Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 17

“Mitu Mia Ðokuiwo Ðo Ðe Miaƒe Xɔse Kɔkɔetɔ La Dzi”

“Mitu Mia Ðokuiwo Ðo Ðe Miaƒe Xɔse Kɔkɔetɔ La Dzi”

“Mitu mia ɖokuiwo ɖo ɖe miaƒe xɔse kɔkɔetɔ la dzi . . . Minɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa.”—YUDA 20, 21.

1, 2. Xɔtudɔ ka wɔm nèle, eye nu ka tae wòle vevie be nàwɔ dɔ sia nyuie?

WÒ ŊKU biã vevie ɖe xɔtudɔ aɖe ŋu. Ɣeyiɣi aɖee nye esia si nèdze dɔ sia gɔme, eye agaxɔ ƒe geɖe hafi nàwu enu. Èkpɔe be dɔa mele bɔbɔe kura o, ke hã èle dzidzeme geɖe kpɔm le eme. Nu ka kee ɖale dzɔdzɔm o, èɖoe kplikpaa be yemana ta alo awɔ alɔgblɔdɔ o, le esi nènyae be yeƒe agbe kple yeƒe etsɔme katã nɔ te ɖe dɔa ƒe nyonyome dzi ta. Xɔtudɔ kae wònye? Xɔ si tum nèle lae nye wò ŋutɔ ɖokuiwò!

2 Nusrɔ̃la Yuda te gbe ɖe edzi be ele be míatu mía ɖokui ɖo. Esi wòxlɔ̃ nu Kristotɔwo be, “minɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa” la, egblɔ ale si woawɔ esiae hã kpee be: “Mitu mia ɖokuiwo ɖo ɖe miaƒe xɔse kɔkɔetɔ la dzi.” (Yuda 20, 21) Mɔ kawo dzie nàto atu ɖokuiwò ɖo ahana wò xɔse nasẽ ɖe edzi bene nànɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa? Na míadzro nu vevi etɔ̃ siwo akpe ɖe ŋuwò le gbɔgbɔmexɔtudɔ sia me la me.

YI EDZI NÀNƆ WÒ XƆSE TUM ÐO ÐE YEHOWA ƑE NUDIDI DZƆDZƆEWO ŊU

3-5. (a) Nu kae Satana adi be yeaflu wò nàsusu tso Yehowa ƒe nudidiwo ŋu? (b) Aleke wòle be míabu Mawu ƒe nudidiwoe, eye alekee esia ana míase le mía ɖokui me? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

3 Gbã la, ele be nàna ale si nèka ɖe Mawu ƒe sewo dzii la me nanɔ sesẽm ɖe edzi. Èva srɔ̃ nu tso Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔe geɖe siwo ku ɖe ale si míanɔ agbee ŋu le agbalẽ sia me. Aleke nèkpɔ nudidi siawoe? Satana adi be yeaflu wò nàsusui be Yehowa ƒe sewo, gɔmeɖosewo, kple dzidzenuwo le kpaɖii akpa, alo be wotea ame ɖe anyi gɔ̃ hã. Tso Eden bɔa me kee wòte ameflumɔnu sia zazã, eye edzea edzi nɛ hã. (1 Mose 3:1-6) Ðe nàɖe mɔ eƒe ameflumɔnu ma nakplɔ wò hã atraea? Esia anɔ te ɖe ale si nèbua nuwo ŋui dzi.

4 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be nèle tsa ɖim le abɔ dzeani aɖe me. Esi nèva ɖo abɔa ƒe afi aɖe la, gaɖɔkpɔtɔtɔ kɔkɔ aɖee nye ema le ŋgɔwò, evɔ abɔa ƒe akpa si le kpɔtɔtɔa godo hã nya kpɔ ŋutɔ. Ðewohĩ àbu kpɔtɔtɔ sia be enye mɔxenu na ye be yeagaɖi tsa le abɔa ƒe akpa kemɛa ahase vivi o. Gake kaka nàkpɔ la, dzata wɔadã aɖee nye ema nya lã aɖe ɖe nu vevie le kpɔtɔtɔa godo! Aleke nàse le ɖokuiwò me azɔ? Ɛ̃, be ametakpɔnue kpɔtɔtɔa nye, ke menye mɔxenu o. Ðe lã wɔadã aɖe nya wò hã ɖe nu egbea? Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ! Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe ɖem eye wòle ame dim be yeavuvu ami ene.”—1 Petro 5:8.

5 Amedzidzela vɔ̃ɖi aɖee Satana nye. Esi Yehowa medi be Satana ƒe asi nasu mía dzi o ta la, ede se aɖewo be woakpɔ mía ta tso vɔ̃ɖitɔ ma ƒe “aɖaŋu vɔ̃wo” me. (Efesotɔwo 6:11) Eya ta ɣesiaɣi si míele ŋugble dem tso Mawu ƒe sewo ŋu la, ele be míabu wo be wonye kpeɖodzi be mía Fofo si le dziƒo la lɔ̃ mí vevie. Ne míebu nuwo ŋu alea la, ana míakpɔ Mawu ƒe sewo be wonye nu si ana míanɔ dedie ahakpɔ dzidzɔ. Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: “Ame si léa ŋku ɖe se deblibo si naa ablɔɖe la ŋu, eye wònɔa edzi ɖaa la . . . akpɔ dzidzɔ le nu si wòwɔna la me.”—Yakobo 1:25.

6. Mɔ nyuitɔ ka dzie míato atu míaƒe xɔse ɖo ɖe Mawu ƒe se kple gɔmeɖose dzɔdzɔeawo ŋu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

6 Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔe nye mɔ nyuitɔ si dzi míato atu míaƒe xɔse ɖo bene míaɖo ŋu ɖe Senala la ŋu bliboe ahakpɔ nunya si le eƒe seawo me la adze sii. Le kpɔɖeŋu me, “Kristo la ƒe se la” me nudidi vevi aɖee nye be míafia “nu siwo katã ƒe se [wòde] na mi la” amewo. (Galatiatɔwo 6:2; Mateo 28:19, 20) Mɔfiame si nye be míayi edzi anɔ kpekpem ɖekae hena tadedeagu kple hadede tuameɖowo hã dzi wɔwɔ le vevie na mí Kristotɔwo ŋutɔ. (Hebritɔwo 10:24, 25) Mawu ƒe nudidi bubu hãe nye be míanɔ gbe dom ɖa na ye edziedzi tso dzi me. (Mateo 6:5-8; 1 Tesalonikatɔwo 5:17) Zi ale si míenɔa agbe ɖe se siawo nu la, zi nenemae míekpɔnɛ dzea sii kɔtɛ be wonye mɔfiame siwo me lɔlɔ̃ le. Wo dzi wɔwɔ nana míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme si tɔgbi nu bubu aɖeke mate ŋu ana mí le xexe doblukɔ sia me o. Ne ède ŋugble tso ale si gbegbe agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe sewo nu le vi ɖem na wòe ŋu la, ɖe xɔse si le asiwò ɖe wo ŋu la me megasẽna ɖe edzi oa?

7, 8. Kakaɖedzi kae Mawu ƒe Nya la na ame siwo vɔ̃na be yewoava do kpo nuteƒewɔwɔ ne ƒeawo va le yiyim?

7 Gake ɣeaɖewoɣi la, ame aɖewo susuna be manya wɔ be yewoayi edzi alé Yehowa ƒe sewo me ɖe asi ɖaa o. Wovɔ̃na be ɖewohĩ yewoava do kpo nu. Ne èse le ɖokuiwò me alea kpɔ la, ke nya siwo gbɔna nenɔ susu me na wò: “Nye Yehowae nye wò Mawu, nyee nye Ame si fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò, Ame si kplɔa wò toa mɔ si dzi wòle be nàto. Ne ɖe nàɖo to nye sededewo ɖe! Anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.” (Yesaya 48:17, 18) Ðe nède ŋugble tso kakaɖedzi si nam Yehowa le mí to nya siawo dzi la ŋu kpɔa?

8 Yehowa tsɔ nya siawo le ŋku ɖom edzi na mí be mía ŋutɔwo ƒe viɖe tae yeƒe sewo li ɖo. Edo ŋugbe be míakpɔ yayra le mɔ eve aɖewo nu ne míeɖo to ye. Gbãtɔae nye be, míaƒe ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene—asɔ gbɔ, ana míaɖe dzi ɖi, eye enu matso o. Evelia, míaƒe dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene. Ne ètɔ ɖe ƒuta hele ale si ƒutsotsoeawo le mimlim ɖe wo nɔewo yome kpɔm la, ɖe nàgblɔ be wo nu atso gbe aɖe gbea? Gbeɖe! Ènyae be ƒutsotsoe mawo ayi edzi anɔ mimlim ahanɔ gbagbam ɖe ƒua ta ɖaa. Yehowa le gbɔgblɔm na wò be wò dzɔdzɔenyenye ate ŋu anɔ nenema. Ne ènya yi edzi le agbagba dzem be yeawɔ nuteƒe nɛ ko la, mana nàdo kpo nu gbeɖe o! (Xlẽ Psalmo 55:22.) Ðe ŋugbedodo lédziname siawo medo ŋusẽ wò xɔse be nàyi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa kple eƒe nudidi dzɔdzɔeawo ŋu oa?

‘YI ŊGƆ NÀÐO TSITSINYENYE GBƆ’

9, 10. (a) Nu ka tae tsitsinyenye nye taɖodzinu nyui aɖe si gbɔ wòle be Kristotɔwo naɖo? (b) Alekee gbɔgbɔmeŋku tsɔtsɔ kpɔ nuwo nana wokpɔa dzidzɔ?

9 Nu vevi evelia si akpe ɖe ŋuwò le wò xɔtudɔa me la dze le nya siwo gbɔna, siwo tso gbɔgbɔ me la me be: “Mina míayi ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ.” (Hebritɔwo 6:1) Tsitsinyenye nye taɖodzinu nyui aɖe si gbɔ Kristotɔ ɖe sia ɖe ate ŋu aɖo. Tsitsinyenye mele abe blibodede, si gbɔ amegbetɔ aɖeke mate ŋu aɖo fifia o, ene o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, tsitsinyenye nana Kristotɔwo kpɔa dzidzɔ geɖe wu le Yehowa subɔsubɔ me. Nu ka tae?

10 Kristotɔ si ɖo tsitsinyenye gbɔ la nyea gbɔgbɔmeme. Ebua nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene. (Yohanes 4:23) Paulo gblɔ be: “Ame siwo nɔa agbe ɖe ŋutilã nu la tsɔa woƒe susuwo ɖoa ŋutilã la ƒe nuwo ŋu, ke ame siwo nɔa agbe ɖe gbɔgbɔ la nu la tsɔa woƒe susuwo ɖoa gbɔgbɔ la ƒe nuwo ŋu.” (Romatɔwo 8:5) Ŋutilãmeŋku tsɔtsɔ kpɔ nuwo menana ame kpɔa dzidzɔ vavãtɔ o, elabena enana ame nyea ɖokuitɔdila, ame si mebua nuwo ŋu yia ŋgɔe o, kple ame si tiaa ŋutilãmenuwo yome. Gake esi gbɔgbɔmeŋku tsɔtsɔ kpɔ nuwo nana wokpɔa nuwo abe ale si Yehowa, “Mawu dzidzɔtɔ la,” kpɔa woe ene ta la, enana ame kpɔa dzidzɔ vavãtɔ. (1 Timoteo 1:11) Gbɔgbɔmeme dina vevie be yeawɔ nu siwo adze Yehowa ŋu, eye wòkpɔa dzidzɔ le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Nu ka tae? Nɔnɔme sesẽwo ʋua mɔnukpɔkpɔ ɖi na ame be wòatu nuteƒewɔwɔ ɖo ahaɖee afia be Satana nye aʋatsokala, eye esia doa dzidzɔ na mía Fofo si le dziƒowo.—Lododowo 27:11; xlẽ Yakobo 1:2, 3.

