Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 9

‘Si Le Gbɔdɔdɔ Ƒe Agbe Gbegblẽ Nɔnɔ Nu’

‘Si Le Gbɔdɔdɔ Ƒe Agbe Gbegblẽ Nɔnɔ Nu’

“Miwu miaƒe ŋutinu siwo le anyigba dzi, le gbɔdɔdɔ manɔsenu [alo gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ], makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃, nudzodzro vɔ̃, kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ, la gome.”—KOLOSETƆWO 3:5.

1, 2. Mɔnu kae Bileam zã be yeatsɔ agblẽ nu le Yehowa ƒe amewo ŋu?

TƆƑODELA aɖe yi ƒu doƒe le afi si wòkpɔa lã ɖena le zi geɖe. Enya nu si tututu wòade ƒu la nu atsɔ able tɔmelã si ƒomevi dim wòle be yeaɖe la nui. Edee ƒu la nu eye wòda ƒua ɖe tɔa me. Eteƒe medidi o, ƒukaa me he dĩŋ, eye wòvu ɖe eŋu he lã si wòɖe la va go dzi. Eko alɔgbɔnu vie, elabena nua gbe nyo. Ekpɔe be nu si yede ƒua nu la sɔ vavã.

2 Le ƒe 1473 D.Y. me la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Bileam bu nu si tututu wòatsɔ able ame aɖewo nui ŋu. Ame siwo nu wòdi be yeablee nye Mawu ƒe ame siwo ƒu asaɖa anyi ɖe Moab Tagba, le Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo dzi. Bileam ŋutɔ be Yehowa ƒe nyagblɔɖilae yenye, gake le nyateƒe me la, ŋuklẽla aɖee wònye woda be wòava ƒo fi ade Israel. Ke hã, Yehowa de nu nyaa me hena Bileam yra Israel le esi wòaƒo fi adee teƒe. Esi Bileam di be yeaxɔ nunana aɖe godoo ta la, ewɔ susu be ɖewohĩ yeate ŋu ana Mawu ŋutɔ naƒo fi ade eƒe amewo nenye be yena woble wo de nu vɔ̃ gã aɖe wɔwɔ me. Ale Bileam da nu si ahe wo ade nu vɔ̃ me la ɖe wo ŋkume—si nye Moab nyɔnu dzetugbewo.—4 Mose 22:1-7; 31:15, 16; Nyaɖeɖefia 2:14.

3. Aleke gbegbe mɔnu si Bileam zã la kpɔ dzidzedzee?

3 Ðe mɔnu si Bileam zã la kpɔ dzidzedzea? Ɛ̃, ekpɔ dzidzedze le mɔ aɖe nu. Eƒe ameblemɔnua he Israel ŋutsu akpe geɖe de “ahasiwɔwɔ me kple Moab nyɔnuwo.” Wosubɔ Moab tɔwo ƒe mawuwo, abe vidzidzi alo gbɔdɔdɔ ƒe mawu nyɔŋu Baal-Peor ene gɔ̃ hã. Esia wɔe be Israel-vi 24,000 sɔŋ ku le Ŋugbedodonyigbaa ƒe liƒo dzi pɛɛ. Afɔku gã kae nye esi!—4 Mose 25:1-9.

4. Nu ka gbɔe wòtso be Israel-vi akpe geɖe va ƒo wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me?

4 Nu ka gbɔe wòtso be afɔku sia te ŋu dzɔ ɖe wo dzi? Dzi vɔ̃ɖi va su Israel-vi geɖe si esi wote ɖa le Yehowa, Mawu si ɖe wo tso Egipte, nyi wo le gbeadzi, eye wòkplɔ wo dedie va ɖo Ŋugbedodonyigbaa ƒe agbo nu la ŋu. (Hebritɔwo 3:12) Apostolo Paulo gblɔ tso nudzɔdzɔ sia ŋu be: “Migana míaƒo mía ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me, abe ale si wo dometɔ aɖewo ƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me, ale be wodze anyi, ame akpe blaeve vɔ etɔ̃ sɔŋ le ŋkeke ɖeka dzi la ene o.” *1 Korintotɔwo 10:8.

5, 6. Nu ka tae nudzɔdzɔ si ku ɖe nu vɔ̃ si Israel-viwo wɔ le Moab Tagba ŋu la le vevie na mí egbea?

