Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA ETƆ̃LIA

‘Ame Siwo Katã Si Xɔse Le La Fofo’

‘Ame Siwo Katã Si Xɔse Le La Fofo’

1, 2. Aleke xexea trɔ tso Noa ŋɔli, eye aleke Abram se le eɖokui me tso esia ŋu?

ABRAM wu mo dzi hekpɔ gbedoxɔ gã nyadri si le Ur dugã, si nye wo dedua me la le adzɔge ɖaa. * Hoowɔwɔ le edzi yim le afi ma, eye dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ. Dzinumawu la ƒe nunɔlawo gale vɔwo sam ake. Kpɔe ɖaa le susu me be Abram trɔ mo ɖa hele ta ʋuʋum, eye eƒe mo ɖee fia be mekpɔ ŋudzedze ɖe nu si wòkpɔ la ŋu o. Esi wònɔ amehawo dome tom le mɔa dzi yina aƒe me la, anya nɔ ale si gbegbe trɔ̃subɔsubɔ xɔ aƒe ɖe Ur la ŋu bum. Aleke tadedeagu nyɔŋu ma va keke ta le xexea me tso Noa ŋɔli enye esi!

2 Ƒe eve pɛ ko le Noa ƒe ku megbee wodzi Abram. Esime Noa kple eƒe ƒomea wodo le aɖakaʋua me le Tsiɖɔɖɔ gã la megbe la, blemafofo sia sa vɔ na Yehowa Mawu, eye esia yome Yehowa na anyieʋɔ ɖi ɖe alilikpowo ŋu. (1 Mose 8:20; 9:12-14) Ɣemaɣi la, tadedeagu dzadzɛa koe nɔ anyigba bliboa dzi. Gake fifia si Noa ƒe dzidzimeviwo dzi ɖe edzi va ɖo dzidzime ewolia dzi eye wonɔ ta kekem le anyigba dzi la, tadedeagu dzadzɛa nu yi keŋkeŋ kloe. Trɔ̃wo subɔsubɔ va xɔ aƒe ɖi. Abram fofo, Tarax, gɔ̃ hã subɔ trɔ̃wo, eye ɖewohĩ eme legbawo hã.—Yos. 24:2.

Aleke Abram wɔ va zu xɔse ƒe kpɔɖeŋuɖola si ɖe dzesi?

3. Esime Abram nɔ tsitsim la, nɔnɔme nyui kae va ɖe dzesi le eŋu, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ?

3 Abram ya to vovo na eŋɔlimetɔwo. Esime wònɔ tsitsim la, eƒe xɔse na wògava ɖe dzesi geɖe wu. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo emegbe wòyɔe be ‘ame siwo katã si xɔse le la fofo’! (Xlẽ Romatɔwo 4:11.) Na míakpɔ ale si wòdzɔe be xɔse sẽŋu ma va su Abram sii ɖa. To esia wɔwɔ me la, míawo ŋutɔwo míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ale si míawɔ atsi le xɔse me ŋu.

Ale Si Yehowa Subɔsubɔ Nɔ Le Tsiɖɔɖɔa Megbe

4, 5. Ame kae anya fia nu Abram tso Yehowa ŋu, eye nu ka tae míate ŋu aƒo nya ta alea?

4 Aleke Abram wɔ dze si Yehowa Mawu? Míenya be subɔla wɔnuteƒewo nɔ Yehowa si le anyigba dzi le ŋkeke mawo me. Sem nye wo dometɔ ɖeka. Togbɔ be menye eyae nye Noa viŋutsu tsitsitɔ o hã la, eyae woyɔna gbã zi geɖe. Edze ƒãa be esi Sem ƒe xɔse ɖe dzesi tae. * Ɣeyiɣi aɖe le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Noa yɔ Yehowa be “Sem ƒe Mawu.” (1 Mose 9:26) Sem de bubu Yehowa ŋu, eye wòbu tadedeagu dzadzɛa nu vevii.

