Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 16

Tsi Tsitre Ðe Abosam Kple Eƒe Aɖaŋu Vɔ̃wo Ŋu

Tsi Tsitre Ðe Abosam Kple Eƒe Aɖaŋu Vɔ̃wo Ŋu

“Mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ.”—YAKOBO 4:7.

1, 2. Ame vovovo kawoe kpɔa dzidzɔ ne ame yeyewo xɔ nyɔnyrɔ?

NE ƑE geɖee nye esia nèle Yehowa subɔm la, ke ànya se nyɔnyrɔxɔxɔnuƒo geɖe le takpekpewo me. Gake togbɔ be èse nyɔnyrɔxɔxɔnuƒo zi geɖe va yi hã la, ɖewohĩ ɣesiaɣi si nèkpɔe ame siwo nɔ anyi ɖe ŋgɔgbezikpuiwo dzi hena nyɔnyrɔxɔxɔ tso ɖe tsitrenu la, egawɔa dɔ ɖe dziwò kokoko. Le ɣeyiɣi mawo me la, dzidzɔ yɔa vavalawo me fũu, eye woƒoa asikpe kplokplokplo. Aɖatsi ate ŋu alólo ɖe ŋku dzi na wò gɔ̃ hã, esi nèkpɔe be ame yeye siawo wɔ nyametsotso nyuitɔ be yewoava nɔ Yehowa ƒe akpa dzi ta. Esia teƒe kpɔkpɔ doa dzidzɔ na mí glo!

2 Le míawo gome la, nyɔnyrɔxɔxɔ ʋɛ aɖewo teƒe koe míekpɔna le ƒea me le míaƒe nutoa me, gake mɔnukpɔkpɔ sua mawudɔlawo ya si wokpɔa geɖe teƒe wu. Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe wokpɔa “dzidzɔ geɖe le dziƒo” ne wokpɔe be ame akpe geɖe va wɔa ɖeka kple Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si wokpɔna la kwasiɖa sia kwasiɖa le xexea me godoo la le susu mea? (Luka 15:7, 10) Ðikeke mele eme o be mawudɔlawo kpɔa dzidzɔ ɖe dzidziɖedzi sia teƒekpɔkpɔ ŋu ale gbegbe!—Hagai 2:7.

ABOSAM “LE TSATSAM ABE DZATA, SI LE GBE ÐEM ENE”

3. Nu kae na Satana le tsatsam “abe dzata si le gbe ɖem” ene, eye nu kae wòdi be yeawɔ?

3 Gake gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖewo ya li, siwo nyɔnyrɔxɔxɔ mawo teƒe kpɔkpɔ ɖua dzi na vevie. Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo doa dziku heliheli ne wokpɔ ame akpe geɖe wotrɔ megbe de xexe gblẽku sia. Nu si tae nye be, Satana gblɔ dadatɔe be menye lɔlɔ̃ akuakuae ʋãa amegbetɔwo wosubɔa Yehowa o, eye be ame aɖeke mate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe nɛ le dodokpɔ sesẽwo me o. (Xlẽ Hiob 2:4, 5.) Ɣesiaɣi si ame aɖe tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa la, enyea kpeɖodzi be Satana nye aʋatsokala. Esia fia be ame akpe geɖewo doa ŋukpe Satana kwasiɖa sia kwasiɖa. Eya ta mewɔ nuku o be ele “tsatsam abe dzata si le gbe ɖem eye wòle ame dim be yeavuvu ami ene.” (1 Petro 5:8) “Dzata” sia di vevie be yeavuvu mí le gbɔgbɔ me, be yeagblẽ nu le mía kple Mawu dome ƒomedodoa ŋu alo agblẽ edome kura.—Psalmo 7:1, 2; 2 Timoteo 3:12.

Ɣesiaɣi si ame aɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ la, enyea kpeɖodzi be Satana nye aʋatsokala

4, 5. (a) Mɔ vevi eve kawo nue Yehowa ɖo seɖoƒe na Satana ƒe ŋusẽ le? (b) Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ Kristotɔ vavãwo si?

