Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

MEGBENYAWO

Ale Si Wòle Be Míawɔ Nu Ðe Ame Si Woɖe Le Haa Me Ŋu

Ale Si Wòle Be Míawɔ Nu Ðe Ame Si Woɖe Le Haa Me Ŋu

Ne míaƒe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe wɔ nu vɔ̃ hegbe dzimetɔtrɔ eye woɖee la haa me la, evena ŋutɔ. Gake Biblia ƒe mɔfiame siwo ku ɖe ameɖeɖelehame ŋu dzi wɔwɔ aɖe ale si gbegbe míelɔ̃ Mawu hedi be míalé eƒe ɖoɖowo me ɖe asii afia. * Na míadzro biabia aɖewo siwo nya sia te ŋu fɔna ɖe te la me.

Aleke wòle be míawɔ nu ɖe ame si woɖe le haa me ŋu? Biblia gblɔ be: “[Midzudzɔ] hadede kple ame si woyɔna be nɔvi, evɔ wòƒoa eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me alo nye ŋuklẽla alo trɔ̃subɔla alo amedzula alo ahamula alo adzodala, eye migaɖu nu gɔ̃ hã kple nenem me sia o.” (1 Korintotɔwo 5:11) Biblia gblɔ tso ame sia ame si “melina ɖe Kristo la ƒe nufiafia me o” ŋu be: “Migaxɔe ɖe miaƒe aƒe me alo ado gbe nɛ kura o. Elabena ame si do gbe nɛ la kpɔ gome kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiawo me.” (2 Yohanes 9-11) Míedea ha kple ame siwo woɖe le haa me le tadedeaguwɔnawo loo alo hadomenuwɔnawo me o. Gbetakpɔxɔ, December 1, 1981, axa 14 gblɔ be: “Gbedoname nye afɔɖeɖe gbãtɔ si dzi wotona hea dzeɖoɖo alo xɔlɔ̃wɔwɔ kura gɔ̃ hã vanɛ. Ðe míadi be míawɔ afɔɖeɖe gbãtɔ ma ɖe ame si woɖe le haa me ŋua?”

Ðe wòhiã kokoko be míatso kadodo ɖe sia ɖe me kpliia? Ɛ̃, ehiã, le susu geɖewo ta. Gbã la, esia wɔwɔ ɖenɛ fiana be míewɔa nuteƒe na Mawu heléa eƒe Nya la me ɖe asi. Menye ɣeyiɣi si wòle bɔbɔe na mí koe míeɖoa to Yehowa o, ke boŋ le ɣeyiɣi siwo wòate ŋu asesẽ na mí ŋutɔ hã me. Lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa mí be míawɔ eƒe sewo katã dzi, elabena míenya be enye Mawu dzɔdzɔe, elɔ̃ mí, eye eƒe sewo dzi wɔwɔ ye hea viɖe gãtɔ kekeake vɛ na mí. (Yesaya 48:17; 1 Yohanes 5:3) Eveliae nye be, ne míedzudzɔ hadede kple nu vɔ̃ wɔla matrɔdzime la, akpɔ mía kple hamea me tɔ bubuwo ta be eƒe agbenɔnɔ nagakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi loo alo ana míadze afɔku le gbɔgbɔ me o, eye ana ŋkɔ nyui hã nakpɔtɔ anɔ hamea ŋu. (1 Korintotɔwo 5:6, 7) Etɔ̃liae nye be, ne míelé Biblia ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asi la, ate ŋu aɖe vi na ame si woɖe le haa me la gɔ̃ hã. Ne míelɔ̃ ɖe ʋɔnudrɔ̃kɔmitia ƒe nyametsotso dzi la, esia ate ŋu awɔ dɔ ɖe nu vɔ̃ wɔla si gbe hamemetsitsiwo ƒe kpekpeɖeŋu xɔxɔ la dzi. Ne exɔlɔ̃ veviwo dzudzɔ hadede kplii la, ate ŋu awɔe be ‘wòanyɔ le eɖokui me,’ akpɔ ale si gbegbe eƒe nu gbegblẽ wɔwɔa nye ŋkubiãnyae adze sii, eye wòatrɔ ava Yehowa gbɔ.—Luka 15:17.

