Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 13

Azãɖuɖu Siwo Medzea Mawu Ŋu O

Azãɖuɖu Siwo Medzea Mawu Ŋu O

“Midze agbagba ɖe sia ɖe be nu siwo miewɔna la nadze Aƒetɔ la ŋu.”—EFESOTƆWO 5:10.

1. Ame kawo ƒomevie Yehowa tena ɖe eɖokui ŋu, eye nu ka tae wòle be woayi edzi anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me?

YESU gblɔ be: “Nyateƒetadeagulawo ade ta agu na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena le nyateƒe me la, ame siawo tɔgbi dimee Fofo la le be woade ta agu na ye.” (Yohanes 4:23) Ne Yehowa ke ɖe ame siwo di vevie be yewoasubɔe alea ŋu, abe ale si wòke ɖe ŋuwò ene la, etea wo ɖe eɖokui kple Via siaa ŋu. (Yohanes 6:44) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi! Gake ele be ame siwo lɔ̃ Biblia me nyateƒea la ‘nadze agbagba ɖe sia ɖe be nu siwo yewowɔna la nadze Aƒetɔ la ŋu,’ elabena Satana bi ɖe amebeble me ŋutɔ.—Efesotɔwo 5:10; Nyaɖeɖefia 12:9.

2. Ðe ale si Yehowa bua ame siwo tsɔa alakpasubɔsubɔ nuwɔnawo tsakaa nyateƒeae la me.

2 Bu nu si dzɔ le Sinai Toa gbɔ esime Israel-viwo bia tso Aron si be wòawɔ mawu na yewo la ŋu kpɔ. Le woƒe biabiaa nu la, Aron wɔ sikanyivi hegblɔ be ele tsitre ɖi na Yehowa. Egblɔ na wo be: “Míaɖu azã na Yehowa etsɔ!” Ðe Yehowa zi kpi kpɔ wo esi wotsɔ alakpasubɔsubɔ tsaka tadedeagu vavãtɔ alea? Kpao. Ena ame siwo ade akpe etɔ̃ sɔŋ ku le trɔ̃subɔsubɔ nuwɔna ma ta. (2 Mose 32:1-6, 10, 28) Nufiame kae le esia me na mí? Ne míedi be míanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa la, mele be “[míaka] asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o,” ke boŋ míaʋã ŋu ɖe Yehowa ŋu be míagatsɔ naneke aƒo ɖi nyateƒea o.—Yesaya 52:11; Ezekiel 44:23; Galatiatɔwo 5:9.

3, 4. Nu ka tae wòhiã be míade ŋugble le Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu nyuie ne míele kɔnu kple azã xɔŋkɔ siwo li egbea ŋu bum?

3 Nublanuitɔe la, le apostoloawo, siwo nɔ abe mɔxenu na xɔsegbegbe ene, ƒe ku megbe la, ame aɖewo siwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye, siwo melɔ̃ nyateƒea ŋutɔŋutɔ o la va xɔ trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo, azãwo, kple ŋkeke “kɔkɔe” aɖewo de eme hetrɔ ŋkɔ na wo be wonye Kristotɔwo ƒe azãwo. (2 Tesalonikatɔwo 2:7, 10) Na míadzro azãɖuɖu siawo dometɔ aɖewo me, eye àkpɔe be xexea ƒe gbɔgbɔ ye azã siawo ɖena fiana, ke menye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe dɔwɔwɔ o. Ne míagblɔe la, nu ɖeka tɔgbi aɖewo dzena le xexea ƒe azãɖuɖuwo me: Wonyɔa ŋutilã ƒe dzodzrowo eye wodoa alakpadzixɔsewo kple gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔnawo ɖe ŋgɔ, siwo nye nu siwo koŋ ɖe dzesi le “Babilon Gã la” ŋu. * (Nyaɖeɖefia 18:2-4, 23) Azɔ hã, ɖo ŋku edzi be Yehowa nya trɔ̃subɔsubɔ nuwɔna nyɔŋu siwo me azã siwo xɔ ŋkɔ egbea dzɔ tso la nyuie. Ðikeke mele eme o be azã siawo kpɔtɔ nyɔa ŋu nɛ. Ðe menye eya ƒe nukpɔsusue wòle be wòanɔ vevie na mí oa?—2 Yohanes 6, 7.

4 Abe Kristotɔ vavãwo ene la, míenyae be azãɖuɖu aɖewo medzea Yehowa ŋu o. Gake ehiã vevie be míaɖoe kplikpaa le míaƒe dzi me be míagawɔ naneke si anye gomekpɔkpɔ le wo me o. Nu si ta azãɖuɖu mawo medzea Yehowa ŋu o la me dzodzro ado ŋusẽ mí be míatsri nuwɔna ɖe sia ɖe si ate ŋu axe mɔ na mí be míagayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me o.

KRISTMAS—ƔESUBƆSUBƆ ƑE AZÃ SI WOTRƆ ŊKƆ NA

5. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be menye December 25 dzie wodzi Yesu o?

5 Biblia megblɔ le afi aɖeke be woɖu Yesu ƒe dzigbezã o. Le nyateƒe me la, gbe si gbe wodzii mele nyanya o. Ke hã, míate ŋu aka ɖe edzi be menye December 25 lia dzie wodzii o, le esi vuvɔ wɔna vevie le ɣleti ma me le nuto si me wodzii le ta. * Gbã la, anyo be míade dzesii be Luka ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be gbe si gbe wodzi Yesu la, ‘alẽkplɔlawo nɔ gbedzi nɔ woƒe lãhawo ŋu dzɔm.’ (Luka 2:8-11) Ne ɖe alẽkplɔla siwo le nuto ma me kplɔa woƒe lãhawo yia “gbedzi” le ƒea ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me la, anye ne manye nu ɖedzesi aɖeke be woagblɔ be wonɔ “gbedzi” ɣemaɣi o. Esi tsi kple sno dzana le Betlexem le December me, eye vuvɔ wɔna vevie ta la, alẽkplɔlawo menɔa “gbedzi” le ɣeyiɣi mawo me o, ke boŋ wokplɔa lãwo dea kpo me henaa nuɖuɖu wo. Azɔ hã, esi Kaisaro Augusto de se be woaxlẽ amewo tae Yosef kple Maria hã zɔ mɔ yi Betlexem ɖo. (Luka 2:1-7) Asesẽ ŋutɔ be Kaisaro nade se na etevi siwo do dziku xoxo ɖe Roma dziɖuɖua ŋu la be woazɔ mɔ le vuvɔŋɔli ƒe sesẽaƒe ayi wo de ne woaxlẽ wo.

6, 7. (a) Afi kae Kristmas kɔnuwo dzɔ tso? (b) Vovototo kae le nunana le Kristmas ɖuɣi kple Kristotɔ vavãwo ƒe nunana dome?

6 Kristmas ɖuɖu ŋu nya aɖeke medze le Ŋɔŋlɔawo me o, ke boŋ trɔ̃subɔlawo ƒe azãwo, abe Romatɔwo ƒe Saturnalia ene, si woɖuna na agbledede mawu Saturn, mee wòdzɔ tso. Nenema kee numekugbalẽ aɖe (New Catholic Encyclopedia) gblɔ be, mawu si woyɔna be Mithra la subɔlawo ɖua woƒe mawua, si nye “ɣe si dzi womete ŋu ɖuna o,” ƒe dzigbezã le December 25 lia dzi. Ɣeyiɣi si me ɣemawu subɔsubɔ va xɔ anyinɔ le Roma ye “wova te Kristmas ɖuɖu,” si anɔ abe ƒe alafa etɔ̃ ene le Kristo ƒe ku megbe.

Lɔlɔ̃ ye ʋãa Kristotɔ vavãwo wonaa nu ame

7 Le trɔ̃subɔlawo ƒe azã mawo ɖuɣi la, wonaa nu wo nɔewo eye woɖoa nuɖukplɔ̃ gãwo—siwo nye nu siwo amewo kpɔtɔ wɔna egbea le Kristmas ɖuɣi. Gake Kristmas nunana geɖe mewɔ ɖeka kple 2 Korintotɔwo 9:7 me nyawo o, afi si míexlẽ le be: “Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.” Lɔlɔ̃ ye ʋãa Kristotɔ vavãwo wonaa nu ame, ke womelalana be ŋkeke aɖe koŋ naɖo hafi o, eye womekpɔa mɔ hã be ame siwo yewona nui naɖo eteƒe na yewo o. (Luka 14:12-14; xlẽ Dɔwɔwɔwo 20:35.) Gawu la, wovona tso Kristmas ɖuɣi ƒe dzimaɖitsitsiwo kple nugbanadodo ƒe agba si nɔa ame geɖe dzi le ƒea ƒe ɣeyiɣi ma me la me.—Mateo 11:28-30; Yohanes 8:32.

8. Dzigbenunanae ɣletivimefakalawo tsɔ vɛ na Yesua? Ðe eme.

8 Gake ame aɖewo abia be, ɖe ɣletivimefakalawo metsɔ dzigbenunanawo vɛ na Yesu le eƒe dzigbe oa? Ao, menye dzigbenunanae o! Ðeko wona nui tsɔ de bubu eŋu abe ame vevi aɖe ene, eye esia nye nuwɔna si bɔ le nuto mawo me le Biblia ŋlɔɣiwo. (1 Fiawo 10:1, 2, 10, 13; Mateo 2:2, 11) Azɔ hã, menye zã si me wodzi Yesu gɔ̃ hãe ɣletivimefakalawo va srãe kpɔ o. Menye vidzĩe Yesu kpɔtɔ nye wotsɔ mlɔ lãnuɖunu me hafi wova o, ke boŋ etsi xɔ ɣleti geɖe nɔ aƒe me hafi wova.

NU SI BIBLIA GBLƆ TSO DZIGBEZÃÐUDU ŊU

9. Nu kae dzɔ le dzigbezã siwo ŋu nya Biblia gblɔ la ɖuɣi?

9 Togbɔ be ɣesiaɣi si wodzi vi la dzidzɔ vaa aƒe hã la, Biblia megblɔ kpɔ be Mawu subɔla aɖeke ɖu eƒe dzigbezã o. (Psalmo 127:3) Ðe woɖui hafi Biblia ŋlɔlawo megblɔe oa? Ao, elabena Biblia ƒo nu tso dzigbezãɖuɖu eve ŋu—siwo nye Egipte fia Farao kple Herodes Antipa ƒe dzigbezãwo. (Xlẽ 1 Mose 40:20-22; Marko 6:21-29.) Gake nu siwo dzɔ le dzigbezã eve siawo ɖuɖu me menya se kura o—vevietɔ Herodes tɔ, elabena eya mee wotso ta le Yohanes Amenyrɔɖetsimela nu le.

10, 11. Aleke Kristotɔ gbãtɔwo bu dzigbezãɖuɖui, eye nu ka tae?

10 Numekugbalẽ aɖe (The World Book Encyclopedia) gblɔ be: “Kristotɔ gbãtɔwo bua dzigbezãɖuɖu be enye trɔ̃subɔlawo ƒe azã.” Le kpɔɖeŋu me, Helatɔ siwo nɔ anyi le blema xɔe se be gbɔgbɔ aɖe va kpɔa amegbetɔ ɖe sia ɖe dzidzi teƒe eye wòzua amea takpɔla le eƒe agbenɔŋkekewo katã me. Agbalẽ si nye Dzigbezãɖuɖu Ŋuti Nyawo (si le Eŋlisigbe me) gblɔ be: “Vivimekadodo aɖe nɔa gbɔgbɔ sia kple mawu si ƒe dzigbeŋkeke dzi wodzi amea le la dome.” Ðekawɔwɔ kplikplikpli aɖe le dzigbezãɖuɖu kpakple ɣletivimefakaka kple dzɔgbese dzixɔsewo dome tso gbe aɖe gbe ke.

11 Anɔ eme be menye esi dzigbezãɖuɖu dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ kple gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔnawo me ko tae Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema ƒo asa na eɖuɖu o, ke le esi wokpɔe be mesɔ kple dzidzenu siwo nu yewonɔa agbe ɖo o hã tae. Nu ka tae míegblɔe alea? Ŋutsu kple nyɔnu mawuvɔ̃la mawo siwo nye ɖokuibɔbɔlawo mebu woƒe dzigbe be ele vevie nenema gbegbe be wòanye azã yewoaɖu o. * (Mika 6:8; Luka 9:48) Ke boŋ wokafua Yehowa hedaa akpe nɛ ɖe nu xɔasi, si nye agbe si wòna wo la ta. *Psalmo 8:3, 4; 36:9; Nyaɖeɖefia 4:11.

12. Aleke kugbe ate ŋu anyo wu dzigbee?

12 Ne ame aɖe wɔ nuteƒe na Mawu eye wòku la, ame ma kpɔtɔ le Mawu ƒe susu me, eye kakaɖedzi li be Mawu agbɔ agbee. (Hiob 14:14, 15) Nyagblɔla 7:1 gblɔ be: “Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe.” Míaƒe “ŋkɔ nyui” ye nye tenɔnɔ nyui si le mía si le Mawu ŋkume to esubɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe dzi. Eya ta mewɔ nuku o be azã si ko Biblia gblɔ be Kristotɔwo naɖu la meku ɖe dzigbe ŋu o, ke kugbe boŋ—si nye Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodzizã, elabena Yesu ƒe “ŋkɔ nyui” la dzi ko míato akpɔ xɔxɔ.—Hebritɔwo 1:3, 4; Luka 22:17-20.

EASTER—VIDZIDZIMAWU ƑE AZÃE WÒNYE WOSI AKALO NA

13, 14. Afi kae Easter kple eƒe kɔnuwo dzɔ tso?

13 Togbɔ be wogblɔna be Easter nye Kristo ƒe tsitretsitsizã hã la, le nyateƒe me la, trɔ̃subɔsubɔ mee wòdzɔ tso. Ŋkɔ Easter dzɔ tso azã aɖe si Anglo-Saxon tɔwo ɖuna na woƒe kekeli kple adame mawunɔ si woyɔna be Eostre, alo Ostara la me. Ke aleke wòva dzɔe be wozãa koklozi kple fɔmizi le Easter ɖuɖu me le dukɔ aɖewo me? Numekugbalẽ aɖe (Encyclopædia Britannica) gblɔ be wobua koklozi be “enye agbe gɔmedzedze kple tsitretsitsi ƒe dzesi,” eye wobua fɔmizi be enye vidzidzi ƒe dzesi tso blema ke. Eya ta vidzidzikɔnu ƒe azãe Easter nye wosi akalo na be enye Kristo ƒe tsitretsitsi ƒe azã. *

14 Ðe Yehowa ada asi ɖe edzi be woazã vidzidzikɔnu nyɔŋu atsɔ aɖu Via ƒe tsitretsitsizãea? Gbeɖegbeɖe! (2 Korintotɔwo 6:17, 18) Le nyateƒe me la, Ŋɔŋlɔawo mede se be woaɖu Yesu ƒe tsitretsitsizã o, eye megblɔ nya aɖeke hã tsɔ de eɖuɖu dzi o. Eya ta be woaɖu azã sia agatsɔ ŋkɔ Easter nɛ la nye nu si gblẽ gagblẽ ɖe edzi.

AME KƆKƆEWO ƑE AZ×ÐE WÒLE KƆKƆE NYATEƑEA?

15. Afi kae Ame Kɔkɔewo Ƒe Azã dzɔ tso, eye nu kae míenya tso ŋkeke si wotia na azã sia ɖuɖu ŋu?

15 Ame Kɔkɔewo Ƒe Azã, si wogayɔna be Halloween (Toussaint) dzɔ tso blema Celt-tɔ siwo nɔ Britain kple Ireland gbɔ. Ne ɣletia sɔ tegblẽe le ɣeyiɣi si gogo November 1 la, Celt-tɔwo ɖua azã si woyɔna be Samhain, si gɔmee nye “Dzomeŋɔli Ƒe Nuwuwu.” Woxɔe se be le Samhain ƒe azãa ɖugbe la, dometsonu si ma amegbetɔwo kple gbɔgbɔmexexea dome la mana ɖe eve eye gbɔgbɔwo, nyuiawo kple vɔ̃awo siaa, va tsana le anyigba dzi. Wobuna be ame kukuwo ƒe luʋɔwo gbɔna vaa woƒe aƒewo me, eye ƒometɔwo daa nuɖuɖu kple aha ɖe gota na woƒe ŋɔlimedzroawo kple susu be yewole dzi fam na wo hele dzɔgbevɔ̃e ɖem le mɔ me na yewo ɖokui. Eya ta egbea ne ɖeviwo do awu ɖivɔvɔ̃wo be yewonye ŋɔliwo kple adzetɔwo hele tsatsam tso aƒe me yi aƒe me le ŋɔdzi dom na amewo tsɔ le nunanawo biam la, blemakɔnu si wowɔna le Samhain ɖuɣi lae nye ema wɔm wole le manyamanya me.

