Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 11

“Mina Bubu Nanɔ Srɔ̃ɖeɖe Ŋu”

“Mina Bubu Nanɔ Srɔ̃ɖeɖe Ŋu”

‘Kpɔ dzidzɔ ɖe wò ɖekakpui me srɔ̃ ŋu.’—LODODOWO 5:18.

1, 2. Nu ka mee míadzro, eye nu ka tae?

SRƆ̃TƆE nènyea? Ekema ɖe dzidzɔ le wò srɔ̃ɖeɖea mea, alo nèle srɔ̃ɖekuxi sesẽwo me tom? Ðe mia dome megale kplikplikpli abe tsã ene oa? Ðe mia kple srɔ̃wò mieli ya, gake miele dzidzɔ aɖeke kpɔm le srɔ̃ɖeɖea me oa? Ne nenemae la, ke ate ɖe dziwò ŋutɔ be vivi si nèse le srɔ̃ɖegbenɔnɔ me tsã la va zu dze bu ɖe ama me. Esi nènye Kristotɔ ta la, àdi godoo be wò srɔ̃ɖeɖea nahe kafukafu vɛ na Yehowa, Mawu si nèlɔ̃na. Eya ta ɖewohĩ ale si nɔnɔmea va le fifia zu taɖui kple dzigbãnya na wò. Ne ele nenema hã la, mègaƒo nya ta be wɔna aɖeke megali o.

2 Egbea srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu Kristotɔ aɖewo li, siwo tsã la, ɖeko wonɔ wo nɔewo gbɔ ko, womenɔ dzidzɔ aɖeke kpɔm le srɔ̃ɖeɖea me o. Gake wote ŋu va do ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖeɖea. Wò hã àte ŋu ana dzidzɔ geɖe nanɔ wò srɔ̃ɖeɖe me. Aleke nàwɔ esiae?

TETE ÐE MAWU ŊU ANA MIA KPLE SRƆ̃WÒ DOME NANƆ KPLIKPLIKPLI

3, 4. Aleke srɔ̃tɔwo dome anɔ ne wodze gbagba te ɖe Mawu ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

3 Zi ale si mia kple srɔ̃wò miedze agbagba le tetem ɖe Mawu ŋu la, zi nenemae mia dome ava nɔ kplikplikpli. Nu ka tae? De ŋugble le kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be nèle to gã aɖe si gɔme keke ŋutɔ eye etame le tsutsuẽ la kpɔm ɖaa. Ŋutsu aɖee nye ema tɔ ɖe toa gɔme le ɖusikpa dzi, eye nyɔnu aɖe hãe nye ema tɔ ɖe toa gɔme le miakpa dzi; wo ame evea wodze toa lialia gɔme. Esi womelia toa ɖo afi aɖeke haɖe o la, wo dome didi tso wo nɔewo gbɔ. Gake zi ale si wole toa liam hele eƒe tsutsuẽƒea gogom la, zi nenemae wole tetem ɖe wo nɔewo ŋui. Èkpɔ nufiame lédziname si le kpɔɖeŋu sia mea?

4 Woate ŋu atsɔ agbagba si dzem nèle be yeasubɔ Yehowa bliboe la asɔ kple agbagbadzedze si hiã le tolialia me. Esi nèlɔ̃ Yehowa ta la, míate ŋu agblɔ be èle toa liam xoxo. Gake ne mia kple srɔ̃wò dome mele kplikplikpli o la, ke míagblɔ be èle toa liam le ɖusikpa dzi, eye srɔ̃wò hã le eliam le miakpa dzi. Ke nu kae adzɔ ne mieyi elialia dzi? Anɔ eme be miele adzɔge tso mia nɔewo gbɔ fifia ya. Gake zi ale si miele agbagba dzem le tetem ɖe Mawu ŋu—le kpɔɖeŋutoa ta me gogom—la, zi nenemae mia kple srɔ̃wò dome ava nɔ kplikplikplii. Nyateƒee, tete ɖe Mawu ŋue nye nu vevi si ana mia kple srɔ̃wò dome nanɔ kplikplikpli. Gake aleke nàwɔ esiae?

