Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 14

Ði Anukware Le Nuwo Katã Me

Ði Anukware Le Nuwo Katã Me

“Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.”—HEBRITƆWO 13:18.

1, 2. Nu ka tae wòdzɔa dzi na Yehowa ne míedze agbagba be míawɔ nu le anukwareɖiɖi me? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

VIDADA aɖe kplɔ via woyi ɖaƒle nu le fiase aɖe me. Esi wotrɔ yina aƒe me la, kasia ɖevia tɔ eye wòtsi yaa. Fefenu aɖe si wòtsɔ le fiasea me nɔ kpɔkpɔm la tsi esi wòtsɔ dzoe. Meɖo ŋku edzi dae ɖi alo gblɔ na dadaa be wòaƒlee na ye o. Etsi dzi vevie eye wòbia dadaa be nu kae yeawɔ hã. Dadaa fa dzi nɛ, eye wògbugbɔ kplɔe yi fiasea me be wòatrɔ fefenua ada ɖi ahaɖe kuku na fiasetɔa. Ðevia wɔe nenema, eye esia do dzidzɔ na dadaa ŋutɔ. Nu ka tae?

2 Ne dzilawo kpɔe be yewo viwo kpɔ asixɔxɔ si le anukwareɖiɖi ŋu dze sii la, edoa dzidzɔ na wo wu gbɔgblɔ. Nenema tututue wòle le mía Fofo si le dziƒo, “nyateƒe Mawu” la hã gome. (Psalmo 31:5) Ne ekpɔe be míele tsitsim le gbɔgbɔ me hele agbagba dzem be míawɔ nu le anukwareɖiɖi me la, edzɔa dzi nɛ ŋutɔ. Esi míedi be míaƒe nu nadze eŋu eye míanɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa ta la, míesena le mía ɖokui me abe apostolo Paulo ene be: “Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.” (Hebritɔwo 13:18) Eya ta mina míakpɔ go ene aɖewo siwo me wòate ŋu asesẽ na mí be míawɔ nu le anukwareɖiɖi me la ɖa. Emegbe míadzro yayra siwo dona tso anukwareɖiɖi me hã me.

ANUKWAREÐIÐI NA MÍA ÐOKUI

3-5. (a) Aleke Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí tso ameɖokuibeble ŋu? (b) Nu kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖi anukware na mía ɖokui?

3 Go gbãtɔae nye ale si wòsesẽna na mí be míaɖi anukware na mía ɖokui. Esi míede blibo o ta la, enɔa bɔbɔe ŋutɔ be míable mía ɖokui. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Laodikea be wosusui be yewonye kesinɔtɔwo le gbɔgbɔ me, evɔ le nyateƒe me la, “ame dahe, ŋkuagbãtɔ kple amamanɔla” ye wonye le Mawu ŋkume hafi. (Nyaɖeɖefia 3:17) Ðeko wo ɖokuiwo beble alea gagblẽ nyaa ɖe edzi boŋ.

4 Ðewohĩ àɖo ŋkui hã be nusrɔ̃la Yakobo xlɔ̃ nu mí be: “Ne ame aɖe bua eɖokui mawusubɔlae, evɔ meléa eƒe aɖe o la, eya ŋutɔ ƒe dzi blem wòle, eye eƒe subɔsubɔ nye dzodzro.” (Yakobo 1:26) Ne míesusui be míate ŋu anɔ míaƒe aɖe zãm le mɔ gbegblẽ nu eye míaƒe subɔsubɔ nadze Yehowa ŋu la, ke mía ɖokui ko blem míele. Míaƒe subɔsubɔ azu dzodzro le Yehowa ŋkume. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be esia nagadzɔ ɖe mía dzi o?

