Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 26

Aleke Míate Ŋu Akpe Asi Ðe Beléle Na Fiaɖuƒe Akpataa Ŋui?

Aleke Míate Ŋu Akpe Asi Ðe Beléle Na Fiaɖuƒe Akpataa Ŋui?

Estonia

Zimbabwe

Mongolia

Puerto Rico

Woyɔa Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la tɔna ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata ɖe sia ɖe ŋu. Eya ta míesena le mía ɖokui me be asikpekpe ɖe akpataa me dzadzraɖo ŋu be wòanɔ dzadzɛ ahanɔ nɔnɔme nyui me la nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kple míaƒe subɔsubɔ kɔkɔea ƒe akpa vevi aɖe. Ame sia ame ate ŋu awɔ akpa aɖe.

Kpɔ gome le akpataa me dzadzraɖo me le kpakpã megbe. Le kpekpe ɖe sia ɖe megbe la, edzɔa dzi na nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo be yewoakplɔ Fiaɖuƒe Akpataa me, adzra nugododeƒea kple aɖuɖɔɖɔƒea ɖo. Azɔ hã, wogadzraa akpata bliboa me ɖo nyuie kwasiɖa sia kwasiɖa alo ɣleti sia ɣleti. Hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla aɖee kpɔa dɔ siawo wɔwɔ dzi, eye zi geɖe la, wozɔna ɖe mɔfiame aɖewo koŋ dzi. Le ale si hiahiãa le nu la, ame aɖewo kplɔa nu, tutua anyigba, tutua ɖi le nuwo ŋu, ɖea yiyiɖɔwo, dzɔa zikpuiawo, klɔa aɖuɖɔɖɔƒeawo kple nugododeƒeawo hewua atike ɖe teƒea, tutua fesreawo kple ahuhɔ̃eawo ŋu, tsɔa gbeɖuɖɔawo ƒua gbe alo dzraa gota ɖo. Ƒe sia ƒe la, woɖoa ŋkeke aɖe koŋ ɖi na dɔwɔwɔ tsitotsito le xɔ bliboa me kple egodo siaa ŋu. Ne míenana mía viwo hã kpea asi ɖe dɔ siawo wɔwɔ ŋu la, ekema míele kpekpem ɖe wo ŋu be woade bubu míaƒe tadeaguƒewo ŋu.—Nyagblɔla 4:17.

Kpe asi ɖe dɔ sia dɔ si hiã la wɔwɔ ŋu. Wowɔ ɖoɖo be woalé ŋku ɖe Fiaɖuƒe Akpata bliboa me kple egodo siaa ƒe nɔnɔme ŋu tsitotsito ƒe sia ƒe. Esia nana wowɔa dzadzraɖodɔ ɖe sia ɖe si wokpɔ be ehiã la bene akpataa nanɔ nɔnɔme nyui me ɣesiaɣi, ale be woagava zã ga gbogbowo ɖe dzadzraɖodɔ gãwo ŋu emegbe o. (2 Kronika 24:13; 34:10) Fiaɖuƒe Akpata si le dzadzɛ la nye teƒe si sɔ be míade ta agu na mía Mawu la le. Ne míekpɔa gome le dɔ siawo wɔwɔ me la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa eye míedea asixɔxɔ míaƒe tadeaguƒewo ŋu. (Psalmo 122:1) Esiawo katã nana nutoa me tɔwo hã ƒoa nu nyui le mía ŋu.—2 Korintotɔwo 6:3.

  • Nu ka tae wòle be míalé be na míaƒe tadeaguƒewo nyuie?

  • Ðoɖo kawoe wowɔ be Fiaɖuƒe Akpataa nanɔ dzadzɛ ɣesiaɣi?