Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 2

Nu Ka Tae Míetsɔ Ŋkɔ Yehowa Ðasefowo?

Nu Ka Tae Míetsɔ Ŋkɔ Yehowa Ðasefowo?

Noa

Abraham kple Sara

Moses

Yesu Kristo

Ewɔna na ame geɖe be subɔsubɔha yeye aɖee Yehowa Ðasefowo nye. Gake tso blema ke, anye ƒe 2,700 kple edzivɔe nye esia la, woyɔa Mawu vavã la subɔlawo be “ɖasefowo.” (Yesaya 43:10-12) Do ŋgɔ na ƒe 1931 la, míetɔ ŋkɔ si nye Biblia Nusrɔ̃viwo. Ke nu ka tae míeva tsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo?

Ŋkɔ sia ɖea Mawu si subɔm míele la fiana. Ŋɔŋlɔawo ƒe nuŋlɔɖi xoxotɔ siwo li la ɖo kpe edzi be Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, dze le Biblia me zi gbɔ zi akpe geɖe. Gake amewo ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me hetsɔ dzesideŋkɔwo abe Aƒetɔ alo Mawu ene ɖo eteƒe. Ke hã, Mawu vavã la ɖe eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ si nye Yehowa fia Mose, eye wògblɔ be: ‘Esiae nye nye ŋkɔ tegbee.’ (2 Mose 3:15) Ŋkɔ sia na wòto vovo tso alakpamawu bubuwo gbɔ. Bubu gã wònye na mí be Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la le mía ŋu.

Ŋkɔ sia ɖea dɔ si wɔm míele la fiana. Ame gbogbo aɖewo siwo nɔ anyi tso blema ke, tso ame dzɔdzɔe Abel dzi, ɖi ɖase be yewoxɔ Yehowa dzi se. Le ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo me la, Noa, Abraham, Sara, Mose, David, kple ame bubu geɖewo va kpe ɖe “ɖasefowo ƒe alilikpo gã” sia ŋu. (Hebritɔwo 11:4–12:1) Míawo hã míeɖoe kplikpaa be míaɖi ɖase tso nyateƒe si ku ɖe mía Mawu la ŋu, abe ale si ko amewo ɖia ɖase le ʋɔnu tsɔ ʋlia ame maɖifɔwo ta ene.

Ŋkɔ sia si le mía ŋu nana míesrɔ̃a Yesu. Biblia yɔ Yesu be enye ‘ɖasefo nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ.’ (Nyaɖeɖefia 3:14) Yesu ŋutɔ gblɔ be ‘yena amewo nya Mawu ƒe ŋkɔ la’ eye yeyi edzi ‘ɖi ɖase tso nyateƒe’ si ku ɖe Mawu ŋu la ŋu. (Yohanes 17:26; 18:37) Eya ta ele be Yehowa ƒe ŋkɔ nanɔ Kristo yomedzela vavãwo ŋu, eye woana amewo nanya ŋkɔ la. Esia tututue Yehowa Ðasefowo dzea agbagba wɔna.

  • Nu ka tae Biblia Nusrɔ̃viwo va tsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo?

  • Tso ɣekaɣie ɖasefowo nɔ Yehowa si le anyigba dzi?

  • Ame kae nye Yehowa ƒe Ðasefo gãtɔ?