Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 24

Afi Kae Míekpɔa Ga Le Na Míaƒe Xexea Me Katã Ƒe Dɔa Wɔwɔ?

Afi Kae Míekpɔa Ga Le Na Míaƒe Xexea Me Katã Ƒe Dɔa Wɔwɔ?

Nepal

Togo

Britain

Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa taa Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ miliɔn alafa geɖe hemaa wo ƒe sia ƒe, ke hã míedoa asi ɖe wo ŋu o. Míetua Fiaɖuƒe Akpatawo kple alɔdzedɔwɔƒewo heléa be na wo. Míedoa alɔ ame siwo le subɔsubɔm le Betel kple dutanyanyuigblɔla akpe geɖewo, eye míenaa kpekpeɖeŋu mía nɔviwo ne afɔku dzɔ. Eya ta ɖewohĩ àbia be, ‘Afi kae míekpɔa ga le tsɔ wɔa esiawo katãe?’

Míexɔa nu ewolia, dzɔa ga le amewo si, alo kaa ga aɖe koŋ na amewo be woanɔ xexem o. Togbɔ be míezãa ga gbogbo aɖe ɖe nyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu hã la, míebiaa gakpekpeɖeŋu amewo o. Anɔ ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwoe nye esia la, Gbetakpɔxɔ magazine ƒe tata evelia gblɔ be, míeka ɖe edzi be Yehowa le megbe na mí, eya ta “míaɖe kuku alo aƒo koko na amegbetɔwo gbeɖe be woana gakpekpeɖeŋu mí o”—eye míewɔ esia kpɔ hã o!Mateo 10:8.

Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe míetsɔ doa alɔ míaƒe dɔa. Ame geɖe kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe Biblia-fiafiadɔa ŋu, eya ta wodzɔa nu faa tsɔ doa alɔ dɔ sia. Ðasefowo ŋutɔ hã lɔ̃na faa zãa woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, ga kple nunɔamesi bubuwo tsɔ kpea asi ɖe dɔa ŋu le xexea me godoo hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. (1 Kronika 29:9) Nudzɔɖakawo le míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me kple míaƒe takpekpewɔƒewo, siwo me ame siwo di be yewoadzɔ nu la tsɔa woƒe nudzɔdzɔwo dena. Woate ŋu aɖo nudzɔdzɔwo ɖa to míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe, jw.org, hã dzi. Ame akpa gãtɔ siwo dzɔa nu la nye ame dahewo abe ahosi dahe si Yesu kafu, si tsɔ gaku sue eve de nudzɔɖakaa me le gbedoxɔa me la ene. (Luka 21:1-4) Eya ta ame sia ame ate ŋu ‘adzra nane ɖo ɖi’ be yeanɔ dzɔdzɔm edziedzi “abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene.”1 Korintotɔwo 16:2; 2 Korintotɔwo 9:7.

Míeka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi aʋã ame sia ame si di be ‘yeatsɔ yeƒe kesinɔnuwo ade bubu eŋui’ la ƒe dzi be wòadzɔ nu atsɔ ado alɔ Fiaɖuƒedɔa be eƒe lɔlɔ̃nu nava eme.Lododowo 3:9.

  • Nu kae na míaƒe habɔbɔa to vovo tso subɔsubɔha bubuwo gbɔ?

  • Aleke wozãa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe?