bubuwo ŋu alea la le Mawu ƒe se si gblɔ be míalɔ̃ mía haviwo dzi dam. Ame ma mate ŋu agblɔ be yelɔ̃ Mawu o.—1 Yohanes 4:20, 21.

25 “Yi edzi nànɔ ŋku ɖom edzi na wo be woabɔbɔ wo ɖokuiwo na dziɖuɖuwo kple ŋusẽtɔwo, eye woaɖo to wo.” (Tito 3:1) Le dukɔ geɖe me la, enye sedzidada be woakpɔ atike vɔ̃ɖi le ame si alo be woazãe. Mí Kristotɔwo míezãa atike vɔ̃ɖi mawo o, eye mele be woakpɔ ɖeke le mía si hã o.—Romatɔwo 13:1.

26. (a) Nu kae wòle be míawɔ be míayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me? (b) Nu ka tae viɖe le eŋu be míanɔ dzadzɛ le Mawu ŋkume?

26 Be míanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa la, menye nu ɖeka eve aɖewo me koe wòahiã be míanɔ dzadzɛ le o, ke boŋ le nuwo katã me. Menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be woaɖe asi le numame kple nuwɔna siwo ƒoa ɖi ame ŋu o, gake àte ŋu awɔ esia. * Le nyateƒe me la, mɔ nyui bubu aɖeke megali si nu míanɔ agbe ɖo wu esia o, elabena nu siwo Yehowa fiaa mí la ɖea vi na mí ɣesiaɣi. (Xlẽ Yesaya 48:17.) Gawu la, ne míele dzadzɛ la, míaƒe dzi adze eme le esi míenyae be míele mía Mawu si míelɔ̃ la ŋuti kɔm ta, eye esia ana míanɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa.

^ mm. 2 Nya si gɔme woɖe le Biblia me be “dza” alo “dzadzɛ” la kuna ɖe ŋutilãmedzadzɛnyenye ŋu ɣeaɖewoɣi; gake zi geɖea, ekuna ɖe gbɔgbɔmedzadzɛnyenye kple agbe dzadzɛ nɔnɔ ŋu.

^ mm. 10 Kpɔ agbalẽ sia ƒe Ta 13 lia, afi si wodzro azãɖuɖu kple kɔnu siwo wòle be Kristotɔ vavãwo naƒo asa na la dometɔ aɖewo me le.

^ mm. 12 Wodzro ale si nàwɔ atia modzakaɖeɖe nyuiwo me le agbalẽ sia ƒe Ta 6 lia me.

^ mm. 67 Míetrɔ ŋkɔa.