11, 12. (a) Nya kae Paulo gblɔ tso Kristotɔwo ƒe “nugɔmeseseŋutetewo” ŋu, eye gɔmesese kae le nya si gɔme woɖe be “na hehe” la ŋu? (b) Aleke míenaa hehe míaƒe ŋutilã ale be ŋusẽ va ɖoa eŋu ne míele tsitsim?

11 Hehexɔxɔe kpena ɖe ame ŋu wònyea gbɔgbɔmeme kple ame si ɖo tsitsinyenye gbɔ. Bu mawunyakpukpui sia ŋu kpɔ: “Ame tsitsiwo tɔe nye nuɖuɖu sesẽ, ame siwo na hehe woƒe nugɔmeseseŋutetewo to wo zazã me, be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.” (Hebritɔwo 5:14) Helagbe me nya si Paulo zã esi wògblɔ be ‘míana hehe’ míaƒe nugɔmeseseŋutete la nye nya si wozãna le ƒe alafa gbãtɔ me Helatɔwo ƒe kamedefefewɔƒewo zi geɖe, si ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔe nye be ‘woana hehee abe ale si wonaa hehe kamedefefewɔlae ene.’ Azɔ na míadzro ale si míawɔ ana hehe míaƒe nugɔmeseseŋutetewoe me.

Kamedefefewɔla naa hehe eƒe ŋutinuwo to wo zazã me

12 Míaƒe ŋutilãa mexɔ hehe aɖeke le mía dziɣi o. Le kpɔɖeŋu me, vidzĩ kokoe mete ŋu kpɔa ŋusẽ boo aɖeke ɖe eƒe asiwo kple afɔwo ƒe ʋaʋã dzi o. Eya ta vidzĩa nɔa asi kple afɔ dam ɖe yame tukatuka; ɣeaɖewoɣi la, ete ŋu tsɔa wo tua eɖokui gɔ̃ hã, si menye ɖe wòɖoe hafi o. Gake to ŋutinu siawo ʋaʋã alea edziedzi me la, ele hehe nam eƒe ŋutilãe nye ema. Vivivi la, eva dzea tata, dzea azɔli zɔzɔ, eye kaka nàkpɔ la, eyae nye ema le du ƒum. * Ke kamedefefewɔla ya ɖe? Ne èkpɔ kamedefefewɔla aɖe wòti kpo heɖe goglomi le ya me atsyãtɔe la, ɖikeke mele eme o be nu si ava susu me na wò koe nye be ezã ɣeyiɣi geɖe tsɔ na hehe eƒe ŋutinuwo memie. Nyateƒee, menye nudogoɖenunue atsyã siwo goglomiɖelawo ɖena la nye kura o—wozãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ naa hehe woƒe ŋutinuwo. Biblia lɔ̃ ɖe edzi be hehenana ame ƒe ŋutilã “nyo na nu vi aɖe.” Ke ɖe hehenana míaƒe gbɔgbɔmenugɔmesese ŋutetewo ya maɖe vi na mí geɖe wu oa?—1 Timoteo 4:8.

13. Aleke míana hehe míaƒe nugɔmeseseŋutetewoe?

13 Míedzro nu geɖe me le agbalẽ sia me, siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàna hehe wò nugɔmeseseŋutetewo bene nàyi edzi anye gbɔgbɔmeme si alé nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi. Do gbe ɖa eye nàde ŋugble tso Mawu ƒe se kple gɔmeɖosewo ŋu ne èle nyametsotsowo wɔm le wò gbe sia gbe gbenɔnɔ me. Hafi nàwɔ nyametsotso ɖe sia ɖe la, bia ɖokuiwò be: ‘Biblia ƒe se kple gɔmeɖose kawoe ku ɖe nya sia ŋu? Aleke mate ŋu awɔ wo ŋu dɔe? Afɔɖeɖe kae adze Fofonye si le dziƒo ŋu?’ (Xlẽ Lododowo 3:5, 6; Yakobo 1:5.) Nyametsotsowo wɔwɔ le mɔ sia nu ana nànɔ hehe nam wò nugɔmeseseŋutetewo ɖe edzi. Hehenana sia ana nàdo ŋusẽ wò gbɔgbɔmemenyenye ahayi edzi alé eme ɖe asi.