Ne ètsɔ Biblia me sidzedze wɔ dɔe la, ŋusẽ le eŋu be wòana wò srɔ̃ɖekadodoa me nasẽ ɖe edzi

5. (a) Mɔ siwo dzi nàto ate ɖe Yehowa ŋu be mia kple srɔ̃wò dome nanɔ kplikplikpli la dometɔ ɖeka ɖe? (b) Aleke Yehowa bua srɔ̃ɖeɖee?

5 Nu vevi aɖe si akpe ɖe mia ŋu miayi edzi alia toa, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, ye nye be mia kple srɔ̃wò miawɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋuti mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nya la me dzi. (Psalmo 25:4; Yesaya 48:17, 18) Eya ta na míade ŋugble le aɖaŋu vevi aɖe si apostolo Paulo ɖo la ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu le amewo katã dome.” (Hebritɔwo 13:4) Nu kae nya siawo fia? Nya “bubu” fia be woade asixɔxɔ nane ŋu eye woabui nu vevii. Nenema tututue Yehowa bua srɔ̃ɖeɖee—be enye nu xɔasi kple nu vevi.

NA LƆLƆ̃ NA YEHOWA NAƲÃ WÒ

6. Nu kae nuxlɔ̃ame si Paulo na le srɔ̃ɖeɖe ŋu la fia, eye nu ka tae wòle be esia nanɔ susu me na mí?

6 Esi mia kple srɔ̃wò mienye Yehowa subɔlawo ta la, mienya xoxo be nu xɔasi ye srɔ̃ɖeɖe nye, be ele kɔkɔe gɔ̃ hã. Yehowa ŋutɔe ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi. (Xlẽ Mateo 19:4-6.) Gake ne èle srɔ̃ɖekuxiwo me tom fifia la, ke nyanya be bubu le srɔ̃ɖeɖe ŋu ɖeɖe mesɔ gbɔ aʋã mia kple srɔ̃wò miade bubu mia nɔewo ŋu ahawɔ nu le lɔlɔ̃ me o. Ke nu kae aʋã mi miawɔ esia? De dzesi ale si Paulo ƒo nu tso bubudede ame nɔewo ŋu ŋui la nyuie. Megblɔ be, “bubu le srɔ̃ɖeɖe ŋu” o, ke boŋ be, “mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu.” Menye nu si Paulo de dzesi le srɔ̃ɖeɖe ŋu gblɔm wòle le afi sia o, ke boŋ nu si wòle be srɔ̃tɔwo nawɔ gblɔm wòle. * Vovototo si le nya siawo dome nyanya ate ŋu ado ŋusẽ wò nàgade asixɔxɔ srɔ̃wò ŋu ɖe edzi. Nu ka tae míegblɔe alea?

7. (a) Ŋɔŋlɔawo me se siwo dzi míewɔna ɖo dometɔ aɖewo ɖe, eye nu ka tae míewɔa wo dzi? (b) Viɖe kawoe dona tso se mawo dzi wɔwɔ me?

7 Wò ya de ŋugble le ale si nèbua se bubu siwo le Ŋɔŋlɔawo me, abe esi gblɔ be míawɔ amewo nusrɔ̃lawoe, alo esi gblɔ be míaganɔ miaƒe kpekpewo gblẽm ɖi o la ŋu kpɔ. (Mateo 28:19; Hebritɔwo 10:24, 25) Míenya be se siawo dzi wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ðewohĩ ame siwo nèɖea gbeƒã na la dometɔ aɖewo mewɔa nu ɖe ŋuwò nyuie o, alo ɖewohĩ ne èkpã tso dɔme ɣeaɖewoɣi la, ɖeɖi tea ŋuwò ale gbegbe be Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede sesẽna na wò. Ke hã, èdzea agbagba ɖe sia ɖe dea Kristotɔwo ƒe kpekpeawo eye nèyi edzi le Fiaɖuƒegbedeasia hã gblɔm. Ame aɖeke mate ŋu ana nàdzudzɔ o—Satana gɔ̃ hã mate ŋui o! Nu ka tae? Elabena èlɔ̃ Yehowa vevie tso dzi me, eye esia ʋãa wò be nàwɔ ɖe eƒe se siawo dzi. (1 Yohanes 5:3) Vi ka ɖem esia le na wò? Gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ kple kpekpeawo dede nana nèkpɔa dzidzɔ kple dzidzeme geɖe le esi nènyae be yele Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm ta. Eye esia gadea dzo yeye mewò. (Nehemiya 8:10) Nufiame kae le esia me na mí?