MÈGANA NANEKE NAƑO ÐI WÒ SRƆ̃KPEGBE O

16, 17. (a) Nu ka tae wòle be Kristotɔ siwo le ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu natsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo abu wo gbɔ kɔnuwo ŋu nyuie? (b) Nu kae wòle be wòanɔ susu me na Kristotɔwo ku ɖe mɔli alo nu bubuwo wuwu ɖe srɔ̃ɖela yeyewo dzi ŋu?

16 Eteƒe madidi o, “womagase ŋugbetɔsrɔ̃ kple ŋugbetɔ ƒe gbe le [Babilon Gã la me] azɔ o.” (Nyaɖeɖefia 18:23) Nu ka tae? Nu siwo tae dometɔ ɖekae nye eƒe gbɔgbɔyɔnuwɔnawo, si te ŋu ƒoa ɖi srɔ̃ɖeɖe tso srɔ̃ɖegbea ke.—Marko 10:6-9.

17 Le srɔ̃ɖekɔnuwo gome la, dukɔ ɖe sia ɖe kple eƒe koklokoko ye. Kɔnu siwo adze abe ɖe naneke megblẽ le wo ŋu ene o la ate ŋu adzɔ tso blema Babilontɔwo ƒe nuwɔna siwo wotsɔ dia ‘dzɔgbenyui’ na srɔ̃ɖela yeyeawo alo amekpekpeawo me. (Yesaya 65:11) Nuwɔna siawo dometɔ ɖekae nye mɔlikuiwo, pepa kakɛwo, alo nu bubuwo wuwu ɖe srɔ̃tɔawo ŋu. Anye be susu si le megbe na nuwɔna siae nye be, nuɖuɖu faa dzi na gbɔgbɔ vɔ̃wo ale be womewɔa vɔ̃ aɖeke ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ la o. Hekpe ɖe eŋu la, woxɔe se be vivimeŋusẽwo toa mɔli dzi nana wodzia vi, kpɔa dzidzɔ, eye wonɔa agbe didi. Ame sia ame si di be yeanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me atsri kɔnu ƒoɖi siawo godoo.—Xlẽ 2 Korintotɔwo 6:14-18.

18. Biblia ƒe gɔmeɖose kawoe wòle be wòafia mɔ ame siwo le ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃kpekpe ŋu kple ame siwo wokpe la siaa?

18 Nenema kee Yehowa subɔlawo tsria xexe sia ƒe nuwɔna siwo mana bubu nanɔ Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖowo ŋu o, eye woƒoa asa na nuwɔna siwo ate ŋu aɖe fu na amewo ƒe dzitsinya hã. Le kpɔɖeŋu me, womeɖea mɔ ɖe fewuɖunya, gbegblẽnya, kple hatsɛkanya siwo wogblɔna fefetɔe, evɔ wòate ŋu aɖe fu na srɔ̃tɔ yeyeawo kple ame bubuwo la ŋu o. (Lododowo 26:18, 19; Luka 6:31; 10:27) Woƒoa asa na srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖo kpeɖi siwo meɖea ɖokuibɔbɔ fiana o, ke boŋ wonyea “ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe.” (1 Yohanes 2:16) Ne èle ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃kpekpe ŋu la, na wòanɔ susu me na wò be Yehowa di be miaƒe ŋkeke tɔxɛa nanye esi dzi miaɖo ŋkui emegbe akpɔ dzidzɔ, ke menye esi ado nuxaxa na mi o. *

AHANOKPLUWO DODO ÐE DZI—ALAKPASUBƆSUBƆ MEE WÒDZƆ TSOA?

19, 20. Nu kae agbalẽ aɖe gblɔ tso kpluwo dodo ɖe dzi ahabia dzɔgbenyui na ame ŋu, eye nu ka tae Kristotɔwo mewɔa esia o?

19 Le srɔ̃kpekpewo kple kplɔ̃ɖoƒe bubuwo la, enye nu si bɔ be amewo nado ahanokpluwo ɖe dzi ahabia dzɔgbenyui na ame. Agbalẽ aɖe si wota le ƒe 1995 me gblɔ be: “Anɔ eme be kpluwo dodo ɖe dzi ahabia dzɔgbenyui na ame nye nu si dzɔ tso tsiƒoƒoɖi ƒe kɔnu si wowɔna le blema me, si me woƒoa tsi kɔkɔe aɖe ɖi na mawuwo . . . hebiaa dzɔgbenyui, wònyea gbe wodona ɖa kpuie be, ‘míebia agbe didi!’ alo ‘míebia lãmesẽ!’”—International Handbook on Alcohol and Culture.