14. Nu kae wòle be wòanɔ mía dzrom vevie ne míedi be míatsi le gbɔgbɔ me, gake nu ka ŋue wòle be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie le?

14 Togbɔ be gbɔgbɔmetsitsinyenye nye taɖodzinu si gbɔ ame ɖona hã la, ema mefia be seɖoƒe li na tsitsinyenye sia o. Nuɖuɖue nana míetsina. Susu ma tae Paulo gblɔ be: “Ame tsitsiwo tɔe nye nuɖuɖu sesẽ.” Nu vevi si akpe ɖe ŋuwò nàtu wò xɔse ɖoe nye be nàyi edzi anɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽwo ɖum. Ne ètsɔa nu siwo nèsrɔ̃na wɔa dɔe la, ke efia be èdze nunya, eye Biblia gblɔ be: “Nunyae nye nu vevitɔ.” Eya ta ele be míana nyateƒenya xɔasi siwo mía Fofo la ɖena ɖe go na mí la sɔsrɔ̃ nanɔ mía dzrom vevie. (Lododowo 4:5-7; 1 Petro 2:2) Gake ne sidzedze kple mawumenunya su mía si la, mele be ema nana míazu ɖokuiŋudzelawo kple ɖokuidoɖedzilawo o. Ele be míanɔ mía ɖokui me dzrom edziedzi ale be dada alo gbɔdzɔgbɔdzɔ bubu aɖeke nagage ɖe míaƒe dzi me, aƒo ke ɖe to ɖe mía me ahagblẽ nu le mía ŋu o. Paulo gblɔ be: “Minɔ mia ɖokui dom kpɔ be miele xɔse la me hã; minɔ mia ɖokui me dzrom kpɔ ne mianya ame siwo ƒomevi mienye.”—2 Korintotɔwo 13:5.

15. Nu ka tae lɔlɔ̃ hiã vevie hafi míate ŋu ayi edzi anɔ tsitsim le gbɔgbɔ me?

15 Ne wowu xɔ aɖe tutu nu hã la, dɔa mesena ɖe afi ma o. Ahiã be woayi edzi anɔ asi trɔm le eŋu ahanɔ nu siwo gblẽ le eŋu la ɖɔm ɖo, eye nɔnɔmeawo ate ŋu ana wòava hiã be woakekee ɖe enu hã. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ tsitsim ahalé míaƒe gbɔgbɔmemenyenye me ɖe asi? Nu si hiã vevie ye nye lɔlɔ̃. Ele be míana míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple mía nɔviwo nanɔ to dem ɖe edzi. Ne lɔlɔ̃ mele mía si o la, míaƒe sidzedze kple agbagbadzedzewo katã azu dzodzro. (1 Korintotɔwo 13:1-3) Gake ne míetu lɔlɔ̃ vavãtɔ ɖo la, menye ɖeko wòana míazu Kristotɔ tsitsiwo ko o, ke ana míayi edzi anɔ tsitsim le gbɔgbɔ me hã.

LÉ MƆKPƆKPƆ SI YEHOWA NA MÍ LA ME ÐE ASI

16. Nuŋububu kawo ƒomevie Satana dona ɖe ŋgɔ, eye ametakpɔnu kae Yehowa na mí?

16 Na míadzro nu vevi etɔ̃lia si akpe ɖe ŋuwò le gbɔgbɔmexɔtudɔa me la me. Hafi nàte ŋu atu ɖokuiwò ɖo ahanye Kristo yomedzela adodoea la, ele be nàkpɔ wò nuŋububu ta. Satana, si nye xexe sia ƒe fia la nya ale si wòana nukpɔsusu gbegblẽ nasu amewo si, dzi naɖe le wo ƒo, woagaka ɖe ame dzi o, eye mɔkpɔkpɔ nabu ɖe wo. (Efesotɔwo 2:2) Nu siawo ate ŋu agblẽ nu le Kristotɔ ŋu abe ale si ko baba gblẽa nu le atixɔ ŋui ene. Dzidzɔtɔe la, Yehowa na nu vevi si akpɔ mía ta le go sia me la mí—eyae nye mɔkpɔkpɔ.