8, 9. (a) Nu kae aʋã mí míawɔ ɖe nuxlɔ̃ame si gblɔ be míana bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu la dzi, eye nu ka tae? (b) Nu vevi eve kawo mee míadzro azɔ?

8 Ale si ko lɔlɔ̃ deto si le asiwò na Yehowa ʋãa wò nèwɔna ɖe eƒe se si gblɔ be nàɖe gbeƒã ahade kpekpewo dzi, togbɔ be èdoa go kplamatsɛdonuwo hã la, nenema kee wòle be lɔlɔ̃ deto si le asiwò na Yehowa naʋã wò nàwɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame si gblɔ be nàna “bubu nanɔ [wò] srɔ̃ɖeɖe ŋu” la hã dzi, ne edze abe esia wɔwɔ mele bɔbɔe o gɔ̃ hã. (Hebritɔwo 13:4; Psalmo 18:29; Nyagblɔla 5:4) Hekpe ɖe eŋu la, ale si ko Yehowa Mawu le yayram ɖe wò agbagbadzedze be yeaɖe gbeƒã ahade kpekpeawo dzii la, nenema kee wòayra ɖe agbagba ɖe sia ɖe si nàdze be yeana bubu nanɔ wò srɔ̃ɖeɖe ŋu la hã dzii.—1 Tesalonikatɔwo 1:3; Hebritɔwo 6:10.

9 Ekema nu vevi kawoe nàwɔ be bubu nanɔ wò srɔ̃ɖeɖe ŋu? Ele be nàtsri nuwɔna ɖe sia ɖe si agblẽ nu le wò srɔ̃ɖeɖea ŋu. Azɔ hã, ele be nàɖe afɔ aɖewo atsɔ ana wò srɔ̃ɖeɖea nali ke.

TSRI NYAGBLƆGBLƆ KPLE NUWƆNA SIWO MEDEA BUBU SRƆ̃ÐEÐE ŊU O

10, 11. (a) Nuwɔna kae medea bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu o? (b) Nya kae nàte ŋu abia srɔ̃wò?

10 Kristotɔ srɔ̃nyɔnu aɖe gblɔ ɣeaɖeɣi va yi be: “Medoa gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽm mate ŋu anɔ te ɖe enu.” Anɔ te ɖe nu ka nu? Eɖe eme be: “Srɔ̃nye ƒe dzugbewo doa vevesese nam ŋutɔ. Ðewohĩ màkpɔ abi ŋutɔŋutɔwo le ŋunye ya o, gake eƒe nya tɔamewo, abe ‘Agbae nènye nam!’ kple ‘Wò ya mèle bo aɖeke nu o!’ ene gbɔgblɔ ɣesiaɣi de abi nye dzi ŋu vevie.” Srɔ̃nyɔnu sia tɔ asi ŋkubiãnya aɖe dzi—si nye dzugbewo zazã ɖe ame srɔ̃ ŋu.

11 Ewɔ nublanui ŋutɔ be srɔ̃tɔ Kristotɔwo nanɔ nya tɔamewo gblɔm atsɔ anɔ abi dem wo nɔewo ƒe seselelãme ŋu, evɔ abi siawo melɔ̃na kuna o! Edze ƒãa be srɔ̃ɖeɖe si me wogblɔa nya veamewo ɖe ame srɔ̃ ŋu le la menye esi ŋu bubu le o. Aleke wò srɔ̃ɖeɖe le le go sia me? Mɔ aɖe si dzi nàto anyae nye be nàbia srɔ̃wò ɖokuibɔbɔtɔe be, “Ðe ale si meƒoa nu na wò la dzea ŋuwòa?” Ne srɔ̃wò gblɔ be wò nyawo doa vevesese na ye edziedzi la, ke ele be nàlɔ̃ faa atrɔ asi le nɔnɔmea ŋu.—Galatiatɔwo 5:15; xlẽ Efesotɔwo 4:31.