4 Togbɔ be míaƒe futɔa vɔ̃ɖi ŋutɔ hã la, susu aɖeke meli si ta míanɔ vɔvɔ̃m ɖo o. Nu ka tae? Elabena Yehowa ɖo seɖoƒe na ‘dzata sia si le gbe ɖem’ la ƒe ŋusẽ le mɔ vevi eve aɖewo nu. Woawoe nye kawo? Gbã la, Yehowa gblɔe ɖi be Kristotɔ vavãwo ƒe “ameha gã aɖe” atsi agbe le “xaxa gã” si gbɔna la me. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Mawu ƒe nyagblɔɖiwo medoa kpo emevava gbeɖe o. Eya ta Satana ŋutɔ hã nya be yemate ŋu akpe Mawu ƒe amewo ƒe habɔbɔ bliboa dzi gbeɖe o.

5 Seɖoƒe evelia dze le nyateƒenya vevi aɖe si Mawu subɔla wɔnuteƒe aɖe si nɔ anyi le blema gblɔ la me. Nyagblɔɖila Azariya gblɔ na Fia Asa be: “Yehowa anɔ kpli mi, zi ale si mieli kplii.” (2 Kronika 15:2; xlẽ 1 Korintotɔwo 10:13.) Kpɔɖeŋu geɖewo le Biblia me, siwo ɖo kpe edzi be Satana ƒe asi mete ŋu su Mawu subɔla siwo nɔ Mawu ŋu kplikplikpli la dzi le blemaɣeyiɣiwo me o. (Hebritɔwo 11:4-40) Egbea hã la, Kristotɔ si te ɖe Mawu ŋu kplikplikpli la ate ŋu atsi tre ɖe Abosam ŋu ahaɖu edzi kura gɔ̃ hã. Mawu ƒe Nya la na kakaɖedzi mí be: “Mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ.”—Yakobo 4:7.

‘MÍELE KAME TEM KPLE GBƆGBƆMEŊUSẼ VƆ̃ÐIWO’

6. Aleke Satana wɔa aʋa kple Kristotɔ ɖe sia ɖee?

6 Abe ale si míegblɔe va yi ene la, Satana mate ŋu aɖu Yehowa ƒe amewo katã dzi o, gake eƒe asi ate ŋu asu mí ame ɖekaɖekawo dzi ne míele ŋudzɔ o. Satana nyae be yeate ŋu avuvu mí bɔbɔe ne yena mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me gbɔdzɔ. Aleke Satana wɔa esiae? To mía dzi dzedze vevie, mía dzi dzedze ŋkume kple ŋkume, kple mía dzi dzedze ayetɔe me. Mina míadzro mɔnu siawo siwo Satana zãna la me ɖekaɖeka.

7. Nu ka tae Satana ƒe ŋku biã ɖe Yehowa ƒe amewo dzi dzedze vevie ŋu egbea?

7 Mía dzi dzedze vevie. Apostolo Yohanes gblɔ be: “Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yohanes 5:19) Nuxlɔ̃ame aɖe le nya siawo me na Kristotɔ vavãwo katã. Esi wònye be Satana ƒe asi su ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexe bliboa dzi xoxo ta la, ate ŋu atɔ ŋku Yehowa ƒe amewo, siwo dzi eƒe asi mesu haɖe o la azɔ ahadi be yeadze wo dzi. (Mika 4:1; Yohanes 15:19; Nyaɖeɖefia 12:12, 17) Dzi le ekum vevie le esi wònyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye ta. Eya ta ena eƒe amedzidzedzea nu le sesẽm ɖe edzi. Ele adã dzi vevie hele avu mamlɛa wɔm egbea be yeagblẽ mía kple Mawu dome ƒomedodoa me.

8. Nu kae apostolo Paulo wɔnɛ esi wògblɔ be “míele kame tem” kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo?

8 Mía dzi dzedze ŋkume kple ŋkume. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be: “Míele kame tem . . . kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.” (Efesotɔwo 6:12) Nu ka tae Paulo gblɔ be “míele kame tem”? Eƒe nya sia na míekpɔe be aʋa si wɔm míele la nye avuwɔwɔ ŋkume kple ŋkume. Eya ta Paulo ƒe nyawo le gbe tem ɖe edzi be mía dometɔ ɖe sia ɖe le aʋa wɔm kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo tẽe. Míeɖale dukɔ si me ame geɖe xɔ edzi se be gbɔgbɔ vɔ̃wo li loo alo womeli o la me o, ele be wòanɔ susu me na mí ɣesiaɣi be esi míenya tsɔ mía ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa ko la, aʋagbedzie ma míeɖo afɔe. Kristotɔ ɖe sia ɖe dze aʋa sia gɔme tso gbe si gbe wòɖe adzɔgbe. Eya ta mewɔ nuku o be Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Efeso la zi etɔ̃ sɔŋ be woanɔ “tsitre sesĩe”!—Efesotɔwo 6:11, 13, 14.