Ke ne míaƒe ƒometɔe woɖe le haa me ya ɖe? Le go sia me la, ƒomedodo kplikplikpli si le ƒometɔwo dome ate ŋu ahe nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ gã aɖe vɛ. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe míaƒe ƒometɔ si woɖe le haa me ŋui? Míate ŋu aƒo nu tso nɔnɔme ɖe sia ɖe si ate ŋu ado mo ɖa ŋu le afi sia o; gake míadzro nɔnɔme eve siwo doa mo ɖa edziedzi me.

Le go aɖewo me la, ate ŋu adzɔ be ƒometɔ kplikplikpli si woɖe le haa me la kpɔtɔ le aƒe ɖeka me kple eƒe ƒomea me tɔ susɔeawo. Esi ameɖeɖelehame metsoa ƒomekadodo me o ta la, ƒomea me tɔwo ate ŋu ayi woƒe gbe sia gbe nuwɔnawo dzi kplii faa. Gake ele be míade dzesii be ame si woɖe le haa me la to eƒe nuwɔna dzi tso gbɔgbɔmekadodo si le woa kple eƒe ƒometɔ siwo nye xɔsetɔwo dome. Le esia ta ƒomea me tɔ nuteƒewɔlawo magate ŋu akpɔ gome le gbɔgbɔmehadede me kplii o. Le kpɔɖeŋu me, ne ƒomea le gome kpɔm le ƒometadedeagu me, eye ame si woɖe le haa me le eteƒe la, mate ŋu ade nu nusɔsrɔ̃a me o. Gake ne ame si woɖe le haa me kpɔtɔ nye ɖevi la, ke enye dzilawo ƒe agbanɔamedzi be woafia nui ahana hehee. Eya ta lɔlɔ̃ aʋã dzilawo woawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kplii. *Lododowo 6:20-22; 29:17.

Le go bubu me la, ate ŋu adzɔ be ame si woɖe le haa me mele aƒe ɖeka me kple eƒe ƒometɔ bubuawo o. Togbɔ be ate ŋu ava hiã ɣeaɖewoɣi be woakpɔ ƒomenya aɖe si hiã vevie gbɔ kplii hã la, mele be esia nanye nu si woanɔ wɔwɔm edziedzi o. Kristotɔ wɔnuteƒewo menɔa taflatsɛdodowo dim atsɔ anɔ ha dem kple ƒometɔ si woɖe le haa me, si woa kplii mele aƒe ɖeka me o. Ke boŋ nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple eƒe habɔbɔa ʋãa wo woléa Ŋɔŋlɔawo me ɖoɖo siwo ku ɖe ameɖeɖelehame ŋu me ɖe asi. Woƒe nuteƒewɔwɔ akpe ɖe nu vɔ̃ wɔlaa ŋu be tohehe si wonae naɖe vi nɛ. *Hebritɔwo 12:11.

^ mm. 1 Biblia ƒe gɔmeɖose siawo kee ku ɖe ame siwo ɖe wo ɖokui le haa me hã ŋu.

^ mm. 2 Àte ŋu akpɔ ale si woawɔ nu kple ɖevi si woɖe le haa me, si kpɔtɔ le aƒe ɖeka me kple edzilawo ŋuti numeɖeɖe bubuwo le Gbetakpɔxɔ, October 1, 2001, axa 16-17, kple June 15, 1989, axa 19 [yevugbe me tɔ, November 15, 1988, axa 20].

^ mm. 3 Àte ŋu akpɔ Ŋɔŋlɔawo me numeɖeɖe bubuwo ku ɖe ale si woawɔ nu kple ƒometɔ si woɖe le haa me ŋu le Gbetakpɔxɔ, June 1, 1988, axa 27-31 [yevugbe me tɔ, April 15, 1988, axa 26-31], kple January 1, 1982, axa 3-7 [yevugbe me tɔ, September 15, 1981, axa 26-31]