5 Ðe wòanye be Abram kple Sem wonya wo nɔewoa? Ate ŋu anɔ eme nenema. Kpɔ Abram ɖaa le susu me esime wònye ŋutsuvi dzaa. Aleke gbegbe dzi adzɔe enye esi be wòanyae be tɔgbui nyanu, si kpɔ blemanudzɔdzɔwo teƒe ƒe alafa ene kple edzivɔwo la le ye si! Sem kpɔ ale si xexea vɔ̃ɖi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa, ale si Tsiɖɔɖɔ gã la tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, ale si woɖo dukɔ gbãtɔwo anyi esime amegbetɔwo nɔ dzidzim ɖe edzi le anyigba dzi kple Nimrod ƒe aglãdzeɣi wɔnublanuia, si me wotu Babel Mɔa le, la teƒe. Sem, nuteƒewɔla la, mekpɔ gome le aglãdzenuwɔna ma me o, eya ta esi Yehowa tɔtɔ mɔa tulawo ƒe gbe la, Sem kple eƒe ƒomea ya gakpɔtɔ doa gbe gbãtɔ si amegbetɔwo dona, si nye gbe si Noa hã do. Ƒome ma me tɔe Abram hã nye. Eya ta kakaɖedzitɔe la, Abram dea bubu gã aɖe Sem ŋu tso eƒe ɖevime ke. Gawu la, Sem kpɔtɔ nɔ agbe le Abram ƒe agbenɔƒe didi la ƒe akpa gãtɔ me. Eya ta anɔ eme be Sem ye fia nu Abram tso Yehowa ŋu.

Abram ƒo asa na trɔ̃subɔsubɔ si xɔ aƒe ɖe Ur

6. (a) Aleke Abram ɖee fia be yesrɔ̃ nu vevi aɖe tso Tsiɖɔɖɔa ƒe ŋutinyaa me? (b) Aleke agbea nɔ na Abram kple Sarai?

6 Aleke kee nyaa ɖale o, Abram srɔ̃ nu vevi aɖe tso Tsiɖɔɖɔ gã la ƒe ŋutinya me. Edze agbagba vevie be yeazɔ kple Mawu abe ale si Noa zɔ kplii ene. Esia tae Abram ƒo asa na trɔ̃subɔsubɔ, si na wòto vovo le Ur dua me tɔwo kple ɖewohĩ eƒe ƒometɔ kpamkpamwo gɔ̃ hã dome. Ke hã eva kpɔ kpeɖeŋutɔ nyui aɖe ɖe. Eɖe Sarai, nyɔnu aɖe si ɖe dzesi ŋutɔ, menye le eƒe tugbedzedze ɖeɖe ko ta o, ke le ale si gbegbe wòxɔ Yehowa dzi se hã ta. * Togbɔ be atsu kple asia sia tsi ko hã la, ɖikeke mele eme o be wokpɔ dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me ɖekae. Woxɔ Abram ƒe tɔgãyɔvi Lot, si nye tsyɔ̃evi la hã nyi.

7. Aleke wòle be Yesu yomedzelawo nasrɔ̃ Abram ƒe kpɔɖeŋui?

7 Abram megblẽ Yehowa ɖi hekpɔ gome le Ur tɔwo ƒe trɔ̃subɔsubɔ me gbeɖe o. Woa kple Sarai woɖoe kplikpaa be yewomakpɔ gome le nutoa me tɔwo ƒe trɔ̃subɔsubɔ me o. Nenema kee wòle be míawo hã míawɔ nui ne míedi be xɔse akuakua nanɔ mía si. Ele be míawo hã míaɖoe kplikpaa be míato vovo. Yesu gblɔ be ye yomedzelawo manye “xexea ƒe akpa aɖeke o,” eye be xexea alé fu wo le esia ta. (Xlẽ Yohanes 15:19.) Ne èto vevesese si wònyena ne ƒometɔwo alo wò nutoa me tɔwo gbe nu le gbɔwò le esi nètso nya me be yeasubɔ Yehowa ta me kpɔ la, ke ɖo ŋku edzi be menye wò ɖeka dzie nu sia dzɔ ɖo o. Èle zɔzɔm kple Mawu abe ale si Abram kple Sarai hã zɔ kplii do ŋgɔ na wò ene.

“Ʋu Le Wò Anyigba Dzi”

8, 9. (a) Nu kae dzɔ gbe ɖeka si Abram maŋlɔ be akpɔ o? (b) Nya kae Yehowa gblɔ na Abram?

