Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 25

Nu Ka Tae Míetua Fiaɖuƒe Akpatawo, Eye Aleke Míewɔna Tua Wo?

Nu Ka Tae Míetua Fiaɖuƒe Akpatawo, Eye Aleke Míewɔna Tua Wo?

Bolivia

Nigeria, do ŋgɔ, kple emegbe

Tahiti

Míeyɔa míaƒe tadeaguƒewo be Fiaɖuƒe Akpatawo, elabena Mawu ƒe Fiaɖuƒe, si nye Biblia me nyati si koŋ Yesu ɖe gbeƒãe la ŋuti nyawo mee míedzrona le afi ma.—Luka 8:1.

Wonye tadeaguƒe vavãwo le nutoa me. Fiaɖuƒe Akpatawo mee míexɔa Fiaɖuƒeŋutinya nyuia gbɔgblɔ ŋuti mɔfiamewo le. (Mateo 24:14) Akpataawo ƒe tutume kple lolome le vovovo, gake wo katã wonye xɔ kpokploewo, eye hame siwo wu ɖeka ye kpea ta le wo dometɔ geɖe me. Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, míetu Fiaɖuƒe Akpata yeye akpe geɖewo le xexea me godoo (míetua atɔ̃ gbe sia gbe le mama dedie nu) le esi hameawo le dzidzim ɖe edzi kabakaba ta. Nu kae na míete ŋu le dɔ siawo wɔm?—Mateo 19:26.

Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖo aɖe koŋue wotsɔ tunɛ. Woɖoa ga si hameawo dzɔ la ɖe alɔdzedɔwɔƒea be woatsɔ akpe ɖe hame siwo hiã Fiaɖuƒe Akpata yeyewo ŋu alo be woatsɔ adzra esiwo wotu xoxo la ɖo na wo.

Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla vovovo siwo womexea fe na o lae tunɛ. Woɖo Fiaɖuƒe Akpata Tuhawo ɖe dukɔ geɖe me. Xɔtudɔwɔla kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo yia hame vovovowo me le dukɔa me, woyia kɔƒewo gɔ̃ hã me, be woakpe ɖe hamea me tɔwo ŋu le woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu me. Le dukɔ bubu aɖewo me la, wotia Ðasefo siwo dze be woakpɔ Fiaɖuƒe Akpatawo tutu kple wo dzadzraɖo dɔwo gbɔ le woƒe nutoa me. Togbɔ be dɔnyala vovovowo hã tsɔa wo ɖokuiwo nana faa le teƒe ɖe sia ɖe si wole xɔtudɔ siawo wɔm le hã la, hamea me tɔwoe nyea ame akpa gãtɔ siwo wɔa dɔ vovovo siwo hiã la. Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, kple ale si eƒe amewo tsɔa dzi blibo kpea asi ɖe dɔa ŋui ye na wote ŋu le esiawo katã wɔm.—Psalmo 127:1; Kolosetɔwo 3:23.

  • Nu ka tae míeyɔa míaƒe tadeaguƒewo be Fiaɖuƒe Akpatawo?

  • Nu kae na míete ŋu le Fiaɖuƒe Akpatawo tum le xexea me godoo?