Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 12

Gblɔ Nya Siwo “Nyo Hena Tutuɖo”

Gblɔ Nya Siwo “Nyo Hena Tutuɖo”

“Migana nya ƒaƒã aɖeke nado go tso miaƒe nu me o, ke boŋ nya siwo nyo hena tutuɖo.”—EFESOTƆWO 4:29.

1-3. (a) Nu nyui siwo Yehowa na mí la dometɔ ɖeka ɖe, eye aleke wòate ŋu adzɔ be míazãe le mɔ gbegblẽ nu? (b) Be míayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me la, aleke wòle be míazã nuƒoƒo ƒe nunana lae?

ALEKE nàse le ɖokuiwò me ne èna nu wò ame vevi aɖe, eye kaka nàkpɔ la, amea ɖoe koŋ le nua zãm yakayaka? Tsɔe be gasɔe nèƒle nɛ, eye emegbe nèkpɔe be ele edom nyamanyama hetsɔe le nuvevi wɔm amewo. Ðe esia mate ɖe dziwò ŋutɔ oa?

2 Nunanae nuƒoƒo nye tso Yehowa, ame si nye “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” Nala la gbɔ. (Yakobo 1:17) Nunana sia si na amegbetɔwo to vovo tso lãwo gbɔ lae wɔnɛ be míete ŋu ɖea míaƒe susuwo kple seselelãmewo gblɔna. Gake woate ŋu azã nuƒoƒo ƒe nunana la le mɔ gbegblẽ nu abe ale si ko wòate ŋu adzɔ be woazã gasɔ yakayaka ene. Aleke gbegbe wòate ɖe Yehowa dzii enye esi ne míezã nuƒoƒo le mɔ madzemadze nu tsɔ do nuxaxa kple vevesese na amewo!

3 Be míayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me la, ele be míazã nuƒoƒo ƒe nunanaa le mɔ si Enala la dii nu. Yehowa na míenya nuƒoƒo siwo medzea eŋu o la kɔtɛ. Eƒe Nya la gblɔ be: “Migana nya ƒaƒã aɖeke nado go tso miaƒe nu me o, ke boŋ nya siwo nyo hena tutuɖo le ale si nɔnɔmea le nu, ale be wòaɖe vi na ame siwo asee.” (Efesotɔwo 4:29) Mina míadzro nu si ta wòle be míakpɔ míaƒe aɖe dzi nyuie, nyagbɔgblɔ siwo wòle be míatsri, kple ale si míawɔ agblɔ nya siwo “nyo hena tutuɖo” la me.

NU SI TA WÒLE BE MÍAKPƆ MÍAƑE AÐE DZI NYUIE

4, 5. Aleke Biblia me lododo aɖewo ɖɔ ŋusẽ si le nya siwo dona le mía nu ŋui?

4 Susu vevi siwo ta wòle be míakpɔ míaƒe aɖe dzi ɖo la dometɔ ɖekae nye be ŋusẽ le nya siwo dona le mía nu ŋu. Lododowo 15:4 gblɔ be: “Aɖe fafɛ la, agbeti wònye, ke nya totro nana mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame.” * Abe ale si ko tsidzadza dea agbe ati siwo hiã tsi vevie mee ene la, nenemae aɖe fafɛ dzi nya tuameɖowo dea agbe yeye eselawo mee. Gake alakpaɖe dzi nya totrowo ya gbãa dzi na ame. Nyateƒee, ŋusẽ le nya siwo dona le mía nu ŋu—woate ŋu agblẽ nu le ame ŋu loo alo ada gbe le ame ŋu.—Lododowo 18:21.