5 Le kpukpui siwo do ŋgɔ me la, Yakobo tsɔ Mawu ƒe Nya la me nyateƒea sɔ kple ahuhɔ̃e. Exlɔ̃ nu mí be míalé ŋku ɖe Mawu ƒe se deblibo la ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖɔɖɔɖo siwo hiã. (Xlẽ Yakobo 1:23-25.) Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míele ŋutɔŋutɔ ahanya asitɔtrɔ siwo wòle be míawɔ. (Konyifahawo 3:40; Hagai 1:5) Míate ŋu ado gbe ɖa hã abia Yehowa be wòadzro mía me, wòakpe ɖe mía ŋu míade dzesi míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ahaɖɔ wo ɖo. (Psalmo 139:23, 24) Anukwaremaɖimaɖi nye gbɔdzɔgbɔdzɔ gã aɖe si menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o; eya ta ele be mía Fofo si le dziƒo ƒe nukpɔsusu le nya sia ŋu nanɔ mía si. Lododowo 3:32 gblɔ be: “Yehowa nyɔa ŋu ameflula, ke tsi metoa Eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.” Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míabu nuwo ŋu abe ale si wòbunɛ ene ahakpɔ mía ɖokui abe ale si wòkpɔa míi ene. Ðo ŋkui be Paulo gblɔ be: “Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.” Míenya be míede blibo o, gake míetsɔa didi vevie dzea agbagba ɖe sia ɖe be míanye anukwareɖilawo.

ANUKWAREÐIÐI LE ƑOMEA ME

Anukwareɖiɖi ana míaƒo asa na nu siwo mesɔ o wɔwɔ le bebeme

6. Nu ka tae wòle be srɔ̃tɔwo naɖi anukware na wo nɔewo, eye afɔku kawoe ema wɔwɔ ana woaƒo asa na?

6 Ele vevie ŋutɔ be anukwareɖiɖi naɖe dzesi le Kristotɔwo ƒe ƒomewo me. Eya ta ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nagblɔ woƒe dzimenyawo na wo nɔewo faa anukwareɖiɖitɔe. Masɔ kura be Kristotɔ srɔ̃tɔ naƒo eɖokui ɖe nuwɔna vɔ̃ɖi makɔmakɔ aɖeke, abe ahiãmoɖoɖo na ame si menye srɔ̃a o, ahiãdzedze to Internet dzi, alo amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ene, me o. Kristotɔ srɔ̃tɔ aɖewo ɖe afɔ gbegblẽ sia tɔgbi hedze agbagba ɣlae ɖe wo srɔ̃wo. Ema nye anukwaremaɖimaɖi. Bu nuteƒewɔla Fia David ƒe nya siawo ŋu kpɔ: “Nyemenɔa ameblelawo ƒe ha me o, eye nyemedea ha kple ame siwo ɣlaa ame si ƒomevi wonye la o.” (Psalmo 26:4) Ne srɔ̃tɔe nènye la, mègaƒo ɖokuiwò ɖe nuwɔna aɖeke si ana nàɣla ame si nènye ɖe srɔ̃wò la me o.

7, 8. Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu woakpɔ asixɔxɔ si le anukwareɖiɖi ŋu la adze sii?

7 Ne dzilawo le vevienyenye si le anukwareɖiɖi ŋu fiam wo viwo la, anyo be woazã kpɔɖeŋu siwo le Biblia me. Ame siwo meɖi anukware o, eye wokpɔ emetsonua dometɔ aɖewoe nye Akan, ame si fi fi hedze agbagba be yeaɣla yeƒe nu vɔ̃a; Gehazi, ame si da alakpa be nunɔamesiwo nasu ye si; kple Yuda, ame si fi fi eye wòfia Yesu yome mɔ vɔ tso, heganɔ nu wɔm alakpatɔe be yenye exɔlɔ̃.—Yosua 6:17-19; 7:11-25; 2 Fiawo 5:14-16, 20-27; Mateo 26:14, 15; Yohanes 12:6.

8 Ame siwo ɖo kpɔɖeŋu nyui le anukwareɖiɖi me la dometɔ aɖewoe nye Yakob, ame si bia tso viawo si be woatrɔ ga si wokpɔ le woƒe kotokuwo me la ayi, le esi wòkpɔe be anye ɖe wode ga sia kotokuawo me na wo vodadatɔe ta; Yefta kple vianyɔnu si na fofoa wɔ ɖe adzɔgbe si wòɖe la dzi togbɔ be esia bia nu gã aɖe tsɔtsɔ sa vɔe hã; kple Yesu, ame si tsɔ dzinɔameƒo ɖe eɖokui fia ameha si nɔ eƒe ku dim la bene nya siwo wogblɔ ɖi tso eŋu la nava eme eye wòakpɔ exɔlɔ̃wo ta. (1 Mose 43:12; Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30-40; Yohanes 18:3-11) Kpɔɖeŋu ʋɛ siawo ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu woakpɔ Mawu ƒe Nya la me nufiame vevi siwo woatsɔ afia nu wo viwo ale be woalɔ̃ anukwareɖiɖi ahade asixɔxɔ eŋu.