5 Mí Mawu ƒe ame siwo li egbea míate ŋu asrɔ̃ nu vevi geɖe tso Mose Ƒe Agbalẽ Enelia me nudzɔdzɔ sia me, elabena míawo hã míeva ɖo ŋugbedodonyigba aɖe si nyo sãsãsã wu Israel-viwo tɔ la ƒe agbo nu. (1 Korintotɔwo 10:11) Le kpɔɖeŋu me, gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ si xɔ aƒe ɖe blema Moabtɔwo dome la kee bɔ ɖe xexea me egbea, ɖeko egbegbe tɔa gavloe ɖe edzi wu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe mɔ̃ si ɖe Israel-viwo la kee ɖea Kristotɔ akpe geɖewo egbea. (2 Korintotɔwo 2:11) Eye abe Zimri si do dzi kplɔ Midian nyɔnu aɖe to Israel-viwo ŋkume kaŋkaŋkaŋ le asaɖa la me hekplɔe yi eƒe agbadɔ me ene la, ame siwo dea ha kple Mawu ƒe amewo egbea dometɔ aɖewo va zu ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ le Kristo hamea me.—4 Mose 25:6, 14; Yuda 4.

6 Ðe nèle ɖokuiwò kpɔm le egbegbe Moab Tagba? Ðe nènya be teƒeɖoɖo gã si nèle mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, si nye xexe yeyea, tu aƒea? Ekema wɔ nu sia nu si nàte ŋui be nàyi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me to sedede sia dzi wɔwɔ me be: “Misi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu!”—1 Korintotɔwo 6:18.

Moab Tagba

NU KAE NYE GBƆDƆDƆ MANƆSENU?

7, 8. Nu kae nye gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, eye aleke ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe eme la ŋea nu si woƒãe?

7 Nya “gbɔdɔdɔ manɔsenu” alo gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ si wozã le Biblia me (Helagbe, por·neiʹa) la ku ɖe ame siwo meɖe wo nɔewo le Ŋɔŋlɔawo nu o ƒe gbɔdɔnuwɔna ɖe sia ɖe ŋu. Nuwɔna siawo dometɔ aɖewoe nye ahasiwɔwɔ, gbolowɔwɔ, matrewɔwɔ, gbɔdɔdɔ to nu me alo meƒi me, alo ame siwo meɖe wo nɔewo o ƒe asilili wo nɔewo ƒe vidzinuwo ŋu atsɔ aɖi kɔ na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro. Nenema kee nye nuwɔna siawo siwo ayi edzi le ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu alo ame kple lã dome. *

8 Ŋɔŋlɔawo na míenya kɔtɛ be ame siwo nɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ la medze anɔ Kristo hamea me o, eye be womakpɔ agbe mavɔ hã o. (1 Korintotɔwo 6:9; Nyaɖeɖefia 22:15) Azɔ hã, esia gblẽa nu geɖe le wo ŋu fifia, elabena ekloa bubu le wo ŋu, enana amewo megakana ɖe wo dzi o, eye wòtea ŋu hea srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo, dzitsinya ƒe fɔbuame, gbɔmeyafufɔfɔ, dɔléle, kple ku gɔ̃ hã vɛ. (Xlẽ Galatiatɔwo 6:7, 8.) Nu ka tae nàɖo ta mɔ sia si dzi afɔku siawo gbegbe le la dzi? Nublanuitɔe la, ame geɖe mebua emetsonu siawo ŋu hafi ɖea afɔ gbegblẽ gbãtɔa o. Zi geɖe la, afɔɖeɖe gbãtɔ sia nyea amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ.

AFƆÐEÐE GBÃTƆA—AMAMAÐEÐENUWƆNAWO KPƆKPƆ

9. Ðe amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ nye nu si me afɔku aɖeke mele o, abe ale si ame aɖewo susunɛ enea? Ðe eme.