9. (a) Nu ka tae Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo zãa ‘aɖaŋu vɔ̃ vovovowo’? (b) Nu ka tae Satana dzea agbagba be yeakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi, eye aleke míawɔ atsi tre ɖe eŋu? (Kpɔ aɖaka si nye “ Kpɔ Nyuie Le Satana Ƒe Ayemɔwo Ŋu!”) (d) Satana ƒe ayemɔ ka mee míadzro azɔ?

9 Mía dzi dzedze ayetɔe. Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woanɔ te sesĩe ɖe Satana ƒe “aɖaŋu vɔ̃wo” nu. (Efesotɔwo 6:11) De dzesii be Paulo megblɔ be “aɖaŋu vɔ̃” o, ke boŋ “aɖaŋu vɔ̃wo.” Ayemɔ vovovowoe le gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo si wozãna, ke menye ɖeka ko o—eye taɖodzinu aɖe tae. Ne ɣeyiɣiwo va le yiyim la, haxɔsetɔ aɖewo siwo te ŋu nɔ te ɖe tetekpɔ aɖe nu la va naa ta le bubu me. Esia fia be Abosam kple gbɔgbɔ vɔ̃wo léa ŋku ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nuwɔnawo ŋu nyuie be yewoanya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔƒewo. Azɔ wodina be yewoato gbɔdzɔgbɔdzɔ siawo dzi agblẽ nu le mía ŋu. Gake dzidzɔtɔe la, míate ŋu ade dzesi Abosam ƒe ayemɔawo dometɔ geɖe, elabena Biblia klo nu le wo dzi na mí. (2 Korintotɔwo 2:11) Míedzro Satana ƒe ayemɔ siwo nye ŋutilãmenuwo didi, hadede vɔ̃wo, kple gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me do ŋgɔ le agbalẽ sia me. Azɔ mina míadzro Satana ƒe ayemɔ bubu me—si nye gbɔgbɔyɔyɔ.

GBƆGBƆYƆYƆ—ENYE NUTEƑEMAWƆMAWƆ NA MAWU

10. (a) Nu kae nye gbɔgbɔyɔyɔ? (b) Aleke Yehowa bua gbɔgbɔyɔyɔe, eye aleke wò hã nèbunɛ?

10 Gbɔgbɔyɔyɔ nye kadodo kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo tẽe. Afakaka, adzewɔwɔ, dzosasa, kple ŋɔliyɔyɔ katã do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ. Abe ale si míenyae ene la, gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi ɖe sia ɖe nye “ŋunyɔnu” na Yehowa. (5 Mose 18:10-12; Nyaɖeɖefia 21:8) Esi wòle vevie be míawo hã “[míanyɔ] ŋu nu vɔ̃ɖi” ta la, nede megbe xaa tso mía gbɔ be míade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo. (Romatɔwo 12:9) Ðe gbɔgbɔyɔyɔ manye nuteƒemawɔmawɔ na Yehowa, mía Fofo si le dziƒo, le mɔ nyɔŋu aɖe ŋutɔ nu oa?

11. Nu ka tae Satana ƒe alɔ ade dzi ne ete ŋu na míeƒo mía ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna aɖe me? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

11 Gake esi Satana nyae be gbɔgbɔyɔyɔ nye nuteƒemawɔmawɔ si Yehowa nyɔ ŋui vevie ta la, ele agbagba ɖe sia ɖe dzem be yeana mɔ̃ sia naɖe mía dometɔ aɖewo. Ɣesiaɣi si Satana te ŋu ble Kristotɔ aɖe nu wòkpɔ gome le gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna aɖe me la, eƒe alɔ dea dzi. Nu ka tae? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne asrafoha aɖe ƒe amegã te ŋu ble asrafoha bubu si wòle aʋa wɔm kplii me tɔ aɖe nu wòdo le asrafoha ma me heva le eƒe akpa dzi la, asrafomegã sia akpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Ate ŋu atsɔ ame si do le eƒe futɔwo dome heva le eƒe akpa dzi la aƒo adegbee ahaɖe alɔme le asrafomegã kemɛa ŋu. Nenema kee ne Kristotɔ aɖe ƒo eɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo me la, ke efia be ɖe wòɖoe koŋ trɔ le Yehowa yome heva tsɔ eɖokui de Satana ƒe kpɔkplɔ te. Kpɔ ale si gbegbe wòadzɔ dzi na Satana be yeatsɔ ame si trɔ le Yehowa yome aƒo adegbee ɖa! Ðe mía dometɔ aɖe adi be yeana Satana ƒe alɔ nade dzi alea? Gbeɖe! Míadi be míanye nuteƒemawɔlawo o.

ETSƆA NYA AÐEWO ƑÃA ÐIKEKE ÐE AME ME

12. Mɔnu kae Satana zãna be yeana nukpɔsusu totro nasu mía si le gbɔgbɔyɔyɔ ŋu?

12 Ne míenyɔa ŋu gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo la, Satana mate ŋu ato edzi alé mí o. Eya ta ekpɔe be ele be yeakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi. Aleke wòwɔnɛ? Edia mɔnu siwo dzi wòato atrɔ Kristotɔwo ƒe nuŋububu ne woabu “nyui be vɔ̃” ahabu “vɔ̃ be nyui.” (Yesaya 5:20) Be Satana naɖo taɖodzinu sia gbɔ la, ezãa mɔnu siwo wòzãna tso gbe aɖe gbe ke la dometɔ ɖeka—etsɔa nya aɖewo ƒãa ɖikeke ɖe ame me.

13. Aleke Satana zã nya aɖewo tsɔtsɔ ƒã ɖikeke ɖe ame me ƒe mɔnua le blemae?

13 De dzesi ale si Satana zã mɔnu siae le blema. Ebia Xawa le Eden bɔa me be: “Vavãe Mawu gblɔ be migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke oa?” Le Hiob ƒe ɣeyiɣiawo hã me, esime mawudɔlawo kpe ta le dziƒo la, Satana fɔ biabia sia ɖe te be: “Dzodzroe Hiob vɔ̃a Mawua?” Eye esime Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme le anyigba dzi la, Satana tɔ gbe Kristo be: “Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be woatrɔ azu abolo.” Wò ya bu eŋu kpɔ be, le Yesu gome la, Satana do dzi ke ɖi Yehowa ŋutɔ ƒe nya siwo wògblɔ kwasiɖa ade aɖewo do ŋgɔ be “ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.”—1 Mose 3:1; Hiob 1:9; Mateo 3:17; 4:3.

14. (a) Aleke Satana zãa eƒe ayemɔwo tsɔ ƒãa ɖikeke ɖe ame me ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋui? (b) Nu ka mee míadzro azɔ?

14 Egbea hã, Abosam zãa mɔnu ma tɔgbi be yeatsɔ aƒã ɖikeke ɖe mía me ne míagakpɔ ale si gbegbe gbɔgbɔyɔyɔ vɔ̃ɖii la adze sii o. Nublanuitɔe la, ete ŋu ƒã ɖikeke ɖe mía nɔvi aɖewo ƒe susu me. Wova te sese le wo ɖokuiwo me be naneke megblẽ le gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna aɖewo ŋu o. (2 Korintotɔwo 11:3) Aleke míate ŋu akpe ɖe ame siawo ŋu woaɖɔ woƒe nuŋububu ɖo? Nu kae míate ŋu awɔ be Satana ƒe ayemɔwo nagaflu mí o? Be míaɖo biabia siawo ŋu la, mina míakpɔ nu eve aɖewo siwo dzi Satana tona ayetɔe hea amewo dea gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo me la ɖa. Woawoe nye modzakaɖeɖe kple atikewɔwɔ.