9. Nu kae wòle be dzilawo naƒo asa na ne wodi be yewoaɖo kpɔɖeŋu nyui na yewo viwo le anukwareɖiɖi me, eye nu ka tae wòle vevie be woawɔe alea?

9 Esi wònye dzilawoe afia nu siawo wo viwo ta la, esia da agba gã aɖe ɖe wo dzi. Apostolo Paulo bia be: “Wò, ame si le nu fiam ame bubu la, ɖe mèfiaa nu ɖokuiwò oa? Wò, ame si le gbeƒã ɖem be, ‘Mègafi fi o’ la, wòe fia fia?” (Romatɔwo 2:21) Dzila aɖewo nana wo viwo tɔtɔna, elabena wofiaa nu wo tso anukwareɖiɖi ŋu evɔ woawo ŋutɔwo meɖia anukware o. Wotsɔa nya aɖewo doa taflatsɛ ɖe fififi suesuewo alo aʋatsokaka ŋu, gblɔna be: “Wonya be amewo atsɔ nu siawo ƒe ɖewo adzoe tsã,” alo be “Esia ya menye aʋatsokaka ye o, ayedzedze ye.” Gake le nyateƒe me la, fififi ya ko fififi ye, ne eganye numaɖinu aɖe koe wofi hã; eye alakpadada ya ko alakpadada ye, ne eganye alakpa vi aɖe koe hã. * (Xlẽ Luka 16:10.) Ðeviwo te ŋu dea dzesi alakpanuwɔwɔ bɔbɔe eye esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wo dzi le woƒe agbe me. (Efesotɔwo 6:4) Le go bubu me la, ne dzilawo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le anukwareɖiɖi me la, wo viwo srɔ̃nɛ eye wotsina va zua anukwareɖilawo, eye esia hea ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa le anukwaremaɖimaɖi ƒe xexe sia me.—Lododowo 22:6.

ANUKWAREÐIÐI LE HAMEA ME

10. Be míanye anukwareɖilawo le dzeɖoɖo kple haxɔsetɔwo me la, nu kawo me wòle be míakpɔ nyuie le?

10 Hadede kple hati Kristotɔwo naa mɔnukpɔkpɔ geɖe mí be míasrɔ̃ anukwareɖiɖi. Abe ale si míesrɔ̃e le Ta 12 lia me ene la, ele be míakpɔ nyuie le ale si míezãa nuƒoƒo ƒe nunana lae ŋu, vevietɔ ne míele mía nɔvi Kristotɔwo dome. Ele bɔbɔe be dzeɖoɖo dzro natrɔ azu amenyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi, alo ameŋugbegblẽ gɔ̃ hã. Azɔ hã, ne míegblɔa nya aɖe si míese la na ame bubuwo, evɔ míenya ne nyateƒee loo alo aʋatsoe o la, míate ŋu ava nɔ aʋatsonyawo kakam le manyamanya me. Eya ta nunya anɔ eme be míakpɔ míaƒe nuyiwo dzi. (Lododowo 10:19) Ne míeka ɖe edzi be nya aɖe nye nyateƒe gɔ̃ hã la, ema mefia be míagblɔe na ame bubuwo kokoko o. Ate ŋu anɔ eme be nya ma meka mí o, alo be egbɔgblɔ maɖe ameŋububu afia o. (1 Tesalonikatɔwo 4:11) Ame aɖewo ƒoa nu eŋumabumabui hesusuna be ne nya si gblɔm yewole nya nye nyateƒe ko la, naneke megblẽ le eŋu o; gake ele be míaƒe nuƒoƒo nadze to eye wòaɖe ameŋububu afia ɣesiaɣi.—Xlẽ Kolosetɔwo 4:6.

11, 12. (a) Mɔ kawo nue ame aɖewo siwo dze nu vɔ̃ gã me la gagblẽa nyaa ɖe edzi le? (b) Ameflunya kawoe Satana dona ɖe ŋgɔ le nu vɔ̃ gãwo ŋu, eye nu kae wòle be míawɔ be esia nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o? (d) Aleke míate ŋu aɖi anukware na Yehowa ƒe habɔbɔae?