9 Le dukɔ geɖe me la, amamaɖeɖenuwɔnawo dzena le nyadzɔdzɔgbalẽwo, hadzidziwo, kple television dzi wɔnawo me gaglã, eye wòxɔ aƒe ɖe Internet hã dzi. * Ðe wònye nu si me afɔku aɖeke mele o, abe ale si ame aɖewo susunɛ enea? Kura o! Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ate ŋu ana ame nava nɔ eɖokui gbɔ dɔm, eye “gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro siwo dzi wometea ŋu ɖuna o” nava xɔ aƒe ɖe eyama me, si awɔe be gbɔdɔdɔ nava zu numame nɛ, nutovowɔwɔ ƒe dzodzro nu nasẽ ɖe eme; ate ŋu ahe srɔ̃ɖeɖe me kuxi sesẽwo kple srɔ̃gbegbe gɔ̃ hã vɛ. * (Romatɔwo 1:24-27; Efesotɔwo 4:19) Numekula aɖe tsɔ gbɔdɔdɔ ƒe numame sɔ kple kansa dɔléle. Egblɔ be: “Enu nɔa sesẽm eye wònɔa ta kekem ɖe edzi. Zi geɖe la, enu mete ŋu tsina le eɖokui si o, eye menya dana hã o.”

Ne Internet le aƒea me la, nunya anɔ eme be woana wòanɔ ŋkukpɔƒe

10. Mɔ kawo nue míate ŋu awɔ ɖe gɔmeɖose si le Yakobo 1:14, 15 dzi le? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nu Si Do Ŋusẽm Meva Le Agbe Dzadzɛ Nɔm,” hã.)

10 Bu nya siwo le Yakobo 1:14, 15 ŋu kpɔ, afi si xlẽ be: “Nu si tea ame sia ame kpɔnae nye eya ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ eye wòblenɛ. Azɔ ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃; eye ne wowɔ nu vɔ̃ la, ehea ku vanɛ.” Eya ta ne dzodzro vɔ̃ aɖe ge ɖe mewò la, dze agbagba nàɖee ɖa enumake! Le kpɔɖeŋu me, ne wò ŋku kli nane si anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe mewò la, ɖe ŋku ɖa enumake, alo tsi kɔmpiuta alo television la, alo nàʋu eƒe teƒe bubu. Wɔ nu sia nu si nàte ŋui be nàgana gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò ahakplɔ wò ade nu gbegblẽ wɔwɔ me o.—Xlẽ Mateo 5:29, 30.

11. Ne èle agbagba dzem be yeaɖu dzodzro vɔ̃wo dzi la, aleke nàɖee afia be yeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu?

11 Eya ta esɔ ŋutɔ be Mawu, ame si nya mí nyuie wu mía ŋutɔ gɔ̃ hã la ɖo aɖaŋu na mí be: “Miwu miaƒe ŋutinu siwo le anyigba dzi, le gbɔdɔdɔ manɔsenu, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃, nudzodzro vɔ̃, kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ la gome.” (Kolosetɔwo 3:5) Ele eme baa be esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ya o. Gake ɖo ŋkui be míate ŋu abia kpekpeɖeŋu tso mía Fofo si le dziƒo, si lɔ̃ mí eye wògbɔa dzi ɖi na mí la gbɔ. (Psalmo 68:19) Eya ta ne dzodzro vɔ̃wo ge ɖe wò susu me la, trɔ ɖe eyama ŋu enumake. Do gbe ɖa nàbia “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” lae, eye dze agbagba ɖe sia ɖe nàɖe susu ɖa le dzodzro vɔ̃ mawo ŋu ahatrɔe ɖe nu bubuwo ŋu.—2 Korintotɔwo 4:7; 1 Korintotɔwo 9:27; kpɔ aɖaka si nye “ Aleke Mawɔ Aɖe Asi Le Numame Gbegblẽ Aɖe Ŋu?

12. Nu kae míaƒe “dzi” la le tsitre ɖi na, eye nu ka tae wòle be míadzɔ eŋu?

12 Nunyala Salomo gblɔ be: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nu bubu ɖe sia ɖe, elabena eya mee agbe tsona.” (Lododowo 4:23) Míaƒe “dzi” la le tsitre ɖi na ame si míenye le ememe, ame si míenye ŋutɔŋutɔ le Mawu ŋkume. Gawu la, nu si Mawu kpɔna le míaƒe “dzi” mee aɖee afia ne míadze na agbe mavɔ kpɔkpɔ, ke menye ale si amegbetɔwo kpɔa mí ye o. Nyaa katã koe nye ema, gake ŋkubiãnyae wònye. Esi nuteƒewɔla Hiob medi be dzodzro vɔ̃ nanyɔ ɖe ye me ɖe nyɔnu ŋu o ta la, ebla nu kple eƒe ŋku, si fia be eɖoe kplikpaa be yemanɔ ŋku lém ɖe nyɔnu ŋu madzemadzee o. (Hiob 31:1) Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi! Susu sia tɔgbi kee nɔ hakpala la si esi wòdo gbe ɖa be: “Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu.”—Psalmo 119:37.