12. Nu kae ate ŋu ana ame ƒe subɔsubɔ nazu dzodzro le Mawu ŋkume?

12 Nenɔ susu me na wò be ale si nèƒoa nu na srɔ̃wò la kpɔa ŋusẽ ɖe mia kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi. Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe bua eɖokui mawusubɔlae, evɔ meléa eƒe aɖe o la, eya ŋutɔ ƒe dzi blem wòle, eye eƒe subɔsubɔ nye dzodzro.” (Yakobo 1:26) Esia fia be kadodo aɖe le wò tadedeagu kple nya siwo dona le nuwò dome. Ame aɖewo susuna be ne yewonya le Mawu subɔm ko la, ke yewoƒe aƒemenya megaka ame aɖeke o. Gake mègable ɖokuiwò o. Biblia ya ɖee fia be ŋkubiãnyae nya sia nye. (Xlẽ 1 Petro 3:7.) Ðewohĩ ŋutete tɔxɛ aɖewo le asiwò eye nèdoa vevie nu hã, gake ne èɖonɛ koŋ zãa dzugbewo tsɔ doa nuxaxa na srɔ̃wò la, ke mèle bubu dem srɔ̃ɖeɖoɖoa ŋu o, eye wò subɔsubɔ azu dzodzro le Mawu ŋkume.

13. Aleke srɔ̃tɔ aɖe ate ŋu anɔ nuxaxa dom na srɔ̃a le manyamanya me?

13 Ele be srɔ̃tɔwo nanɔ ŋudzɔ hã be yewoagado nuxaxa na yewo srɔ̃wo le manyamanya me o. Bu kpɔɖeŋu eve siwo gbɔna ŋu kpɔ: Nɔvinyɔnu aɖe si nye dzilaɖekɛ la ƒoa ka na nɔviŋutsu srɔ̃tɔ aɖe edziedzi be yeabia aɖaŋuɖoɖo, eye woɖoa dze legbewo; nɔviŋutsu tre aɖe wɔa ɖoɖo woa kple nɔvinyɔnu srɔ̃tɔ aɖe wozɔna le gbeadzi kwasiɖa sia kwasiɖa. Anɔ eme be menye susu gbegblẽ aɖekee le srɔ̃tɔ siwo le kpɔɖeŋu siawo me si ya o; gake ŋusẽ kae woƒe nuwɔnaa akpɔ ɖe wo srɔ̃wo dzi? Nɔvinyɔnu aɖe si nɔ nɔnɔme sia tɔgbi me gblɔ be: “Ne mekpɔe be srɔ̃nye zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe nɔvinyɔnu bubu ŋu le hamea me la, etena ɖe dzinye ŋutɔ. Enana mesena le ɖokuinye me be nyemele vevie nɛ o.”

14. (a) Srɔ̃ɖeɖe me agbanɔamedzi ka dzie wote gbe ɖo le 1 Mose 2:24? (b) Nya kae wòle be míabia mía ɖokui?

14 Gɔmesese le eŋu be nuwɔna sia nate ɖe srɔ̃nyɔnu sia kple srɔ̃tɔ bubu siwo le nɔnɔme sia tɔgbi me la dzi. Wo srɔ̃wo mele mɔfiame vevi aɖe si Mawu na ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu, si gblɔ be, “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòaku ɖe srɔ̃a ŋu” la dzi wɔm o. (1 Mose 2:24) Enye nyateƒe be ele be ame siwo ɖe srɔ̃ nayi edzi ade bubu wo dzilawo ŋu ya, gake Mawu ƒe ɖoɖoe wònye be woana wo srɔ̃wo ƒe nuhiahiãwo naxɔ nɔƒe gbãtɔ. Nenema kee togbɔ be Kristotɔwo lɔ̃ woƒe haxɔsetɔwo katã hã la, woƒe agbanɔamedzi gbãtɔe nye be woalé be na wo srɔ̃wo. Eya ta nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu srɔ̃tɔ si zãa ɣeyiɣi geɖe akpa ɖe haxɔsetɔ bubuwo, vevietɔ ɖe ame si ƒe vidzinu to vovo na etɔ, ŋu la, le nu gblẽm le eƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu. Ðe wòanye be esia tɔgbi gbɔe wò srɔ̃ɖekuxiwo tsoa? Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe metsɔa ɣeyiɣi, beléle, kple lɔlɔ̃ si srɔ̃nye dze na la nanaea?’