5 Lododo bubu hã ɖɔ ŋusẽ si le aɖe ŋu la eme kɔ nyuie be: “Nuƒoƒo eŋumabumabui le abe yitɔame ene.” (Lododowo 12:18) Ne ame aɖe tsɔa dzitsitsi ƒoa nu eŋumabumabui la, ate ŋu ade abi ame bubuwo ƒe seselelãme ŋu, eye wòagblẽ woa kpli wo dome ƒomedodoa me. Ðe ame aɖe ƒe numenya tɔ dzi na wò abe yi ye wotsɔ tɔ wò ene kpɔa? Lododo ma ke gblɔ mɔ nyuitɔ si nu woazã aɖe la le, be: “Nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” Ame si si nunya vavãtɔ su la ƒe nya siwo ŋu wòbu nyuie hafi gblɔ la ate ŋu ada gbe le ame si ƒe dzi gbã ŋu, eye wòadzra woa kple amewo dome ɖo. Èɖo ŋkui be ame aɖe ƒo nu na wò ameŋububutɔe si na wò dzi dze eme kpɔa? (Xlẽ Lododowo 16:24.) Enyanya be ŋusẽ le nya siwo dona le mía nu ŋu aʋã mí be míadze agbagba agblɔ nya siwo ana amewo ƒe dzi nadze eme, ke menye esiwo agbã dzi na wo o.

Aɖe fafɛ nana amewo ƒe dzi dzea eme

6. Nu ka tae wòbia kutrikuku geɖe hafi míate ŋu akpɔ míaƒe aɖe dzi?

6 Agbagba ka kee míeɖadze o, míate ŋu azã aɖe la le mɔ deblibo nu o. Eya ta susu evelia si ta wòle be míakpɔ míaƒe aɖe dzi nyuie ye nye be nu vɔ̃ kple blibomademade kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi be míazã aɖe la le mɔ gbegblẽ nu. Nu siwo le míaƒe dzi mee míeɖena gblɔna, evɔ “amegbetɔ ƒe dzimesusu nye vɔ̃.” (1 Mose 8:21; Luka 6:45) Eya ta ebia kutrikuku blibo hafi míate ŋu ade ga míaƒe aɖe. (Xlẽ Yakobo 3:2-4.) Togbɔ be míate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe aɖe la dzi bliboe o hã la, míate ŋu ayi edzi anɔ asi trɔm le ale si míezãnɛ ŋu be wòanyo ɖe edzi. Abe ale si ko wòhiã kutrikuku hafi tsiƒula nate ŋu aƒu tsi akpe ƒutsotsoewo ene la, nenema kee wòhiã be mí nuvɔ̃mewo míayi edzi aku kutri vevie hafi ate ŋu aɖu didi be míazã aɖe la le mɔ gbegblẽ nu dzi.

7, 8. Aleke Yehowa abia akɔnta mí le nya siwo dona le mía nu ŋuti?

7 Susu etɔ̃lia si ta wòle be míakpɔ míaƒe aɖe dzi ɖoe nye be Yehowa abia nya siwo dona le mía nu la ŋuti kɔnta mí. Menye ƒomedodo si le mía kple amewo dome dzi koe míaƒe nuƒoƒo kpɔa ŋusẽ ɖo o, ke boŋ mía kple Yehowa dome ƒomedodo hãe. Yakobo 1:26 gblɔ be: “Ne ame aɖe bua eɖokui mawusubɔlae, evɔ meléa eƒe aɖe o la, eya ŋutɔ ƒe dzi blem wòle, eye eƒe subɔsubɔ nye dzodzro.” * Abe ale si míekpɔe le ta si do ŋgɔ me ene la, kadodo aɖe le míaƒe subɔsubɔ kple nya siwo dona le mía nu dome. Ne míede ga míaƒe aɖe o, eye nya siwo gblẽa nu le ame ŋu dona le mía nu la, ekema agbagba siwo katã míedzena le mawusubɔsubɔ me la ate ŋu azu dzodzro le Mawu ŋkume. Mèkpɔe be ŋkubiãnyae nya sia nye oa?—Yakobo 3:8-10.