8 Gbe ɖeka, nane dzɔ si Abram maŋlɔ be akpɔ o. Yehowa Mawu ƒo nu kplii! Biblia megblɔ mɔ si tututu dzi Mawu to ƒo nu kplii la o, gake egblɔ be “ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la” ɖe eɖokui fia ŋutsu nuteƒewɔla ma. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 7:2, 3.) Ðewohĩ woto mawudɔla aɖe si nye Mawu teƒenɔla la dzi ɖe xexea me katã ƒe Dziɖulagã la ƒe ŋutikɔkɔe wɔnuku la ƒe akpa sue aɖe fia Abram. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye na Abram be wòakpɔ vovototo gã si gbegbe le Mawu gbagbe la kple legba siwo me agbe mele o, siwo eŋɔlimetɔ subɔna la dome!

9 Nya kae Yehowa gblɔ na Abram? Egblɔ nɛ be: “Ʋu le wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ kple fofowò ƒe me, eye nàyi anyigba, si mafia wò la dzi.” Yehowa megblɔ anyigba si koŋ dzi wòdi be Abram nayi la nɛ o, ke boŋ ɖeko wògblɔ be yeafia teƒe lae. Gake gbã la, ele be Abram naʋu le wo de kple eƒe ƒometɔwo gbɔ. Le blema Titina Ɣedzeƒe tɔwo ŋɔli la, ƒometɔwo dome kadodowo nɔa vevie ŋutɔ. Ɣemaɣi la, wobunɛ be busue wònye be ame aɖe naklã tso eƒe ƒometɔwo gbɔ aɖanɔ teƒe didi aɖe; ame aɖewo susuna be ku gɔ̃ hã nyo wu!

10. Nu ka tae manya nɔ bɔbɔe na Abram kple Sarai be woaʋu le woƒe aƒe me le Ur o?

10 Ʋuʋu le wo de abia be Abram natsɔ nanewo asa vɔe. Kpeɖodziwo ɖee fia be Ur nye dugã si me nu dze edzi na amewo le, si me kesinɔnuwo bɔ ɖo. (Kpɔ aɖaka si le nye “ Du Si Abram Kple Sarai Gblẽ Ðe Megbe.”) Nu siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo la ɖee fia be aƒe nyuiwo nɔ blema Ur; xɔnu wuieve alo esi wu nenema nɔ aƒe aɖewo siwo me ƒomewo kple woƒe dɔlawo nɔ la me, xɔawo le togodoo eye xɔxɔnu si woɖo kpe ɖo nyuie la le titina. Aƒemenuzazãwo abe tsinoƒewo, nugododeƒewo kple tsi ƒoɖi toƒewo nɔa aƒeawo me. Ðo ŋku edzi hã be Abram kple Sarai tsi le ƒe me; Abram anya nɔ eƒe ƒe 70-awo me, eye Sarai hã anɔ eƒe ƒe 60-awo me. Abram adi godoo be nu siwo Sarai hiã la nasu esi eye eƒe dzi nadze eme, abe ale si ko srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe adi be yeawɔ na srɔ̃a ene. Bu dze siwo woanya nɔ ɖoɖom tso dɔdeasi sia ŋu, nya siwo woanɔ wo nɔewo biam kple nu siwo ŋu woatsi dzi ɖo la ŋu kpɔ. Dzi anya dzɔ Abram ŋutɔ be Sarai lɔ̃ be yeaʋu kpli ye! Abe Abram ene la, eya hã lɔ̃ faa be yeagblẽ nu nyui siwo katã le wo de la ɖi ahaʋu.

11, 12. (a) Dzadzraɖo kple nyametsotso kawoe wòhiã be Abram kple Sarai nawɔ hafi aʋu le Ur? (b) Aleke míate ŋu aɖɔ ale si nuwo yii le ŋdi si me woʋu la me?

