Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tameɖoɖo Kae Le Mawu Si Na Mí?

Tameɖoɖo Kae Le Mawu Si Na Mí?

Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be míanɔ agbe le paradiso me le anyigba dzi tegbee le ŋutifafa kple dzidzɔ me!

Gake ɖewohĩ àbia be, ‘Ðe esia ate ŋu ava emea?’ Biblia gblɔ be Mawu ƒe Fiaɖuƒeae ana esia nava eme, eye Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be amewo katã nasrɔ̃ nu tso Fiaɖuƒe sia kple tameɖoɖo si le Mawu si na mí ŋu.—Psalmo 37:11, 29; Yesaya 9:6.

Mawu di be yeƒe ɖoɖowo naɖe vi na mí.

Abe ale si ko vifofo nyui ɖe sia ɖe dia nyui na viawo ene la, mía Fofo si le dziƒo hã ƒe didie nye be míakpɔ dzidzɔ ɖaa tegbee. (Yesaya 48:17, 18) Edo ŋugbe be ‘ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.’—1 Yohanes 2:17.

Mawu di be míawɔ yeƒe mɔfiamewo dzi.

Biblia gblɔ be mía Wɔla la ƒe didie nye be ‘yeafia yeƒe mɔwo mí,’ ale be míate ŋu ‘azɔ yeƒe toƒewo.’ (Yesaya 2:2, 3) Eƒo amewo nu ƒu ‘hena eƒe ŋkɔ la,’ be yeato wo dzi ana amewo nanya yeƒe lɔlɔ̃nu le anyigba bliboa dzi.—Dɔwɔwɔwo 15:14.

Mawu di be míawɔ ɖeka ade ta agu na ye.

Tadedeagu vavãtɔ si Yehowa ɖo anyi la medea mama amewo dome o, ke boŋ ɖe wònana amewo wɔa ɖeka helɔ̃a wo nɔewo ŋutɔŋutɔ. (Yohanes 13:35) Ame kawoe le nu fiam amewo le afi sia afi egbea be woawɔ ɖeka le Mawu subɔsubɔ me? Míedi be nàkpɔ ŋuɖoɖoawo to agbalẽ sia sɔsrɔ̃ me.