8 Eme kɔ ƒãa be ele vevie be míakpɔ nyuie be míagazã nuƒoƒo ƒe nunana la le mɔ gbegblẽ nu o. Hafi míaƒo nu tso nya nyui siwo tua ame ɖo ŋu la, mina míadzro nyagbɔgblɔ siwo wòle be Kristotɔ natsri kura la me gbã.

NYA SIWO GBLẼA NU LE AME ŊU

9, 10. (a) Nya kawo gbɔgblɔe va bɔ le egbexexea me? (b) Nu ka tae wòle be míatsri nya madzetowo gbɔgblɔ? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

9 Nya madzetowo. Le egbexexea me la, ɖiŋudodowo, yakanyawo, kple nya madzeto bubuwo dona le amewo nu gbe sia gbe. Ame geɖe gblɔa nya ƒaƒãwo ne wodo dziku. Zi geɖe la, fefewɔlawo zãa gbegblẽnyawo be yewoatsɔ ado nukokoe na amewo. Gake menye fefenyae nya madzetowo gbɔgblɔ nye kura o. Ƒe 2,000 aɖewoe nye esia la, gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòxlɔ̃ nu Kolose hamea me tɔwo be woagana “yakanya” aɖeke nado le wo nu o. (Kolosetɔwo 3:8) ‘Fefenya madzetowo’ hã le nu siwo Paulo gblɔ na Efeso hamea be ‘mele be woase wo ŋkɔ’ le Kristotɔ vavãwo dome o la me.—Efesotɔwo 5:3, 4.

10 Yehowa nyɔa ŋu nya madzetowo. Ele be ame siwo lɔ̃a Yehowa hã nanyɔ ŋui. Ɛ̃, míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa ʋãa mí míeƒoa asa na nya madzetowo gbɔgblɔ. Paulo yɔ “makɔmakɔnyenye,” si me nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ hã le, kpe ɖe “ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔwo” ŋu. (Galatiatɔwo 5:19-21) Esia fia be ŋkubiãnyae wònye. Ne Kristotɔ aɖe tsɔ gbegblẽnyawo gbɔgblɔ ɖo dɔe, eye woxlɔ̃ nui zi geɖe gake wògbe dzimetɔtrɔ la, woate ŋu aɖee le Kristo hamea me. *

11, 12. (a) Nu kae nye amenyagbɔgblɔ, eye aleke wòate ŋu ava zu nu si agblẽ nu? (b) Nu ka tae wòle be Yehowa subɔlawo naƒo asa na ameŋugbegblẽ?

11 Amenyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi, ameŋugbegblẽ. Amenyagbɔgblɔ nye dzeɖoɖo tso amewo kple woƒe nuwɔnawo ŋu. Amenyagbɔgblɔ ɖe sia ɖee gblẽa? Menye nu gbegblẽe wònye be woagblɔ nya nyuiwo, alo nya siwo aɖe vi, tso amewo ŋu o; abe gbɔgblɔ be ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ, alo be woade dzi ƒo na ame aɖe ene. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo tsɔ ɖe le eme na wo nɔewo vevie, eye wogblɔa nya siwo sɔ tso wo nɔewo ŋu. (Efesotɔwo 6:21, 22; Kolosetɔwo 4:8, 9) Gake ne míekpɔ nyuie o la, nuƒoƒo tso amewo ŋu ate ŋu ava zu amenyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi, nenye be míetrɔ gbo amewo ŋu nyateƒenya aɖewo alo ʋu go wo ŋu nya siwo mele be ame bubuwo nase hafi o. Vɔ̃ɖitɔe wu la, esia ate ŋu ava zu ameŋugbegblẽ, si meɖea vi aɖeke ɣeaɖekeɣi o. Ameŋugbegblẽ nye “alakpanutsotso si kloa bubu le ame ŋu hegblẽa ame ƒe ŋkɔ.” Le kpɔɖeŋu me, Farisitɔwo zã ameŋugblẽnya vɔ̃ɖiwo be yewoatsɔ ada Yesu ɖe anyi. (Mateo 9:32-34; 12:22-24) Zi geɖe la, ameŋugbegblẽ dea dzre amewo dome.—Lododowo 26:20.