15. Le Mateo 5:28 ƒe nya nu la, nu ka tae wòle be Kristotɔ naƒo asa na ɣeyiɣi geɖe akpa zazã ɖe ame si menye srɔ̃a o ŋu?

15 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, srɔ̃tɔ si kpɔa vovo ɖe ame si ƒe vidzinu to vovo na etɔ, si menye srɔ̃a o, ŋu fũu akpa la le eɖokui dem afɔku me. Nublanuitɔe la, srɔ̃tɔ Kristotɔ aɖewo nɔa esia dzi kakaka lɔlɔ̃nya va ɖoa woa kple ame si menye wo srɔ̃ o dome. (Mateo 5:28) Esia kplɔ wo de nuwɔna siwo medea bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu kura o me. Na míakpɔ nu si apostolo Paulo gblɔ tso nya sia ŋu la ɖa.

“WOAGAƑO ÐI SRƆ̃ÐEBA LA O”

16. Nuxlɔ̃ame kae Paulo na ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu?

16 Le aɖaŋu si Paulo ɖo be “mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu” megbe la, exlɔ̃ nu be: “Woagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o, elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me kple ahasiwɔlawo.” (Hebritɔwo 13:4) “Srɔ̃ɖeba” si Paulo yɔ le afi sia la le tsitre ɖi na srɔ̃tɔwo dome gbɔdɔdɔ. Be “woagaƒo ɖi” srɔ̃ɖeba o, alo be woana wòanɔ kɔkɔe la, fia be srɔ̃tɔawo ɖeɖe koe wòle be woakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me. Eya ta Kristotɔwo wɔna ɖe nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la dzi be: “[Kpɔ] dzidzɔ kple wò ɖekakpuimesrɔ̃.”—Lododowo 5:18.

17. (a) Nu ka tae masɔ be Kristotɔwo natsɔ xexea ƒe nukpɔsusu le ahasiwɔwɔ ŋu awɔ dɔe o? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu si Hiob ɖo lae?

17 Ame siwo kpɔa gome le gbɔdɔdɔ me kple ame si menye wo srɔ̃ o la mele bubu dem Mawu ƒe agbe nyui nɔnɔ sewo ŋu kura o. Egbea, ame geɖe bua ahasiwɔwɔ be enye nu si ŋu naneke megblẽ le o. Gake mele be Kristotɔwo naɖe mɔ amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu le ahasiwɔwɔ ŋu nakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. Wonyae be ‘Mawue adrɔ̃ ʋɔnu matrewɔlawo kple ahasiwɔlawo,’ ke menye amegbetɔ aɖekee o. (Hebritɔwo 10:31; 12:29) Eya ta Yehowa ƒe nukpɔsusu le nya sia ŋue Kristotɔwo tsɔna wɔa dɔe. (Xlẽ Romatɔwo 12:9.) Ðo ŋku edzi be blemafofo Hiob gblɔ be: “Mebla nu kple nye ŋkuwo.” (Hiob 31:1) Ɛ̃, be Kristotɔ vavãwo nagaɖe afɔ aɖeke si akplɔ wo ade ahasiwɔwɔ me o la, ele be woakpɔ nyuie be woaganɔ ŋku lém ɖe ame si menye wo srɔ̃ o ŋu wòanyɔ dzodzro ɖe wo me o.—Kpɔ Megbenya si nye “Nya Si Biblia Gblɔ Tso Kaklã Kple Srɔ̃gbegbe Ŋu.”

18. (a) Ŋkubiãnya kae ahasiwɔwɔ nye le Yehowa ŋkume? (b) Go ka mee ahasiwɔwɔ kple trɔ̃subɔsubɔ sɔ le?