20 Ele eme baa be ame geɖe mabu ahanokpluwo dodo ɖe dzi alo wo kpekpe be aʋatsodzixɔse aɖe le megbe nɛ o ya. Gake nuwɔna sia nye kpekpeɖeŋubiabia tso “dziƒo”—tso vivimeŋusẽ aɖe gbɔ—be wòayra ɖe ame dzi, eye esia nye nu si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o.—Yohanes 14:6; 16:23. *

“MI AME SIWO LƆ̃A YEHOWA, MITSRI VƆ̃”

21. Azã bubu kawo hãe Kristotɔwo ƒoa asa na togbɔ be amewo agblɔ be womedo ƒome kple alakpasubɔsubɔ dzixɔsewo o gɔ̃ hã, eye nu ka tae?

21 Le dukɔ aɖewo me la, wowɔ ɖoɖo ɖe ƒe sia ƒe ƒe gbɔlɔlɔ aɖewo, abe “Mardi Gras” ene ŋu, si Babilon Gã la da megbe na tẽe alo le adzame. Enyea azã si me gbɔlɔlawo ɖua gbegblẽɣewo le, eye wowɔa nu siwo doa ŋutsu siwo dɔa ŋutsuwo gbɔ kple nyɔnu siwo dɔa nyɔnuwo gbɔ ƒe agbenɔnɔ ɖe ŋgɔ, si ɖe ale si gbegbe agbe ƒaƒã nɔnɔ va bɔ ɖe egbexexea mee la fia. Ðe wòasɔ be ame siwo lɔ̃a Yehowa naƒo wo ɖokuiwo ɖe wɔna siawo me alo anɔ wo kpɔma? Ðe esia wɔwɔ aɖee afia be wolé fu vɔ̃ nyateƒea? (Psalmo 1:1, 2; 97:10) Aleke gbegbe wòanyo wue nye esi be míasrɔ̃ hakpala la ƒe nɔnɔme, ame si do gbe ɖa be: “Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu”!—Psalmo 119:37.

22. Ɣekaɣie wòahiã be Kristotɔ ŋutɔ natso nya me ne akpɔ gome le azã aɖe ɖuɖu me loo alo makpɔ gome le eme o?

22 Le xexea ƒe azãɖuɣiwo la, ele be Kristotɔ nakpɔ nyuie be yemawɔ naneke si ana amewo nasusu be yele gome kpɔm le azãa ɖuɖu me o. Paulo gblɔ be: “Ne miele nu ɖum alo le nu nom alo le nu bubu aɖe wɔm la, miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.” (1 Korintotɔwo 10:31; kpɔ aɖaka si nye “ Nyametsotso Nyuiwo Wɔwɔ”.) Gake ne edze ƒãa be kɔnu alo azã aɖe medzɔ tso alakpadzixɔse me o, menye dunyahehe alo dulɔlɔ̃ ƒe azã o, eye Biblia ƒe gɔmeɖose aɖeke metsi tre ɖe eŋu o la, ke ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ natso nya me ne akpɔ gome le eme loo alo makpɔ gome le eme o. Hekpe ɖe eŋu la, ele be wòabu ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu be wòagaɖia ame aɖeke nu o.

NA WÒ NUWƆNA KPLE NUƑOƑO NAKAFU MAWU

23, 24. Aleke míaɖi ɖase na amewo be woase Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔewo gɔme?

23 Ame geɖe bua azãɖuɣiwo be wonye ɣeyiɣi si me mɔnukpɔkpɔ sua ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo si be woaƒo ƒu ɖekae. Eya ta ne ewɔ na ame aɖe be nyametsotso si míenɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi wɔ la menye lɔlɔ̃ɖeɖefia o alo nye nugbɔmewɔwɔ la, míate ŋu aɖe eme nɛ dɔmenyotɔe be Yehowa Ðasefowo dea asixɔxɔ ƒomewo kple xɔlɔ̃wo ƒe hadede tuameɖowo ŋu. (Lododowo 11:25; Nyagblɔla 3:12, 13; 2 Korintotɔwo 9:7) Míedea ha kple míaƒe ame veviwo ɣesiaɣi le ƒea me, gake esi míelɔ̃ Mawu kple eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo ta la, míedina be míatsɔ kɔnu siwo ado dziku nɛ la aƒo ɖi dzidzɔɣi mawo o.—Kpɔ aɖaka si nye “ Tadedeagu Vavãtɔ Nana Wokpɔa Dzidzɔ Vavãtɔ.”