11 Ele vevie ŋutɔ be míaɖi anukware na ame siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me. Ame aɖewo siwo dze nu vɔ̃ gã me la gagblẽa nyaa ɖe edzi ne wodze agbagba be yewoatsyɔ nu edzi alo able hamemetsitsiwo. Esia wɔnɛ be wova nɔa agbe eve nɔm; wonɔa ameŋkumenu wɔm be yewole Yehowa subɔm gake yia edzi nɔa nuvɔ̃gbe nɔm. Le nyateƒe me la, ame siawo ƒomevi va zua alakpanuwɔlawo le woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. (Psalmo 12:2) Ame aɖewo gblɔa nyateƒe afã na hamemetsitsiawo hetsyɔa nu nyateƒenya vevi bubu aɖewo dzi. (Dɔwɔwɔwo 5:1-11) Ne ame aɖe wɔa anukwaremaɖimaɖinu siawo tɔgbi la, efia be ele Satana dzi dem le alakpadada dodo ɖe ŋgɔ me.—Kpɔ aɖaka si nye “ Satana Ƒe Ameflunya Siwo Ku Ðe Nu Vɔ̃ Gãwo Ŋu.”

12 Ele vevie hã be míaɖi anukware na Yehowa ƒe habɔbɔa ne míele agbalẽviwo kpem ɖo. Le kpɔɖeŋu me, ne míele gbeadzikɔntabubu ƒe agbalẽvi kpem ɖo la, ele be míakpɔ egbɔ be míeŋlɔ dɔ siwo míewɔ la pɛpɛpɛ. Nenema kee ne míele subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖewo xɔxɔ ƒe agbalẽviwo kpem ɖo la, mele be míade ba mo na ale si tututu míaƒe lãmesẽ alo mía ɖokui ŋuti nyatakaka vevi bubuwo le o.—Xlẽ Lododowo 6:16-19.

13. Aleke míawɔ nu le anukwareɖiɖi me ne dɔwɔɖoɖo le mía kple haxɔsetɔ aɖe dome?

13 Ele be míaɖi anukware na míaƒe haxɔsetɔwo le dɔwɔɖui kple ganyawo hã me. Ɣeaɖewoɣi la, nɔvi Kristotɔwo wɔa ŋutilãmedɔ ɖekae. Mele be woanɔ dɔwɔnyawo lém kpɔ ne wova Yehowa subɔ ge le Fiaɖuƒe Akpata me alo ne wole gbeadzi o. Ate ŋu anɔ eme be nɔvi aɖe xɔ nɔvi bubu be wòawɔ dɔ na ye. Ne míexɔ nɔviwo ɖe dɔ me alo bia be woawɔ dɔ aɖe na mí la, ele be míakpɔ egbɔ be míewɔ nu ɖe wo ŋu anukwaretɔe, axe fetu dedie na wo ɖe ɣeyiɣi dzi, eye míana viɖe bubu siwo wodze na le se nu hã nasu wo si. (1 Timoteo 5:18; Yakobo 5:1-4) Nenema kee ne nɔvi aɖe xɔ mí ɖe dɔ me alo bia be míawɔ dɔ aɖe na ye la, ele be míawɔ dɔ blibo si ŋuti fetu míaxɔ, eye míagazã dɔwɔɣiwo ɖe nu bubuwo ŋu o. (2 Tesalonikatɔwo 3:10) Mele be míakpɔ mɔ be dɔtɔa nawɔ nu ɖe mía ŋu etɔxɛ le esi míenye gbɔgbɔmenɔviwo ta o; menye dzizizie wònye nɛ be wòana ɣeyiɣi geɖe mí, alo aɖe mɔ ɖe nanewo siwo ŋu meɖe mɔ ɖo na dɔwɔla bubuwo o la ŋu na mí o.—Efesotɔwo 6:5-8.