18 Ŋkubiãnya ka gbegbee ahasiwɔwɔ nye le Yehowa ŋkume? Mose ƒe Sea kpe ɖe mía ŋu míenya ale si Yehowa bua nuwɔna siae. Le blema Israel la, ahasiwɔwɔ kple trɔ̃subɔsubɔ hã le nu vɔ̃ siwo ta wotsoa kufia na ame ɖo la dome. (3 Mose 20:2, 10) Ðe nèkpɔ ɖekawɔwɔ si le nuwɔna eve siawo domea? Ne Israel-vi aɖe subɔ trɔ̃ la, ke egblẽ nubabla si le woa kple Yehowa dome la me. Nenema kee ne Israel-vi aɖe wɔ ahasi la, ke egblẽ nubabla si le woa kple srɔ̃a dome la me. Nuwɔna evea siaa nye nuteƒemawɔmawɔ. (2 Mose 19:5, 6; 5 Mose 5:9; xlẽ Malaki 2:14.) Eya ta evea siaa nye agɔdzedze le Yehowa, Mawu si wɔa nuteƒe eye eƒe nya le dzɔdzɔe la dzi.—Psalmo 33:4.

19. Ŋkuɖoɖo nu ka dzie aʋã mí be míaɖoe kplikpaa be míagawɔ ahasi o, eye nu ka tae?

19 Enye nyateƒe be Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te egbea o. Gake ŋkuɖoɖo edzi be ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ gã le blema Israel aʋã mí be míaɖoe kplikpaa wu tsã be míagaƒo mía ɖokui ɖe nuwɔna sia me o. Nu ka tae? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ðe nàyi sɔlemexɔ aɖe me, adze klo ɖe kpetata aɖe ŋgɔ ahado gbe ɖa nɛa? Àgblɔ be, ‘Gbeɖe!’ Ke ne wotsɔ ga gbogbo aɖe ble nuwò ɖe, àwɔe? Àgblɔ be, ‘Esia nede megbe xaa tso gbɔnye.’ Le nyateƒe me la, anyɔ ŋu na Kristotɔ vavã be yeade ta agu na kpetata wòanye nuteƒemawɔmawɔ na Yehowa. Le mɔ ma ke nu la, ele be wòanyɔ ŋu na Kristotɔ be yeawɔ ahasi wòanye nuteƒemawɔmawɔ na Yehowa Mawu kple srɔ̃a siaa—aleke kee nu vɔ̃ sia wɔwɔ ƒe tetekpɔ nu asẽe o. (Psalmo 51:1, 4; Kolosetɔwo 3:5) Míadi gbeɖe be míaƒo mía ɖokui ɖe nuwɔna si ana Satana ƒe ta nade dzi, evɔ wòanye bubumademade Yehowa kple eƒe srɔ̃ɖeɖoɖo kɔkɔea ŋu la me akpɔ o.

ALE SI NÀWƆ ADO ŊUSẼ WÒ SRƆ̃ÐEKADODOA

20. Nu kae dzɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe aɖewo dzi, eye aleke míawɔ esia ƒe kpɔɖeŋui?

20 Ne èƒoa asa na nuwɔna siwo medea bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu o hã la, afɔ kawoe nàgate ŋu aɖe be nàgade asixɔxɔ srɔ̃wò ŋu ɖe edzi? Be nàɖo biabia sia ŋu la, na míatsɔ srɔ̃ɖeɖe asɔ kple aƒe. Eye na míatsɔ nya dzetowo gbɔgblɔ, nu dzeamewo wɔwɔ, kple nuwɔna bubu siwo nana bubu nɔa srɔ̃ɖeɖe ŋu la asɔ kple nu vovovo siwo wotsɔna ɖoa atsyɔ̃ na aƒee. Ne mia dome le vivim la, ekema miaƒe srɔ̃ɖeɖea ɖi aƒe si wotsɔ nu vovovowo ɖo atsyɔ̃ na nyuie wònya kpɔ eye wòdoa dzidzɔ na ame. Ne mia dome mele vivim o la, ekema atsyɔ̃ɖonuawoe nye ema le vɔvɔm, eye mlɔeba la, ana dzidzɔ nabu le srɔ̃ɖeɖea me wòanɔ abe aƒe aɖe si wogblẽ ɖi wòtsi nyamaa ene. Esi nèdi be yeawɔ ɖe Mawu ƒe sedede si nye be “mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu” dzi ta la, àdi godoo be yeana nuwo natsɔ afɔ le srɔ̃ɖeɖea me. Ne nane nye nu xɔasi si ŋu bubu le la, ke ehiã godoo be woayi edzi alé be nɛ ahanɔ asi trɔm le eŋu. Aleke nàte ŋu awɔ esiae? Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Nunyae wotsɔna tua xɔe, eye nugɔmesesee wotsɔna lia kee. Sidzedzee wotsɔna dea kesinɔnu veviwo kple nu nyoameŋu vovovowo xɔwo me taŋtaŋ.” (Lododowo 24:3, 4) Na míakpɔ ale si nya siawo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋui ɖa.

21. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ anɔ ŋusẽ dom míaƒe srɔ̃ɖekadodoa vivivi? (Kpɔ aɖaka si nye “ Aleke Mawɔ Ana Nye Srɔ̃ɖegbenɔnɔ Nanyo Ðe Edzi?” hã.)

21 Nɔnɔme nyuiwo, abe lɔlɔ̃ vavãtɔ, mawuvɔvɔ̃, kple xɔse sẽŋu ene ye nye kesinɔnu siwo ayɔ aƒe me taŋ be dzidzɔ nanɔ aƒea me. (Lododowo 15:16, 17; 1 Petro 1:7) Nɔnɔme siawo nana srɔ̃ɖeɖe lia ke. Gake ède dzesi nu si Biblia me lododo si míeyɔ le memama si do ŋgɔ me la gblɔ be eyae wotsɔna dea kesinɔnuwo xɔwo me taŋtaŋua? Eyae nye “sidzedze.” Nyateƒee, ne ètsɔ Biblia me sidzedze wɔ dɔe la, ŋusẽ le eŋu be wòatrɔ wò nuŋububu, wòaʋã wò nàgade dzo lɔlɔ̃ si le asiwò na srɔ̃wò la me. (Romatɔwo 12:2; Filipitɔwo 1:9) Eya ta ɣesiaɣi si mia kple srɔ̃wò mienɔ anyi dzro Biblia me ɖekae, abe ne miedzro gbe sia gbe mawunyakpukpuia me, alo miesrɔ̃ Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! me nyati aɖe si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu ɖekae la, ke ɖeko wòle abe ɖe miele ŋku lém ɖe nu nyui aɖe si miate ŋu atsɔ aɖo atsyɔ̃ na miaƒe aƒee la ŋu ene. Ne lɔlɔ̃ na Yehowa ʋã mi mietsɔ nu siwo miesrɔ̃ wɔ dɔe le miaƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ me la, ke ɖeko wòle abe ɖe mietsɔ atsyɔ̃ɖonua va de miaƒe xɔwo me ene. Esia awɔe be lɔlɔ̃ kple dzidzɔ si nɔ miaƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ me tsã la nagatrɔ agbɔ.

22. Dzidzeme kae míakpɔ ne míewɔ mía tɔ kpa dzi be míado ŋusẽ míaƒe srɔ̃ɖekadodoa?

22 Ele eme baa be abia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe hafi miagate ŋu atrɔ atsyɔ̃ɖonu mawo gbɔe ya. Gake ne èdzea agbagba wɔa tɔwò kpa dzi la, wò dzi adze eme geɖe ŋutɔ, elabena ènyae be yele se sia si Biblia de la dzi wɔm be: “Mitre mia nɔewo bubu.” (Romatɔwo 12:10; Psalmo 147:11) Ƒo wo katã ta la, wò kutrikuku vevie be yeana bubu nanɔ yeƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu ana nàyi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa.

^ mm. 6 Esi Paulo nɔ nu ƒom tso nu vovovo siwo wòle be míawɔ ŋue wògblɔ nuxlɔ̃amenya sia si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la hã.—Hebritɔwo 13:1-5.