Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 14

Suku Kawoe Woɖo Na Mɔɖelawo?

Suku Kawoe Woɖo Na Mɔɖelawo?

United States

Gilead Suku, Patterson, New York

Panama

Teokrasi ƒe hehe si xɔm Yehowa Ðasefowo le ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la ɖe dzesi ŋutɔ. Woɖo suku tɔxɛwo na ame siwo tsɔ woƒe ɣeyiɣiawo katã ɖo anyi na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ, ale be woakpe ɖe wo ŋu woawɔ woƒe “subɔsubɔdɔ la de goe bliboe.”—2 Timoteo 4:5.

Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Suku. Ne ame aɖe wɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa ƒe ɖeka la, wokpenɛ be wòade suku sia ŋkeke ade le Fiaɖuƒe Akpata aɖe me le woƒe nutoa me. Sukua ƒe taɖodzinue nye be wòakpe ɖe mɔɖelaa ŋu wòate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu, wòagabi ɖe ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa vovovoawo katã me, eye wòayi eƒe subɔsubɔdɔa dzi nuteƒewɔwɔtɔe.

Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku. Woɖo suku sia si xɔa ɣleti eve be woatsɔ ana hehe mɔɖela bibi siwo di be yewoaʋu ayi aɖasubɔ le afi sia afi si wohiã woƒe kpekpeɖeŋu le la. Ame siawo gblɔna be, “Nyee nye esi, dɔm!” eye woƒe nɔnɔme nyui sia nye Yesu Kristo, ame si nye Nyanyuigblɔla gãtɔ si nɔ anyigba dzi kpɔ la, ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃. (Yesaya 6:8; Yohanes 7:29) Be woaʋu ayi aɖanɔ nuto bubu me biana be woanɔ agbe tsɛ. Ele be woatrɔ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ, yame ƒe nɔnɔme kple nuɖuɖu yeyewo ŋu. Ehiãna be woasrɔ̃ gbe yeyewo gɔ̃ hã. Suku sia le kpekpem ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu trewo kpakple srɔ̃tɔwo siaa, siwo xɔ tso ƒe 23 va se ɖe ƒe 65, ŋu be woasrɔ̃ nɔnɔme nyui siwo dzea Mawu ŋu, siwo akpe ɖe wo ŋu le woƒe dɔdeasia wɔwɔ me. Egakpena ɖe wo ŋu hã be woatu ŋutete siwo ana Yehowa kple eƒe habɔbɔa nazã wo geɖe wu la ɖo.

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku. Le Hebrigbe me la, “Gilead” gɔmee nye “Ðaseɖiɖikpekɔ.” Tso esime woɖo Gilead sukua le ƒe 1943 me la, wona hehe dutanyanyuigblɔla siwo wu 8,000 be woayi aɖaɖi ɖase “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke,” eye wole dzidzedze geɖe kpɔm. (Dɔwɔwɔwo 13:47) Hafi suku sia nuwulawo naɖo Peru la, hame aɖeke menɔ dukɔa me o. Fifia hame siwo le afi ma sɔ gbɔ wu 1,000. Esi míaƒe dutanyanyuigblɔlawo ɖo Japan teti la, Ðasefo siwo nɔ dukɔa me mede ewo gɔ̃ hã o. Fifia wosɔ gbɔ wu 200,000. Gilead suku si xɔa ɣleti atɔ̃ la delawo srɔ̃a Mawu ƒe Nya la tsitotsito. Wokpea mɔɖela veviwo alo ame siwo le nya nyuia gblɔm le duta, ame siwo le subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒewo, alo nutome sue dzikpɔlawo be woade suku sia. Woxɔa hehe deto si nana woagabina nyuie, ale be woana xexea me katã ƒe dɔa nali ke ahakpɔ dzidzedze.

  • Nu kae nye Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Sukua ƒe taɖodzinu?

  • Ame kawoe woɖo Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua na?