11 Esi Abram kple Sarai tso nya me be yewoaʋu vɔ la, dɔ geɖe dze ŋgɔ wo woawɔ. Agba geɖe li woafɔ, eye ele be woawɔ ɖoɖo ɖe nu geɖe ŋu. Esi womenya afi si yim wole o ɖe, nu kawoe woatsɔ ɖe asi, eye nu kawo ŋue woaɖe asi le? Esi gale vevie wue nye woƒe ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo. Ðe woagblẽ Tarax ɖia, alo ɖe woakplɔe ɖe asi? Wotso nya me be yewoakplɔe ɖe asi ahalé be nɛ le mɔa dzi. Ðewohĩ eya hã lɔ̃ ɖe edzi kple dzidzɔ, elabena nuŋlɔɖia yɔe kpe ɖe blemafofowo ŋu hegblɔ tso eŋu be ekplɔ eƒe ƒomea woʋu le Ur. Ðikeke mele eme o be eɖe asi le trɔ̃subɔsubɔ ŋu. Abram ƒe tɔgãyɔvi Lot hã ayi kpli wo.—1 Mose 11:31.

12 Ŋdi si me woadze mɔa la ɖo mlɔeba. Kpɔe ɖaa le susu me be mɔzɔha bliboa le ƒu ƒom ɖe Ur ƒe gli kple tsimɔ si nye takpɔnu na dua la godo. Wodo agba na kposɔwo kple tedziwo, woƒo lãhawo nu ƒu, ƒomea kple dɔlawo le klalo, eye dzi le wo dzɔm vevie ɖe mɔ si zɔ ge wole la ŋu. * Ðewohĩ wo katã wofɔ ŋku ɖe Abram dzi hele lalam be wòaɖe gbe ne yewoadze mɔ. Mlɔeba la, ɣeyiɣia de, eye wodze mɔ hegblẽ Ur ɖe megbe tegbee.

13. Aleke Yehowa subɔla geɖewo wɔa nu abe Abram kple Sarai ene egbea?

13 Egbea la, Yehowa subɔla geɖewo ʋuna yia afi siwo Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo hiã le geɖe wu. Bubuwo srɔ̃a gbe bubu aɖe be yewoate ŋu akeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Alo wotea subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe si menya wɔna na wo tututu o la kpɔ. Afɔɖeɖe siawo tɔgbi biana zi geɖe be woatsɔ nanewo asa sɔe, si fia be woalɔ̃ faa aɖe asi le agbe me dzidzɔdonamenu aɖewo ŋu. Yehowa subɔla siwo ɖea afɔ siawo tɔgbi la le Abram kple Sarai srɔ̃m, eye wodze na kafukafu! Ne míeɖe xɔse sia tɔgbi fia la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo eteƒe na mí wòagbɔ nu siwo míetsɔ sa vɔe la ta sãsãsã. Eɖoa eteƒe na ame siwo ɖe xɔse fia la godoo. (Heb. 6:10; 11:6) Ðe wòɖo Abram hã ƒe xɔse teƒe nɛa?

Wotso Frat Tɔsisia

14, 15. Aleke mɔzɔzɔ tso Ur yi Xaran nɔ, eye anye nu ka tae Abram tso nya me be yewoatsi Xaran hena ɣeyiɣi aɖe?

14 Vivivi la, mɔzɔzɔa va ma Abram kple eƒe amewo. Míate ŋu akpɔ Abram kple Sarai le susu me ɖaa be woanɔ agbatsɔlãwo dzi sẽe eye woaɖi ahazɔ sẽe, eye ga siwo wotsi ɖe lãwo ƒe ka la hã anɔ ɖiɖim esime wo ame evea wole dze ɖom. Ʋɛʋɛʋɛ la, ame siwo mebi ɖe mɔzɔzɔ me o gɔ̃ hã va srɔ̃ agbadɔtutu kple ehoho kple ale si woakpe ɖe Tarax ŋu wòade kposɔa alo tedzia dzi. Woɖo ta dzieheɣetoɖoƒe gome henɔ Frat Tɔsisia ŋu tom. Wole azɔlia dzi ɖɔɖɔɖɔ tso ŋkeke yi ŋkeke hena kwasiɖa geɖe.

15 Esi wozɔ mɔ abe kilometa 960 ene vɔ la, wova ɖo Xaran, si nye du si me xɔ nogoewo nɔ la mlɔeba; enye dugã si me kesinɔnuwo bɔ ɖo, afi si Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe dome asitsamɔwo do go le. Ƒomea tsi afi ma hena ɣeyiɣi aɖe. Ðewohĩ ŋusẽ meganɔ Tarax ŋu be wòayi mɔzɔzɔa dzi o.

