Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 7

Aleke Míaƒe Kpekpewo Nɔna?

Aleke Míaƒe Kpekpewo Nɔna?

New Zealand

Japan

Uganda

Lithuania

Nu si Kristotɔ gbãtɔwo wɔna le woƒe kpekpewo mee nye be, wodzia ha, doa gbe ɖa, eye woxlẽa Ŋɔŋlɔawo hedzroa wo me—womewɔa kɔnu nyanyɛ aɖeke o. (1 Korintotɔwo 14:26) Aleae míawo hã míewɔa míaƒe kpekpewoe.

Biblia dzie míetua míaƒe nufiafiawo ɖo, eye wosɔ na agbenɔnɔ. Hame ɖe sia ɖe kpena le kwasiɖanuwuwuwo hesea miniti 30 ƒe Biblia me nuƒo, si fiaa ale si míawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyawo dzii le agbe me kple ale si emenyawo le eme vam le míaƒe ŋkekea mee la mí. Kpekpea valawo kea woƒe Bibliawo nɔa edzi kpɔm ne nuƒolaa yɔ mawunyakpukpui aɖe hele exlẽm. Le dutoƒonuƒoa megbe la, míewɔa “Gbetakpɔxɔ” Nusɔsrɔ̃ gaƒoƒo ɖeka, eye wonaa mɔnukpɔkpɔ kpekpea valawo be woakpɔ gome le Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míesrɔ̃na la ƒe biabiawo ŋu ɖoɖo me. Numedzodzro siawo kpena ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le agbe me. Nyati ɖeka ma kee míesrɔ̃na le míaƒe hame siwo wu 110,000 siwo le xexea me godoo la me.

Ekpena ɖe mía ŋu be míanye nufiala nyuiwo. Míegakpena fiẽ aɖe le kwasiɖaa me hena kpekpe si woma ɖe akpa etɔ̃ me, si míeyɔna be Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ. Agbalẽ si wotana ɣleti sia ɣleti si ƒe tanyae nye Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ ye míezãna le kpekpea me. Kpekpea ƒe akpa gbãtɔ, si nye Nu Xɔasi Siwo Le Mawu Ƒe Nya La Me, kpena ɖe mía ŋu míesea Biblia ƒe akpa aɖe si hamea xlẽ do ŋgɔ hafi va la gɔme ɖe edzi. Esi kplɔnɛ ɖoe nye Na Wò Subɔsubɔdɔa Nanyo Ðe Edzi; enye ale si míadzro Biblia me kple amewo la ƒe wɔwɔfiawo. Aɖaŋuɖola aɖe gblɔa nu siwo wòle be míawɔ be míagabi ɖe edzi le nuxexlẽ kple nufiafia me la na mí. (1 Timoteo 4:13) Akpa mamlɛtɔ, si nye Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ, la kuna ɖe ale si míawɔ Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le míaƒe agbenɔnɔ me gbe sia gbe ŋu. Eƒe akpa aɖe nyea biabiawo kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro si kpena ɖe mía ŋu míesea Biblia gɔme nyuie.

Ne ède míaƒe kpekpeawo la, nu nyui siwo nàsrɔ̃ tso Biblia me la alé dzi na wò godoo.—Yesaya 54:13.

  • Nu kawoe nàkpɔ mɔ be yeasrɔ̃ ne ède Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo?

  • Kpekpe siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa la dometɔ kae nàdi be yeade fifia?