Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 22

Dɔ Kawoe Wowɔna Le Alɔdzedɔwɔƒewo

Dɔ Kawoe Wowɔna Le Alɔdzedɔwɔƒewo

Solomon Islands

Canada

South Africa

Betel-ƒomea me tɔwo wɔa dɔ vovovo le alɔdzedɔwɔƒewo tsɔ doa alɔ gbeƒãɖeɖedɔa le dukɔ si me wole kpakple ɖewohĩ dukɔ bubuwo hã me. Dɔ siwo wowɔna ƒe ɖewoe nye gbegɔmeɖeɖe, agbalẽ kple magazinewo tata, agbalẽwo dzi kpɔkpɔ, nyawo léle ɖe mɔ̃ dzi kple videowo wɔwɔ, kpakple hiahiã bubuwo gbɔ kpɔkpɔ.

Alɔdzekɔmiti ye kpɔa dɔa dzi. Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha la tsɔ alɔdzedɔwɔƒewo dzi kpɔkpɔ de asi na Alɔdzekɔmiti me tɔ siwo nye hamemetsitsi bibi siwo dze la dometɔ etɔ̃ alo esiwo wu nenema. Alɔdzekɔmitia nana Dɔdzikpɔha la nyana ŋgɔyiyi siwo wɔm wole kple ɖewohĩ kuxi siwo wodoa goe le woƒe anyigbamamawo me. Nyatakaka mawo nana Dɔdzikpɔha la nyana nyati siwo woata ɖe míaƒe agbalẽwo me alo esiwo me woadzro le míaƒe kpekpewo kple takpekpewo me. Dɔdzikpɔha la ɖoa amedɔdɔwo ɖa woyina ɖasrãa alɔdzedɔwɔƒewo kpɔna edziedzi be woana mɔfiame Alɔdzekɔmitia le woƒe dɔwo wɔwɔ me. (Lododowo 11:14) Wowɔa ɖoɖo tɔxɛ le dɔwɔƒegã ƒe amedɔdɔ la ƒe sasrãkpɔɣi, si ƒe ɖee nye be wòaƒo nuƒo na ame siwo wokpe tso hame siwo gogo afi si alɔdzedɔwɔƒea le la me.

Wonaa mɔfiame hame siwo le woƒe anyigbamamaa me. Nɔviŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le alɔdzedɔwɔƒea daa asi ɖe hame yeyewo ɖoɖo dzi. Wonaa mɔfiame mɔɖelawo, dutanyanyuigblɔlawo, kple nutome sue dzikpɔlawo hã. Wowɔa ɖoɖo ɖe takpekpe suewo kple gãwo ŋu, wokpɔa Fiaɖuƒe Akpata yeyewo tutu dzi, eye wokpɔa agbalẽwo ɖoɖo ɖe hamewo me hã dzi. Dɔ sia dɔ si wowɔna le alɔdzedɔwɔƒea la doa alɔ gbeƒãɖeɖedɔa, be woate ŋu awɔe ɖe ɖoɖo nyui nu.—1 Korintotɔwo 14:33, 40.

  • Aleke Alɔdzekɔmitiwo kpena ɖe Dɔdzikpɔha la ŋui?

  • Dɔ kawoe wowɔna le alɔdzedɔwɔƒewo?