16, 17. (a) Nubabla ka ŋue Abram kpɔ dzidzɔ ɖo? (b) Aleke Yehowa yra Abram esime wònɔ Xaran?

16 Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Tarax ku esime wòxɔ ƒe 205. (1 Mose 11:32) Togbɔ be Abram xa nu hã la, eƒe akɔ fa, elabena Yehowa gaƒo nu kplii ake. Egagblɔ nya siwo wògblɔ nɛ le Ur la ake, eye wògado ŋugbe bubuwo nɛ. Abram ava zu “dukɔ gã,” eye woayra anyigba dzi ƒomeawo katã to eyama dzi. (Xlẽ 1 Mose 12:2, 3.) Dzi dzɔ Abram ŋutɔ ɖe woa kple Mawu dome nubabla sia ta, eye wòkpɔe be ɣeyiɣia de be yeayi mɔzɔzɔa dzi.

17 Gake fifia ya la, agba si wòle be Abram nafɔ la gasɔ gbɔ wu, elabena Yehowa na eƒe nunɔamesiwo sɔ gbɔ ɖe edzi esime wòle Xaran. Nuŋlɔɖia ƒo nu tso “woƒe kesinɔnuwo katã kple ame siwo katã wokpɔ le Xaran” ŋu. (1 Mose 12:5) Hafi Abram nate ŋu azu dukɔ la, ele be nunɔamesiwo kple dɔla geɖewo nanɔ esi. Menye ɣesiaɣie Yehowa nana esubɔlawo zua kesinɔtɔwo ya o, ke hã enaa nu sia nu si wohiã ale be eƒe lɔlɔ̃nu nava eme la sua wo si. Esi Mawu yra Abram alea ta la, esu te nyuie azɔ be wòayi eƒe mɔzɔzɔa dzi, ɖeko menya afi yim wòle o dzro.

Menɔ bɔbɔe na Abram kple Sarai be woaʋu le Ur afi si agbea dze edzi na wo le la o

18. (a) Abram ƒe mɔzɔzɔa ƒe ɣeyiɣi kae nye vevitɔ le Mawu kple Eƒe amewo ƒe ŋutinya me? (b) Nu vevi bubu kawoe dzɔ le Nisan 14 lia dzi ƒe geɖewo megbe? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ƒe Vevi Aɖe Le Biblia Ƒe Ŋutinya Me.”)

18 Esi wozɔ mɔ ŋkeke geɖe tso Xaran megbe la, wova ɖo Karkemis, afi si mɔzɔlawo tsoa Frat Tɔsisia le zi geɖe. Edze ƒãa be ɣleti si wova yɔ emegbe be Nisan la ƒe ŋkeke 14 lia dzi le ƒe 1943 D.M.Ŋ. mee Abram nɔ ŋgɔ na etɔwo wotso tɔsisia, eye esia nye ɣeyiɣi vevi aɖe ŋutɔ le Mawu kple Eƒe amewo ƒe ŋutinya me. (2 Mose 12:40-43) Anyigba si ŋugbe Yehowa do be yeafia Abram la le anyiehe gome ɖaa. Ŋkeke ma dzie nu, si Mawu bla kple Abram la dze dɔwɔwɔ gɔme.

19. Nu ka hã ŋue Yehowa ƒo nu tsoe le ŋugbe si wòdo na Abram la me, eye nu ka dzie esia anya ɖo ŋkui na Abram?

19 Esi Abram kple etɔwo nɔ zɔzɔm ɖo ta anyiehe gome le anyigbaa dzi la, wova tɔ ɖe More ƒe ati gãwo gbɔ, le teƒe si gogo Sixem. Esi wonɔ afi ma la, Yehowa gaƒo nu kple Abram ake. Mawu gado ŋugbe aɖe si me wòƒo nu tso Abram ƒe dzidzimevi siwo ava nɔ anyigbaa dzi la ŋu nɛ. Ðe nya sia na Abram ƒe susu yi nya si Yehowa gblɔ ɖi le Eden bɔa me ku ɖe ‘dzidzimevi’ aɖe si ava ɖe ameƒomea gbe ɖeka ŋu la dzia? (1 Mose 3:15; 12:7) Ðewohĩ. Anɔ eme be eva le egɔme sem azɔ be yele akpa vevi aɖe wɔm le Yehowa ƒe tameɖoɖo vevi aɖe me vava me.

