Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

MEGBENYAWO

Ale Si Nàwɔ Aɖu Ameɖokuigbɔdɔdɔ Ƒe Numame Dzi

Ale Si Nàwɔ Aɖu Ameɖokuigbɔdɔdɔ Ƒe Numame Dzi

Ameɖokuigbɔdɔdɔ nye numame makɔmakɔ le Mawu ŋkume, si nana ame dia eɖokui tɔ, eye eƒoa ɖi ame ƒe susu hã. * Ameɖokuigbɔdɔla ate ŋu ava nɔ ame bubuwo bum be wonye nu si woatsɔ atsi gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nu ko. Ameɖokuigbɔdɔla ate ŋu ava nɔ gbɔdɔdɔ bum ko abe nu si nana wosea vivi ɣeyiɣi kpui aɖe tsɔ ɖia kɔ na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ene, ke menye nu si srɔ̃tɔwo atsɔ aɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔewo o. Gake ɣeyiɣi vi aɖe koe kɔɖiɖi na ame ɖokui sia nɔa anyi. Ameɖokuigbɔdɔdɔ menana ame wua eƒe ŋutinuwo “le gbɔdɔdɔ manɔsenu, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃, [kple] nudzodzro vɔ̃” gome o, ke ɖe wònyɔa nu siawo ɖe ame me boŋ.—Kolosetɔwo 3:5.

Apostolo Paulo gblɔ be: “Lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, eye míanɔ kɔkɔe geɖe wu le mawuvɔvɔ̃ me.” (2 Korintotɔwo 7:1) Ne èle ʋiʋlim be yeawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi do kpoe la, dzi megaɖe le ƒowò o. Yehowa ‘lɔ̃a tsɔtsɔke’ eye wòkpena ɖe ame ŋu. (Psalmo 86:5; Luka 11:9-13) Le nyateƒe me la, wò dzi si le fɔ bum wò kple agbagba si dzem nèle be yeaɖe asi le numame gbegblẽ sia ŋu la ɖee fia be nɔnɔme nyui le asiwò—togbɔ be ɖewohĩ èdo kpo nu zi ɖeka zi eve aɖewo hã. Ðo ŋku edzi hã be, “Mawu nye gã wu míaƒe dziwo, eye wònya nuwo katã.” (1 Yohanes 3:20) Menye míaƒe nu vɔ̃wo ŋu koe Mawu ƒe ŋku nɔna o, ke ekpɔa ame si míenye le ememe hã. Nu siwo wònya tso mía ŋu nana wòtsɔa veveseseɖeamenu ɖoa to míaƒe kokoƒoƒowo. Eya ta mègana ta o, yi edzi nàte ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me ɖokuibɔbɔtɔe, abe ale si ko ɖevi tena ɖe fofoa ŋu ne eɖo xaxa me ene. Yehowa ana dzitsinya dzadzɛ nasu asiwò. (Psalmo 51:1-12, 17; Yesaya 1:18) Gake ahiã be nàwɔ nu wòawɔ ɖeka kple wò gbedodoɖawo. Le kpɔɖeŋu me, ahiã be nàdze agbagba aƒo asa na amamaɖeɖenuwɔna ɖe sia ɖe ƒomevi kpɔkpɔ kple hadede vɔ̃wo hã. *

Ne ele sesẽm na wò be nàɖu ameɖokuigbɔdɔdɔ ƒe numamea dzi la, anyo be nàgblɔe na dziwòla Kristotɔwo alo nɔvi aɖe si tsi le gbɔgbɔ me, si tsɔa ɖe le eme na wò. *Lododowo 1:8, 9; 1 Tesalonikatɔwo 5:14; Tito 2:3-5.

^ mm. 1 Ameɖokuigbɔdɔdɔ nye asilili ame ŋutɔ ƒe vidzinuwo ŋu va se ɖe esime amea nase vivi abe ɖe wòle gome kpɔm le gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ me ene.

^ mm. 2 Nu si ƒome geɖe wɔna be woagakpɔ nuwɔna makɔmakɔwo le kɔmpiuta si le aƒea me dzi o ye nye be wodanɛ ɖe ŋkukpɔƒe. Azɔ hã, ƒome aɖewo ƒlea kɔmpiuta dzi dɔwɔɖoɖo si xea mɔ na amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe dzedze le edzi. Ke hã míate ŋu aɖo ŋu ɖe nu siawo ko ŋu o.

^ mm. 1 Àte ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo bubu siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖu ameɖokuigbɔdɔdɔ ƒe numamea dzi le nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Aleke Mawɔ Aɖu Numame Gbegblẽ Sia Dzi?” me le Nyɔ!, January-March 2007, ƒe axa 16, kpakple agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, Volume 1, ƒe axa 178-182 (Les jeunes s’interrogent— Réponses pratiques).