12 Nuƒoƒo ƒe nunanaa zazã atsɔ ada ame bubuwo ɖe anyi alo atsɔ ade mama amewo dome nye ŋkubiãnya le Yehowa ŋkume. Elé fu ame siwo “dea dzre nɔviwo dome.” (Lododowo 6:16-19) Helagbe me nya si gɔme woɖena be “ameŋugblẽla” ye nye di·aʹbo·los, si nye ŋkɔ “Abosam” si wogayɔna na Satana. Abosam gblẽa Mawu ŋu vɔ̃ɖitɔe. (Nyaɖeɖefia 12:9, 10) Eya ta míadi godoo be míaƒo asa na nyagbɔgblɔ siwo ana míanɔ abe Abosam ene. Mele be ame aɖeke nanye ameŋugblẽla le hamea me o, le esi esia nana ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo, abe “nyahehewo” kple “mamawo” ene, ɖoa nɔviwo dome ta. (Galatiatɔwo 5:19-21) Eya ta hafi nàgblɔ ame aɖe ŋu nya la, bia ɖokuiwò be: ‘Meka ɖe edzi be nyateƒee nya sia nyea? Ðe wòanye dɔmenyonyo be magblɔ nya sia na ame bubuwoa? Ðe wòhiã, alo ɖe wòsɔ, be ame bubuwo nase nya sia?’—Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 4:11.

13, 14. (a) Nu kae nya veamewo gbɔgblɔ ate ŋu agblẽ le amewo ŋu? (b) Nu kawo hãe amedzudzu fia, eye nu ka tae ame si dzua ame la le eɖokui dem afɔku me?

13 Dzugbewo. Abe ale si míegblɔe va yi ene la, ŋusẽ le nya siwo dona le mía nu ŋu be wòagblẽ nu le ame ŋu. Enye nyateƒe be le míaƒe blibomademade ta la, mí katã míegblɔa nya aɖewo ɣeaɖewoɣi, emegbe wòvea mí be míegblɔ wo. Gake Biblia xlɔ̃ nu mí tso nya aɖewo siwo mele be wòanɔ dodom le mí Kristotɔwo nu kura o ŋu, eɖanye le aƒe me loo alo le hamea me o. Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Miɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi, dɔmedzoe, dziku, ɣlidodo, kple nya veame ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa le mia dome.” (Efesotɔwo 4:31) Nya siwo wozã ɖe “nya veame” teƒe le Biblia aɖewo me ye nye “dzugbewo” alo “nya vlowo gbɔgblɔ.” Nya veamewo—si ƒe ɖewoe nye megbeŋkɔ siwo daa ame ɖe anyi kple nyahehe ɖe ame ŋu atraɖii—ate ŋu aklo bubu le amewo ŋu ahana woase le wo ɖokui me be yewomele ɖeke me o. Esi wònye ɖeviwo kana ɖe ame dzi eye nu wɔa dɔ ɖe wo dzi bɔbɔe ta la, nya veamewo gblẽa nu le wo ŋu vevie.—Kolosetɔwo 3:21.

14 Biblia tsi tre ɖe amedzudzu alo gbɔɖiamenyawo kple nya veamewo tsɔtsɔ do ŋukpe amee ŋu vevie. Ame si gblɔa nya siawo tɔgbi la le eɖokui dem afɔku me, elabena woate ŋu aɖe amedzula le hamea me nenye be woxlɔ̃ nui zi geɖe gake wògbe dzimetɔtrɔ. Ne meɖe asi le nɔnɔme sia ŋu o la, Fiaɖuƒea ƒe yayrawo ato eŋu. (1 Korintotɔwo 5:11-13; 6:9, 10) Eya ta eme kɔ ƒãa be hafi míate ŋu anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa la, ele be míatsri nya vlowo, nya siwo mesɔ o, kple alakpanyawo gbɔgblɔ. Nya mawo gblẽa nu le ame ŋu.

NYA SIWO “NYO HENA TUTUÐO”

15. Nya kawo tɔgbi ye “nyo hena tutuɖo”?

15 Aleke míawɔ azã nuƒoƒo ƒe nunana la abe ale si Enala la dii ene? Ðo ŋkui be Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be míagblɔ “nya siwo nyo hena tutuɖo” la ko. (Efesotɔwo 4:29) Edzea Yehowa ŋu ŋutɔ ne míegblɔa nya siwo tua ame ɖo, dea dzi ƒo hedoa ŋusẽ ame. Nya siawo tɔgbi gbɔgblɔ bia nuŋububu nyuie. Biblia mede se gbogbo aɖewo alo gblɔ nya siwo tututu wòle be míazã bene míaƒe “nuƒoƒo nanyo” o. (Tito 2:8) Be míagblɔ nya siwo “nyo hena tutuɖo” la, ele be nu vevi etɔ̃ siwo gbɔna nanɔ susu me na mí: ele be míaƒe nuƒoƒo nanɔ dzadzɛ, wòanye nyateƒe, eye wòaɖe ameŋububu afia. Esi nu vevi siawo le susu me na mí la, mina míadzro nya siwo tua ame ɖo ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo me kpɔ.—Kpɔ aɖaka si nye “ Ðe Nye Nuƒoƒo Tua Ame Ðoa?

16, 17. (a) Nu ka tae wòle be míanɔ amewo kafum? (b) Mɔnukpɔkpɔ kawoe ʋuna ɖi be míakafu amewo le hamea me; le ƒomea me?

16 Amewo kafukafu tso dzi me. Yehowa kple Yesu siaa ɖee fia be kafukafu kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu nyawo gbɔgblɔ le vevie. (Mateo 3:17; 25:19-23; Yohanes 1:47) Abe Kristotɔwo ene la, ele vevie be míawo hã míakafu amewo faa tso dzi me. Nu ka tae? Lododowo 15:23 gblɔ be: “Nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi la vivina loo!” Bia ɖokuiwò be: ‘Aleke mesena le ɖokuinye me ne ame aɖe kafum vividoɖeameŋutɔe? Ðe esia medea dzi ƒo nam henana nye dzi dzea eme oa?’ Nyateƒee, ne wokafu wò tso dzi me la, ana nàkpɔe be amewo tsɔ ɖe le eme na wò eye wodea dzesi wò agbagbadzedzewo. Kakaɖedzinya mawo doa ŋusẽ wò heʋãa wò be nàgadze agbagba geɖe wu. Esi wòdzɔa dzi na wò ne amewo kafu wò ta la, ɖe manyo be wò hã nànɔ amewo kafum oa?—Xlẽ Mateo 7:12.

17 Mlã ɖokuiwò be nàlé ŋku ɖe amewo ƒe nyuiƒewo ŋu eye nàkafu wo ɖe eta. Ðewohĩ nɔvi aɖe ƒo nuƒo nyui aɖe le hamea me, alo sɔhɛ aɖe le gbɔgbɔmetaɖodzinuwo minyam, alo nɔvi tsitsi aɖe dzea agbagba dea kpekpeawo edziedzi togbɔ be tsitsimekuxiwo ɖea fu nɛ hã. Ne èkafu ame siawo tso dzi me la, ana woƒe dzi nadze eme eye wòado ŋusẽ wo woayi edzi nenema. Le ƒomea me la, ele vevie ŋutɔ be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nanɔ wo nɔewo kafum ŋudzedzekpɔkpɔtɔe. (Lododowo 31:10, 28) Evivia ɖeviwo nu ŋutɔ ne wokafu wo hekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Ðeviwo hiã kafukafu kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu vevie abe ale si ko nu miemiewo hiã kekeli kple tsidzadza ene. Eya ta dzilawo, minɔ ŋudzɔ be miakafu mia viwo ɖe woƒe agbagbadzedzewo kple nɔnɔme nyui siwo woɖena fiana ta. Kafukafunyawo ate ŋu ana dzi naɖo mia viwo ƒo eye wòaʋã wo be woaku kutri geɖe wu awɔ nu si sɔ.