24 Ðasefo aɖewo kpɔ dzidzedze le Nu Ka Tututue Nye Biblia Ƒe Nufiafia? gbalẽa ƒe ta 16 lia me dzodzro kple ame siwo di be yewoanya nu tso azãɖuɖuwo ŋu me. * Gake ɖo ŋku edzi be míaƒe taɖodzinue nye be míakpe ɖe amewo ŋu woase Ŋɔŋlɔawo gɔme, ke menye be míahe glãka kpli wo o. Eya ta ele be nàde bubu amewo ŋu, nàfa tu, nàna wò “nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme.”—Kolosetɔwo 4:6.

25, 26. Aleke dzilawo akpe ɖe wo viwo ŋu woƒe xɔse nali ke eye woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nade to?

25 Yehowa fiaa nu geɖe mí esubɔlawo. Míenya nu si tae míelé dzixɔse kple nuwɔna aɖewo me ɖe asi hegbe nu le ɖewo gbɔ ɖo. (Hebritɔwo 5:14) Eya ta dzilawo, mifia mia viwo woanya ale si woatsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo awɔ dɔe. Ne miewɔ esia la, akpe ɖe wo ŋu woƒe xɔse nali ke, woanya ale si woatsɔ Ŋɔŋlɔawo aɖo nya ŋu na ame siwo bia nya tso woƒe dzixɔsewo ŋu, eye woakpɔe be Yehowa lɔ̃ yewo vavã.—Yesaya 48:17, 18; 1 Petro 3:15.

26 Ame siwo katã subɔa Mawu “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me” la tsria azãɖuɖu siwo katã dzi Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖo o, eye wodzea agbagba hã be yewoanye anukwareɖilawo le yewoƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. (Yohanes 4:23) Egbea, ame geɖe ƒe susue nye be ne woaɖi anukware le nu sia nu me la, agbea manya nɔ o. Gake abe ale si míakpɔe le ta si kplɔe ɖo me ene la, Mawu ƒe mɔfiamewoe nyea nyuitɔ ɣesiaɣi.

^ mm. 3 Kpɔ aɖaka si nye “ Ðe Makpɔ Gome Le Azã Sia Ðuɖu Mea?”. Ŋkekenyui kple azãɖuɖu geɖewo dze le Watch Tower Publications Index, si Yehowa Ðasefowo ta la me.

^ mm. 5 Le Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu kple ŋutinyamenudzɔdzɔwo nu la, anɔ eme be wodzi Yesu le ƒe 2 do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli me, le Yudatɔwo ƒe ɣleti si woyɔna be Etanim me, si sɔ kple September/October le míaƒe egbegbe ɣletigbalẽ dzi.—Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 2, axa 56-57, (Étude perspicace des Écritures Babla 2, axa 20-21) si Yehowa Ðasefowo ta.

^ mm. 11 Le Se ƒe nubablaa me la, wobia tso nyɔnu si dzi vi la si be wòasa nuvɔ̃vɔ na Mawu. (3 Mose 12:1-8) Sea ƒe nudidi sia ɖoa ŋku edzi na Israel-viwo be amegbetɔwo katã nyi nu vɔ̃ dome tso wo dzilawo gbɔ, eye wòkpe ɖe wo ŋu be vidzidzi ŋuti nukpɔsusu si da sɔ nɔ wo si, eye anɔ eme be esiae na woƒo asa na dzigbezãɖuɖu, si nye nu si dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me.—Psalmo 51:5.

^ mm. 13 Azɔ hã, Eostre (alo Eastre) nye vidzidzi mawunɔ. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be, “fɔmizi aɖe le esi le dzinu me si lɔ̃a aziwo, eye ɣeaɖewoɣi wotana mawunɔa ƒe ta wònyea fɔmizi ƒe ta.”—The Dictionary of Mythology.

^ mm. 18 Àkpɔ nyati etɔ̃ siwo ku ɖe srɔ̃kpekpe kple kplɔ̃ɖoɖowo ŋu le Gbetakpɔxɔ, October 15, 2006 ƒe axa 18-31.

^ mm. 24 Yehowa Ðasefowoe tae.