20. Aleke Abram ɖee fia be yede asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si Yehowa na ye la ŋu?

20 Abram de asixɔxɔ gã aɖe mɔnukpɔkpɔ si Yehowa nae la ŋu. Esi Abram nɔ tsatsam le anyigbaa dzi la, ɖikeke mele eme o be eɖɔ ŋu ɖo, elabena Kanaantɔwo gakpɔtɔ nɔ anyigba la dzi; etɔ ɖe mɔ dzi heɖi vɔsamlekpuiwo na Yehowa, eɖi gbãtɔ ɖe More ƒe ati gãwo gbɔ, eye emegbe le teƒe aɖe si te ɖe Betel ŋu. Eyɔ Yehowa ŋkɔ, eye anɔ eme be esia fia be eda akpe na eƒe Mawu la tso dzi me esime wònɔ ŋugble dem le eƒe dzidzimeviwo ƒe etsɔme ŋu. Anya ɖe gbeƒã na Kanaantɔ siwo dome wònɔ la hã. (Xlẽ 1 Mose 12:7, 8.) Gake xɔse ƒe dodokpɔ gãwo le ŋgɔ na Abram le mɔzɔzɔ sia si xɔ eƒe agbenɔɣi susɔea la me. Abram wɔe nyuie be metsɔ susu ɖo nu siwo ŋu wòɖe asi le, eƒe aƒe kpakple dzidzeme si wòkpɔ le Ur tsã la ŋu o. Ke boŋ enɔ ŋgɔgbe kpɔm tẽe. Hebritɔwo 11:10 gblɔ tso Abram ŋu be: “Enɔ du si gɔmeɖoanyi ŋutɔŋutɔwo li na la lalam, du si ƒe aɖaŋuwɔla kple tsola ye nye Mawu.”

21. Nu kae míenya tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu si Abram menya o, eye nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

21 Mí ame siwo le Yehowa subɔm egbea la míenya nu geɖe tso kpɔɖeŋudu ma, si nye Mawu Fiaɖuƒea, ŋu wu Abram. Míenya be Fiaɖuƒea le dzi ɖum le dziƒo eye ahe xexemenuɖoanyi sia ava nuwuwu kpuie, eye míenya hã be Abram ƒe Dzidzimevi, Yesu Kristo, si ŋugbe wodo xoxoxo la le dzi ɖum fifia le Fiaɖuƒe ma me. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wòanye na mí be míakpɔ eteƒe Abraham nagava nɔ agbe ake eye wòase Mawu ƒe tameɖoɖo ma si gɔme mese tututu le gɔmedzedzea me o la gɔme nyuie! Àdi be yeakpɔ ale si Yehowa ana eƒe tameɖoɖowo katã nava eme la teƒea? Ekema ele vevie be nàyi edzi anɔ nu si Abram wɔ la wɔm. Yi edzi nànɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ɖem fia, nànɔ toɖoɖo dzi, eye nàde asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ siwo Yehowa na wò la ŋu. Zi ale si nèle Abram, si nye ‘ame siwo katã si xɔse le la fofo,’ ƒe xɔse srɔ̃m la, ava nye wò hã fofowò le gɔmesese aɖe nu!

^ mm. 1 Ƒe aɖewo megbe la, Mawu va trɔ Abram ƒe ŋkɔ be Abraham, si gɔmee nye “Dukɔ Geɖewo Fofo.”—1 Mose 17:5.

^ mm. 4 Nenema kee le Tarax viŋutsuwo dome la, Abram ye woyɔna gbã zi geɖe, togbɔ be menye eyae nye tsitsitɔ o hã.

^ mm. 6 Emegbe la, Mawu va trɔ Sarai ƒe ŋkɔ be Sara, si gɔmee nye “Fiavinyɔnu.”—1 Mose 17:15.

^ mm. 12 Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be womemlãa kposɔwo hezãa wo le Abram ƒe ŋkekea me o. Ke hã womete ŋu ɖo kpe nya sia dzi o. Gake Biblia yɔ kposɔwo kpe ɖe Abram ƒe nunɔamesiwo ŋu zi geɖe.—1 Mose 12:16; 24:35.