17. Aleke Mawu ƒe Nya la ɖee fia be mɔkpɔkpɔ le vevie ŋutɔ?

17 Biblia ƒo nu tso gbɔgbɔmeʋawɔnu si wòle be míakpla bene míate ŋu aɖu Satana kple eƒe xexea dzii la ƒe akpa vovovoawo ŋu na mí. Aʋawɔnu sia ƒe akpa vevi aɖee nye “xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ,” si wotsɔ sɔ kple gakuku. (1 Tesalonikatɔwo 5:8) Le Biblia ŋlɔɣiwo la, asrafowo nyae be ne yewomeɖɔ gakuku o la, ke eteƒe madidi kura hafi yewoatsi aʋa o. Gakuku sia si me wofaa lãgbalẽ ɖo zi geɖe la kpɔa asrafo ta be lãnu siwo adze ta nɛ la nagawɔ nuvevii o. Abe ale si ko gakuku kpɔa asrafowo ƒe ta tae ene la, nenema kee mɔkpɔkpɔ kpɔa míaƒe susu, alo míaƒe nuŋububu, tae.

18, 19. Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na mí le mɔkpɔkpɔ meléle ɖe asi me, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋuae?

18 Yesue ɖo ale si míalé mɔkpɔkpɔ me ɖe asii ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi. Wò ya bu nu siwo gbegbe me wòto le eƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛa me ŋu kpɔ. Exɔlɔ̃ vevi aɖe fia eyomemɔ le ga ta. Exɔlɔ̃ bubu gbe nu le egbɔ be yemedze sii gɔ̃ hã o. Bubuawo hã gblẽe ɖi hesi dzo. Eya ŋutɔ detɔwo tsi tre ɖe eŋu nɔ ɣli dom be Roma srafowo nawɔ fui wòaku. Míate ŋu agblɔ kakaɖedzitɔe be nɔnɔme sesẽ siwo me Yesu to la ƒo amegbetɔ ɖe sia ɖe tɔ ta sãsãsã. Nu kae kpe ɖe Yesu ŋu? Hebritɔwo 12:2 gblɔ be: “Le dzidzɔ si wotsɔ ɖo eŋkume ta la, edo dzi kpe fuwɔameti ŋuti fu, eye mebu ŋukpe ɖe naneke me o, eye wòbɔbɔ nɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe ɖusime.” Yesu ƒe susu medzo le “dzidzɔ si wotsɔ ɖo eŋkume” la dzi kpɔ gbeɖe o.

19 Dzidzɔ kae wotsɔ ɖo Yesu ŋkume? Enyae be yeƒe dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe awɔ akpa aɖe le Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu kɔkɔ me. Anye kpeɖodzi gãtɔ kekeake hã be aʋatsokalae Satana nye. Ðe mɔkpɔkpɔ bubu aɖe agate ŋu ana dzi nadzɔ Yesu wu esia? Enyae hã be Yehowa aɖo yeƒe nuteƒewɔwɔ teƒe na ye geɖe—be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, yeagawɔ ɖeka kple ye Fofo lɔlɔ̃a le dziƒo. Yesu na mɔkpɔkpɔ lédziname sia nɔ susu me nɛ le ɣeyiɣi sesẽtɔwo kekeake me. Nenemae wòle be míawo hã míawɔe. Wotsɔ dzidzɔ aɖe ɖo míawo hã ŋkume. Bubu gã aɖee wònye Yehowa de mía ŋu esi wòna mɔnukpɔkpɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe be míawɔ akpa aɖe le yeƒe ŋkɔ gã la ŋu kɔkɔ me. Ne míetiae be míanɔ Yehowa ƒe Dziɖulanyenye ƒe akpa dzi, eye míedzra mía ɖokui ɖo dedie ɖe mía Fofo la ƒe lɔlɔ̃ la me, eɖanye nɔnɔme sesẽ alo tetekpɔ ka kee ava mía dzi o la, ekema míawo hã míaɖee afia be Satana nye aʋatsokala.

20. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàlé mɔkpɔkpɔ kple nuŋububu nyui me ɖe asi?

20 Menye ɖeko Yehowa le didim be yeaɖo eteƒe na ye subɔla wɔnuteƒewo o, ke ele edzrom vevie hã. (Yesaya 30:18; xlẽ Malaki 3:10.) Edzɔa dzi nɛ be yeana ye subɔlawo ƒe dzimedidi dzɔdzɔewo nava eme na wo. (Psalmo 37:4) Eya ta na wò susu nanɔ mɔkpɔkpɔ si le ŋgɔ na wò la dzi vevie. Mègana Satana ƒe xexe gblẽku sia ƒe nuŋububu gbegblẽ, ɖigbɔ, totroawo nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò gbeɖe o. Ne ède dzesii be xexe sia ƒe gbɔgbɔ va le ŋusẽ kpɔm ɖe yeƒe susu kple dzi dzi la, do gbe ɖa na Yehowa vevie ale be “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la,” nasu asiwò. Ŋutifafa sia si Mawu nana la akpɔ wò dzi kple wò tamesusuwo ta.—Filipitɔwo 4:6, 7.

21, 22. (a) Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae le “ameha gã” la me tɔwo lalam? (b) Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa ƒe akpa kae léa dzi na wò wu, eye nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

21 Mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname ka gbegbee nye esi le asiwò, si ŋu wòle be nàbu ɣesiaɣi! Ne èle mɔ kpɔm be yeanɔ “ameha gã” si “[ado] go tso xaxa gã la me” dome la, ke bu xexe si tɔgbi me nàva nɔ kpuie la ŋu kpɔ. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Ne woɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa la, àkpɔ gbɔdzɔe aɖe si ŋu màte ŋu abu fifia wòade edeƒe o. Alo ɖe mía dometɔ aɖe nɔ xexe aɖe si me Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ aɖeke mele o me kpɔa? Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye be míakpe asi ɖe anyigba sia tɔtrɔ wòazu paradiso ŋu le Yesu kple ame 144,000 siwo aɖu fia kplii le dziƒo la ƒe mɔfiafia te, esime Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi aɖeke megali o! Aleke gbegbe míetsɔ dzidzɔ le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me dɔlélewo katã nu ayi, si me míawɔ atuu na míaƒe ame vevi siwo woafɔ tso ku me, eye mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míase vivi na agbea abe ale si Mawu ɖoe be wòanɔ enee nye esi! Ne míeva ɖo blibodede gbɔ keŋkeŋ la, ŋugbedodo aɖe si galolo wu sãsãsã la asu mía si, si woyɔ le Romatɔwo 8:21 be “Mawu ƒe viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la.”

22 Yehowa di be yeana ablɔɖe gã aɖe si mate ŋu ava susu me na wò fifia o la wò. Toɖoɖo dzie nàto ana ablɔɖe ma nasu asiwò. Ðe mele be nàdze agbagba ɖe sia ɖe be yeanɔ to ɖom Yehowa gbe sia gbe oa? Ekema yi edzi nànɔ ɖokuiwò tum ɖo ɖe wò xɔse kɔkɔetɔ la dzi, bene nànɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa tegbee!

^ mm. 12 Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be ne míele tsitsim la, míaƒe ŋutilã va tua sidzenu tɔxɛ aɖewo ɖo, siwo te ŋu fiaa mɔ míaƒe asiwo kple afɔwo ƒe ʋaʋã le nanewo wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, sidzenu siawoe wɔnɛ be ne míemia ŋku hã la, míete ŋu ƒoa asikpe bɔbɔe. Ame tsitsi aɖe si dɔléle na eƒe sidzenu siawo dzudzɔ dɔwɔwɔ la megate ŋu tsia tsitre, zɔa azɔli, alo nɔa anyi nyuie gɔ̃ hã o.