ETOA MÍAƑE DZODZROWO KPLE HIAHIÃWO DZI

15. (a) Aleke ame geɖe bua gbɔgbɔyɔyɔ le dukɔ aɖewo me? (b) Mɔ ka nue xexea ƒe nukpɔsusu le gbɔgbɔyɔyɔ ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ aɖewo dzi le?

15 Le yevudedukɔ aɖewo me la, ame geɖe va le vivimenuwɔwɔ, adzewɔwɔ, kple gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna bubuwo bum fefenui. Woɖea gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo fiana le filmwo, agbalẽwo, television dzi wɔnawo, kple kɔmpiuta dzi fefewo me abe dzidzɔdonameɖokuinu, aɖaŋudzedze, kple nu si megblẽa naneke le ame ŋu o ene. Film kple agbalẽ siwo kuna ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu la va bɔ ale gbegbe be ame siwo nuwɔna siawo dzɔa dzi na la ɖo eŋuti habɔbɔwo gɔ̃ hã. Edze ƒãa be gbɔgbɔ vɔ̃wo te ŋu na gbɔgbɔyɔyɔ dzena na amewo abe nu tsɛ si me afɔku aɖeke mele o ene. Ðe Kristotɔ aɖewo hã va le gbɔgbɔyɔyɔ bum nu tsɛe abe ale si wòle le ame geɖe gome enea? Ɛ̃, nukpɔsusu totro sia va su mía nɔvi aɖewo si. Le mɔ ka nu? Le kpɔɖeŋu me, esi Kristotɔ aɖe kpɔ film aɖe si me gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo le vɔ la, egblɔ be: “Film ko wònye mekpɔ, nyemekpɔ gome le gbɔgbɔyɔyɔ me o.” Nu ka tae afɔku le nuŋububu alea me?

16. Nu ka tae afɔku le eme be míatsɔ gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo kpɔkpɔ aɖe modzakae?

16 Togbɔ be vovototo le gbɔgbɔyɔyɔ ŋutɔŋutɔ kple ekpɔkpɔ le television dzi me hã la, ema mefia be afɔku aɖeke mele nu siawo kpɔkpɔ me o. Nu ka tae? Bu nya sia ŋu kpɔ: Mawu ƒe Nya la na míenya be ŋusẽ mele Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo si be woanya nu si le míaƒe susu me o. * Eya ta abe ale si míegblɔe va yi ene la, gbɔgbɔ vɔ̃wo léa ŋku ɖe míaƒe nuwɔnawo ŋu nyuie—modzaka siwo míeɖena hã le eme—bene yewoade dzesi nu siwo ŋu bum míele kple gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo le mía ŋu. Ne Kristotɔ aɖe ƒe nuwɔna ɖee fia be film alo agbalẽ siwo ku ɖe ŋɔliyɔyɔ, akunyawɔwɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amedzidzedze, alo esiawo tɔgbi ŋu dzɔa dzi nɛ la, ke ele asi miam gbɔgbɔ vɔ̃woe nye ema. Ne míagblɔe la, etsɔ eƒe gbagbãƒewo le wo fiam! Esia awɔe be gbɔgbɔ vɔ̃awo natɔ ŋku Kristotɔa ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔƒe mawo be yewoato edzi agblẽ nu le eŋu kokoko. Le nyateƒe me la, ame aɖewo siwo va nɔ dzidzɔ kpɔm ɖe film siwo me gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo dzena le gaglã ŋu vivivi la va ƒo wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋutɔŋutɔ me mlɔeba.—Xlẽ Galatiatɔwo 6:7.

Di Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu le dɔléɣiwo

17. Ayemɔ kae Satana te ŋu zãna be yeƒe asi nasu Kristotɔ si le dɔ lém dzi?

17 Menye dzodzro si le mía me be míaɖe modzaka dzi koe Satana tona be yeagblẽ nu le mía ŋu o, ke etoa ale si míehiãna na atikewɔwɔ hã dzi. Aleke wòwɔnɛ? Dzi ate ŋu aɖe le Kristotɔ si ƒe lãme gblẽ vevie eye wòtsa le atikewɔla vovovowo dzi ʋuu do kpoe la ƒo. (Marko 5:25, 26) Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ate ŋu akpɔ esia be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoagblẽ nu le eŋu. Woate ŋu ate Kristotɔ sia kpɔ be wòatrɔ ɖe dɔdamɔnu aɖe si me wozãa “akunyawɔwɔ” alo gbɔgbɔyɔyɔ le la ŋu (Yesaya 1:13) Ne gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ayemɔ sia kpɔ dzidzedze la, ate ŋu agblẽ nu le Kristotɔ si le dɔa lém la kple Mawu dome ƒomedodoa ŋu. Le mɔ ka nu?

18. Dɔdamɔnu kawo ƒomevie wòle be Kristotɔ natsri, eye nu ka tae?

18 Yehowa xlɔ̃ nu Israel-vi siwo va trɔ ɖe “akunyawɔwɔ” ŋu la be: “Ne mieke miaƒe abɔwo me la, maɣla ŋkume ɖe mi. Ne mieli kɔ gbedodoɖawo gleglegle hã la, nyemele wo se ge o.” (Yesaya 1:15) Míadi godoo be míaƒo asa na nu sia nu si axe mɔ na míaƒe gbedodoɖawo kple kpekpeɖeŋu si tsoa Yehowa gbɔ la xɔxɔ, vevietɔ le ɣeyiɣi siwo me míele dɔ lém. (Psalmo 41:3) Eya ta ne edze abe ale si wowɔna nyaa dɔ si lém ame le, alo dɔdamɔnu aɖe do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo ene la, ele be Kristotɔ vavã naƒo asa nɛ. * (Mateo 6:13) Esia ana wòaka ɖe edzi be Yehowa akpɔtɔ akpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu.—Kpɔ aɖaka si nye “ Gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnae Wònye Nyateƒea?

AFI SIWO GBƆGBƆ VƆ̃WO ƑE ŊUTINYAWO BƆ ÐO

19. (a) Nu kae Abosam flu ame geɖewo wosusuna tso eƒe ŋusẽ ŋu? (b) Ŋutinya kawo tɔgbi gbɔgblɔe wòle be Kristotɔ vavãwo natsri?

19 Togbɔ be ame geɖe siwo le yevuwo de la bua ŋusẽ si le Satana si nu tsɛe hã la, ale si wobunɛ le dukɔ bubu aɖewo me ya to vovo kura. Le dukɔ bubu siawo me la, Abosam flu ame geɖe woxɔe se be ŋusẽ geɖe le ye si wu ale si wòle ŋutɔŋutɔ. Ame aɖewo vɔ̃na na gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amedzidzedze gbe sia gbe: ne wole nu ɖum wole vɔvɔ̃m, ne wole dɔme wole vɔvɔ̃m, eye ne womlɔ anyi hã wole vɔvɔ̃m. Ŋɔdzinu siwo wobe gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔna ƒe ŋutinyawo bɔ ɖe nuto mawo me. Zi geɖe la, amewo ɖea ami ɖe nyawo ale gbegbe be wòblea fu lãme na eselawo. Ðe wòle be míawo hã míanɔ nya mawo tɔgbi kakama? Kura o; ele be Mawu subɔla vavãwo natsri ŋutinya mawo gbɔgblɔ le susu eve aɖewo ta.

20. Aleke wòate ŋu adzɔe be ame nava nɔ boblo dom Satana ƒe dɔwɔwɔwo le manyamanya me?

20 Susu gbãtɔae nye be, ne míele gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nuwɔnawo ŋuti nyawo kakam la, ke míele Satana ƒe ta dom ɖe dzi. Le mɔ ka nu? Ele eme baa be Mawu ƒe Nya la ɖo kpe edzi be Satana te ŋu wɔa ŋusẽdɔwo ya, gake ena míenya hã be Satana zãa “amebeble ƒe dzesiwo.” (2 Tesalonikatɔwo 2:9, 10) Esi wònye Satanae nye ameblela gãtɔ ta la, enya ale si wòakpɔ ŋusẽ ɖe ame siwo tsɔa ɖe le gbɔgbɔyɔyɔ me la ƒe susuwo dzi be woaxɔ nu siwo medzɔ ŋutɔŋutɔ o dzi ase. Ame siawo ate ŋu axɔe se be yewokpɔ nanewo hese gbeɖiɖi aɖewo eye woanɔ nya mawo gblɔm be wonye nu si teƒe yewokpɔ ŋutɔŋutɔ. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, woƒe nya mawo va zua ŋutinya bubu kura le esi segblɔgblɔlawo ɖea ami ɖee ta. Ne Kristotɔ aɖe le ŋutinya mawo kakam la, ke Abosam, “aʋatsokafofo” la, ƒe lɔlɔ̃nue nye ema wɔm wòle, elabena ele boblo dom Satana ƒe dɔwɔwɔwo.—Yohanes 8:44; 2 Timoteo 2:16.