18, 19. Nu ka tae wòle be míadze agbagba ade dzi ƒona haxɔsetɔwo, eye aleke míawɔ esiae?

18 Dzidede ƒo na amewo kple akɔfafa na wo. Yehowa tsɔa ɖe le eme na ‘ame siwo wobɔbɔ ɖe anyi’ kple “ame siwo wogbã gudugudu” la vevie ŋutɔ. (Yesaya 57:15) Eƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be ‘míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo,’ eye ‘míafa akɔ na ame siwo lé blanui.’ (1 Tesalonikatɔwo 5:11, 14) Kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo nèdzena be yeade dzi ƒo na haxɔsetɔ siwo dzi nu te ɖo la ŋu.

Edzea Yehowa ŋu ne míegblɔa nya siwo tua ame ɖo

19 Ke nya kae nàte ŋu agblɔ atsɔ ado ŋusẽ nɔvi Kristotɔ siwo ƒo dzi ɖe le alo lé blanui? Mègasusui be ele be yeakpɔ kuxi si le fu ɖem na wo la gbɔ kokoko o. Le go geɖe me la, nya sue aɖe ko nàgblɔ, evɔ wòado ŋusẽ wo. Na ame si dzi nu te ɖo la nase le eɖokui me be nètsɔ ɖe le eme na ye. Doe ɖe egbɔ be yeado gbe ɖa kplii; àte ŋu aƒo koko na Yehowa be wòakpe ɖe eŋu wòakpɔe adze sii be amewo kple Mawu siaa lɔ̃ ye. (Yakobo 5:14, 15) Na wòaka ɖe edzi be asixɔxɔ le ye ŋu le hamea me eye be yele akpa vevi aɖe wɔm. (1 Korintotɔwo 12:12-26) Xlẽ mawunyakpukpui dedziƒoname aɖe nɛ, si ana wòakpɔe be Yehowa tsɔ ɖe le eme na ye vavã. (Psalmo 34:18; Mateo 10:29-31) Ne ètsɔ dzigbɔɖi gblɔ “nya nyui” aɖe na ame si ƒo dzi ɖe le tso dzi me faa la, ana wòase le eɖokui me be nèlɔ̃ ye hekpɔa ŋudzedze ɖe ye ŋu vavã.—Xlẽ Lododowo 12:25.

20, 21. Nu kawoe nana aɖaŋuɖoɖo wɔa dɔ?

20 Aɖaŋuɖoɖo siwo wɔa dɔ. Esi mía dometɔ aɖeke mede blibo o ta la, eva hiãna ɣeaɖewoɣi be woaɖo aɖaŋu na mí. Biblia de dzi ƒo na mí be: “Se aɖaŋuɖoɖo, eye nàxɔ amehehe, ne nàdze nunya le etsɔ si gbɔna me.” (Lododowo 19:20) Menye hamemetsitsiwo koe ɖoa aɖaŋu na ame o. Dzilawo ɖoa aɖaŋu na wo viwo. (Efesotɔwo 6:4) Nɔvinyɔnu tsitsiwo hã te ŋu ɖoa aɖaŋu na ɖetugbuiwo. (Tito 2:3-5) Esi míelɔ̃ amewo ta la, míadi be míaɖo aɖaŋu na wo le mɔ si ana exɔxɔ nanɔ bɔbɔe eye mado nuxaxa na wo o nu. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖo aɖaŋu siawo tɔgbi? De dzesi nu etɔ̃ siwo gbɔna, siwo nana aɖaŋuɖoɖo wɔa dɔ: aɖaŋuɖolaa ƒe nɔnɔme kple nu si ʋãe wòle aɖaŋua ɖom, nu si dzi wòtu eƒe aɖaŋuɖoɖoa ɖo, kple ale si wòle aɖaŋua ɖomee.