14. Ne dɔwɔɖoɖo si ku ɖe ganyawo ŋu le nɔvi kple nɔvi dome la, nu kae wòasɔ be woawɔ, eye nu ka tae?

14 Ke ne mía kple nɔvi aɖe dome dɔwɔɖoɖo ku ɖe gadededɔme, gadodo, alo ganya bubuwo ŋu ya ɖe? Gɔmeɖose nyui aɖe le Biblia me na mí, eyae nye be: Ele be míawɔ agbalẽ ɖe nu sia nu dzi. Le kpɔɖeŋu me, esi Yeremiya ƒle anyigba aɖe la, ena wowɔ agbalẽ ɖe edzi wònye kɔpi eve, siwo ŋu ɖasefowo le, eye wodzra wo ɖo nyuie le etsɔ ta. (Yeremiya 32:9-12; kpɔ 1 Mose 23:16-20 hã.) Ne dɔwɔɖoɖo aɖe si ku ɖe ganyawo ŋu le mía kple haxɔsetɔ aɖe dome la, nu sia nu dede agbalẽ me nyuie, asidede ete, kple nana be ɖasefowo nanɔ eŋu mefia be míeka ɖe mía nɔewo dzi o. Ke boŋ esia akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na masɔmasɔwo, dziɖeleameƒowo, kple nugɔmemasemase siwo ate ŋu ade dzre mía dome gɔ̃ hã. Ele be wòanɔ susu me na Kristotɔ siwo katã wɔa ŋutilãmedɔ ɖekae be masɔ kura be woana dɔwɔnyawo nagblẽ hamea ƒe ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa dome o. *1 Korintotɔwo 6:1-8.

ANUKWAREÐIÐI LE NUWƆWƆ KPLE AMEWO KATÃ ME

15. Aleke Yehowa bua anukwaremaɖimaɖi le asitsanyawo mee, eye aleke wòle be Kristotɔwo nawɔ nu le go sia me?

15 Menye hamea me koe wòle be Kristotɔwo nanye anukwareɖilawo le o. Paulo gblɔ be: “Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.” (Hebritɔwo 13:18) Mía Wɔla la di tso mía si be míaɖi anukware le nuwɔwɔ kple ame siwo menye esubɔlawo o gɔ̃ hã me. Woxlɔ̃ nu tso nudanu amebatɔ zazã ŋu enuenu le Lododowo ƒe agbalẽa ɖeɖe dzaa ko me. (Lododowo 11:1; 20:10, 23) Le blemaɣeyiɣiwo me la, enye nu si bɔ be wozãa nudanu kple nudakpe le asitsanyawo me tsɔ daa nudzadzrawo kple ga si wotsɔ ƒlea woe siaa. Asitsala maɖianukwarewo zãa nudakpe eve ƒomevi kple nudanu amebatɔ tsɔ tafaa woƒe asisiwoe. * Yehowa lé fu nuwɔna sia. Be míayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me la, ele be míatsri anukwaremaɖimaɖinuwɔna ɖe sia ɖe ƒomevi le asitsanyawo me.

16, 17. Anukwaremaɖimaɖinuwɔna kawoe bɔ ɖe egbexexea me, eye nu kae Kristotɔ vavãwo ɖo kplikpaa be yewoawɔ?

16 Esi Satanae nye xexe sia dziɖula ta la, mewɔa nuku na mí be anukwaremaɖimaɖi xɔ aƒe ɖe xexea me o. Míate ŋu ado go anukwaremaɖimaɖi ƒe tetekpɔwo gbe sia gbe. Ne amewo le agbalẽ ŋlɔm tsɔ le dɔ dim la, ebɔ be wokpaa nya aɖewo kpea nyawo alo gblɔa nya aɖewo tso woƒe ŋutetewo ŋu, siwo menyea nyateƒe o. Ne amewo le mɔzɔgbalẽwo, adzɔxegbalẽwo, nugblẽfexegbalẽwo, kple esiawo tɔgbi kpem ɖo la, wogblɔa nya siwo mele eteƒe o be yewoƒe asi nasu nu si dim yewole dzi. Sukuvi geɖewo fia sukudodokpɔwo, alo kɔpia ame bubuwo ƒe dɔwo le Internet dzi hegblɔna be yewo ŋutɔwoe wɔe. Nenema kee ame geɖewo naa zãnu dɔdzikpɔla zãnuxɔlawo bene yewoate ŋu akpɔ nu si dim yewole. Nu siawo sɔŋ koe míate ŋu akpɔ mɔ na le xexe sia si yɔ fũu kple “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, . . . [kple] ame siwo melɔ̃a nu nyui o” la me.—2 Timoteo 3:1-5.

