Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 1

Ame Kawoe Yehowa Ðasefowo Nye?

Ame Kawoe Yehowa Ðasefowo Nye?

Denmark

Taiwan

Venezuela

India

Ènya Yehowa Ðasefo aɖewoa? Anɔ eme be mía dometɔ aɖewo nye wò aƒelikawo, wò dɔwɔhatiwo, alo wò sukuhatiwo. Alo ɖewohĩ mía dometɔ aɖe dzro Biblia me kpli wò kpɔ. Ame kawo koŋue míenye, eye nu ka tae míeƒoa nu tso míaƒe dzixɔsewo ŋu na amewo?

Míele abe ame bubu ɖe sia ɖe ko ene. Míenye ame siwo tso dekɔnu vovovowo me siwo si nuteƒekpɔkpɔ vovovowo su. Mía dometɔ aɖewo nɔ subɔsubɔha bubuwo me tsã, eye ɖewo hã mexɔ Mawu dzi se tsã o. Gake hafi míeva zu Ðasefowo la, mía dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ dzi ɖi dzro Biblia ƒe nufiafiawo me tsitotsito. (Dɔwɔwɔwo 17:11) Míeva kpɔ kakaɖedzi le nu siwo míesrɔ̃ ŋu, eye míawo ŋutɔwoe tiae be míasubɔ Yehowa Mawu.

Míenye ame siwo Biblia sɔsrɔ̃ le vi ɖem na. Abe ame bubu ɖe sia ɖe ene la, ele be míanɔ te ɖe kuxiwo kple míawo ŋutɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu. Gake esi míedzea agbagba be míawɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi ta la, míaƒe agbenɔnɔ va nyo ɖe edzi. (Psalmo 128:1, 2) Esiae nye susu siwo ta míegblɔa nu nyui siwo míesrɔ̃ le Biblia me ŋu nya na amewo la dometɔ ɖeka.

Míenye ame siwo nɔa agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu. Nudidi siawo siwo míesrɔ̃ le Biblia me la nana míekpɔa dzidzeme, míedea bubu amewo ŋu, eye wonana míenyea anukwareɖilawo kple dɔmenyolawo. Nɔnɔme nyui siawo kpena ɖe mía ŋu be míanye ame ɖɔʋuwo kple dɔ nyui wɔlawo le nutoa me, enana míaƒe ƒomewo wɔa ɖeka, eye wònana míenɔa agbe nyui. Esi míexɔ edzi se be “Mawu mekpɔa ame ŋkume o” ta la, míelé dzixɔse ɖeka me ɖe asi, si na míeva zu nɔviwo ƒe habɔbɔ ɖeka si me tɔwo tso dukɔ sia dukɔ me, eye míedea mama mía nɔewo dome le afi si ame aɖe tso ta o. Togbɔ be míele abe ame bubu ɖe sia ɖe ko ene hã, míeva zu ame siwo ƒe nɔnɔme to vovo.—Dɔwɔwɔwo 4:13; 10:34, 35.

  • Mɔ kawo nue Yehowa Ðasefowo le abe ame bubuwo ke ene le?

  • Nɔnɔme nyui kawoe va su Ðasefowo si to Biblia sɔsrɔ̃ me?