21. Nu kawo ŋue míadi vevie be míana míaƒe dzeɖoɖowo naku ɖo?

21 Susu eveliae nye be, ne ame aɖe kpɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nuwɔnawo teƒe ŋutɔŋutɔ kpɔ hafi va zu Kristotɔ hã la, vividodo ɖe nya mawo gbɔgblɔ na haxɔsetɔwo ŋu maɖe vi aɖeke o. Nu ka tae? Woxlɔ̃ nu mí be “míaƒe ŋku [nanɔ] Yesu, si nye míaƒe xɔse ƒe Kplɔla Vevitɔ kple Ame si na míaƒe xɔse de blibo la ŋu tututu.” (Hebritɔwo 12:2) Ɛ̃, Kristo dzie wòle be míaƒe susu nanɔ, ke menye Satana o. Anyo be míade dzesii be esi Yesu nɔ anyigba dzi la, menɔ gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo ŋuti nyawo gblɔm na eƒe nusrɔ̃lawo o, evɔ nya geɖewo nɔ esi wòate ŋu agblɔ tso nu siwo Satana ate ŋu awɔ kple nu siwo mate ŋu awɔ o ŋu hafi. Ke boŋ Fiaɖuƒegbedeasia gbɔgblɔ ŋue Yesu lé fɔ ɖo. Eya ta míadi vevie be míasrɔ̃ Yesu kple eƒe apostoloawo ahana míaƒe dzeɖoɖowo naku ɖe “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo ŋu.”—Dɔwɔwɔwo 2:11; Luka 8:1; Romatɔwo 1:11, 12.

22. Aleke míate ŋu ayi edzi ana ‘dzidzɔ geɖe nanɔ dziƒo’?

22 Enye nyateƒe be Satana zãa ayemɔnu vovovowo, siwo dome gbɔgbɔyɔyɔ hã le, be yeatsɔ agblẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodo me. Gake ne míenyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi helé ɖe nu si nyo ŋu la, míana mɔ Abosam be wòagblẽ ale si míeɖoe kplikpaa be míatsri gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna ƒomevi ɖe sia ɖe la me gbeɖe o. (Xlẽ Efesotɔwo 4:27.) Wò ya bu ale si gbegbe wòanye “dzidzɔ geɖe le dziƒo” ne míeyi edzi “[nɔ] te sesĩe ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu” va se ɖe esime woava ɖee ɖa keŋkeŋ la ŋu kpɔ!—Luka 15:7; Efesotɔwo 6:11.

^ mm. 16 Dzesideŋkɔ vovovo siwo woyɔna na Satana (abe Tsitretsiɖeŋula, Ameŋugblẽla, Ameblela, Tela, kple Aʋatsokala ene) dometɔ aɖeke meɖee fia be ŋusẽ le esi be wòanya nu siwo le míaƒe dzi kple susu me o. Gake wogblɔ tso Yehowa ya ŋu be “[edzroa] dziwo me kpɔna,” eye wogblɔ tso Yesu hã ŋu be enye ame si “dzroa dzimesusuwo kple dziwo me kpɔ.”—Lododowo 17:3; Nyaɖeɖefia 2:23.

^ mm. 18 Àkpɔ numeɖeɖe bubuwo le nyati si nye “Ðe Wònye Lãmesẽdodokpɔ si Nyo Nàwɔa?” le Gbetakpɔxɔ, December 15, 1994, axa 19-22, kple “Biblia Ƒe Nukpɔsusu: Atikewɔwɔ si Nàtia—Ðe Wòle Veviea?” le Nyɔ!, January 8, 2001, axa 30-31.