17 Kristotɔ vavãwo ya ɖoe kplikpaa be yewomakpɔ gome le anukwaremaɖimaɖinuwɔna siawo dometɔ aɖeke me o. Nu si nana anukwareɖiɖi sesẽna ɣeaɖewoɣie nye be edzena abe ɖe ame siwo meɖia anukware o la le dzidzedze kpɔm le xexea me wu ene. (Psalmo 73:1-8) Le ɣeyiɣi ma ke me la, gakuxiwo te ŋu ɖea fu na Kristotɔ siwo dina be yewoaɖi anukware “le nuwo katã me.” Ke ɖe nunya le eme be míaɖi anukware ne esia abia be viɖe aɖewo nato mía ŋu gɔ̃ hã? Ɛ̃! Gake nu ka tae míalɔ̃ awɔ esia? Yayra kawoe dona tso anukwareɖiɖi me?

YAYRA SIWO DONA TSO ANUKWAREÐIÐI ME

18. Nu ka tae asixɔxɔ le eŋu ne amewo nya mí be míenye anukwareɖilawo?

18 Nu xɔasi aɖe ŋutɔe wònye ne wonya be nènye anukwareɖila kple ame si dzi wokana ɖo. (Kpɔ aɖaka si nye “ Anukwareɖilae Menyea?”) Bu eŋu kpɔ: ame sia ame ate ŋu ana ŋkɔ nyui sia nanɔ eŋu! Menye ame ƒe ŋutetewo, eƒe nunɔamesiwo, eƒe dzedzeme, eƒe hadomeɖoƒe, alo nu siawo tɔgbi aɖeke dzie wòanɔ te ɖo o. Ke hã, ame geɖe mete ŋu na ŋkɔ nyui sia si ŋu asixɔxɔ le ŋutɔ la su wo si o. Anukwareɖiɖi zu dze bu ɖe ama me le egbexexea me. (Mika 7:2) Ame aɖewo aɖu fewu le ŋuwò le wò anukwareɖiɖi ta, gake ame bubuwo akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò, woaka ɖe dziwò ahade bubu ŋuwò. Yehowa Ðasefo geɖewo kpɔe be yewoƒe anukwareɖiɖi wɔe be nu va de yewo dzi gɔ̃ hã. Ena dɔ mege le wo si esime wonɔ dɔwɔla maɖianukwarewo nyam le dɔ me o, alo ena wokpɔ dɔ esi dɔtɔwo nɔ ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo la dim be woawɔ dɔ na yewo.

19. Ne míenye anukwareɖilawo la, ŋusẽ kae wòate ŋu akpɔ ɖe míaƒe dzitsinya kple mía kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi?

19 Ne wò ŋutɔ mèkpɔ anukwareɖiɖi ƒe viɖe siwo ŋu míeƒo nu tsoe fifi laa kpɔ o hã la, àte ŋu aka ɖe edzi be ehea yayra siwo de ŋgɔ wu gɔ̃ hã vanɛ. Dzitsinya nyui asu asiwò, si nye yayra gã aɖe. Paulo gblɔ be: “Míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si.” (Hebritɔwo 13:18) Gawu la, mía Fofo si le dziƒo la nya wò anukwareɖiɖi, eye alɔ̃ wò vevie ɖe esia ta. (Xlẽ Psalmo 15:1, 2; Lododowo 22:1.) Ɛ̃, anukwareɖiɖi ana nànɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa, si nye yayra si ɖeke mesɔ kplii o. Le ta si kplɔe ɖo me la, míadzro nya bubu aɖe si do ƒome kple esia me, si nye: Yehowa ƒe nukpɔsusu le dɔwɔɖuinyawo ŋu.

^ mm. 9 Le hamea me la, ne ezu numame na ame aɖe be eɖonɛ koŋ daa alakpa kple susu be yeatsɔ agblẽ ame ŋu la, hamemetsitsiwo ate ŋu aɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖe esia ta.

^ mm. 14 Kpɔ Megbenya si nye “Ne Masɔmasɔwo Do Mo Ða Le Dɔwɔnyawo Me,” hena numekɔkɔ siwo ku ɖe nu si nɔviwo ate ŋu awɔ ne masɔmasɔ do mo ɖa le dɔwɔnyawo me la ŋu.

^ mm. 15 Asitsala siawo zãa nudakpe siwo kpena wu tsɔ ƒlea nui, gake wozãa esiwo le wodzoe wu tsɔ dzraa nuawoe. Wote ŋu zãa nudanu si ƒe alɔ ɖeka didina wu evelia alo esi ƒe alɔ ɖeka kpena wu evelia hã tsɔ tafaa amewoe.