DINA MEWƆ TIATIA NYUI O

13. Ame kae nye Dina, eye nu ka tae míagblɔ be mewɔ tiatia nyui le xɔlɔ̃dzedze me o?

13 Abe ale si míekpɔe le Ta 3 lia me ene la, mía xɔlɔ̃wo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mía dzi, ate ŋu anye ŋusẽkpɔɖeamedzi nyui alo gbegblẽa. (Lododowo 13:20; xlẽ 1 Korintotɔwo 15:33.) Bu blemafofo Yakob vinyɔnu Dina ŋu kpɔ. Togbɔ be wona hehe Dina nyuie hã la, eva wɔ tiatia gbegblẽ esi wòdze xɔlɔ̃ Kanaan nyɔnuviwo. Kanaantɔwo xɔ ŋkɔ le agbe gbegblẽ nɔnɔ me abe Moabitɔwo ke ene. (3 Mose 18:6-25) Kanaan ŋutsuwo kpɔe be yewoate ŋu anɔ agbe gbegblẽ kple Dina bɔbɔe. Wo dometɔ ɖekae nye Sikem, “si ŋu bubu le wu le fofoa ƒe aƒe blibo la katã me.”—1 Mose 34:18, 19.

14. Afɔku kawoe do tso tiatia gbegblẽ si Dina wɔ le hadede me la me?

14 Anɔ eme be gbɔdɔdɔ ƒe nya aɖeke meva susu me na Dina esi wòkpɔ Sikem o. Gake nu si Kanaan ŋutsu geɖe awɔ ne gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nyɔ ɖe wo me lae Sikem ya wɔ. Avu ɖe sia ɖe si Dina anya wɔ mlɔeba la tsi megbe akpa, elabena “elée” sesẽe ‘hedɔ egbɔ.’ Edze ƒãa be Dina ƒe nu va lé dzi na Sikem emegbe wòdi be yeaɖee ya, gake egblẽ nu le eŋu xoxo. (Xlẽ 1 Mose 34:1-4.) Menye Dina ɖeka ŋu koe eƒe hadede gbegblẽa gblẽ nu le o. Ena nu bubuwo hã dzɔ, si he ŋukpe kple vlodoame va ƒome bliboa dzi.—1 Mose 34:7, 25-31; Galatiatɔwo 6:7, 8.

15, 16. Aleke míawɔ nunya vavãtɔ nasu mía si? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ŋɔŋlɔ Siwo Ŋu Nàde Ŋugble Le,” hã.)

15 Ne Dina srɔ̃ nu vevi aɖe tso nudzɔdzɔ sia me hã la, edze afɔku hafi nyɔ le eɖokui me. Gake mele be ame siwo lɔ̃ Yehowa heɖoa toe la nadze afɔku hafi asrɔ̃ nu tso eme o. Esi woɖoa to Mawu ta la, wotianɛ be ‘yewoazɔ kple nunyalawo.’ (Lododowo 13:20a) Esia kpena ɖe wo ŋu wosea “mɔ nyuiwo katã gɔme,” eye womehea kuxi kple vevesese vaa wo ɖokuiwo dzi madzemadzee o.—Lododowo 2:6-9; Psalmo 1:1-3.

16 Ame siwo katã dina be nunya vavãtɔ nasu yewo si, eye wodoa gbe ɖa vevie bianɛ hesrɔ̃a Mawu ƒe Nya kple kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa ƒe agbalẽwo edziedzi la ƒe asi sua edzi. (Mateo 24:45; Yakobo 1:5) Ðokuibɔbɔ hã le vevie ŋutɔ, elabena enana míelɔ̃na faa xɔa Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖowo. (2 Fiawo 22:18, 19) Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ aɖe ate ŋu alɔ̃ ɖe edzi be yeƒe dzi la alakpatɔ wònye, eye be ate ŋu able ye abe ale si Biblia gblɔe ene. (Yeremiya 17:9) Gake ne eva dzɔ be eƒe dzi blee wòwɔ nane si mesɔ o la, ɖe wòabɔbɔ eɖokui axɔ aɖaŋuɖoɖo kple kpekpeɖeŋu si woanae lɔlɔ̃tɔea?

17. Ƒo nu tso nɔnɔme aɖe si ate ŋu ado mo ɖa le ƒome aɖe me ŋu, eye gblɔ ale si vifofoa ate ŋu aɖɔ via ƒe nuŋububu ɖoe.

17 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be vifofo aɖe meɖe mɔ na vianyɔnu be woa kple Kristotɔ ɖekakpui aɖe nado go ne ame bubu aɖeke mekpe ɖe wo ŋu o. Nyɔnuvia gblɔ na fofoa be: “Oo, Papa, mèka ɖe dzinye oa? Míawɔ nu gbegblẽ aɖeke o ɖe!” Ðewohĩ nyɔnuvi sia lɔ̃ Yehowa eye susu gbegblẽ aɖeke mele esi hã o vavã, gake ɖe ‘wòle zɔzɔm le nunya vavãtɔ mea’? Ðe wòle ‘sisim le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ nua’? Alo ɖe wòle ŋu ɖom “ɖe eya ŋutɔ ƒe dzi ŋu” bometsitsitɔea? (Lododowo 28:26) Ðewohĩ àte ŋu abu gɔmeɖose bubu siwo vifofo sia ate ŋu azã atsɔ akpe ɖe via ŋui la ŋu.—Kpɔ Lododowo 22:3; Mateo 6:13; 26:41.

YOSEF SI LE GBƆDƆDƆ ƑE AGBE GBEGBLẼ NƆNƆ NU

18, 19. Tetekpɔ kae va Yosef dzi, eye aleke wònɔ te ɖe enui?

18 Ðekakpui nyui aɖe si lɔ̃ Mawu eye wòsi le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ nu ye nye Yosef, si woa kple Dina wonye tɔɖekaviwo. (1 Mose 30:20-24) Yosef ŋutɔ kpɔ afɔku siwo do tso afɔ gbegblẽ si nɔvianyɔnu Dina ɖe me la teƒe le eƒe ɖevime. Ðikeke mele eme o be nudzɔdzɔ siawo siwo nɔ susu me na Yosef, kple eya ŋutɔ ƒe didi vevie be yeayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me kpɔ eta ƒe aɖewo megbe le Egipte esi eƒe aƒetɔ srɔ̃ va nɔ enu blem “ŋkeke sia ŋkeke.” Esi wònye kluvie Yosef nye ta la, mate ŋu agblɔ ko be yeaɖe asi le dɔ ŋu adzo o. Ele be wòatsɔ nunya kple dzinɔameƒo anɔ te ɖe nɔnɔmea nu. Nu sia tututue wòwɔ, elabena eyi edzi gbe lɔlɔ̃ ɖe Potifar srɔ̃ ƒe amenublenyawo dzi, eye mlɔeba la, eva hiã be wòasi le egbɔ.—Xlẽ 1 Mose 39:7-12.

19 Bu eŋu kpɔ, ne ɖe fiẽŋufiẽŋu nɔa Yosef me ɖe nyɔnua ŋu, alo wònɔa gbɔdɔdɔ ŋu bum edziedzi ɖe, ɖe wòate ŋu anɔ bɔbɔe nɛ be wòawɔ nuteƒea? Ðewohĩ mate ŋui o. Yosef mena eƒe susu nɔa nu gbegblẽ wɔwɔ ŋu o, ke boŋ ede asixɔxɔ gã aɖe woa kple Yehowa dome ƒomedodoa ŋu, eye esia dze le nya si wògblɔna na Potifar srɔ̃ me. Egblɔna nɛ be: “Nye aƒetɔ . . . mete nanekem o, negbe wò ko, elabena srɔ̃ae nènye. Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia gbegbe ahawɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu?”—1 Mose 39:8, 9.

20. Aleke Yehowa va kpɔ nyawo gbɔe na Yosef?

20 Bu ale si Yehowa ase le eɖokui me esi wòkpɔe be Yosef lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi, togbɔ be eva tsi du aɖe si didi tso eƒe ƒometɔwo gbɔ me hã la ŋu kpɔ. (Lododowo 27:11) Togbɔ be wolé Yosef de gaxɔ me le esia ta hã la, Yehowa de nu nyaa me hena woɖee le gaxɔa me, eye wòva zu dudɔnunɔla kple nuɖuɖudzikpɔla le Egipte. (1 Mose 41:39-49) Psalmo 97:10 gblɔ be: “Oo, mi ame siwo lɔ̃a Yehowa, mitsri vɔ̃. Ekpɔa ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ƒe agbe ta; eɖea wo tso ame vɔ̃ɖiwo si me.” Aleke gbegbe nya siawo nye nyateƒee nye esi!

