Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 17

Kpekpeɖeŋu Kae Dzikpɔla Mɔzɔlawo Nana Mí?

Kpekpeɖeŋu Kae Dzikpɔla Mɔzɔlawo Nana Mí?

Malawi

Gbeadziƒuƒoƒo

Gbeadzisubɔsubɔdɔa

Hamemetsitsiwo ƒe kpekpe

Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso apostolo Paulo kple Barnaba ŋu zi geɖe. Ame siawo nye dzikpɔla mɔzɔla siwo yina ɖasrãa hame siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la kpɔna. Nu ka tae? Elabena wotsɔ ɖe le eme na woƒe haxɔsetɔwo vevie. Paulo gblɔ be yedi be ‘yeatrɔ ayi aɖasrã nɔviawo kpɔ’ be yeanya ale si wole. Elɔ̃ faa be yeazɔ mɔ kilometa alafa geɖe be yeayi aɖado ŋusẽ nɔviawo. (Dɔwɔwɔwo 15:36) Didi ma kee le míaƒe dzikpɔla mɔzɔlawo hã me egbea.

Wova dea dzi ƒo na mí. Nutome sue dzikpɔla ɖe sia ɖe srãa hame siwo ade 20 kpɔna zi eve le ƒe ɖeka me eye wònɔa wo gbɔ kwasiɖa ɖeka. Nuteƒekpɔkpɔ siwo su nɔviŋutsu siawo kple wo dometɔ siwo ɖe srɔ̃ ƒe srɔ̃wo si la ɖea vi na mí geɖe. Wodzea agbagba be yewoadze si ɖeviwo kple tsitsiawo siaa eye wodina vevie be yewoazɔ kpli mí le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ahade dzi ƒo na míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo. Dzikpɔla siawo kple hamemetsitsiwo wɔa alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo, wodoa ŋusẽ mí, eye woƒoa nuƒo tuameɖowo le kpekpewo kple takpekpewo me.—Dɔwɔwɔwo 15:35.

Wotsɔa ɖe le eme na mí katã. Nutome sue dzikpɔlawo tsɔa ɖe le ale si hameawo le vevie dom nu le mawusɔbɔsubɔ me la me. Wokpena kple hamemetsitsiwo kpakple subɔsubɔdɔwɔlawo, wodzroa ŋgɔyiyi siwo hamea wɔ la me kpli wo, eye wonaa mɔfiame siwo sɔ la wo le woƒe agbanɔamedziawo tsɔtsɔ me. Wokpena ɖe mɔɖelawo ŋu be woakpɔ dzidzedze le woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me, eye wòdzɔa dzi na wo hã be yewoanya ame yeye siwo le ha dem kpli mí ahase nu tso ŋgɔyiyi siwo wɔm wole ŋu. Nɔviŋutsu siawo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa eɖokui nana faa be yeanye míaƒe ‘hadɔwɔla le míaƒe nyonyo ta.’ (2 Korintotɔwo 8:23) Ele be míasrɔ̃ woƒe xɔse kple ale si wodoa vevie mawusubɔsubɔe.—Hebritɔwo 13:7.

  • Susu kawo tae nutome sue dzikpɔlawo srãa hamewo kpɔna?

  • Nu kawoe nàwɔ be woƒe sasrãkpɔa naɖe vi na wò?