21 Gbã la, ame si le aɖaŋua ɖom ƒe nɔnɔme kple nu si ʋãe gbɔe wòatso be aɖaŋuɖoɖoa nawɔ dɔ. Bia ɖokuiwò be, ‘Ɣekaɣie aɖaŋuɖoɖo nya xɔna nam bɔbɔe?’ Ne ènya be ame si le aɖaŋua ɖom na wò tsɔ ɖe le eme na wò eye menye esi wò nu ti kɔ nɛ alo wòle susu vɔ̃ bum ɖe ŋuwò tae o la, anɔ bɔbɔe na wò be nàxɔ eƒe aɖaŋuɖoɖoa. Eya ta ɖe mele be wòanɔ nenema le wò hã gowòme ne èle aɖaŋu ɖom na amewo oa? Be aɖaŋuɖoɖo nawɔ dɔ la, ehiã hã be woatui ɖe Mawu ƒe Nya la dzi. (2 Timoteo 3:16) Ne míeyɔ nyawo tso Biblia me tẽe o hã la, ele kokoko be aɖaŋu si míaɖo la nawɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo. Eya ta hamemetsitsiwo kpɔa egbɔ be yewomazi yewo ŋutɔwo ƒe nukpɔsusu ɖe nɔviawo dzi loo alo ato mɔ aɖe dzi ana wòadze abe ɖe nya si gblɔm wole la wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo ene evɔ mele nenema hafi o. Mlɔeba la, be aɖaŋuɖoɖo nawɔ dɔ la, ele be woaɖoe le mɔ nyuitɔ nu. Aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ nɔa bɔbɔe ne edze to, ameŋububu dze le eme, eye ame si woɖoe na la kpɔe be womeklo bubu le ye ŋu o.—Kolosetɔwo 4:6.

22. Aleke nèɖoe be yeazã nuƒoƒo ƒe nunana lae tso fifia dzi heyi?

22 Ðikeke mele eme o be nunana xɔasie nuƒoƒo nye tso Mawu gbɔ. Ele be lɔlɔ̃ na Yehowa naʋã mí míaƒo asa na nunana sia zazã yakayaka. Nenɔ susu me na mí be ŋusẽ le nya siwo dona le mía nu ŋu—be woatu ame ɖo loo alo agblẽ nu le ame ŋu. Eya ta mina míadze agbagba vevie azã nunana sia le mɔ si dzea Enalaa ŋu la nu—si nye be míazãe “hena tutuɖo.” Esia awɔe be míaƒe nuƒoƒo nahe yayra vɛ na ame siwo dome míele, eye wòana míanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa.

^ mm. 4 Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “nya totro” le Lododowo 15:4 la agate ŋu afia “nya si mesɔ o” alo “nya vɔ̃ɖi.”

^ mm. 7 Wogate ŋu ɖea Helagbe me nya si gɔme woɖe be “dzodzro” la gɔme be nu si ŋu “viɖe aɖeke” mele o.—1 Korintotɔwo 15:17.

^ mm. 10 “Makɔmakɔnyenye” si wozã le Biblia me la lɔ nu vɔ̃ gbogbo aɖewo ɖe eme. Togbɔ be menye makɔmakɔnyenyewo katã tae woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖo o hã la, woate ŋu aɖe ame le hamea me ne eƒo eɖokui ɖe makɔmakɔnyenye si gbɔ eme me hegbe dzimetɔtrɔ.—2 Korintotɔwo 12:21; Efesotɔwo 4:19; kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si le July 15, 2006 ƒe Gbetakpɔxɔ me.