Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 1

Nu Kae Nye Nya Nyui La?

Nu Kae Nye Nya Nyui La?

1. Nya nyui kae le Mawu si na mí?

Mawu di be amewo nanɔ agbe le dzidzɔ me le anyigba dzi. Ewɔ anyigba la kple edzinuwo katã, elabena elɔ̃ ameƒomea. Eteƒe madidi o ahe etsɔme nyui aɖe vae na anyigbadzitɔwo katã. Ana gbɔdzɔe ameƒomea tso nu siwo hea fukpekpe vanae me.​—Xlẽ Yeremiya 29:11.

Dziɖuɖu aɖeke mete ŋu ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ, dɔléle, alo ku ɖa o. Gake nya nyui aɖe li. Eyae nye be eteƒe madidi o, Mawu ana eya ŋutɔ ƒe dziɖuɖu nava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe. Eteviwo anɔ ŋutifafa kple lãmesẽ blibo me.​—Xlẽ Yesaya 25:8; 33:24; Daniel 2:44.

2. Nu ka tae nya nyuia hiã kpata ɖo?

Ne Mawu ɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi ko hafi fukpekpe maganɔ anyi o. (Zefaniya 2:3) Ɣekaɣie esia adzɔ? Mawu ƒe Nya la gblɔ kuxi siwo ɖe kpe na ameƒomea ɖi. Nu siwo le dzɔdzɔm egbea ɖee fia be ɣeyiɣi si Mawu akpɔ nyawo gbɔ la tu aƒe.​—Xlẽ 2 Timoteo 3:1-5.

3. Nu kae wòle be míawɔ?

Ele be míasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu le eƒe Nya Biblia la me. Biblia le abe lɛta aɖe si vifofo lɔ̃ame aɖe ŋlɔ na viawo ene. Egblɔ ale si míawɔ agbe nadze edzi na mí fifia kple ale si míawɔ anɔ agbe tegbee le anyigba dzi le etsɔme hã na mí. Enye nyateƒe be madzɔ dzi na ame aɖewo ne wokpɔ be wole kpekpem ɖe ŋuwò be nàse Biblia gɔme o. Gake mègaɖe mɔ naneke nana etsɔme nyui sia nato ŋuwò o.​—Xlẽ Lododowo 29:25; Nyaɖeɖefia 14:6, 7.