21. Aleke nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe ɖu agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe tetekpɔ dzii?

21 Egbea hã la, Mawu subɔla geɖewo ɖenɛ fiana be ‘yewolé fu vɔ̃ helɔ̃ nyui.’ (Amos 5:15) Nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe si le Afrika dukɔ aɖe me gblɔ be gbe ɖeka la, yeƒe sukuxɔmehati nyɔnuvi aɖe gblɔ na ye kã be yealɔ̃ wòadɔ ye gbɔ nenye be ekpe ɖe ye ŋu le akɔntabubu dodokpɔ me. Nɔviŋutsua gblɔ be: “Megblɔ nɛ enumake be nyemawɔ nu ma gbeɖe o. Nye nuteƒewɔwɔ na be bubu kpɔtɔ le ŋunye, eye esia xɔ asi nam sãsãsã wu sika kple klosalo.” Nu vɔ̃ wɔwɔ ate ŋu ana ame ‘nase vivi hena ɣeyiɣi vi aɖe’ ya, gake vevesese sɔŋ koe kplɔa ɣeyiɣi vi aɖe ƒe vivisese ma ɖo zi geɖe. (Hebritɔwo 11:25) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, vivisese ma mede naneke kura o, ne míetsɔe sɔ kple dzidzɔ si gbegbe dona tso toɖoɖo Yehowa me.—Lododowo 10:22.

XƆ KPEKPEÐEŊU TSO MAWU NUBLANUIKPƆLA LA GBƆ

22, 23. (a) Ne Kristotɔ wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, nu ka tae ema mefia be wɔna vɔ nɛ o? (b) Kpekpeɖeŋu kae li na ame siwo wɔ nu vɔ̃?

22 Esi míenye ame madeblibowo ta la, ŋutilã ƒe nudzodzrowo nu tsitsi kple nu si dzea Mawu ŋu wɔwɔ menɔa bɔbɔe na mía dometɔ aɖeke o. (Romatɔwo 7:21-25) Yehowa nya esia nyuie, “eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:14) Ete ŋu dzɔna be Kristotɔ nadze nu vɔ̃ gã aɖe me. Ðe ema fia be wɔna vɔ nɛa? Kura o! Enye nyateƒe be eƒe nu vɔ̃a me tsonu gbegblẽwo ava edzi abe ale si wònɔ le Fia David gome ene ya. Gake Mawu ‘le klalo be yeatsɔ ake’ ame siwo trɔ dzi me ‘heʋu woƒe nu vɔ̃wo me.’—Psalmo 86:5; Yakobo 5:16; xlẽ Lododowo 28:13.

23 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu wɔ ɖoɖo dɔmenyotɔe be “nunana siwo nye amewo” la le Kristo hamea me, siwo nye gbɔgbɔme alẽkplɔla bibi siwo dze hele klalo be yewoana kpekpeɖeŋu. (Efesotɔwo 4:8, 12; Yakobo 5:14, 15) Woƒe didie nye be yewoakpe ɖe ame si ɖe afɔ gbegblẽ aɖe la ŋu wòadzra woa kple Mawu dome ɖo, eye abe ale si nunyala la gblɔe ene la, be ‘gɔmesese nasu esi’ ale be wòagawɔ nu vɔ̃ ma ake o.—Lododowo 15:32.

‘NA NUNYA NASU ASIWÒ’

24, 25. (a) Aleke ɖekakpui si ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo 7:6-23 la ɖee fia be yenye ‘bometsila’? (b) Aleke míawɔ ‘adze nunya’?

24 Biblia ƒo nu tso ‘ɖekemanyala’ kple ‘nunyala’ siaa ŋu. (Lododowo 7:7) Esi ‘ɖekemanyala’ alo ‘bometsila’ metsi le gbɔgbɔ me o, eye nuteƒekpɔkpɔ mesu esi le Mawu subɔsubɔ me o ta la, mete ŋu wɔa nugɔmesese kple nuŋububu nyui ŋu dɔ o. Ate ŋu adze nu vɔ̃ gã me bɔbɔe abe ɖekakpui si ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo 7:6-23 ene. Gake “ame si si nunya su” ya toa gbedodoɖa kple Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ edziedzi dzi léa ŋku ɖe eƒe amenyenye ememetɔa ŋu nyuie. Eye togbɔ be mede blibo o hã la, edzea agbagba ɖe sia ɖe be yeana yeƒe nuŋububu, didiwo, seselelãmewo, kple taɖodzinuwo nadze Mawu ŋu. Esia fia be ‘elɔ̃ eɖokui,’ alo edi be agbe nadze edzi na ye, eye ‘akpɔ dzidzedze.’—Lododowo 19:8.

25 Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe meka ɖe edzi bliboe be Mawu ƒe dzidzenuwoe nye nyuitɔa? Ðe mexɔe se ŋutɔŋutɔ be agbenɔnɔ ɖe dzidzenu mawo nue nana wokpɔa dzidzɔ vavãtɔa?’ (Psalmo 19:7-10; Yesaya 48:17, 18) Ne mèka ɖe nya siawo dzi tututu o la, ke ele be nàwɔ nane tso eŋu. De ŋugble tso aɖabaŋeŋe ƒu Mawu ƒe sewo dzi me tsonu gbegblẽwo ŋu nyuie. Azɔ hã, ne ènɔ agbe ɖe nyateƒea nu, eye nèna nu nyuiwo—nu siwo nye nyateƒe, nu siwo le dzɔdzɔe, nu siwo le dzadzɛ, nu siwo dze na lɔlɔ̃, kple nu dzeamewo—xɔ susu me na wò la, ana ‘nàkpɔe be Yehowa ƒe dɔme nyo’ vavã. (Psalmo 34:8; Filipitɔwo 4:8, 9) Kakaɖedzi nenɔ asiwò be zi ale si nèyi edzi wɔ esia la, zi nenemae wò lɔlɔ̃ na Mawu me agasẽ ɖe edzii, eye àva lɔ̃ nu siwo wòlɔ̃ ahalé fu nu siwo wòlé fui. Amegbetɔ koe Yosef hã nye abe míawo ke ene. Gake ete ŋu ‘si le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ nu’ le esi wòɖe mɔ Yehowa na hehee ƒe geɖe wòdze nunya ta. Na wòava eme na wò hã nenema.—Yesaya 64:8.

26. Nya vevi ka mee míadzro le ta eve siwo kplɔe ɖo me?

26 Ðe mía Wɔla la wɔ míaƒe vidzinuwo be wòana srɔ̃tɔwo nadzi vi eye ɖekawɔwɔ kplikplikpli nanɔ wo dome, ke menye be woanye fefenu dzro ko o. (Lododowo 5:18) Míadzro ale si Mawu bua srɔ̃ɖeɖee me le ta eve siwo kplɔe ɖo me.

^ mm. 4 Edze ƒãa be ame 23,000 siwo Yehowa ŋutɔ tsrɔ̃ tẽe kple ‘dukɔ la ƒe amegã’ 1,000 siwo ʋɔnudrɔ̃lawo wu la siaa le xexlẽme si woyɔ le Mose Ƒe Agbalẽ Enelia me la me.—4 Mose 25:4, 5.

^ mm. 7 Àte ŋu akpɔ nu si makɔmakɔnyenye kple ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe fia la ŋuti numeɖeɖe le “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ,” si dze le July 15, 2006, ƒe Gbetakpɔxɔ si Yehowa Ðasefowo ta la me.

^ mm. 9 Le afi sia la, “amamaɖeɖenuwɔna” fia foto, agbalẽ, kpakple nyagbɔgblɔ kple hadzidzi siwo ŋu wotrɔ asi le koŋ be wòanyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me. Ate ŋu anye ame si le nɔnɔme aɖe si anyɔ gbɔdɔdɔ ɖe ame me ƒe foto ko loo, alo gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna nyɔŋu si me ame eve alo esiwo wu nenema le gome kpɔm le la ɖeɖe fia gaglã.

^ mm. 9 Wodzro ale si ame awɔ aɖu ameɖokuigbɔdɔdɔ ƒe numamea dzi me le Megbenya si nye “Ale Si Nàwɔ Aɖu Ameɖokuigbɔdɔdɔ Ƒe Numame Dzi,” la me.